Go to full page →

35—PAPA DZIƉUƉUA ƑE DƐ̃ KPLE TAƉODZINU UGL 532

Le egbe ŋkekewo me, Protestantetɔwo, alo Nyanyui-Hamea ƒe nu kpɔkpɔ ku ɖe Katoliko-Hamea ŋu la ɖe nɔviwɔwɔ fia geɖe wú alesi wònɔ tsã la. UGL 532.1

Le teƒe, siwo Katoliko-hamea nye suetɔ le, eye wònɔ agbagba dzem to xɔlɔwɔwɔ me be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dzi la, wode dzesii be womegale ɖeke tsɔm le me fũ na nufiafia, siwo he mamã de Ɖɔɖɔɖo Hameawo kple Papa dziɖuɖua dome o. Amewo nɔa gbɔgblɔm egbea be le nyateƒe me la, vovototo gãa ɖeke meli ku ɖe nufiafia gãgãwo ŋu, abe alesi woxɔe se tsã la ene o, eye bena Protestantetɔwo ƒe asiɖeɖe le nanewo ŋu la ahe ɖekawɔwɔ va wo kple Roma dome. Ƒe geɖewoe nye esi va yi, Protestantetɔwo dea asixɔxɔ gãa ɖe woƒe vovokpɔkpɔ le subɔsubɔnyawo me, si su wo si to ʋiʋli gã kple fukpekpe sesẽwo me la ŋuti. Wofiana wo viwo be Papa ƒe dziɖuɖua kple eƒe ɖoɖowo nedzi ŋɔ̃ na wo, eye bena ɖekawɔwɔ didi kple Roma nye nuteƒemawɔ na Mawu. Ke nublanuitɔe la, egbe ƒe seselelãmewo to vovo ale gbegbe tso tsã tɔwo ŋu fũ. UGL 532.2

Papa dziɖuɖua taʋlilawo gblɔna be wodo vlo Katoliko-Hame la va yi, eye wòle dzedzem egbea abe ɖee Nyanyui-Hamea hã da asi ɖe nya sia dzi ene. Ame geɖewo gblɔna be mele dzɔdzɔe be woabu fɔ egbe ƒe Roma hamea ɖe eƒe ŋunyɔnuwo kple nu tovo, siwo wòwɔ le eƒe dziɖuɖu ɣeyiɣi, siwo nye viviti kple numanya ƒe ɣeyiɣi, siwo nɔ anyi ƒe alafalafawoe nye esi la ta o. Wotsɔ ŋutasesẽ dziŋɔ̃ ƒe wɔna mawo da ɖe ɣemawoɣi ƒe numanya kple bometsitsi dzi, eye wogblɔna be egbe ŋkekewo ƒe nunya ŋgɔdede trɔ seselelãme siawo. UGL 532.3

Ɖee susu sia ɖelawo ŋlɔ̃ be be ɖokuidodoɖedzi ƒe ŋusẽ sia nɔa gbɔgblɔm tso keke ƒe alafalafawoe nye sia be yemedana vo o mahã? Esi wòle be wòaɖe asi le susu sia ŋu la, eganɔ gbe tem ɖe edzi boŋ le ƒe 1900 kple edzivɔwo me. (550) Ke esi Roma wɔa eɖokui dzɔdzɔetɔ, si meda vo kpɔ o, kple ŋusẽ, si mate ŋu ada vo gbeɖe o la, (John L.von Mosheim, UGL 532.4

Institutes of Ecclesiastical History, liv.3, part. 11) aleke wòate ŋu ɖe asi le ɖoɖo, siwo wòtsɔ kplɔ eɖokui le ƒe alafalafa, siwo va yi me ŋu mahã? Medana vo o ɖe! UGL 533.1

Papa ƒe hamea mate ŋu aɖe asi le eƒe dzɔdzɔetɔnyenye ŋu gbeɖe o. Ekpɔ nusiwo katã wòwɔ, esi wòti amesiwo gbe eƒe nufiafiawo xɔxɔ yome la, be wole dzɔdzɔe. Ke ne ele alea ɖe, ɖee magawɔ nenema ke ne mɔnukpɔkpɔ su esia? Ne dziɖuɖuwo ɖe mɔxenuwo ɖa le Roma ƒe mɔ dzi, eye tsã ƒe ŋusẽ ga su esi la, madidi o, eƒe ameteteɖeto kple yometiti agasẽ ŋu ɖe dzi. UGL 533.2

Nuŋlɔla gãa ɖe, si ƒe ŋkɔ enye Josiah Strong D. D., le eƒe agbalẽ, si woyɔna be OUR COUNTRY ƒe axa 46-48 me la, ƒo nu tso Papa dziɖuɖua ƒe wɔna ku ɖe amegbetɔ ƒe dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ ŋu, kple dziɖuɖu sia ƒe ŋgɔdede kpakple dzɔgbevɔe, si wòanye na Amerika dua tɔxɛ la ŋuti. Egblɔ be: «Ame geɖewo akpɔ vɔvɔ̃ na Roma Katoliko-hamea le Amerika abe susu madeŋgɔ, alo fefenya ene. Womekpɔ naneke le Roma-hamea ƒe dẽ kple eƒe nɔnɔme ŋu, si atsi tre ɖe Amerika dua ƒe ablɔɖe ɖoɖowo ŋu o, eye womekpɔ afɔkua ɖeke le eƒe ŋgɔdede me hã o. Ekem, gbãgbiagbã la, mina míatsɔ Amerika dziɖuɖua ƒe ɖoɖo gãtɔa ɖewo sɔ kple Katoliko-hamea hã tɔwo kpɔ. Amerika ƒe Gɔmeɖose la tsɔ vovokpɔkpɔ na amesiame ƒe dzitsinya. Naneke megaxɔ asi, alo galolo wú esia o. Ke le agbalẽ, alo (Ensiklika), si woɖe ɖe go le ƒe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔlia dzi le ƒe 1854 me la, Papa Pie IX gblɔ ale: «Nufiafia, si gɔme womese o, alo nu wɔgbɔeme ku ɖe dumevi ƒe dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ ŋuti la nye vodada nyɔŋu, alo dɔléle vɔɖi gãtɔ le dɔ vɔwo katã dome, si wòle be woavɔ̃ na vevie ŋutɔ le dukɔ me. Papa ma ke gaŋlɔ̃ agbalẽ bubu, si woɖe ɖe go le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke enyilia dzi le ƒe 1864 me be woaƒo fi ade amesiwo katã nɔ dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ ta ʋlim, kple amesiwo gblɔna be amesiame vo be wòatia subɔsubɔ, si dzroe, eye bena mele be hamea naté ɖe amea ɖeke dzi le go sia me o. UGL 533.3

Roma ƒe ŋutifafanya, si gblɔm wòle le Amerika fifia menye kakaɖedzi gobia ɖeke be eƒe nɔnɔme kple susuwo trɔ vavã o. Edoa dzi xɔa nusianu faa, nenye be ŋusẽ mekpɔ su esi haɖe o. Míase episkɔpo O’Connor ƒe nya, si wògblɔ la ɖa: «Woate ŋu axɔ vovokpɔkpɔ na subɔsubɔ ƒe nya vaseɖe ɣeyiɣi, si me tsitretsitsi ɖe eŋu manye afɔku na Katoliko dukɔa o.» St Louis ƒe episkɔpo gã sia gblɔ gbeɖeka be: «Aʋatsoxɔse kple dzimaxɔse wonye sedzidada.» Le kristɔtɔ ƒe duwo me, le kpɔɖeŋu me la, abe Italia kple Hispania, afisi amewo katã kloe nye katolikotɔwo le, eye Katoliko-ha ƒe ɖoɖowo xɔ dua ƒe sewo ƒe akpa gãtɔ le ene la, xɔse, si woyɔna be aʋatsoxɔse, alo esi menye katoliko ƒe xɔse o la, kple dzimaxɔse katã kpɔa tohehe abe vodada bubuawo ke ene. Hamea ƒe Kardinal, episkɔpo gã kple episkɔpo ɖesiaɖe fìana toɖoɖo ƒe adzɔgbe na Papa. Adzɔgbe fiafia sia ƒe nyatia ɖewoe nye esiwo gbɔna la: «Matsi tre ɖe xɔse, si mele eteƒe o, me nɔlawo, mamãlawo, kple amesiwo katã dze aglã ɖe mía aƒetɔ Papa, alo eyomedzelawo ŋu la ŋuti, eye mati wo yome kple nye ŋusẽ katã.» (Ibid, ch.5, par 2-4) UGL 533.4

Nyateƒe wònye be Kristotɔ nuteƒewɔlaa ɖewo le Katoliko- hame la me. Ame akpeakpewo le ha sia me subɔa Mawu le kekeli sue, si le wo si la nu. Womeɖe mɔ na wo be Nya la nasu wo si o, eye le esia ta, womate ŋu anya Nyateƒe la o. Womade dzesi vovototoa ɖeke le subɔsubɔ vavã, si le agbe, kple gota kɔnuwo dome gbeɖe o. Gake Mawu kpɔa luʋɔ siawo kple nublanuikpɔkpɔ ƒe lɔlɔa ɖe, esi wònye be wosrɔ̃ nu le dzixɔse gbegblẽ kple beble ƒe nufiafia madeblibowo me ta. Ana kekeli ƒe alɔdzewo nage ɖe woƒe viviti tsiɖitsiɖi, si tsyɔ̃ wo dzi la me. Aɖe Nyateƒea fia wo abe alesi wòle le Kristo me ene, eye wo dome ame geɖewo age ɖe eƒe dukɔ la me. UGL 534.1

Gake Roma-hamea, abe ƒuƒoƒo, si si ɖoɖowo le ene la, mewɔ ɖeka kple Kristo ƒe Nyanyui la le egbe ŋkekewo me o, eye mewɔɛ hã le eƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣia ɖeke me kpɔ o. Nenye ɖee wònye be Nyanyui-hameawo mele viviti gã ɖe me o la, anye ne woke ɖe ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo ŋuti. Roma-hamea le nu kpɔm do ŋgɔ le eƒe ɖoɖowo kple afɔɖeɖewo me. Ele eƒe ayemɔnuwo katã ŋu dɔ wɔm bene yeakpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖewo dzi, ale bena yeƒe ŋusẽwo hã nado gã ɖe dzi le eƒe dzadzraɖo na ʋiʋli gã hena asi ɖoɖo xexeame katã dzi la me. Taɖodzinu, si gbɔ wòɖo ta la, enye be wòagahe yometiti va, hena Protestantetɔwo ƒe Ɖɔɖɔɖo nuɖoanyiwo katã ƒe gbagbã. Katoliko-hamea le ta kekem ɖe dzi le afisiafi. Míakpɔ alesi eƒe ƒuƒoƒowo kple gbedoxɔwo le agbɔ sɔm ɖe dzi le Protestante-duwo me. Míaɖe ŋku kpɔ eƒe suku gãwo kple nunɔlawo ƒe tutuɖonaƒe alo seminariwo ƒe ŋkɔ gã xɔxɔ le Amerika dua me, kpakple kpekpeɖeŋu geɖe, siwo Protestantetɔwo le wo nam ɖa. Míagakpɔ hã be le Aŋlisi-nyigba dzi la, kɔnu geɖe, siwo ɖi katoliko kɔnuwɔwɔwo la, le teƒe kpɔm geɖe le subɔsubɔwo me, eye ame geɖewo le megbe dem hã, hele gegem ɖe Roma-hamea me. UGL 534.2

Edze be nusiawo katã naɖo vɔvɔ̃ na amesiwo katã kpɔa ŋudzedze le Nyanyui la ƒe ɖoɖo kɔkɔeawo ŋu. Protestantetɔwo ɖe nya me kple Papa ƒe dziɖuɖua, eye wovazu megbedelawo nɛ. Woɖe asi le woƒe biabia kple xɔse ƒe akpaa ɖewo ŋu, ale be ɖekawɔwɔ nate ŋu ava wo kple Roma-hamea dome. Nu sia wɔ nuku geɖe na Katolikotɔwo ŋutɔ gɔ̃ hã, eye womese egɔme o. Amewo le ŋku ŋem ƒu Roma-hamea ƒe dẽwo kple afɔku dziŋɔ, si eƒe ŋusẽ kpɔkpɔ le xexeame nye la dzi. Ele be woana nyanya amewo ale be woatsi tre ɖe hame sia, si nye afɔku gãa ɖe na vovokpɔkpɔ le dumevinyenye kple Mawu subɔsubɔ gome la, ƒe ŋusẽ ƒe tsitsi ɖe dzi la ŋu. Protestantetɔ geɖewo susuna be katoliko ƒe subɔsubɔ mate ŋu awɔ dɔ ɖe ame dzi o, elabe enye kɔnu ƒuƒlu si, gɔme womese o, siwo tɔ ka ɖe wonɔewo nu ɖeɖe ko. Susu sia nye vodada gãa ɖe. Togbɔ be Roma hamea nɔ anyi ɖe gbegblẽ dzi hã la, eƒe subɔsubɔ-kɔnuwo wɔa dɔ geɖe ɖe ame dzi. Eƒe atsyɔ̃ gã ɖoɖo kple eƒe kɔnu kpekpẽwo kpɔa ŋusẽ ɖe amehawo dzi, ale be woƒe susuɖeɖewo kple dzitsinyawo nu tsina. Nusianu klẽna nyui ŋutɔ na ŋkuwo. Gbedoxɔ gã nyakpɔwo, gbɔlɔlɔ gãgãwo, nutata dzaniwo, kpetata ɖoatsyɔwo, wo katã nye nusiwo hea ame ƒe seselelãme yia dzi boo. Hagbe vivi manyagblɔwo wɔa dɔ ɖe to senuwo dzi. Saŋku gãwo ƒe gbeɖiɖi kpekpẽwo kple ameha geɖewo ƒe hadzidzi ɖe du, nusiawo katã, siwo gadoa gã ɖe dzi le Katedral ƒe gli kɔkɔwo me la, mate ŋu ado kpo dɔwɔwɔ, alo ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe ame ƒe gbɔgbɔ dzi o. UGL 535.1

Gota nu keklẽ nyãnyãnyãwo, atsyɔ̃ ɖoɖo kple kɔnu gã siawoe nye nusiwo flua luʋɔ, siwo le dɔ lem la, ƒe mɔkpɔkpɔwo, eye woga nye nusiwo ɖoa kpe hamea ƒe emeeme ƒe gbegblẽwo dzi. Kristo subɔsubɔ mehiã gota nuwɔwɔ kple atsyɔɖoɖo siawo hafi wòahe ame va eɖokui gbɔ o. Le atitsoga ƒe kekeli nu la, Kristo subɔsubɔ vavã nye nusi dza, eye wòwɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe be mehiã gota nu, siwo blea ŋku kple towo, ŋu dɔ wɔwɔ kple atsyɔɖoɖo gãwo hafi eƒe asixɔxɔ vavã nadze o. Eyae nye kɔkɔenyenye ƒe dzanidzani, gbɔgbɔ ƒe bɔbɔenyenye kple ŋutifafa, si xɔ asi le Mawu ƒe ŋku me la. UGL 536.1

Wɔnawo ƒe keklẽ alo nyanyakpɔ menye kpeɖonudzi godo na susu ƒe dzadzɛnɔnɔ kple kɔkɔenyenye o. Edziedzi la, aɖaŋu dɔ gãwo kple nusiwo doa dzidzɔ na ŋkuwo kple susu la nye nusiwo tsona amegbetɔ ƒe nunya kple seselelãme me. Satana wɔa nusiawo ŋu dɔ ɣesiaɣi ale be amegbetɔ naŋlɔ be eƒe luʋɔ ƒe hiahiãwo, eƒe tsɔme kple agbe mavɔ, eye wòaɖe ŋku ɖa le eƒe Takpɔla ŋusẽtɔ la dzi, ahanɔ agbe na xexeme sia ɖeɖe ko. UGL 536.2

Subɔsubɔ, si me gota kɔnuwɔwɔwo le la, doa dzidzɔ na dzi, si metrɔ o la. Katoliko ƒe kɔnu gãgã, siwo klẽna, wɔa dɔ ɖe amewo ƒe susuwo dzi geɖe la, flua wo ale gbegbe be ameaɖewo kpɔa Roma-hamea abe dziƒo ƒe agbo ŋutɔ ene. Ke amesiwo dzi eƒe ŋusẽ mateŋu aɖu o la woe nye amesiwo ƒe afɔwo li ke ɖe Nyateƒea ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ wɔ woƒe dziwo yeyee la. Ame akpeakpe, siwo ƒe sidzedze Kristo meto dodokpɔa ɖeke me o la, koe akpɔ dzidzɔ ɖe kɔnu sia, siwo me mawusosroɖa ƒe ŋusẽa ɖeke mele o la ŋu, eye woage ɖe eƒe ŋusẽ te. Subɔsubɔ sia tututue vivia ameha gãwo nu. UGL 536.3

Hamea ƒe ɖokuiblenya, si nye be yekpɔ ŋusẽ atsɔ nuvɔ̃ ke la, wɔe be hameviwo sena le wo ɖokui me be yewokpɔ vovo awɔ nuvɔ̃ faa, eye nuvɔmeʋuʋu ƒe nuɖoanyi, si na be eya manɔmee la, amea ɖeke mateŋu axɔ tsɔtsɔke tso nunɔla gbɔ o la, hã nye nusi ʋua mɔ na gbegblẽ. Amesi dzea klo ɖe amegbetɔ-nuvɔmewo ƒe ŋku me, heʋua eƒe susu ɣaɣlawo kple dzimedidiwo na wo la, ɖiɖina eƒe amegbetɔnyenye ƒe bubu, si le esi, eye wòdoa vlo eƒe luʋɔ ƒe kesinɔnu gãwo. To eƒe agbemenuvɔwo ɖeɖe ɖe go na nunɔla, amesi nye nu kuku, mɔbula, vɔwɔla, si gena zi geɖe ɖe gbegblẽ me to wein kple makɔmakɔ wɔnawo me la, amegbetɔ ɖia gbɔ eya ŋutɔ ƒe amenyenye, heƒoa ɖi eɖokui. Eƒe susu ku ɖe Mawu ŋu ɖiɖina Wɔla la vaa tasɔsɔme kple amegbetɔ, elabena nunɔla la ɖea eɖokui fiana abe Mawu teƒenɔla ene. Gbɔɖiameɖokui ƒe nuvɔmeʋuʋu sia, si tso agbetɔ gbɔ yi na nɔvia agbetɔ la, nye dzɔtsoƒe ɣaɣla, si me gbegblẽ geɖe do tso kɔ ɖe xexea me, hele ɖi ƒomee, le edzram ɖo na nuwuwu ƒe tsɔtsrɔ. Gake amesi ɖea asi le eɖokui ŋu na eƒe dẽ gbegblẽwo la kpɔa ŋudzedze le eƒe nuvɔmeʋuʋu na amegbetɔ nu kuku ŋu, tsɔ wú be wòaʋu wo me na Mawu boŋ. Amegbetɔ ƒe nɔnɔme lɔa akɔfadɔ wɔwɔ tsɔ wú asiɖeɖe le nuvɔ̃ ŋu. Ele bɔbɔe be woawɔ fu ame ŋutɔ ƒe ŋutilã kple vevesesedoname ƒe nuwo kple kɔsɔkɔsɔwo, tsɔ wú be woaklã ŋutilã ƒe dzodzrowo ɖe atitsoga ŋu. Dzɔdzɔmeme dina be yeatsɔ kɔkuti kpekpẽ wú be yeaxɔ Kristo ƒe kɔkuti ɖe yeɖokui dzi. UGL 536.4

Roma-hamea ƒe wɔnawo ɖi Yuɖaviwo ƒe subɔsubɔ, si nɔ anyi le Kristo ƒe vava zi gbãtɔ me la ŋutɔ. Nusi Yuɖatɔwo wɔna ɣemaɣi lae nye be, le esime wotua afɔ Mawu ƒe Seawo ƒe ɖoɖowo dzi le adzame la, wowɔna ɖe eƒe gota ƒe ɖoɖowo dzi vevie ŋutɔ, eye wogadoa agba bubuwo kple dekɔnuwo kpe ɖe wo ŋu. Esia wɔnɛ be toɖoɖo zua nu sẽŋua ɖe, si tea ɖeɖi ame ŋu. Abe alesi Yuɖatɔwo ɖea woɖokui fiana abe amesiwo dea bubu Seawo ŋu ene la, nenema kee Roma hametɔwo fiaa woɖokui abe amesiwo dea bubu atitsoga ŋu ene. Wodoa kɔkɔ nusi nye Yesu ƒe fukpekpewo ƒe dzesi ŋu, ke le woƒe agbenɔnɔ me la wogbea nu le amesi ŋutɔ dzesi sia le ɖeɖem fia la gbɔ. Katolikotɔwo tsɔa atitsoga ɖoa woƒe gbedoxɔwo, vɔsamlepkuiwo kple awuwo dzi. Atitsoga dzesi sia le woƒe teƒewo katã, eye wotsɔa gota ƒe bubu kple dodoɖedzi nanae le afisiafi. Ke nublanuitɔe la, woɖia Kristo ƒe nufiafiawo ɖe dekɔnu masegɔmena geɖewo, kple gɔmesese dadawo kpakple ɖoɖo sesẽwo te. Ɖela ƒe nya, siwo wògblɔ tso Yudatɔwo ŋu ku ɖe woƒe alakpanu wɔwɔwo ŋu la, sɔ kple Katoliko hamea kplɔlawo egbea geɖe wú tsã, elabena «wodoa agba kpekpe, siwo wú tsɔtsɔ la hetsɔ ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔna be woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.» ( Mateo 23:4 ) Ke wode ga luʋɔ nuteƒewɔlawo ɖe vɔvɔ me ɖaasi, eye wonɔa vɔvɔm na Mawu, si ŋuti wowɔ vɔ̃ ɖo, le esime hamea ƒe ame gãwo le atsyɔ̃ kple ŋutilãmevivisese ƒe agbenɔnɔ dzi ɖaa. UGL 537.1

Nɔnɔmetata kple amegbetɔ ŋutinuwo ƒe subɔsubɔ, gbedodoɖa na ame kɔkɔewo kple Papa dodoɖedzi wonye Satana ƒe ayemɔnu, si dzi wòto be yeaɖe amewo ƒe susu ɖa le Mawu kple Via dzi. Ele ŋutete wɔm bena yeana woaɖe susu ɖa le Amesi ɖeka ko gbɔ woate ŋu akpɔ ɖeɖe le la dzi, ale be yeahe wo de tsɔtsrɔ̃ me. Akplɔ luʋɔwo yi ɖe nusianu, si woate ŋu atsɔ ɖɔ li Amesi gblɔ be: «Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. la» ( Mateo 11:28) UGL 538.1

Satana ƒe agbagba, si dzem wòle vevie la, enye be yeagblẽ Mawu ƒe dẽ le amegbetɔwo ƒe ŋku me, bena nuvɔ̃ magadzé na wo le eƒe nɔnɔme vɔɖi la me o, eye bena womagadze si ʋiʋli gã, si le nyui kple vɔ̃ dome la ƒe emetsonuwo o. Eƒe ameblenyawo na be amegbetɔ megakpɔa Mawu ƒe Seawo ƒe vevienyenye o, ke boŋ woxɔa se be yewokpɔ vovo awɔ nuvɔ̃ faa. Le go sia me, egatsɔna susu gbegblẽwo ɖona Mawu ŋu, ale be wokpɔnɛ le vɔvɔ̃ kple ametsitsri ƒe nɔnɔmea ɖe me, le esime wòle be woatsɔ lɔlɔ̃ nɛ boŋ la. Ŋutasẽla, si Satana ŋutɔ nye la, ƒe susu wòtsɔ dea amewo me ɖe Mawu ŋuti. Nenema ke susu sia ge ɖe subɔsubɔ hatsotsoewo kple ɖoɖowo me. Alea futɔ la de viviti amegbetɔ ƒe nunya me, eye wòtsɔe wɔ eƒe dɔwɔnu le eƒe aʋa hoho ɖe Mawu ŋu me. Eƒe gɔmesese gbegblẽ ku ɖe Mawu ƒe dẽ ŋu, si wòtsɔ de trɔsubɔlawo me la, na be woxɔe se be amegbetɔ tsɔtsɔ sa vɔe na Mawu la ana wòakpɔ nublanui na yewo. Nenemae ŋutasesẽ-wɔna dziŋɔwo kpɔ emevava le trɔsubɔsubɔ ƒe wɔna geɖewo me. Le eƒe gɔmesese totro ɖoɖo na Mawu ƒe nyenye ŋu me la, Roma hamea, si tsaka Kristo ƒe subɔsubɔ kple trɔsubɔsubɔ la, hã wɔ ŋutasesẽ vɔɖi ma ke ŋuti dɔ le eƒe wɔnawo me. Le eƒe dziɖuɖu ɣeyiɣiwo me la, Roma ɖo fuwɔame ƒe mɔnu, siwo ŋu dɔ wòwɔ hete eƒe subɔsubɔ ɖe amewo dzi. Ke amesiwo melɔ̃ ɖe asi le woƒe xɔse ŋu o la, wotɔ dzo wo. Roma-hamea wu ame geɖe, siwo ƒe xexlẽ me womate ŋu anya o, negbe le ʋɔnudrɔŋkeke la dzi ko. Hamea ƒe ame gãwo dea ŋugble le Satana, woƒe aƒetɔ la, ƒe kpɔkplɔ te, tso mɔnu, si wòakpɔ awɔ funyafunya geɖe amesiwo ge ɖe eƒe ŋusẽ te, esi ku mexɔ wo le wo si o la. Wodoa vevesese dziŋɔwo na amesiwo ge ɖe woƒe asi me, zi alesi ame ƒe ŋusẽ mamlɛa ate ŋu atsɔe, eye wowɔa esia vaseɖe esime wɔna vɔna le ŋutilã ŋu. Ke ku koe nyea xɔnametɔ gã, si ɖea wo tso vevesese manyagblɔwo si me. Nusiawo katãe vana amesiwo melɔ̃ wɔna ɖe Roma ƒe ɖoɖowo dzi o la dzi. Ke na amesiwo kplɔe ɖo la, wowɔa ɖoɖo sesẽwo abe ameƒoƒo kple atam, dɔwuame kple fuwɔameɖokui ƒe ŋutilã dziŋɔ, siwo ko woate ŋu susu la, na woƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Akɔfadɔwɔla siawo daa dzɔdzɔmesewo dzi, eye le esia wɔwɔ me la, wodana le Mawu ƒe Seawo dzi, henɔa susum be Mawu akpɔ ŋudzedze le yewo ŋu. Wofiana wo be woatso kadede, siwo Mawu ŋutɔ ɖo anyi ne woanye yayra kple dzidzɔ mɔnuwo na amegbetɔ le eƒe agbenɔŋkekewo me la. Akpe akpewoe yi yɔme, siwo tsɔ woƒe agbea katã wɔ yaka ŋutete, be yewoatsi dzɔdzɔme lɔlɔ̃ ƒe seselelãmewo nu, eye wokpɔ susuɖeɖe alo seseɖelãme siawo ɖoɖo na wo haviwo abe vovodada ɖe Mawu ŋu ene. UGL 538.2

Ne míedi be míanya Satana ƒe ŋutasesẽ deto, si ŋu dɔ wɔm wòle madzudzɔmadzudzɔ, menye le mawumanyalawo dome o, (556) ke boŋ le Kristotɔwo dome le xexeame godoo, ƒe alafalafawoe nye esia la, nusi ko míawɔ la enye be míalé ŋku ɖe Roma-hamea ƒe ŋutinya ŋu, ekem míake ɖe eŋu. Amebeble dɔwɔnu gã sia dzi vɔɖinyenye-fiavi la to heke ɖe eƒe taɖodzinu, si nye vlododo Mawu ƒe ŋkɔ kple fuwɔwɔ amegbetɔ la ŋuti. Ne míekpɔ alesi wòɣla eɖokui, hetsɔ eƒe dɔwɔnawo to hamea kplɔlawo dzi la, míate ŋu ase nusi ta wòtsri Biblia ale gbegbe la gɔme nyuie. Ne míexlẽ Agbalẽa la, míake ɖe Mawu ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ ŋu. Míade dzesii hã be Mawu medo agba kpekpe gã mawo na amegbetɔ le afiaɖeke o. Nusi ko wòbia la enye dzi, si gbã, bɔbɔenyenye kple toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ. UGL 539.1

Le eƒe agbe ŋkekewo katã me la Kristo mefia kpɔɖeŋua ɖeke be ŋutsuwo alo nyɔnuwo natu woɖokui ɖe teƒea ɖewo, anɔ dzadzram ɖo na dziƒo o. Mefia hã kpɔ gbeɖe be ame naté eƒe lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ƒe seseɖelãme ɖe to o. Ɖela ƒe dzi yɔ fuu kple lɔlɔ. Zi alesi ame tena ɖe susu ƒe blibodede ŋu la, nenema kee eƒe seselelãme hã kɔkɔna, eye wòdea dzesi nuvɔ̃ kaba, eye eƒe ɖekawɔwɔ kple konyifala hã dea toe. Papa tsɔ eɖokui abe Kristo teƒenɔla le anyigba dzi ene. Ɖee míate ŋu atsɔ eƒe dẽ sɔ kple Ɖela tɔ mahã? Ɖee míese kpɔ be Kristo de amewo gaxɔ me, alo na wowɔ fu wo le esime wogbe be yewomatsɔ bubu na eyama abe dziƒo Fia ene o mahã? Ɖee míese kpɔ be etso ku fia na amesiwo mexɔe oa? Le esime Samaria ƒe dua ɖe me tɔwo mede bubu Yesu ŋu o la, Apostolo Yohanes kpɔ dziku vevie ŋutɔ, eye wògblɔ be: «Aƒetɔ, èlɔ̃ bena míana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo, abe alesi Eliya wɔ ene mahã?» (Luka 9: 54). Ke Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔla la ŋu kple lɔlɔ̃ heka mo nɛ ɖe eƒe susu vɔɖi la ta gblɔ be: «…Amegbetɔvi la meva bena wòagblẽ amewo ƒe agbe o, ke boŋ bena wòaɖe wo.” (Luka 9:56). Ale gbegbe gbɔgbɔ si, Kristo ɖe fia la, to vovo sãa tso amesi le eɖokui tsɔm abe eƒe teƒenɔla ene la tɔ gbɔ. UGL 540.1

Roma-hamea tsɔ ɖemanyala ƒe mo le xexeame katã fiam, eye wòtsɔ taflatsedodo tsyɔ̃ eƒe ŋutasesẽ dziŋɔ, siwo wòwɔ vayi la, ƒe ŋutinyawo dzi. Edo Kristo ƒe awuwo, gake eƒe nɔnɔme ya metrɔ o. Ɖoɖo, siwo katã nye Papa dziɖuɖua tɔ tsã la, gasusɔ li goŋgoŋ egbea. Nufiafia, siwo nye eya ŋutɔ tɔ tsã xoxo la, gale edzi yim. Amea ɖeke megaflu eɖokui o. Papa ƒe dziɖuɖu, si ŋu Protestantetɔwo le gbesɔsɔ be yewoade bubu egbea la, meto vovo kura tso esi nɔ xexeame dzi ɖum le Reformatio ƒe ɣeyiɣiwo me, esime Mawu ƒe amewo tsi tre le woƒe agbe ƒe afɔku me bena yewoaɖe eƒe vɔwo ɖe go la o. Egalé eƒe dada kple ame makpɔ ɖe naneke me ƒe susu, siwo wòtsɔ ɖu fiawo kple fiaviwo dzi tsã, eye wòtsɔ Mawu ƒe nyenyewo ɖo eɖokui dzi la, ɖe asi. Gbɔgbɔ, si le esi egbea la meto vovo tso esi nɔ eyama si le esime wòtu afɔ amegbetɔ ƒe vovokpɔkpɔ dzi, eye wòtsrɔ̃ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo o. Nusi tututu Nyagblɔɖila gblɔ be Papa dziɖuɖua avanye la, ye wònye: ɣeyiɣi mamleawo ƒe “gbegblẽvi”. ( Tesa. II, 2:3,4 ) Eƒe wɔnaa ɖewoe nye be wòatsɔ dẽ, alo dzedzeme, si akpe ɖe eŋu be wòate ŋu ade eƒe taɖodzinuwo gbɔ bɔbɔe la, ɖo eɖokui dzi. Ke ɣesiaɣi la, eɣlaa ƒli ƒe aɖi, si nu sesẽ la, ɖe eƒe nɔnɔme, si trɔna abe agama ene la me. «Menye dzizizi wònye na mí be míale xɔse, si ŋu míeka atam le, alo ŋugbe siwo míedo na xɔsedadatɔwo la ɖe asi o.» Esia enye Roma ƒe nyagbɔgblɔa ɖe, si woɖe tso agbalẽ, si gbɔna la me: (Lenfant, vol. I, page 516). Ɖee míakpɔ ŋusẽ sia, si ƒe ŋutinya woŋlɔ̃ kple amekɔkɔewo ƒe ʋu, le ƒe akpe ɖeka sɔŋ me la, abe Kristo ƒe Hamea ƒe akpaa ɖe egbea enea ? UGL 540.2

Amesiwo gblɔna le Protestante-duwo me be Katoliko ƒe wɔnawo megato vovo tso Protestantetɔwo ƒe wɔnawo gbɔ egbea abe alesi wònɔ tsã ene o la, ƒe nya le me pɛpɛpɛ. Tɔtrɔa ɖe va, gake tɔtrɔ sia metso Papa ƒe dziɖuɖua me o. Nyateƒe wònye be Katoliko-hamea kple egbe ƒe Protestante-hameawo ɖi wonɔɛwo le go geɖe me. Nusi ta wòle alea ɖo la enye be gbegblẽ sɔgbɔ ge ɖe Protestante-Hamea me tso keke Reformatio, alo Ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe ɣeyiɣiwo me ke. UGL 541.1

Le woƒe didi vevie me be xexeame nakpɔ yewo kple ŋku nyuia ɖe la, Protestantetɔwo ɖe asi le woɖokui ŋu, eye alakpa ƒe lɔlɔ̃ gbã ŋku na wo. Woxɔe se be ele dzɔdzɔe be woakpɔ nu nyui le vɔe me; ke emetsonu koe nye be le nuwuwu la, woakpɔ vɔ̃ le nyui ɖesiaɖe me. Le esime wòle be woaʋli xɔse, si wotsɔ na kɔkɔetɔawo zi ɖeka na ɣeawokatãɣi ta sesiẽ kple kelili la, ɖeko wòdze abe wole didim be yewoado taflatse na Roma be yewo ɖe susu, si menye lɔlɔ̃ ƒe susu o la, va yi ɖe eŋuti, eye bena yewoaɖe kuku ɖe yewo ƒe wɔwuiwɔwɔ la ta. UGL 541.2

Ame geɖe, siwo dometɔa ɖewo melɔa Roma ƒe wɔnawo gɔ hã o la, mete ŋu le dzesi dem afɔku gã, si eƒe dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi, nye na wo la o. Bubuawo ya bui be numanya ƒe viviti kple dẽ ƒe gbegblẽ, siwo nɔ anyi le viviti gã ƒe ƒewo me la, woe he Roma ƒe nufiafia dadawo, numaɖinuwo dzi xɔse kple ameteteɖeto wɔnawo katã vɛ, eye bena nunya gã, si li le ŋkumekɔkɔ ƒe ɣeyiɣi siawo me, kekeli, si le agbɔ sɔm ɖe dzi kple vovokpɔkpɔ le subɔsubɔnyawo me la, magaɖe mɔ be tsã ƒe gbegblẽwo kple ameteteɖeto wɔnawo nagatrɔ va o. Susuɖeɖe, si ɖee fia be nenem ƒe gbegblẽwo aga va le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la, ɖia nukokui na amewo. Nyateƒe wònye be fifi dzidzimewo le gome kpɔm le nunya gã, susu nyui kple subɔsubɔ ŋgɔdede ƒe kekeli gãa ɖe me. Mawunya kɔkɔe la kple dziƒo kekeli geɖe kaka ɖe anyigba blibo la dzi. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be zi alesi kekelia aloloe la, nenemae amesiwo le tsitre tsim ɖe eŋu, alo le egblẽm la ƒe vivitiwo hã ade toe. Biblia sɔsrɔ̃ kple veviedodo aɖe papadziɖuɖua ƒe nɔnɔme vavã la afia Protestantetɔwo, eye woatsri eƒe nya gbɔ, ahasí le enu. Ke nublanuitɔe la, ame geɖewo nye nunyalawo le wo ɖokuiwo ŋku me ale gbegbe be womekpɔ be ele vevie be yewoadi Mawu le bɔbɔenyenye me, ale bena wòakplɔ yewo le Nyateƒe la me o. To gbɔ be wodoa woɖokui ɖe dzi abe nunyala gãwo ene hã, womedze si Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo o, eye womenya Mawu ƒe ŋusẽ hã o. Esi wònye be wohiã nane, si afa akɔ na woƒe dzitsinya la, wodia mɔnu, si maku ɖe gbɔgbɔmegbenɔnɔ ŋu fũ, eye wòahiã bɔbɔenyenye hã tso wo gbɔ o. Alea ye wodina nusi ana woaŋlɔ̃ Mawu be, gake wòadze abe ɖee wole bubu dem eŋu ene. Ke Roma-hamea ƒe nufiafiawo ɖo woƒe didi siawo ŋu na wo. Hatsotso eve siwo, xɔ xexea katã me la, kpɔ ŋuɖoɖo na woƒe didiwo tso nufiafia siawo me: amesiwo di be yewoakpɔ ɖeɖe to yewo ŋutɔ ƒe agbagbadzedze me, kple amesiwo di be yewoakpɔ ɖeɖe, menye tso nuvɔ̃ me o, ke boŋ le woƒe nuvɔ̃ me nɔnɔ me la. Afisia Roma ƒe ŋusẽ ƒe nuɣaɣla la le. UGL 541.3

Míekpɔ be susumeviviti gã ƒe ɣeyiɣiwo kpe ɖe Papa ƒe dziɖuɖua ƒe ŋgɔdede ŋu geɖe. Nenema ke míagaɖee fia be nunya-kekeli gã ƒe ɣeyiɣi siawo hã gale edom ɖe ŋgɔ. Le ƒe alafalafa, siwo va yi me, esime Mawunya mesu amegbetɔwo si o, eye womenya naneke ku ɖe Nyateƒea ŋu o la, woƒe ŋkuwo gbã, eye ame akpeakpewo ge ɖe mɔtetre me, le esi womede dzesi mɔ-kawo le woƒe afɔ te o la ta. Le fifi-dzidzime sia hã me la, ame geɖewo ƒe ŋkuwo gbã to amegbetɔ ƒe susuɖeɖe vivivo kple nusi woyɔ be nunya la me, eye woawo hã mekpɔ mɔtetreawo o, ke wozɔ ge ɖe wo me ŋkuagbãtɔe. Mawu di be amegbetɔ nakpɔ nunya, si le esi la, abe nunana, si tso Wɔla gbɔ ene, eye bena wòawɔ eŋu dɔ na Nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe ŋgɔdede. Ke ne dada kple nugãdidi yɔ dziwo me, eye amegbetɔ tsɔ xexeme nunya ƒe susuɖeɖewo da ɖe Mawu ƒe Nya ta me la, ekem nunya sia agblẽ nu fũ tsɔ wú bometsitsi. Nenemae ɣeyiɣi sia me ƒe nunya dada, si gblẽ Biblia dzixɔse me tso eƒe gunu ke la, ata mɔ godo ɖikekemanɔŋui, na papadziɖuɖua xɔxɔ kple eƒe nusi wɔa dɔ ɖe ame dzi la, abe alesi nunya téte ɖe to ta mɔ na eƒe ŋgɔdedekpɔkpɔ le viviti ɣeyiɣiwo me ene. UGL 542.1

To afɔdeɖe, si ɖem Protestantetɔwo le fifia le Amerika hena dziɖuɖua ƒe megbenɔnɔ na hamea kple eƒe ɖoɖowɔwɔwo me la, woawo hã le Roma hamea ƒe afɔtoƒewo tom. Ga wu la, wole agbo ʋum na papadziɖuɖua be wòagatrɔ kpɔ eƒe gãnyenye, si wòbú le xexeme xoxoa, alo Europa me la, le Amerika. Gɔmesese tɔxɛa ɖe le azɔli sia si, elabena eƒe taɖodzinu gbãtɔe nye be woate kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔ, si dzɔ tso Roma, eye papadziɖuɖua ɖee fia abe eƒe gãnyenye dzesi ene la, ɖe amesiame dzi. Ke Roma ƒe gbɔgbɔ, eƒe susu, si ku ɖe xexeme numamewo wɔwɔ kple bubu dede amegbetɔ ƒe dekɔnuwo ŋuti tsɔ wú Mawu ƒe Seawo ŋuti la, koe le gegem ɖe Nyanyui hameawo me, hele wo tutum be woawo hã nade asi kwasiɖagbe subɔsubɔ dodo ɖe dzi ƒe dɔ, si papadziɖuɖua wɔ do ŋgɔ na wo la, wɔwɔ me. UGL 543.1

Ne amesi le agbalẽ sia xlẽm di be yeanya mɔnu, siwo ŋuti dɔ wole wɔwɔ ge le ʋiʋli, si le ŋgɔ gbɔna me la, esu ko be woaxlẽ ŋutinya, siwo ƒo nu tso mɔnu, siwo dzi Papa to le ƒe alafa, siwo va yi me, na eƒe tameɖoɖo ma ke dzi wɔwɔ ŋuti. Amesi di be yeanya nusi papayomedzelawo kple Protestantetɔ, siwo wɔ ɖeka kpli wo la, awɔ na amesiwo agbe woƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ la, nede ŋugble tso nusi Roma tu kple Sabat subɔsubɔ taʋlilawo la ŋuti. UGL 543.2

Fiawo ƒe sedede, hamekplɔlawo ƒe takpekpe gãwo kple hamea ƒe ɖoɖo, siwo katã xexeme dziɖuɖuwo nɔ megbe na la, woenye mɔ, siwo dzi woto tutu trɔsubɔsubɔ ŋkeke, si nye kwasiɖa la, yi ɖe teƒe kɔkɔ, si wòle le kristotɔwo dome fifia la. Dukɔme sedede gbãtɔ na kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔ wɔwɔ la, tso fia Konstantino gbɔ le ƒe 321 me. (560) Se sia bia tso dugãmenɔlawo si be woadzudzɔ le ɣe-vodu ƒe bubu-ŋkeke la dzi, eye wòɖe mɔ na agbletatɔwo ya be woayi ɖe woƒe agbledɔwo dzi faa. Togbɔ be le nyateƒe me, trɔsubɔsubɔ ƒe se wònye hã la, fia Konstantino té se sia ɖe amewo katã dzi le eƒe gota-dzimetɔtrɔ megbe. UGL 543.3

Esi wònye be fia ƒe sedede la mesu axɔ ɖe Mawu ƒe gãnyenye ƒe Se la teƒe o ta, episkopo Eusebio, si dina gomekpɔkpɔ le fiaviwo gbɔ vevie, eye wòganye fia Konstanino ƒe xɔlɔ̃ kple ekafula la, ble fia la be Kristo trɔ Sabat ƒe Dzudzɔgbe, si nye memleɖa la, da ɖe kwasiɖagbe dzi. Ke womekpɔ ɖaseɖiɖi ɖeka pɛ hã le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea me ahaɖo kpe nufiafia yeye sia dzi o. Togbɔ be medi o hã, Eusebio ŋutɔ ʋu nya sia ƒe alakpanyenye me, eye wòɖe amesiwo le megbe nɛ la fia. Ebe : « Nusiwo katã wònye dɔdasi be woawɔ le Sabat dzi la, míetrɔ wo da ɖe ‘’aƒetɔ ƒe ŋkeke la’’ dzi. » Robert Cox, Sabbath Laws and Sabbath Duties, p. 538 . Ne numeɖeɖe ku ɖe kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔ ŋuti meɖo gɔmeɖokpea ɖeke o hã la, ekplɔ amewo yi ɖe afɔ titi ɖe Aƒetɔ ƒe Sabat la dzi vɔvɔ̃ manɔmee. Amesiwo katã di xexeme ƒe bubudeameŋu la atia wɔwɔ ɖe ŋkeke, si xɔ dukɔa me la dzi. UGL 544.1

Zi alesi papadziɖuɖua nɔ kelili kpɔm la, kwasiɖagbe subɔsubɔa hã nɔ ta kekem. Hena ɣeyiɣia ɖe la, agbledelawo wɔa dɔ le subɔsubɔ gaƒoƒowo megbe, eye wogatsɔna ŋkeke adrẽlia abe Sabat ene. Gake blewu blewu la, tɔtrɔ le vavam, le anyi nɔm. Wode se na amesiwo le dɔ kɔkɔewo nu la be womadrɔ̃ ʋɔnu le dumeviwo ƒe nyahehea ɖeke me le kwasiɖagbe o. Kpuie, le esia yome la, sedede bubu gblɔ be amea ɖeke magawɔ dɔ le kwasiɖagbe o ; ablɔɖe-me, si adze se sia me la, woabla fe nɛ wòaxe, eye kluvi alo subɔla, si ada edzi la, axɔ ƒoƒo kple atam. Emegbe wogaɖe se bubua ɖe ɖe go, si gblɔ be kesinɔtɔ, siwo ada edzi la, abú woƒe nunɔamesiwo ƒe mamãme. Ne wotri to la, woawɔ wo kluviwoe. Ke ame gblɔewo ya la, woabu dumevinyenye, eye woaɖe wo do go tso dua me gbidigbidi. UGL 544.2

Azɔ la, wogawɔ nukunuwo ŋuti dɔ hã. Wodometɔ ɖeka enye be agbledelaa ɖe le eƒe agbledemɔ̃ ŋuti dzram ɖo kple gakpovia ɖe ne yeawɔ dɔ le kwasiɖagbe; kasia gakpovi la lé ɖe eƒe asi ŋuti kpamii, hedo kpo ɖeɖe. Eye le ƒe eve sɔŋ me la, wònɔa tsa ɖim yi teƒeteƒewo kple gakpovi la le vevesese kple ŋukpẽ gãa ɖe me. (561) - Francis West, Historical and Practical Discourse on the Lord’s Day. p. 174 . UGL 544.3

Le esia yome la, Papa bia tso nunɔlawo si be woaxlɔ̃ nu kwasiɖagbe subɔsubɔ dzidalawo be woanɔ sɔleme yim anɔ gbe dom ɖa, ne menye nenem o la, woavahe dzɔgbevɔe gãa ɖe va wo ŋutɔ kple woƒe aƒelikawo dzi. Nunɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe ɖe susu sia ɖe go be, dzikedzo wu amea ɖe siwo nɔa dɔ wɔm le kwasiɖa ŋkekea dzi, eye bena esia gɔme koe anye be kwasiɖagbee nye Sabat la. Tso ɣemaɣi la, Nyanyui-hametɔwo hã tsɔ nya sia nɔa dɔ wɔm vevie. Nunɔlawo gblɔna be: “Míekpɔ be Mawu doa dziku vevie ŋutɔ ɖe ŋkeke sia dzimawɔmawɔ ŋuti.” Wowɔ yɔyɔ na nunɔlawo, osɔfowo, fiawo kple fiaviwo, kple nuteƒewɔlawo katã be woawɔ ŋutetewo katã be woatsɔ bubu, si dze la na ŋkeke la, ale be tsɔ, si gbɔna la, woalé eme ɖe asi vevie na kristotɔƒomea ƒe dzidzemekpɔkpɔ.” — Thomas Morer, Discourse in six Dialogues on the Name, Notion and Observation of the Lord’s Day, p. 271 . UGL 545.1

Esi wokpɔ be hamekplɔlawo ƒe takpekpe gãwo ƒe ɖoɖowo mele ŋusẽ kpɔm alesi wodi o la, wobia tso xexeme dziɖuɖuwo si be woaɖe se sesẽa ɖe ɖe go, si ade vɔvɔ̃ dukɔmeviwo me, ale be woadzudzɔ dɔ ɖesiaɖe wɔwɔ le kwasiɖagbe. Le takpekpea ɖe, si va me le Roma la, wogatrɔ tsã xoxo ƒe ɖoɖowo katã vɛ, heɖo kpe wo dzi kple ŋusẽ kple bubu yeye, eye wotsɔ wo de nunɔlawo ƒe segbalẽ la me, hebia tso dziɖuɖu siwo le kristotɔ- dukɔwo katã me be woana amesiame nawɔ ɖe wo dzi. Míakpɔ nya sia le —Heylyn ƒe agbalẽ sia me —History of the Sabbath, pt 2, ch. 5, Sec 7- UGL 545.2

Kwasiɖagbe subɔsubɔ ƒe anyimanɔ ɖe Biblia dzi la nye nusi he tɔtɔtɔtɔ geɖe va dukɔwo me. Amewo bia woƒe nufialawo be mɔ ka wokpɔ atrɔ Yehowa ƒe gbeɖeɖe, si me kɔ ƒãa be: “Ŋkeke adrẽlia enye Dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la.” eye woanɔ bubu dem ɣe ƒe ŋkeke la ŋuti mahã? Esi wòle alea la, ele be woagadi nane, si aɖɔ li ɖaseɖiɖi, si womekpɔ tso Biblia me o la. Eva me le ƒe alafa wuievelia ƒe nuwuwu godzi be kwasiɖagbe subɔsubɔ fiala gãa ɖe ɖi tsa yi Aŋlisi-blɔtsi hamewo me. Ke Nyateƒea ƒe ɖaseɖilawo mexɔ eƒe nufiafiawo kura o. Esi eƒe agbagbadzedzeawo katã zu dzodzro la, ele nɛ be woado go le dua me ɣeyiɣia ɖe, ayi ɖa di mɔnu, si wòato até eƒe nufiafiawo ɖe amewo dzi. (662) Azɔ eke ɖe nusi hiãe la ŋuti, eye esi wòtrɔ yi la, ekpɔ dziɖuɖu geɖe le eƒe dɔ la me. Etrɔ yi kple agbalẽ ŋɔŋlɔa ɖe, si wòbe Mawu ŋutɔ gbɔ wòtso, si dzi woŋlɔ̃ se, si ku ɖe subɔsubɔ le kwasiɖagbe ŋu la le, kple nyanyanana dziŋɔ̃ na tomaɖolawo. Agbalẽ xatsa sia, si nye ŋumakpẽ ƒe aʋatso nyakpakpa le megbe na alakpada-hamea la, nye nane, si wobe ege tso dziƒo dze Simeon kɔkɔe ƒe vɔsamlekpui dzi le Golgota le Yerusalem. Evɔ le nyateƒe me la, Roma hamea ƒe fiasã gã mee nye agbalẽ sia ƒe dzɔtsoƒe. Míanyae ko be le dzidzimewo katã me la, Roma ƒe tatɔwo mebui be aʋatso, siwo katã woaka, kple alakpa nuwɔwɔ, siwo katã woakpa, na hamea ƒe ŋusẽ kple hotsui kpɔkpɔ la, nye sedzidada o. UGL 545.3

Agbalẽ xatsa sia de se be womagawɔ dɔ tso memleɖa ɣetrɔ ga etɔ̃ vaseɖe dzoɖa ne agu dze la o; eye wogblɔ be nukunu geɖewoe ɖo kpe agbalẽ la ƒe ŋusẽ dzi. Wona wonya be amea ɖewo, siwo nɔa dɔ wɔm ge ɖe gaƒoƒo mawo me la, xɔ lãmetutudɔ. Mɔtetulaa ɖe, si be yeatu bli la, kpɔ ʋu le dodom le mɔte la me le wɔ teƒe, eye mɔte la ƒe ga-kotoklo, si nɔ totrom la tɔ te kaŋ, to gbɔ be tsi, si nɔa etrom la ganɔ tsatsram sesie hã. Wobe nyɔnua ɖe, si le abolo mem la, kpɔ be amɔwɔ la gale mumu nenema kpoo, esi woɖee do go tso abolo-kpo, si xɔ dzo ŋutɔ la me. Ke wobe nyɔnu bubu, si nya amɔwɔ be yeaƒo abolo, gake wòɖo be yeaɖe asi le eŋu hena dzoɖa ŋdi, elabena eƒo memleɖa ga etɔ̃ la, ekpɔ be esi ŋu ke la, amɔwɔ la ŋutɔ trɔ zu abolo ƒoƒo, siwo bi keŋkeŋ le mawu ƒe ŋusẽ nu. Ŋutsua ɖe, si ƒo abolo de kpo me, esi wòƒo memleɖa ga etɔ̃ vɔ la, kpɔ le ŋufɔke, esi wòʋu kpo la, be ʋu koe le dodom tso kpo la me. Nya fuflu, alakpanya siawo tɔgbi ŋuti dɔ kwasiɖagbe-subɔsubɔ taʋlilawo wɔ, le woƒe agbagbadzedze na ŋkeke sia ƒe kɔkɔenyenye ɖoɖo anyi me. (Miakpɔ Roger de Hoveden ƒe agbalẽ: Annals, vol. 2, pp. 526-530) UGL 546.1

Le Skotland abe England ke ene la, nusi wowɔ, ale be amewo nate ŋu atsɔ asixɔxɔa ɖe na kwasiɖagbe lae nye be wotsɔ blema Sabat la ƒe akpaa ɖe ta ɖe eŋuti. Ke vovototo nɔ gaƒoƒo, siwo woawɔ kɔkɔe la me. Skotland du-fia ƒe sededea ɖe gblɔ be gaƒoƒo kɔkɔeawo dze egɔme tso memleɖa ŋdɔ ga wuieve, eye bena amea ɖeke magawɔ xexeme ƒe asitsadɔa ɖeke tso ɣemaɣi vaseɖe dzoɖa ŋdi o. (— Morer, p. 290, 291) UGL 547.1

To gbɔ be wowɔ ŋutetewo katã na kwasiɖa ŋkekea wɔwɔ kɔkɔe hã la, papayomedzelawo ŋutɔ ʋu eme le dutoƒo bena Mawu ŋutɔ ye ɖo Sabat anyi, eye bena ŋkeke, si wotsɔ le eteƒe ɖom la, tso amegbetɔ gbɔ. Le ƒe alafa wuiadẽlia me la, Papa ƒe takpekpe gãa ɖe gblɔ, eme kɔ nyuie be: “Ele be kristotɔwo katã naɖo ŋui be Mawu wɔ ŋkeke adrẽlia kɔkɔe, eye bena menye Yudaviwo koe xɔe hewɔ edzi o, ke boŋ amesiwo katã be yewole Mawu subɔm lae; gake mía kristotɔwo míetrɔ woƒe Sabat la hewɔ aƒetɔ ƒe ŋkeke la.” —Ibid. p. 281, 282.- Amesiwo le asi trɔm le Mawu ƒe Sea ŋuti la meŋlɔ̃ nusi nye woƒe dɔwɔna la be o. Wonya kɔtee hafi le woɖokui dam ɖe Mawu ta me. UGL 547.2

Nusi Roma ɖo ɖe amesiwo mewɔ ɖeka kple eƒe ɖoɖowo o ŋuti la, ƒe kpɔɖeŋu gã ɖekae nye ʋukɔkɔɖi ƒe yometiti dziŋɔ, si ƒo ɖe Vaud nutometɔ, siwo dometɔa ɖewo nye Sabat dziwɔlawo la dzi. Ame bubuwo hã to fukpekpe mawo ke me le woƒe nuteƒewɔwɔ ku ɖe Se enelia ( Sabat ƒe Se la ) ta. Etiopia kple Abisinia hameawo ƒe ŋutinya ɖe esia fia tɔxɛ. Le viviti ɣeyiɣiwo ƒe ŋkeke vɔɖiawo me la, xexeame ƒe ŋkuwo menɔ Titina Afrika ƒe kristotɔwo dzi o, ke woŋlɔ̃ wo be, eye wokpɔ mɔ lé woƒe xɔse me ɖe asi le ablɔɖe me, le ƒe alafawo me. Mlɔeba, Roma va ke ɖe kristotɔ siawo ŋuti eye wòbia tso Abisinia ƒe fia la gbɔ be wòaxɔ Papa abe Kristo teƒenɔla ene. Nu bubuwo gakplɔ esia ɖo. Wode se be amea ɖeke magawɔ ɖe Sabat dzi azɔ o; tohehe sesẽwo ayi na se sia dzidalawo. (Miakpɔ Michael Geddes ƒe agbalẽ: Church History of Ethiopia, pp 311, 312 .-) Ke Papa ƒe ameteteɖeto va sesẽ ale gbegbe be Abisiniatɔwo ɖo vevie be yewoado go tso kɔkuti sia te. Le ʋiʋli sesẽwo megbe la, wonya Romatɔwo do go tso woƒe fiaɖuƒea me, eye wogatrɔ woƒe tsã xɔse la ɖo anyi. Hameawo kpɔ dzidzɔ geɖe le ablɔɖe, si wotrɔ kpɔ la ta, eye wosrɔ̃ nu sɔgbɔ ku ɖe Roma ƒe amebeble, wɔwuiwɔwɔ kple ameteteɖeto ƒe ŋusẽwo ŋuti. Wolɔ, eye wotia be le yewo ƒe dukɔa ƒe ɖeɖeɖaga me la, kristotɔ-dukɔ mamleawo naŋlɔ̃ yewo be faa. UGL 547.3

Afrika ƒe hameawo wɔna ɖe Sabat la dzi abe alesi Papa hamea wɔnae tsã hafi va ge ɖe megbedede blibo me la ene. Wolé ŋkeke adrẽlia ƒe dzudzɔgbe la ɖe asi, le toɖoɖo Mawu ƒe Se enelia me, gake wogakplɔna hamea ƒe dɔmawɔ le kwasiɖagbe ƒe numame wɔwɔ hã ɖo. Azɔ, esi ŋusẽ blibo va su Roma si la, etu afɔ Mawu ƒe Sabat la dzi, eye wòdo eya ŋutɔ ƒe ŋkeke la ɖe dzi; gake Afrika hameawo, siwo ɣla ɖe xexeame ƒe ŋkuwo le ƒe akpe ɖeka sɔŋ me la, mege ɖe megbedede sia me o. Ke esi wova ge ɖe Roma ƒe ŋusẽ te la, wote ɖe wo dzi be woaɖe asi le Sabat vavã la ŋuti, eye woado alakpa ŋkeke la ɖe dzi. Gake kasia wokpɔ ablɔɖe la, wotrɔ yi ɖe Se enelia ƒe Sabat la dzi wɔwɔ dzi. Ŋutinya siawo ƒe ŋɔŋlɔɖi ɖe Roma ƒe fuléle Sabat vavã kple etaʋlilawo fia, kple mɔ, siwo katã wòtona na bubu dede eya ŋutɔ ƒe ŋkeke tiatia la ŋuti. Mawu ƒe Nya la le mía fiam be nudzɔdzɔ siawo gale ŋgɔ gbɔna, nenye be Katoliko kple Nyanyui-hameawo wɔ ɖeka hena kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔwɔwɔ la dodo ɖe dzi. UGL 548.1

Nyaɖeɖefia ta 13 lia ƒe nyagblɔɖi le gbɔgblɔm be ŋusẽa ɖe, si wode dzesi abe “lã, si to dzo eve abe alẽvi tɔ ene” la, awɔ be anyigba la kple amesiwo le edzi la, woasubɔ papadziɖuɖua, si wodo dzesi abe lãa ɖe, si le abe lãklẽ ene la”. Lã, si dzo eve li na la agagblɔ na anyigbadzinɔlawo be woawɔ legba ɖe lã la ƒe nɔnɔme me, eye wòagayi edzi ana bena “woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo..” ( Nyaɖ. 13:11-16 ) Woɖee fia be Amerika ye nye ŋusẽ, si wode dzesi abe lã, si to dzo eve abe alẽvi tɔ ene la, eye bena nyagblɔɖi sia ava me le esime Amerika dziɖuɖua awɔ se hena kwasiɖagbe-subɔsubɔ, si Roma gblɔ be enye yeƒe gãnyenye ƒe dzesi tɔxɛ la. Gake menye Amerika ɖekae ade bubu sia papadziɖuɖua ŋuti o. Roma ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe du siwo katã xɔ eƒe amedziɖuɖu tsã la nu metsi o. Nyagblɔɖi la na míenya be agatrɔ kpɔ ŋusẽ sia keŋkeŋ. Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la nɛ wòku; eye xexeame katã ƒe mo yaa le lã la yome.” ( Nyaɖ.13:3 ) Kubi, si wòxɔ la, enye papadziɖuɖua ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 1798 me. Nyagblɔɖila la gblɔ be le eyome la “wowɔ kubi la nɛ wòku, eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome.” Paulo na míenya be “nuvɔme” la ayi eƒe wɔnawo dzi vaseɖe Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔva ŋkeke la dzi. ( Tesa.II, 2:3-8 ) Anɔ eƒe beble-dɔ la dzi yi ɖe ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu ke. Nyaɖeɖefia ŋlɔla gblɔ nya sia tso Papa ŋuti be: “anyigbadzinɔlawo katã asubɔe.” ( Nyaɖ. 13:8 ). Le xexeme xoxoa (Europa) kple xexeme yeayea (Amerika) me la, papadziɖuɖua axɔ bubudeameŋu to kwasiɖagbe-subɔsubɔ, si nɔ anyi ɖe eƒe gãnyenye ɖeɖe ko dzi la, dziwɔwɔ me. UGL 548.2

Le ƒe alafa wuiasieke lia ƒe mamã me la, amesiwo nɔ nyagblɔɖiawo me dzrom le Amerika la wɔ ɖaseɖiɖi sia na xexeame be nusiwo le eme vam le Amerika fifia kaba kaba la ɖo ta nusi wogblɔ ɖi la ƒe nuwuwu gbɔ. Nyanyui-hamea ƒe nufialawo hã le nu ƒom tso kwasiɖagbe-subɔsubɔ ŋuti abe Mawu gbɔ wòtso ene, togbɔ be menɔ anyi ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖaseɖiɖia ɖeke dzi o hã, abe alesi ko Roma ƒe kplɔlawo wɔ tsã ene, eye wokpana nukunuwo ɖe Mawu ƒe ɖoɖo teƒe la. Woawo hã anɔ gbɔgblɔm edziedzi be Mawu ahe to na amesiwo mawɔ ɖe kwasiɖa ŋkeke la dzi o la vevie. Fifilae la, wole nu xlɔm amewo be woawɔ ɖe kwasiɖagbe dzi. Ɖoɖowɔwɔ na kwasiɖagbe- subɔsubɔ téte ɖe amewo dzi le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi. UGL 549.1

Roma hamea ƒe ayedzedze wɔ nuku. Ekpɔa nu do ŋgɔ xoxo hafi wòvadzɔna. Ele dzi gbɔm ɖi blewu, esi wònya be Protestantetɔwo le bubu tsɔm na ye to alakpa sabat la lelé ɖe asi me, eye wole dzadzram ɖo na etéte ɖe amewo dzi to mɔ, siwo katã Roma ŋutɔ to tsã le blema la, dzi. Amesiwo gbe nu le Nyateƒea ƒe kekeli gbɔ la adi kpekpeɖeŋu tso ŋusẽ, si yɔ eɖokui be vomadala la, gbɔ na eƒe nuɖoanyi, si nye kwasiɖagbe-subɔsubɔ la dodo ɖe dzi. Ele bɔbɔe be Roma natso kpla na kpeɖeŋu sia nana Protestantetɔwo le go sia me. Amekae aganyae wú Roma kplɔlawo nusi wowɔna na amesiwo gbea toɖoɖo hame la? UGL 549.2

Roma hamea kple eƒe alɔdze geɖeawo le xexeame la nye ƒuƒoƒo gãa ɖe, si Papa kple eƒe aƒe la nye tatɔ na, eye wòsubɔna. Eƒe hamevi miliɔnmiliɔn le du vovovowo me le xexeame godoo la, xɔ tutuɖo, si fia wo be woakpɔ wo ɖokui abe amesiwo bla nu kple Papa ene. Alekeake anye woƒe dumevinyenye alo dziɖuɖue la, ele na wo be woakpɔ be papahamea ƒe ŋusẽ ƒo ta na dziɖuɖuwo katã. (566) To gbɔ be woate ŋu afìa toɖoɖo ƒe adzɔgbe na wode-du hã la, woƒe nuteƒewɔwɔ ayi na Roma gbã, eye wokpɔ mɔ aɖe asi le woƒe dɔdasi na wode-du la ŋuti, nenye be mewɔ ɖeka kple Roma ƒe gomekpɔkpɔ o la. UGL 550.1

Nyanyui-hametɔwo menya nusi tutu wɔm wole, esi wole susu ɖem be yewoaxɔ kpekpeɖeŋu tso Roma gbɔ na kwasiɖagbe- subɔsubɔ la dodo ɖe dzi o. Le esime woƒe susuwo katã ku ɖe ɖoɖo sia ŋuti la, Roma ya le dɔ dzi vevie na eƒe gãnyenye ŋusẽ, si wòbu tsã la kpɔkpɔ. Ŋutinyawo ɖi ɖase tso alesi wòte ŋu dzena agbagba gena ɖe dukɔwo ƒe dunya me, hedia mɔnu na eƒe tameɖoɖowo wɔwɔ, ne ehiã be wòamu fia aɖe ƒu anyi alo atsrɔ̃ dukɔ la ŋutɔ gɔ̃ hã. Le ƒe 1204 me Papa Innocent III na Aragona ƒe fia Petro II, fia adzɔgbe sia na eyama be: “Nye Petro II, Aragonatɔwo ƒe fia, mele eme ʋum, eye mele adzɔgbe fiam be manye nuteƒewɔla ɣesiaɣi, aɖo to nye aƒetɔ Papa Innocent kple eƒe katoliko yomedzelawo kple Roma hame la, eye bena malé nye fiaɖuƒe la ƒe toɖoɖo me ɖe asi, aʋli katoliko xɔse la ta, ati xɔsedadatɔwo yome ɖaa.”- John Dowling, The History of Romanism, b 5, ch. 6, sec. 55 -. Nusiawo katã wɔ ɖeka kple Roma ƒe nya, si wògblɔna be Papa kpɔ ŋusẽ aɖe fiawo le zi dzi, ade se na dumeviwo be womegawɔ nuteƒe na dziɖula madzɔmadzɔwo o la. —Mosheim, b. 3, cent 11 pt. 2 h. 2, sec. 9, note 17. UGL 550.2

Míaɖo ŋku edzi hã be Papa-dziɖuɖua gblɔna kple dada be yemetrɔna gbeɖe o. Gregorio VII kple Innocent III ƒe ɖoɖowo koe ganye Katoliko ha la ƒe ɖoɖowo egbea. Ne ɖee ŋusẽ su esi la, agatsɔ wo de dɔwɔwɔ me kple ŋusẽ abe le ƒe alafa, siwo va yi me la ene. Esu ko be gbeɖeka, ɖoɖoa ɖe naɖe mɔ le Amerika be hame la nate ŋu awɔ dziɖuɖua ƒe ŋusẽ ŋuti dɔ, alo be hame la nakpɔ ŋusẽ ɖe dziɖuɖua dzi, ne míakpɔ enumake be hamea ƒe ɖoɖowo atrɔ zu du-se; kpuie ko la, hamea kple dziɖuɖua awɔ ɖeka até ɖe dzitsinyawo dzi, ale be Roma ƒe dziɖuɖu la nade blibo kple kakaɖedzi. UGL 550.3

Mawu ƒe Nya la na míenya xoxo be afɔkua ɖe le ŋgɔ na mí; ne Protestante dukɔ la metsɔ ɖeke le toklãnya sia me o la, ake ɖe nusi nye Roma ƒe tameɖoɖo vavãwo la ŋuti; ke nublanuitɔe la, game maganɔ anyi na sisi le mɔtetre la nu o. Eƒe ŋusẽ le tsitsim ɖe dzi le adzame. Eƒe nufiafiawo le ŋusẽ kpɔm ɖe sewɔƒemetɔwo dzi, le hamewo me kple amewo ƒe dzi me. Blewu blewu, wole xɔ gãwo tutu dzi ; xɔ, siwo ƒe gogloƒe, siwo me tsã ƒe yometiti ƒe fuwɔame dziŋɔwo agakpɔ emevava le. Ɖɔɖɔɖɔ, le amewo ƒe manyamanya me, ele eƒe ŋusẽwo nu ƒom ƒu ɖo ta eƒe tameɖoɖowo gbɔ vaseɖe esime gaƒoƒo la nade be wòaho aʋa la. Nusi ko lalam wòle lae nye asinukpɔkpɔ, si dim wòle la. Ele kekem ɖe eŋuti hã vɔ. Kpuie la, míase, eye míakpɔ nusi nye Roma la. Amesi ko axɔ Mawu ƒe Nya la dzi ase, eye wòaɖo toe la, akpɔ fɔbubu kple yometiti. UGL 551.1

-------