Go to full page →

30—AƉIKÃ LE AMEGBETƆ KPLE SATANA DOME UGL 473

“Made aɖikã mi kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple eƒe dzidzime dome. Dzidzime sia la agbã ta na wò, eye wò la aɖu afɔkpodzi nɛ” (Mose I, 3:15). Mawu ƒe nyametsotso na Satana le amegbetɔ ƒe nuvɔ̃ me dzedze megbe la nye nyagblɔɖi, si xɔ ɣeyiɣiwo katã vaseɖe nuwuwu, eye wògaƒo nu tso ʋiʋli gã, si amegbetɔwo ƒe dzidzime, siwo katã anɔ anyigba sia dzi la, awɔ. UGL 473.1

Mawu gblɔ be “made aɖikã’. Aɖikã dede sia menye nusi tso amegbetɔ gbɔ o. Esi amegbetɔ da Mawu ƒe Sea dzi la, eƒe nɔnɔme zu gbegblẽ, eye ɖekawɔwɔ va ɖo eya kple Satana dome, ke menye mamã o. Fulélea ɖeke mele amegbetɔ nuvɔwɔla kple amesi nye nuvɔ̃ ƒe dzɔtsoƒe la dome o. Wo katã wozu ŋutasẽlawo esi womã ɖa tso Mawu gbɔ. Nudadawɔla la mevo le eɖokui me vaseɖe esime wòhe ame bubuwo va eɖokui gbɔ, eye wòna wodo ŋugbe be yewoawɔ ɖe eƒe kpɔɖeŋu dzi o. Esia ta dɔla nuteƒemawɔlawo kple ame vɔɖiwo wɔ ɖeka le dziɖelameƒo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe me. Nenye ɖee Mawu mexe mɔ na wo o la, anye ne Satana kple amegbetɔwo katã awɔ ɖeka atsi tre ɖe dziƒo ŋu. Le esi wòle be amegbetɔƒomea katã natsi tre ɖe Satana ŋu la, awɔ ɖeka kplii boŋ le eƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋuti me. UGL 473.2

Satana tè amegbetɔ kpɔ ale be yeahee de nuvɔ̃ me, abe alesi wòna mawudɔlaa ɖewo dze aglã ɖe Mawu ŋuti ene, kple susu sia be woakpe ɖe ye ŋu le yeƒe aʋa hoho ɖe dziƒo ŋu me. Mamãa ɖeke menɔ eya kple mawudɔla, siwo dze nuvɔ̃ me la, dome ku ɖe woƒe fuléle Kristo ŋu o. To gbɔ be gɔmesese menɔ wo dome le go bubuawo katã me o hã, wowɔ ɖeka vevie le woƒe tsitretsitsi ɖe xexeame katã Wɔla ƒe dziɖuɖu ŋu. Ke esi Satana se be woade adikã ye kple nyɔnu la dome, yeƒe dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome la, ede dzesii be yeƒe ŋutete wɔwɔ hena amegbetɔ ƒe nɔnɔme gbegblẽ keŋkeŋ la ado go mɔxenua ɖewo, eye to mɔnu siawo dzi la, amegbetɔ ate ŋu akpɔ kelili ɖe ye ŋuti. UGL 473.3

Satana ƒe dzikukpɔkpɔ ɖe amegbetɔƒomea ŋu la lé dzo, elabena to Kristo dzi la, ame gakpɔ gome le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve me. Futɔa ƒe didi katã enye be yeagblẽ ɖoɖo, si Mawu wɔ na amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la dome, yeaɖi gbɔ Mawu to eƒe nuwɔwɔwo gbegblẽ kple ɖiƒoƒo me, yeahe vevesese de dziƒoa katã me, eye anyigba dzi nayɔ kple hiãtuame kple nuxaxa. Ke le esiawo yome la, atsɔ nya ɖe Mawu ŋu, eye wòabu fɔe be gbegblẽawo katã nye amegbetɔ wɔwɔ ƒe metsonu. UGL 474.1

Amenuveve, si Mawu ƒã ɖe luʋɔ me la, hea aɖikã va amegbetɔ kple Satana dome. Amenuveve sia, si trɔa nuwo wɔna kple ŋusẽ, hewɔa nuwo katã yeyee, manɔme la, amegbetɔ azu Satana ƒe kluvi ɖaasi, eye wòanye subɔla, si anɔ klalo ɣesiaɣi na eƒe gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ. Ke ɖoɖo yeye, si ge ɖe eƒe luʋɔ me la, he dzre alo ʋiʋli va afisi ŋutifafa ɖu fia le vaseɖe ɣeyiɣi sia. Ŋusẽ, si Kristo nana la, wɔna be amegbetɔ te ŋu tsia tsitre ɖe ŋutasẽla kple ameteƒexɔla la ŋu. Amesi te ŋu tsria nuvɔ̃ esime wòle be wòalɔe, amesi te ŋu tsia tsitre ɖe nudzodzro, siwo ɖu fia ɖe eƒe dzi dzi ŋu, eye wòɖu wo dzi la, ɖenɛ fiana be ɖoɖoa ɖe, si tso dziƒo, la le dɔ wɔm le eme. UGL 474.2

Fuléle, si le Kristo ƒe Gbɔgbɔ kple Satana ƒe gbɔgbɔ dome la, dze ƒã le alesi xexeame mexɔ Yesu nyuie o la me. Menye le alesi wòdze abe amesi si xexeame ƒe kesinɔnu, atsyɔɖoɖo kple gãnyenyea ɖeke mele o la tae Yuɖatɔwo gbe nu le egbɔ ɖo o. Wokpɔ be ŋusẽa ɖe le esi, si akpɔ ŋutiɖoɖo na gomemakpɔ le xexemenuwo me. Ke Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenyewoe nye nusiwo he ame makɔmakɔwo ƒe dɔmedzui va eyama dzi. Nugbegbe le ameɖokui gbɔ ƒe agbe, si wònɔ nuvɔ̃ manɔmee la, nye ɣesiaɣi ƒe mokaname na dukɔ sia, si yɔ kple dada kple gbegblẽ. Nusiae he fuléle kple dɔmedzoe kɔ ɖe eyama dzi. Satana kple eƒe dɔla vɔɖiwo wɔ ɖeka kple ame makɔmakɔwo. Gbegblẽ ƒe ŋusẽwo katã wɔ ɖeka ɖe nyateƒea Taʋlila ŋu. Fuléle, si va Aƒetɔ la dzi la, kee ava eƒe nusrɔlawo hã dzi. (493) Amesi dzesi nuvɔ̃ ƒe ŋunyɔnunyenye, eye wòli ke ɖe tetekpɔ ŋuti la, ahe Satana kple etɔwo ƒe dɔmedzoe va eɖokui dzi godo. Fuléle Nyateƒea ƒe ɖoɖo dzadzɛwo, nyatsɔɖameŋu kple yometiti, si woatsɔ tsi tre ɖe ɖoɖo siawo ƒe taʋlilawo ŋu la, nu matsi gbeɖe, zi alesi nuvɔ̃ kple vɔwɔlawo anɔ anyi o. Kristo yomedzelawo kple Satana ƒe subɔlawo mate ŋu age ɖe gɔmesesea ɖeke me gbeɖe o. Atitsoga ƒe nuɖianunyenye mekpɔ vɔ o, elabe: “Amesiwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II 3:12) UGL 474.3

Satana ƒe dɔtsɔlawo le dɔ wɔm madzudzɔmadzudzɔe le eƒe kpɔkplɔ te na eƒe gãnyenye, ale be woaɖo eƒe fiaɖuƒe, si atsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu la, anyi. Eyata wodina be yewoable Kristo yomedzelawo de megbedede me to tomaɖomaɖo me. Abe alesi woƒe kplɔla wɔna le go sia me ene la, woawo hã tsɔa gɔmesese totro na Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo, eye wotsɔa gbegblẽ dea wo me. Abe alesi Satana dze agbagba be yeatsɔ fɔbubu da ɖe Mawu dzi ene la, nenema kee eƒe subɔlawo dina be yewoagblẽ ŋkɔ na Mawu ƒe dukɔ la. Gbɔgbɔ, si ɖe Kristo ƒe agbe ɖa la, gahea ame vɔɖiwo dea eyomedzelawo wuwu me. Wogblɔ nusiawo katã ɖi le nyagblɔɖi gbãtɔ me. “Made aɖikã mia kple nyɔnu la dome; wò dzidzime kple eƒe dzidzime dome.” Nya sia anɔ edzi yim ɖaa vaseɖe nuwuwu ke. UGL 475.1

Satana le ƒu ƒom eƒe ŋusẽwo katã, eye wòtsɔ eƒe ŋutetea katã de ʋiʋli la me. Aleke wɔ mele mɔxenua ɖeke, alo tsitretsitsia ɖeke kpɔm le eŋgɔ o mahã ? Nukata Kristo ƒe asrafowo le alɔ̃ dɔm ɖekematsɔlemetɔe? Esia tso kadede vavã me manɔ kple Kristo gbɔ, le esime eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe megale wo dzi o la ta. Nuvɔ̃ menyɔ ŋu na wo abe alesi wòle na woƒe Aƒetɔ ene o. Womegbea nu le egbɔ kple ŋusẽ abe Kristo ene o. Womete ŋu kpɔa eƒe ŋunyɔ kple eƒe vɔɖinyenye mavɔ la o, eye woƒe ŋkuwo gbã ale gbegbe be womenya viviti-fiavi la ƒe dɛ̃ kple eƒe ŋusẽ o. Tsitretsitsi gblɔea ɖe koe nɔa wo me ɖe Satana kple eƒe dɔlawo ŋu, elabena womedzesi eƒe ŋusẽ kple vɔɖivɔɖinyenye kura o, eye womenya alesi aʋa, si wòho ɖe Kristo kple eƒe Hamea ŋu la, lolo eye wòsesẽ ɖo o. Ame geɖewo menya naneke le go sia me o. Womenya be yewo ƒe futɔa la, aʋafia sesẽa ɖe wònye, si le dɔla vɔɖiwo ŋgɔ (494) le ɖoɖo gãwo wɔm kple aɖaŋudede detoa ɖe le eƒe aʋahoho sesẽ ɖe Kristo ŋu me, ale be yeaxe mɔ na luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ o. Le kristotɔ gbeƒãɖelawo kple nyanyuidɔ ŋgɔnɔlawo dome gɔ̃ hã, womegblɔa nyaa ɖeke tso Satana ŋu o, negbe bebli le nyagblɔti dzi ɣeaɖewoɣi ko. Womeléa ŋku ɖe dzesi, siwo ɖenɛ fiana le gaglãgbe, alesi Satana le dɔ wɔm madzudzɔmadzudzɔe hele dziɖuɖu kpɔm le eƒe wɔnawo me la ŋu o. Wometsɔ ɖeke le me na nyanyanana geɖewo ku ɖe eƒe ayedzedze ŋu o. Ɖeko wòdze abe womenya ŋutɔ gɔ̃ hã be Satana li o ene. UGL 475.2

Ke le esime amegbetɔwo ya menya eƒe ayedzedze o la, futɔ vɔɖi sia, si le ŋudzɔ ɖaa la, le megbe na wo ɣesiaɣi, hele wo yome tim. Egena ɖe ƒomewo me, míaƒe duwo ƒe mɔwo katã dzi, gbedoxɔwo me, dukɔa ƒe takpeƒewo, ʋɔnudrɔƒewo, nɔa tɔtɔtɔtɔ dem amewo me, nɔa wo flum, henɔa tsɔtsrɔ̃ hem va luʋɔwo kple ŋutilãwo dzi, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa dzi; egblẽa ƒomekadedewo me, eye wòƒãa fuléle, dzrewɔwɔ, aglãdzedze kple amewuwu susuwo ɖe amewo me. Gake ɖe ko wòwɔna na kristotɔwo abe Mawu ŋutɔe di nusiawo ene, alo be ele me be woava me godoo ene. UGL 476.1

Satana dina ɣesiaɣi be yeagblẽ Mawu ƒe dukɔ la dome to mamã, si le kristotɔwo kple xexeame dome la ɖeɖe ɖa me. Le blema me, Israelviwo ge ɖe nuvɔ̃ me le esime wodze hadede kple trɔsubɔlawo, to gbɔ be Mawu gbe na wo hã la. Nenema kee wòtè egbe ƒe gbɔgbɔme Israel dukɔ la hã ɖa tso Mawu sosroɖa gbɔ to wɔna ma ke me. “…xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe Nyanyui ƒe kekeli la nagaklẽ na wo o.” (Korin. II, 4:4). Amesiwo katã nye Kristo yomedzela maxɔdzowo la zu Satana ƒe subɔlawo. Dzi, si womegbɔ agbe o la, lɔa nuvɔ, eye wòdina be yealé ɖe eŋu, ado taflatse nɛ. Ke dzi, si wowɔ yeyee la, tsria nuvɔ, eye wòdina vevie be yeatsi tsitre ɖe eŋu. UGL 476.2

Nenye be kristotɔwo tia hadede kple Mawu mavɔlawo kple dzimaxɔsetɔwo la, wohea wo ɖokui dea tetekpɔ me. Satana ɣlana eɖokui ɖe wo, eye wòtsɔa beble ƒe moblanu tsyɔna woƒe ŋkuwo dzi le adzame. Womedzeasii be hadede sia la, gbegblẽ ko wòate ŋu ahe va yewo dzi o; eye zi alesi wonɔa nu ƒom, nɔa nu wɔm abe xexemetɔwo ke ene, eye wonɔa edzi yim nenema la, woƒe ŋkuwo nɔa gbagbãm ɖe edzi. UGL 476.3

Ne Hamea le xexeame ƒe numamewo dzi wɔm la, etrɔna ɖe xexeame nu, ke xexeame ya metrɔna ɖe Kristo nu o. Zi alesi nuvɔ̃ le amea ɖe mam la, nenemae meganyɔa ŋu nɛ o. Ame sike atia be yeawɔ ɖeka kple Satana ƒe subɔlawo la, adzudzɔ eƒe Aƒetɔ la vɔvɔ̃ kpuie. Ne mìekpɔ dodokpɔ le dɔdasi ƒe mɔ dzi abe alesi wònɔ na Daniel le fia-ƒe me ene la, kakaɖedzi asu mìasi be Mawu ƒe ametakpɔkpɔ anɔ mìa dzi godoo. Gake ne mìa ŋutɔ mìeƒo ta ɖe tetekpɔ ƒe ŋusẽ te le mìa ɖokui si la, ekema mìakpɔ anyidzedze kpuie alo le ŋgɔ ɖaa. UGL 477.1

Tela wɔa dɔ ɣeaɖewoɣi kple dziɖuɖu geɖe to amesiwo amea ɖeke mesusu be wole eƒe ŋusẽ te o la dzi. Wokafuna agbalẽnyala gãwo kple amesiwo si aɖaŋu geɖe le, eye wodea bubu wo ŋu abe ɖee woƒe agbalẽnyanya kple aɖaŋu gã ate ŋu axɔ ɖe Mawu vɔvɔ̃ teƒe ene, alo ate ŋu akplɔ ame yi egbɔ ene. Ne mìebu wo ŋu kpɔ la, mìenya be talentowo, nunya, kple bubuawo keŋ nye nunana tso Mawu gbɔ, gake ne nusiawo axɔ ɖe mawusosroɖa teƒe, eye, le esime wòle be woahe míaƒe luʋɔ te ɖe Mawu ŋu la, wote mí ɖa tso egbɔ la, wozu fiƒode kple mɔtetre na mí boŋ. Ame geɖewo susuna be nusi dze abe dɔmenyo ɖeɖefia, alo nusi nyo ene la, tsona kristotɔnyenye ƒe wɔna me godoo, le nukpɔkpɔ nu. Vodada gã bubua ɖeke megakpẽ wú susu sia o. Ele eme be nɔnɔme siawo naɖo atsyɔ na kristotɔ ɖesiaɖe ƒe dẽ, elabena wonye nusiwo ate ŋu akplɔ ame yi ɖe subɔsubɔ vavãtɔ gbɔ. Gake ele vevie be woatso mía kple Mawu ƒe kadede me hafi, ne menye nenem o la, woate ŋu atrɔ zu ŋusẽ alo mɔnu na nuvɔ̃ boŋ. Ame geɖe, siwo nye ame fatu, siwo si nunya sɔgbɔ le, eye womalɔ̃ kpɔ gbeɖe be yewoawɔ nusi amewo katã kpɔna abe wɔna gbegblẽwo ene o la, nenem me siawo menyena naneke wú nudɔwɔnu sesẽwo le Satana si me o. Amesiawo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi kple woƒe kpɔɖeŋu ƒe nɔnɔme vavã, si ɣla eye wòflua ame la, wɔnɛ be wozua Kristo ƒe futɔ, siwo vɔɖi geɖe wú agbalẽmanyala, siwo mexɔ tutuɖoa ɖeke o la. UGL 477.2

To gbedodoɖa vevie kple ɖokuitsɔtsɔna Mawu me ye Salomo xɔ nunya, si wɔ moya na xexeame katã, eye wòna be wokafui geɖe. Gake esi wòte ɖa le eƒe ŋusẽa ƒe tsoƒe ŋu, eye wòdze zɔzɔ le eya ŋutɔ ƒe ŋutete ɖeɖe ko nu la, eva zu tetekpɔ gã me dzela. Alea ye nunana gã wɔ nuku, siwo wona fia, si ƒo fiawo katã ta le nunya me la, wɔe be wòvatrɔzu dɔwɔnu sesẽa ɖe na luʋɔwo ƒe futɔ la. UGL 478.1

Le esime Satana le didim vevie be yeade viviti susuwo eme ku ɖe nusiawo ŋuti la, ele vevie be kristotɔ nagaŋlɔ be gbeɖe be: “míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ, kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae, le kame tem.” (Efeso 6 : 12) Nyanyanana sia, si tso Gbɔgbɔ me la, le ɖiɖim ƒe alafalafawoe nye sia ʋuu keke vakɔ ɖe mia ŋɔli me. “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ̃ elabena miaƒe aɖikãtɔ Abosam le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene” (Petro I, 5 : 8). “Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te ɖe abosam ƒe aɖaŋu vɔwo nu.” (Efeso 6 : 11) UGL 478.2

Tso keke Aɖam ƒe ŋkewo dzi vaseɖe egbe ŋkekewo me, míaƒe futɔ gã la le eƒe ŋusẽ ŋuti dɔ wɔm hena amegbetɔ teté ɖe to kple tsɔtsrɔ. Ke fifia la, ele dzadzram ɖo na eƒe aʋahoho mamlɛa ɖe Hame la ŋu. Amesiwo katã le ŋutete wɔm be yewoakplɔ Yesu ɖo la, woakpɔ wo ɖokui le ʋiʋli gãa ɖe kple futɔ, si ŋu ɖeɖi metena o la me. Zi alesi kristotɔ adi vevie be yeaɖi Kristo la, nenema ke futɔ la atsi tre sesĩe ɖe eŋui. Amesiwo katã le Mawu ƒe dɔ wɔm vevie hele kutri kum be yewoaklo nu ɖa le vɔɖitɔ la ƒe beblewɔnawo dzi, eye be yewoaɖe Kristo fia xexeame la, wo katã agblɔ abe Paulo ene be yewole Mawu subɔm le gbɔgbɔ ƒe bɔbɔenyenye blibo me, kple aɖatsi le tetekpɔwo me. UGL 478.3

Satana lũ ɖe Kristo dzi kple eƒe tetekpɔ sesẽwo, gake Ɖela kpɔ dziɖuɖu le ɖesiaɖe me. Mía ta wòwɔ aʋa siawo ɖo. Eƒe dziɖuɖuawo katã na mí asinukpɔkpɔ be míawo hã miazu dziɖulawo. Kristo ana ŋusẽ amesiwo katã abiae la. Satana mate ŋu aɖu amea ɖeke dzi, ne eya ŋutɔ melɔ̃ o. Womena ŋusẽ Tela be wòaɖu fia ɖe ame ƒe lɔlɔnu dzi, alo be woaté ɖe luʋɔa ɖe dzi be wòawɔ nuvɔ̃ o, negbe luʋɔ ma ŋutɔ koe alɔ̃ hafi. Ate ŋu ahe dzimaɖi va ame dzi, gake mate ŋu até eƒe lɔlɔnu ɖe amea me o. Nenema kee wòateŋu agbã dzi na kristotɔa ɖe, gake mate ŋu atra gbegblẽ ɖe eme o. Edze be Kristo ƒe dziɖuɖu nanye dzideƒo na eyomedzelawo eye wòana be woaʋli kalẽtɔe le woƒe tsitretsitsi ɖe nuvɔ̃ kple Satana ŋuti me. UGL 478.4

-------