Go to full page →

8—LUTHER LE WORMS ƑE ƲƆNUDRƆ̃ƑE UGL 122

Fiagã yeye, Karlos V, xɔ fiazi le Germania-du la me, eye Roma ƒe amedɔdɔwo ɖe abla ɖe woƒe kafukafu kple dzidzɔ na eyama, eye wobia tso fia yeye la si be wòatsi tre kple ŋusẽ ɖe Reformatio la ŋuti. Le go bubu me, Saxoni nutome-dzikpɔla, si kpe ɖe eŋu wòxɔ fiakuku la hã, ɖe kuku nɛ be megawɔ naneke tsi tre ɖe Luther ŋu do ŋgɔ na gododo kple eyama na eƒe nya sese o. Fiagã la tɔtɔ le eɖokui me. Papa kple eƒe ŋutimewo mele naneke biam wú be Fiagã la natso kufia na Luther o. Nutome- dzikpɔla la té gbe ɖe dzi le eƒe agbalẽa me na Fiagã la be eyama ŋutɔ, alo ame bubua ɖeke meɖee fia Ɖɔɖɔɖowɔla la be vodada le eƒe nuŋɔŋlɔawo ŋu o. Eyata, ele be woana ametakpɔgbalẽ Martin Luther ne wòayi aɖaʋli eɖokui ta le ʋɔnudrɔla nunyala kple, ameŋkumemakpɔlawo ŋgɔ. - D’Aubigné , liv. 6, ch. 11. UGL 122.1

Ke amesiame fɔ ŋku ɖe fiaɖuƒea ƒe takpekpe gã, si woyɔ le Worms le Fiagã ƒe zikpui xɔxɔ megbe la dzi. Dunya veviewo ŋu takpekpe la le nu ƒo ge le. Gake edzé ƒã be Wittemberg ƒe nunɔla Luther ƒe nya la ƒo wo katã ta. UGL 122.2

Fiagã Karlos bia tso Nutomedzikpɔla sí be wòakplɔ Luther va Worms ʋɔnudrɔƒe la, kple kakaɖedzi be woakpɔ eta le hlɔmewo ŋuti, ale be wòava ʋli eɖokui ta ku ɖe eƒe nufiafia, siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la ŋuti. Luther di vevie be yeava Fiagã la ƒe ŋku me. (134) Ke lãme gblẽe vevie. Gake eŋlɔ̃ ɖo ɖe Nutomedzikpɔla la be: Ne nyemate ŋu ayi Worms le lãmesẽ me o hã, mana woakplɔm vɛ kple nye lãmegbegblẽ la, elabena ne Fiagã la yɔm la, ɖikeke mele eŋu o be Mawu ƒe kpekpe ye. Nenye vɔ̃ woɖo ɖe ŋunye, si ate ŋu nye nyateƒe la, eye menye ɖe wole kpeyem be yewoagase nu yeyea ɖe tso gbɔnye o la, ke tɔnye koe nye be magblẽ nya sia ɖe Mawu ƒe asi me. Egale agbe le fia ɖum, eya amesi kpɔ Israelvi etɔawo ta le kpodzo bibi la me. Ne medi be yeakpɔ ta nye o hã, nye agbe la menye naneke o. Míakpɔ egbɔ ko be Nyanyui la megaɖi nukokui na vɔwɔlawo o; ke míakɔ míaƒe ʋu ɖi faa le etaʋiʋli me, tsɔ wú be míakpɔ wo woanɔ dzi ɖum. Amekae ate ŋu anya, ne nye agbe, alo nye ku ye lakpe ɖe nɔvinyewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu? «Mikpɔ mɔ na nusianu tso gbɔnye, ke manye sisí loo, alo tɔtrɔ le nye nyawo yome o. Nyemasi o, eye nyematrɔ hã le nye nyawo yome o.- Ibid. liv.7, ch.1.- UGL 122.3

Esi amewo see le Worms be Luther gbɔna ɖe ʋɔnudrɔƒea la, ʋunyaʋunya gãa ɖe xɔ dua me. Aleandro, Papa teƒenɔla, tsi dzodzodzoe, eye wòkpɔ dziku ŋutɔ. Ekpɔ be eƒe vava madé Papa ƒe akpa dzi kura o. Ne nya, si ŋu Papa tso nyame le be woaɖe amea ɖe le hamea me vɔ, ye woaga tsɔ nya ma ke va ʋɔnui la, mefia bubudede eƒe dziɖuɖua ŋu kura o. Ga wu la, Roma teƒenɔla la le vɔvɔm be Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe nyameɖeɖe, si ŋu ŋusẽ le la, ana fiavi geɖewo atrɔ le Papa yome. Eyata wòhe nya ɖe Fiagã la ŋu sesiẽ ɖe Luther ƒe Worms vava ŋuti. Ena toklã Fia la, ɖe kuku nɛ, do vɔvɔ̃ nɛ, té ɖe edzi vaseɖe esime du-Fia la lɔ̃ ŋlɔ̃ agbalẽ ɖo ɖe Nutomedzikpɔla la be ne Luther melɔ̃ trɔ le eƒe nyawo yome o la, ekem netsi Wittemberg. UGL 123.1

Ke dziɖuɖu sia mesu na Aleandro o. Egawɔ ŋutete, siwo katã wòate ŋui, eƒe nu-nyaƒoƒo, nusi ko woàwɔ agblẽ Luther le fiaviwo ƒe ŋkume la, ŋu dɔ. Ewɔ esia kple kutrikuku, kple ŋusẽ, eye wòƒo nu na nunɔlawo kple ame bubuwo le ƒuƒoƒo gã la me, hetsɔ nya ɖe Ɖɔɖɔɖowɔla la ŋu be enye tsigɔme blula, aglãdzela, amemakɔmakɔ kple busunyagblɔla. (135) Dzoxɔxɔ sesẽ, si wòtsɔ le nya siawo katã gblɔm la, ɖee fia kɔte be fuléame kple hlɔbiabia ƒe dzo ye le etutum, ke menye dzo na Mawu subɔsubɔ ƒe nyawo o.-Ibid., liv. 7, ch. 1.-Luther ƒe fɔmaɖi la dze ƒã le takpekpe la katã ƒe ŋkume. UGL 123.2

Aleandro gatsɔ dzo yeye le tetém ɖe Fiagã la dzi be wòawɔ ɖe yeƒe biabiawo dzi. Ɖeɖi va te Fia Karlos ŋu le nuwuwua, eye wòɖe mɔ na Papa teƒenɔla la be wòatsɔ eƒe nya la va ʋɔnudrɔƒe lae. Amesi agate ŋu ʋli Roma ta le nunya kple nuƒoƒo me wú Aleandro la meli o. Eyata, Luther ƒe xɔlɔwo le dzimaɖeɖia ɖe me, esi wole teƒenɔla ƒe nuƒoƒo kple emetsonuwo lalam. UGL 123.3

Ɖoɖui gãa ɖe zi le amehawo nu esime Kardinal la ge ɖe ʋɔnua le atsyɔ̃ kple gãnyenye me. Geɖewoe nye amesiwo ɖo ŋku mía Ɖela ƒe gbemagbe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la dzi, esi Hana kple Kayafa tsi tre ɖe Pilato ƒe ŋku me le ebiam be wòatso kufia na Kristo la. UGL 123.4

Aleandro wɔ eƒe nunya kple nuƒoƒo ƒe aɖaŋu ŋuti dɔ hetsi tre ɖe Nyateƒe la ŋu. Etsɔ nya enuenu ɖe Luther ŋu gblɔ be eyama nye futɔ na hamea, dukɔa, agbagbeawo, kukuawo, nunɔlawo kple hameviwo, kplɔlawo ƒe ƒuƒoƒowo kple kristotɔwo katã. Ebe nudada, siwo le Luther ƒe nuŋɔŋlɔwo me la, su ne woana woatɔ dzo xɔsedadatɔ akpe alafa ɖeka gɔ̃ hã le ati ŋu. Le nuwuwu la, eɖe eƒe fulelé na amesiwo katã wɔ ɖeka kple eƒe xɔse yeye la: “Ameka ƒomeviwoe nye amesiawo o? Numanɔsitɔwo ƒe ƒuƒoƒo, nunɔla gbegblẽwo, makɔmakɔnyenye ƒe nunɔla, siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga, ʋɔnudrɔla abunɛtɔwo, ameŋkuta gegeme, siwo wɔ ɖeka kple kɔdzɔkpli, siwo wokplɔ tra mɔ la. Ɖe katoliko hamea melolo wú wo le xexlẽ me, nunya kple ŋusẽ me oa! Ne ƒuƒoƒo sia, si ŋu bubu gãa ɖe le, wɔ ɖeka, ɖo kpe woƒe tohehe dzi la, anye nusi aʋu ŋku na tamemabulawo, amesiwo gale ɖi kem, amesiwo menya afɔ, si woaɖe o kple vɔvɔnɔtɔwo siaa. - D’Aubigné , liv. 7, ch. 3.- UGL 124.1

Nya siawo tɔgbi woenye aʋawɔnu, siwo wotsɔ tsia tre ɖe Nyateƒea taʋlilawo ŋu le ɣeyiɣiwo katã me. Eya ke ŋu dɔ wɔm wole egbea ɖe amesiwo di be yewoaɖe Mawunya ƒe nufiafia, siwo me kɔ nyuie la, fia le tsã ƒe nu dada, siwo gale eme vam egbea la, ƒe ŋku me. Amesiwo lé hahoa ƒe alakpasubɔsubɔ ɖe asi la do ɣli be : Afika nu yeye fiala mawo tso? Abunɛtɔwo wonye, womede ha hã o, eye ahedalawo wonye. Gake wobe yewoe nye Mawu ƒe ame tiatia, siwo si Nyateƒe la le. Ɖe míaƒe hamea melolo, kpɔ ŋusẽ wú wotɔ oa? Amegãmegãwo kple agbalẽnyalawo sɔ gbɔ le mía me fũ. Ŋusẽ le mía si wú. Nyameɖeɖe siawo wɔa dɔ ɖe xexeame dzi. Gake abe alesi wònɔ le Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe ɣeyiɣi me ene la, woƒe nyaŋuɖoɖo la menye nyuitɔ egbea hã o, eye meyina ŋgɔ ɖaa o. UGL 124.2

Nenemae, le ame geɖewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, Reformatio la mewu nu kple Luther o. Ele be wòayi edzi, yi ɖe xexe sia ƒe ŋutinya ƒe nuwuwu ke. Dɔdasi gãa ɖe ye nɔ Luther si le ŋkeke mawo me; yee nye be wòamã kekeli, si Mawu klẽ ɖe eyama dzi la kple xexeame. Gake menye kekeli la katã wòxɔ o. Tso eŋɔli me keke va kɔ ɖe egbe ŋkekeawo me la, kekeli yeye medzudzɔ keklẽ ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, eye míegale kekem ɖe Nyateƒe yeyewo ŋu. UGL 124.3

Papa ƒe amedɔdɔ la ƒe nuƒo wɔ dɔ ɖe ʋɔnudrɔƒea katã dzi ŋutɔ. Amea ɖeke mele ƒuƒoƒoa me abe Luther ene, si ate ŋu aɖu Kardinal la dzi kple Mawunya ƒe Nyateƒe, siwo me kɔ nyuie la o. Amea ɖeke metsi tre be yeaʋli Reformatio la ta o. Ke ameha ƒe susu koe nye be ele be woaho Luther ƒe nu dada fiafia la kple eƒe kẽa ɖa le fiaɖuƒe la me. Wona mɔnu Roma be woaʋli eƒe nya la ta. Ke eƒe nuƒola gãtɔ kekeake ƒo nu, eye nusi ko wòagblɔ la, egblɔe kple ŋusẽ. Gake nusi dzé abe eƒe dziɖuɖu ene la, ganye dzesi na eƒe gege. Ele be vovototo, si le Nyateƒe kple alakpa dome la nadze gãa le akpa eveawo ƒe gododo me. Tso gaƒoƒo mawo dzi la, Roma ƒe dedienɔnɔ maganɔ abe alesi wònɔ tsã la ene o. UGL 125.1

Anyinɔƒea ƒe akpa gãtɔ le klalo atsɔ Luther sa vɔ na Papa ƒe biabiawo; gake amea ɖewo hã le teƒe ma, siwo kpɔ gbegblẽ deto, si me hamea katã nyrɔ̃ ɖo, eye wodi vevie be numadzɔmadzɔ, siwo katã le Germania dua dzi vam to Roma ƒe gbegblẽawo me la, naɖe ɖa. Papa teƒenɔla ƒe nya nye nusi dé Roma dzi, elabe egblɔ nu nyuiwo tso eŋu. Ke Mawu tsɔ nya dé anyinɔƒea dometɔ ɖeka ƒe dzi me be wòaɖe Papawo ƒe ametéɖeto dziɖuɖua ƒe wɔnawo ɖe go. Bubu-me, Duc Georges tso Saxoni, tsi tre le fiaviwo ƒe ƒuƒoƒo la me, eye wògblɔ nusiwo nye Papa-dziɖuɖua ƒe aʋatsokakawo, ŋunyɔnuwo kple wometsonu dziŋɔwo fia. Ewu eƒe nya la nu be: “Esiawoe nye nu-wɔgbɔeme ƒe wɔna, siwo le ɣli dom tsi tre ɖe Roma ŋu la, ƒe ɖewo ko. Woɖe ŋukpẽ ƒu gbe, eye wɔnawo katã nye gadidi, ga, ga ƒe nya ko! ale be gbeƒãɖela, siwo dze be woaɖe Nyateƒe la fia la, lé aʋatso ɖe nu; menye ɖe ko wole mɔ ɖem na wo o, ke boŋ wole ŋusẽ dom wo hã, elabe zi alesi alakpa nu le sesẽm la, nenema ke ye ga hã le vavam na woe. Vudo dze-adrũ ma mee tsi ʋeʋẽwo le go dom tso. Agbe vlo na asi ŋukeklẽ. Nublanuinya! Nunɔlawo ƒe gbegblẽe he luʋɔ dahe geɖewo de tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. Ehiã vevie be ɖɔɖɔɖo detoa ɖe nava.” Ibid., liv.7, ch. 4.- UGL 125.2

Luther ŋutɔ gɔ̃ hã mate ŋu ƒo nu kple ŋusẽ ma tɔgbi, ɖe Papadziɖuɖua ŋu o. Nusi na eƒe nya gawɔ dɔ sɔgbɔ ɖe ƒuƒoƒoa dzi enye be Duc Georges nye Ɖɔɖɔɖowɔla la ƒe futɔ vevietɔwo dometɔ ɖeka. UGL 126.1

Nenye ɖe ŋku aʋu na ƒuƒoƒea me nɔlawo la, anye ne woakpɔ be Mawu ƒe dɔlawo le kekeli ƒe alɔdzewo hlẽm ɖe aʋatso ƒe blukɔ, si tsyɔ̃ wo dzi la me, eye wole woƒe susuwo kple dziwo ʋum na Nyateƒe la xɔxɔ. Nyateƒe kple Nunya-Mawu la ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖo asi Reformatio ƒe futɔwo dzi, hele mɔ tam na dɔ gã, si le ŋgɔgbe gbɔna la. Martin Luther mele ʋɔnudrɔƒea ɣemaɣi o, gake amea ɖe, si kɔkɔ wú eyama la ƒe gbe ƒo nu na ƒuƒoƒo la. Ke anyinɔƒea bia be woakplɔ Ɖɔɖɔɖowɔla la vɛ. To gbɔ be Aleandro melɔ̃ ɖe edzi o, eye wòdo vɔvɔ̃ na wo hã la, Fiagã la lɔ̃ mlɔeba be woayɔ Luther va ʋɔnudrɔƒe la. Wotsɔ Fia la ƒe ametakpɔgbalẽ kpe ɖe yɔyɔ la ŋu, ale be wòava aga trɔ dzo dedie. Ke amedɔdɔa ɖe dze mɔ tso Worms ɖo ta Wittemberg kple agbalẽawo hena Luther kpɔkplɔ va ʋɔnui. UGL 126.2

Esi exɔlɔwo se nya sia la, vɔvɔ̃ gãa ɖe dze wo dzi. Wonya alesi womedi be wòava hafi o kple alesi wolé fui ɖo, eyata woɖe kuku nɛ be wòagade eƒe agbe ku me o. Gake eya ɖo eŋu na wo be: «Papa ƒe amewo medi nye Worms vava o, ke kufia tsotso nam ko. Mido gbe ɖa, menye ɖe ta nye o, ke ɖe Mawu ƒe Nya la ta. [...] Kristo anam ŋusẽ maɖu Satana ƒe nunɔla mawo dzi. Metsri woƒe nya gbɔ le nye agbe me, eye maɖu wo dzi to nye ku me. Wole nusianu wɔm le Worms ne woaté ɖe dzi nye be matrɔ le nye nyawo yome. Tsã la, megblɔ be Papa nye Kristo teƒenɔla; ke fifia la mele gbɔgblɔm be enye Aƒetɔ la ƒe futɔ kple abosam ƒe apostolo. -Ibid., liv. 7, ch. 6.- UGL 126.3

Mele be Luther ɖeka nazɔ ku-mɔzɔzɔ sia o. Kpe ɖe Fiagã la ƒe amedɔdɔa ŋu la, Luther xɔlɔ̃ nuteƒewɔla etɔwo ɖoe be yewoakplɔe ɖo. Sukukɔkɔdelawo kple dumevi, siwo ŋu xexlẽme mele o, siwo Mawunya xɔ asi na vevie la, va do hedenyui nɛ kple aɖatsi. Eyome Ɖɔɖɔɖowɔla kple eƒe mɔzɔhɛwo dze mɔ tso Wittemberg. UGL 126.4

Le woƒe mɔzɔzɔ me la, wode dzesii be amewo le vɔvɔm ɖe enu geɖe. Le dua ɖewo, siwo me woto la, womewɔ bubudeameŋu ƒe dzesia ɖeke ɖe eŋu o. Ke le Nuremberg dua me la, nunɔlaa ɖe te ɖe eŋu, eye wòtsɔ Italia ƒe Ɖɔɖɔɖowɔla, Savonarole, si wowu ɖe Nyateƒea ta la, ƒe nɔnɔmetata fia eyama, nyaa ɖeke magblɔ. Luther se wɔna sia ƒe toklãnu, si wònye nɛ la gɔme nyuie, gake meʋuʋu le eɖokui me o. Esi ŋu ke la, wose tso Worms be wobu fɔ eƒe nuŋɔŋlɔwo katã. Fiagã ƒe amedɔdɔwo ɖe gbeƒã eƒe sedede la, hele biabiam be amesiame, si sí Luther ƒe agbalẽ, siwo ŋu wode se ɖo le la, natsɔ wo va na sewɔlawo. Fia ƒe amedɔdɔ, si le mɔ zɔm kplii la, vɔ̃ ɖe enu, eye wòbiae be aga yi ɖe mɔzɔzɔa dzi mahã? Eɖo eŋu be yele edzi yi ge, ne woade se ɖe ye nu le duwo katã me hã. -Ibid., liv. 7, ch. 7.- UGL 126.5

Le eƒe Erfurt ɖoɖo me la, woxɔe kple bubu gãa ɖe. Ameha gãa ɖe ƒo xlã eyama, kplɔe ge ɖe du, si me wòbia nu ɖu le, zi geɖe, le eƒe sɔhɛ ƒewo me la. Woɖe kuku nɛ be wòagblɔ Mawunya na yewo, to gbɔ be wode se nɛ hã. Esi Fia ƒe amedɔdɔ, si le ekplɔm la, ɖe mɔ nɛ la, eyi ɖe nyagblɔtia dzi le gbedoxɔ, si ƒe ʋɔtruwo wòʋuna hekplɔna eme tsã la me. Luther ƒo nu na ameha, si ke to kple movevieɖoɖo. Emã agbe-bolo la na luʋɔ, siwo dɔ le wuwum la. Eɖe Kristo fia wo abe amesi ƒo ta na Papawo, hame-megãwo, kple fiawo la ene. Ke megblɔ nyaa ɖeke ku ɖe eɖokui ŋu kple afɔku gã, si me wòle la ŋu o. Medi be yeana amewo naxa nu ɖe ye ta o. Le eƒe nuƒoƒo tso Kristo ŋu me la, eɖe ŋku ɖa le eɖokui dzi, heɣla ɖe Kalvariatɔ la megbe, eye wòɖee fia abe vɔwɔla ƒe Xɔla ene. UGL 127.1

Afisiafi, si Ɖɔɖɔɖowɔla to la, amehawo nyẽ zi ƒo xlãe, eye xɔlɔwo xlɔ̃ nui be wòakpɔ nyuie le Romatɔwo ŋu. Wogblɔ nɛ be: “Woatɔ dzo wò abe alesi wowɔ Hus ene.” Ke Luther ya ɖo ŋu bena: «Ne wodo dzo tso Wittemberg yi ɖe keke Worms, eye wòkɔ yi dziƒo hã la, mato eme le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me, eye mage ɖe nukpékpé ma ƒe nu me, aŋe eƒe aɖuwo le ɖaseɖiɖi tso Kristo ŋuti me. Ibid. liv. 7, ch. 7.- UGL 127.2

Eƒe xɔlɔwo vɔ̃ ŋutɔ esi wose be egogo Worms du la. Le go bubu me la, eƒe futɔwo hã le vɔvɔm na woƒe dziɖuɖu, eye wowɔ ŋutete be woana wòaga ge ɖe dua me o. Papa ƒe amewo blee ɖe ŋu be wòalɔ̃ ayi ɖe woƒe amegãa ɖe ƒe fiasã me ne yewoawu nya la nu le xɔlɔwɔwɔ me. Eƒe xɔlɔwo hã le afɔku manyagblɔ, siwo le adza me nɛ la, ƒe nyanya namee; ke esiawo katã nye tofloko. Eƒe nyaŋuɖoɖo koe nye be: «Ne abosamwo sɔ gbɔ le Worms abe xɔgbãkpewo le xɔta ene hã la, mage ɖe du la me.” Ibid. liv. 7, ch. 7.- UGL 127.3

Ke esi Luther le gegem ɖe Worms dua me la, ameha si, do dzaa nɛ la, sɔgbɔ wú esi xɔ Fiagã la. Ʋunyaʋunya le afisiafi. Kasia, gbe aɖe ɖi sesiẽ le ameha dome, hedo amekukuha wɔnublanuia ɖe ɖa, abe ɖe wòle nyanya nam Luther, ɖe nusi le elalam la ŋu ene. Esi wòle ɖiɖim le tasiaɖam la me la, nya, si wògblɔ la enye: «Mawue nye nye Taʋlila.» UGL 128.1

Papa yomedzelawo mexɔe se kura be Luther aka tse age ɖe dua me o. Ke eƒe vava de wo dzimaɖeɖi gãa ɖe me. Fiagã la ƒo eƒe ŋutimewo nu ƒu enumake ne woadzro nusi wòle be woawɔ la me kpɔ. Ke Papa ƒe episkɔpowo dometɔ ɖeka, si nye nya sesẽ hela la, gblɔ na fia la be: “Míeƒo nu geɖe tso nya sia ŋuti xɔxo. Ɖe ko Fia bubutɔ la naɖe “ŋutsu ma” ɖa kaba. Ɖe Sigismond mena wotɔ dzo Jean Hus le ati ŋu oa? Mehiã be woana ametakpɔgbalẽ xɔsedadatɔa ɖe, alo be woawɔ ɖe agbalẽ la ƒe nya dzi nɛ o.” Fia la ɖo eŋu na episkɔpo la be: “Nusi ƒe ŋugbe míedo la, edze be míawɔ ɖe edzi. Ibid. liv. 7, ch. 8.- Tete woɖo kpe edzi be woase Ɖɔɖɔɖowɔla hã ƒe nya. UGL 128.2

Du blibo la katã di be yewoakpɔ ŋutsu tɔxɛ sia. Mekpɔgbɔ ɖe me hafi ame vovovowo ɖi tsa va be yewoakpɔe ɖa o: fiaviwo, ameŋkutawo, nunɔlawo kple bubume bubuwo kpakple du-gã la teƒenɔla geɖewo, wo katã va egbɔ. Eƒe nɔnɔme wɔ dɔ ɖe amewo dzi geɖe. Eƒe futɔwo gɔ̃ hã kpɔ kalẽwɔwɔ kple kelili, si dzé le eŋu, dzidzɔ, si le eƒe mo, eƒe nuƒoƒo ƒe kakaɖedzi, si na ŋusẽ eƒe nyagbɔgblɔwo be womete ŋu nɔa te ɖe eŋu o la. Geɖewoe nye amesiwo ka ɖe edzi be Mawu ƒe ŋusẽ le edzi; ke bubuawo ya gblɔ, abe alesi faristɔwo gblɔ tso Yesu ŋuti ene la be, “gbɔgbɔ vɔa ɖe le eme”. UGL 128.3

Esi ŋu ke la, woyɔ Luther va ʋɔnudrɔƒe la. Wobia tso asrafoa ɖe si be wòakplɔe vɛ. Bebli hafi wòte ŋu ge ɖe teƒe la, amehawo xɔ mɔ la dzi ale gbegbe, le didim be yewoakpɔ nunɔlavi ma, si wɔ kalẽ, tsi tre ɖe Papa ŋuti la. UGL 128.4

Hafi wòage ɖe ʋɔnua la, aʋafia tsitsia ɖe, si wɔ kalẽ le aʋa geɖewo me la, gblɔ nɛ kple gbe fatu be: «Nunɔlavi, èyina aʋaa ɖe, si nye ya, alo aʋafia bubua ɖeke, mewɔ kpɔ le ʋukɔɖanyi ƒe aʋa sesẽ gbogboawo me o. Ne wò nya le dzɔdzɔe, eye nèka ɖe ɖokuiwò dzi la, ɖe zɔ̃ le Mawu ƒe Ŋkɔ me, eye mègavɔ̃ o. Mawu ŋutɔ akpɔ ta wò.» D’Aubigné, liv.7ch.8. UGL 129.1

Luther ge ɖe ʋɔnudrɔlawo ŋku me azɔ. Fiagã la le eƒe fiazi dzi, eye fiaɖuƒea ƒe amegãwo le eƒe axawo dzi. Amea ɖeke menɔ te ɖe fiawo kple ame gãwo ƒe ƒuƒoƒo gã sia tɔgbi ŋgɔ, abe esi ŋgɔ Martin Luther tsi tre ɖo be yeaʋli yeƒe xɔse ta le la kpɔ o. UGL 129.2

Eƒe afima nɔnɔ le ɣeyiɣi ma me la, eya ɖeɖe nye Nyateƒea ƒe dziɖuɖu. Be ʋɔnudrɔƒe bubu aganɔ anyi ɖe amea ɖe, si Papa tso kufia na vɔ, ƒe nya ŋuti la, nye nugbegbe le eƒe gãnyenye gbɔ. Amesi Papa ɖe ɖe aga, hede se be maganɔ amegbetɔ ƒe hatsotsoea ɖeke me o la, eyamae wona ametakpɔgbalẽ be wòava, avaƒo nu le ame akpe akpe, siwo tso kristotɔwo ƒe du vovovowo me la, ƒe ŋku me. UGL 129.3

Le bubume siawo ƒe ŋku me la, Luther, si tso ahedada ƒe ƒome me la, kpɔ eƒe gblɔenyenye, eye wòwɔ dɔ ɖe edzi geɖe. Ke fiavia ɖewo, siwo hã de dzesi eƒe tsitɔtsitɔ la, tè ɖe eŋu, eye wo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: «Mègavɔ̃ amesiwo wua ŋutilã, ke womate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ o la o.» Ame bubu hã gblɔ be: « Ne woahe mi va amegãwo kple fiawo ƒe ŋku me ɖe tanye la, mia Fofo aƒo nu to miaƒe nu me.” Alea ye xexeme-megãwo ɖo ŋku Kristo ƒe Nyawo dzi, hede dzi ƒo na eƒe subɔla la le eƒe dodokpɔ ɣeyiɣi me lae nye ma. UGL 129.4

Wokplɔ Luther va Fiagã la ƒe zia ŋgɔ. Ɖoɖui gãa ɖe zi le ƒuƒoƒo gã la me. Kasia Fiagã la ƒe asrafoa tsi tre, fia asi Luther ƒe nuŋɔŋlɔ, siwo woƒo ƒu ɖe afima, hegblɔ nɛ be wòaɖo biabia eve ko ŋu: gbã, ne agbalẽawo nye etɔ, evelia, ne etrɔ le wo menyawo yome mahã. Ku ɖe biabia gbãtɔa ŋu la, Luther ɖo eŋu be yeƒe nuŋɔŋlɔwo wonye. Ke eƒe nyaŋuɖoɖo na biabia evelia enye esi: «Esi wònye be biabia evelia ku ɖe xɔse, luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple Mawu ƒe Nya, si nye kesinɔnu gãtɔ kekeake, le dziƒo kple anyigba dzi ŋuti la, anye kalẽwɔwɔ gbɔeme be maɖo eŋuti, tame mabu do ŋgɔ. Elabena ate ŋu ava eme be nye nuƒoƒo made afisi ɣeyiɣi la bia be wòade o, alo be wòagbɔ nusi biam Nyateƒea le la ŋu o. Le go eveawo katã me, mavadze Kristo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me: «Amesi lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la ƒe ŋku me.” (Mateo 10:33.) Eyata mele kuku ɖem na Fia bubutɔ la le ɖokuibɔbɔ me be wòana ɣeyiɣi via ɖem, ale be mate ŋu ɖo bibia la ŋu, esi nyemagblẽ naneke le Mawunya la ŋu o. D’Aubigne ́, liv. 7, ch. 8.- UGL 129.5

Luther ƒe bibia sia nye nunya ƒe afɔɖeɖe. Eƒe wɔna dze anyinɔƒea ŋu, esi wokpɔ be menye tamemabu ƒe dzoxɔxɔ na nane ye le etutum o la. Dzidzeme kple ɖokuidziɖuɖu gã, si womenɔ mɔ kpɔm na tso kalẽtsu, si naneke meʋãna o gbɔ la, woenye nusiwo ga na ŋusẽ eƒe dẽ, eye wogakpe ɖe eŋu be wòɖo biabiawo ŋu kple nunya kpakple gãnyenye ƒe dzedzeme. Esia katã wɔ nuku na eƒe futɔwo, eye wotɔtɔ le woƒe amemabu naneke kple dada ƒe nɔnɔme ɖeɖe fia la me. UGL 130.1

Ekem ele be Luther nava na eƒe ŋuɖoɖo mamlɛa le ŋufɔke. Le ŋdi kanya la, eƒe luʋɔ le dzimaɖeɖia ɖe me, esi wòkpɔ ŋusẽ, siwo katã ƒo takpli ɖe Nyateƒe la ŋu la. Eƒe xɔse la ʋuʋu, elabe ewɔ abe ɖe futɔwo le dzidzim ɖe dzi, eye viviti ŋusẽwo le edzi ɖum ene. Ese le eɖokui me be alilikpo do blukɔa ɖe ƒo xlã ye, hele yemãm ɖa tso Mawu gbɔ. Edi vevie ŋutɔ be yeakpɔ kakaɖedzi be Aʋakɔwo ƒe Mawu la anɔ kple ye. Le eƒe gbɔgbɔ ƒe dzimaɖeɖi sia me la, etsyɔ̃ mo anyi, eye wòdo eƒe luʋɔ ƒe konyifaɣli kple hũɖeɖe na Mawu, si ɖeka ko ate ŋu ase wo gɔme blibo. UGL 130.2

Edo ɣli be: “Mawu Ŋusẽwokatãtɔ! Mawu Mavɔ! Xexeme la dziŋɔ̃ loo! Kpɔ alesi woke nu be yewoamim ɖa, ye nàkpɔ alesi nye dziwòxɔse le sue ŋutɔ la ɖa!... Nenye ɖee nye agbe aku ɖe xexe sia me ƒe ŋusẽa ɖe ŋu la, anye ne evɔ nam keŋ. Nye ku ƒe ga le ɖiɖim...Wotso kufia nam... O, nye Mawu, kpe ɖe ŋunye le xexe sia me nunya ŋgɔ. Wɔe nam dzro; meɖe kuku...le wò ŋusẽ gã la me...wɔnaa ɖeke mele ŋunye le afisia o...nane meli, si ŋu maƒo nu le, nye sia, kple xexeme-megã siawo o! Wò Nya ʋlim wole... ele dzɔdzɔe, enye Nya mavɔ! O Mawu nuteƒewɔla, matrɔmatrɔ! Nyemele zɔziɔm ɖe amegbetɔ ŋu o. Nusi ke nye amegbetɔ tɔ la melía ke o, nusi ke tso amegbetɔ me la, kpɔa gege... Nètiam na dɔ sia wɔwɔ...Wɔ nane, o Mawu, le wò lɔlɔ nu...Ɖe wò lɔlɔ̃ na Viwò lɔlɔtɔ, Yesu Kristo ta la fia, megagblẽm ɖi o, nye Taʋlila, nye Akpoxɔnu, nye Mɔ̃ sesẽ...” -Ibid., liv. 7, ch. 8. UGL 130.3

Mawu ƒe xɔname-nunya kpe ɖe Luther ŋu be wòde dzesi dzɔgbevɔe, si le ŋgɔ nɛ la, egɔme enye be meka ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ dzi, hedze ŋgɔ dzɔgbevɔe la le ɖokuiŋudzedze me o. Ke Mawu tu eyama ɖo na dɔ, si le elalam la. Menye vɔvɔ̃ na veve, siwo wòase, fuwɔame, siwo me wòato alɔ̃ ku, si wòaku kpuie lae le ŋɔdzi dom nɛ alea gbegbe o. Xaxa ƒe gaƒoƒo la tu eyama azɔ, eye wòkpɔ be ŋusẽ mele yesi yeanɔ te ɖe eŋgɔ o. Nyateƒe la ate ŋu to xaxa me le yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Menye le eƒe dedienɔnɔ ta wòle ʋiʋlim kple Mawu ɖo o, ke boŋ le eƒe Nyanyui la ƒe dziɖuɖu tae. Eƒe luʋɔ le ʋiʋli kple vɔvɔ̃ me tom abe alesi Israel ʋli kple Mawu le tɔ to le zãtitina ene. Abe Israel ke ene la, eʋli kple Mawu eye wozu dziɖula. Le eƒe mateŋui blibo me la, eƒe xɔse ku ɖe Kristo, Ɖela Ŋusẽtɔ la ŋu. Ke exɔ ŋusẽdodo to kakaɖedzi me be ye ɖeka yematsi anyi le ʋɔnudrɔƒe la o. Eƒe luʋɔ kpɔ ŋutifafa azɔ, eye wòkpɔ dzidzɔ be yeate ŋu aʋli Mawu ƒe Nya la ta le du-fiawo ƒe ŋku me. UGL 131.1

Luther ziɔ ɖe Mawu ŋu, eye wòdzra ɖo na ʋiʋli, si le eŋgɔ la. Ede ŋugble tso eƒe nyaŋuɖoɖo, si wòana la ŋu, eye wòdzro eƒe nuŋɔŋlɔawo ƒe nyaa ɖewo me kpɔ, heɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe nyati, siwo dze be wòatsɔ ɖo kpe eƒe nyawo dzi la, ɖe go. UGL 131.2

Esi gaƒoƒo la ɖo be wòaƒo nu la, Luther te ɖe kplɔa ɖe, si dzi Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea le ʋuʋu ɖi le la ŋu, eye wòda eƒe miasi ɖe Agbalẽ kɔkɔea dzi, do eƒe ɖusi ɖe dzi, hedo ŋugbe be «yeanye nuteƒewɔla na Nyanyui la, eye bena yeaʋu yeƒe xɔse la me ƒã, ne anye be yeatré yeƒe ɖaseɖiɖi la nu kple yeƒe ʋu hã.» -ibid. liv. 7, ch, 8- UGL 131.3

Esi wokplɔe va ʋɔnudrɔlawo ŋku me zi evelia la, vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsia ɖeke megadze le eŋu o. Ele dzigbɔɖi kple ɖokuilelé kpooa ɖe me, eye kalẽ kple gãnyenye tɔxɛ le eƒe nɔnɔme ŋu. Amesia ye nye Mawu ƒe Ɖaseɖila le anyigbadzimegãwo ƒe ŋku me. Fia ƒe asrafo la gabiae ake be edi be yealé yeƒe nufiafiawo me ɖe asi loo, alo atrɔ le wo yome mahã? Luther ɖo eŋu le bɔbɔenyenye kple ɖokuitsɔtsɔ na, si me aglãdzedze kple nyahehe ƒe dzoa ɖeke mele o la. Eƒo nu kple bubudeameŋu, to gbɔ be kaka ɖe ameɖokui dzi kple dzidzɔa ɖe le dzedzem le eŋu hã, nusia wɔ nuku na ƒuƒoƒoa katã. UGL 132.1

Alesi Luther ƒo nu enye si gbɔna: «Fiagã bubutɔ, fiavi xɔŋkɔwo kple aƒetɔ gãwo! Metsi tre le mia ŋgɔ le ŋkeke sia dzi kple bɔbɔenyenye, le miaƒe gbeɖeɖe nu, le kuku ɖem na mi, gãnyenye kple bubumewo, le Mawu ƒe amenuve me be miaɖo tom le miaƒe dɔmenyo nu eye miase nye nya, si mexɔe se be enyo eye wòle dzɔdzɔe la. Nenye be le nye nyaŋuɖoɖo me, megblɔ nyaa ɖe, si mesɔ kple alesi wonɔna le teƒe sia o la, miatsɔe akem, elabe ʋɔnudrɔƒe nuƒoƒo ƒe kɔ memam o. Nunɔla dahe, si wohe le ɖeɖeɖaga ƒe kpɔ me ye menye, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ko mewɔ dɔ na. ”-Ibid., liv. 7, ch. 8. UGL 132.2

Le eƒe biabiawo ŋu ɖoɖo me la, egblɔ be agbalẽ, siwo yeŋlɔ̃ la katã menye ɖeka ƒomevi o. Le ɖewo me la, yeƒo nu tso xɔse kple dɔ nyui wɔwɔ ŋu, eye yeƒe futɔwo ŋutɔ hã kpɔ be wometsi tre ɖe amea ɖeke ŋu o, ke boŋ be asixɔxɔ le wo ŋu. Ne megbe nu le wo gbɔ la, anɔ abe ɖe mebu fɔ Nyateƒe, siwo me amesiame ʋu ene. Ke hatsotsoe evelia me ƒe agbalẽwo nye esiwo me meɖe Papadziɖuɖua ƒe gbegblẽ kple madzɔmadzɔ wɔwɔwo ɖe go le. Tɔtrɔ le woyome anye dzi dede ƒo na Roma ƒe ameteɖeto wɔnawo, eye woagaʋu ʋɔtru na makɔmakɔ gã bubuwo. Agbalẽawo ƒe hatsotsoe etɔlia tsi tre ɖe ameaɖewo, siwo ʋli gbegblẽ, siwo le eme vam fifia la ŋuti. Ku ɖe wo ŋu la, mele eme ʋum bɔbɔe be megblɔ nya sesẽwo le wo me wú alesi woagblɔe. Nyemagblɔ be vodadaa ɖeke mele eŋu o; gake agbalẽ siawo hã, nyemate ŋu atrɔ le wo yome o, elabe ne mewɔ esia la, ade dzi ƒo na Nyateƒea ƒe futɔwo, eye wòanye mɔnu na wo be woagbã Mawu ƒe dukɔa gudugudu kple ŋutasesẽ, si aga vɔɖi wú. UGL 132.3

Magblɔ le nuwuwu be ame gblɔea ɖe ko menye, nyemenye Mawu o. Maʋli ɖokuinye ta abe alesi Yesu Kristo wɔ ene, eye magblɔ be: Ne meƒo nu vlo la, ekem migblɔ nusi nye vodada la nam. Le Mawu ƒe amenuvea ŋkɔ me la, mele kuku ɖem na mi, Fiagã bubutɔ, fiavi xɔŋkɔwo kple ame bubuawo be miaɖɔm ɖo, eye miafiam le Apostolowo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋɔŋlɔawo me be meda vo vavã, ke enumake matrɔ le nye nyawo yome, eye nyee lanye ame gbãtɔ atsɔ agbalẽ siawo ƒu gbe ɖe dzo me. (145) Nusiwo megblɔ fifilae la fia be mede ŋugble blibo tso dzɔgbevɔe, si le ŋgɔ la ŋuti, gake esi wòaɖo vɔvɔ̃ nam la, mele dzidzɔ gãa ɖe kpɔm boŋ be, abe alesi wònɔ tsã ene la, Nyanyui la gale xaxa kple mamã hem vɛ. Alea ko wònyena na Mawu ƒe Nya la. Kristo gblɔ be: «Migabu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ”. (Mateo 10:34) Mawu lolo, eye wòdzi ŋɔ̃ le eƒe nunya me. Míabu nya sia ŋu nyuie, ale be, le míaƒe ŋutete wɔwɔ me be míaɖe míanɔewo gɔmemase ɖa la, míagawɔ naneke tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya kɔkɔe la ŋu, ahe dzɔgbevɔe manyagblɔwo kɔ ɖe miaƒe tawo dzi le míaƒe agbe ŋkekewo me, kple tsɔtsrɔ̃ mavɔ va na mí o. Mate ŋu ana kpɔɖeŋu geɖewo le Mawunya la me. Maƒo nu tso Farawowo ŋu, Babilon fiawo, kple Israel ƒe fiawo ŋu, wo amesiwo, le woƒe didi vevie be yewoali ke yewo ƒe fiaɖuƒewo to nya siwo dzé abe nunya ƒe nyawo ene me la, woawo ŋutɔ na woƒe fiaɖuƒewo mu tsyɔ̃ wo dzi. Mawu ɖea towo ɖa le wo teƒe, ke womenya nya sia o. (Hiob 9:5)- Ibid., liv. 7, ch. 8.- UGL 133.1

Luther gblɔ nya siawo katã le germania-gbe me. Ke wobia tso esi be wòagagblɔ nya mawo ke le latin-gbe me. To gbɔ be ɖeɖi te eŋu hã la, elɔ̃ ɖe biabia sia dzi, eye wògaƒo nu kple ŋusẽ, abe zi gbãtɔ ene. Mawu di, le eƒe nunya nu be wòagaƒo nu zi evelia. Nu dada kple numaɖinuwodzixɔse gbã ŋku na fiaviawo, ale be zi gbãtɔa la, womete ŋu se Luther ƒe nugɔmeɖeɖewo ƒe ŋusẽ me o. Ke eƒe nuƒoƒo zi evelia na be wose Nyateƒeawo gɔme nyuie. UGL 133.2

Amesiwo mía ŋku le tosesẽ me, ɖe kekelia, hegbe kplikpã be yewomaɖe asi le yewo ŋu ne Nyateƒea naɖu yewo dzi o la, do dɔmedzui vevie esi wode dzesi Luther ƒe numeɖeɖewo ƒe ŋusẽ la. Esi wòwu eƒe nya nu megbe la, ʋɔnua ƒe nuƒola gblɔ nɛ kple adã be: “Mèɖo nya, si wobia wò la ŋu o. Nya, si wobia wo, eme kɔ nyuie la ye nye be: ɖe nèlɔ̃ be yèatrɔ le wò nyawo yomea, “ẽ”, alo “o”?” UGL 134.1

Alesi Ɖɔɖɔɖowɔla ɖo eŋu enye esi: «Esi wònye be bubu fiagã kple eƒe ŋusẽ-mewo bia ŋutiɖoɖo, si le bɔbɔe, si me kɔ, le kpuie la, manae; eyae nye esi: (146) Nyemate ŋu tsɔ nye xɔse ake Papa, alo hamea ƒe takpekpewo o, elabe eme kɔ ƒã be zi geɖe la, woge ɖe nu dada kple tsakatsaka gãwo me. Ne nyemexɔ kakaɖedzi tso Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me, alo numeɖeɖe, siwo me kɔ nyuie me o, ne womeɖe nu me nam nyuie ku ɖe nya, siwo meɖe ɖe go le Mawunya la me ŋuti o, eye ne womena nye dzitsinya nye kluvi na Mawu ƒe Nya la o la, ekem nyemate ŋu, eye nyemelɔ̃ hã, be magbugbɔ le nye nyaa ɖeke yome o, elabe menyo na kristotɔ be woaƒo nu ada le ye ŋutɔ ƒe dzitsinya dzi o. Ke nyee nye esi, nyemate ŋu wɔ nu bubu o. Mawu nekpe ɖe ŋunye! Amen.” Ibid., liv. 7, ch. 8. UGL 134.2

Alea ye dzɔdzɔetɔ sia li ke ɖe Mawunya ƒe gɔmeɖokpe sesẽ, si wònye la dzi. Dziƒo kekeli le keklẽm le eƒe mo. Eƒe gãnyenye kple eƒe dẽ ƒe dzɔdzɔenɔnɔ, ŋutifafa kple dzidzɔ, si yɔ eƒe dzi me la, wo katã dzé le eŋuti esime wòle nya tsɔm ɖe nudada ƒe ŋusẽwo ŋu, hele ɖase ɖim le xɔse, si ɖua xexeame dzi la, ƒe ŋusẽ gã la ŋu. UGL 134.3

Ƒuƒoƒea katã ƒe nu ku, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi le enu ɣeyiɣi via ɖe. Le eƒe nuƒoƒo gbãtɔ me la, Luther ƒe gbe mede dzi o, ke eƒo nu kple bubu, abe ɖe wòle vɔvɔm ene. Papa ƒe amewo tsɔ nɔnɔme sia abe dzesi, si le ɖeɖem fia be eƒe dzideƒo la nu le yiyim ene. Wobui hã be eƒe biabia be woana ɣeyiɣi via ɖe ye ne yeabu tame la, nye gɔmedzedze na tɔtrɔ le eƒe nyawo yome. Fiagã Karlos gɔ̃ hã kpɔ ɖeɖiteameŋu, si dzé le eŋu la, eƒe nɔnɔme kple nuƒoƒo ƒe bɔbɔenyenye la kple ŋku vɔɖi, eye wògblɔ sesiẽ bena: ” menye amesiae lana mazu xɔsedadatɔ gbeɖe o.” Azɔ la, eƒe dzideƒo kple kelili, si wòɖe fia le nuƒoƒo evelia me, eƒe nugɔmeɖeɖe ƒe ŋusẽ kple emekɔkɔ ƒã la na amesiame ƒe nu ku le ʋɔnudrɔƒe la. Fiagã la mete ŋu ɣla eƒe kafukafu o. Egado ɣli be: “nunɔla sia le nu ƒom kple kalẽtɔ ƒe dzi kple dzideƒo maʋãmaʋã.” Germania fiavi geɖe, siwo le teƒea la kpɔ Luther kple dzidzɔ, eye wònye dada na wo be eɖe ŋkɔ na yewo de-du la. UGL 134.4

Woɖu Roma teƒenɔlawo dzi; woƒe nya la dzé abe dziɖuɖu megali nɛ o ene. Gake wodi vevie be yewoalé yewo ƒe ŋusẽ la ɖe te, menye to Ŋɔŋlɔawo me o, ke boŋ to vɔvɔdodo na ame, si ko nyena Roma ƒe wɔna ɣesiaɣi la, me. Nuƒola gã xɔ nya gblɔ be: “Ne mètrɔ le wò nyawo yome o la, Fiagã kple du, siwo katã le eƒe fiaɖuƒea me la, aɖo kpe nusi woawɔ na xɔsedadanufiala, tosẽla la dzi. Esi wose nya siawo la, Luther ƒe xɔlɔ, siwo kpɔ dzudzɔ geɖe le eƒe nuƒo dzeameŋu la ŋuti la, gade asi vɔvɔ̃ me, gake eya ŋutɔ gblɔ kple dzigbɔgbɔ blewu be: « Mawu nexɔ nam, nyemate ŋu atrɔ le nye nyawo ƒe ɖeke yome o.» -Ibid.ĺiv. 7, ch. 8.- UGL 135.1

Ɣeyiɣi la ɖo be woaɖe Luther do go ne fiaviawo nayi kpɔvi na nyametsotso. Amesiame de dzesii be kristotɔwo ƒe ƒomea le kuxi gãa ɖe me. Luther ƒe gbegbe goŋ goŋ be yemadzo ta o la nye nusi te ŋu wɔ dɔ ɖe hamea ƒe ŋutinya dzi le ƒe alafa geɖewo me. Eyata wodi be woaganae mɔnu zi etɔlia ne wòagbugbɔ le eƒe nyawo yome. Ke wogakplɔe va ʋɔnudrɔƒea zi mamlɛa. Wogabiae ake be edi be yeaɖe asi le eƒe nufiafiawo ŋu mahã? Eɖo eŋu be: «Ŋuɖoɖo bubu mele asinye tsɔ wú esi mena vayi la o.» Ke eme kɔ ƒã be vɔvɔdoname alo ŋugbedodo na eyama mana wòana ta gbeɖe o. UGL 135.2

Roma-megãwo kpɔ dziku ŋutɔ be nunɔla dahe sia matsɔ ɖeke le me na yewo ƒe ŋusẽ, si ŋgɔ fiawo kple bubu-mewo dzona nyanyanya le la o; mele tsɔtsɔm kaba na wo be woaɖe dziku sia fiae, awɔ fui yi ɖe ku me o. Luther, si nya dzɔgbevɔe, si le eŋgɔ la, ƒo nu na amesiame kple kristotɔ ƒe bubunɔameŋu, kple dzigbɔɖi. Dada, dɔmedzoe kple alakpa menɔ eƒe nuƒoƒo me o. Eɖe ŋku ɖa le eɖokui dzi, kple amegã, siwo ƒo xlã eyama la dzi, eye wòkpɔe le susu me be yele Amesi kɔkɔ ale gbegbe wú Papawo, fiaviwo kple fia gãwo la ƒe ŋku me. To Luther ƒe ɖaseɖiɖi me la, Kristo ƒo nu kple ŋusẽ kpakple gãnyenyea ɖe, si na be xɔlɔawo kple futɔwo siaa vɔ, eye woƒe nu ku. Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ ʋɔnudrɔƒea ƒe ƒuƒoƒoa me gbemagbe. Etɔ asi fiaduƒea ƒe amegãwo ƒe dzi. Fiavi geɖewo de dzesii le amewo ƒe ŋku me be Luther ƒe nya, si ta ʋlim wòle la, le eme. Wokpɔ be enye Nyateƒe vavã. Gake wo dometɔa ɖewo ƒe seselelãme sia meyi ŋgɔ o. Hatsotsoe etɔlia metɔwo meɖe woƒe nukpɔkpɔ fia enumake o. Ke esi woawo ŋutɔwo yi ɖadzro Ŋɔŋlɔawo me kpɔ vɔ la, woɖe woƒe megbenɔnɔ na Reformatio la fia le gaglãgbe. UGL 135.3

Fiavi Frederik, Saxoni Nutomedzikpɔla, si nɔ mɔ kpɔm na Luther ƒe nuƒoƒo le ʋɔnudrɔƒea, le vɔvɔ̃ kple dzimaɖeɖi gãa ɖe me la, ɖo to eyama ƒe nuƒo le dzidzɔ detoa ƒe me. (148) Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe kalẽ, kelili, kple dzigbɔɖi, si yɔ eme la ŋuti, eye wònye dada nɛ be yetsɔ yeƒe ametakpɔkpɔ na eyama. Etsɔ akpa eveawo ƒe nuƒoƒo kple wɔnawo sɔ ɖe wonɔewo nu, eye wòkpɔ be Nyateƒe la ƒe ŋusẽ tu asi Papawo, fiawo kple nunɔlawo ƒe nunya ƒu anyi. Papa ƒe dziɖuɖua kpɔ gege, si awɔ dɔ le dukɔwo katã me le ƒe alafalafawo me. UGL 136.1

Esi papateƒenɔla kpɔ alesi Luther ƒe nyameɖeɖe wɔ dɔ ɖe amewo dzi la, evɔ̃ geɖe na Roma ŋusẽ la ƒe to yiyi, eye woɖoe vevie le eɖokui me be yeawɔ nusianu, si ko yeate ŋui la, hena Ɖɔɖɔɖowɔla la ƒe agbe ɖeɖe ɖa. Ewɔ eƒe nu-nyaƒoƒo kple du-nya gbɔgblɔ ƒe aye-mɔnuwo katã, si wodze si nɛ la, ŋuti dɔ heƒo nu na sɔhɛ Fiagã la. Ena wònya tamemabu kple dzɔgbevɔe gã, si wòanye nɛ be wòatsɔ Roma ƒe xɔlɔ-kadede kple kpekpeɖeŋu sesẽ, si wònye nɛ la asa vɔ na nunɔla maɖinu ma ƒe nya la. UGL 136.2

Nya siawo medo kpo dɔwɔwɔ ɖe fia la dzi o. Ŋkeke, si dze Luther ƒe ʋɔnudrɔƒea vava yome la, fia Karlos V ŋlɔ̃ agbalẽ ɖo ɖe ƒuƒoƒoa bena woanya be yeƒe didi enye be yeawɔ ɖe yeƒe ŋgɔdolawo ƒe ɖoɖowo dzi, si gɔme enye be yealé katoliko hamea ɖe asi, akpɔ eta. Esi Luther gbe be yematrɔ le yeƒe nyawo yome o la, tohehe sesẽtɔ kekeake woatsɔ tsi tre ɖe eŋuti kple eƒe nudada, siwo fiam wòle la ŋu. “Nunɔla ɖeka ma, si le mɔ tram le eƒe tsukuku me la, eyae le tsitre tsim ɖe kristotɔwo katã ƒe xɔse ŋu. Matsɔ nye fiaɖuƒewo, nye ŋusẽ, xɔlɔnyewo, nye kesinɔnuwo, nye ŋutilã, nye ʋu, nye gbɔgbɔ kple nye agbe la asa vɔ be maxe mɔ na mawumavɔ̃ ƒe wɔna sia. Maɖe nunɔla Luther ɖa le zi dzi, be magahe ʋunyaʋunyaa ɖeke va dukɔ la me o, eye mawɔ ɖoɖowo tsitre ɖe eyama kple eyomedzelawo ŋuti abe nudadafialawo ene, to wo ɖeɖe ɖa le hamea me, le dukɔ la me, kple afɔɖeɖe bubuwo na woƒe tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ dzi. Mele dukɔ vovovoawo metɔwo biam be woawɔ nu abe kristotɔ nuteƒewɔlawo ene.” -Ibid., liv 7, ch. 9.- UGL 136.3

To gbɔ be Fiagã la gblɔ nya siawo katã hã la, ena be woanya be ametakpɔgbalẽ, si wòna Luther be wòatsɔ zɔ mɔ va ʋɔnua la, agawɔ dɔ ale be wòagatrɔ yi etsoƒe dedie hafi ɖoɖoawo nadze dɔwɔwɔ gɔme ɖe eŋuti. UGL 137.1

Ke susu evewoe ɖe wo ɖokui ɖe go le ƒuƒoƒoa me le Worms. Papayomedzelawo bia be womagawɔ ɖe ametakpɔgbalẽ, si wona Luther la dzi o. Wote gbe ɖe edzi be ele be Rhin tɔsisi la naxɔ Luther ƒe dzofi abe alesi wòxɔ Jean Hus tɔ ƒe alafa ɖeka, si vayi la ene. Ibid., liv. 7,ch. 9.- Ke Germania fiaviwo, to gbɔ be wonye papayomedzelawo, eye wolé fu Luther hã la, wotsi tre ɖe ɖekematsɔleme na nusi ƒe ŋugbe fia la do, si nye ametakpɔgbalẽ la ŋu. Wogblɔ be edzimawɔ anye ɖiƒoƒo, si agblẽ Germania-dua ƒe ŋkɔ. Wogaɖo ŋku dzɔgbevɔe siwo dze Hus wuwu yome la dzi, eye wogblɔ kpe ɖe eŋu be yewo maka tse agahe dzɔgbevɔe dziŋɔ, siwo dzɔ vayi la, aƒu yewo ƒe du la kple Fiagã la dzi o. Fia Karlos ŋutɔ hã ɖo Roma ƒe biabia vɔɖi la ŋu be: “Ne nyateƒetoto kple nuteƒewɔwɔ nu latsi le xexea me hã la, ele be woakpɔ beɖoƒe le fiaviwo ƒe dzi me. Gake Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe futɔ vevietɔwo gabia tso fia la si be wòawɔ abe alesi fia Sigismond wɔ kple Hus tsã la ene; wòagblẽe ɖe Roma ƒe amenuve sí me. Ke fia Karlos ɖo ŋku alesi fia Sigismond ƒe mo trɔ helii, kple ŋukpẽ, esime, le ƒuƒoƒoa ƒe titina, Hus tsɔ eƒe kɔsɔkɔsɔwo fia fia la, heɖo ŋku eƒe ŋugbedodo, si wòwɔ nɛ, vɔ heda edzi la dzi, eye fia Karlos wu nu be: “Nyea nyemedi be nye mo nabia hɛ̃ abe Sigismond tɔ ene o.” -L’enfant, vol. 1 p. 422. UGL 137.2

Gake, to gbɔ be egblɔ nya siawo hã la, Fia Karlos gbe nu kɔtee le Nyateƒe, siwo Luther ɖe fia la gbɔ. Eŋlɔ̃ le eƒe agbalẽ la me be: “Meɖo vevie be mawɔ ɖe tɔgbuinyewo ƒe kpɔɖeŋu dzi.” Medi be yeaɖe asi le dekɔnuwo, alo blema numamewo ƒe mɔwo ŋu, ahato Nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe mɔwo dzi o. Esi fofoawo wɔ nenema la, eya hã ɖoe be yeanɔ megbe na Papa kple eƒe ŋutasesẽ kple gbegblẽ wɔnawo katã. Egbe be yemaxɔ kekeli bubu, si lolo wú tɔgbuiawo tɔ o, eye be yemawɔ dɔdasi, si woamawo mewɔ o la o. UGL 138.1

Nenema ke le egbe ŋkekeawo hã me la, geɖewo enye amesiwo lé ɖe wo fofowo ƒe numame kple dekɔnuwo ŋu. Ne Aƒetɔ la ɖo kekeli yeyewo ɖe wo la, wogbea nu le wo gbɔ, elabe wo fofowo mexɔ wo o, eye womekpɔ gome le wo me o. Mímegale mía fofowo ƒe ɣeyiɣiwo me o, eye míaƒe dɔdasiwo mele ɖeka kple wo tɔwo o. Mawu malɔ̃ na mí be míakpɔ mía fofowo ƒe kpɔɖeŋu hafi ade dzesi nusiwo nye míaƒe dɔdasiwo o, esime wòle be míadzro Nyateƒe-Nya la me na mía ŋutɔwo o. Dɔ, siwo kpɔ mo na mí egbea lolo wú mía fofowo tɔ. Ele be míaƒo nu tso kekeli, si woxɔ, eye wogblẽ ɖi na mí abe domenyinu ene, kple kekeli, si Mawunya la le keklẽm ɖe mía dzi egbea hã ŋuti. UGL 138.2

Ale Yesu gblɔ tso Yudavi dzimaxɔsetɔwo ŋuti enye esi: “Ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la, taflatsedodoa ɖeke mele wo si le woƒe nuvɔ̃ ŋuti o.” (Yoh. 15: 22) Mawu ƒe ŋusẽ la gaƒo nu to Luther dzi na Germania Fiagã la kple fiaviwo siaa. Le esime kekeli le keklẽm tso Mawunya me la, Gbɔgbɔ la le eƒom ɖe ƒuƒoƒeametɔ geɖewo nu zi mamlɛa. Abe alesi, le ƒe alafalafawo do ngɔ, Pilato ɖe mɔ be dada kple ŋkɔgãxɔxɔ naxe eƒe dziʋɔtru ɖe xexeame ƒe Ɖela ene, abe alesi Felike, le dzodzonyanya me, nyà Nyateƒea ƒe dɔgbedela Paulo, hegblɔ nɛ be: “...Azɔ la heyi egbɔ; ne mekpɔ asinu nyui la, mana woayɔ wò vɛ.” (Dow. 24:25) , abe alesi fia Agrippa ʋu eme be: “Esusɔ ʋee, nàƒoe ɖe nunye be, nàwɔm mazu kristotɔ.” (Dow. 26:28) gake wòga trɔ megbe de gbedasi, si Dziƒo ɖo ɖee ene la, nenema ke Fia Karlos V hã, si ɖe asi le eɖokui ŋu na dada kple dunyagbɔgblɔ ƒe susuwo la, ɖoe be yeatrɔ megbe de Nyateƒe ƒe kekeli la. UGL 138.3

Dalĩdodo nyaa ɖewo dze ɖiɖi le afisiafi le dua me, ku ɖe nugbe, si ɖom Roma le, hena Luther ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋuti, si na be ʋunyaʋunya gãa ɖe xɔ du la me. Ame geɖe, siwo zu Ɖɔɖɔɖowɔla xɔlɔ̃ la, dze si Roma ƒe ŋutasesẽ vɔɖi, si wòwɔna ɖe amesiwo do dzi klo nu le eƒe gbegblẽwo ŋuti la ŋu, eye woawo hã ɖo be yewoawɔ nusianu, si yewoate ŋui la, axe mɔ na etsɔtsɔ sa vɔe. Ameŋkuta alafa geɖewo do ŋugbe be yewoakpɔ eta. Ame bubu geɖewo tsitre le dutoƒo ɖe Fiagã ƒe ɖoɖo, si wòwɔ ɖe Luther ŋuti la, ŋuti, eye wogblɔ be enye kluvi ƒe ɖokuibɔbɔ na Roma ƒe ameteɖeto ŋusẽ la. Amewo ŋlɔ̃ nu ka ɖe aƒewo ƒe agbo mɔnu kple ablɔwo me; ɖewo le nya tsɔm ɖe wɔnawo ŋu, bubuwo le megbe dem na Luther. Amea ɖe ya ɖe Nyagblɔla ƒe kpukpui sia ɖe go gblɔ be: “Anyigba, si ƒe fia nye ɖevi...la, baba nɛ” (Nyagb. 10:16) Seselelãme, si yɔ Germania dukɔa katã me ku ɖe Luther ŋu la, na be Fiagã kple fiawo ƒe ƒuƒoƒoa katã de dzesii kple kakaɖedzi be nu madzɔmadzɔ, si woawɔ ɖe Ɖɔɖɔɖowɔla la ŋu la, ahe zitɔtɔ, si aɖe ŋutifafa ɖa eye wòanye dzɔgbevɔe na fiazi la ƒe kelili. UGL 139.1

Saxoni nutome-Fia Frederik, si dze aye la, meɖe eƒe seselelãme vavã na Luther la fia o. Eɣla eƒe lɔlɔ, si wòɖo nɛ la, ɖe nu maƒo me, le esime wòle eta kpɔm vevie kple ɖeɖimateameŋu ƒe ŋudzɔnɔnɔ, henɔa ŋku lém ɖe eƒe mɔzɔzɔ kple eƒe futɔwo ƒe afɔɖeɖewo katã ŋu. Gake ame geɖewo megadi be yewoaɣla woƒe Luther yomenɔnɔ o. Fiaviwo, bubumewo, ame xɔŋkɔwo, nunɔlawo, dukɔmeviwo siaa, woƒo xla eƒe nɔƒe la, gena ɖe edzi, eye wofɔa ŋku ɖe edzi abe amesi menye amegbetɔ ƒuƒlu ko o ene. Amesiwo hã bui be ele vo dam la, le eƒe dẽ ƒe nyonyo kafum ɖe alesi wòlɔ̃ be woaɖe yeƒe agbe ɖa, wú be yeawɔ nusi tsi tre ɖe yeƒe dzitsinya ŋuti la. UGL 139.2

Wogawɔ ŋutete enuenu be woana wòalɔ̃ ɖe Roma ƒe biabiaa ɖewo ko dzi. Bubumewo kple fiaviwo na be wòanya be ne meɖe asi le eƒe nukpɔkpɔwo tsɔtsɔtsi tre ɖe hamea kple kplɔlawo ƒe ƒuƒoƒowo ƒe ɖoɖowo ŋu o la, ekem le madidi me la, woaɖee do goe le fiaduƒe la katã me, eye ne esia va eme la, amea ɖeke magate ŋu akpɔ eta o. Ke eɖo aɖaŋuɖonya siawo ŋuti be: “Womate ŋu agblɔ Kristo ƒe Nyanyui la fia, si nuɖiaɖiaa ɖeke manɔ eŋu o. Aleke gɔ̃ dzimaɖeɖi, alo vɔvɔ̃ na dzɔgbevɔe ate ŋu amã nye kple Aƒetɔ la dome, aɖem ɖa le Mawu ƒe Nya, si nye Nyateƒe ɖeka hɔ, si li la, gbɔ ma ? Gbeɖe, matsɔ nye ŋutilã, nye ʋu kple nye agbe la na boŋ! - D’Aubigne , liv.7, ch. 10.- UGL 139.3

Wogabia tso esi be wòalɔ̃ ɖe Fiagã la ƒe nyametsotso dzi, kple kakaɖedzi be ne ewɔ esia la, naneke meli wòagavɔ̃ o. Eƒe ŋuɖoɖo la enye si gbɔna: “Melɔ̃ kple dzi blibo be Fiagã la, alo fiaviwo, alo kristotɔ gblɔetɔ kekeake gɔ̃ hã, nadzro nye agbalẽawo me kpɔ, eye wòatso nya me; ke nye biabia ɖeka pɛ koe nye be nyametsotso la nanɔ anyi ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Naneke meli na amegbetɔ be wòawɔ wú be wòaɖo toe o. Nye dzitsinya ku ɖe Nya la ŋu, eye menye kluvi na eƒe nusẽ la.” Ibid., li. 7, ch. 10.- UGL 140.1

Egaɖo yɔyɔ bubu, si wowɔ nɛ la ŋu be: “Melɔ̃ be maɖe asi le ametakpɔgbalẽ la ŋu, eye be magblẽ nye ame blibo la kple nye agbe la katã ɖe Fiagã la ƒe asi me, ke Mawunya ya la, gbeɖe!” Ibid.,liv. 7, ch. 10. Egagblɔ kpe ɖe eŋu be yele klalo axɔ nusi hamea kplɔlawo ƒe takpekpe gãa ɖe aɖo la, nenye be woƒe kpeɖodzinu la anɔ anyi ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe biabiawo dzi ko. Ku ɖe Mawunya kple xɔse ŋuti la, egblɔ be kristotɔ ɖesiaɖe ƒe nukpɔkpɔ ɖo asixɔxɔ ɖeka ƒomevi kple Papa tɔ, nenye be takpekpe akpewo gade megbe na eyama gɔ̃ hã la.- Martyn, vol.1, p, 410. (152) Azɔ xɔlɔwo kple futɔwo siaa kpɔe kple kakaɖedzi be, agbagbadzedzewo katã na akpa eveawo ƒe ɖekawɔwɔ nye tofloko. UGL 140.2

Nenye ɖe Luther lɔ, ɖe asi le eƒe nyati ɖeka pɛ ŋu la, anye ne Satana kple eƒe aʋakɔ la kpɔ dziɖuɖu blibo. Ke eƒe kelili maʋãmaʋã nye ŋgɔyiyi mɔnu gãa ɖe na hame la kple ɣeyiɣi nyui yeyea ɖe ƒe gɔmedzedze. Ŋutsu ɖeka ma, si wɔ kalẽ le Mawu subɔsubɔ ƒe nya me, ɖe susu, wɔ afɔɖeɖewo le eɖokui si, ŋutsu sia ƒe wɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe hamea katã dzi, menye le eŋɔli me ɖeɖe ko o, ke boŋ le dzidzime, siwo katã ava le eyome la me. UGL 140.3

Eƒe kelili kple nuteƒewɔwɔ anye dzideƒo na amesiwo katã lato eƒe nuteƒekpɔkpɔ ma ke me le nuwuwu ɣeyiɣiwo me. Mawu ƒe ŋusẽ kple gãnyenye ƒo amegbetɔwo ƒe susu kple Satana ƒe ŋusẽ gã la ta. UGL 140.4

Luther xɔ gbe tso fiagã la gbɔ be wòadze mɔ atrɔ yi enɔƒe; enya nyui hã be nusi ko lakplɔ gbeɖeɖe sia ɖo lae nye yeƒe fɔbubu. Alili do blukɔ, si ŋu vɔvɔ̃ le la, tsyɔ̃ eƒe mɔ la dzi; gake esi wòle dzodzom le Worms la, eƒe dzi yɔ kple ŋutifafa kple dzidzɔ, eye nyati siawo do go tso eƒe nu me be: “Satana ŋutɔ le Papa ƒe fiaɖuƒea ta kpɔm, gake Kristo va ɖe mɔ gãa ɖe to eme, eye vɔɖitɔ la aʋu eme godoo be Mawu sesẽ wú ye.” D’Aubigne , liv. 7, ch. 11.- UGL 141.1

Le eƒe dzodzo megbe, esi medi be woabù yeƒe kelili aglãdzedze o la, Luther ŋlɔ̃ agbalẽ ɖo ɖe Fiagã la gblɔ be: “Mawu, si kpɔa dziwo katã me la, aɖi ɖase le ŋunye be mele klalo awɔ ɖe wò gãnyenye ƒe biabiawo dzi kple afɔtsɔtsɔe, naneke ŋu mabukpɔ, eɖanye le bubunɔameŋu me, alo le gbɔɖiame me o, eɖanye le agbe alo ku me o, nenye be Mawu ƒe Nya, si ɖeka ko nana agbe amegbetɔ la, mexe mɔ nam o la. Le agbe sia ƒe nyawo katã me la, nye nuteƒewɔwɔ na wò maʋuʋu o, elabena ɖeɖekpɔkpɔ meku ɖe dziɖuɖu alo gege le anyigbadzi nyawo me ŋu o. Ke Mawu medi be le nusi aku ɖe nyui mavɔwo ŋuti la, ame nabɔbɔ ɖe amegbetɔ bubu te o. Le gbɔgbɔme ƒe nyawo me la, ɖokuitsɔtsɔna enye subɔsubɔ vavãtɔ, si ayi na xexea ƒe Wɔla la ɖeka ko. Ibid., liv. 7, ch. 11. UGL 141.2

Le Luther ƒe tɔtrɔ me yi ɖe enɔƒe la, dukɔme hatsotsoe vovovowo gaƒo xlãe kple bubu. Hame-megãwo xɔ nunɔla sia, si Papa ƒo fi de la, kple dzidzɔ, eye dziɖuɖu teƒenɔlawo hã de bubu eya amesi ŋu wode se le be maganye fiaɖuƒeamevi azɔ o la ŋuti. Wobia tso esi be wòagagblɔ Mawunya na yewo, eye to gbɔ be Fiagã ƒe sedede gbe esia hã, elia nyagblɔti la dzi, eye wògblɔ be: “Nyemedo ŋugbe kpɔ gbeɖe be made kɔsɔkɔsɔ Mawunya la o, eye nyemawɔe egbea hã o.”-Martyn, vol.1, p. 420.- UGL 141.3

Edzo le Worms eteƒe medidi hafi Papa yomedzelawo xɔ se- gbalẽ le Fiagã la si ɖe eŋu o. Agbalẽ sia nɔ nu ƒom le Luther ŋuti abe amesi nye “Satana ŋutɔ ŋutɔ le amegbetɔ, si do nunɔla ƒe awu la ƒe nɔnɔme me ene.” D’Aubigne ,liv.7, ch. 11. Agbalẽ la le se dem be kasia ametakpɔgbalẽ la ƒe dɔwɔwɔ nawu nu la, woawɔ nusianu axe mɔ na Luther ƒe dɔ la dzi yiyi. Mɔɖeɖe meli na amea ɖeke be wòaxɔe ɖe aƒeme, anae nu wòaɖu alo wòano o, alo anae kpekpeɖeŋua ɖe, anɔ megbe nɛ le nuƒoƒo kple wɔnaa ɖe me, eɖanye le gaglãgbe alo le ɣaɣla me o. Afisiafi, si woake ɖe eyama ŋuti le la, ele be woalée akplɔ yi na dziɖuɖu la. Agbalẽa gale se dem be woalé eyomedzelawo katã de gaxɔ me, axɔ woƒe nunɔamesiwo katã. Woatsrɔ̃ eƒe nuŋɔŋlɔwo katã, eye le nuwuwu la, amesiwo hã aka tse agbe sedede siawo dzi wɔwɔ la, woawo hã akpɔ nenem toheheawo ke. Saxoni nutome fiavi la kple fiavi bubu siwo lé ɖe Luther ŋu sesiẽ la hã dzo le Worms le eƒe dzodzo kpuie megbe eye ƒuƒoƒoa da asi ɖe Fiagã la ƒe se-gbalẽ la dzi. Roma yomedzelawo le dzidzɔ gãa ɖe me. Woxɔe se be Ɖɔɖɔɖo la nu yi keŋ azɔ. UGL 141.4

Gake le xaxaɣi mawo katã me la, Mawu ŋutɔ dzra ɖeɖekpɔkpɔ mɔnua ɖe ɖo ɖi na eƒe subɔla la. Ŋudzɔnɔnɔ ƒe ŋkua ɖe kplɔ Luther ƒe yiyi kple gbɔgbɔwo katã ɖo, eye dzi nyodɔme vavãa ɖe ɖo be yeaxɔ nɛ. Nyateƒe wònye be nu bubu, si ato vovo na Luther ƒe ku la, mado dzidzɔ na Roma kura o; ekem ɖe ko wòaɣla eɖokui hafi ado go tso dzata ƒe fewo me. Ke Mawu na nunya Frederik, Saxoni nutome fiavi la be woaɖe susu awɔ ɖoɖoa ɖe na Ɖɔɖɔɖowɔla la ƒe agbe ta kpɔkpɔ. Le ɖekawɔwɔ me kple exɔlɔã ɖewo la, Frederik ƒe ɖoɖo la kpɔ emevava, eye wòkplɔ Luther ɣla ɖe exɔlɔwo kple futɔwo siaa. Le eƒe tɔtrɔ gbɔ mɔzɔzɔ tso Worms ɖo ta enɔƒe la, wotso adzoe le mɔ dzi, eye woxɔe le eƒe zɔ-hɛwo si, hekplɔe afɔ tsɔtɔe to Thuringe ƒe avetsuwo me yi ɖe Wartbourg, mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si ɖe ɖe aga, le toa ɖe dzi la me. Ɣaɣla kple nuku nɔnɔmea ɖe ƒo xlã Luther ƒe kpɔkplɔ-sí sia ale gbegbe be le ɣeyiɣi didia ɖe me la, Frederik ŋutɔ gɔ̃ hã, si le gɔme na wɔnawo katã la, menya afisi woɣlae ɖo o. Esia hã nye ɖoɖoawo ƒe akpa ɖeka, elabena esi menya afisi wòle o la, mate ŋu agblɔ nyaa ɖeke tso eŋu o. Kakaɖedzi, si su esi be Ɖɔɖɔɖowɔla le dedie le afia ɖe la, su na eyama xoxo. Mamlɛawo megale vevie o. UGL 142.1

Ɣeyiɣiawo nu va le yiyim ɖeka ɖeka, eye vuvɔŋɔli va do. Luther gasusɔ le eƒe ɣaɣlaƒe la. Aleandro kple eƒe ŋutimewo le dzidzɔ kpɔm kple susu sia be Nyanyui la ƒe kekeli nu le tsitsi ge. Ke fifi boŋ Luther ganɔ ami kɔm ɖe akaɖi la me tso Nyateƒe ƒe vudo la mee, ale be kekeli la gaklẽ ɖe dzi wú tsã. UGL 142.2

Le eƒe ŋutifafa bebeƒe le Wartbourg me la, Luther nɔ dzidzɔ kpɔm ɣeyiɣia ɖe le alesi wòdo go tso aʋa la ƒe vɔvɔ̃ kple dzoxɔxɔ me. Gake mate ŋu nɔ dzidzɔ kpɔm yi ɖaa le ŋutifafa kple gbɔɖeme me o. Esi wònye be kametete kple ɖokuiʋaʋã ƒe agbe wònɔ ta la, esesẽ nɛ be wòanɔ anyi naneke mawɔ. Le eƒe ameɖeka-nyinɔnɔ ŋkekeawo me la, enɔ hamea kpɔm ɖaa le susu me, eye wòdo dziɖelameƒo ɣli sia be: “Nublanuinya! Amea ɖeke meli, si atsi tre, anye gli aƒo xlã Israel ƒe aƒe la, le Mawu ƒe dziku ŋkeke siawo dzi o ɖe!” Ibid., liv. 9, ch. 2.- Ke etrɔ eƒe susuwo ɖe eyaŋutɔ ɖokui dzi hebu be woate ŋu ayɔ ye be vɔvɔnɔtɔ le alesi yeɖe yeɖokui ɖa le aʋa la me la ta. Ebu fɔ eɖokui ƒe alɔgblɔdɔ wɔwɔ kple dzidzemekpɔkpɔ. Evɔ wònye be gbawotsogbe la, ele dɔ, si wú ame ɖeka ƒe dɔ la, wɔwɔ dzi. Eƒe nuŋlɔti la le dɔ dzi ɖaa. Le esime eƒe futɔwo le wo ɖokuiwo blem be yewo de ga nu nɛ la, woƒe nu ku ŋutɔ ŋutɔ esi woke ɖe eƒe dɔwɔwɔ dzi yiyi ƒe dzesiwo ŋu. Eƒe agbalẽvi yeyewo kaka xɔ Germania dua me keŋ abe tɔɖɔɖɔ ene. Dɔ gã xɔasi, si wògawɔ na ededumetɔwo lae nye Nubabla Yeyea gɔmeɖeɖe ɖe wode gbe me. Le eƒe Patmos ƒe beɖoƒe kɔkɔa dzi, le ƒe blibo ɖeka kloe me la, egayi Mawunya kaka dzi, hegaƒo nu tso ɣemaɣi ƒe nuvɔwo kple nu dadawo ŋuti. UGL 143.1

Menye ɖe ko Mawu di be yeaɖe eƒe subɔla la ɖa le futɔwo ƒe dziku nu, alo be yeanae vovoɣia ɖe wòatsɔ ŋlɔ̃ eƒe agbalẽ vevieawo ta wòɖee ɖa le dukɔa me ƒe ʋunyaʋunya me o. Nu bubu, siwo xɔ asi wú esiawo la, Mawu nɔ mɔ kpɔm na. Ekplɔe da ɖe totame ƒe bebeƒe do viviti la me be yeaɖee ɖa le amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu kple kafukafuwo gbɔ. Ale be wòkpɔ eta ɖe dada kple ɖokui ŋudzedze, si tsoa dziɖuɖu me la ŋuti. Vevesese kple gbɔɖiame woenye nusiwo tu eyama ɖo na agbe yeye, le moɖaɖa ƒe kɔkɔƒe gã, si nudzɔdzɔwo dae ɖo le ɣeyiɣi kpuiea ɖe ko me la me. UGL 143.2

Ne amegbetɔwo le dzidzɔ kpɔm ɖe alesi Nyateƒe la wɔ wo ablɔɖeviwoe la, evana me be wotsɔa bubu kple kafukafu nana amesi ŋu dɔ Mawu wɔ hetso alakpa kple numaɖinudzixɔse ƒe kɔsɔkɔsɔwo ɖa le wo ŋu la. Satana dina be yeaɖe amegbetɔwo ƒe ŋku ɖa le Mawu dzi ada ɖe ŋudɔwɔnu, si wonye na Wɔla la, dzi boŋ. Futɔ la tutuna wo be woatsɔ bubu na dɔwɔnu ƒuƒlu la, ale be woaŋlɔ̃ be xɔname ƒe asi, si le mɔ tam na nudzɔdzɔwo katã la. Zi geɖe la, gbɔgbɔme kplɔla, siwo xɔa kafukafu kple bubudeameŋu siawo la, ŋlɔna woƒe kuku ɖe Mawu ŋuti la be, eye wogena ɖe kaka ɖe ameɖokui dzi kple ɖokuiŋudzedze me. Emetsonue nye be wodina laɖu fia ɖe amesiwo lɔ̃ be yewoabɔbɔ ɖe woƒe ŋusẽ te la ƒe gbɔgbɔ kple dzitsinya dzi, le esime wòle be woalé ŋku ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu boŋ. Zi geɖe la, Nyateƒea taʋlila, siwo ɖe asi le wo ɖokui ŋu na gbɔgbɔ sia la, hea Ɖɔɖɔɖodɔ la ɖe megbe geɖe. Mawu di be yeaɖe Reformatio la le dzɔgbevɔe gã sia me. Edi be dɔ sia naxɔ yeƒe nutrenu, ke menye amegbetɔ tɔ o. Amewo trɔ ŋku da ɖe Luther dzi abe Nyateƒea ƒe gɔmeɖela ene; ke woɖee ɖa le woƒe ŋku ta, alebe ŋku sia ŋku nalí ɖe Nyateƒemavɔtɔ la ŋutɔ ko dzi. UGL 143.3

------