Go to full page →

24—LE KƆKƆEƑEWO ƑE KƆKƆEƑE LA ME UGL 393

Agbadɔ Kɔkɔea ƒe nyae nye safui, si ʋu dziɖelameƒo ƒe nudzɔdzɔ gã, si va amesiwo nɔ mɔ kpɔm na Kristo ƒe vava le ƒe 1844, ƒe nuɣaɣla la. Nya sia ƒe gɔmesese ʋu nu le nyateƒe geɖe, siwo de blibo, wɔ ɖeka kple wonɔewo la nu, si ɖee fia be Mawu ƒe asi nɔ megbe na Mɔkpɔlawo ƒe azɔli gã la. Kekeli yeye siawo, siwo klẽ ɖe nudzɔdzɔ la kple Mawu ƒe dukɔa ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, ɖe woƒe dɔdeasiwo na ɣeyiɣi sia fia wo. Abe alesi Kristo ƒu nusrɔlawo, le vɔvɔ̃ gã kple dziɖelameƒo manyagblɔ ƒe zã ma, si kplɔ Ɖela ƒe kaklã ɖe atitsoga ŋu ɖo, yɔ kple dzidzɔ geɖe esi woke ɖe Aƒetɔ la ŋu ene la, nenema ke wònɔ na amesiwo nɔ mɔ kpɔm na Kristo ƒe tɔtrɔva le xɔse me hã. Wonɔ elalam be ava le eƒe ŋutikɔkɔe me kple fetu na eƒe subɔlawo. Esi woƒe mɔkpɔkpɔ meva eme o la, Kristo bú ɖe wo, eye, abe Maria le yɔdo to ene, wodo ɣli be: “Wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi wodae ɖo o.” Kasia wogake ɖe woƒe Nunɔlagã lɔlɔ̃ la ŋu le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la, eya amesi ava kpuie abe woƒe Fia kple Ɖela ene. Agbadɔ Kɔkɔe la ƒe kekeli klẽ ɖe tsɔ, si va yi, egbe ŋkekeawo kple tsɔ, si gbɔna la dzi. Wonya be Mawu ta mɔ na yewo, kplɔ yewo le eƒe ametakpɔkpɔ kple nunya matrɔmatrɔ gbeɖe la me. To gbɔ be, abe nusrɔla gbãtɔwo ene, womese gbedeasi, si wotsɔ na wo la gɔme o hã, mokakaa ɖeke menɔ woƒe gbeƒãɖeɖewo ŋu le goa ɖeke me o. Le woƒe dɔwɔwɔwo me la, wowɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ɖoɖowo dzi, eye woƒe dɔ la menye tofloko le Aƒetɔ lɑ me o. Mɔkpɔkpɔ agbagbe gatrɔ va wo me, eye woyɔ fũ kple dziƒo Œe ŋutikɔkɔedzidzɔ geɖe. UGL 393.1

Daniel 8:14 ƒe nyagblɔɖi, si gblɔ be: “Le fiɛ̃ kple ŋdi 2300 woakɔ gbedoxɔ la ŋu” kple mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedeasi: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo” la, le nu ƒom tso Kristo ƒe dɔ, si wɔm wòle le Kɔkɔƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le dziƒogbadɔ kɔkɔe la me kple le numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃ la ŋuti, ke menye tso Kristo ƒe vava na eƒe dukɔ la ɖeɖe kple vɔwɔlawo tsɔtsrɔ̃ ŋuti o. Vodada la metso nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe akɔŋta bubu me o, ke boŋ gɔmemase la ku ɖe nudzɔdzɔ, si ava eme le ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu la ŋu boŋ. Gɔmemase siae he dziɖelameƒo gã ma va wo dzi. To gbɔ be ele alea hã la, nyagblɔɖiawo ŋlɔ̃ nusiawo katã ɖi. Nusiwo katã wogblɔ ku ɖe Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ŋuti la va me tututu. Ɣeyiɣi, si me wole nu xam tso woƒe mɔkpɔkpɔ bubu ŋuti la, ɣemaɣi tututue nusi le gbedeasia me la le dzɔdzɔm. Ele be nudzɔdzɔ ma nava me hafi Aƒetɔ la naɖi va kple fetu na eƒe subɔlawo. UGL 393.2

Kristo meva anyigba dzi o, ke boŋ eyi ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le dziƒo-gbedoxɔ la me abe alesi anyigbadzi-gbadɔ ƒe kɔnuwo nɔ dzesi demie ene. Eya ŋuti Daniel nɔ nu ƒom le be Kristo yi ɖe Amegãɖeɖi la gbɔ le ɣemaɣi gblɔ be: “Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe Amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.” (Daniel 7:13). UGL 394.1

Mawu ƒe gbeƒãɖela Maleaxi hã ƒo nu tso vava sia ŋuti. “..Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, nubabla ƒe Dɔla, si dim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.” (Maleaxi 3:1) Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me yiyi nye nusi menɔ ŋuɖoɖo me na amea ɖeke o. Eƒe dukɔ la menɔ mɔ kpɔm be ayi ɖe teƒe sia o, ke boŋ wonɔ elalam le anyigba dzi, be wòava “le dzo ƒe aɖe me, esime wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Nyanyuie la o.” (2 Tesa.1:8) Gake Mawuviwo menɔ klalo haɖe be woayi aɖakpe woƒe Aƒetɔ la o. Dzadzraɖo-dɔa ɖe le wo ŋuti be woawɔ hafi. Ele be woaxɔ kekeli yeye, siwo ahe woƒe ŋkuwo yi ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la dzi le dziƒo. Le esime woakplɔ Nunɔlagã ɖo le xɔse me le eƒe dɔwɔwɔ me le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea la, dɔdeasi yeyewo atu wo. Ele be Hame la naɖe gbeƒã nyanyanana kple nufiafia gbedeasia ɖewo. UGL 394.2

Mawu ƒe gbeƒãɖela gagblɔ be: “Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene, eye wòle abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene. Abɔbɔ nɔ anyi alólo klosalo, eye wòadza eŋu, akɔ Lewi-viwo ŋu, eye wòadza wo ŋu abe sika kple klosalo ene, eye wòasa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.” (Mal. 3: 2,3). Amesiwo anɔ agbe le anyigba dzi le esime Kristo awu eƒe nyaxɔɖakɔdɔ la nu le dziƒo gbedoxɔa me ɖe nuvɔwɔlawo ta la, dometsolaa ɖeke maganɔ anyi na wo le Mawu Kɔkɔe la ƒe ŋkume o. Ele be woƒe awuʋlayawo nakɔ nyuie, ɖia ɖeke manɔ wo ŋu o, eye ʋu, si wowú la naklɔ nuvɔ̃ ɖa le woƒe dẽwo ŋu keŋkeŋ. To Mawu ƒe amenuveve me kple woƒe kutrikuku me la ele be woazu dziɖulawo le woƒe ʋiʋli me kple ɖe nuvɔ̃ dzi. Le esime numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃ le edzi yim le dziƒo, eye wole xɔsetɔ dzimetrɔlawo ƒe nuvɔwo ɖem ɖa le dziƒogbedoxɔa me la, ele be Mawu ƒe vi, siwo le agbe le anyigba dzi la, hã nanɔ ŋutikɔkɔ tso nuvɔ̃ gbɔ kple nugbegbe le ameɖokui gbɔ ƒe dɔ tɔxɛa ɖe wɔm vevie. Woƒo nu tso dɔ sia ŋu eme kɔ nyuie le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ, ta 14 lia me. UGL 394.3

Ne dɔ sia wú nu la, Kristo ƒe nusrɔlawo anɔ gbesɔsɔ na eƒe vava azɔ. “Eye Yuda kple Yerusalem ƒe vɔsawo avivi Yehowa nu abe le tsã ŋkekewo kple gbaɖegbe ƒewo ene.” (Maleaxi 3:4). Ekem Hame, si Kristo ava kplɔ le eƒe tɔtrɔva me la, anye ” Ŋutikɔkɔe-Hame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke maganɔ o.” (Efeso. 5:27). Ekem adze “..abe agudzedze ene, nyo abe ɣleti ene, dza abe ɣe ene, eye wòadzi ŋɔ abe aʋakɔwo ene. (Hawo ƒe Ha 6:10) UGL 395.1

To vovo na Aƒetɔ la ƒe yiyi ɖe gbedoxɔa me la, Maleaxi gaƒo nu tso eƒe tɔtrɔva, si me wòavadrɔ̃ ʋɔnu le la ŋu ale: “Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔeviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋuti, Yehowa Zebaot ye gblɔe.” (Mal. 3:5) (412) Yuda hã ƒo nu ale tso nya sia ke ŋuti: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, bene wòadrɔ̃ ʋɔnu wo katã, eye wòaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔa Mawu o la…” (Yuda 14, 15). Vava sia kple yiyi ɖe gbedoxɔ la me wonye nudzɔdzɔ vovovowo. UGL 395.2

Kristo ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la yiyi abe Nunɔlagã ene, gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ abe alesi Daniel 8:14 ƒo nu tso eŋu ene, Amegbetɔvi la ƒe yiyi ɖe Amegãɖeɖi la ŋku me, le Daniel 7:13 ƒe nyagbɔgblɔ nu, kple Aƒetɔ la ƒe gege ɖe eƒe gbedoxɔ la me, abe alesi Maleaxi hã gblɔe ɖi ene la, wo katã nye nuƒoƒo vovovo tso nudzɔdzɔ ɖeka ko ŋu. Eya kee Mateo 25 de dzesi to ɖetugbui ewoawo ƒe lododo la me. UGL 395.3

Le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔlĩ kple pepi me, gbeƒãɖeɖe la ɖi be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ lae nye esi gbɔna!” Hatsotsoe eve, siwo ɖetugbui nunyala kple abunɛtɔ ewoawo le dzesi dem la, ɖe wo ɖokui fia le ɣemaɣi. Gbã, kristotɔwo ƒe hatsotsɔe ɖeka nɔ mɔ kpɔm na Aƒetɔ la ƒe vava, eye wonɔ dzadzraɖo dzi vevie kple dzidzɔ na gododo eyama. Le go evelia me, hatsotsoe bubu hã nɔ mɔkpɔkpɔ me, ke le vɔvɔ̃ ta, alo elabe ame geɖewo le ewɔm, eye woxɔ nya la le susu me ko, ke Mawu ƒe amenuve ŋusẽ mewɔ dɔ ɖe wo dzi o. Ke esi Ŋugbetɔsrɔ̃ va ɖo la, amesiwo su te la ge ɖe azãɖuƒe la kplii. Ŋugbetɔ la ƒe vava, si ŋu woƒo nu le, le afisia la, nye nusi va do ŋgɔ na srɔɖezã la. Srɔɖezãe nye Kristo ƒe Fiaɖuƒe la xɔxɔ. Du Kɔkɔe, Yerusalem Yeyea, si nye Fiaɖuƒea ƒe fiadu, eye wòganye eteƒenɔla la, eyae wole yɔyɔm be Alẽvi la ƒe Srɔ… Mawudɔla la gblɔ na Yohanes be: “Va afii, ne mafia Ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la Srɔ̃ la wò. Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam.” (Nyaɖ. 21:9,10) Le lododoa me la, Ŋugbetɔ lae nye Du Kɔkɔe la, eye ɖetugbui, siwo yi ɖe Ŋugbetɔsrɔ̃ kpe ge la, woele dzesi dem Hame la. Le Nyaɖeɖefia me, nusi le dzesi dem Mawu ƒe dukɔ lae nye amesiwo wokpe va srɔɖenuɖuɖu la gbɔ. (Nyaɖ. 19:9). Ke ne wonye ame kpekpewo la, womagate ŋu anye Ŋugbetɔ la o. Nyagblɔɖila Daniel le nu ƒom tso Kristo ŋu be ele Aƒetɔnyenye, bubu kple fiaɖuɖu xɔm tso Amegãɖeɖi la gbɔ. Axɔ Yerusalem Yeyea, eƒe fiaɖuƒea ƒe fiadu, si woɖo atsyɔ̃ na, abe ŋugbetɔ, si wowɔ leke na hena Srɔa ene la. (Daniel 7:14; Nyaɖ. 21:2). Le eƒe fiaɖuƒea xɔxɔ megbe la, aɖi va le eƒe ŋutikɔkɔe me abe Fiawo dzi Fia, Aƒetɔwo dzi Aƒetɔ ene, bene wòaɖe eƒe ame tiatia, siwo anɔ anyi kple Abraham, Isak kple Yakob le eƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe Fiaɖuƒe la me, Mateo 8: 11; Luka 22: 30, eye woakpɔ gome le Alẽvi la ƒe srɔɖezã la me. UGL 396.1

Gbeƒãɖeɖe, si gblɔ be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ lae nye esi gbɔna”, si ɖi le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli la, na be ame akpeakpewo kpɔe be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. Le ŋkeke la dzi tututu la Aƒetɔ la va, ke menye anyigba dzi abe alesi wonɔ mɔ kpɔm nɛ ene la o, ke bɔŋ eyi ɖe Ŋkekewo ƒe Amegãɖeɖi la ŋku me le dziƒo, be wòaxɔ eƒe Fiaɖuƒe la. “Ɖetugbui, siwo nɔ klalo la, ge ɖe azãɖuƒea kplii, eye wotu agbo la. Menye be ɖe woyi azãɖuƒea le ŋutilã me o, elabe nudzɔdzɔ sia le eme vam le dziƒo, le esime wole anyigba dzi. Ele be Kristo yomedzelawo nanɔ abe amesiwo le woƒe Aƒetɔ la lalam be wòagbɔ tso srɔɖeƒe la ene. Luka 12:36. Ke edze be woase dɔ, si wɔm wòle la gɔme, eye woakplɔe ɖo le xɔse me le ɣeyiɣi, si me wòle Fofo la ƒe ŋkume yim. Le susu sia mee woate ŋu agblɔ be woyi ɖe srɔɖeƒe la kplii. UGL 397.1

Le lododo sia me la, ɖetugbui, siwo ƒe akaɖi me ami le la, woete ŋu ge ɖe srɔɖeƒea kple Ŋugbetɔsrɔ̃ la. Amesiwo, to Ŋɔŋlɔawo me dzodzro me, woxɔ Nyateƒea ƒe sidzedze, siwo si Mawu ƒe Gbɔgbɔ kple amenuve su eye, le dodokpɔ ƒe viviti ŋkekewo me, woganɔ Biblia me dzrom kple dzigbɔɖi na kekeli, si aklẽ ɖe edzi xɔxɔ la, woamawoe de dzesi nyateƒe, si ku ɖe dziƒo gbedoxɔ la ŋu kple tɔtrɔ, si va Ɖela ƒe dɔwɔwɔ me le teƒe sia. To xɔse ƒe ŋkuviwo me la, wokplɔe ɖo le dziƒogbadɔ kɔkɔe la me. Ekem amesiwo katã, le Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖaseɖiɖi nu, xɔ nyateƒe siawo, hekplɔ Kristo ɖo le xɔse me le esime wòyi ɖe Fofo la ƒe ŋku me be yeawu nyaxɔɖakɔ ƒe dɔ la nu, eye yeaxɔ Fiaɖuƒea le nuwuwu la, amesiawo wole dzesi dem be woge ɖe srɔɖeƒe la. UGL 397.2

Le Mateo 22 ƒe lododo la me la, wogawɔ srɔɖenya ŋuti dɔ, eye eme kɔ ƒã le afisia be numekuku-ʋɔnudɔdrɔ̃ la nye nusi do ŋgɔ na srɔɖeɖe la. Hafi srɔɖeɖea nava eme la, Fia la yi ɖe srɔɖeƒea be yeakpɔ ame kpekpeawo ɖa (Mateo 22:11) be wokatã le srɔɖewu me, awu ʋlaya siwo wonya, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋua me mahã? (Nyaɖ 7:14). Amesiwo mele awu, si hiã me o la, wonya wo dogoe. Ke amesiwo ŋu srɔɖewu le la, Mawu xɔ wo, eye wokpɔ wo be wodze na gomekpɔkpɔ le eƒe Fiaɖuƒe la me kple teƒe le eƒe fiazikpui dzi. Dɔ, si nye dɛwo me dzodzro kpɔ, ne woakpɔ amesiwo dzra ɖo na Mawu ƒe Fiaɖuƒea me lae nye numekuku ʋɔnudɔdrɔ, si nye dɔ mamlɛa le dziƒo gbedoxɔ la me. UGL 397.3

Ne numekukudɔ la wu nu, ne wokpɔ amesiwo katã ʋu Kristo dzixɔse me le ƒe alafalafa, siwo vayi me ƒe nyawo gbɔ vɔ keŋkeŋ la, azɔ, eye azɔ ko hafi dodokpɔ ƒe ɣeyiɣi la awu nu, eye woatu amenuveve ƒe ʋɔtru la. Alea ye nyati kpui sia, si gblɔ be: ” ɖetugbui siwo nɔ klalo la yi ɖe srɔɖeƒea kplii, eye wotu agbo la”, le mía kplɔm to Kristo ƒe dɔ mamlɛa wɔwɔ me, heyi ɖe amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ dɔ gã la ƒe nuwuwu blibo. UGL 398.1

Le anyigbadzigbedoxɔ ƒe kɔnuwɔwɔ, si nye dzesidede dziƒo gbadɔ me kɔnuwo, abe alesi míegblɔe tsã vayi ene la, nenye be Nunɔlagã yi ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea le avuléŋkekea dzi la, xɔ gbãtɔ me ƒe kɔnuwo wuna nu. Mawu gblɔ be: “Amea ɖeke maganɔ agbadɔ la me nenye be eyi ɖe eme na avulédɔ la wɔwɔ vaseɖe esime wòado go tso agbadɔ la me o. ( Mose III, 16:17 ). Nenema kee esi Kristo yi ɖe Kɔkɔƒewo ƒe Kɔkɔeƒea hena nuvɔ̃ kɔklɔɖa ƒe dɔ mamlɛa wɔwɔ la, edzudzɔ dɔwɔwɔ le Gbedoxɔa ƒe xɔ gbãtɔ la me. Ke, kasia teƒe gbãtɔ ƒe dɔ le nu wum la, xɔ evelia tɔ le egɔme dzem. Ne Nunɔlagã le anyigbadzi-gbedoxɔa me le dzodzom le Kɔkɔeƒea le avulé-ŋkekea dzi la, eyina ɖe Mawu ŋku me le xɔ evelia me kple vɔsa ƒe ʋu ɖe Israelvi, siwo nɔ veve sem ɖe woƒe nuvɔwo ta vavã la ta. Ke Kristo nɔ eƒe avuléle ƒe dɔ la ƒe akpa gbãtɔ nu wum hena bubu gɔme dzedze, si me wòayi ɖe Fofo la ƒe ŋku me kple eƒe ʋu ɖe nuvɔwɔlawo ta. UGL 398.2

Mɔkpɔlawo mese nya siawo gɔme le ƒe 1844 me o. Esi ŋkeke, si dzi wonɔ mɔ kpɔm le be Kristo ava, vayi la, wogaxɔe se be eƒe vava la gogo. Woxɔe se be yewo le xaxa ɣeyiɣi gãa ɖe me, eye be Kristo wu eƒe nyaxɔɖakɔ ɖe amegbetɔwo ta la nu. Ewɔ na wo abe ɖee Biblia le fiafiam be wona dodokpɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe amegbetɔwo, si awu nu kpuie hafi Kristo ƒe ɖiɖi va le alilikpowo dzi la nava eme ene. Woxɔe se be Biblia ƒe afisi wogblɔ le be ɣeyiɣi li gbɔna, si me amewo ladi Mawu, ke womake ɖe eŋu o, woaƒo amenuveʋɔtru, ke womaʋui na wo o la, le kpe ɖom nya sia dzi. Wonɔ wo ɖokui biam se be ɖe manye be ŋkeke, si yewotsɔ be anye Kristo ƒe tɔtrɔva ŋkeke la, anye xaxa ɣeyiɣi, si ado ŋgɔ kpuie na eƒe vava la, ƒe gɔmedzedze boŋ oa? Ke esi wònye be woɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkekea ƒe aƒetutu la, wokpɔe be yewowɔ nusianu na xexea ƒe ɖeɖe, eye womegasusu be enye dɔdeasi be yewoagawɔ dɔa ɖe na vɔwɔlawo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ o. Mawumavɔlawo ƒe gbɔɖiame, busunya kple fewuɖunyawo nɔ kpe ɖom edzi na wo be Mawu ƒe Gbɔgbɔ dzo le amesiwo gbe amenuveve ƒe yɔyɔ la xɔxɔ gbɔ. Nusiawo katã le kpe ɖom edzi na wo be dodokpɔ ɣeyiɣi la nu tso, eye be wotu amenuve ʋɔtru la, abe alesi wonɔ egblɔm ene. UGL 398.3

Ke kekelia ɖe, si gaklẽ ɖe edzi la, klẽ na wo le agbadɔ kɔkɔea ƒe nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Wokpɔe be nusi dzi yewoxɔ se ku ɖe ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu le ƒe 1844 me la le eteƒe, eye be egade dzesi xaxa veviea ɖe hã. To gbɔ be ele eme be wotu mɔkpɔkpɔ kple amenuveʋɔtru si, ʋu ɖi na amegbetɔwo le Mawu gbɔ le ƒe alafa wuienyi sɔŋ me hã la, wogaʋu ʋɔtru yeyea ɖe, si me wogale nuvɔ̃ tsɔtsɔke nam amegbetɔwo le, elabe Kristo gale amewo ƒe nya xɔm ɖe akɔ le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la. Ke le esime eƒe dɔ ƒe akpa ɖeka nɔ nu wum la, bubu nɔ egɔme dzem. Ʋɔtrua ɖe gale ʋuʋu ɖi le dziƒogbadɔ kɔkɔe la me, afisi Kristo le dɔ wɔm ɖe vɔwɔlawo ta le. UGL 399.1

Azɔ wose nya, si Kristo gblɔ na Hamea ɣemaɣi tututu la gɔme: “Amesi nye Kɔkɔetɔ kple Nyateƒetɔ, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna, eye amea ɖeke metuna o, eye wòtuna, eye amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena: “Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru, si le nuvo la, ɖo ŋkuwò me, eye amea ɖeke mate ŋu atui o. ( Nyaɖ. 3:7,8 ) UGL 399.2

Amesiwo kplɔ Yesu ɖo le xɔse me le eƒe nyaxɔɖakɔdɔ gã wɔwɔ me la koe akpɔ gome le eƒe nyonawo me, ke amesiwo gbe kekeli, si ɖe dɔwɔwɔ sia ɖe go xɔxɔ la, mate akpɔ gomea ɖeke o. Yudavi, siwo gbe nu le Kristo ƒe vava gbãtɔ ƒe kekeli la gbɔ, eye womelɔ̃ xɔ eyama abe woƒe Ɖela ene o la, mate ŋu axɔ nuvɔtsɔtsɔke tso egbɔ o. Le esime Yesu, le eƒe dziƒo yiyi me, ge ɖe dziƒo gbedoxɔ la me kple eƒe ʋu bene yeakɔ yeƒe nyaxɔɖakɔ ƒe yayrawo ɖe eyomedzelawo dzi la, Yudaviwo tsi viviti deto me, hegayi ɖe woƒe vɔsa kple nunana, siwo ŋu asixɔxɔa ɖeke mele o la wɔwɔ dzi. Nusiwo nye vɔvɔli kple dzesidede nu vavã la nu vayi. Ke ʋɔtru, si ʋu na amegbetɔwo ƒe gomekpɔkpɔ le Mawu gbɔ la, maganɔ ʋuʋu o. Yudaviwo melɔ̃ be yewoadi Mawu to mɔ ɖeka pɛ, si nye Kristo ƒe nyaxɔɖakɔ me la, dzi o. Esiatae womenɔ kadede me kple Mawu kura o. Ke ʋɔtru la tu ɖe wo. Womexɔ Kristo abe woƒe Vɔsa vavã kple Nyaxɔɖakɔla ɖeka kolia ene o, ale be womate ŋu akpɔ gome le eƒe nyaxɔɖakɔ ƒe nyonawo me o. UGL 399.3

Yudavi dzimaxɔsetɔwo ƒe nɔnɔme sia le dzesi dem kristotɔ dzimaxɔsetɔ kple ɖekematsɔlemela, siwo ŋutɔ tia be yewomaxɔ míaƒe Nunɔlagã amenuvela ƒe dɔ, si wɔm wòle ɖe míata fifia le dziƒo la o. Le dzesidede ƒe kɔnuwo me la, nenye be Nunɔlagã yi ɖe Kɔkɔƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la, Israelviwo katã ƒoa ƒu ɖe gbedoxɔ la ŋuti, hebɔbɔa woƒe luʋɔwo ɖe Yehowa ŋkume kple ɖokuimeyiyi gãa ɖe, bene yewoaxɔ nuvɔtsɔtsɔke, bene womagatsrɔ̃ yewo ɖa le dukɔa me o. Ɖe mele vevie alegbegbe be, le nuvɔkɔklɔɖa vavã ƒe avuléle, si le eme vam le dziƒo ɣeyiɣi sia, be míawo hã míase míaƒe Nunɔlagã la ƒe dɔ gɔme, ahade dzesi miaƒe dɔdeasiwo oa? UGL 400.1

Amegbetɔ mate ŋu agbe Mawu ƒe amenuveve nyanyananawo xɔxɔ, emetsonua ɖeke makpɔ o. Woɖo nyanyanagbedeasi ɖo ɖe Noa ŋɔlimetɔwo, eye woƒe dedienɔnɔ ku ɖe alesi woxɔe la ŋu. Ke wogbe nyanyananyawo xɔxɔ eye emetsonu enye be Mawu ƒe Gbɔgbɔ te ɖa le dzidzime vɔɖi la gbɔ, eye wotsrɔ̃ le tɔɖɔɖɔ la me. Le Abraham ŋɔlime la, amenuveve ƒe yɔyɔwo nu tso na Sodomtɔ fɔɖilawo, ale be wo katã tsrɔ̃ le dzo, si ge tso dziƒo la me, negbe Lot kple srɔa kpakple evia nyɔnuvi evewo ko. Nenema ke wònye le Kristo ƒe vavaɣi gbãtɔ la me. Mawuvi la gblɔ na Yudavi dzimesẽlawo be: “Kpɔ ɖa, miaƒe aƒe la azu aƒedo na mi.” ( Mateo 23:38 ). Esi wògaɖe ŋku yi ɖe keke ŋkeke mamlɛawo dzi la, Nunya mavɔ la gblɔ tso amesiwo si lɔlɔ̃ mele na Nyateƒe la be woakpɔ ɖeɖe o ŋuti be: “Eyata Mawu adɔ beble gbɔgbɔ ɖe wo, ale be woaxɔ aʋatso dzi se, be amesiwo mexɔ Nyateƒea o, ke wokpɔ dzidzɔ le madzɔmadzɔ ŋu la nakpɔ ʋɔnudɔdrɔ. ( 2 Tesa., 2:10-12 ). Zi alesi amegbetɔwo agbe nu le Nyateƒea gbɔ la, Mawu aɖe eƒe Gbɔgbɔ ɖa le wo dzi, eye woatsi beble, si wolɔ̃ la, ƒe gbɔgbɔ si me. UGL 400.2

Gake Kristo gale nya xɔm ɖe amegbetɔwo ta, eye kekeli gali na amesiwo adii la. To gbɔ be Mɔkpɔlawo mese esia gɔme gbã o hã la, eme va kɔ nyuie esi Ŋɔŋlɔawo ƒe numeɖeɖe le ʋuʋum na woƒe susuwo. UGL 401.1

Ɣeyiɣi, si kplɔ azã, si woɖo na Kristo ƒe vava zi evelia ɖo le 1844 me la, nye dodokpɔ ɣeyiɣi sesẽa ɖe na amesiwo galé woƒe xɔse ɖe vava sia dzi la ɖe asi. Nusi de dzi ƒo na wo vie ku ɖe woƒe nɔnɔme vavã, si wova ɖo lae nye kekeli, si le woƒe susuwo hem yi ɖe dziƒo gbedoxɔ la dzi la. Wodometɔa ɖewo ɖe asi le woƒe xɔse ŋu ku ɖe nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe akɔŋta ŋuti, eye wotsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, si wòɖe fia le Mɔkpɔlawo ƒe azɔli sia me la, be amegbetɔ alo Satana gbɔ wòtso. Ke ame bubuwo ya xɔe se goŋgoŋ be Mawu ye kplɔ yewo le yewo ƒe nuteƒe, si yewokpɔ vayi la me, eye esi wole nutsitsidɔ̃ kple gbedodoɖa dzi be yewoadzesi Mawu ƒe lɔlɔnu la, woke ɖe ŋu be yewo ƒe Nunɔlagã dze taʋiʋli ƒe dɔ yeye bubu gɔme; ke esi wokplɔe ɖo le xɔse me la, gɔmesese va na wo ku ɖe nuwuwu ƒe dɔ, si le Hamea hã si be wòawɔ la, ŋuti. Gbedeasi gbãtɔ kple evelia me gakɔ na wo nyuie wú tsã, eye wole klalo be yewoaxɔ Nyaɖeɖefia ta wuienelia ƒe mawudɔla etɔlia ƒe gbedasi la ana xexe la. UGL 401.2

------