Go to full page →

10—ƉƆƉƆƉO LA ƑE ŊGƆDEDE LE GERMANIA UGL 159

Luther ƒe zĩdodo nukutɔe, si amea ɖeke menya afisi wòto o la, na be dukɔa tsɔ mavo. Eƒe futɔwo gɔ̃ hã le vɔvɔm na eƒe ŋkɔ mase wú eƒe anyinɔnɔ. Amewo nɔa biabiam se le afisiafi be nukae dzɔ ɖe edzi? Wonɔa vɔvɔnyawo sem tso eŋu, eye amewo susu be wotso adzoe hewu. Amewo nɔ avi fam ɖe eta le maɣlamaɣla me, menye le exɔlɔ, siwo wodze si la dome ko o, ke le ame akpe akpe, siwo meɖe wo ɖokui fia abe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ene o hã dome. Ame geɖewo ŋutɔ gɔ̃ hã do ŋugbe be yewo abia hlɔ̃ ɖe eta. UGL 159.1

Vɔvɔ̃ dze hamea kplɔlawo dzi, esi wokpɔ be dukɔa le liʋiliʋi lim le wo ŋu, eye ʋunyaʋunya le dzi yim le dua me. Togbɔ be wokpɔ dzidzɔ gbã, esi wosusu be eku ta la, azɔ wodi vevie be dukɔa ƒe dziku nadzo le yewo dzi. Amesiwo do dɔmedzui geɖe ɖe Ɖɔɖɔɖowɔla ŋuti esime wòkpɔ ablɔɖe la, le dzodzom nyanyanya fifia, esi wòle abe wodée gaxɔ me ene la. Amea ɖe ŋlɔ̃ ɖoɖe Mayensia ƒe episkɔpo gã la be: “Nu ɖeka, si susɔ be míawɔ akpɔ ɖeɖe lae nye be míatɔ kakati aɖi tsa adi Luther le xexeame godoo, akplɔe vɛ na dukɔa, si le edim la.” —D’Aubigné, liv. 9, ch, 1.- Dufiagã ƒe segbalẽ, si wòɖe do go la, zu nu ƒuƒlu. Papa ƒe amedɔdɔwo kpɔ dziku ŋutɔ esi wode dzesii be agbalẽ sia metsɔ ɖeke le me na wo tsɔ wú Luther ƒe dedienɔnɔ o. UGL 159.2

Amewo ƒe dzimaɖeɖi nu tsi vie esi wose be Luther le dedie, to gbɔ be wodee gaxɔ me hã, eye dzo yeye gaɖo wo me. Wogale eƒe nuŋɔŋlɔwo xlẽm wú tsã. Ame geɖe, siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe dzi la, xɔ kalẽtsu, si tsi tre ʋli Mawu ƒe Nya le ŋusẽ, siwo lolo fũu wú eyama tɔ ŋgɔ la, ƒe nya la yome.(171) Reformatio la le ŋgɔ yim tso ŋkeke yi ŋkeke. Nuku, si Luther ƒã la le miemiem le afisiafi. Eƒe anyi manɔ ƒe dɔ, si wɔm wòle le dukɔa me la ga lolo wú esi wòawɔ ne eyama ŋutɔ li la. Eƒe Ɖɔɖɔɖo xɔlɔ̃ geɖewo kpɔ be dɔdasi yeyea ɖe tu yewo, esi yewo ƒe kplɔla megale yewo dome o la. Wotsɔ xɔse kple dzo yeye le ŋutete wɔm na dɔ la dzi yiyi. UGL 159.3

Ke Satana mebla abɔ ɖi naneke mawɔ o. Edze agbagba be yeagawɔ nusi yewɔna le ɖɔɖɔɖo wɔnawo katã me la, si nye be wòable dukɔa, agblẽ Mawu ƒe dɔ la me to amefluɖɔɖɔɖo tsɔtsɔ ɖɔ li vavãtɔ la me. Abe alesi alakpa kristowo nɔ anyi le Kristo Hamea ƒe ƒe alafa gbãtɔ me ene la, nenema ke aʋatso nyagblɔɖilawo hã do go le ƒe alafa wuiadẽlia mee. UGL 160.1

Amea ɖewo, siwo dzi dzoxɔxɔ, si nɔ kristotɔ ƒomea me ɣemaɣi wɔ dɔ ɖo ŋutɔ la, susu le wo ɖokui me be yewo xɔ dziƒo ƒe ɖeɖefia tɔxɛwo, eye bena yewo xɔ Mawu ƒe yɔyɔ na dɔ, si gɔme Luther dze la dzi yiyi heyi ɖe eƒe nuwuwu ke. Le nyateƒe me la, Luther ƒe dɔ, si wòwɔ da ɖi la, ŋutɔ gblẽm wole boŋ. Wogbe nu le Reformatio ƒe gɔmeɖokpe gãtɔ, si nye Mawunya, xɔse kple agbe nyui nɔnɔ ƒe ɖoɖo ɖeka hɔ̃, si su na nusianu la, gbɔ. Nusi wotsɔ ɖɔ li Mawunya ƒe amekpɔkplɔ vavãtɔ lae nye wo ŋutɔwo ƒe seselelãme kple nukpɔkpɔ, siwo trɔna, eye kakaɖedzi mele wo ŋu o la. Ke esi woɖe ɖaseɖila gã, si klona nu le vodada kple alakpa ŋu, ɖe aga la, woɖe mɔ na Satana be wòakplɔ amewo ƒe gbɔgbɔ alesi wòdzro la. UGL 160.2

Aʋatso nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be yexɔ nusɔsrɔ̃ tso mawudɔla Gabriel gbɔ. Sukukɔkɔdelaa ɖe, si kplɔe ɖo la hã, ɖe asi le suku ŋu be yexɔ ŋutete tso Mawu gbɔ na Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe gɔmeɖeɖe. Bubu siwo lɔna nu wɔgbɔeme wɔwɔ la hã kplɔ wo ɖo. Ke amesiawo ƒe wɔnawo he dzitsitsi kple dzoléle gãa ɖe va amewo me. Luther ƒe gbeƒãɖeɖe na be ame geɖewo kpɔ le afisiafi be ɖɔɖɔɖo hiã; evɔ, nublanuitɔe la, nyagblɔɖila yeye siawo ƒe ɖokuibeble ƒe nyawo kplɔ nuteƒewɔla kple nyateƒetola geɖewo tra mɔe. UGL 160.3

Azɔli yeye sia ƒe ŋgɔnɔlawo yi ɖe Melankton kple eƒe hadɔwɔlawo gbɔ le Wittemberg kple woƒe ɖokuiblenyawo. Wogblɔ be: “Mawu dɔ mí ɖa be míava fia nu dukɔ la. Míexɔ ɖeɖefiawo tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eye míenya nusi gbɔna dzɔdzɔge la. Apostolowo kple nyagblɔɖilawo míenye. Míele yɔyɔ wɔm na Luther ku ɖe nyateƒe, si fiam míele la ŋuti.” —Ibid., liv. 9, ch. 7.- UGL 160.4

Avo ƒo Ɖɔɖɔɖowɔlawo, eye wotɔtɔ le wo ɖokui me geɖe. Esia nye nane, si womedo go kpɔ o, eye womenya nusi woawɔ o. Melankton gblɔ be: “Nyateƒee, gbɔgbɔa ɖewo le ɖevi siawo me, evɔ ɖee, gbɔgbɔ kawoe?... Le go ɖeka me, ele be míakpɔ nyui be mímegatsi Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nu o, eye, le go evelia me, be Satana ƒe gbɔgbɔ magakplɔ mí tra mɔ o.” Ibid., liv. 9, ch. 7.- UGL 161.1

Medidi hafi nufiafia yeyeawo dze woƒe kutsetsewo ɖeɖe fia o. Wona be amewo megale be lém na Biblia o, eye amea ɖewo ɖe asi le eŋu ŋutɔ gɔ̃ hã. Tɔtɔtɔtɔ gãa ɖe ge ɖe sukuwo me. Sukukɔkɔdelawo gbe se te nɔnɔ, eye woɖe asi le suku ŋuti. Amesiwo kpɔ be yewo ate ŋu ade dzo ɖɔɖɔɖoa me, akplɔe la, mete ŋu le naneke wɔm wú be wogana wònɔ to yim o. Romatɔwo le dzideƒo kpɔm, eye wonɔ dziɖuɖu ɣli dom gblɔ be: ” Míagawɔ ŋutete viaɖe ko, eye nusianu asu mía si.” Ibid., liv. 9, ch. 7.- UGL 161.2

Luther, si le nusiawo katã sem le Wartbourg la, gblɔ kple vevesese bena: ” Mesusuna ɣesiaɣi be Satana aɖo abi vɔ̃ ma ɖe mí.” Ibid., liv. 9, ch. 7.- Ede dzesi nusi nye amesiwo le wo ɖokui yɔm be nyagblɔɖilawo la ƒe nɔnɔme vavã la, eye wòkpɔ afɔku gã, si le ŋgɔ na Nyateƒe la. Papa kple du Fiagã ƒe tsitre tsitsi ɖe eyama ŋuti mena Luther tɔtɔ, hese veve kpɔ abe alesi wòle esem fifia la ene o. Amesiwo gblɔ be yewo nye Reformatio ƒe xɔlɔwo la dome boŋ eƒe futɔ gãtɔwo le go dom tso. Nyateƒe, siwo he ŋutifafa va na eƒe luʋɔ, si nɔ xaxa me la, woele mamã hem va hame la me azɔ. UGL 161.3

Le Ɖɔɖɔɖo dɔa me la, Mawu ƒe Gbɔgbɔe tutu Luther yi ŋgɔ, eye wòkplɔe, eya ŋutɔ ƒe lɔlɔnu manɔmee. Nɔnɔme, si wòtsɔ, kple tɔtrɔ deto, siwo wòwɔ la, metso eya ŋutɔ gbɔ o. Dɔwɔnu ko wònye le Ŋusẽmavɔ-tɔ la si me.(173) Gake etsina dzodzodzoe le eɖokui me ku ɖe eƒe dɔ la ƒe kutsetsewo ŋuti. Egblɔ gbeɖeka be: “Ne menya be nye nufiafia gblẽ nu le amegbetɔa ɖe ŋu, eɖanye ahedala gãtɔ kekeake, si amea ɖeke medze si o hã, nusi mate ŋu ava me o, elabe Nyanyui vavã lae, melɔ̃ be maku zi gbɔ zi ewo, wú be magbe tɔtrɔ le eyome.”- Ibid., liv. 9, ch. 7.- UGL 161.4

Wittemberg, si nye Reformatioa ƒe gunu la, le gegem kaba ɖe nu-wɔgbɔeme kple setemanɔ ƒe ŋusẽ gãa ɖe me. Menye nusiwo Luther fia lae le nɔnɔme sia hem vɛ o; ke boŋ eƒe futɔwo le nya tsɔm ɖe eŋuti le Germania katã be eyamae. Ebiana eɖokui se kple vevesese le eƒe luʋɔ me be: « Ɖee esia anye Reformatio gã la ƒe nuwuwua? » Ibid., liv, 9, ch. 7. Ɣebubuɣi, le ʋiʋli kple Mawu to gbedodoɖa me megbe la, ŋutifafa gena ɖe eyama me. Egblɔna be: “Dɔ la menye tɔnyee o, tɔwòe. Màlɔ̃ gbeɖe be numaɖinudzixɔse kple nu-wɔglo nahe gbegblẽ de eme o.” Mele bɔbɔe nɛ kura be wòanɔ adzɔge na ʋiʋli la, le esime nuwo de gbegblẽ ge keŋkeŋ la o. Eɖo kpe edzi be yeayi ɖe Wittemberg. UGL 162.1

Ke mehe ɖe megbe o, edze afɔku mɔzɔzɔ la dzi. Wode se nɛ be eƒe afɔ megage ɖe fiaɖuƒe la me o. Eƒe futɔwo kpɔ mɔ awui faa, ke mɔɖeɖe meli na exɔlɔa ɖeke be wòakpe ɖe eŋu alo axɔe ɖe aƒeme o. Dziɖuɖua wɔ ɖoɖo sesẽwo ɖe eyomedzelawo ŋuti. Gake esi wòkpɔ be Nyanyui-dɔ la le tsɔtsrɔm la, edze mɔ le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me yina aʋa wɔ ge ɖe Nyateƒe la ta. UGL 162.2

Le agbalẽa ɖe, si wòŋlɔ̃ ɖoɖe Saxoni fiavi la, ku ɖe eƒe dzodzo le Wartbourg me la, egblɔ be: “Ele be fiavi bubutɔ la nanya be mele dzodzom yi Wittemberg, le ametakpɔkpɔ, si sesẽ fũ wú fiaviwo tɔ la te. Nyemesusu kura be mabia wò gãnyenye ƒe kpeɖeŋu o, eye be madi wò ametakpɔkpɔ o. Bene wò nàkpɔ tanye la, nye ya madi boŋ bena makpɔ ta wò. Ne menya be àte ŋu, alo àdi be yeaʋli tanye la, nyemalɔ̃ be mayi ɖe Wittemberg o. Xexeme ƒe yia ɖeke mateŋu awɔ aʋa ɖe nya sia ta o. Mawu ɖeka koe lawɔ nusianu, amegbetɔ ƒe kpeɖeŋua ɖeke manɔmee. (174) Amesi si xɔse gãtɔ le la, eyae ate ŋu aʋli ame ta vavã.- Ibid., liv. 9, ch. 8.- UGL 162.3

Le agbalẽ evelia, si wòŋlɔ̃ le Wittemberg mɔ dzi me la, Luther gblɔ be: “Mele gbesɔsɔ axɔ wò gãnyenye ƒe megbemanɔ nam kple xexeame katã ƒe dziku faa. Ɖe Wittemberg-tɔwo menye nye alẽwo oa? Ɖe menye Mawue tsɔ wo de asi nam be makplɔ oa? Eye, ne ehiã la, ɖe nyemakpa ŋgɔ ku ɖe wo ta oa? Mele vɔvɔm̃ ŋutɔ gɔ̃ hã be aglãdzedze gãa ɖe awó le Germania-du la me, si anye Mawu ƒe tohehe na míaƒe dukɔ la.” —Ibid., liv. 9. Ch. 7.- UGL 162.4

Edze dɔ gɔme le dzidodo gãa ɖe kple bɔbɔenyenye me, le tameɖoɖo vevie kple kelili me hã. Egblɔ be: “To Nya la mee míamu, eye míagbe nusi woɖo anyi kple ŋusẽ la ƒu anyie. Nyemawɔ ŋusẽ ŋuti dɔ kura tsi tre ɖe toflokonudzixɔse kple dzimaxɔse ŋuti o. Teté ɖe ame dzi meganɔ anyi o. Mewɔ dɔ na dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ. Ablɔɖe mee xɔse la tsona.- Ibid., liv. 9, ch. 8.- UGL 163.1

Nyawo dze ɖiɖi le Wittemberg be Luther gbɔ, eye wòle gbeƒã ɖe ge kpuie. Dukɔa nye zi tso afisiafi yi ɖe hame la me be yewoase Mawunya. Gbedoxɔ la yɔ taŋ le ɣeyiɣi via ɖe ko me. Elia nyagblɔti la dzi heƒo nu, fia nu, xlɔ̃ nu wo, gbe nya na wo le nunya kple dzigbɔɖi gãa ɖe me. Le eƒe nuƒoƒo tso amesiwo tsɔ ŋusẽ xe mɔ na misa wɔwɔ me la, egblɔ be: “Misa nye nu vɔɖia ɖe; Mawu nye eƒe futɔ; edze be woatsi enu; medi be le xexea katã me la, nuɖuɖu kɔkɔe, si ŋu Nyanyuia ƒo nu tso la naxɔ eteƒe. Gake womegatsɔ akpasesẽ ɖe amea ɖeke ɖa le eŋu o. Mawu si me míagblẽ nusianu ɖo. Eƒe Nyae lawɔ dɔ, ke menye míawo o. Miate ŋu abia se be nukatae mahã. Ŋuɖoɖo la enye be nyemelé amegbetɔwo ƒe dzi ɖe nye asi me, abe alesi zemela léa tsu ɖe eƒe asi me la ene o. Nusi nye míatɔ la koe nye be míaƒo nu, gake alekeake wòanye hã, mɔɖeɖe meli na mí be míazi amea ɖeke dzi o. Mina míaɖe gbeƒã, ke mamlɛa ya le Mawu si. Ne mewɔ ŋusẽ ŋuti dɔ ɖe, nukae anye emetsonu? Nu-srɔwɔ, dzedze nyuie le gota, ɖekawɔwɔ, si tso tetéɖamedzi me kple ŋkumenuwɔwɔ mee. Ke Nyateƒe, si tso dzi me, xɔse kple lɔlɔ̃ ya manɔ anyi o. Naneke menɔa dɔwɔwɔ, si me nu etɔ̃ mawo mele o, eye nyemawɔ naneke kura na nenem ƒe dziɖuɖu kpɔkpɔ o. Mawu wɔa nu geɖe to eƒe Nya la ƒe ŋusẽ ɖeɖe ko me fũ wú ne míawo, alo ne xexe blibo la ƒo ŋusẽwo katã nu ƒu gɔ̃ hã. Ame ƒe dzi Mawu dina, eye ne exɔ dzi aɖe me la, ekem dziɖuɖu vana.” UGL 163.2

Maɖe gbeƒã, adzro nya me kple ame, aŋlɔ̃ nu, ke nyematé ɖe amea ɖeke dzi o, elabe xɔse la, lɔlɔnu ƒe nyae.” Miɖo ŋku nusi mewɔ vayi la! Metsi tre ɖe Papa ŋuti, tsɔtsɔke dzadzra kple Papa ƒe amewo ŋuti, eye mewɔ esia le dzrehehe kple ŋusẽ ŋuti dɔ mawɔ me. Mawunyae metsɔ ɖo ŋgɔ. Meɖe gbeƒã, meŋlɔ̃ nu; nyemegawɔ nu bubua ɖeke o. Eye le esime menɔ alɔ̃ dɔm la, Nya, si meɖe gbeƒãe la, nɔ Papa ƒe ŋusẽ la gbãm, ale be fiavia ɖeke, alo fiagã metsi tre ɖe eŋuti o. Ke menye naneke nyea mewɔ o. Nya la ŋutɔe wɔ eƒe dɔ. Nenye ɖe medi be mawɔ ŋusẽ ŋuti dɔ la, anye ne Germania katã anye ʋu ɖeɖe. Eye nukae ado go tso me? Tsɔtsrɔ̃ kple vevesese na luʋɔ kple ŋutilã. Menɔ anyi kpoo, be Nya la ŋutɔ nawɔ dɔ yi ɖe xexeame.- Ibid., liv.9, ch.8.- UGL 163.3

Ŋkeke yi ŋkeke dzi Luther nɔa gbeƒã ɖem kwasiɖa ɖeka sɔŋ na ameha geɖe, si nɔ to ɖom kple vivisese. Mawunya la na be nuwɔgbɔeme ƒe dzobibi la nu tsi vie. Nyanyui la ƒe ŋusẽ gbugbɔ kplɔ dukɔ, si le mɔ tram la, va Nyateƒe ƒe mɔ la dzi. UGL 164.1

Luther medi kura be yeado go kple amesiwo ƒe wɔna he gbegblẽ gã sia vɛ o. Enya be ame maɖuwoɖokuidzi kple hlɔ-̃ me wonye, wo amesiwo be yewo xɔ kekeli tɔxɛ tso dziƒo, eye womelɔna xɔna nusi mesɔ kple woƒe nukpɔkpɔ o, alo toƒoɖo via ɖeke hã o la. Wotsɔ ŋusẽ katã ɖe woƒe asi me, eye wobiana be amesiame naxɔ ɖe nusi yewo gblɔ la dzi enumake. Gake esi wobia be yewoado go kple Ɖɔɖɔɖowɔla la, elɔ̃ xɔ wo. Alea gbegbe ye Luther ɖe ameblela siawo gɔme fia woaŋutɔwoe eye wòle na wo be woadzo le Wittemberg enumake. UGL 164.2

Ke nuwɔglo la nu tsi le ɣeyiɣia ɖe me. Gake le ƒea ɖewo megbe la, egawó kple ŋusẽ wú tsã kple emetsonu dziŋɔwo. Luther gblɔ tso woƒe kplɔla ɖeka ŋuti be: “Le wo ŋkume la, Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo meɖi naneke o. Woƒe ɣlidodo koe nye be: ‘Gbɔgbɔ la, gbɔgbɔ la!’ Le nyateƒe me nye ya nyemayi afisi woƒe gbɔgbɔ la le wo kplɔm yi o. Mawu neve nunye be nyemaganye ha, si me ame kɔkɔewo ɖeɖe ko le la, menɔla o. Medi be manɔ bɔbɔenyenyetɔwo dome, ame gblɔewo, dɔnɔwo, amesiwo dzesi woƒe nuvɔwo hesea woƒe veve, siwo ŋẽna, fana konyi ɣesiaɣi tso dzi me ke na Mawu be wòana yewo akɔfafa kple kpekpeɖeŋu la.- Ibid., liv. 10 ch., 10.- UGL 164.3

Thomas Munzer nu-wɔgbɔemelawo ƒe kplɔla gãtɔ, nye amea ɖe, si sí talento geɖe le, ale be ne eto mɔ, si dze la, ate ŋu awɔ nu nyui geɖe. Gake mesrɔ̃ subɔsubɔ vavã ƒe ɖoɖo gbãtɔwo o. Exɔe se be Mawu tia ye be yeneɖɔ xexeame katã ɖo, eye wòŋlɔ̃ be, abe wɔwuiwɔla gbogbotɔwo ke ene be dɔɖɔɖo nyuitɔ la dzena egɔme tso ameŋutɔ dzi. Eƒe didi gãtɔ enye be yeaxɔ ta, eye yemanye evelia na amea ɖeke o, na Luther ŋutɔ gɔ̃ hã o. Etsɔ nya ɖe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ŋuti be to woƒe lelé ɖe Biblia ɖeka ko ŋuti la, wole Papa ƒe dziɖuɖu tɔgbi ɖom anyi. Ekpɔ eɖokui abe amesi Mawu yɔ na ɖɔɖɔɖo vavã wɔwɔ ene. Egblɔna be nusia ava me to gbɔgbɔ la ƒe ɖeɖefiawo me, eye bena amesi si gbɔgbɔ la le la, eya si xɔse vavã la le, to gbɔ be ate ŋu anye amesi mexlẽ Mawu ƒe Nya la kpɔ le eƒe agbe blibo la katã me o hã. Ibid. liv. 10, ch.10. UGL 164.4

Nunyala wɔwuiwɔla siawo kplɔa wo ɖokuiwo kple woawo ŋutɔ ƒe nukpɔkpɔwo, eye wokpɔa woƒe susu ɖesiaɖe kple seselelãme abe Mawu ƒe gbe ene; esia ŋuti woƒe wɔnawo gbɔa eme fũu ŋutɔ. Wo dome amea ɖewo ŋutɔ gɔ̃ hã tɔ dzo woƒe Bibliawo henɔa ɣli dom be: “Nuŋɔŋlɔ̃ la wua ame, ke gbɔgbɔ la nana agbe.” Munzer ƒe nufiafia sɔ kple amesiwo nu wɔnukuwo doa dzidzɔ na la ƒe didiwo, eye wòdona ɖokui ɖe dzi, hetsɔna amegbetɔ ƒe susu ɖoa ta me na Mawu ƒe Nya la. Alea ye ame akpeakpewo xɔ Munzer ƒe nufiafiawo. Etsi tre ɖe ɖoɖowɔwɔ le subɔsubɔ me ŋuti, eye wòna wonya be toɖoɖo fiaviwo le abe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu kple Belial ene. UGL 165.1

Dukɔa, si dze nugbegbe le Papa ƒe kɔkuti gbɔ la, megate ŋu le dziɖuɖua ƒe ɖoɖowo xɔm azɔ o. Munzer ƒe nufiafia, si dzi wòbe Mawu da asi ɖo la, na be amewo megale didim be yewoanɔ ɖoɖoa ɖeke te o, ke woawo ŋutɔwo ƒe susu kple didiwo zu wo kplɔla. Nusiawo ƒe metsonuwoe nye aglãdzedze wɔna sesẽwo ɖe dziɖuɖua ŋuti kple ʋiʋli, siwo na be ʋu sɔgbɔ kɔ ɖi le Germania ƒe agblewo dzi. Veve, si wòse le luʋɔ me ke le Erfurt vayi tsã, gatrɔ va nɛ kple ŋusẽ, si dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve, esi wòkpɔ wotsɔ wɔwuiwɔwɔ ƒe metsonuwo da ɖe Reformatio ƒe ta dzi. Fiavi Papa yomedzelawo gblɔ be Luther ƒe nufiafiawoe he aglãdzedze la vɛ, eye ame geɖewo xɔ ɖe edzi nenema. To gbɔ be nyatsɔɖameŋu sia meɖo gɔmeɖokpea ɖeke o hã la, ana be Ɖɔɖɔɖowɔla la ase veve godo. Bene woado vlo Nyateƒe la ƒe nya, anae ŋkɔ be nuwɔgbɔeme la, nye nusi menya le tsɔtsɔm na Luther o. Le go bubu me, aglãdzelawo ƒe kplɔlawo lé fu Luther, menye esi melɔ̃ ɖe woƒe nufiafiawo ƒe Mawu gbɔ tsotso la dzi ta ɖeɖe ko o, ke le esi wògblɔ be wonye aglãdzelawo ɖe dziɖuɖua ŋuti la ta. Wogatsɔ nya ɖe eŋu hã be enye ɖokuiŋudzela, si wòdze be woalé fu la. Ewɔ nɛ abe ɖee wòhe fiaviwo kple dukɔa ƒe dziku va eɖokui dzi ene. UGL 165.2

Roma yomedzelawo le dzidzɔ kpɔm ale gbegbe, hele mɔ kpɔm na Reformatio la ƒe toyiyi keŋkeŋ, eye wotsɔ nya ɖe eŋu be nu dada, siwo wòdi be yeaɖe ɖa la wɔm eyama ŋutɔ le. Wɔwuiwɔlawo nɔ gbɔgblɔm be wowɔ nu madzɔmadzɔ gãa ɖe ɖe yewo ŋuti, si na be ame geɖewo xɔ yewo ƒe nya, eye abe alesi wònɔna na amesiwo le mɔ dada dzi ene la, wotsɔ wo abe martirowo ene. Alea ye ame mawo, siwo tsi tre ɖe Reformatio la ŋuti kple woƒe ŋusẽa katã la, woamawo nu wole veve sem ɖo, hele wo kafum, le wo kpɔm abe amesiwo ŋuti wole ŋuta sẽm le, le tetém ɖe anyi la ene. Nusia nye Satana ƒe dɔwɔwɔ, si tso aglãdzedze, si va eme le dziƒo zi gbãtɔ la, me. UGL 166.1

Satana le ŋutete wɔm ɣesiaɣi be yeable amegbetɔwo, atutu wo be woayɔ nuvɔ̃ be dzɔdzɔenyenye, eye dzɔdzɔnyenye be nuvɔ. Ŋgɔdede kae mékpɔ le dɔ sia wɔwɔ me oa! Zi nenie mevana eme edziedzi be tohehe kple nyatsɔɖameŋuwo yina na Mawu ƒe subɔla anukwaɖetɔ, siwo tsitre sesiẽ kalẽtɔe le Nyateƒe la taʋiʋli me oa! Amesiwo menye nu bubu wú Satana ƒe dɔtsɔlawo o la, woawoe xɔna kafukafu, eye woblea wo ɖe ŋu, hekpɔa wo abe martirowo ene, le esime amesiwo dze na bubu kple kpekpeɖeŋu le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me la, zu amesiwo ŋu wonɔa vɔ̃ susum ɖo, eye wonɔa vɔvɔm na. UGL 166.2

Kɔkɔenyenye sɔsrɔ, alo alakpa ƒe kɔkɔewɔwɔ gale eƒe aʋatso dɔwɔwɔ dzi. To nɔnɔme bubuwo me la, gbɔgbɔ ma ke, si wɔ dɔ le Luther ƒe ɣeyiɣiwo me la, gale amewo ƒe susu ɖem ɖa le Ŋɔŋlɔawo dzi, henɔa amegbetɔwo flum be woawɔ woawo ŋutɔwo ƒe seselelãme kple nukpɔkpɔwo dzi, wú be woaxɔ Mawu ƒe Se la, ahawɔ edzi. Eya nye Satana ƒe ameflumɔnu sesẽtɔwo dometɔ ɖeka, si dzi wòtona kple ŋudzedze, hea ɖiƒoƒo vana Nyateƒe la ƒe dzadzɛnyenye dzi. UGL 166.3

Luther ʋli Nyanyui la ta vɔvɔ̃ manɔmee le amenutsotso, siwo le afisiafi tsom la ŋgɔ. Le ʋiʋli ɖesiaɖe me la, Mawu ƒe Nya la nyena aʋawɔnu sesẽa ɖe na eyama. Etsɔ Nya la wɔ aʋa kple Papa ƒe amedziɖuɖu, si wòxɔ kple ŋusẽ la, eye wòkpe akɔ kple susugãɖelawo ƒe nunya, eye wògatsɔ Nya la tsi tre ɖe wɔwuiwɔla, siwo di be yewoawɔ ɖeka kple Reformatio la, ŋuti. Futɔa ƒe wɔna vovovoawo ƒe ɖesiaɖe tona mɔa ɖe dzi ɖea Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ɖe aga, doa amegbetɔ ƒe susu ɖe dzi abe nyateƒe kple subɔsubɔ ƒe nunya dzɔtsoƒe ene. Ame ƒe susu tsɔtsɔ abe nunya ƒe dzɔtsoƒe ene la nye trɔsubɔsubɔ, eye wòna wo kpɔnɛ abe dzidzenu le subɔsubɔ nyawo me ene. Roma hamea hã be yewoƒe kplɔla gã la xɔ eƒe nufiamewo tɛe tso Apostolowo ƒe ɣeyiɣi me ke, eye wòle matrɔmatrɔ tso blema ke va ɖo ɣeyiɣi sia; ale be woawo hã ɣla ɖe apostolowo ƒe dɔdasi kɔkɔewo megbe henɔa wɔwuiwɔwɔ kple gbegblẽ vɔɖi ƒe agbe. Munzer kple eƒe hadɔwɔlawo ƒe ɖeɖefia, siwo wobe yewo xɔ la, metso afi bubua ɖeke wú woa ŋutɔwo ƒe susuwo ƒe tsaɖiɖi me o, eye wònɔa dɔ wɔm tsi tre ɖe dziɖuɖuwo katã ŋuti, amegbetɔ tɔ kple Mawu tɔ siaa ŋuti. Kristotɔnyenye vavã xɔna Mawu ƒe Nya la abe Nyateƒe, si tso ɖeɖefia me la ƒe kesinɔnu gãtɔ ene; eya kee nyena dodokpɔ alo dzidzenu na ɖeɖefia ɖesiaɖe. UGL 167.1

Esi Luther dzo le Wartbourg la, eyi ɖe eƒe Nubabla Yeyea ƒe gɔmeɖeɖe dɔ la dzi, hewu enu, eye le madidi me la, Nyanyui la su Germania dukɔ la si le wo degbe me. Amesiwo katã lɔã Nyateƒe la kpɔ dzidzɔ geɖe le eŋu, ke amesiwo tia amegbetɔwo ƒe dekɔnuwo kple amegbetɔ ƒe sededewo la gbe nu le egbɔ, eye wolé fui. Nunɔlawo vɔ̃ ŋutɔ esi wokpɔ be asinukpɔkpɔ su dukɔmevi ɖesiaɖe si be wòava dzro Mawunya la me kple yewo, eye le esia wɔwɔ me la, yewo ƒe numanya avadze le gota. Woƒe ŋutilã me nyameɖeɖe ƒe aʋawɔnu la meɖo ŋusẽa ɖeke le Gbɔgbɔ ƒe yi la ŋgɔ o. Roma wɔ eƒe dziɖuɖu ŋusẽa katã ŋuti dɔ be yeaxe mɔ na Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea ƒe kaka ɖe dukɔa me. Gake se, siwo wòde, fiƒode kple fuwɔamewo katã nye tofloko. Zi alesi wòbu fɔ Biblia la, nenema ke amewo ƒe didi le ŋu sẽm ɖe dzi be yewoanya nusi fiam Nya la le vavã. Amesi ke nya nuxexlẽ la di be yeŋutɔ yeasrɔ̃ Mawunya la na yeɖokui. Amewo tsɔnɛ ɖe asi yia afisiafi, xlẽnae, gatrɔ xlẽnɛ, eye ne wosrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa gãa ɖe ɖe ta me la, hafi wokpɔa dzidzeme. Esi wòkpɔ alesi woxɔ Nubabla Yeyea nyuie la, Luther dze Nubabla Xoxoa hã gɔmeɖeɖe enumake, eye ne ewu akpaa ɖe nu la, eɖenɛ ɖe go zi ɖeka. UGL 167.2

Woxɔ Luther ƒe nuŋɔŋlɔwo nyuie le du gãwo kple kɔƒewo me siaa. Agbalẽ, siwo Luther kple eƒe xɔlɔwo ta la, ame bubuwo tsɔna wo ɖia tsae. Nunɔla ɖokuiɖeɖagala, siwo kpɔ be yewo ƒe agbenɔnɔ ƒe ɖoɖowo medze o, eye wodi be yewoado go le kuvia- gbe, si wonɔ didie me ahawɔ nane, gake woƒe abunɛtɔnyenye meɖe mɔ na wo be woate ŋu agblɔ Mawunya o la, tsɔna Luther kple eƒe xɔlɔwo ƒe agbalẽawo nɔa tsa ɖim le nutowo, kɔƒewo kple agbletawo me henɔa wo dzram. Le ɣeyiɣi suɛa ɖewo me la agbalẽdzrala kalẽtɔ siawo xɔ Germania dua katã me. Ibid., liv. 9, ch. 11.- UGL 168.1

Hotsuitɔwo kple amedahewo, nunyalawo kple agbalẽmanyalawo siaa tsɔ beléle tɔxɛ le agbalẽawo me dzrom. Le kɔƒewo me, amewo ƒoa ƒu ɖe nake dzo ŋu le zã me, eye kɔƒeme-suku nufialawo kɔa gbe dzi nɔa Mawunya la xlẽm na wo. Ale be luʋɔ yeyewo nɔa kekem ɖe Nyateƒe la ŋuti, eye amesiwo dzi wòwɔ dɔ ɖo la yi ɖamanae kple ame bubuwo. UGL 168.2

Kakaɖedzi le amewo si sum to ɖeɖefia Nya la me: “Ne woʋu go wò Nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.” (Ps. 119 : 130) Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo sɔsrɔ̃ le tɔtrɔ gãa ɖe hem va dukɔ la ƒe gbɔgbɔ kple dzi me. (180) Papa ƒe dziɖuɖua tsɔ gayibɔ ƒe kɔkuti sesẽa ɖe té amesiwo kplɔm wòle la ɖe numanya kple gbɔɖiamea ɖe me. Wolé ɖe subɔsubɔ kɔnua ɖewo dziwɔwɔ ŋu vevie kple dzixɔse dada, gake woƒe dziwo kple nunya mekpɔ gome le wo wɔwɔ me o. Luther ƒe gbeƒãɖeɖe, si ɖea Mawunya ƒe Nyateƒeawo me wòkɔna nyuie, kple Nya la ŋutɔ, si wòtsɔ de asi na dukɔa la, nyɔ̃ woƒe susuwo tso woƒe alɔdɔdɔ me, eye wòkɔ woƒe gbɔgbɔmeme la ŋuti, hedoe ɖe dzi to ŋusẽ yeye dede woƒe nunya me. UGL 168.3

Wokpɔa ame geɖe, siwo tso dukɔme hatsotsoe vovovoawo me kple Biblia le asi me, wonɔa Reformatio ƒe nufiafiawo ta ʋlim. Papa yomedzela, siwo ɖe asi le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo sɔsrɔ̃ ŋuti na nunɔlawo kple ɖeɖeɖagalawo la, bia tso wosi azɔ be woaɖe zɔ ne woatsi tre ɖe nufiafia yeyeawo ŋuti. Ke esi womedze si Ŋɔŋlɔ̃awo o, eye womenya Mawu ƒe ŋusẽ la hã o la, nunɔlawo kple dɔkuiɖeɖagala siawo mete ŋu nɔ te ɖe amesiwo wodzuna tsã be numanyalawo kple xɔsedadatɔwo ƒe ŋku me o. Katoliko nuŋlɔ̃laa ɖe gblɔ be: “Nublanuitɔe la, Luther fia eƒe nusrɔ̃lawo be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe nufiafia ko dzi woatu woƒe xɔse la ɖo.” UGL 169.1

Ameha gãwo ƒoa ƒu be yewoase alesi ame mayisukugãwo te ŋu ʋlia Nyateƒe la ta, eye wote ŋu ɖea nya me kple xɔse- nunyalawo kple sukugãdela nuƒonyaƒola gãwo la. Mawu ƒe Nya ƒe nufiafia bɔbɔewo léa woƒe nyameɖeɖewo ƒua anyi eye wòɖea amegã mawo ƒe numanya ɖe go. Nyɔnuwo kple ɖeviwo, asinu- dɔwɔlawo kple asrafowo siaa nya Mawunya wú nunyalagãwo kple nunɔlawo le woƒe awuʋlayawo me. UGL 169.2

Vovototo, si le Nyanyui srɔlawo kple Roma ƒe alakpanudzixɔselawo dome la, sɔ kple esi le nunyalagãwo kple dukɔmevi gblɔe, siwo menya naneke o la dome. Sɔhɛ, siwo ƒe susu le agbe, siwo ƒe akpa gãtɔ le Ŋɔŋlɔawo me dzrom, le wo me kum wòde to, eye woganya nu tso blema me ƒe nuŋɔŋlɔwo ŋu geɖe la, sɔhɛ siawoe kpa ŋgɔ Roma ƒe megbenɔla, siwo nye ame tsitsiwo, esiwo metsɔ ɖeke le me na gbewo sɔsrɔ̃ kple nuŋɔŋlɔwo o. Sɔhɛ siawo, siwo de ŋgɔ le susu me, dzɔatsu le luʋɔ me, eye dzika hã metsoa wo ƒo o la, ƒo ƒu nunya geɖe na woɖokui le ɣeyiɣi kpuia ɖe me, ale be amea ɖeke mete ŋu nɔa te le wo ŋgɔ o. Ne eva me be sɔhɛ Ɖɔɖɔɖotaʋlila siawo do go Roma ƒe nunyala gãwo le takpekpea ɖe me la, wotsɔa nya ɖe wo ŋuti bɔbɔe kple kakaɖedzi numeɖeɖe ale gbegbe be amegã siawo tɔtɔna le wo ɖokui me, kukɔna aɖe, eye woɖia gbɔ le amehawo ŋku me.- Ibid, liv. 9 ch. 11.- UGL 169.3

Roma ƒe kplɔla, siwo kpɔ alesi hameviwo ƒe xexlẽme le to yim la, bia kpeɖeŋu tso dziɖuɖua gbɔ, eye wodi vevie be yewoato mɔ sia mɔ dzi atrɔ wo yomedzela, siwo le go dom la, gbɔ va yewo ƒe ŋusẽ te. Gake dukɔ la kpɔ nusi eƒe luʋɔ le hiahiãm la le nufiafia yeye, si xɔm wole la me. Wotrɔ megbe de amesiwo, le ɣeɣiɣi didia ɖe me la, nyi wo kple nuɖuɖu nyɔŋuwo, kple numaɖinudzixɔse, kpakple amegbetɔwo ƒe numamewɔwɔwo. UGL 169.4

Nenemae, esi yometiti ƒe dzo gade asi bibi me ɖe Nyateƒea ƒe gbeƒãɖelawo ŋuti la, woɖo ŋku Kristo ƒe nya, si wògblɔ la dzi bena: “Ne woti mia yome le du sia me la, misi yi ɖe bubua ɖe me; ….” (Mateo 10: 23) Kekeli la le gegem ɖe afisiafi. Sisilawo le sitsoƒe kpɔm le ʋɔtru, si ʋu na wo la me, eye tso afima la, woyina ɖea gbeƒã Kristo, ɣeaɖewoɣi le gbedoxɔwo me, ke ne womeɖe mɔ na wo o la, woyia aƒe tɔxɛwo me alo ablɔwo dzi. Afisiafi, si woate ŋu ɖo to wo le ko la, zua gbedoxɔ kɔkɔe na wo. Nyateƒe, si wole gbeƒã ɖem kple ŋusẽ sia kple kakaɖedzi ma la, le kakam ɖe dzi, mɔxenua ɖeke makpɔe. UGL 170.1

Woƒo ƒu hamea nunɔlawo kple dukɔme dziɖuɖua ƒe ŋusẽwo ne woagbã nusi yɔm wole be xɔse madzɔmazɔ la, gake tofloko ko wònye. Dzodzro wode amewo gaxɔ me, wɔ funyanya amewo, tɔ dzo wo, wù bubuwo kple yi. Ke wo katã nye dzodzro. Ame akpeakpewo tre woƒe xɔse nu kple woƒe ʋu, gake Roma gale edzi. Nusi yometiti la wɔ koe nye be Nyateƒe la naga kaka ɖe edzi. Wɔwuiwɔwɔ, si Satana di be yeatsɔ tee kpɔ la hã na be amewo gade dzesi vovototo, si le eƒe dɔwɔwɔwo kple Mawu ƒe dɔwɔwɔwo dome nyuie wú. UGL 170.2

------