Go to full page →

KPƆKPLƆYIƉEME UGL

Hafi nuvɔ̃ navage ɖe xexeame, mìa togbui Adam nɔa dzidzɔ kadede blibo me kple eƒe Wɔla, ŋku me kple ŋku me. Ke eƒe nuvɔ̃ me dzedze klãe ɖa le Mawu ŋuti, ale be gomekpɔkpɔ xɔasi sia megasu ameƒomea katã si o. Gake to ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo me, wogate ŋu ɖɔ kadede le dziƒo kple anyigba dome ɖo. Mawu ƒo nu na amegbetɔwo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi, eye wòna dziƒo kekeli klẽ na xexeame to ɖeɖefia wɔwɔ na eƒe dɔla tiatiawo me. ” ... Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo hafi wogblɔ nya ɖi.” (Petro II 1:21) UGL .0

Le amegbetɔ ŋutinya ƒe ƒè alafa blaeve vɔ atɔ̃ gbãtɔwo me la, womeŋlɔ nyagblɔɖiwo ɖi o. Amesiwo keŋ xɔ nufiamewo tso Mawu gbɔ la mã woƒe nunya kple ame bubuwo, eye nufiame siawo tsoa ƒomefofowo gbɔ yina na wo viwo, tso dzidzime yi dzidzime. Ke nuŋlɔɖi dze egɔme le Mose ƒe ɣeyiɣi me. Wolé Mawu ƒe ɖeɖefiawo ƒoƒu ɖe Agbalẽ kɔkɔea ɖe me. Dɔ sia yi edzi ɣeyiɣi didi aɖe, le ƒe alafa adẽ sɔŋ me — tso Mose, xexemewɔwɔ ƒe ŋutinya kple Seawo ŋlɔɖila dzi yi ɖe Yohanes, amesi ŋlɔ Nyanyuiawo ƒe nyateƒe kɔkɔtɔwo ɖi la dzi. Biblia ɖea eɖokui fia abe Mawu enye eŋlɔla ene, gake amegbetɔ ƒe asie ŋlɔ emenyawo; eye nuŋlɔ-ɖaŋu, si wotsɔ ŋlɔ eƒe agbalẽ vovovoawo la, ɖea nuŋlɔla ɖesiaɖe ƒe nɔnɔme fiana. Nyateƒe, siwo woɖe ɖe go le wo me la, katã “tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me.” (Timoteo II 3: 16); gake to amegbetɔ ƒe nuƒoƒo me woɖe wo ɖe go le. To eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi Mavɔtɔ la kɔ̀ kekeli ɖe eƒe subɔlawo ƒe susu kple dzi me. Ena amewo ku drɔe, kpɔ ŋutegã, dzesi kple nɔnɔmewo, eye amesiwo woɖe nyateƒeawo fia to mɔ siawo dzi la, ɖe wo ɖe go le amegbetɔ ƒe nuƒoƒo me. UGL .0

Se ewoawo do go tso Mawu ŋutɔ ƒe nu me, eye eyaŋutɔ ƒe asibidɛ ye ŋlɔ wo. Wotso eya- ŋutɔ gbɔ tɛ, ke menye agbetɔ me o. Azɔ Biblia, si ƒe Nyateƒewo tso Mawu gbɔ, eye woɖe wo ɖe go le ame ƒe nuƒoƒo me la, nye Mawu kple amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le ɖekawɔwɔ me. Ɖekawɔwɔ sia le Kristo ƒe nɔnɔme me, eya amesi nye Mawu ƒe Vi, heganye Amegbetɔ-Vi la. Ale nyateƒe sia UGL .0

yi na Biblia, abe alesi wònye na Kristo ene be: “Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mía dome.” (Yoh. 1:4) UGL .0

Bibliamegbalẽ ŋlɔla, siwo to vovo geɖe le gãnyenye, dɔwɔwɔ, susu me kple gbɔgbɔ me nunanawo me la, ŋlɔ agbalẽawo le ɣeyiɣi vovovowo me, eye woƒe nuŋlɔɖaŋuwo to vovo abe nu geɖe, siwo ŋu woƒo nu le, hã ke ene. Nuŋlɔla geɖewo wɔa nuƒoƒo ƒe aɖaŋu vovowo ŋutidɔ, eye edziedzi la, nuŋlɔla aɖe ate ŋu aƒo nu tso nyateƒe ɖeka ŋu kple numekɔkɔ geɖe wu ame bubu. Ke ne nuŋlɔla geɖewo ƒo nu tso nya aɖe ŋuti le go vovovo kple kadede vovovowo me la, ate ŋu anɔ na amesi mexlẽa nu deto o la abe ɖe nuŋɔŋlɔawo tsi tre ɖe wonɔewo ŋuti ene, le esime amesi kua nu me nyuie kple susu la, akpɔ ɖekawɔwɔ, si le wo me la. UGL .0

Ne ame vovowo ŋlɔ nu tso nyateƒe ɖeka ŋu la, woɖea nyateƒe sia fiana le eƒe go vovowo me. Nyati aɖe ate ŋu awɔ dɔ ɖe nuŋlɔla aɖe dzi le eƒe akpa aɖe me; ke alé ɖe nusiwo wɔ ɖeka kple eƒe nuteƒekpɔkpɔ, eƒe nugɔmesese alo nunya ŋuti; ame bubu ya aku ɖe akpa bubu ŋuti; eye wo dometɔ ɖesiaɖe aɖe nusi wɔ dɔ sesiẽ ɖe eƒe susu dzi le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpɔkplɔ te la ɖe go; - wokatã anye nyateƒe la ƒe go vovowo ɖeɖe fia le ɖekawɔwɔ blibo me. Nyateƒe siawo, siwo woɖe fia, ƒoa ƒu wɔa ɖeka le blibodede me, eye wodzra wo ɖo ɖi be woanye ŋuɖoɖo na amegbetɔ ƒe hiãwo le eƒe agbemenudzɔdzɔ kple nuteƒekpɔkpɔwo me. UGL .0

Mawu kpɔ dzidzɔ le eƒe nyateƒe tsɔtsɔ na xexeame to amegbetɔ dzi la ŋuti, eye eyaŋutɔ nae ŋusẽ kple ŋutete to Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi na dɔ sia wɔwɔ. Eta mɔ na ame ƒe susu be wòatia nusi ŋuti wòaƒo nu le, alo wòaŋlɔ nu tso lae. To egbɔ be wotsɔ kesinɔnu sia de anyikɔ-ŋutilã me hã, dziƒo enye etsoƒe. Ɖaseɖiɖi la to amegbetɔ ƒe nuƒoƒo madeblibo me, gake Mawu ƒe ɖaseɖiɖi wònye, eye Mawu ƒe vi, si ɖoa toe le xɔse me la, kpɔa eƒe ŋusẽ-dɔ ƒe ŋutikɔkɔe, si yɔ fũu kple amenuve kple nyateƒe la, tso eme. UGL .0

To eƒe Nya la me Mawu tsɔ nunya, si hiã na ɖeɖekpɔkpɔ la, na amegbetɔ. Ele be woaxɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo abe Mawu ƒe lɔlɔnu ɖeɖe fia, si ŋu vodada mele o, kple si kpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi ene UGL .0

la. Wonye dɛ̃ ƒe dzidzenu, nufiafiawo ɖefiala kple nuteƒekpɔkpɔ ƒe dodokpɔ. “Ŋɔŋlɔ sía ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) UGL .0

Gake nyateƒe, si wònye be Mawu ɖe eƒe lɔlɔnu fia amegbetɔwo to eƒe Nya la me la, mewɔ be mímegahiã Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe mía me nɔnɔ kple mía kpɔkplɔ ɣesiaɣi o. Boŋ mía Ɖela do Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋugbe na eƒe subɔlawo be wòaɖe Nya la gɔme na wo, aklẽ na wo, akpe ɖe wo ŋuti be woatsɔ eƒe nufiafiawo de dɔwɔwɔ me. Ke esi wònye be Mawu ƒe Gbɔgbɔ mee Biblia tso la, mate ŋu ava eme gbeɖe be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nufiafia natsi tre ɖe Nya la tɔ ŋu o. UGL .0

Womena Gbɔgbɔ la — eye womate ŋu anae gbeɖe, be wòatsi tre ɖe Biblia ŋu o; elabena Ŋɔŋlɔawo ɖe nu me kɔtee be Mawu ƒe Nya la enye dzidzenu, si woatsɔ ado nufiafia kple nuteƒekpɔkpɔ ɖesiaɖe akpɔe. Apostolo Yohanes gblɔ bena: ” ... Migaxɔ gbɔgbɔ sía gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye be wotso Mawu gbɔ, elabe aʋatso nyagblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.” (Yoh. I, 4: 1-2) Yesaya hã gblɔ be: “Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu. Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.” (Yesaya 8:20) UGL .0

Ame hatsotsoe aɖe, siwo bui be yewo xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kekeli, eyata yewomegahiã Mawunya ƒe ame kpɔkplɔ o la, ƒe vodada sia na be ame geɖewo tsɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti. Wotsɔa woƒe seseɖelãmewo wɔa kplɔlae, abe Mawu ƒe nuƒoƒo na woƒe luʋɔ ene. Ke gbɔgbɔ, si nɔ wo kplɔm la, menye Mawu ƒe Gbɔgbɔ o. Seseɖelãme kpɔkplɔ ɖo sia kple ɖekematsɔleme na Ŋɔŋlɔawo mewɔa naneke wu be wòahe ame de tɔtɔtɔtɔ, beble kple tsɔtsrɔ̃ me o. Ɖeko wòkpena ɖe vɔɖitɔ la ƒe tameɖoɖowo ŋu. Esi wònye be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ le vevie ŋutɔ na Kristo Hamea la, Satana ƒe aɖaŋuwo dometɔ ɖeka enye be wòana woatsri Gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ le wɔwuiwɔlawo ƒe nuwɔglo ƒe vodadawo ta, ale be Mawu ƒe dukɔa nagatsɔ ɖe UGL .0

le me na eƒe ŋusẽkpɔkpɔ mɔnu, si Aƒetɔ la ŋutɔ gblẽ da ɖi na wo la, me o. UGL .0

Ele be, le ɖekawɔwɔ kple Mawu ƒe Nya me, eƒe Gbɔgbɔ nayi dɔwɔwɔ dzi le Nyanyui kaka ƒe ɣeyiɣia katã me. Le blemaƒewo me, esi wonɔ Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea ƒe Ŋɔŋlɔawo tsɔm na la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe medzudzɔ keklẽ ɖe amewo me, wo tɔxɛ wo tɔxɛ, to vovo na ɖeɖefia, siwo wonɔa ƒu ƒom ɖe Agbalẽ kɔkɔea me o. Biblia ŋutɔ ƒo nu tso alesi amewo xɔ toklã, mokaka, toƒoɖo kple aɖaŋuɖoɖo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe gbɔ, le mɔ, si meku ɖe Ŋɔŋlɔawo tsɔtsɔ na kura ŋuti o la dzi. Woƒo nu tso nyagblɔɖilawo le ɣeyiɣi vovovowo me, siwo ƒe nuƒoƒo aɖeke womeŋlɔ ɖi o la ŋuti. Nenema ke le Ŋɔŋlɔawo ƒe ƒu ƒoƒo ɖe du megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe aganɔ eƒe dɔwɔwɔ dzi, anɔ keklẽm na Mawu ƒe viwo, anɔ toklã kple akɔfa nam wo. UGL .0

Yesu do ŋugbe sia na eƒe nusrɔlawo bena, “Ke Nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye Nkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku, nusiwo megblɔ na mi la, dzi na mi.” “Ke ne eya, si nye Nyateƒegbɔgbɔ, va la, akplɔ mi ayi ɖe Nyateƒe blibo la katã me … eye wòagblɔ, nusiwo gbɔna la, afia mi.” (Yoh. 14:26; 16:13) Ŋɔŋlɔawo ɖee fia kple numekɔkɔ be, ŋugbedodo siawo meyi na Apostolowo ƒe ɣeyiɣi me tɔwo ɖeɖe ko o, ke boŋ eyi na Kristo Hamea le dzidzimewo katã me. Ɖela na kakaɖedzi eyomedzelawo gblɔ bena: “Nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20). Apostolo Paulo na míenya be woɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana kple dɔwɔwɔ anyi le Hamea me, “bene woadzra ame kɔkɔewo ɖo hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ, hena Kristo ƒe ŋutilã tutu, halase esime mí katã míade Mawuvi la ƒe dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.” (Efeso 4:12, 13) UGL .0

Apostolo la do gbe ɖa ɖe Efeso ƒe xɔsetɔwo ta be, “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me, eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ … kple nusi nye eƒe ŋusẽ ƒe gãnyenye, UGL .0

si ƒo wo katã ta la, na mi amesiwo xɔna sena … ” (Efeso 1:17- 19). Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ, eƒe keklẽ na gɔmesese hena susu ƒe ʋuʋu na Mawu ƒe Nya kɔkɔe la, nye yayra siwo Paulo nɔ biabiam na Efeso Hame la. UGL .0

Le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nuku dɔwɔwɔ le Pentekoste ŋkekea dzi megbe la, Petro xlɔ̃ nu dukɔ la be woatrɔ le woƒe dziwo me, eye woaxɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkɔa dzi, hena woƒe nuvɔwo tsɔtsɔke, eye wòyi edzi bena, “… miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòanye nunana. Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mía Mawu la ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.” (Dɔwɔwɔwo 2:38, 39) UGL .0

Le eƒe nuƒoƒo tso nudzɔdzɔ, siwo ava me le Mawu ƒe ŋkeke gã dzi ŋuti la, Aƒetɔ la wɔ ŋugbedodo, si gbɔna la, to Nyagblɔɖila Yoel dzi, ku ɖe eƒe Gbɔgbɔ ƒe nuku dɔwɔwɔ tɔxɛ ŋuti. (Yoel:28). Nyagblɔɖi sia kpɔ emevava ƒe akpa aɖe le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kɔkɔɖeanyi me le Pentekoste ŋkekea dzi; ke agava eme le blibodede me to Mawu ƒe amenuveve kɔkɔɖeanyi, si akpe ɖe Mawunya kaka dɔ mamlɛ la ŋu. UGL .0

Ʋiʋli gã, si le nyui kple vɔ̃ dome, anɔ ŋu sẽm ɖe edzi yi ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu ke. Satana ƒe dɔmedzui nɔa bibim ɖe Kristo Hamea ŋuti le dzidzimewo katã me, eyata Mawu kɔ eƒe amenuve kple Gbɔgbɔ ɖe eƒe dukɔ la dzi, ale be wòate ŋu akpɔ ŋusẽ anɔ te ɖe vɔɖitɔ la ƒe yometitiwo nu. Hafi Kristo ƒe Apostolowo nate ŋu atsɔ Nyanyui la ayi na xexeame, eye woate ŋu aŋlɔe ɖi na dzidzime, siwo katã ava le wo megbe la, woxɔ Gbɔgbɔ la ƒe keklẽ geɖe. Azɔ esi Hamea ƒe ɖeɖe mamlɛa le aƒe tum la, Satana ƒe dɔwɔwɔ agasẽ ɖe edzi. ” Eɖi va mía gbɔ, … eye dzi le ekum vevie ŋutɔ, elabena enyae be vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖ. 12:12) Awɔ dɔ ” le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã me.” (Tesalonika II, 2:9) Le ƒe akpe adẽ sɔŋ me, nunya kɔkɔ gã ƒe dɔla dzeaglã sia, si ƒo Mawu ƒe dɔlawo katã ta tsã, ƒe ŋutetewo katã yi na ame beble kple tsɔtsrɔ̃ dɔwɔwɔ. Atsɔ eƒe aɖaŋu vɔɖi kple ayewɔwɔ ƒe todede, ŋutasesẽ dziŋɔ, si me wòde ŋgɔ le, le eƒe ʋiʋli tso blemaƒewo katã me la, alũ ɖe Mawuviwo dzi le ʋiʋli mamlɛ sia me. Eye le ŋɔdzi ɣeyiɣi UGL .0

siawo mee wòle be Kristo yomedzelawo natsɔ Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva toklãnya ayi na xexeame katã; bene woadzra dukɔ tɔxɛ aɖe ɖo, si anɔ te le eŋku me, le ɖimaƒo kple mokaka manɔŋui me le eƒe tɔtrɔva ŋkeke la dzi. (Petro II, 3:14). Ke le ɣeyiɣi sia me, Mawu ƒe amenuve nunana kple ŋusẽ tɔxɛ, si Hamea ahiã la, manɔ suɛ wu alesi wònɔ le Apostolowo ƒe ŋkekewo me ene o. UGL .0

To Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kekeli me woʋu ʋiʋli, si nɔ nyui kple vɔ dome le ɣeyiɣi geɖe siawo me la, ƒe nudzɔdzɔwo nu fia agbalẽ sia ŋlɔla. ” Enuenu, woɖe mɔ nam be makpɔ ʋiʋli sia, si le Kristo, Agbefiavi, míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ nala, kple Satana, Vɔfiavi, nuvɔ̃ ƒe dzɔtsoƒe, Mawu ƒe Se kɔkɔea dzi dala gbãtɔ, dome. Alesi Satana lé fu Kristo la, nenema ke wòlé fu eyomedzelawoe. Fuléle ma ke wòtsɔ na Mawu ƒe ɖoɖowo, kple bebledɔwɔwɔ, si trɔa vodada wòdzéna abe nyui, eye nyui abe vɔ̃ ene, si nana wotsɔa amegbetɔ ƒe sewo ɖɔlina Mawu ƒe Seawo, eye wòkplɔa ame yia nuwɔwɔwo subɔsubɔ me ɖe Mawu subɔsubɔ teƒe la; esiawo katã míakpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya, siwo vayi la me. Satana ƒe ŋutetewo katã yi na Mawu ƒe dẽ gbegblẽ, ale bena amewo naɖo susu baɖa ɖe Wɔla la ŋuti, eye woakpɔ eyama kple vɔvɔ,̃ UGL .0

atsri eƒe nya gbɔ, le esime wòle be woalɔe boŋ la; agbagba, siwo UGL .0

wòdze be yeaɖe Mawu ƒe Seawo ɖa, yeana amewo nasusui be mehiã be yewoanɔ eƒe biabiawo te o, kple alesi wòti amesiwo melɔ̃ xɔ ɖe eƒe amebeblewo dzi o la, nusiawo katã dzi wòyi kple ŋusẽ le dzidzimewo keŋ me. Míake ɖe esiawo ŋuti le mía Fofowo, Nyagblɔɖilawo kple Apostolowo ƒe ŋutinyawo me, kpakple Xɔsetakulawo kple Ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe nyadzɔdzɔwo me. Le ʋiʋli gã ƒe nuwuwu sia, Satana agawɔ eƒe susuɖeɖe mawo ŋuti dɔ le gbɔgbɔ ma ke me, eye eƒe dɔwɔwɔwo agaɖo ta tsã xoxo ƒe tameɖoɖowo ke gbɔ. Nu, si dzɔ tsã, agadzɔ ake, eye nu, si ato vo la koe anye be nuwuwu ƒe ʋiʋli sia ava eme kple ŋusẽ dziŋɔ, si womekpɔ kpɔ, eye womagakpɔ gbeɖe kpɔ o la. Satana ƒe bebleɖaŋu agaɣla geɖe, eye eƒe lulũ ɖe ame dzi agasesẽ wú. Ne ate ŋui la, aflu ame tiatiawo hã. (Marko 13:22) UGL .0

Esi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋu nye susuwo na eƒe Nya ƒe nyateƒe gãgãwo, kple nusiwo dzɔ vayi kpakple esiwo gale ŋgɔ gbɔna la, UGL .0

wobia tso asinye be mana ame mamlɛawo nanya nusiwo woɖe fiam la — be maƒo nu tso ʋiʋli la ƒe ŋutinya le ɣeyiɣi, siwo vayi la, ƒe nudzɔdzɔwo ŋuti, vevietɔ, aɖe wo fia ale be woaklẽ ɖe aʋa, si le ŋgɔ gbɔna kpuie la dzi. Bene mate ŋu ade tameɖoɖo sia gbɔ la, medze agbagba be matia, eye maƒo nusiwo dzɔ le Hamea ƒe ŋutinyawo me la nu ƒu, ale be woakpɔ alesi woɖe dodokpɔ nyateƒe gãgãwo fia le xexeame, le ɣeyiɣi vovovowo me; nyateƒe siawo ƒe ɖaseɖiɖi na be Satana ƒe dziku kple hame, si lɔ̃ xexeame la, ƒe fulele sesẽwo ƒo ɖe ɖaseɖila wɔnuteƒe, siwo “melɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me” la dzi. UGL .0

Nuŋlɔɖi siawo aʋu ŋku na mí be míakpɔ ʋiʋli, si le ŋgɔ gbɔna mía dzi la. Ne míekpɔ nusiawo le Mawunya ƒe kekelia nu kple Gbɔgbɔ la ƒe keklẽ ɖe ame me la, míake ɖe vɔɖitɔ ƒe mɔtetrewo ŋu kple afɔku, si wòle be amesiwo woakpɔ “mokakamanɔŋui” le Aƒetɔ la ƒe ŋku me le eƒe vavagbe la, nasí na. UGL .0

Nudzɔdzɔ gãgã, siwo de dzesi ɖɔɖɔɖo ƒe ŋgɔyiyi le dzidzime, siwo vayi me la, nye ŋutinya me ƒe nudzɔdzɔ, si Protestantetɔwo katã nya kple kakaɖedzi le xexeame godoo. Wonye nyateƒe, si ŋuti ɖikeke aɖeke mele o la. Meƒo nu kpuie tso wo ŋu le agbalẽ sia ƒe mɔɖeɖe nu, alesi wòhiã be magblɔ nya geɖe le teƒe suɛ aɖe ko me kple gɔmesese. Ɣeaɖewoɣi, ne ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒo ƒu nudzɔdzɔ aɖewo ɖe du na nane ƒe gɔmesese, alo nenye be elé nugeɖewo ƒo ƒu le nɔnɔme nyuitɔ me la, míeɖea eƒe leléƒoƒu la ɖe go tɛ;̃ gake le go bubu me la, mímegawɔnae nenema, abe ɖee míedi be míaɖee fia be eyae nye nuŋlɔla ene o, ke boŋ ɖe alesi wònye nuŋɔŋlɔ tso nudzɔdzɔ sia ŋuti ko ene. Nenema kee, le nu ƒoƒo tso Ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋuti le míaƒe ɣeyiɣi me la, míewɔ woƒe nuŋɔŋlɔwo ŋutidɔ. UGL .0

Menye agbalẽ sia ƒe taɖodzinu enye be wòaɖe nu yeye aɖeke ɖe go ku ɖe ʋiʋli, siwo dzɔ tsã ŋu o, ke boŋ be wòaɖe nyateƒe kple ɖoɖo, siwo akpɔ ŋusẽ ɖe nudzɔdzɔ, siwo gale ŋgɔ gbɔna dzi la, afia. Azɔ ne míelé ŋku ɖe blema nuŋlɔɖi siawo ŋu abe ʋiʋli, si le kekeli kple viviti dome ƒe akpa aɖe ene ŋu la, gomesese yeyewo agasu mía si, eye kekeli aklẽ ɖe tsɔ, si gbɔna la dzi; aklẽ ɖe mɔ dzi na amesiwo, abe tsã xoxo ƒe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ke UGL .0

enea, axɔ yɔyɔ na ɖaseɖiɖi “Mawu ƒe Nya la kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi.”, si ate ŋu ana be woabu woƒe nunɔamesiwo keŋ le ewɔwɔ me la. UGL .0

Agbalẽ sia ŋlɔla ƒe didi enye be wòaɖe ʋiʋli, si le nyateƒe kple alakpa dome ƒe dziyiyi ɖe go, aklo nu le Satana ƒe mɔtetrewo dzi, afia mí alesi woate ŋu atsi tre ɖe eŋuti kple dziɖuɖu; ana míake ɖe ŋuɖoɖo, si dze na nuvɔ̃ ƒe kuxi gã, si wònye la ŋuti; akɔ nu me na mí ku ɖe vɔ̃ ƒe dzɔtsoƒe ŋuti kple alesi woawu enui, ale be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple dɔmenyo wɔnawo ɖoɖe eƒe nuwɔwɔwo gbɔ la nadzé ƒãa, eye míakpɔ eƒe Se kɔkɔe matrɔmatrɔ la hã ƒe nɔnɔme. Nuŋlɔla ƒe gbedodoɖa vevie enye bena, to agbalẽ sia ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi me la, luʋɔwo nakpɔ ɖeɖe tso viviti gbɔgbɔwo ƒe ŋusẽ te, eye woazu gomekpɔlawo le ame kɔkɔeawo ƒe kekeli domenyinyi me, na Amesi lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta la, ƒe ŋutikɔkɔe. UGL .0