Go to full page →

32—SATANA ƑE MƆTETREWO UGL 487

Ʋiʋli gã, si le edzi yim le Kristo kple Satana dome, ƒe akpe adẽ sɔŋ enye sia, ƒe nuwuwu tu aƒe azɔ. Le esia ta, Satana ƒe ŋutete, si wɔm wòle be yeagblẽ Kristo ƒe dɔwɔwɔwo ɖe amegbetɔwo ta, ale be yeahe luʋɔwo de yeƒe mɔtetrewo me la, gale ŋusẽ kpɔm ɖe dzi. Eƒe taɖodzinue nye be amegbetɔ natsi dzimematrɔmatrɔ me vaseɖe esime Ɖela nawu eƒe avuléledɔ nu, eye vɔsa maganɔ anyi na nuvɔ̃ o. Ne womegale ŋutete tɔxɛa ɖeke wɔm be woatsi tre ɖe eƒe ŋusẽ ŋuti o, eye ɖekematsɔleme bɔ ɖe Hamea me kple xexeame godoo la, Satana kpɔa vovo le eɖokui me, elabena vɔvɔ̃ megali be amesiwo yelé ɖe yeƒe ŋusẽ te la ava ge le yesi o. Ke nenye be wohe amegbetɔ ƒe susu yi ɖe agbe mavɔ nuwo dzi, eye luʋɔwo le biabiam se be : “Nuka mawɔ akpɔ ɖeɖe mahã ” la, etsia tre hedina be yeaho aʋa ɖe Kristo ƒe ŋusẽ ŋu bene yeaxe mɔ na Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi. Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be gbe ɖeka la, mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me, eye Satana hã nɔ wo dome va; (Hob I:6), ke menye bena yeava de ta agu na Fia mavɔ la o, ke boŋ be yeawɔ yeƒe susu vɔɖiwo ŋuti dɔ tsi tre ɖe amedzɔdzɔewo ŋu. Ɖe susu sia ta kee wòɖona vevie be afisiafi, si amewo aƒo ƒu asubɔ Mawu le la, yeanɔ wo dome. To gbɔ be womekpɔnɛ o la, enɔa dɔ wɔm kple ŋusẽ be yeaxɔ susu le subɔsubɔwɔlawo si. Abe aʋafia aɖaŋudzela gã ene la, ewɔa eƒe ɖoɖowo do ŋgɔ. Ne ekpɔ Mawu ƒe gbeƒãɖelaa ɖe le Ŋɔŋlɔawo me dzrom la, eya hã léa ŋku ɖe nya, si ŋu wole nu ƒo ge le na dukɔa ŋu. Ke le eyome la, etoa aye mɔnuwo dzi hetrɔa nɔnɔmewo kple aɖaŋu, ale be gbedasi la nagasu amesiwo wòflu de nu dadaa ɖe me, si ŋu wole avɔ klo ge le la ŋu o. Adi be yeawɔe be amesi ŋutɔ wòle vevie na be wòase toklãnya alo nufiamenya sia la, nudzɔdzɔa ɖe nawɔɛ be wòanɔ afi bubu ɣemaɣi, alo be nane naxe mɔ nɛ be wòagase nya, siwo anye agbe ƒe ʋeʋɛlili na eyama la o. UGL 487.1

Le go bubu me la, Satana kpɔa vɔvɔ, si nɔa Mawu subɔlawo me ne wode dzesi gbɔgbɔme ƒe viviti, si tsyɔ̃ amegbetɔwo dzi la. Eɖoa to woƒe gbedodoɖa veviewo, ne wole amenuveve kple ŋusẽ biam Mawu be wòanyɔ luʋɔwo tso woƒe ɖekematsɔleme, alɔgblɔdɔ kple alɔ̃ dɔdɔ me. Ne ese gbedodoɖa siawo la, yehã ƒe dɔwɔwɔ kple aɖaŋu vɔɖi gakpɔa ŋusẽ ɖe dzi. Etea amegbetɔwo kpɔ kple nuɖuɖu ƒe vivisese, alo nu bubu, siwo ŋu miedoa taflatsɛ na mia ɖokuiwo le, eye to nusiawo me la, enana be woƒe susuwo nadɔ̃ alɔ, eye womagase nu, si le vevie be woanya la o. UGL 487.2

Satana nya nyuie be amesiwo katã yeana woawɔ kuvia le gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ ŋu la, woatsi yeƒe asi me godo. Esia ta wòdia mɔnu, siwo katã ŋu wòake ɖo ne yeaɖe amewo ƒe susu ɖa. Amea ɖewo dina be woadzesi yewo abe mawuvɔlawo ene; gake esi wòle be woadi ŋgɔgbedede le sidzedze Nyateƒea me la, woƒe subɔsubɔdɔ koe nye be woadi nusi nye dɛ̃ gbegblẽ, alo nusi nye nudadafafia le amesiwo ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple wotɔ o la me. Nenem-mewoe nye Satana ƒe dɔwɔnu vavãtɔwo. Nyatsɔɖamenɔviŋulawo sɔ gbɔ fũ. Wonɔa woƒe wɔnawo dzi vevie, le esime Mawu nɔa dɔ wɔm, eye eƒe subɔlawo nɔa bubu vavã tsɔm nɛ la. Wotsɔa gɔmesese gbegblẽ naa amesiwo lɔã Nyateƒea, eye wowɔna ɖe edzi la, ƒe nyagbɔgblɔ kple wɔnawo. Wodina be woakpɔ amesiwo nye Kristo ƒe subɔla nuteƒewɔlawo, kutrikulawo kple ɖokuitɔmadilawo abe amesiwo le bubú ƒe mɔ dzi kple ameblelawo ene. Wotsɔe ɖo wo ɖokui dzi abe dɔ ene be woatsɔ gɔmesese totro na wɔna dzɔdzɔe, siwo dze na kafukafu la, eye wohea susu vɔɖiwo dea amewo ƒe ta me, ale be woabu vɔ̃ ɖe nyateƒemewo ŋu. Mɔ, siwo katã dzi woate ŋu ato, si ana be amewo nakpɔ nusi le dzadzɛ kple dzɔdzɔe la, abe nu gbegblẽ kple ameblenu ene la, nyo na wo. UGL 488.1

To gbɔ be ele alea hã la, medze be amea ɖe naɖe asi le eɖokui ŋu be amesiawo naflui de gbegblẽ me o. Ele bɔbɔe be woadzesi amesi ƒe vi wonye, amesi nye kpɔɖeŋu na wo, kple amesi ƒe dɔdasi wɔm wole. “Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo. (Mateo 7:16). Woƒe wɔna ɖi Satana tɔ, amesi nye amegblẽla, si me aɖi vɔɖi le, “mía nɔviwo nutsola.” (Nyaɖ. 12:10). UGL 488.2

Ameblela gã la ɖo dɔtsɔla geɖe, siwo le gbesɔsɔ be yewoakaka alakpanufiafia ƒomevi vovovo, siwo sɔ kple amesiwo wòle didim be yeatsrɔ̃ la ƒe didi kple dɛwo. Ele eƒe ɖoɖowo me be yeana gotanuwɔlawo kple amesiwo metrɔ le woƒe dziwo me o la natra ɖe Hamea me, ale be woado ŋusẽ ɖikeke kple dzimaxɔse, siwo anye mɔxenu na amesiwo di be Mawu ƒe dɔ la nade ŋgɔ, eye yewo hã yewoakpɔ ŋgɔgbedede kplii la. Geɖewoe nye amea ɖewo, siwo si xɔse vavã mele ɖe Mawu alo eƒe Nya la dzi o, ke wolɔ̃ ɖe Nyateƒea ƒe ɖoɖoa ɖewo ko dzi, heyɔ wo ɖokuiwo be kristotɔwo. Nenemae wotsɔa woƒe nudadafiafiawo dea Hamea me, abe nufiafia, siwo nɔ anyi ɖe Biblia dzi ene. UGL 488.3

Susuɖeɖea ɖewo gblɔna be nusi dzi woxɔ se la mehea emetsonua ɖeke vaa ame dzi o. Nya sia nye Satana ƒe ameblenya gãwo dometɔ ɖeka, si le amewo flum geɖe. Enya be Nyateƒe, si amea ɖe axɔ kple lɔlɔ̃ la awɔ ame sia kɔkɔe. Esia ta wòdzea agbagba ɣesiaɣi be yeatsɔ alakpa, kple glinyawo kpakple ‘nyanyui’ bubu aɖɔli Nyateƒe la. Tso gɔmedzedzea me ke Mawu ƒe subɔlawo wɔ aʋa kple nudadafialawo, menye ɖe ame vɔɖi, si wonye la ɖeɖe ko ta o, ke ɖe alesi wonɔa alakpa, siwo nye afɔku na luʋɔwo la hã kakam ta. Eliya, Yeremya, Paulo, wo katã tsi tre sesiẽ kple kalẽ ɖe amesiwo nɔa amewo ɖem ɖa tso Mawu ƒe Nya gbɔ la ŋu. Vovokpɔkpɔ, si metsɔa ɖeke le me, alo metsɔ asixɔxɔa ɖeke na kekeli xɔse, si le dzɔdzɔɛ o la, nye nusi ŋu Nyateƒe taʋlila kɔkɔe siawo tsi tre ɖo sesiẽ kple taflatsɛmado. UGL 489.1

Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe gɔmeɖeɖe, si mede blibo o, eye wòtso ame ŋutɔ ƒe lɔlɔnu me, kpakple nufiafia, siwo tsi tre ɖe wonɔɛwo ŋu, siwo sɔ gbɔ le kristotɔwo dome le xexeame godoo, le egbe ŋkekewo me la, wo katã nye míaƒe futɔ gã la ƒe dɔwɔna, siwo wɔm wòle be wòade tɔtɔtɔtɔ gãa ɖe amewo ƒe susu me, alo bena amea ɖeke nagate ŋu ke ɖe afisi Nyateƒe la le ŋu o. Havi gɔmemase kple mamã, si le Kristo-Hameawo dome egbea ƒe akpa gãtɔ tso wɔna sia me be edziedzi la, ame geɖewo tsɔa gɔmesese totro naa Mawunya, hedoa nudadafiafia, si sɔ kple woƒe lɔlɔnu la dzi. Esi wòle be woasrɔ̃ Mawunya kple beléle le dzi ƒe bɔbɔenyenye me, ale be woake ɖe nunya ŋu la, ame geɖewo dina nu tovoa ɖe, si tso ame ŋutɔ gbɔ. UGL 489.2

Le woƒe didi nu be yewoana Ŋɔŋlɔawo naɖo kpe nufiafia gbegblẽwo, alo wɔna, siwo menye kristotɔ ƒe wɔnawo o dzi la, amea ɖewo tsɔa Mawunya ƒe nyatia ɖewo, si woɖea do go tso nudzɔdzɔa ɖe me ko wɔa dɔ; ɣeaɖewoɣi ŋutɔ gɔ̃ hã, wotsɔa kpukpuia ɖewo ƒe mamãme ɖeɖe ko, evɔ wònye be nenye ɖee wotsɔ kpukpui bliboa katã la, woƒe gɔmeɖeɖea atrɔ keŋkeŋ hafi. Abe da dzeaye ene la, woɣlaa wo ɖokuiwo ɖe nyatia ɖe, si wotsɔna wòtsia ya me la godo, eye wotsɔa nya siawo dea woƒe ŋutilã ƒe didiwo dzi. Alea ye ame geɖewo nyana hafi gblẽa Mawu ƒe Nya la dome, le woa ŋutɔ ƒe didi nu. Bubuawo siwo de ŋgɔ le susu ɖeɖe me la, tsɔa Biblia ƒe dzesidede kple dzesiwo, hetsɔ woawo ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe, si dzro wo la na wo, eye wometsɔa ɖeke le me na Mawunya ƒe ɖaseɖiɖi blibo la o. To gbɔ be Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ ɖea wo ɖokui gɔme hã la, wotsɔa woawo ŋutɔ ƒe susuwo ƒe tsaɖiɖi siawo fiana abe Biblia me nyawo ene. UGL 490.1

Ɣesiaɣi, si míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo, gbedodoɖa gbɔgbɔ kple bɔbɔenyenye manɔmee, eye míaɖe asi le mìaƒe susuwo ŋu o la,mímate ŋu ase Ŋɔŋlɔa me nya siwo me kɔ nyuie na gɔmesese, kple esiwo sesẽ la gɔme nyui o. Roma-hamea kplɔlawo tiaa Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo siwo dzea edzi na wo, hetrɔa gɔmesese na wo le woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu hafi tsɔa wo nana dukɔa, le esime wodea se be amea ɖeke nagaxlẽ Biblia na eɖokui ne wòate ŋu ase Nyateƒe kɔkɔeawo gɔme o. Biblia katã le eƒe blibodede me, abe alesi Mawu tsɔe na ene la, ye wòle be woatsɔ na dukɔa. Anyo nɛ be maxɔ Biblia nusɔsrɔa wotrɔ asi le glasã la nɛ. ɖeke o, wú be woatsɔ nusi ŋu Ɖe wòle be Biblia nanye kplɔla na amesiame, si di be yeadze si yeƒe Wɔla ƒe lɔlɔnu. Mawu tsɔ nyagblɔɖi nya, si ŋu kakaɖedzi le la, na amegbetɔwo. Mawudɔlawo kple Kristo ŋutɔ va Daniel kple Yohanes gbɔ be woaɖe nusiwo gbɔna dzɔdzɔge kpuie la fia wo. Nya vevi, siwo ku ɖe míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu la, menye nusiwo woɣla ɖe nukunuaa ɖe me o. Womeɖe wo fia hã le nɔnɔme, si atɔtɔ alo abú amesiwo le Nyateƒe la dim, le anukwareɖiɖi me o. Yehowa gblɔ na Xabakuk, nyagblɔɖila be: “Ŋlɔ̃ ŋutega la ɖi, eye naɖee ɖe kpe dzi, be wòanya xlẽ bɔbɔe. (Xab. 2:2). Mawu ƒe Nya la me kɔna na amesiwo srɔnɛ kple dzi, si ɖo ta Mawu gbɔ la. Luʋɔ sia luʋɔ, si ɖiaa anukware vavãtɔ la, ava Nyateƒe kekeli la gbɔ godo. « Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo.” (Ps.97: 11) Eyata hamea ɖeke mate ŋu ade ŋgɔ le kɔkɔenyenye me, negbe ɖeko hameviwo nadi Nyateƒe la vevie abe kesinɔnu ɣlaɣlaa ɖe ene hafi. UGL 490.2

Le nyati, si nɔa ɖiɖim sesiẽ be: “edze be kristotɔ nakpɔ vovo” nu la, ameha gãa ɖe tsɔa wo ɖokuiwo dea futɔ, si nu metia kɔ na o la, ƒe mɔtetrewo me, le ɣeyiɣi, si me eyama nɔa dɔ wɔm vevie na eƒe taɖodzinuwo ƒe mevava. Le esime wònɔa ŋgɔdede kpɔm le Biblia ƒe toyiyi me to amegbetɔ ŋutɔ ƒe susu vlowo ɖeɖe me la, woɖea Mawu ƒe Seawo ya ɖe aga, eye hameawo gena ɖe nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye te henɔa susum be yewo zu ablɔɖeviwo. UGL 491.1

Ame geɖewo le kpɔkpɔm egbea be numekulawo ƒe dɔwɔwɔwo zu fiƒode na mí. Ne Mawu ɖe mɔ be woake ɖe nu geɖewo ŋu le nunya kple aɖaŋu dɔwɔwɔ gome la, ɖee wòwɔe be kekeli ƒe tɔsisi gãa ɖe nagbagba ɖe xexeame katã dzi. Gake ne Mawu ŋutɔ menɔ woƒe numekukuawo kple aɖaŋudedeawo me o la, ekem nunyala gãatɔ kekeake hã age ɖe mɔtatra me, ne wosusu be kadedea ɖe le amegbetɔ ŋutɔ ƒe susuɖeɖe kple Mawu ƒe ɖeɖefiawo dome. UGL 491.2

Amegbetɔ ƒe nunya le ŋutilã kple gbɔgbɔ gome siaa nye nusi mede blibo o; le esia ta, ame geɖewo mete ŋu nana be woƒe ŋutilã me nunya wɔa ɖeka kple Ŋɔŋlɔ̃ Kɔkɔeawo ƒe nyagbɔgblɔwo o. Geɖewoe nye amesiwo xɔa susuɖeɖe gbɔlo kple ame ŋutɔ ƒe nugɔmeɖeɖe ƒuƒluwo abe nyateƒenya alo nudzɔdzɔ ŋutɔ ŋutɔ ene. Woxɔe se be edze be woado Mawu ƒe Nya la kpɔ kple nufiafia, siwo tso amegbetɔwo ƒe nunya, si menye nunya vavã o la me. Wɔla ƒe dɔwɔwɔwo gbɔ woƒe nunya ƒe liƒowo ŋu boo, eye esi ŋutete mele wo si be woate ŋu ɖe egɔme to dzɔdzɔme sewo alo nuɖoanyiwo me o la, wokpɔa Biblia ƒe ŋutinyawo abe nusiwo dzi medze be woaxɔ se o ene. Edziedzi, amesiwo mexɔa Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea me nyawo ƒe nyateƒenyenye o la gawɔa afɔɖeɖe ɖeka kpena ɖe woƒe nɔnɔme sia ŋuti; eyae nye be wova kea ɖi ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋutɔ gɔ̃ hã ŋu, eye wotsɔa ŋusẽ mavɔ naa dzɔdzɔme nuwo. Ke ne le esia wɔwɔ me wova ɖe asi le woƒe sekea ŋuti la, wova gbãa wo ɖokuiwo ɖe dzimaxɔse ƒe kpewo dzi. Alea ame geɖewo tena wo ɖokuiwo ɖa xaa tso xɔse la gbɔ, eye wogena ɖe Satana ƒe beblewo me keŋkeŋ. Amewo dina be yewoa nye nunyala gãwo wú Wɔla ŋutɔ gɔ̃ hã. Amegbetɔ ƒe aɖaŋu susuɖeɖe wɔ ŋutete be yeaku nu ɣaɣla, siwo gɔme womaɖe gbeɖe kpɔ le ɣeyiɣi mavɔwo me o la me. Ne amegbetɔwo di numekuku (509) kple gɔmesese na nusiwo Mawu ŋutɔ ɖe fia kple na eƒe taɖodzinuwo ɖeɖe ko la, ne anye ne sidzedze nyui ku ɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe, gãnyenye kple ŋusẽ ŋu asu wo si, ale be woade dzesi woawo ŋutɔ ƒe nugbɔlonyenye, eye nusiwo ko woɖe fia ɖi na woawo ŋutɔ kple wo viwo la ado dzidzɔ na wo. UGL 491.3

Satana ƒe beble dɔwɔwɔ gãtɔwo dometɔ ɖeka enye be wòana amegbetɔ ƒe tamesusuwo katã nanɔ numekuku dzi to susu akpewo ɖeɖe me, kple didi bena yease nusi Mawu meɖe fia, eye meɖo hã be yeaɖe fia o la, gɔme. Nusia Lusifa ŋutɔ wɔ eye wòbu eƒe teƒe le dziƒoa. Ekpɔ dziku le esime Mawu meɖe eƒe ɖoɖowo ƒe nuɣaɣlawo katã fiae o. Metsɔ ɖeke le me na nusi woɖe fiae ku ɖe eya ŋutɔ ƒe dɔdasiwo kple eƒe teƒe, si wòle ŋu o. Ehe dɔla, siwo le eƒe kpɔkplɔ te la, de tsɔtsrɔ̃ me, le esime wòtsɔ eƒe ŋudzedzemakpɔ de wo me. Egale didim ɣeyiɣi siawo be yeatsɔ gbɔgbɔ ma ke de amegbetɔwo ƒe dzi me, ale be le esia wɔwɔ me la, yeana woawo hã natsri Mawu ƒe Seawo ƒe nya gbɔ. Amesiwo melɔna be yewoaxɔ Biblia ƒe Nyateƒe, siwo me kɔ eye woƒona ɖe ame ƒe dzi me o la, dina ɣesiaɣi be yewoase glinya, siwo afa woƒe dzitsinya nu. Zi alesi nufafia siwo woatsɔ ɖo wo ŋku me, maku ɖe gbɔgbɔme nyawo ŋu fũ o, eye womahiã bɔbɔenyenye kple nugbegbe le ameɖokui gbɔ sɔgbɔ ŋu o la, nenema woxɔna wo kabae. Nenem me siawo hea gbegblẽ vaa woƒe susumenunanawo dzi le woƒe ŋutilã ƒe didiwo subɔsubɔ me. Esi wònye be wokpɔ wo ɖokuiwo abe nunyala gãtɔwo ene, eye be megahiã be yewoasrɔ̃ Ŋɔŋlɔ̃ Kɔkɔeawo le ɖokuimeʋuʋu me kple didi vevie sia be Mawu ŋutɔ nakplɔ yewo o la, Mawu ƒe ametakpɔkpɔa ɖeke megale wo dzi ɖe nudadafiafia dzi xɔse ŋu o. Ekem Satana nɔa gbesɔsɔ be yeaɖo woƒe dzi ƒe didiwo ŋu na wo, eye wòtsɔa beble ɖoa woƒe mɔwo dzi ɖe Nyateƒe teƒe. Alea ye Papa ƒe dziɖuɖua teŋu kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe susu dzi. Nenema kee Ɖɔɖɔɖowɔlawo alo Nyanyuihametɔ, siwo gbe nu le Nyateƒe la gbɔ, ɖe alesi wòhiã atitsoga tsɔtsɔ ŋuti la, wo hã wolé nenem ƒe mɔ tsɔ. Amesiwo katã male fɔ̃ ɖe Mawunya la ŋu o, ke boŋ woadi nusiwo le bɔbɔe, eye womana be woato vovo le nusiwo amewo katã le wɔwɔm ŋu o la, woakpɔ wo ɖokuiwo le gbegblẽ me, le esime woa ŋutɔwo axɔe se be yewo le Nyateƒea me. Amesiwo agbe nu le Nyateƒea gbɔ le woawo ŋutɔwo ƒe lɔlɔnu me la axɔ nudadafiafiawo katã ƒomevi. Ne wote ɖa kple vɔvɔ̃ tso beblenyaa ɖe ŋu la, woga gena ɖe bubu ƒomevi me. UGL 492.1

Le eƒe nuƒoƒo tso amesiwo melɔ̃ Nyateƒe be woakpɔ ɖeɖe o ŋu la, Apostolo Paulo gblɔ bena: “Le esia ta Mawu aɖo beble, si nu sẽ la aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase, bene woadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã mexɔ Nyateƒe dzi se o, ke boŋ madzɔmadzɔnyenye dze wo ŋu.” (2 Tesa, 2:11-12) Le toklã- gbedasi gã sia nu la, ele na mí vevie be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi le nufiafia siwo xɔm míele la ŋu. UGL 493.1

Amewoblela gã ƒe mɔtetre dziŋɔ̃ gãtɔwo kekeake ƒe ɖewoe nye alakpa nufiafiawo kple beble nukunu, siwo tsoa kadede kple gbɔgbɔ vɔwo ƒe wɔnawo me. Futɔ sia, si trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla la, trea mɔ̃ ɖe afisiwo míesusu kura o la. Ne míedi be míasrɔ̃ Mawu ƒe Agbalɛa kple gbedodoɖa vevie ale be míase egɔme la, mímate ŋu anɔ numanyamanya me ku ɖe alakpa nufiafiawo ŋu o. Ke ne amegbetɔ gbe nu le Nyateƒea gbɔ la, age ɖe beble ƒe mɔtetre me koe. UGL 493.2

Nufiafia, si mexɔ Kristo ƒe mawunyenye dzi se o hã nye afɔku gãa ɖe. Nudadafiafia sia dina be amewo naxɔɛ se be Kristo menɔ anyi do ŋgɔ na eƒe xexeame vava o. To gbɔ be nya sia tsi tre ɖe Ɖela ŋutɔ ƒe nufiafia, siwo me kɔ nyuie, ku ɖe eƒe kadede kple Fofoa ŋu, eƒe mawunyenye kple eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na eƒe ŋutilã me nɔnɔ le anyigba dzi ŋu hã, ame geɖe, siwo ʋua eme be yewoxɔ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo dzi se la, gaxɔa alakpanya siawo dzi se. Nudadafiafia sia mate ŋu nɔ anyi ɖe naneke dzi wú gɔmesese totro tsɔtsɔ na Ŋɔŋlɔawo dzi o. Menye ɖeko nufiafia sia tɔtɔ ɖeɖekpɔkpɔ-dɔ la ƒe gɔmesese ɖeɖe ko o, ke boŋ egagblẽ míaƒe xɔse ɖe Biblia dzi abe Mawu ƒe ɖeɖefianya ene le eƒe gu nu ke. Le go sia mee nudadafiafia sia ƒe afɔku galolo ɖe edzi wú le, le alesi wòsesẽ be woaho aʋa ɖe eŋu ta. Nyateƒe wònye be mehiã be woahe nya ku ɖe Ɖela ƒe mawunyenye ŋu kple amesiwo gbe nu le Biblia ƒe ɖaseɖiɖiwo gbɔ o. Alekeke míaƒe nugɔmeɖeɖewo akpɔ ŋusẽe hã la, womawɔ dɔa ɖeke le wo dzi o. “Dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye “bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.” (Kor. I, 2:14). Amesiwo katã lé gbegblẽ sia ɖe asi la, gɔmesese nyuia ɖeke mate ŋu anɔ wo dometɔa ɖeke si ku ɖe Kristo ƒe dɛ, eƒe dɔdasi, alo Mawu ƒe ɖoɖo gã, si wòwɔ na amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu o. UGL 493.3

Nudadafiafia bubu, si ɣla, hele nu gblẽm eye wòle kakam ɖe dzi kabakaba la enye be Satana menye nuwɔwɔa ɖe, si le eɖokui si o, eye woga gblɔna hã be ne Ŋɔŋlɔawo le nu ƒom tso Satana ŋu la, etsɔna ŋkɔ sia dea dzesi amegbetɔ ƒe susuɖeɖe vɔɖiwo kple eƒe didi gbegblẽwo koe. UGL 494.1

Nudadafiafia bubu, si gakpɔ nɔƒe geɖe le nyagblɔtiwo dzi, le kristotɔwo dome la enye esi gblɔ be Aƒetɔ ƒe vava zi evelia ava me na amesiame etɔxɛ etɔxɛ le eƒe ku gbe. Nya sia hã nye afɔku gã, si awɔe be amewo aɖe ŋu ɖi na Kristo ƒe tɔtrɔva le alilikpowo dzi. Ƒe geɖewoe nye esi, si Satana le agbagba dzem vevie hele gbɔgblɔm na amewo be: “Kpɔ ɖa, Kristo le afii,… kpɔ ɖa, ele xɔgã me…” (Mateo 24:23-26), eye luʋɔ geɖewo ge ɖe tsɔtysrɔ̃ ƒe mɔtetre sia me. UGL 494.2

Xexeme ƒe nunya hã le gbɔgblɔm be mele vevie be woado gbe ɖa o. Xexeme nunyalaa ɖewo fiaa nu gblɔna be míaƒe gbedodoɖawo mate ŋu akpɔ ŋutiɖoɖo o, elabe anye dzɔdzɔme- se dzi dada alo nukunu, evɔ wònye be le woƒe susu nu la nukunu hã meli o. Le woƒe nukpɔkpɔ nu la, se matrɔmatrɔwoe le xexeame kplɔm, eye Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã mewɔa naneke tsi tre ɖe Se siawo ŋu o. Nenema kee wotea gbe ɖe dzi be Mawu ƒe Seawo bla eyama ŋutɔ hã, abe ɖee Se siawo ƒe dɔwɔwɔwo mewɔ ɖeka kple eƒe vovokpɔkpɔ alo ɖokuisinɔnɔ o ene. Nenem nufiafiawo mesɔ kple Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo tɔ o. Ɖee Yesu kple eƒe Apostolowo mewɔ nukunuwo oa? Ɖee Ɖela amenuvela sia mele agbe egbea, eye wògale gbesɔsɔ be yeaxɔ xɔse ƒe gbedodoɖawo abe le ɣeyiɣi siwo me wònɔ tsatsam le anyigba sia dzi le amesiame ƒe ŋku me ene oa? Dzɔdzɔme xexeme sia nɔa kadede me kple vivime xexeme la. Mawu ƒe ɖoɖo enye be yeatsɔ nusi amegbetɔ mate ŋu axɔ ne mebiae o la, ana eyama to xɔse gbedodoɖa me. UGL 494.3

Xexlẽme meli na nudadafiafia kple ame ŋutɔ ƒe susu totrowo ɖeɖe, siwo le gegem ɖe Kristo Hamea me le ŋkeke siawo me la o. Mímate ŋu anya gbegblẽ, siwo katã doa go tso Mawunya ƒe nufiafia ɖeka pɛ tɔtrɔ me o. Ame ʋɛa ɖewo, siwo le mɔ sia dzi, gbea nu le Nyateƒea ɖekaa ɖe ko gbɔ. Ke geɖewoe nye amesiwo gbea nu le Biblia ƒe nufiafiawo gbɔ ɖeka ɖeka vaseɖe esime wovazua dzimaxɔsetɔ vavãwo. UGL 495.1

Luʋɔ geɖe, siwo ate ŋu zu xɔsetɔ vavãwo nenye ɖe wose Nyateƒea la, ge ɖe dzimaxɔse me to egbe ƒe alakpa nufiafia siwo vivia ameha gãwo nu me. Ame bubu, siwo xɔ aʋatso nufiafia ku ɖe dzɔdzɔenyenye, nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo ŋu la, megate ŋu lɔna ɖea asi le woƒe nugɔmesese gbegblẽawo ŋu ne wovake ɖe Nyateƒea ŋu o. Ke ne ele alea la, womega xɔa Biblia abe Mawu ƒe Nya ene o. Nusi tututu dim Satana le lae nye esia. Medi nu bubua ɖeke wú be yeatsrɔ̃ amewo ƒe xɔse ɖe Mawu kple eƒe Nya la dzi o. Ele ŋgɔ na ɖikelawo ƒe aʋakɔ gã la hele dɔ wɔm kple ŋusẽ klitsua ɖe be yeatsɔ he luʋɔ geɖe va eƒe asaɖa me. Ɖikekee nye nusi sɔgbɔ ɖe xexeame egbea. Ame geɖewo wɔa kalẽ ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu, eye wotea ɖa tso egbɔ, elabena eɖea ha nuvɔ, eye wòbua fɔɛ abe alesi Mawu ŋutɔ wɔna ene. UGL 495.2

Amesiwo medi be yewoaɖo toe o la wɔa ŋutete ɖesiaɖe be yewoatsrɔ̃ eƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi. Le esia ta ne woxlẽe, alo wose eƒe nufiafiawo tso nyagblɔtiwo dzi la, woƒe wɔna koe nyena be woatsɔ nya ɖe Biblia ŋu loo, alo woatsi tre ɖe Mawunya, si wogblɔ la ŋu. Geɖewo hã zua dzimaxɔsetɔwo le esime wonɔa taflatsɛ dim na woƒe fɔmalé ɖe woƒe dɔdasiwo ŋu ta. Ame bubuwo ya gena ɖe dzimaxɔse sia me to dada alo alɔgblɔdɔ wɔwɔ me. Le woƒe didi vevie me be nusianu nanɔ bɔbɔe na yewo la, womelɔ̃ wɔa ŋutetea ɖeke na dɔ nyui wɔwɔ, si dze na kafukafu kple esi hiã nugbegbe le ameɖokui gbɔ o, ke wodzea agbagba be yewoaxɔ ŋkɔ nyui abe nunyala gãwo ene, to nyameɖeɖe le Agbalɛ̃ Kɔkɔea ŋu me. UGL 495.3

Nu geɖewo le Biblia me, siwo gɔme amegbetɔ ƒe susu, si me Mawu ƒe nunya meklẽ ɖo o la, mate ŋu ase gbeɖe o, eye esia hea nyahehe vaa amewo me. Ame geɖewo xɔa se be ɖekawɔwɔ kple ɖikeke kpakple dzimaxɔse nye dɛ̃ nyuia ɖe nɔa amesi, eye wodzena abe ame dzadzɛwo kple nyateƒetɔwo ene; gake le nyateƒe me la, nenem mesiawo nye kluvi boŋ na woawo ŋutɔwo ƒe dada kple gãnyenye ƒe seselelãmewo. Amea ɖewo hã li, siwo dina nusiwo woate ŋu akpɔ le Biblia me atsɔ he tɔtɔtɔtɔ de susu me na ame bubuwo, eye nu sia wɔwɔ vivia wo nu. Nyahehe ɖe nyahehe nu nye nusi doa dzidzɔ na wo geɖe, eye womenya be le esia wɔwɔ me, yewo le yewo ɖokuiwo dem mɔtrela ƒe mɔ̃ me o. Ke ne woɖe woƒe dzimaxɔse ɖe go le amewo ŋku me vɔ la, woga kpɔna hã be ele vevie be yewoa nɔ te sesiẽ ɖe yewo ƒe susuwo dzi ahaʋli wo ta. (513) Alea ye wowɔa ɖeka kple ame makɔmakɔwo, eye le nuwuwu, wotua dziƒo gbowo ɖe wo ɖokuiwo. UGL 496.1

Mawu tsɔ nusiwo ana mí kakaɖedzi be Ŋɔŋlɔ̃ Kɔkɔeawo tso eyama ŋutɔ gbɔ la de wo me. Nyateƒe gãgãwo ku ɖe míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu la woe nye nusiwo woɖe ɖe go le wo me. To Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu, si ƒe ŋugbe wodo na amesiwo katã abiae le anukware me la, amesiame ate ŋu ase Nyateƒe siawo gɔme na eɖokui. Mawu na gɔmeɖokpe sesẽa ɖe amegbetɔ, esi dzi wòatu eƒe xɔse ɖo. UGL 496.2

Gake ele be míanya esia nyuie be amegbetɔ ƒe nunya, si sẽɖoƒe li na la, mate ŋu ase Mavɔtɔ la ƒe ɖoɖowo kple susuwo gɔme le blibodede me o. Womate ŋu adzro Mawu ƒe susu gogloawo me gbeɖe o. Ke amea ɖeke hã megatsɔ ɖokuiŋudzedze ƒe asi be yeaklo xɔmetsovɔ, si godo woɣla eƒe gãnyenye ɖo la ɖa o. “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo lo! Alea ye Apostolo do ɣlie. “Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔwo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!” (Roma 11:33 ). Gake gɔmesese, si hiã mí la, ate ŋu anɔ mía si na Mawu ƒe mɔwo kple eƒe ɖoɖo, siwo wòwɔ na mí, siwo ŋu eƒe wɔnawo katã ku ɖo, eye míake ɖe eƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ mavɔ, siwo wɔ ɖeka kple eƒe Ŋusẽ manyagblɔ la ŋu. Mía Fofo, si le dziƒo la le nuwo katã kplɔm le sidzedze kple dzodzɔenyenye me. Esia ta wòle be míaɖe asi le dzikukpɔkpɔ kple ɖikeke ŋu, eye míabɔbɔ mía ɖokuiwo kple bubudeameŋu, si dze nɛ la. Ekem aɖe nusiwo ko hiã be míanya ku ɖe eƒe ɖoɖoawo ŋu la fia mí. Ke, ku ɖe nu siwo womeɖe fia mí o ŋu la, ele na mí ko be míagblẽ mía ɖokuiwo ɖe amesi nye Ŋusẽwokatãtɔ kple Lɔlɔmanyagblɔtɔ la ƒe kplɔkplɔ te. UGL 496.3

To gbɔ be Mawu na dzesi geɖewo mí na míaƒe xɔse ƒe kelili hã la, maɖe nusiwo ana míakpɔ taflatsɛ na ɖikeke la ɖa gbeɖe o. Amesiwo katã le nane dim, siwo ŋu woatsɔ woƒe dzimaxɔsewo ku ɖo la, ake ɖe wo ŋu godo. Amesiwo hã gbe Mawunya be yewo maxɔɛ, ahawɔ ɖe edzi o, negbe ɖeko taflatsɛ kple ɖikeke mɔnuwo katã aɖe ɖa hafi la, woawo hã make ɖe kekeli la ŋu gbeɖe o. UGL 497.1

Mawudzimaxɔse nye dzɔdzɔmedzi, si womewɔ yeye o, dzi, si lé fu Mawu la, ƒe kutsetse. Ke xɔse la tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe me, eye meƒoa sé, ne wometui ɖo o. Amea ɖeke mate ŋu asẽ ŋu le xɔse me ne mewɔ ŋutete kple kutrikuku o. Nenema kee dzimaxɔse hã tsina ɖe dzi ne wolée ɖe asi didie; eye nenye be le esime wòle be amewo nanɔ nusiwo katã Mawu tsɔ na wo na woƒe xɔse ƒe kelili me dzrom kpɔ, heku ɖe ɖikeke nyahehe kple ɖokuidodo ɖe dzi ŋu boŋ la, ekem woƒe ɖikeke anɔ ŋu sẽm ɖe dzi tso ŋkeke yi ŋkeke. UGL 497.2

Evɔ la, nublanuitɔe, amesiwo kea ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu, eye womexɔa eƒe amenuveve ƒe kakaɖedzi nyawo dzi sena o la, doa vlo eyama. Woƒe wɔnawo nana be luʋɔwo tena ɖa tso Yesu ŋu, le esime wòle be woahe wo va egbɔe. Wole abe ati matseku, siwo keke woƒe alɔdze damawo hele ŋdɔ ƒe keklẽ mɔnu xem na ati bubu, siwo ƒo xlãe la, eye le ɣeyiɣi ʋɛa aɖe me ko, ati siawo yrɔna hekuna le eƒe vɔvɔli fafa te ene. Amesiawo ƒe dɔwɔnawo adze abe fɔbubu madzudzɔ na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ɖikeke kple dzimaxɔse ƒe nuku, siwo woƒã la atse woƒe kuwo na wo godo. UGL 497.3

Wɔna ɖeka koe li na amesiwo di le nyateƒe me be yewoaɖe yewo ƒe ɖikekewo ɖa. Eyae nye be le esi woadi be yewoahe nya ku ɖe nusi gɔme womese o ŋu, eye woagbe nya sia to ɖikeke me la, ele na wo boŋ be woanɔ agbe ɖe kekeli, si le keklẽm na wo vɔ la nu, ale be le esia wɔwɔ me la, woagaxɔ kekeli, si adzi ɖe edzi na wo. Ele na wo be dɔdasi ɖesiaɖe, si me kɔ na wo la woawɔe nyuie, ekem esiwo dzi womeka ɖo haɖe o la, woana woase woawo hã gɔme, aha wɔ wo dzi. UGL 498.1

Satana ate ŋu wɔ alakpa wòaɖi nyateƒe ale gbegbe be amesiwo katã ɖe asi le wo ɖokuiwo ŋu na beble, eye womelɔna nugbegbe le ameɖokui gbɔ kple ɖokuitsɔsavɔɛ o la, woage ɖe beble me koe. Gake futɔ la mate ŋu lé luʋɔa ɖe, si di vevie be yeadze si Nyateƒea, alekeake wòanye na ye hã, ɖe eƒe ŋusẽ te gbeɖe o. Yesu Kristoe nye Nyateƒe la kple “Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la.” (Yoh. 1:9 ) Nyateƒe Gbɔgbɔ la va xexeame be yeakplɔ amesiwo katã le Nyateƒe blibo la me. Mawu-Vi la gblɔ le eƒe ŋusẽ me be: “Mibia, eye woana mi.” (Mateo 7:7 ). “Ne amea ɖe le didim be yeawɔ eƒe lɔlɔnu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso.” (Yoh. 7:17 ) UGL 498.2

Kristo yomedzelawo menya nugbe, si Satana kple eƒe aʋakɔwo ɖo ɖe wo ŋu ƒe kpekpeme kura o. Gake amesi le fiazi dzi le dziƒowo la awɔ nusianu na eƒe ɖoɖo gogloawo ƒe mevava. Ne Aƒetɔ la ɖe mɔ be yeviwo nato fuwɔame ƒe kpodzo me la, menye ɖee woƒe vevesesewo doa dzidzɔ nɛ tae o, ke boŋ le esi dodokpɔ siawo le vevie na woƒe dziɖuɖu mamlɛa tae. Wo ɖeɖe ɖa tso tetekpɔwo katã me maɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia o, elabena woƒe dodokpɔwo ƒe taɖodzinu enye be woakpɔ ŋusẽ na nuvɔ̃ dzi ɖuɖu. UGL 498.3

Nenye be xɔsetɔwo tsɔ vevesese ʋu woƒe nuvɔwo me, heɖe asi le wo ŋu, eye ne woku ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu kple xɔse la, ame makɔmakɔwo kple gbɔgbɔ vɔwo ŋutɔ hã mate ŋu axe mɔ na Mawu ƒe dɔwɔna le eƒe subɔlawo ŋu, alo axe eƒe amegbɔnɔnɔ ƒe mɔnuwo na wo o. Woakpɔ dziɖuɖu godo ɖe tetekpɔwo kple futɔa ƒe ŋusẽ ɖesiaɖe, si adze gã alo aɣla la dzi, elabena “Mava me to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye Gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Zaxarya 4:6) UGL 498.4

Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo dzi, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu,… eye ameka awɔ vɔ̃ ɖe mía ŋu, ne míenye veviedolawo le nu nyui me mahã?” (Petro I, 3:12,13). Esi Bileam biã ŋu ɖe fetu gã, si wòaxɔ, eye wòdze agbagba to dzoka kple vɔsawo na Mawu me, be yeahe dzɔgbevɔe va Izrael dzi la, eke ɖe ŋu be Mawu ƒe Gbɔgbɔ xe mɔ na ye, eye wòdo ɣli be: ‘Aleke maƒo fi de amesi Mawu meƒo fi de o, eye mado ɖiŋu na amesi Mawu medo ɖiŋu na o? Maku abe ame dzɔdzɔewo ene, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene.” Esi wògawɔ vɔsa bubuwo megbe la, nyagblɔɖila nuteƒemawɔla sia gado ɣli gblɔ be: “Kpɔɖa, yayra mexɔ vɛ; eye ne eyra la, nyea nyemate ŋu atrɔe o. Womekpɔ dzɔgbevɔe le Yakob ŋu o, eye womekpɔ fuwɔamea ɖeke le Israel ŋu o. Yehowa, eƒe Mawu la li kplii, eye ayibopɛ le ɖiɖim le wo dome.” “Dzo mate Yakob ŋu o, eye afã aŋe vo ɖe Israel ŋu. Azɔ ko woagblɔ le Yakob kple Israel ŋu be: Nu gã ka nye esi Yehowa wɔa? (Mose IV 23:8, 10,20,21,23 ). Gake le nusiawo megbe la, wogali vɔsamlɛkpui etɔlia, eye Bileam gadze agbagba be yeagblɔ fiƒode nyawo. Ke Mawu ƒe Gbɔgbɔ gawɔ nyagblɔɖila sia ƒe aglãdzenuyiwo ŋuti dɔ heɖe gbeƒã eƒe dukɔ tiatia ƒe dzɔgbenyui, eye wòbu fɔ eƒe futɔwo ƒe vɔɖivɔɖi kple bometsitsi. “Ne amea ɖe yra wò la, woayrae, eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi adee.” (Mose IV, 24:9 ) . Le ɣemaɣi la, Israel dukɔa wɔa nuteƒe na Mawu. Zi alesi wònɔa eƒe Sewo wɔwɔ dzi la, anyigba dzi alo viviti ŋusẽa ɖeke mete ŋu ɖua edzi o. Gake fiƒode, si womeɖe mɔ na Bileam be wòayɔ va Mawu ƒe dukɔa dzi o la, Satana te ŋu hee va edzi le nuwuwu to beble de nuvɔ̃ me me. Israel te ɖa le Mawu ŋu esi wòda eƒe Sewo dzi, eye wòblé na nugblẽla ƒe ŋusẽ. UGL 499.1

Satana nya nyuie be luʋɔ beli kekeake, si le Yesu me la, sesẽ geɖe wú viviti ʋakɔwo katã, eye bena ne ye ŋutɔ hã yeɖe ye ɖokui fia la, woanya ye ɖe du nu enumake. Eyata wòdina be yeable atitsoga ƒe asrafowo do goe tso woƒe agbo sesẽwo me, eye wòdea xa ɖi kple eƒe ŋusẽwo katã, henɔa gbesɔsɔ ɖi be kasia wo dome amesiwo age ɖe yeƒe fli me la, yeatsrɔ̃ wo. Míakpɔ dedienɔnɔ blibo ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu kple bɔbɔenyenye, eye míelé eƒe Sewo katã me ɖe asi. Gbedodoɖa manɔmee la, amea ɖeke makpɔ dedienɔnɔ ŋkeke ɖeka alo gaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã o. Míaɖe kuku na Aƒetɔ la tɔxɛ be wòana mí nunya ne míase eƒe Nya la gɔme. Elabena eya mee woklo nu le tela ƒe ayemɔnuwo ŋu le, eye woɖe alesi míali ke eye míaɖu wo dzi la fia mí le. Abosam nye aɖaŋudela gãa ɖe, si nya alesi wòatsɔ Ŋɔŋlɔawo me nyaa ɖe, si ŋu wòatrɔ asi le, atsɔ gɔmeɖeɖe gbegblẽ, si aflu mí la nɛ, ale be míakpɔ anyidzedze. Ele na mí be míasrɔ̃ Mawunya la kple bɔbɔenyenye, eye míanɔ ŋku ɖom edzi ɣesiaɣi be ele vevie be míaku ɖe Mawu ŋu ɖaasi. Eye ne míele ŋudzɔ gbawotsogbe ɖe Satana ƒe mɔtetrewo ŋu la, ele na mí hã be míanɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔ madzudzɔ kple xɔse agblɔ be; “Megaɖe asi le mía ŋu ne tetekpɔ naɖu mía dzi o.” UGL 499.2

-------