Go to full page →

4—VAUD NUTOMETƆWO UGL 45

Viviti deto, si ƒo ɖe anyigba dzi le papa ƒe dziɖuɖu ɣeyiɣi didiwo me la, mewɔ be Nyateƒe ƒe kekeli la bu keŋkeŋ o. Le ɣeyiɣiwo katã me, Mawu ƒe ɖaseɖilaa ɖewo nɔa anyi, wo amesiwo xɔ Kristo dzi se abe Dometsola ɖeka hɔ,̃ si le Mawu kple amegbetɔ dome, siwo xɔ Biblia abe agbenɔnɔ nyui ƒe mɔfiala ɖeka, si ko li ene, eye wokɔa Sabat vavã la ŋu. Womate ŋu ake ɖe nyui, si ƒe gome xexeame katã kpɔ tso wogbɔ la ŋuti gbeɖe o. Wogblẽ ŋkɔ na wo, womedzesi woƒe taɖodzinuwo o, wodo vlo woƒe dẽwo, wogbe woƒe nuŋɔŋlɔwo, eye wotsɔ gɔmeɖeɖe baɖa, alo gɔmesese totro na wo. Gake esi wòle alea hã, woli ke goŋgoŋ, eye esi ƒe alafalafawo vale yiyim hã, wogalé woƒe xɔse la ɖe asi le eƒe dzadzenyenye kple blibodede me abe domenyinu kɔkɔe na dzidzime, siwo akplɔ wo ɖo la ene. UGL 45.1

Mawuvi, siwo wɔ nuteƒe le viviti ƒe ƒe alafa geɖe, siwo nye Roma hamea ƒe gãnyenye ɣeyiɣiwo me la, ƒe ŋutinyawo le ŋɔŋlɔ ɖi le dziƒo. Gake teƒe via ɖe ko ŋutinya siawo kpɔ le amegbetɔ ƒe nuŋɔŋlɔwo me. Ke ne woake ɖe woƒe anyinɔnɔ ƒe ɖaseɖiɖia ɖe ŋuti la, wo yometilawo ƒe nyatsɔɖeameŋu-nya ɖeɖe ko wònyena. Roma ƒe ɖoɖo enye be woabu ŋku me na nusiwo katã ƒo nu tso tsitretsitsi ɖe eƒe ɖoɖowo kple nufiafiawo ŋu. Wodina nusi ko mewɔ ɖeka kple eƒe nufiafiawo o, eɖanye amegbetɔ o alo nuŋɔŋlɔwo o, eye ne woke ɖe wo ŋu la, wotsrɔna wo. Ɖikeke ɖeɖefia alo biabia ku ɖe papa ƒe nufiafiawo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nufiafia bubuwo dzi ŋuti nye nusi ate ŋu he ku vɛ bɔbɔe na kesinɔtɔwo kple amedahewo, bubumewo kple ame gblɔewo siaa. Roma wɔ ŋutete geɖe na nuŋɔŋlɔ,̃ siwo katã ƒo nu tso eƒe ŋutasesẽ ɖe amesiwo melɔ̃ ɖe eƒe nyawo dzi o ŋuti la, ƒe tsɔtsrɔ. Papa hamea ƒe takpekpewo de se bena woatɔ dzo agbalẽ, siwo katã me woakpɔ nenem ƒe nyaa ɖe le. Hafi woavawɔ agbalẽtamɔ̃ la, agbalẽ sɔ gbɔ menɔ anyi o, eye esiwo nɔ anyi ɣemaɣi la ƒe lolome meɖe mɔ be woate ŋu aɣla wo bɔbɔe o. Esiata Roma yomedzelawo mekpɔ mɔxenua ɖeke na woƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ o. UGL 45.2

Le Roma ƒe seawo ƒe kpɔtɔtɔ nu la, hame bubua ɖeke meli, si avo le eɖokui, si be wòawɔ subɔsubɔ le eƒe didi nu didie, si makpɔ yometiti ku ɖe eƒe ablɔɖe le subɔsubɔ me la ŋuti o. Kasia papa ƒe dziɖuɖua nakpɔ ŋusẽ la, edo eƒe abɔwo ɖa, heŋẽ hame, siwo melɔ̃ bɔbɔ ɖe eƒe ŋusẽ te o la, ɖe fetsu nu ɖeka ɖeka. UGL 46.1

Kristo ƒe Hame gbãtɔ kpɔ anyinɔnɔ le Aŋlisi blɔtsi le eƒe gɔmedzedzea me ke. Nyanyui, si woxɔ le afima le míaƒe ɣeyiɣia ƒe ƒe alafa gbãtɔwo me la, mekpɔ tɔtɔtɔtɔa ɖeke tso Roma ƒe nufiafiawo me o. Ke yometiti, si va ge ɖe didiƒe ƒuta-duwo me, tso trɔsubɔla-fiawo sime la, koe nye nusi Hame, siwo le Aŋlisi- dua me la, xɔ tso Roma gbɔ. Kristotɔ geɖe, siwo si le yometiti nu le Aŋlisi nyigba dzi la, kpɔ sitsoƒe le Skotland. Tso afima, Nyanyui la yi ɖe Irland, afisi woxɔe le kple dzidzɔ. UGL 46.2

Gake trɔsubɔsubɔ gakpɔ ŋgɔdede le ŋusẽ me esi Saxetɔwo lɔ ɖe Aŋlisiawo dzi heɖu wo dzi. Ke dziɖula siawo melɔ̃ kura be yewo ƒe kluviwo alo kristotɔ siwo dzi yewoɖu la, nanye yewo ƒe nufialawo o. Esia na be, le yometiti ta, ele na kristotɔ siawo be woasi ɣla ɖe towo dome kple gbadzaƒe-nyigba siwo dzi amea ɖeke mele o. Gake Nyateƒe ƒe akaɖi, si woɣla ɣeyiɣia ɖe la, metsi keŋkeŋ o. Le ƒe alafa, si dze nudzɔdzɔ sia yome la, kekeli la gaklẽ sesiẽ tso Skotland yi ɖe didiƒe ke. Eye mawuvɔla Kolumba kple eƒe hadɔwɔlawo tso le Irland yi ɖaƒo kristotɔ siwo kaka ɖe teƒe teƒewo la nu ƒu ɖe wo ɖokuiwo ŋu le Iona ƒe ƒukpo, si te ɖe aga la dzi. Afisiae wotsona le yina woƒe mawunya kaka ƒe dɔ gbe. Mawunya ƒe dɔgbedela siawo dometɔ ɖeka nye Biblia me ƒe Sabat dziwɔla, ale be Nyateƒe sia ge ɖe dukɔwo me. Wotu sukua ɖe ɖe Iona, eye sɔhɛ gbeƒãɖelawo tsona le afisia, yina heɖea gbeƒã, menye Skotland kple Aŋlisi-dua ɖeɖe ko me o, ke woyina Germania, Switzerland kple Italia hã. Gake Roma ƒe ŋku gale Aŋlisi-du la dzi, eye wòɖoe kplikpã be yeabɔbɔe ɖe yeƒe ŋusẽ te. Le ƒe alafa adẽlia me, eƒe hame dɔgbedelawo tso be yewoayi ɖatrɔ dzi me na Saxe trɔsubɔlawo. Amesiawo, siwo nye ɖokuiŋudzelawo la, xɔ Romatɔwo nyuie, ale be wote ŋu na wo dometɔ akpe geɖewo lɔ̃ xɔ Roma ƒe xɔse la. Esi dzimetɔtrɔ nɔ edzi yim la, Roma nunɔlawo kple dzimetrɔla siawo trɔ ɖe kristotɔ gbãtɔwo ŋuti, elabe vovototo gãa ɖe le hatsotso eve siawo dome. Le esime kristotɔ siawo nye bɔbɔenyenye-me, siwo ƒe agbenɔnɔ, nufiafia kple wɔnawo sɔ kple Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea me nyawo la, ke ame kemɛawo ya lé numaɖinuwo dzixɔse ɖe asi, heɖea papa ƒe kesinɔtɔnyenye kple ɖokuiŋudzedze ɖe go. Roma ƒe amedɔdɔwo bia tso blema kristotɔ siawo ƒe Hame la si be woabɔbɔ ɖe papa ƒe dziɖuɖu te. Ke Aŋlisi kristotɔwo ɖo nya sia ŋuti kple bɔbɔenyenye be yewo ƒe didi enye be yewoalɔ̃ amesiame, gake be papa mekpɔ mɔ lanye gã ɖe hameawo katã dzi o, ke boŋ bubu, si dze na Kristoyomedzela ɖesiaɖe la, koe yewo ana eyama hã. Wodi zi geɖe be yewoana woabɔbɔ ɖe Roma te; gake kristotɔ bɔbɔenyenyeme siawo, siwo papa yomedzelawo ƒe dada wɔ nuku na, eye wògaɖo vɔvɔ̃ na la, ɖo biabia sia ŋuti kple kelili maʋãmaʋã be yewo medze sí Aƒetɔ bubua ɖeke wú Kristo o. Enumake ŋuɖoɖo sia ho papanyenye ƒe gbɔgbɔ vavã la ɖe go. Romatɔwo ƒe kplɔla gblɔ na wo kple dziku bena: “Ne mimedi be yewoaxɔ nɔvi siwo he ŋutifafa vɛ na mi o la, ekem miaxɔ futɔ, siwo atsɔ aʋa vɛ. Ne mielɔ̃ wɔ ɖeka kple mí, ne míatsɔ agbe-mɔ la fia Saxetɔwo o la, ekem miaxɔ ku ƒe kpo tso wogbɔ.” J.H. Merle D’Aubigné, Histoire de la Reformation du 16è siècle, liv. 17, chap. 12.- Menye vɔvɔdodo na ame ƒuƒlu ko ƒe nya enye esia o. Aʋawɔwɔ, vivitime nuwɔwɔ, ame beble, woenye nusiwo katã ŋu dɔ wowɔ tsi tre ɖe Biblia ƒe xɔse-ɖaseɖila siawo ŋuti vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo alo wozi wo dzi kple ŋusẽ ɖe papa-dziɖuɖua te. UGL 46.3

Le du aɖe siwo menɔ papadziɖuɖua gɔme o me la, ƒe alafa geɖewo vayi, si kristotɔwo ƒe hatsotsoewo mege ɖe Roma ƒe gbegblẽa ɖeke kloe me o. Trɔsubɔsubɔ ƒo xlã wo, eye esi ɣeyiɣiwo va le yiyim la, wovakpɔ gome le eƒe gbegblẽa ɖewo me. Gake wogalé Biblia ɖe asi abe xɔse ƒe gɔmeɖokpe ɖeka hɔ,̃ si li la ene, eye woku ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nyateƒe geɖe ŋu. Kristotɔ siawo xɔe se be Mawu ƒe Seawo li na mavɔ, eye wowɔna ɖe Se enelia ƒe Sabat la dzi. Hamewo nɔ Titina-Afrika kple Armenia, siwo nɔ agbe le xɔse sia nu. UGL 47.1

Amesiwo melɔ̃ ɖe papa ƒe tatɔnyenye ƒe biabia dzi o la ƒe dometɔ gbãtɔ woenye Vaud-nutometɔ, siwo le Piemont, afisiwo Roma lí eƒe ŋusẽ ɖo. Hamewo li, siwo ʋli vevie tsi tre ɖe eƒe alakpa kple gbegblẽwo ŋuti. Le ƒe alafawo me la, Piemont ƒe Hameawo nɔ wo ɖokui si didie; gake ɣeyiɣia ɖe va ɖo, si me Roma te ɖe wo dzi sesiẽ be woabɔbɔ ɖe ye te. Woʋli vevie ŋutɔ gake ɖe ko wòvanye dzizizi na hameawo ƒe kplɔlawo be woadzo ta na ŋutasesẽ ƒe ŋusẽ sia, si le dzedzem abe xexeame katã dziɖula ene. Gake geɖe woenye amesiwo gbe be yewomabɔbɔ na papa ƒe ŋusẽ la o. Woɖo kpe edzi sesiẽ be Mawu ɖeka ko yewoabɔbɔ na, eye bena yewoalé, yewo ƒe xɔse tsimatɔe la ɖe asi. Alea ye mamã va ɖo wo dome. Amea ɖewo tso Alpes-towo me ge ɖe du bubuwo me, afisi wolé Nyateƒe la ƒe akaɖia ɖe asi le. Bubuwo yi ɖa be ɖe bali, siwo ame geɖewo menya o, kple towo dome, helé Mawu ƒe subɔsubɔ vavã la ɖe asi le ablɔɖe me. UGL 48.1

Nusi dzi Vaud-nutometɔwo ƒe xɔse nɔ anyi ɖo la enye Mawunya, si nye kristotɔnyenye ƒe gɔmeɖokpe vavã la, eye wònye nusi mewɔ ɖeka kura kple Roma ƒe nudada fiafiawo o. Ke agbledela kple wein-bɔ dɔwɔla siawo, siwo mã ɖa tso xexeame gbɔ, le woƒe bebeƒe dovivitiwo me la, meke ɖe nyateƒe, si wotsɔ tsi tre ɖe hame, si de megbe la ƒe nu dadawo kple aʋatso nyawo ŋuti le wo ɖokuiwo si o. Woƒe xɔse la menye nu yeye o, ke boŋ domenyinu wònye na wo tso wo fofowo gbɔ. Amesiawo ʋli Apostolowo ƒe Hame la ƒe xɔse vavã la ta vevie: “xɔse, si wotsɔ na ame kɔkɔeawo na ɣeyiɣiawo katã” la. (Yuda 3) UGL 48.2

Nusiwo he Hame vavã la ƒe mamã ɖa tso Roma gbɔ la dometɔ ɖeka enye Biblia ƒe Sabat la. Abe alesi nyagblɔɖiwo gblɔe ɖi xoxo ene la, papa ƒe dziɖuɖua tu asi Nyateƒe la ƒu anyi. Wotu afɔ Mawu ƒe Se la dzi, eye wode asixɔxɔ amegbetɔ ƒe kɔnuwo kple numamewo ŋuti. Hame, siwo le papa ƒe dziɖuɖu te tso gɔmedzedzea me la, kpɔ dzizizi be woade bubu kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔa ŋuti. Gbɔgblɔ bu ɖe Mawu ƒe subɔla geɖewo ŋutɔ gɔ̃ hã, ɖe vodada kple nudadawodzixɔse ƒe agbɔsɔsɔ ta, ale be wotɔtɔ geɖe, eye to gbɔ be wonɔa wɔwɔm ɖe Sabat ŋkekea dzi hã, womegadina dɔwɔwɔ le kwasiɖa gbe o. Gake esia hã medo dzidzɔ na Roma hamea kplɔlawo o. Le woƒe biabia be woakɔ kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔa ŋu me la, wogadi vevie be woagblẽ kɔ ɖo na Sabat vavã la, eye wotsɔa nya kple dzoxɔxɔ ɖe amesiwo dina be yewoalé eme ɖe asi la ŋuti. Ke amesi di be yeawɔ ɖe Mawu ƒe Se la dzi le ŋutifafa me la, ele nɛ be wòasi ɣla ɖe Roma ŋusẽ la. UGL 48.3

Le Europa dukɔwo katã dome la, Vaud dumetɔwoe nye dukɔ gbãtɔ, si ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo gɔme ɖe wodegbe me. Ƒe alafalafawo do ŋgɔ na Reformatio, alo Dɔɖɔɖo gã la, Biblia katã ƒe gɔmeɖeɖe, si woŋlɔ̃ kple asi le woƒe gbe me la, nɔ wo si. Nyateƒe tsimatɔe la nɔ wo si, eye wònye nusi he dziku kple yometiti geɖe va wo dzi. Wogblɔna be Roma hamea enye Babilon, megbedela, si ŋu Nyaɖeɖefia ƒo nu le la, eye wotsia tre ɖe eƒe gbegblẽwo ŋu, to gbɔ be ehea ku va wo dzi hã. Le yometiti ƒe ŋusẽ kple teté ɖe wo dzi ɣeyiɣi didia ɖe ta, wo dome amea ɖewo va ge le woƒe xɔse mɔ la dzi, esi wonɔ asi ɖem vivivi le ɖoɖo siwo dea vovototo wo ŋu la ŋuti. Gake bubuawo ya ku ɖe Nyateƒe la ŋuti sesiẽ. UGL 49.1

Le viviti kple megbedede ƒe ƒe alafa geɖewo me la, Vaud dumetɔwo melɔ̃ ɖe Roma hamea ƒe ŋusẽ¬¬kpɔkpɔ ɖe ame dzi dzi o, eye wogbe nu le nɔnɔme tatawo ƒe subɔsubɔ gbɔ, le alesi wokpɔe be enye trɔsubɔsubɔ la ta. Ɣemayi katã, wonɔa wɔwɔm ɖe Sabat vavã la dzi. Wolé woƒe xɔse la me ɖe asi vevie le yometiti kple tsitretsiɖameŋu ƒe ahomya sesẽwo me. To gbɔ be papa ƒe asrafowo tso Savoie, nya wo ɖe du nu eye wotɔ dzo ame geɖewo le ati ŋu hã la, wosusɔ ganye ɖaseɖila maʋãmaʋãwo na Mawu ƒe Nya la kple eƒe ŋutikɔkɔe. UGL 49.2

Agakpe kɔkɔwo dzi le towo dome, afisiwo nye amesiwo yome woti kple amesiwo woté ɖe anyi ƒe bebeƒe le ƒe alafa geɖewo me la, teƒe mawo ke Vaudtɔwo hã kpɔ dedienɔnɔ le. Afimawo wolé Nyateƒe ƒe akaɖi la ɖe asi le, wònɔ bibim le viviti tsiɖitsiɖi, esi me Kristo ƒe subɔlawo to ɣeyiɣi didia ɖe la me. Teƒe mawo Nyateƒea ƒe ɖaseɖilawo gasusɔ lé woƒe xɔse xoxo la me ɖe asi vevie le ƒe akpe ɖeka sɔŋ. UGL 49.3

Mawu dzra kɔkɔeƒea ɖe, si ŋu gãnyenye le, eye wosɔ kple eƒe Nyateƒe sesẽwo la, ɖo ɖi na eƒe dukɔ la. Na nuteƒewɔla siawo, siwo wonya de gbe la, to siwo dome woɣla ɖo la nye dzesi na Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye matrɔmatrɔ la. Wotsɔa to siawo ƒe tsutsɔeƒe kɔkɔ, siwo ɖea eƒe gãnyenye ɖe go la fiana wo viwo, henɔa nu ƒom na wo tso Amesi me liɖɔɖɔ kple tɔtrɔ ƒe vɔvɔlia ɖeke mele o la, ŋuti kple Amesi ƒe Nya la lí ke goŋgoŋ abe to mavɔwo ene la ŋuti. Yehowa lí ke towo ɖe woƒe sɔtiwo dzi, hetsɔ gãnyenye ŋusẽ de wo me, ale be asia ɖeke mate ŋu ho wo ɖa le woteƒe o, negbe Ŋusẽ mavɔ la ɖeka ko. Nenema ke wòtsɔ eƒe Se mavɔ la tu tsitre sesĩe, wònye eƒe dziɖuɖua ƒe gɔmeɖokpe le dziƒo kple anyigba dzi siaa. Amegbetɔ ƒe asi ate ŋu aka ehavi ŋu, aɖe eƒe agbe ɖa, gake zi alesi mate ŋu aho toa ɖe ɖa le eteƒe o la, nenema ke mate ŋu aɖe ɖoɖo ɖeka pɛ hã ɖa le Yehowa ƒe Se la me, alo atutu eƒe ŋugbedodo, siwo wòwɔ na amesiwo léa eƒe lɔlɔnu me ɖe asi la ƒe ɖeka pɛ gɔ̃ hã o. Ekem ele na Mawu ƒe subɔlawo be woalí ke goŋgoŋ abe togbɛ mavɔwo ene le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me. UGL 50.1

To siwo ƒo xlã woƒe baliwo la nye gbesiagbe ƒe ɖasefowo na Mawu ƒe xexemewɔwɔ ƒe nusẽ, si nye kakaɖedzi matrɔmatrɔ na eƒe ametakpɔkpɔ ƒe beléle na ame. Mɔzɔla siawo srɔna alesi woalɔ̃ Yehowa ƒe amegbɔnɔnɔ ƒe dzesi maƒonuƒo siawo. Womeli na liʋiliʋi lili ɖe fukpekpe siwo vaa wo dzi la ŋu o; woawo ɖeɖe metsi anyi le towo dome, si menye amewo nɔƒe o la o. Ke boŋ wodaa akpe na Mawu be ena yewo bebeƒe ɖe amegbetɔ ƒe dziku kple vɔɖivɔɖi ŋu, eye wokpɔa dzidzɔ ɖe alesi wokpɔ vovo subɔa Mawu la ta. Edziedzi ne woƒe futɔwo nya wo ɖe du nu la, towo ƒe kɔkɔƒewo nyena kakaɖedzi taʋiʋli kple dedienɔnɔ teƒe na wo. Woƒoa ƒu le towo ƒe tsutsɔeƒewo henɔa Mawu kafum le afisi Roma gbadagbawo mete ŋu tsia woƒe akpedahawo ɖe wo nu le o la. UGL 50.2

Kristo ƒe nusrɔla siawo ƒe mawusosroɖa ŋu dza, hede to. Wode asixɔxɔ Mawu ƒe Nyateƒe la ƒe ɖoɖowo ŋu wú aƒe kple agblewo, xɔlɔwo, ƒometɔwo, wú wo ŋutɔwo ƒe agbe gɔ̃ hã. Wodina vevie be yewoaƒã susu siawo ɖe woƒe sɔhɛwo hã me. Tso keke ɖevime ke la, wofiaa wo Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo kple alesi Mawu ƒe seawo ƒe biabiawo nye nu kɔkɔe ɖo. Biblia meli sɔgbɔ ɣemaɣi o, eye bebli hafi nàke ɖe eŋu. Eyata wo dome ame geɖewo srɔa eƒe nya xɔasiwo ɖe tame. Wote ŋu srɔna Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea ƒe akpa gãa ɖe gblɔna. Mawu ƒe susu wɔa ɖeka kple dzɔdzɔme nuwɔwɔ wɔnukuwo kple gbesiagbe ƒe yayrawo. Wofiaa ɖeviwo be woanye akpedalawo na Mawu abe amesi nye nublanuikpɔla kple nuwokatã nala ene. UGL 50.3

Dzilawo, siwo fatu, helɔ̃ wo viwo geɖe, vɔ kple nunya la, meɖe mɔ na wo be woawɔ wo ŋutɔwo ƒe lɔlɔnu o. Wonya dodokpɔ kple hiãkame ƒe mɔ, si dzi wole, esi medidi le xɔsetakula nyenye hã gbɔ o. Eyata wonana be kuxi ƒe agbe, si wole la nanye numame na ɖeviawo hafi woatsi, be woabɔbɔ na kplɔlawo, eye be woanya alesi woɖena susu le ameɖokui si, hewɔa nu na ame ŋutɔ la. Wofiaa wo hã tso ɖevime ke be amesiame nakpa ŋgɔ eya ŋutɔ ƒe wɔnaa ɖe ƒe metsonu, anɔ ŋudzɔ le ameɖokui ŋu le nuƒoƒo me, eye be woadze si ɖoɖuizizi ƒe asixɔxɔ. Ne nyaa ɖe, si medze be woagblɔ o, do go tso amea ɖe ƒe nu me, hedze futɔa ɖe ƒe to me la, menye amesi gblɔ nya sia ɖeka ko ƒe agbe wòde afɔku me o, ke boŋ ame alafalafawoe ate ŋu akpɔ ku tso eme, elabena nyateƒea ƒe futɔwo le abe amegaxi siwo le adelã dim avuvu ene, eye wole ame sike agblɔ vovokpɔkpɔ le mawusubɔsubɔ me ƒe nyaa ɖe la dim vevie. UGL 51.1

Vaud-dumetɔwo tsɔ woƒe xexeame ƒe dzidzeme kpɔkpɔ sa vɔ ɖe woƒe lɔlɔ̃ na Nyateƒe la teƒe; to kutrikuku ƒe dzigbɔɖia ɖe me, wote ŋu kpɔa woƒe agbe ta. Woléa be na totame kple balime- nyigba ƒe kakɛ vi sue, si ko dzi woate ŋu ade agble le la vevie, ale be woaxa nusi ko woate ŋui la le teƒe mawɔnuku mawo dzi. UGL 51.2

Nusɔsrɔ, si ƒe dome ɖeviwo nyi tso dzilawo gbɔ la, ƒe ɖewo enye beléle na nusi le ame si la kple nugbegbe sesẽ le ame ɖokui gbɔ. Wofiaa wo be nusi Mawu di la enye ɖoɖo nɔa ame ƒe agbe ŋuti, kple sidzedze sia be ŋutiɖoɖo kpɔkpɔ na ame ƒe hiãwo la tsoa ame ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ etɔxɛ gbɔ, tsɔmekpɔkpɔ, beléle kple xɔse me. Nufiame siawo nye dɔwɔwɔ kple ɖeɖiteameŋu ƒe sukua ɖe; enye nusi nyo na amegbetɔ. Eya enye nusi tututu Mawu di na amegbetɔ le eƒe anyidzedze ƒe nɔnɔme sia me. Enye suku, si wòtsɔ nɛ be wòanye tutuɖo na eƒe ŋgɔdede. Ke le esime wonɔa ɖeviawo mlãm alea la, womeŋlɔa woƒe nunya tutuɖo hã be o. Wofiaa wo be woƒe anyasã kple ŋutinuwo katã nye Mawu tɔ, eye bena ele be woatu wo ɖo na eƒe subɔsubɔ. UGL 51.3

Alpes-todome Hame sia sɔ kple ƒe alafa gbãtɔwo ƒe Hame la le eƒe dzadzɛnyenye kple gblɔenyenye me. Woƒe kplɔlawo noa tsi le agbetsi vudo, si nye Mawunya la me. Woƒoa ƒu ɖe Mawu ƒe subɔla siawo ŋu le towo ƒe akɔgo dzi, alo agakpetowo me na Mawu ƒe nyawo sese. UGL 52.1

Teƒe siawoe sɔhɛwo xɔa woƒe tutuɖowo le. Biblia enye woƒe nusrɔgbalẽ, si ƒe nya kɔkɔeawo woxɔna de woƒe susu me. Wowɔa woƒe ɣeyiɣi geɖe ŋuti dɔ heŋlɔa Biblia me nyawo kple asi. Alea ye woŋlɔa Biblia la katã, alo ɖea eƒe tanyaa ɖewo kple woƒe gɔmeɖeɖe suewo dana ɖi. Mɔ siawo dzi woto kaka Nyateƒe ƒe kesinɔnu gã, siwo dzi amesiwo di be yewoakɔkɔ wú Mawu la, tsyɔ̃ nu ɣeyiɣi didia ɖe la. UGL 52.2

To dzigbɔɖi kple ɖeɖimateameŋu dɔwɔwɔ, siwo wowɔ ɣeaɖewoɣi, le agado kple agakpetotro dovivitiwo me, le kakati ƒe keklẽ nu la, ye woŋlɔ̃ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ɖi, kpukpui yi ɖe kpukpui dzi, tanya yi tanya dzi. Nɔnɔme sia mee dɔ la yi edzi le, eye Mawu ƒe lɔlɔnu ɖeɖefia gale keklẽm abe sika dzadzɛ ene. Amesiwo to dodokpɔ kple kuxi sesẽwo me le dɔ sia wɔwɔ me, le alesi wolɔe ta la, koe ate ŋu ase keklẽ la ƒe ŋusẽ ƒe tsitsi ɖe dzi gɔme. Mawu ƒe dɔlawo ƒoa asaɖa ɖe nuteƒewɔla siawo ŋu le woƒe dɔwɔwɔ me. UGL 52.3

Satana na be Roma ƒe episkɔpo kple nunɔlawo ɖi Nyateƒe la ɖe nu dada, kple numaɖinudzixɔse ƒe gbeɖuɖɔ gɔme. Gake nukutɔe la, eƒe keklẽ dzadzɛ la gale nenema kpoo to viviti ƒe ƒe alafa geɖeawo me. Eye Mawu ƒe nutrenue le eŋu, ke menye amegbetɔ tɔ o. Amewo dze agbagba madzudzɔ madzudzɔe be yewoade viviti Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe gɔmesese bɔbɔe, si me kɔ ƒã la me, ale be woatsɔ emenyawo tsi tre ɖe wonɔewo ŋuti; gake, abe Noa ƒe aɖakaʋua, si zɔ tɔɖɔɖɔ ƒe tsi nyadriwo dzi ene la, Mawu ƒe Nyateƒe la hã gblẽ ahomya siwo katã di be yewoanyrɔe la ɖe megbe. Nenema ke, abe alesi sika-wɔ kple klosalo ɣlana ɖe to me le anyigba te, eye wòle be amesi le wo dim la naku anyigba, age ɖe eƒe tu me ene la, nenema ke wònye be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea ɖena eƒe sika nyateƒewo fiana amesiwo le eme kum vevie le bɔbɔenyenye kple gbedodoɖa me la. Mawu di be Biblia nanye nusrɔgbalẽ, si wòle be ameƒomea katã nasrɔ̃ le ɣeawokatãɣi, le ɖevime, sɔhɛmenɔnɔ me yi ɖe tsitsi me ke. To Nya la tsɔtsɔ na amegbetɔ me ye Mawu ɖea eɖokui fianae le. Nyateƒe sia nyateƒe, si ŋu woake ɖo le eme la, nye eƒe akpaa ɖe ƒe ɖeɖefia. UGL 52.4

Mawunya sɔsrɔ̃ nye nusi eya ŋutɔ ɖo anyi na amegbetɔ ƒe kadede nyui me nɔnɔ kple eƒe Wɔla kple na eƒe lɔlɔnu ƒe gɔmesese nyuitɔ. Eganye mɔnu, si dzi wòƒoa nu kple amegbetɔ le. UGL 53.1

Ne Vaud sɔhɛwo wɔ ɣeyiɣia ɖe le woƒe todome suku vɔ la, woɖoa wo dome amea ɖewo be woayi ɖawu woƒe nusɔsrɔwo nu le du gãwo me, afisi woƒe susu kple nukpɔkpɔwo gatsina ɖe dzi wú le. Ke sɔhɛ siawo doa go tetekpɔ vovovowo. Wokpɔa gbegblẽ, si nɔa amewo me le teƒe mawo; alea ye wòle na wo be woakpa ŋgɔ Satana ƒe dɔwɔnu dzeaɖaŋu vɔɖi, siwo blea wo de nudada ɣaɣla kple tetekpɔ sesẽwo me. Ke dzɔgbenyuitɔe la, woƒe tutuɖo, si woxɔ tso ɖevime ke la, na be wote ŋu tona afɔku siawo me kple dziɖuɖu. UGL 53.2

Le suku sia suku, si woayi me la, mele na wo be woaka ɖe amea ɖe dzi, alo aɖo ŋu ɖe amea ɖe ŋu o. Wotɔna awu, si wodona la, be woate ŋu aɣla woƒe kesinɔnu gãtɔ, si nye Biblia la, ƒe kakɛa ɖe ɖe eƒe afiaa ɖe godo. Dɔ, siwo dzilawo wɔ ɣleti alo ƒe geɖe la, ƒe nukua ɖe nɔa wo ŋuti ɣesiaɣi, ale be kasia woakpɔ mɔnua ɖe, si woate ŋu amã Nya la kple amea ɖe, si le gbesɔsɔ axɔe, eye mahe afɔku va nɛ o la, wotsɔa eƒe akpa via ɖe, si woŋlɔ̃ kple asi la nana ame la. Tso keke ɖevime ke wofia wo nusia wɔwɔ. Wose dɔ sia gɔme, eye wowɔnɛ kple nuteƒewɔwɔ. Evana me be sɔhɛ bubua ɖewo le suku siawo me trɔa dzi me le xɔse vavã la nu, eye edziedzi ŋutɔ gɔ̃ hã, Nyateƒe la ƒe ɖoɖowo xɔa sukuawo me keŋkeŋ, le esime sukua kplɔla, siwo nye Papa yomedzelawo la, mekena ɖe nusiwo wonɔa yɔyɔm be “nu dada” la, ƒe tsoƒe ŋuti kura o. UGL 53.3

Vaud dumetɔwo de dzesii hã be nusi Mawu di tso yewo gbɔ la, menye be woalé Nyateƒe la ɖe asi le woƒe towo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ bena dɔdasi wòganye na wo be woamã kekeli la kple amesiwo le viviti me la, alebe to Mawunya ƒe ŋusẽ me la, woaɖe kluvinyenye ƒe kɔkuti, si Roma té ɖe amewo dzi la ɖa. Ɖoɖo, si wowɔ na wo ɖokuiwo la, enye be amesiame, si di be yeanye nunɔla la, ele nɛ be wòade dɔgbe le duta ƒe etɔ̃ sɔŋ hafi wòate ŋu anye hame nunɔla le wo gbɔ. UGL 54.1

Hafi sohɛ siawo nadze mɔ la, kplɔlawo daa asi ɖe woƒe ta dzi, eye womekpɔa agbe, si le ŋgɔ na wo la abe hotsuikpɔkpɔ alo anyigbadzi ƒe gãnyenye ƒe agbe ene o, ke boŋ abe fukpekpe kple afɔku ƒe agbe, si ate ŋu akplɔ wo yi xɔsetakula ƒe nuwuwu gɔ̃ hã ene. Dɔgbedela siawo dzea woƒe dɔ gɔme le gbadzaƒe-du kple bali-du siwo le towo ƒe afɔ nu la me, eye wozɔa mɔ eve eve, abe alesi Yesu dɔ eƒe nusrɔlawo ɖe dɔ gbe ene. Hadɔwɔla siawo menɔa adu ɣesiaɣi o, ke wodoa go wonɔewo hena gbedodoɖa, nuxɔxlɔ̃ kple nusẽdodo wonɔewo le xɔse me. Woƒe dɔgbedede ƒe taɖodzinu mate ŋu akpɔ emevava ne woɖee ɖe go fia o; esiata woɣlana wo ɖokui ɖe dɔ vovovo wɔlawo ƒe nɔnɔme me; edziedzi abe asitsalawo ene. Wodzrana seda-vɔwo, atsyɔɖonuwo kple nu xɔasi bubuwo, eye amewo xɔa wo abe nudzralawo ene, le esime womalɔ̃ ate gogo wo gbeɖe, nenye be woɖe wo ɖokui fia abe mawunya gblɔlawo ene o. Míakpɔ nya siawo le agbalẽ, si gbɔna la me: -Wylie, liv.I, ch.7.- Wodoa gbe ɖa be Mawu nana yewo nunya ale be yewoate ŋu atsɔ kesinɔnu vavã, siwo xɔ asi wú sika kple atsyɔnuwo la, na amewo. Woɣlana Mawunya ƒe ta-nya sue suea ɖe, siwo woŋlɔ̃ kple asi la, ɖe woƒe awuwo alo nusiwo wodzrana la me, eye woɖea wo do goe le afisi afɔku mele o la. Ke amesiwo kpɔ ŋudzedze le wo ŋu la, wotsɔna agbalẽvi siawo nana wo. UGL 54.2

Dɔgbedela siawo zɔna afɔ ƒuƒlu ɖia tsa to du gãwo ƒe mɔwo dzi, eye wogakpɔawo le kɔƒe du siwo me wodzi wo le, siwo didi tso du gãwo gbɔ la me, eye wonɔa nyanyuia ƒe nukuwo ƒãm le woƒe toƒewo katã. Gbedoxɔ yeyewo kplɔa woƒe dɔwɔwɔwo ɖo, eye xɔsetakulawo ƒe ʋu ɖia ɖase tso Nyateƒe la ŋu. Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã la aɖe luʋɔ geɖe ƒe nuku siwo kristotɔ nuteƒewɔla siawo ŋẽ le woƒe dɔwɔwɔwo me la afia. Le ɣaɣla kple ɖoɖuizizi me, Mawu ƒe Nya la le mɔ kpɔm le gegem ɖe mawuvɔlawo ƒe dzi, siwo yɔ kple dzidzɔ la me, eye wòle ta kekem le kristotɔwo dome. UGL 54.3

Vaudtɔwo ƒe gɔmesese enye be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo menye nusi Mawu wɔ na amegbetɔ le blema la ƒe ŋɔŋlɔ̃ ɖi kple míaƒe egbe ŋkekea ƒe dɔdasiwo kple agbawo ɖeɖefia ɖeɖe ko o, ke boŋ woganye tsɔtsrɔ̃ kple ŋutikɔkɔe, siwo le ŋgɔ na mí la, ƒe nyagblɔɖi. Woxɔe se be nuwo katã ƒe nuwuwu mele didiƒe o; ekem, esi wònye be wonɔa Biblia srɔm le gbedodoɖa kple aɖatsi me la, emenya xɔasiwo wɔa dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wokpɔe be dɔdasi wònye be amewo nanya eƒe ɖeɖekpɔkpɔ nyateƒe veviawo. Ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖoawo me kɔ na wo nyuie le Agbalẽ kɔkɔe la me, eye wokpɔa akɔfafa, mɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa le woƒe Kristo dzi xɔxɔse me. Mawu ƒe kekeli, si klẽ ɖe woƒe susu me hedoa dzidzɔ na woƒe dziwo la, na be wodina vevie be kekeli sia nakɔ ɖe amesiwo lé papa ƒe nu dada fiafia ƒe vivitiwo me la dzi. UGL 55.1

Wokpɔ ameha geɖewo le Papa kple nunɔlawo ƒe kpɔkplɔ te, le woƒe tsɔtsɔke dim vevie to funyafunya wɔwɔ wo ɖokui me na woƒe luʋɔ ƒe nuvɔ̃ ɖeɖe ɖa. Esi wònye be wofia wo be woƒe dɔnyuiwɔwɔ ye laɖe wo ta la, wolía ŋku ɖe wo ɖokui dzi madzudzɔ madzudzɔ, eye woƒe susuwo nɔa woƒe fɔɖilanyenye dzi, alebe woxɔna sena be Mawu ƒe dziku le yewo dzi; esiata wonɔa fu wɔm woƒe luʋɔ kple ŋutilã vevie¬¬¬¬¬¬¬, to gbɔ be womekpɔa dzidzemea ɖeke le ewɔwɔ me o hã. Alea ye ame nuteƒewɔla geɖewo ge ɖe Roma ƒe nu dada fiafiawo ƒe babla te. Luʋɔ akpe akpewo gblẽ dzilawo kple xɔlɔwo ɖi, heyi ɖatu wo ɖokui ɖe kpɔ me le woƒe agbe blibo la katã me. Bubuawo dia woƒe dzitsinya ƒe ŋutifafa to ŋutsitsidɔ̃ atraɖi, woƒoƒo vevie kple atam, kple zãmetoto didiwo me; wonɔa klo dzi gaƒoƒo geɖewo le woƒe mlɔƒe dovivitiwo ƒe anyigba fafɛ, ƒotsi dzi; ameaɖewo wɔa mɔzɔzɔ didiwo, gbɔɖiameɖokui ƒe akɔfadɔwo alo tona fuwɔame dziŋɔwo me. Nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi ƒe seselelãme kple vɔvɔ̃ na Mawu ƒe hlɔbiabia dziku na be wowɔa fu wo ɖokui ale gbegbe be ɖeɖi tea wo ŋu, wogbɔdzɔna eye wokuna le kekeli manɔamesi, alo mɔkpɔkpɔa ɖeke makpɔ me. UGL 55.2

Vaudtɔwo dina vevie be yewoamã agbe-bolo la kple luʋɔ dɔwuitɔ siawo, ana woake ɖe ŋutifafa gbedasi, siwo le Mawu ƒe ŋugbedodowo me la ŋuti, eye be yewoaɖe Kristo, si nye woƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, si li la fia wo. Wokpɔ hã be nufiafia, si gblɔ be dɔnyuiwɔwɔ koe ate ŋu aɖe ame tso Mawu ƒe se dzi dada me la nye alakpanya. Ŋuɖoɖo ɖe amegbetɔ ŋutɔ ƒe dzenawo ŋu na be womegabuna Kristo ƒe lɔlɔ̃ mavɔ la ŋu o. Yesu ku vɔsa-ku ɖe amegbetɔ ta, elabe nuvɔme, siwo míenye la, mate ŋu awɔ naneke adze Mawu ŋu o. Ɖela, si ku le atitsoga ŋu hefɔ̃ la, ƒe dzena ye nye kristotɔ ƒe dzixɔse. Luʋɔ ƒe dedienɔnɔ le Kristo me hã nye nyateƒe vevia ɖe, eye wòle be eƒe ɖekawɔwɔ kple eyama to xɔse me la nasẽ ŋu goŋgoŋ abe ŋutilãa ɖe kple eƒe ŋutinu ene, alo abe weinti kple eƒe alɔdze ene. UGL 56.1

Papawo kple nunɔlawo ƒe nufiafiawo na be amewo kpɔ Mawu, alo Kristo ŋutɔ gɔ̃ hã, ƒe dɛ̃ abe ŋutasẽla ƒe dɛ, si ɖo vɔvɔ̃ ene. Woɖe Ɖela fia abe amesi me vevesesea ɖeke mele na amegbetɔ nuvɔmedzela o la ene; si wɔ be wohiã nunɔlawo kple ame kɔkɔewo ƒe avuléle ɖe wo ta. Ekem amesiwo Mawunya ʋu susu na la dina vevie be yewoaɖe Yesu fia luʋɔ siawo abe Ɖela dɔmenyotɔ kple lɔla, si ke abɔ ɖi na amesiwo katã di be yewoayi egbɔ kple woƒe nuvɔgbawo, woƒe vɔvɔwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Subɔla vavã siawo ƒe didi veviee ganye be yewoaɖe mɔxenu, siwo katã futɔ abosam lí kɔ ɖe dziwo ƒe mɔ dzi, ale be amegbetɔ nagate ŋu ke ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu ne wòayi egbɔ tɛɛ kple nuvɔgɔmeʋuʋu, alebe wòaxɔ tsɔtsɔkekple ŋutifafa o la, ɖa. UGL 56.2

Vaud gbeƒãɖela siawo tsɔa awuyaya kple dzo ɖea Nyanyui la ƒe nyateƒe xɔasiawo fiaa amesiwo tsikɔ le wuwum la. Woɖea Ŋɔŋlɔawo ƒe tanya sue sue, siwo le wo si la fiaa wo kple ayedzedze geɖe. Dɔgbedela ɖesiaɖe ƒe dzidzɔ gãtɔ enye be yeana be mɔkpɔkpɔ nage ɖe luʋɔ siwo ƒe dzitsinya tɔtɔ le nuvɔ ƒe fɔɖiɖi ƒe seselelãme ta, eye wole Mawu ƒe hlɔbiala ƒe tohehe lalam kple vɔvɔ̃ la me. Le veveseɖamenu ƒe aɖatsi me, gbeƒãɖela sia ɖea ŋugbedodo xɔasi, siwo tso amesi nye vɔwɔlawo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka hɔ, si li gbɔ la, fiana wo, eye wowɔna esia le klo dzi gɔ̃ hã. Alea ye Nyateƒe la kpɔ mɔ nɔ gegem ɖe dzi doviviti geɖewo me, heɖea woƒe dziɖelameƒo vevesesewo ɖa, ale be Dzɔdzɔenyenye ƒe Ɣe la klẽna ɖe wo me kple eƒe dɔyɔyɔ azɔ. Evana me ɣeaɖewoɣi be gbeƒãɖela la xlẽna Nyanyuia ƒe akpaa ɖe, xlẽnɛ, gaxlẽnɛ ake le nusrɔlaa ɖewo ƒe biabia nu, abe ɖee wodi be yewoaka ɖe nusi sem wole la dzi ene. Tɔxɛ, wodina be yewoase nyati siwo gbɔna la : “…Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.” (1Yoh.1:7), “…abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã.” (Yoh.3:14,15) UGL 56.3

Ame geɖewo va ke ɖe papawo ƒe nufiafia ƒe alakpanyenye ŋuti. Wode dzesii be nufiafia, si ƒo nu tso amegbetɔwo, alo mawudɔlawo ƒe nyaxɔɖakɔ ɖe vɔwɔla ta nye alakpa. Ne kekeli vavã la ge ɖe woƒe dzi me la, wodoa ɣli kple dzidzɔ be: “Kristo enye nye Nunɔla; eƒe ʋu enye nye vɔsa; eƒe vɔsamlɛkpui enye nye nuvɔmeʋuƒe.” Wotsɔa Kristo ƒe dzenawo wɔa wotɔe kple kakaɖedzi, eye wogblɔa nyati siawo be: “Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.” (Hebri. ll:6); “…elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo le esi me wòle be míakpɔ xɔxɔ la le o.” (Dɔw.4:12) . UGL 57.1

Kakaɖedzi ku ɖe Ɖelaa ɖe, si yɔ fũ kple lɔlɔ̃ na vɔwɔla la, nye nusi ƒe gɔmesese sesẽ na dzimaɖeɖi luʋɔ siawo dometɔa ɖewo ŋutɔ. Ale be dzidzeme, si Nyateƒe sia he vɛ na wo la, lolo, eye eƒe kekeli la nu sẽ ale gbegbe be wokpɔa wo ɖokuiwo abe yewole dziƒo vɔ ene. Wotsɔa woƒe asi dea Kristo ƒe asi me kple kakaɖedzi; woƒe afɔwo lía ke ɖe Agakpe mavɔ la dzi. Vɔvɔ̃ na ku bú le wo me keŋkeŋ. Wole gbesɔsɔ be woade yewo gakpɔ me, alo atɔ dzo yewo fã, ne esia akɔ woƒe Ɖela la ŋuti ko. UGL 57.2

Nenemae wonɔ mawunya la kakam le adza me; ɣeaɖewoɣi woxlẽnɛ na ame ɖeka, ɣebubuɣi na ƒuƒoƒo sue siwo le Nyateƒe la ƒe kekeli dim vevie la. Edziedzi wonɔa ŋugble dem tso eŋu zã blibo la katã. Dzi dzɔa wo eye woƒe nu kuna ale gbegbe be ewú gbɔgblɔ na wo. Biabia, si wowɔna vevie la enye: “Ɖee Mawu axɔ nye hã nye vɔsa ma? Akpɔ nye nublanuia ? Atsɔ nye vɔwo akem ma? Ke dɔgbedelawo ɖoa nya siawo ŋu na wo kple Mawunya ƒe kpukpui sia: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le miawum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.” (Mateo 11:28) UGL 57.3

Azɔ la, wokuna ɖe ŋugbedodoawo ŋu kple xɔse, eye wosena dzidzɔnya siawo tso woƒe nu me be: “Akɔfadɔ mɔzɔzɔ didiwo nu tso, tsaɖiɖi sesẽwo yi teƒe kɔkɔewo la wu nu azɔ. Mate ŋu ayi Yesu gbɔ alesi mele, kple nye fɔɖiɖi, kple nye ɖiƒoƒowo, eye magbe nye vevesese ɖe vɔ̃ ta ƒe gbedodoɖawo o. Wotsɔ wò nuvɔwo ke wò. Woatsɔ tɔnyewo hã kem. UGL 58.1

Dzidzɔ kɔkɔe ƒe tɔsisi gãa ɖe yɔa woƒe dziwo me, eye wodoa Yesu ƒe Ŋkɔ la ɖe dzi kple kafukafu kple akpedada. Luʋɔ siawo dzona yia wo nɔƒewo kple dzidzɔ, eye ne wokpɔ mɔnu via ɖe ko la, woawo hã mãna woƒe nuteƒekpɔkpɔ yeye la kple nɔvi bubuawo, hegblɔna na wo be yewokpɔ agbe kple Nyateƒe ƒe mɔ la. Ke mawunya ƒe kakaɖedzi gena ɖe amesiawo hã ƒe dzi me. UGL 58.2

Vaud nyateƒe ƒe gbeƒãɖela sia gayia eƒe mɔzɔzɔ la dzi; bɔbɔenyenye, nyateƒetɔnyenye kple veviedodo, si dzena le eŋuti la, nye nusiwo ŋu eƒe toɖolawo ƒoa nu le ɣesiaɣi. Evana me zi geɖe be womebianɛ afisi wòtso kple afisi yim wòle hã o. Elabena eƒe toɖolawo ƒe nu kuna, eye woƒe dziwo yɔna kple dzidzɔ kpakple akpedada, ale be woŋlɔna be gɔ̃ hã be yewomebiae afisi wòtso o. Ke ne wokpee be wòakplɔ yewo ɖo ayi aƒe me la, eɖoa eŋu be ele be yeayi aɖakpɔ Alẽha la ƒe alẽ bubuwo hã gbɔ. Ne edzo vɔ la, wobiaa wonɔewo se be: menye ɖee mawudɔlaa ɖe ɖi tso dziƒo va míagbɔ oa? UGL 58.3

Zi geɖe la womegadoa go Nyateƒea ƒe gbeƒãɖela sia o. Ɖewohĩ ele dɔa dzi yim le du bubua ɖe me loo, alo ele eƒe agbe ŋkekewo wɔm le gakpɔ doviviti, si amea ɖeke menya o la me, alo eƒe ƒuwo le nyunyɔm le dua ɖe, si me wòɖi ɖase le Nyateƒe la ŋuti le la me. Aleke kee wònye hã la, Nya siwo wògblẽ ɖi le afisiwo wòto la mate ŋu atsrɔ̃ gbeɖe o. Wogale dɔ wɔwɔ dzi le amewo ƒe dzi me ɖaa, eye le ʋɔnudrɔŋkeke la dzi koe kukutsetseawo adze le blibodede me. UGL 58.4

Vaud dɔgbedelawo kaka ɖe Satana ƒe fiaduƒewo keŋ; viviti ŋusẽwo de dzesi esia, eye wole ŋudzɔ azɔ wú tsã. Viviti fiavi la kpɔa ŋutete ɖesiaɖe, si wowɔna na Nyateƒea ƒe zɔɖeɖe, eye wòdoa dzo eƒe dɔwɔlawo me. Papa dziɖuɖua ƒe amegãwo kpɔ afɔku, si asitsala nublanuitɔ siawo ƒe dɔwɔwɔwo nye na yewo ƒe ŋgɔdede. Wokpɔ be ne womexe mɔ na kekeli la ƒe takeke o la, ekem ana be nufiafia ƒe blukɔ, si tsyɔ̃ dukɔa dzi la abu keŋkeŋ, eye luʋɔwo aɖo ta Mawu ɖeka ko gbɔ. Ne esia va eme la, Roma ƒe gãnyenye la ayi to godo, dikekemanɔŋui. UGL 59.1

Vaud dukɔa, si lé Kristo Hame gbãtɔ ƒe xɔse vavã me ɖe asi vevie la, ƒe anyinɔnɔ nye gbesiagbe ɖaseɖiɖi, si tsi tre ɖe Roma hamea ƒe megbedede ŋuti, eye wòhe fuléle kple yometiti sesẽwo va wo dzi. Vaud dumetɔwo ƒe asimaɖe le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ŋuti la hã nye nusi Roma mate nu axɔ gbeɖe o. Esiata wòɖoe kplikpã be yeatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ le anyigba la dzi. Ɖoɖo sia nye gɔmedzedze na aʋa nyadri, si womekpɔ kpɔ o la, hoho enuenu kɔ ɖe Mawu ƒe dukɔ la dzi le woƒe totame ƒe nɔƒewo me. Roma hamea ƒe xɔse gbadagbawo tina wo yome yina ɖe keke towo ta me, eye abe alesi Abel ɖemanyala kpɔ ku le amewula Kain si me ene la, nudzɔdzɔ sia ga vana eme zi geɖe. UGL 59.2

Edziedzi, wotsrɔa woƒe agble wɔnukuwo, eye wogbãna woƒe aƒewo kple gbedoxɔwo katã keŋkeŋ, ale be afisiwo nye dukɔ agbagbadzela ma ƒe nɔƒewo la zua gbegbe keŋ. Abe alesi, lã wɔadãwo ƒe anyrãwɔwɔ gasẽna ɖe edzi ne woɖɔ ʋu kpɔ ene la, nenema tututu Papa yomedzela siawo ƒe ŋutasesẽ ganyrãna ɖe edzi ne wole Vaudtɔwo kpɔm wole veve sem. Woti xɔse vavã ƒe ɖaseɖila siawo yome le towo dome, towo tame, baliwo me, afisiafi, siwo woɣla ɖo le avetsuwo me hã. UGL 59.3

Nyaa ɖeke, alo vodadaa ɖeke meli woatsɔ bu fɔ dukɔ, si ƒe anyinɔnɔ gbem wole la o. Woƒe futɔwo ŋutɔ gɔ̃ hã ɖina ɖase le wo ŋuti be ame fatu, madzeaglã, siwo vɔa Mawu ɖaa la wonye. Vo, si woda la koe nye be wogbe be yewomasubɔ Mawu le papa ƒe ɖoɖo nu o. Hlɔ, si wodɔ, si he gbɔɖiame, vlodoame kple fuwɔame, siwo katã amegbetɔ, alo gbɔgbɔ vɔwo, ate ŋu asusu, va wo dzi la, koe nye ekema. UGL 59.4

Esi Roma ɖo kpe edzi gbeɖeka be woatsrɔ̃ dukɔ sia la, Papa (Innocent VIII le ƒe 1487 me) ɖe eƒe dziɖuɖu segbalẽa ɖe ɖe go, si bu fɔ wo be wonye xɔsetɔ nudadafialawo, siwo dze na ku. Wometsɔ nya gobia ɖeke ɖe wo ŋu be wonye kuviatɔwo, nuteƒemawɔla alo howɔlawo o; wogblɔ le segbalẽvi la me be wonye ame flula siwo ɖea wo ɖokuiwo fia abe amesiwo vɔã Mawu ɖaa kple ame kɔkɔewo ene, hele “alẽha vavã la ƒe alẽwo” flum. Eyata papa ɖe gbe be ne womaɖe asi le woƒe xɔse ŋu o la, ekem “woatsrɔ̃ dukɔ vɔɖi, nyɔŋu sia, abe da siwo nu aɖi le ene.” (-Wylie, liv. 16, cha.1). Ɖee wònɔ susu me na nunɔla ɖokuidoɖedzila sia be ŋua ɖe ava ke, si dzi nya siawo katã ava nɔ te ɖe eŋku mea? Ɖee wònya ɣemaɣi be wole nya mawo katã ŋlɔm ɖe dziƒo ƒe agbalẽwo me na ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkeke la? Yesu gblɔ be: “…Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.” (Mateo 25:40) UGL 60.1

Papa ƒe segbalẽ sia wɔ yɔyɔ na hamevi ɖesiaɖe be wòaho aʋa ɖe “xɔsetɔ nudadafiala mawo” ŋuti. Ne wòatsɔ de dzo lãme na wo na ʋukɔkɔɖi-dɔ sia wɔwɔ la, etsɔ amesiame, si dzi subɔsubɔ ƒe agbaa ɖe, alo vodadaa ɖe ƒe fetua ɖe le la, kè eyama; ame sike dzi atamkaka alo ŋugbedodoa ɖe ƒe dɔdasi le la, ne elɔ̃ wɔ ɖeka kple papa ƒe yometiti-ʋakɔ sia ko la, agba ma aɖe ɖa le edzi enumake. Nenema ke, le se la nu, ne ameaɖe xɔ nunɔamesia ɖe wɔ etɔ madzɔmadzɔe la, woanae agbalẽ ɖe dzi woazu etɔ koŋ; woatsɔ nuvɔwo katã ake amesiame, si awu xɔsedadatɔa ɖe. Nubabla, si amea ɖe wɔ kple Vaud dumetɔa ɖe la megakpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Ele na subɔla, si anɔ Vaud-tɔa ɖe si la, be wòadzo le egbɔ, eye mɔɖeɖe meli be amea ɖe nakpe ɖe wo ŋu o. Se la gaɖe mɔ be amesiame ate ŋu axɔ woƒe nunɔamesiwo sesẽtɔe fãa. -Wylie, liv.16, ch.1. Alea ye xexeme ŋusẽ sia ɖo aʋakɔwo ɖo ɖe agbledela kple adaŋudɔwɔla siawo, kple mɔɖeɖe, liƒoa ɖeke manɔŋui, be woalé wo, awu wo, aha woƒe nunɔamesiwo; wole se siawo katã dem le amesi gblɔ nya, si gbɔna la ƒe ŋkɔ me: “Amegbetɔvi la meva xexeame be yeatsrɔ̃ amewo o, ke boŋ be yeaɖe wo.” Ke segbalẽ sia ɖe gbɔgbɔ, si na woŋlɔẽ la, fia kɔtee.Enye ʋɔ driba la ƒe gbeɖeɖe, ke menye Kristo tɔ o. UGL 60.2

Katoliko hamea kplɔlawo medi be yewoana yewo ƒe dɛ̃ naɖi Mawu ƒe Sea ƒe kpɔdeŋu, si de blibo la o. Wo ŋutɔwo ɖo kpɔɖeŋu bubu anyi le woƒe didi nu, eye wodi be amesiame nawɔ ɖe edzi, elabena Roma ye bia nenema. Nudzɔdzɔ dziŋɔ, siwo ŋu gbɔgblɔ mele o la woeva me. Papa kple nunɔla zãnuɖulawo kple busunyagblɔlawo wɔ dɔ vɔɖi siwo Satana de susu me na wo be woawɔ la. Nublanuikpɔkpɔa ɖeke mega le woƒe dzi me o. Gbɔgbɔ ma, si de adã Yudaviwo me be woawu Kristo, eye woaƒo eƒe Apostolowo la, gbɔgbɔ, sike nɔ Neron, hlɔ-me la me ɖe kristotɔwo ŋu le eŋɔli me la, eya kee le dɔ wɔm hena Mawu ƒe lɔlɔtɔwo tsɔtsrɔ̃ ɖa le anyigba sia dzi. UGL 61.1

Yometiti, si va Vaud-tɔwo dzi le ƒe alafa geɖewo me, eye woxɔe le dzigbɔɖanyi kple kutrikuku me la, nye nusi de bubu woƒe Ɖela la ŋuti. To gbɔ be wonɔ aʋa lɔm tu wo enuenu, eye wonɔ woƒe ʋu kɔm ɖi ŋutasẽtɔe hã la, woganɔa woƒe dɔgbedelawo dɔm ɖa be woayi ɖa kaka Nyateƒe xɔasi la. Wotia wo yome yi ɖe ku me ke; woƒe ʋu, si wokɔ ɖi la nyea tsiwuwu nuku, si woƒã la, eye megbea ku matse o. Nɔnɔme sia mee Vaud- tɔwo ɖi ɖase le Nyateƒe la nuti le, ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ na Luther ƒe vava. Woamawo, siwo kaka ɖe teƒe teƒewo la, woeƒã nuku na Reformatio, alo Ɖɔɖɔɖo gã, si dze egɔme le Wiclef ƒe ɣeyiɣi me, heyi edzi, le kpuiƒe kple didiƒe le Luther ŋɔli, eye wòagayi edzi yi ɖe nuwuwu ke kple amesiwo alɔ̃ be yewoaxɔ nusianu ɖe Mawu ƒe Nya la kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi la ta. (Nyad. 1:9) UGL 61.2

----------