Go to full page →

13—LE HOLAND KPLE SKANDINAVIA UGL 211

Roma ƒe ameteteɖeto wɔnawo he tsitretsitsi sesẽa ɖe va Holand. Ƒe alafa adrẽ do ŋgɔ na Luther ƒe ɣeyiɣi la, Holand ƒe episkɔpo evea ɖe, siwo wodɔ ɖo ɖe Roma la, yi ke ɖe nusi koŋ enye Papa dziɖuɖua ƒe nɔnɔme vavã la ŋuti, eye wodze aglã kalẽtɔe ɖe eŋuti, esi wogbɔ va aƒe la. Agbalẽ, si woŋlɔ̃ ɖo ɖee la ƒe akpaa ɖe enye esi gbɔna: “Mawu na eƒe Hame la, si nye eƒe Fia-Nyɔnu kple Srɔa la, tabianu xɔasi mavɔa ɖe na eyama kple eƒe ƒome la katã, si meyrɔna o, eye megblẽna hã o la; eye wòganae fiakuku kple fiatikplɔ mavɔ; gomekpɔkpɔ siawo nèxɔ le esi na ɖokuiwò abe fiafi ene; èle ɖokuiwò dom ɖe dzi le Mawu ƒe gbedoxɔ la me; le esime wòle be nànye alẽkplɔla la, nèle abe amegãxi ene na alẽha la. Edi be míakpɔ ye abe episkɔpowo ƒe tatɔ gãtɔ kekeake ene; ke ameteɖetola ye nènye boŋ… Esime wòle be nànye subɔlawo ƒe subɔla, abe alesi nènɔa ɖokuiwò yɔm ene la, nèle ŋutetewo katã wɔm be nàzu aƒetɔwo-dzi-aƒetɔ boŋ. Nele fuléle hem va Mawu ƒe sededewo dzi… Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye amesi tua Mawu ƒe Hame la ɖo yi ɖe keke xexeame ƒe mlɔenu ke. Mawu ƒe Du kɔkɔe, si me viwo míenye la, keke xɔ dziƒo ƒe liƒowo katã dzi; elolo wú du, si Nyagblɔɖila kɔkɔeawo yɔ be Babilon la, si be yenye Aƒetɔ la tɔ, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi yi dziƒo ke; du si dana le eɖokui me be nunya mavɔ le yesi, eye, le nuwuwu la, gblɔna alakpatɔe be yemeda vo kpɔ o, eye yemada vo gbeɖe o la.- Gerard Brandt, History of the Reformation in and about the Low Countries , liv.1, p. 6- UGL 211.1

Ame bubuwo hã gatsi tre, tso ƒe alafa yi alafa dzi he nya siawo ke ɖe Roma ŋuti. Ŋgɔdola gbãtɔ siawo, siwo ɖina tsa yi du geɖewo me, eye wodze si wo kple ŋkɔ vovovowo la, ƒe agbenɔnɔ ɖi Vaud-dumetɔwo ƒe dɔgbedela, siwo kaka Nyanyui la ƒe nunya yi afisiafi, yi ɖe Anyigbe-duwo me hã. Woƒe nufiafiawo kaka geɖe le ɣeyiɣi via ɖe ko me. Woɖe Vaud-tɔwo ƒe Biblia la gɔme, le nyasrɔgblɔ ƒe nɔnɔme me yi ɖe duametɔwo ƒe gbe me. Wogblɔ be gomekpɔkpɔ geɖe le eme; menye fefenya, glinya, nyamaɖinya alo ameblenya ɖeke wònye o, ke boŋ Nyateƒe nya ɖeɖe sɔŋ ko wònye. Ɖikeke mele eŋu o be teƒea ɖewo ƒe gɔmesese sesẽna, gake le afisiawo hã, ele bɔbɔe be nake ɖe nusi nyo eye wòle kɔkɔe la ƒe ƒutomemi kple ŋutifafa la ŋuti.- Ibid, liv.1, p. 14. Nusiawo ye tsã ƒe xɔse yomedzelawo ŋlɔna le ƒe alafa wuieveawo me. UGL 211.2

Ke Roma ƒe ame yometitiwo gadze egɔme. Gake le dzotɔame kple fuwɔame ƒe ŋutasesẽ mawo katã me la, xɔsetɔwo ƒe xexlẽme gale dzidzim ɖe dzi, eye wonɔa gbɔgblɔm kple ŋusẽ be Biblia ɖeka koe nye ŋusẽ, si medana vo le subɔsubɔnyawo me o, eye bena “mele be woaté ɖe amea ɖe dzi be wòaxɔse o, ke boŋ to Mawunya sese mee ame ŋutɔ latrɔ dzi me le.” Martyn , vol. 2, p. 27. UGL 212.1

Luther ƒe nufiafiawo kpɔ anyigba nyuiea ɖe le Anyigbe-du (Holand) la me, eye ame siwo yɔ kple dzo kple nuteƒewɔwɔ la, tso na gbeƒãɖeɖe Nyanyui la. Meno Simons tso Anyigbe-dua ƒe nutoa ɖe me. Etsi le katoliko ƒe nufiafia me, eye wòvazu nunɔla, le esime menya naneke tso Biblia ŋu o, eye wògbe hã be yemaxlẽe o, ale be yemagavage ɖe nudadafiafia dzi xɔse me o. Ke gbeɖeka, ɖikeke va ge ɖe eyama me ku ɖe nufiafia, si gblɔ be hostia vazuna Kristo ƒe ŋutilã vavã le misa wɔwɔ me la; ekpɔ ɖikeke sia abe Satana ƒe tetekpɔ ene. Ke edze agbagba be yeaɖe ɖikeke sia ɖa to gbedodoɖa kple nuvɔmeʋuʋu me, gake esia katã nye tofloko. Ewɔ ŋutete be yeatsi yeƒe dzitsinya ƒe fuɖename nu to nanewo wɔwɔ me, gake esia hã nye nu ƒuƒlu. Ke le ɣeyiɣi via ɖewo megbe la, edze Nubabla Yeyea sɔsrɔ gɔme ale be, kple Luther ƒe nuŋɔŋlɔa ɖewo ƒe kpekpeɖeŋu la, exɔ Xɔse-ɖɔɖo la. Medidi hafi wòyi kɔƒe, si te ɖe enɔƒe ŋu la me, afisi wòkpɔ wowu ameaɖe le, si ƒe vodada koe nye be exɔ mawutsilele ɖe tsidetaname teƒe. Nusia na be wòyi ɖe nusɔsrɔ̃ me ku ɖe tsidedeta na ɖeviwo ŋuti. Meke ɖe naneke, si ɖo kpe ɖeviwo ƒe tsideta dzi le Biblia me o, ke bɔŋ be dzimetɔtrɔ kple xɔse woenye nusiwo wobiana ɣesiaɣi tso amewo si na mawutsilele la. UGL 212.2

Ke Meno do go le katoliko ha me, hetsɔ eƒe agbe ɖo anyi na Nyateƒe, siwo wòxɔ la kaka. Kristotɔ geɖewo gali, siwo nye Vaud-tɔwo ƒe gbeƒãɖeɖe ƒe kutsetsewo. Meno wɔ dɔ le wo dome kple dzoxɔxɔ gãa ɖe le dziɖuɖu geɖe me. Wɔwuiwɔlaa ɖewo hã ɖe wo ɖokuiwo fia le Anyigbe-du la kple Germania du la me. Woƒe nufiafiawo to vovo, eye wonye hlɔnuwɔwɔ kple aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋuti, eye woganye nusiwo mesɔ ɖe ɖoɖo nyui kple agbe nyui nɔnɔ nu o. Meno kpɔ nu dziŋɔ, siwo avado go tso nufiafia siawo me la do ŋgɔ, eye wòtsi tre ɖe wɔwuiwɔla siawo ƒe nudadafiafia kple mɔtatra ƒe hlɔnuwɔwɔwo ŋuti kple eƒe ŋusẽ katã. Ame geɖe, siwo woble la trɔ le wo yome. UGL 212.3

Meno wɔ mɔzɔzɔ geɖe kple srɔa kple viawo ƒe blaeve vɔ atɔ sɔŋ, le dɔ sesẽwo wɔwɔ kple ahedada geɖe kpakple agbe ƒe afɔku sɔ gbɔ me. Eɖi tsa le Holand ƒe duwo kple Germania ƒe anyiehe duwo me nɔa dɔ wɔm, tɔxɛ le ahedalawo dome, to gbɔ be eƒe dɔwɔwɔwo keke ta geɖe de afi bubuwo hã. Enye amesi nya nu ƒoƒo, to gbɔ be menya agbalẽ sɔgbɔ o, kple bɔbɔenyenye ƒe ame, si ƒe nuteƒewɔwɔ li ke, eye wònye amesi ƒe mawusosroɖa de to. Enɔa agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu, eye dukɔa katã kana ɖe eyama dzi. Eyomedzelawo kaka ɖe teƒe bubuwo le yometiti ta. Wokpe fu geɖe elabe amewo bu wo abe Munster ƒe wɔwuiwɔlawo ene. Gake ame geɖewo kpɔ dzimetɔtrɔ to eƒe dɔwɔwo me. UGL 213.1

Womexɔ Ɖɔɖɔɖo nufiafiawo le afia ɖeke abe alesi woxɔ wo le Holand ene o. Afisiwo eyomedzelawo kpɔ yometiti sesẽwo le wú la mesɔ gbɔ o. Karlos V lia di be yeatsrɔ̃ Ɖɔɖɔɖo la le Germania, eye wòɖo be yeana woade ka ve na Xɔse-ɖɔɖotɔwo katã, gake fiaviwo tsi tre ɖe ameteteɖeto ƒe nya sia ŋu. Ekpɔ ŋusẽ geɖe wú le Holand, afisi wòɖea yometiti ƒe se geɖewo ɖe go le, le wonɔewo yome enuenu la. Aɖe gbeƒã Biblia, axlẽe, alo ase eƒe Nya, alo ŋutɔ gɔ̃ hã, aƒo nu tso eŋu ɖeɖe ko la, nye vodada, siwo dze na dzotɔtɔ. Ado gbe ɖa na Mawu le ɣaɣla me, agbe be yemade ta agu na kpetataa ɖe o, alo adzi Psalmowo ƒe haa ɖe la, nye vodada, si hea ku vɛ. Amesiwo lɔ̃ be yewo atrɔ le yewo ƒe xɔse yome hã kpɔa ku godo ; ne enye ŋutsu la akpɔ ku le yi nu; ke ne enye nyɔnu la woaɖii agbagbe. Alea ye ame akpe kple akpewo ku le fia Karlos V kple fia Filipo II lia ƒe dziɖuɖu te. UGL 213.2

Gbeɖeka wokplɔ ƒome blibo ɖeka va hame la ƒe ʋɔnu. Wotsɔ nya ɖe wo ŋu be womegavana sɔleme o, be wonɔa subɔsubɔ wɔm le aƒe me. Le nya biabia wo me la, ɖevi ŋutsuvi suɛtɔ la gblɔ be “Míedzena klo doa gbe ɖa be Mawu naklẽ ɖe míaƒe susuwo me, eye wòatsɔ míaƒe vɔwo ake mí; míedoa gbe ɖa ɖe míaƒe fia la ta, be eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋgɔdede, be eƒe agbe la nadze edzi nɛ; míedoa gbe ɖa ɖe senyalawo ta, be Mawu nakpɔ wo ta.- Wylie, liv. 18, ch. 6.- Ʋɔnudrɔlaa ɖewo ʋuʋu geɖe le wo ɖokui me, gake wotɔ dzo ƒome-fofo la kple viŋutsuviawo dometɔ ɖeka godo nublanuimakpɔtɔe. UGL 214.1

Nusi sɔ kple ɣemaɣi ƒe yometiti la koe nye Martirowo ƒe dzidodo. Menye ŋutsuwo ɖeɖe koe o, ke nyɔnuwo kple ɖetugbuiviwo hã ɖe kalẽwɔwɔ, si naneke meʋuʋu o la fia. “Wokpɔ nyɔnuwo nɔ tsitre ɖe nake, siwo dzi wonɔ dzo tɔm wosrɔwo le la ƒe axa dzi, eye esi wonɔ fiafiãm le dzoa me la, wonɔa dzideƒonyawo gblɔm na wo, alo nɔa Psalmowo ƒe ha dzim henɔa ŋusẽ dom wo.” Ɖetugbiviwo ɖiɖina ɖe woƒe yɔdo, siwo me wole wo ɖi ge le agbagbe la me, abe ɖe wole gegem ɖe woƒe xɔdɔme na zã me ƒe gbɔɖeme ene, alo woyina dzotɔame nakewo dzi le woƒe ŋkekenyuiɖuwuwo me, abe ɖee woyi woƒe srɔɖeŋkeke ɖu ge ene. Ibid, liv. 18, ch. 6.- UGL 214.2

Abe alesi wònɔ, le ŋkeke, siwo me trɔsubɔlawo di be yewoatsrɔ̃ Nyanyui la enea, “kristotɔwo ƒe ʋu nye nuku, si woƒã la;” (míakpɔ Tertullien, Apologie , par. 50) yometiti mewɔ naneke wú be wòana Nyateƒe ƒe ɖaseɖilawo nagasɔ gbɔ ɖe edzi o. Tso ƒe yi ƒe dzi, du-fia, si le dziku dom ɖe dukɔmeviwo ƒe xɔse maʋuʋu ŋuti la, gayi ɖe eƒe ŋutasesẽ la dzi do kpoe. Ke le nuwuwu la, aglãdzedze, si ho le fia bubutɔ William tso Orange ƒe ɣeyiɣi me la, na be Holand kpɔ ablɔɖe be wòasubɔ Mawu alesi dzroe la. UGL 214.3

Le Piemont ƒe towo dome kple, Frans ƒe gbadzaƒewo kpakple Holand ƒe futa-duwo me la, Nyanyui yomedzelawo ƒe ʋu wotsɔ ŋlɔ̃ eƒe ŋgɔdede ƒe nyawo. Gake ekpɔ mɔ bɔbɔe le Anyiehe ƒe duwo me. Sukugãdelawo gbɔ tso Wittemberg va wode le Skandinavia kple Ɖɔɖɔɖo-xɔse la. Luther ƒe agbalẽwo ƒe mamã hã na be Nyateƒe la kaka ɖe dzi. Anyiehe dukɔmetɔ, siwo nye ame gblɔewo kple kalẽtɔwo la, trɔ megbe de Roma ƒe gbegblẽ, atsyɔɖoɖo kple numaɖinuwodzixɔse, eye woxɔ Biblia kple eƒe Nyateƒe, siwo le dzadzɛ, le gblɔe, eye wogbɔa agbe ame la. Tausen, “Danemark ƒe Ɖɔɖɔɖowɔla” la, nye agbledela ƒe UGL 214.4

vi. Tso keke ɖevi me ke nunya gãa ɖe ƒe dzesiwo dze le eŋu. Nusɔsrɔ̃ ƒe tsikɔ nɔ ewum, ke esi edzilawo ƒe ahedada meɖe mɔ nɛ o ta la, ede eɖokui ɖokuiɖeɖagalawo ƒe kpɔ me. Eƒe dɛ nyui, veviedodo kple nuteƒewɔwɔ na be dzikpɔla la lɔ̃ eƒe nya gbɔ. Wode dzesii be nunana sɔ gbɔ le esi, siwo avakpe ɖe hame la ŋuti le ɣeyiɣi, siwo ava la me. Ke wowɔ ɖoɖo be woaɖoe ɖe nusrɔƒe le Germania alo Holand ƒe sukugãa ɖe me. Wobiae be eya ŋutɔ natia du, si me wòdi be yeayi nusrɔƒe le la, ke Wittemberg-du la koe manɔ eme o. Medze be hamea ƒe sukuvi nate gogo “xɔse madzɔmadzɔ” ƒe aɖi la o. Esia enye nya, siwo nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo nɔa gbɔgblɔm. UGL 215.1

Tausen yi ɖe Kolonya, afisi papadziɖuɖua kpɔ ŋusẽ le tsã, abe egbea ke ene. Le afi sia la, nufialawo ƒe nufiafia, siwo kplɔ ame yi ɖe kadede me nɔnɔ kple gbɔgbɔ vɔwo la ŋuti wòke ɖo kple ŋunyɔ. Le ɣemawoɣi ke la, Luther ƒe nuŋɔŋlɔa ɖewo vage ɖe eƒe asi me. Exlẽ wo le nuku kple dzidzɔ me, eye wòdzroe vevie be yeaxɔ Ɖɔɖɔɖowɔla ma ƒe nufiafiawo na yeɖokui. Wɔna sia ate ŋu he woƒe dzikpɔla ƒe dziku va eyama dzi, eye kpekpeɖeŋu, si wonanae hã, atso. Ke ewɔ eƒe tameɖoɖo, eye medidi hafi wòzu nusrɔla le Wittemberg sukugã la o. Esi wòtrɔ tso Danemark la, egayi ɖe ɖokuiɖeɖaga ƒe kpɔ la me, eye amea ɖeke menya be exɔ Luther ƒe nufiafiawo ɖe eƒe susu me o. Meɖe nu le eƒe nuɣaɣla la dzi o, ke edze agbagba be, le esime yemawɔ naneke aʋuʋu woƒe xɔse o la, yeahe yetɔwo va xɔse, si dza kple agbe nyui nɔnɔ gbɔ. Eʋu Biblia, heɖe emenyawo gɔme na wo, eye wòɖe Kristo fia wo abe amesi nye nuvɔwɔla ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe ɖeɖe ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka hɔ, si li la ene. Ke dzikpɔla, si tsɔ mɔkpɔkpɔwo katã da ɖe eyama dzi be avanye hamea taʋlila gãa ɖe gbaɖegbe la, kpɔ dziku ale gbegbe. Azɔ woɖee do go tso afima, yi ɖe teƒe bubu, afisi wodee xɔ via ɖe me be woanɔ ŋku lém ɖe eŋuti vevie le. Eƒe dzikpɔla yeyeawo hã ke ɖe ŋu kple dɔmedzui be nunɔla bubuwo hã xɔ Protestant ƒe xɔse la. To eƒe gaxɔ ƒe flesrɛ nu la Tausen nɔa Nyateƒe la mãm kple nɔviawo. Nenye ɖee Danemark ƒe nunɔlawo ƒe kplɔlawo nya hamea ƒe wɔnawo ɖe “aʋatsoxɔsetɔwo” ŋuti la, anye ne womagase Tausen ƒe gbe gbeɖe o. Ke le esi wòle be woadee gume gaxɔa ɖe me, atsi nya ɖe enu keŋkeŋ la, wonyae do go tso kpɔ la me boŋ. Ke naneke wɔwɔ megale wo ŋuti ku ɖe Nyateƒea ƒe zɔɖeɖe ŋu o. Gawu la, Dufia ɖe sea ɖe ɖe go, si le dziɖuɖua ƒe ametakpɔkpɔ nam xɔse yeyea ƒe nufialawo. Alea ye Tausen kpɔ mɔ dze gbeƒã ɖeɖe gɔme. Woʋu gbedoxɔwo nɛ, eye amehawo le du dzi be yewoase Mawunya la. Gbeƒãɖela bubuwo hã le dɔ dzi vevie le Nya la kakam. Woɖe Nubabla Yeye la gɔme ɖe Danemark ƒe gbe me, eye wòkaka ɖe afisiafi le agbɔsɔsɔ me. Papa ƒe amewo ƒe ŋutete, siwo katã wɔm wole la ƒe metsonuwo koe nye be Nyateƒe la gale kakam ɖe edzi, ale be kpuie la, dua katã xɔ Protestant ƒe xɔse la. UGL 215.2

Nenema ke le Sweden, sɔhɛ siwo hã no tsi le Wittemberg ƒe tsidzɔƒea la, tsɔ Nyanyui ƒe agbetsi la yi na woƒe dumetɔwo. Ɖɔɖɔɖo kplɔlawo le Sweden dometɔ eve nye Olaf kple Lauretius Petri. Wonye gbɛdɛdɔwɔlawo le Orobro ƒe vi, siwo srɔ̃ nu le Luther kple Melankton te. Wotsɔ dzo tɔxɛa ɖe ɖe gbeƒã Nyateƒe, si wosrɔ̃ la. Abe Ɖɔɖɔɖowɔla gã Luther ene la, Olaf hena amewo ɖe eɖokui ŋu kple eƒe dzo kple nu nyaƒoƒo, le esime Laurentius, abe Melankton ene, wɔna eƒe nunya kple numekuku ŋuti dɔ kple movevie ɖoɖo. Wo ame eveawo katã nye mawuvɔla vavã, siwo si nunya geɖe le ku ɖe subɔsubɔ nyawo ŋuti, eye woganye kalẽtɔ gãwo le gbeƒãɖeɖe Mawunya la me. Roma ƒe amewo megbe tsitre tsitsi ɖe wo ŋuti o. Katoliko nunɔlawo de dzo dukɔa ƒe agbalẽmanyalawo kple numaɖinuwodzixɔselawo me ɖe wo ŋuti. Olaf Petri ge ɖe amehawo si me zi geɖe, eye bebli hafi wòte ŋu ɖe eƒe agbe. Gake Ɖɔɖɔɖowɔla siawo kpɔ kpekpeɖeŋu geɖe tso fia la gbɔ. Le katoliko hamea ƒe kpɔkplɔ te la, dukɔa nyrɔ̃ ɖe ahedada gãa ɖe kple ameteteɖeto ƒe gbɔgbɔtsiƒo me. Womeɖe mɔ le Biblia ŋu na wo o, eye woƒe subɔsubɔ la koe nye kɔnu, siwo menana kekelia ɖeke ame ƒe gbɔgbɔ o la . Wotrɔ yi ɖe wo tɔgbuiwo ƒe numaɖinuwodzixɔse kple trɔsubɔsubɔ ƒe wɔnawo gbɔ. Dukɔ la mã ɖe akpa eve, siwo tsi tre ɖe wonɔewo ŋuti, ale be woƒe gbesiagbe ƒe ʋiʋliwo he xaxa geɖe va dua katã dzi. Ke Dufia la ɖo be yeawɔ Ɖɔɖɔɖo le dua kple hame la katã me, eye wòxɔ amesiwo katã akpe ɖe eŋuti le eƒe ʋiʋli tsi tre ɖe Roma ŋuti la me. UGL 216.1

Le Sweden-fia kple ŋusẽmewo ƒe ŋku me la, Olaf ɖe Xɔseɖɔɖo ƒe nufiafiawo ɖe go kple ayedzedze, tsi tre ɖe Roma taʋlilawo ŋuti. Egblɔ be nunɔlawo ƒe nufiafia, siwo woaxɔ la koe nye esiwo wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔ̃ Kɔkɔeawo; be woɖe xɔse ƒe nufiafia, siwo le vevie la ɖe go le Biblia me, wo me kɔ nyuie eye wole bɔbɔe na amesiame ƒe gɔmesese. Kristo be: ” Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ Amesi dɔm ɖa la tɔe.” (Yoh. 7: 16) Paulo hã gblɔ be: “Ke nenye míawo, alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ Nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu.” (Galatia. 1:8) Ɖɔɖɔɖowɔla la yi edzi be: “Aleke gɔ̃ amegbetɔwo mevɔ̃ o, eye wole nudzixɔse bubuwo ɖom anyi le woaŋutɔwo ƒe didi nu, hele wo tem ɖe amewo dzi be wole vevie na xɔse ma?” Wylie, liv. 10, ch. 4.- Eɖee fia be hamea ƒe ƒuƒoƒowo ƒe ɖoɖowo mekpɔ ŋusẽa ɖeke, ne wotsi tre ɖe Mawu ƒe Sewo ŋuti o, eye wòtsɔ Ɖɔɖɔɖo ƒe ɖoɖo gã, si nye: “Biblia, eye Biblia ɖeka ko!” la ɖo ŋku me na wo abe xɔse kple agbenɔnɔ nyui ƒe ɖoɖo ene. UGL 217.1

Nyahehe sia, to gbɔ be meva eme le nudzɔdzɔ gãa ɖe me o hã la, ɖe amesiwo ƒomevi Ɖɔɖɔɖo ƒe aʋakɔmeviwo nye. Ne míeli ŋku ɖe hehenaƒe xɔŋkɔwo abe Wittemberg kple Zurik dzi ene, eye ɖe ŋkɔ gãwo dzi abe Luther, Melankton, Zwingle kple Oekolampade ene ŋuti la, míate ŋu axɔe se be woawo koe nye kplɔlawo, eye be woƒe gɔmenɔlawo meɖi wo o. Ke míaɖe ŋku ɖe Sweden ƒe du suɛ la, eye míakpɔ ŋkɔwo abe Olaf kple Laurentius Petri ene; ne míetso le nufialawo dzi yi ɖe yomedzelawo dzi la, nukae mía kpɔ? Míade dzesii be womenye nyahela abunɛtɔ manyagbalẽwo, kɔmamãlawo kple howɔlawo o, gbeɖe; míakpɔ be wonye amesiwo srɔ̃ Mawu ƒe Nya la nyuie, eye wonya Biblia ƒe aʋawɔnuwo ŋuti dɔ wɔwɔ nyuie; wonye nunyala, siwo se subɔsubɔ nufiafiawo me nyuie eye wokpɔa dziɖuɖu ɖe Roma ƒe nufiafiawo kple amegãwo ƒe aʋatsonyawo dzi. Ibid, liv 10, ch. 4. UGL 217.2

Nusi do go tso gododo sia me enye be Sweden Dufia la xɔ Nyanyui xɔse la. Kpuie la, du-sewɔƒe la hã da asi ɖe fia ƒe afɔɖeɖe la dzi. Olaf Petri ɖe Nubabla Yeyea gɔme ɖe Sweden ƒe gbe me, eye le Fia ƒe didi nu la, nɔvi ŋutsu eveawo dze Biblia la katã gɔmeɖeɖe ɖe wode-gbe me. Alea ye zi gbãtɔ, Sweden dukɔa xɔ Mawu ƒe Nya la le eƒe gbe me. Du takpekpe gã ɖo kpe edzi be Nyanyui ƒe Osɔfowo le fiaɖuƒea katã me naɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme eye be woafia Biblia xexlẽ ɖeviwo le suku. UGL 218.1

Nyanyuia ƒe kekeli la na be numanya kple numaɖinudzixɔse ƒe vivitiwo nu le yiyim kple kakaɖedzi. Esi Roma ƒe ameteteɖeto ɖe ɖa le dua dzi la, Sweden ge ɖe ŋusẽ kple gãnyenye ƒe ɣeyiɣia ɖe, si medzesi kpɔ o la me. Eva zu Protestant du gãtɔwo dometɔ ɖeka. Le xaxaɣi sesẽa ɖe, si va eme le ƒe alafa ɖeka yome la, Sweden, si nye du suɛa ɖe, si si ŋusẽ mele o la, nye Europa ƒe du ɖeka pɛ, si te ŋu kpɔ ŋusẽ xɔ na Germania le ƒe blaetɔ̃ ƒe aʋa sesẽ la me. Ewɔ abe ɖe anyiehe Europa katã gale yiyi ge ɖe Roma ƒe teteɖeto ŋusẽ la te ene. Sweden ƒe aʋakɔwoe kpe ɖe Germania ŋuti wòteŋu xe mɔ na Roma ƒe dziɖuɖu, siwo kpɔm wòle le edzi la, eye wòna be Kalvin kple Luther yomedzelawo te ŋu kpɔ ablɔɖe, ale be wogatrɔ dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ, si ta Reformatio ʋli vayi la, vɛ na Germania du la. UGL 218.2

-------