Go to full page →

25—MAWU ƑE SE LA METRƆNA O UGL 402

“Woʋu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe Nubablaɖaka le eƒe xɔ la me.” (Nyaɖ. 11:19) Mawu ƒe Nubablaɖaka le gbedoxɔ la ƒe xɔ evelia, si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la, me. Le anyigbadzi gbedoxɔa ƒe subɔsubɔ kɔnuwɔwɔ me, si nye vɔvɔli na dziƒo tɔ la, avuléŋkeke gã dzi ko woyina ɖe xɔ evelia me na gbedoxɔa ŋu kɔkɔ. Eyata míase egɔme be nya, si gblɔ be woʋu Mawu ƒe gbedoxɔa le dziƒo, eye wokpɔ Nubablaɖaka la, ku ɖe ɣeyiɣi, si woʋu Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea le dziƒo le ƒe 1844 me, eye Kristo nɔ gegem ɖe eme be yeawɔ nuvɔkɔklɔɖa ƒe dɔ mamlɛa la. Amesiwo kplɔ woƒe Nunɔlagã bubutɔ la ɖo le xɔse me la lí ŋku ɖe Nubablaɖaka la dzi. Esi wowɔ nusɔsrɔ̃ ku ɖe Agbadɔ-kɔkɔea ŋu la, wose tɔtrɔ, si va Ɖela ƒe dɔwɔwɔ me la gɔme mlɔeba, eye wode dzesii be azɔ la, ele subɔsubɔ wɔm le Nubabla ɖaka la ŋgɔ, hele eƒe ʋu tsɔm na ɖe nuvɔwɔlawo ta. UGL 402.1

Nubablaɖaka, si Mose wɔ la me kpe eve, siwo dzi woŋlɔ̃ Mawu ƒe Se ewoawo ɖo la nɔ. Kpuie la, aɖaka la nye nusi me woda seawo ƒe kpe eveawo ɖo. Mawu ƒe ɖoɖoawo ƒe emenɔnɔ ye de asixɔxɔ eŋu, eye wòwɔe kɔkɔe. Esi woʋu gbedoxɔa le dziƒo la woɖe Nubablaɖaka la fia. Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, si le dziƒo gbedoxɔa me la, mee Mawu ƒe Se, siwo eyaŋutɔ ɖe gbeƒãe le Sinai ƒe dziɖegbewo me, heŋlɔ̃ kple eƒe asibidɛ ɖe kpeawo dzi la, le. UGL 402.2

Mawu ƒe Sea ŋutɔŋutɔ, si ƒe ɖoɖowo ƒe ŋɔŋlɔ̃ matrɔmatrɔ woŋlɔ̃ ɖe kpe-taflowo dzi, eye Mose tsɔ de eƒe agbalẽ atɔawo me la, le dziƒo gbedoxɔ la me. Amesiwo te ŋu se nyateƒe vevie sia gɔme la, woawo koe te ŋu kpɔna Mawu ƒe Sea ƒe kɔkɔenyenye kple eƒe matrɔmatrɔnyenye. Wode dzesii, abe alesi womede dzesii kpɔ o ene, be ŋusẽ le nya sia, si Kristo gblɔ la, si bena: “..vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso Se la me vaseɖe esime wo katã nava ve me o.” ( Mateo 5:18 ). Esi wònye be Mawu ƒe Se la nye eƒe lɔlɔnu kple eƒe dɛ̃ ɖeɖefia la, anɔ anyi ɖaasi, eye wòanye ɖaseɖila mavɔ le dziƒo. Womeɖe ɖoɖo ɖeka pɛ ɖa o, eye wometrɔ ŋɔŋlɔ̃ dzesi ɖeka pɛ gɔhã le wo me o. Psalmowo ŋlɔla la gblɔ be: “Yehowa, wò nya la li ke ɖe dziƒo tegbee.” “...eƒe sewo katã le eteƒe…elia ke wo ɖaa tegbee..” ( Psalmowo 119:89; 111:7,8 ). UGL 402.3

Le Se ewoawo ƒe dodome míakpɔ Se enelia, abe alesi tututu woɖe gbeƒãe le gɔmedzedzea ene: “Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi ne nawɔe kɔkɔe. Ŋkeke adẽ nawɔ dɔ, eye nawɔ ŋuwòdɔwo katã, ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe na Yehowa wò Mawu la. Megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wòŋutɔ, viwò ŋutsu, alo viwònyɔnu o, wò dɔlaŋtsu alo wò dɔlanyɔnu o, wò lã alo wò amedzro, si dze wò du me la o, elabe ŋkeke adẽ mee Yehowa wɔ dziƒowo kple anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le wome, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrẽa gbe, eyata Yehowa yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.” ( Mose II, 20:8-11 ). UGL 403.1

Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ dɔ wɔm le Kristotɔ, siwo nɔ Nya la me dzrom la me. Medidi hafi kakaɖedzi su wo si be, le yewo ƒe manyamanya me la, yewo nɔ Mawu ƒe se la dzi dam, elabena yewo mewɔna ɖe Wɔla ƒe dzudzɔgbe la dzi o. Ke wodze nu me kuku be yewoanya nusi ta wonɔa kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi wɔm ɖe ŋkeke adrẽlia, si Mawu ŋutɔ wɔ kɔkɔe la teƒe mahã. Womeke ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe akpaa ɖeke, si gblɔ be woɖe se enelia ɖa, alo be wotrɔ asi le Sabat la ŋuti o. Womeɖe yayra, si wokɔ ɖe ŋkeke adrẽlia dzi tso gɔmedzedzea ke la, ɖa kpɔ gbeɖe o. Wodi vevie le nyateƒe me be yewoadze si Mawu ƒe lɔlɔnu, eye yewoawɔ ɖe edzi. Esi wode dzesii be yewo nye Mawu ƒe seawo dzidalawo la, wose veve geɖe le woƒe dzi me, eye woɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu to Sabat la dzi wɔwɔ me la fia. UGL 403.2

Wowɔ ŋutete sesẽwo be woamu woƒe xɔse ƒu anyi. Ke wo katã wose eme be nenye be anyigbadzi gbedoxɔ la nye dzesidede alo vɔvɔli na esi le dziƒo la, ekema se, si le anyigbadzi gbadɔa ƒe nubablaɖaka me la, anye esi le dziƒo ƒe nubablaɖaka me la ƒe kɔpi alo kpɔɖeŋu godoo o, eye be ne woxɔ nyateƒe, si ku ɖe dziƒo gbadɔa ŋu la, ele me be woaxɔ Mawu ƒe Sea ƒe dzenawo kple Se enelia ƒe Sabat dzi wɔwɔ ƒe dɔdeasinyenye. Nyateƒe siae na be amewo kpɔ dziku hẽlihẽli hetsi tre sesiẽ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe numeɖeɖe, siwo me kɔ nyuie ku ɖe Kristo ƒe dɔ, si wɔm wòle fifia le dziƒo gbedoxɔa me la ŋuti. Amegbetɔwo di be yewoatu ʋɔtru, si Mawu ʋu, eye be yewoaʋu esi wòtu la. Gake Amesi “ʋua ʋɔ, eye amea ɖeke mete ŋu tunae o, eye ne etui amea ɖeke mete ŋu ʋunae o” la, le gbɔgblɔm be: “Kpɔ ɖa, meʋu ʋɔa ɖe le ŋkuwòme, eye amea ɖeke mate ŋu atui o.” ( Nyaɖ. 3:7,8 ). Kristo ʋu ʋɔ la, alo, le gbɔgblɔ bu me, edze dɔ gɔme le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la. Kekeli le keklẽm tso ʋɔtru, si le ʋuʋu ɖi le dziƒo gbedoxɔa me la me, eye woɖee fia be Se enelia le Se siwo le eme la dome. Nusi Mawu ɖo anyi la, amea ɖeke mate ŋu amui ƒu anyi o. UGL 403.3

Amesiwo xɔ Kristo ƒe nyaxɔɖakɔdɔ kple Mawu ƒe se matrɔmatrɔ ƒe kekelia la, de dzesii be nyateƒe siawoe woɖe ɖe go le Nyaɖeɖefia ta wuienelia me. Agbalẽ sia ƒe gbedeasiwo nye nyanyananya etɔ, siwo dze wonɔewo yome, siwo adzra anyigbadzitɔwo ɖo na Kristo ƒe tɔtrɔva. Nyati, si gblɔ be “eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo” la le nanam woanya be Kristo dze eƒe nyaxɔɖakɔdɔ na amegbetɔ ƒe ɖeɖe la ƒe akpa mamlɛa gɔme. Ele nyateƒea ɖe ɖem ɖe go, si wòle be woaɖe gbeƒãe vaseɖe Kristo ƒe kukuɖeɖe ɖe amegbetɔwo ta ƒe nuwuwu kple eƒe tɔtrɔva kpuie avakplɔ eƒe dukɔ la. Ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe dɔ sia, si dze egɔme le ƒe 1844 me la, ayi edzi vaseɖe esime woaɖo kpe amesiame, kukuawo kple agbagbeawo siaa ƒe nya dzi. Ayi edzi yi ɖe amenuveve ƒe ɣeyiɣi si, wona ameƒomea katã la, ƒe nuwuwu. Nuxlɔamenya, si gbedeasi gbãtɔ ƒe dɔla le nanam amegbetɔwo, esi wòle be amesiame naxɔ ale be wòate ŋu asu te le ʋɔnuɖrɔŋkekea dzi lae nye: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ…eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo...” Nya, si gbɔna la, le nu ƒom tso amesiwo axɔ gbedeasi siawo ŋuti: “Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la ƒe dzidodo le.” Bene woadzra ɖo na ʋɔnudɔdrɔa la, ele be woalé Mawu ƒe Se la me ɖe asi. Se siae anye dẽ ƒe dzidzenu le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me. Apostolo Paulo gblɔ be “..ame alesi nu wɔ nuvɔ, eye Se le wo si la, woatsɔ Se la adrɔ̃ ʋɔnu wo; [...] le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.” Eye wogagblɔ hã bena woatso afia na amesiwo wɔa Sea dzi. ( Roma 2:12-16 ). Xɔse le vevie ŋutɔ na Mawu ƒe Se la dzi wɔwɔ, elabena “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.” Eye “nusianu, si metso xɔse me o la, nuvɔ̃ wònye.” ( Hebri. 11:6; Roma 14:23 ). UGL 404.1

Mawudɔla gbãtɔ le nu xlɔm amegbetɔwo be woavɔ̃ Mawu, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, eye woade ta agu na amesi wɔ dziƒowo kple anyigba. Ele na wo be, ne woawɔ esia la, woalé Se la me ɖe asi. Nunyala la gblɔ be ” Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe Seawo me ɖe asi…” ( Nyagblɔla 12:15 ). Subɔsubɔa ɖeke madze Mawu ŋu, ne sedziwɔwɔ mele eme o. “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena míale eƒe Seawo me ɖe asi, eye eƒe Seawo mesesẽ o.” “Amesi ɖe to ɖa be yemase Se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.” ( Yoh.I, 5:3; Lod. 28:9) UGL 405.1

Dɔdeasi, si wònye na mí be míasubɔ Mawu la, nɔ anyi ɖe nyateƒe sia dzi be eyae nye Wɔla, eye bena nuwo katã li to eyama me. Afisiafi, si Biblia gblɔ le be edze be míatsɔ bubu kple subɔsubɔ na Mawu, ke menye na trɔsubɔlawo ƒe mawuwo o le la, eɖo kpe edzi kple eƒe Wɔlanyenye ƒe ŋusẽ dzesiwo. “Dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo.” (Psalmowo 96:5) “Ameka ŋu miebe yewoatsɔm aɖoe ne masɔ kplii? Mifɔ mo dzi ne miakpɔ nu! Amekae wɔ nu siawo?” “… Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.” (Yes.40:25, 26; 45;18) Psalmowo ŋlɔla gblɔ be: “Midze sii be Yehowa ye nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye…” “Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo ɖe Yehowa mía Wɔla ŋku me.”( Ps.100:3; 95:6) Woɖe nusi ta wòdze be kɔkɔeawo, siwo le Mawu subɔm le dziƒo la, natsɔ woƒe bubu nɛ la gɔme ale: “Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, wòedze be naxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòewɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔnu ta woli, eye wowɔ wo ɖo. (Nyaɖ. 4:11) Le Nyaɖeɖefia ta wuienelia me wowɔ yɔyɔ na amegbetɔwo be woasubɔ Wɔla la, eye nyagblɔɖia le gbɔgblɔm be hatsotsoea ɖe li, si lé Mawu ƒe Seawo me ɖe asi abe alesi gbedeasi etɔ, siwo dze wonɔewo yome le biabiam ene. Seawo dometɔ ɖeka le ŋku ɖom edzi vevie be Mawue nye Wɔla. Se enelia me nyawo gblɔ be: “Ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe na Yehowa wò Mawu la…Elabena ŋkeke adẽ mee Yehowa wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le wo me la, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrẽlia gbe, eyata Yehowa yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.” (Mose II, 20:10,11 ). Aƒetɔ la gagblɔ le Sabat la ŋuti be enye “dzesi […] ale be woadze sii be nye Yehowa yenye mia Mawu.” ( Ezekiel 20:20 ) Egaɖe egɔme be: “Ŋkeke adẽ Yehowa wɔ dzi kple anyigba eye wòwu wo nu eye wòdzudzɔ eɖokui.” ( Mose II, 31:17). UGL 405.2

Sabat ƒe asixɔxɔ abe xexeme wɔwɔ ƒe ŋkuɖodziŋkeke ene la enye be enɔa ŋku ɖom edzi na mí ɣesiaɣi nusi ta wòle be amegbetɔ nasubɔ Mawu ɖo; si nye be eyae nye Wɔla, eye míawo la míenye eƒe nuwɔwɔwo. Ekem míakpɔe be Sabat nye gɔmeɖokpe na Mawu subɔsubɔ, elabena eɖena nyateƒe gã sia fiana kple ŋusẽ wú subɔsubɔ nuɖoanyiwo katã. Gɔmeɖeɖe vavã na subɔsubɔ, si míatsɔ na Mawu, menye le ŋkeke adrẽlia ɖeɖe ko dzi o, ke le ɣeawokatãɣi la, tso vovototo, si le Wɔla kple eƒe nuwɔwɔwo dome la me. “Nyateƒe xɔasi, manyagblɔ sia mabu gbeɖe o, eye mele be woaŋlɔe be hã o”. —J. N. Andrews, History of the Sabbath, ch. 27. Bene nyateƒe sia nanɔ amegbetɔwo ƒe susu me ɖaa tae Mawu ɖo Sabat anyi le Eden-bɔ me ɖo. Eyata, zi alesi eƒe Wɔlanyenye asusɔ nye nusita wòle be míasubɔe ɖo la, nenema kee Sabat la anye eƒe dzesi kple ŋkuɖodzinu ɖaa. UGL 406.1

Nenye ɖee wolé Sabat la ɖe asi le xexeame katã me la, anye ne amegbetɔwo ƒe susu kple lɔlɔ̃ ayi na Wɔla, eye woakpɔ be edze na yewo ƒe bubu kple subɔsubɔ. Ekem trɔsubɔlaa ɖeke, amesiwo gblɔna be Mawu meli o kple dzimaxɔsetɔa ɖeke manɔ anyi akpɔ o. Sabat dzi wɔwɔ nye nuteƒewɔwɔ ƒe dzesi na Mawu vavã la, na eya amesi wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo. Esi wònye nenema la, ele me be gbedeasi, si le amewo yɔm be woasubɔ Mawu eye woawɔ ɖe eƒe Seawo dzi la nate gbe tɔxɛ ɖe Se enelia me lélé ɖe asi dzi. UGL 406.2

To vovo na amesiwo lé Mawu ƒe Seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, mawudɔla etɔlia le nu ƒom tso hatsotsoe bubu, si ƒe vodada ŋuti wòle nyanyanana dziŋɔ, si gbɔna la, nam ŋuti: “Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya hã lano Mawu ƒe dɔmedzui ƒe aha tsimatɔe, si kɔ ɖe eƒe dɔmedzuikplu la me.” (Nyaɖ. 14: 9, 10) Ne míate ŋu ase gbedeasi siawo gɔme nyuie la, ele be dzesi, siwo ŋuti dɔ wowɔ le wo me la me nakɔ na mí nyuie. Nukae nye lã la, eƒe legba, kple dzesi? UGL 406.3

Nyagblɔɖi kɔsɔkɔsɔ, si me míakpɔ dzesi siawo le la, dze egɔme tso Nyaɖeɖefia ta wuievelia dzi kple ʋɔdriba, si di be, kasia woadzi Kristo Vidzĩ la, yeatsɔe ami enumake. Ŋɔŋlɔawo le eme ɖem na mí be ʋɔdriba lae nye Satana. (Nyaɖ. 12:9) Eyae ɖe susu na fia Herodes be wòawu Ɖela la. Gake Satana ƒe dɔwɔnu gã le eƒe aʋawɔwɔ ɖe Kristo kple eyomedzelawo ŋuti le Kristo Hamea ƒe ƒe alafa gbãtɔwo me lae nye Roma fiaɖuƒe, si ƒe subɔsubɔ enye trɔsubɔsubɔ. Esia ta, to gbɔ be ʋɔdriba la yenye Satana hã la, wogatsɔna ŋkɔ sia dea dzesi Roma trɔsubɔdziɖuɖu la. UGL 407.1

Wogaƒo nu le ta wuietɔlia me, tso kpukpui 1-10 dzi, tso lãa ɖe, si ɖi lãkle, esi Satana tsɔ eƒe ŋusẽ, eƒe fiazikpui kple dziɖuɖu gãa ɖe na. Abe alesi Protestantetɔwo ƒe akpa gãtɔ xɔe se ene la, dzesi sia gayi na papa dziɖuɖu, si xɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖu tso Roma ƒe blema fiaɖuƒe la si. Míaxlẽ nusi woŋlɔ̃ tso lã, si ɖi lãkle la ŋuti: “Wotsɔ nu, si gblɔa nya gãwo kple busunyawo la, nɛ… Eye wòke nu gblɔ busunyawo ɖe Mawu ŋu, ɖe eƒe Ŋkɔ kple gbedoxɔ la ŋuti kpakple ɖe amesiwo le dziƒo me la ŋuti. Exɔ ŋusẽ hã be wòaho aʋa ɖe ame kɔkɔewo ŋuti eye wòaɖu wo dzi. Woganae ŋusẽ ɖe to sia to, gbegbɔgblɔ sía gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi.” Nyagblɔɖi sia, si sɔ geɖe kple esi ƒo nu le Daniel 7 me tso “dzo vi” la ŋu la, le dzesi dem papa dziɖuɖua ɖikekemanɔmee. UGL 407.2

Wotsɔ ŋusẽ nɛ be wòawɔ aʋa ɣleti blaene vɔ eve…” nyagblɔɖila gagblɔ be “mekpɔ eƒe tawo dɔmetɔ ɖeka abe kubi wòxɔ ene..”, eye wɔgblɔ yi edzi be “Ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be eya hã natsi yi nu.” Ɣleti blaene vɔ eve sɔ pɛpɛpɛ kple ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve, kple ɣeyiɣi afã” si nye ƒe etɔ̃ kple afã alo Daniel 7 ƒe ŋkeke 1260, si nye ɣeyiɣi, si me papa ƒe ŋusẽ até Mawu ƒe viwo ɖe to vevie la. Abe alesi míekpɔe do ŋgɔ va yi ene la, ɣeyiɣi sia dze egɔme tso papa dziɖuɖua ƒe ɖoɖo anyi le ƒe 538 me la dzi, eye wòwu nu le 1798 me. Papa ƒe dziɖuɖua xɔ eƒe kubi le esime France ƒe aʋakɔ mui ƒu anyi, eye wolé eyaŋutɔ de gaxɔ me. Ɣemaɣie nyagblɔɖi, si gblɔ be: “Amesi de ame aboyoe la ayi ɖe aboyo me” la, kpɔ emevava. Azɔ nyagblɔɖila le nu ƒom tso dzesi bubu ŋuti: “Eye mekpɔ lã bubu nɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe alẽvi tɔ ene.” ( Nyaɖ. 13:10 ) Nusianu ku ɖe lã sia ŋuti, eƒe dodo kple eƒe ŋusẽ ƒe dziyiyi ɖee fia be dukɔ sia to vovo tso esiwo dzesi, siwo do ŋgɔ la, de dzesi. Wode dzesi fiaɖuƒe gãgã, siwo ɖu xexeame dzi vayi la, na Daniel abe lã wɔadã, siwo do, le esime dziƒo ƒe ya eneawo le ƒoƒom ɖe atsiaƒu gã la dzi ene. ( Daniel 7:2 ) Le Nyaɖeɖefia 17 me la, dɔlaa ɖe le nu me ɖem na Yohanes be tsi geɖewo le asi tɔm dukɔwo, amehawo kple gbegbɔgblɔwo” dzi. (Nyaɖeɖefia 17:15) (426) Ke yaƒoƒowo nye dzesidede howɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo. Dziƒo ƒe yaƒoƒo eneawo, siwo le ƒoƒom ɖe atsiaƒu dzi la woenye ʋiʋli gã alo aʋa, siwo fiaɖuƒewo wɔ hafi te ŋu ɖo woƒe dziɖuɖuwo anyi la. Azɔ nyagblɔɖila la kpɔ lãa ɖe, si to dzo eve abe alẽvi ƒe dzo ene, wòle dodom tso anyigba ƒe tume. Ke dziɖuɖu, si lã sia le dzesi dem la, medo go tso aʋawɔwɔ kple ʋiʋli me o ke boŋ edzɔ le teƒe, si ame geɖe mele o la, eye wònɔ tsitsim le ŋutifafa me. Metsì, kpɔ ŋusẽ le blema xexeame ƒe fiaɖuƒewo ƒe ʋiʋli, si wode dzesi abe dukɔwo, ameha geɖewo kple gbegbɔgblɔwo ƒe ƒudzagbowo ene la me o. Esi wònye nenema la, ele be míadi dziɖuɖu sia le Xexeme yeye la me. Ekem míabia se bena dukɔ ka ƒe ŋkɔe nɔ dzi yim le Xexeme yeye la me le ƒe 1798 ƒe ɣeyiɣi me, esi ƒe tsɔme nɔ keklẽm, eye xexea katã fɔ ŋku ɖe edzi mahã? Dzesidede du sia meɖe mɔ na ɖikekea ɖeke o. Dukɔ ɖeka pɛ koe ɖo nyagblɔɖia ƒe dzesi sia ŋuti. Ɖikekea ɖeke mele eŋu be du siae nye Amerika ƒe dukɔ ƒoƒuawo o. Zi geɖe, le eƒe nuƒoƒowo me la, ŋutinya nuŋlɔlawo nɔ nyagbe, siwo tututu nye nyagblɔɖila tɔ la, ŋuti dɔ wɔm le woƒe nuƒoƒowo tso dukɔ sia ƒe dodo kple tsitsi me la ŋuti. Nyagblɔɖila kpɔ lã sia do tso anyigba me. Le nyagɔmeɖelawo ƒe numeɖeɖe nu la, míase nyagbe “do tso anyigba me” la gɔme ko abe alesi ati miana hetsina ene. Abe alesi míekpɔe vayi ene la, dukɔ sia atsi le anyigbaa ɖe, si dzi ame geɖewo menɔ tsã o la dzi. Nuŋlɔla gãa ɖe, le eƒe nuƒoƒo tso Amerika- Dukɔƒoƒuawo ƒe tsitsi ŋuti me la, gblɔ be: “Míekpɔ eƒe ŋgɔyiyi ƒe nukunu le anyigba ƒuƒlua ɖe dzi.” Eyi edzi gblɔ be: “Abe nukuƒaƒã maƒonua ɖe ene la, míemia, míetsi, eye míezu dziɖuɖu gãa ɖe.” —G. A. Townsend, The New World Compared with the Old, p. 462 .- Eropa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽa ɖe ŋlɔ tso Amerika-Dukɔƒoƒuawo ŋuti le ƒe 1850 me be “enye nukunu dziɖuɖua ɖe, si nɔ tsitsim kabakaba, eye le anyigba ƒe ɖoɖuizizi me, enɔ ŋusẽ kpɔm ɖe ŋusẽ dzi, ŋutikɔkɔe ɖe ŋutikɔkɔe dzi.” Edward Everett hã ƒo nu tso ” Mɔzɔla-Dutsolawo”, siwo nye du sia tulawo la, ŋuti; egblɔ be: “Ɖe wonɔ teƒea ɖe, si ɖe vo la dim, si ƒe viviti aɣla wo ɖe dzɔgbevɔewo, si ƒe ɖeɖeɖaga ana woabe ɖe yometila nugɔmemaselawo, eye woƒe gbedoxɔ sue le Leyden la akpɔ gome le luʋɔ ƒe vovokpɔkpɔ na subɔsubɔ mea? Miɖe ŋku kpɔ teƒe gãgã, siwo dzi wotu atitsoga ƒe aflaga ɖo le aʋamawɔmawɔ me la ɖa!”- Speech at Plymouth, Massachussets, 22 December 1824, p. 11- “Dzo eve le ta nɛ abe alẽvi tɔ ene.” Dzo siawo, siwo le abe alẽvi tɔ ene la, le dzesi dem sɔhɛmenɔnɔ, ɖemanya kple tufafa; nɔnɔme siawo sɔ kple dɛ, siwo nye Amerika-Dukɔƒoƒuawo tɔ, le esime nyagblɔɖila la le ekpɔm wòle dodom tso anyigba me le ƒe 1798 me la. Kristotɔ, siwo si yi dzronugbe le Amerika gbã la, yi bena yewoakpɔ sitsoƒe ɖe fiawo ƒe ameteɖanyi, kple nunɔlawo ƒe yometiti nu, eye woƒe didi enye be yewoaɖo dziɖuɖua ɖe anyi, si ƒe gɔmeɖokpe anye dumevi ƒe vovokpɔkpɔ le dunyawo me kple ablɔɖe le subɔsubɔnyawo me. Le woƒe ɖokuisinɔnɔ ƒe ɖoɖowo me la, wote gbe ɖe nyateƒe gã sia, si gblɔ be wowɔ amesiame le tasɔsɔ me la dzi, eye be dumevi ɖesiaɖe dze na agbe kple eƒe dzidzeme kpɔkpɔ. Duse, si wowɔ la, ɖo kpe dukɔa ƒe ɖokuisinɔnɔ dzi. Eɖo hã be ŋgɔnɔla, siwo dukɔa ŋutɔ atia to akɔdada me la, nawɔ sewo na dukɔ la, eye woakpɔ egbɔ be amesiame nawɔ ɖe wo dzi. Vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me hã su amesiame si, ale be dumevi ɖesiaɖe kpɔ mɔ asubɔ eƒe Mawu le eƒe dzitsinya ƒe didi nu. Dumevi ɖesiaɖe ƒe dzenawo le tasɔsɔ me kple ablɔɖe le subɔsubɔ me woenye gɔmeɖokpe gã eve, siwo dzi dukɔ sia nɔ anyi ɖo la. Woawoe nye du sia ƒe ŋusẽkpɔkpɔ kple ŋgɔyiyi ƒe nuɣaɣlawo. Xexeme duwo katã ƒe kristotɔwo, amesiwo wote ɖe anyi kple esiwo nɔ veve sem la tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔwo katã da ɖe du sia dzi. Ame miliɔn miliɔnwo nɔ go ɖim ɖe eƒe ƒutawo, eye le madidi me, Amerika-dukɔ sia kpɔ nɔƒe le xexeme dukɔ gãtɔwo dome. UGL 407.3

Gake nyagblɔɖi la gblɔ be lã, si “to dzo eve abe alẽvi ene” la, nɔ nu ƒom abe ʋɔdriba ene. “Ewɔ lã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋutidɔ le eŋkume, eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la […] Ede se na wo be woawɔ nɔnɔme tata na lã, si ŋu wode abi kple yi, eye wògale agbe la. ( Nyaɖ. 13:11-14 ). UGL 410.1

Dzo, siwo ɖi alẽvi tɔ kple ʋɔdriba ƒe gbe, siwo le dzesi dem du sia la, le eɖem fia be to gbɔ be du sia ɖe eɖokui fia le nɔnɔmea ɖe me la, eƒe wɔnawo to vovo sãa tso ɖeɖefia la ŋuti. Du sia ƒe gbeɖeɖee nye eƒe sewɔwɔ kple sedziwɔwɔ ŋusẽwo ƒe ɖeɖefia. To eƒe wɔnawo me la, du sia atsi tre ɖe ablɔɖe kple ŋutifafa ƒe ɖoɖo, siwo eya ŋutɔ wɔ na eƒe dunyawo la ŋuti. Nyagblɔɖinya, si gblɔ be aƒo nu abe ʋɔdriba ene, eye wòawɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽ ŋuti dɔ la, le nanam woanya be madzɔmadzɔ kple yometiti ƒe gbɔgbɔ, si nɔ fiaɖuƒe, si wode dzesi abe ʋɔdriba kple lã, si ɖi lãkle ene la, adze dɔwɔwɔ le eya hã me. Afisi wogblɔ le be lã, si to dzo eve abe alẽvi tɔ ene la, abia tso anyigbadzinɔlawo si be woawɔ legba na lã la, le eɖem fia be du sia awɔ eƒe ŋusẽ ŋuti dɔ azi amewo dzi be woawɔ wɔnaa ɖe, si anye bubudede papa ƒe dziɖuɖua ŋuti. UGL 410.2

Dukɔ sia atsi tsitre ɖe eyaŋutɔ ƒe vovokpɔkpɔ dɔwɔƒewo ƒe aɖaŋu manyagblɔ ƒe nuɖoanyiwo ŋuti kple ɖe eƒe ɖokuisinɔnɔ gbeƒãɖeɖe, si me kɔ nyuie, kpakple eƒe duse gã la ŋuti. Du sia tsolawo di vevie le nunya gãa ɖe me be subɔsubɔ Hame la magakpɔ mɔnu aziɔ ɖe dziɖuɖua ƒe ŋusẽ ŋu gbeɖe o, alebe magavanye ametéɖeto kple yometiti ƒe mɔnu nɛ o. Le Dusea ƒe ɖoɖo nu la, Sewɔƒe gã mekpɔ mɔ aɖo dziɖuɖua ƒe subɔsubɔ- hamea ɖeke anyi o; made se ɖe subɔsubɔ-haa ɖeke nu o, eye mabia hã be woanɔ subɔsubɔ-hamea ɖe me kokoko hafi woate ŋu anye du-dɔwɔlaa ɖe le Amerika-dukɔƒoƒua me o. Dziɖuɖua mate ŋu até subɔsubɔa ɖeke ɖe amea ɖeke dzi o; ke nenye be ewɔe la, anye dukɔa ƒe ablɔɖe-se la dzidada vevie. Asɔ kple nyagblɔɖi la ƒe dzesi, alo dzesidenya la. Lã, si to dzo eve abe alẽvi tɔ ene la, le dzadzenyenye, tufafa kple vɔ̃ mawɔ ɖe amenɔvi ŋuti ɖem fia, gake hele nu ƒom abe ʋɔdriba ene. UGL 410.3

“Ede se na anyigbadzinɔlawo be woawɔ legba na lã la”. Le go sia me eɖe eɖokui fia abe dziɖuɖu, si ƒe sewɔwɔ ŋusẽ la le dukɔa si me ene. Esia hã gaɖo kpe edzi be Amerika-dukɔa ƒe nya gblɔm nyagblɔɖila la le. UGL 411.1

Ke nukae nye “nɔnɔmetata alo legba na lã la”, eye aleke woawɔe? Lã, si to dzo eve la, ye le nɔnɔmetata la wɔge, eye wòle ewɔge na lã gbãtɔ la. Wogayɔ eya ŋutɔ hã be lã la ƒe nɔnɔmetata alo legba. (429) Ne míanya nusi ku ɖe nɔnɔmetata la ŋuti kple alesi wole ewɔge la, ele be míasrɔ̃ nu tso lã, si ƒe nɔnɔmetata wɔm wole, si nye papa dziɖuɖua, ƒe dẽwo ŋuti. Esi gbegblẽ ge ɖe Hame gbãtɔ la me, eye wòɖe asi le Nyanyuia ƒe gblɔenyenye ŋuti hexɔ trɔsubɔlawo ƒe kɔnuwɔwɔ kple numamewo la, ebu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kple eƒe ŋusẽ, eye wònɔ nɛ be wòadi xexeme dziɖuɖu ŋusẽ ƒe megbenɔnɔ vevie bene wòate ŋu até ɖe amewo ƒe dzitsinya dzi. Alea ye papa dziɖuɖu la kpɔ emevava, eye wòva zu hame, si ɖo asi du-dziɖuɖua ƒe ŋusẽ dzi, ale be wòwɔ eŋuti dɔ hena eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ, tɔxɛ na nusiwo mewɔ ɖeka kple eƒe ɖoɖowo o, eye wòyɔ wo be nusiwo mele éteƒe o la, ɖeɖe ɖa. Hafi Amerika-Dukɔƒoƒuawo navawɔ nɔnɔmetata na lã la la, ehiã be hamea ƒe dziɖuɖu nakpɔ ŋusẽ ɖe dukɔa ƒe dziɖuɖu dzi alegbegbe be dziɖuɖua navazu hamea ƒe dɔwɔnu. UGL 411.2

Ɣesiaɣi, si du-dziɖuɖua ƒe nusẽ su hamea si la, ewɔa eŋuti dɔ tsɔhea to na amesiwo mewɔ ɖeka kple eƒe nufiafiawo o la. Protestant hame, siwo hã to katoliko hamea ƒe afɔtoƒewo hewɔ ɖeka kple xexeme dziɖuɖu ŋusẽwo la, woawo hã dina be yewoaté ɖe dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me ɖzi. Kpɔɖeŋu gã ɖeka enye le alesi Anglican Hamea ti hamevi, siwo melɔ̃ ɖe eƒe nufiafiawo dzi o la yome, ɣeyiɣi didia ɖe la. Le ƒe alafa wuiadẽlia yi ɖe wuiadrẽlia me la, wonya osɔfo akpeakpe, siwo mexɔ hamea ƒe ɖoɖoa ɖewo o la, eye wozi ɖe nunɔlawo kple hamevi geɖewo dzi be woaxe ga homea ɖe, alo wolé wo de gaxɔme, wɔ funyafunya wo, wu wo gɔhã. UGL 411.3

Hame gbãtɔa ƒe mɔtatrae na be wòhiã dukɔme dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋu bene wòate ŋu até ɖe hameviwo dzi. Wɔna siae ta mɔ na papa dziɖuɖua, alo lã la, ƒe vava. Paulo gblɔ nya ɖi ku ɖe “megbedede” kple “nuvɔ-me” la ƒe vava ŋuti. (Tesa. II, 2:3). Ke megbedede kee ata mɔ na lã ƒe legba alo nɔnɔmetata la. Evɔ Biblia le nanam míanya be hafi Aƒetɔ la natrɔva la, gege le gbɔgbɔ me agava hamea me abe le ƒe alafa gbãtɔwo me ke ene. “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi vɔwo lava. Amewo lanye ɖokuilɔlawo, galɔlawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo, amesiwo melɔa ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔa nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔa hadzedze wu alesi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.” ( Tim.II, 3: 1-5)..” Gbɔgbɔ la gblɔe ɖi kɔtee bena le ŋkeke mamlɛawo me la, amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔwo ƒe nufiafia.” (1Timo.4:1). Satana awɔ dɔ kple aʋatsokaka ŋusẽ, kple beble dzesiwo eye “amesiwo mexɔ nyateƒe lɔlɔ̃ bene woaxɔ wo o la”, woaɖe asi le wo ŋu na beble, si nu sẽ la, “bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase.” ( Tesa. II, 2:9- 11 ). Ke ne numakɔmakɔ ƒe nɔnɔme sia va ɖo afisi wòaɖo la, emetsonuwo asɔ kple míaƒe ƒe alafa gbãtɔwo me tɔwo. Ame geɖewo xɔe se be Protestante hame vovovoawo ƒe agbɔsɔsɔ nye kakaɖedzi be ŋutete wɔwɔ na hameawo katã ƒe nu ɖeka wɔwɔ le kpɔkplɔ ɖeka te la mate ŋu ava me o. Gake ƒea ɖewoe nye si va yi, si wole dzesi dem Protestante hame geɖewo ƒe didi, si le ŋu sẽm ɖe dzi, be nusiwo me yewo ƒe nusɔsrɔwo nye ɖeka le la, nanye mɔnu na yewo ƒe ɖekawɔwɔ blibo. Ke ne woate ŋu ade ɖekawɔwɔ sia gbɔ la, ele na wo be woaɖe asi le nuƒoƒo tso nufiafia, siwo me womewɔ ɖeka le o la, ŋuti, nenye be nusiawo le vevie na Biblia dzi wɔwɔ gɔhã. UGL 412.1

Le eƒe mawunyagbɔgblɔa ɖe me le ƒe 1846 me, Charles Beecher gblɔ be menye ɖe ko wonɔ Protestant nyanyuihame vovovoawo ƒe gbeƒãɖelawo tum ɖo, yi ɖe tatɔwo ke hã dzi, le amegbetɔ vɔvɔ̃ ƒe teteɖamedzi ŋusẽ dziŋɔa ɖe ɖeɖe ko me o, ke wonɔa agbe hã, wɔa dɔ le gbegblẽ ya ƒoƒo ʋeʋẽa ɖe me, ale be woƒe nɔnɔme vɔɖi la gagblẽna ɖe edzi, le alesi wohiã tso wo si be woanɔ nu tsyɔm nyateƒe la dzi, ahanɔ klo dzem na megbedede ŋusẽ la ta. Menye alea ko nuwo va me le Roma hamea me tsã? Menye eƒe ŋutinya ƒe agbe ma ko nɔm míawo hã míele egbea oa? Nuka kpɔm míele gbɔna le mía ŋgɔ? Hameawo ƒe xexeme takpekpe gã, xexeame Nyanyui hameawo ƒe ƒuƒoƒo alo ɖekawɔwɔ, xɔse ɖeka na xexea katã!” Nya siawo tso mawunya, si Beecher gblɔ le Fort Wayne, Indiana, le ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke 22lia dzi le 1846 me ku ɖe Biblia ƒe xɔse, si su alo de blibo la ŋuti — “The Bible, a Sufficient Creed“. Ke ne ƒuƒoƒo gã siawo va eme la, afɔɖeɖe ɖeka koe susɔ. Eyae nye ŋusẽ ŋutidɔwɔwɔ; bene wɔnawo katã nanye ɖeka ƒomevi le afisiafi la, woaté ɖe amesiwo mewɔ ɖeka kple ƒuƒoƒo gã o la dzi be woawo hã nage ɖe ɖekawɔwɔ sia me. UGL 413.1

Ne Amerika-Dukɔƒoƒuawo ƒe nyanyui-hame gãtɔwo ƒe nufiafiawo ƒe akpaa ɖewo sɔ kple wonɔewo tɔ, eye woto wo dzi wɔ ɖeka hebia tso dziɖuɖua si me be wòana be yewo ƒe ɖoɖowo kple nuɖoanyiwo nazu se, si dze be amesiame nawɔ la, ekem esia anye Amerika, si nye Protestant du la, ƒe nɔnɔmetata alo legba wɔwɔ na Roma dziɖuɖu la. Emetsonu matrɔmatrɔ koe anye be dziɖuɖua awɔ eƒe ŋusẽ ŋuti dɔ azi ɖe amesiwo malɔ̃ o la dzi. UGL 413.2

Lã, si to dzo eve abe alẽvi tɔ ene la, awɔ” bena woade dzesi amewo katã, deviwo kple tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, bene amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko.” (Nyaɖ. 13:16-17). Mawudɔla etɔlia ƒe nyanya, si wòna lae nye be: “Ne amea ɖe asubɔ lã la kple eƒe legba, eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzui ƒe aha tsimatɔ, si wokɔ ɖe eƒe dɔmedzuikplu la me...” Lã, si ƒe nya gblɔm wole le nyanyananya sia me, si lã, si to dzo eve le amewo dzi zim be woasubɔ la, enye lã gbãtɔ, si ɖi lãkle le Nyaɖeɖefia 13lia me, si nye papa dziɖuɖua. “Lã la ƒe legba” enye megbedede ƒe nɔnɔme, si atso Protestant Hameawo ƒe ɖekawɔwɔ me hena ŋusẽ xɔxɔ tso Amerika dziɖuɖua gbɔ na woƒe ɖoɖowo zizi ɖe amewo dzi. UGL 413.3

Azɔ míaƒo nu tso nusi nye “Lã ƒe dzesi” la ŋuti. Le nyanyanana ku ɖe lã la kple eƒe legba subɔsubɔ ŋuti megbe la, nyagblɔɖila yi edzi be: “afii ame kɔkɔe siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la ƒe dzidodo le.” Esi wònye be amesiwo lé Mawu ƒe se la me ɖe asi ƒe akpa sagãe nye amesiwo le lã kple eƒe legba subɔm, eye woxɔ eƒe dzesi la, eme kɔ nyuie be Mawu ƒe sea dzi wɔwɔ le go ɖeka me, kple edzi dada le go evelia me woe lanye nyametsotso le Mawu ƒe subɔlawo kple lã la ƒe subɔlawo dome. UGL 414.1

Nusi de dzesi lã kple eƒe legba la enye Mawu ƒe sea dzi dada. Daniel gblɔ tso “dzo vi”, si nye papa dziɖuɖua ŋu be: “Aɖo ɖe tame be yèatrɔ ɣeyiɣiwo kple se la” (Dan. 7: 25) Ke Paulo ya yɔ ŋusẽ sia be “nuvɔ-me”, si ado eɖokui ɖe dzi ƒo Mawu ta. Nyagblɔɖia ɖe nyena nane tsɔtsɔ kpe bubu, si do ŋgɔ la, ƒe dziyiyi alo nuwuwu. To Mawu ƒe se la tɔtrɔ mee papa dziɖuɖua ate ŋu alia Mawu ƒe ta me le. Ke amesi awɔ ɖe se, si wotrɔ dzi, to gbɔ be enya esia nyuie la, le bubu tsɔm na ŋusẽ, si wɔ tɔtrɔ la. Ekem papa ƒe sewo dzi wɔwɔ nye ɖokuibɔbɔ na papa ɖe Mawu teƒe. UGL 414.2

Papa wɔ ŋutete be yeatrɔ Mawu ƒe se la. Eɖe se evelia, si gbe nɔnɔme tatawo subɔsubɔ la ɖa, eye wòtrɔ se enelia ale be woawɔ ɖe ŋkeke gbãtɔ dzi, le ŋkeke adrẽlia, si nye Mawu ƒe Dzudzɔgbe la, teƒe. Abe taflatse dodo na se evelia ɖeɖe ɖa ene la, katoliko xɔse nufialawo be se sia mele vevie o, elabe ele se gbãtɔa me xoxo, eye bena alesi Mawu di be woase se la gɔme la, nenema dzi yewoɖee fia ɖo. Esia mate ŋu anye tɔtrɔ, si ƒe nya gblɔm nyagblɔɖila la le o. Ele nu ƒom tso tɔtrɔ, si ƒe ta me wòɖo ɖi la ŋuti: “Aɖo ɖe ta me be yeatrɔ ɣeyiɣiawo kple se la.” Tɔtrɔ, si wòwɔ le se enelia me lae nye nusi tutu gblɔm nyagblɔɖi la le. Elabena ŋusẽ, si le tɔtrɔ sia hem vɛ lae nye hamea ƒe ŋusẽ. Le go sia me, papa ƒe dziɖuɖua le eƒe ŋusẽ dom ɖe dzi ƒo Mawu ta. Le esime Mawu ƒe subɔlawo le wo ɖokui ɖem fia tɔxɛ to bubu dede eƒe Sabat ŋuti me, ɖe alesi wònye eƒe Wɔlanyenye ƒe dzesi kple ɖaseɖiɖi be eyae dze na amegbetɔ ƒe subɔsubɔ kple bubudeameŋu ta, ke lã la ƒe subɔlawo aɖe wo ɖokui fia to ŋutete wɔwɔ be yewoamu Mawu ƒe Wɔlanyenye dzesi sia ƒu anyi ahaɖɔlii kple Roma ƒe nuɖoanyi la. Papa dziɖuɖua dze eƒe ɖokuiŋudzedze ɖeɖe fia gɔme to kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔ dodo ɖe dzi me. Zi gbãtɔ, si wòawɔ dukɔa ƒe dziɖuɖu ŋusẽ ŋutidɔ la, ewɔe hezi amewo dzi be woawɔ kwasiɖagbe la kɔkɔe abe “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” ene. Ke ŋkeke adrẽliae Biblia yɔ be “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke” hafi, menye kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ lae o. Kristo gblɔ be : ” Amegbetɔvi la nye Sabat dzi Aƒetɔ hã” ( Marko 2:28 ). Nyati, si gbɔna la le se enelia me: “Ŋkeke adrẽlia enye Dzudzɔgbe na Yehowa. To Nyagblɔɖila Yesaya dzi Aƒetɔ la gayɔ ŋkeke sia be:“Nye Ŋkeke Kɔkɔe la.” ( Yes. 58:13 ). UGL 414.3

Ke Aƒetɔ la meda asi ɖe alakpanya, si gblɔ be Kristo ŋutɔe trɔ Sabat la dzi kura o. Le eƒe mawunya, si wògblɔ le Ami-to dzi me la, egblɔ be: “Migabu xa bena meva se la alo nyagblɔɖilawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ meva be mawɔ wo woade blibo. Elabena vavã mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o. Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.” ( Mateo 5:17-19 ) UGL 415.1

Nyateƒe wònye be Protestant-tɔwo, le woƒe agbɔsɔsɔ me, ʋu eme be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe afia ɖeke meɖe mɔ be woatrɔ Sabat la o. Agbalẽa ɖewo, si Amerika ƒe agbalẽvitata dɔwɔƒewo kple Amerika ƒe Kwasiɖagbe-Sukuwo ƒe ƒuƒoƒo ɖe ɖe go la, té gbe ɖe nyateƒe sia dzi vevie. Agbalẽ siawo dometɔ ɖeka gblɔ be Nubabla Xoxoa megblɔ nyaa ɖeke kura ku ɖe sea ɖe si de kwasiɖagbe si nye “kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ” ƒe dzudzɔ dzi o, eye meƒo nu hã tso sea ɖeke ku ɖe ŋkeke sia dzi wɔwɔ ŋuti o. —George Elliott, The Abiding Sabbath, p. 184 - UGL 415.2

Agbalẽ bubu hã gagblɔ be: “Yi ɖe keke Kristo ƒe ku ɣeyiɣi me la, womewɔ tɔtrɔa ɖeke le ŋkeke la ŋu o, eye le Biblia ƒe nyadzɔdzɔwo me la, Apostolowo meɖe sea ɖeke fia, si bia be woaɖe asi le ŋkeke adrẽlia ƒe Sabat la ŋuti ahaɖɔlii kple kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ la o. —A. E. Waffle, The Lord’s Day, p. 186-188.- UGL 416.1

Roma Katolikotɔwo ʋu eme be yewo ƒe hame gbɔ tɔtrɔ la tso, eye bena to kwasiɖagbe dziwɔwɔ me la Protestant-tɔwo lɔ̃ ɖe yewo ƒe gãnyenye ŋusẽ dzi. Biabiaa ɖe, si wowɔ le katoliko kristosubɔsubɔ ƒe katekismo gbalẽ me, ku ɖe ŋkeke, si dzi Mawu ƒe se enelia bia be woawɔ ŋuti la, ŋutiɖoɖoa yi ale: “Le se xoxoa te la, memliɖae nye ŋkeke si ŋuti wokɔ, gake hame la, le Kristo ƒe nufiafia nu kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe kpɔkplɔ te la, tsɔ kwasiɖa ɖo mɛmliɖa teƒe. Alea ye wòva me be míele ŋkeke gbãtɔ la ŋu kɔm ɖe ŋkeke adrẽlia teƒe. Ekem míase kwasiɖa gɔme azɔ be enye Aƒetɔ la ƒe ŋkeke.” Katoliko hamea taʋlilawo kpɔa Sabat ɖɔliɖɔli kple kwasiɖa la abe hamea ƒe gãnyenye ŋusẽ ɖeɖefia ene, eye […] to woƒe asidada ɖe tɔtrɔ sia dzi kple kwasiɖa léle ɖe asi vevie me la, protestant-tɔwo hã le eme ʋum be Roma hamea kpɔ ŋusẽ aɖo azãgbewo, eye be wòaƒoe ɖe amewo nu be wo dzi mawɔmawɔ nye nuvɔ.” -Henry Tuberville, An Abridgment of the Christian Doctrine, p. 58.- Ekem nukae nye Sabat la ɖɔliɖɔli, ne menye Roma Hamea ƒe gãnyenye ƒe dzesi, alo “lã la ƒe dzesi” oa? UGL 416.2

Roma hamea meɖe asi le eƒe gãtɔnyenye ƒe susu ŋuti kpɔ o. Ne xexeame kple Protestant hameawo xɔ sabat, si woɖo anyi ɖe Biblia ƒe Sabat teƒe la, ɖe ko míase egɔme be wowɔ ɖeka kple eƒe susu sia. Ne wotsɔ numamewo kple fofowo ƒe kpɔɖeŋu abe taflatse na tɔtrɔ sia hã la, edze ƒã be le ewɔwɔ me la, wole nu gbem le ɖoɖo gã ma, si klã wo ɖa tso Roma gbɔ, si nye: “Biblia, eye Biblia ɖeka koe nye xɔse ƒe gɔmeɖokpe na Protestant-tɔwo” la gbɔ. Roma de dzesii kɔte bena Protestant-tɔwo le wo ɖokui blem, hele ŋku ŋẽm ƒu nya sia dzi le woawo ŋutɔ ƒe nyanya me. Esi Roma kpɔ be tameɖoɖo, si yewɔ be kwasiɖa dziwɔwɔ nava zu dzizizi na amesiame la le ŋgɔdede kpɔm la, dzi le edzɔm ŋutɔ be le nuwuwu la Protestant-tɔwo katã akpɔ wo ɖokui le yeƒe aƒlaga té. UGL 416.3

Papa yomedzelawo gblɔ be Protestantetɔwo ƒe kwasiɖagbe ƒe dzudzɔgbea léle ɖe asi la nye bubu tsɔtsɔ na katoliko hamea ƒe gãnyenye ŋusẽ, to gbɔ be womedi o hã. — Bishop Segur, Plain Talk about the Protestantism of Today, page 213 .- Protestant hameawo ƒe téte ɖe amewo dzi be woawɔ ɖe kwasiɖagbe dzi la nye woƒe amewo dzi zizi be woasubɔ papadziɖuɖua alo be woasubɔ lã la. Amesiwo katã dze si nusi biam se enelia le, gake tia be yewoawɔ ɖe alakpa dzudzɔgbea dzi ɖe Sabat vavã teƒe la, le bubu tsɔm na ŋusẽ ɖeka ma, si ɖoe anyi la. Ke nenye be hamewo le xexeme dziɖuɖu ŋusẽ ƒe kpekpeɖeŋu biam ne woatsɔ té subɔsubɔ dɔdeasia ɖe ɖe amewo dzi la, ekem wole legba wɔm na lã la. Amewo dzi zizi le Amerika be woawɔ ɖe kwasiɖagbe dzi la, anye téte ɖe wo dzi be woasubɔ lã la kple eƒe legba la. UGL 417.1

Gake kristotɔwo ƒe dzidzime, siwo va yi la, nɔ kwasiɖagbe dzi wɔm kple susu sia be Biblia ƒe Sabat la dzi wɔm yewo nɔ. (435) Le egbe ŋkekeawo me, kristotɔ vavã geɖewo le ha vovovoawo me, le katoliko hamea ŋutɔ hã me, siwo xɔe se le nyateƒe me be kwasiɖagbee nye sabat, si Mawu ɖo anyi la. Ke Mawu xɔ woƒe nyateƒetoto kple nuteƒewɔwɔwo. Gake nenye be wode se be amesiame nawɔ ɖe kwasiɖagbe dzi, le esime xexeame katã ake ɖe nusi nye Sabat vavã kple eƒe biabia ŋuti la, ekema amesi ada le Mawu ƒe Se la dzi, ahawɔ ɖe ɖoɖo, si metso afia ɖeke wú Roma ŋusẽa gbɔ o la, atsɔ bubu na papadziɖuɖua wú be wòatsɔe na Mawu. Ade bubu Roma ŋu kple ŋusẽ, si atsɔ eƒe nuɖoanyi la wɔ sedede na amewo la ŋuti. Ale wòazu lã la kple eƒe legba subɔlae. Nenye be amegbetɔwo gbe nu le Mawu ƒe nuɖoanyi, si wòbe enye yeƒe dziɖuɖu ŋusẽ dzesi la gbɔ, hexɔ ɖe nusi Roma tia be enye yeƒe gãnyenye dzesi teƒe la, ekem wolɔ̃ xɔ dzesi, si nye woƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Roma te, si nye “lã la ƒe dzesi”. Eye nenye be woɖe nu me na amesiame wòkɔ ƒãa, eye woabia tso amegbetɔwo si be woatia le Mawu ƒe Seawo kple amegbetɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ dome la, azɔ ko amesiwo alé ɖe Mawu ƒe Seawo dzi dada ŋuti la, axɔ “lã la ƒe dzesi”. UGL 417.2

Nyanyanagbedeasi dziŋɔ̃ tɔ kekeake, si wowɔ na agbagbeawo la, le mawudɔla etɔlia ƒe gbedeasia me. Nuvɔ̃ dziŋɔa ɖe wòanye na amesi ahe Mawu ƒe dziku, si wometɔtɔ kple eƒe amenuveve o la, va eɖokui dzi. Mele be woagblẽ amewo ɖe numanyamanya me ku ɖe nya vevie sia ŋuti o. Ele be woana xexea nanya nu ku ɖe nuvɔ̃ sia ŋuti, hafi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nava vodalawo dzi, ale be woanya nusi ta woakpɔ tohehe ɖo, eye woakpɔ mɔnu asi le enu. Le nyagblɔɖia nu la, mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedeasia le yiyim na “anyigbadzinɔlawo katã, to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” Dɔla etɔlia ƒe nyanyananya, si le gbedeasi etɔ̃ tsya sia me la, hã ayi na xexea katã nenema ke. Nyagblɔɖia le nanam míanya be mawudɔlaa ɖe, si le dzodzom le dziƒe titina la, le gbeƒã sia ɖem kple gbe gãa ɖe, eye woahe xexeame katã ƒe susu va nya la gbɔ. UGL 418.1

Ke le ʋiʋlia ƒe nuwuwu la, Kristo subɔlawo katã ama ɖe asaɖa gã eve me: amesiwo lé Mawu ƒe Seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la kple amesiwo le lã la kple eƒe legba subɔm, eye woaxɔ eƒe dzesi la. (436) To gbɔ be hameawo kple dukɔme dziɖuɖua awɔ ɖeka até ɖe amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo, kple ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woaxɔ lã ƒe dzesi la, ( Nyaɖ. 13:16 ) Mawu ƒe viwo ya malɔ̃ o. Patmos ƒe vivimenukpɔla la kpɔ amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la, le tsitre ɖe atsiaƒu ɖiahũhɔe la nu, eye Mawu ƒe sankuwo le wo si. Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla la, ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha dzim. ( Nyaɖ. 15: 2, 3 ). UGL 418.2

------