Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    16—FOFO MƆZƆLAWO

    To gbɔ be wogbe nu le Roma hamea ƒe nufiafiawo gbɔ hã la, Aŋlisiwo ƒe Ɖɔɖɔɖowɔlawo galé Roma ƒe wɔnaa ɖewo ɖe asi. Aŋlisiwo ƒe Nyanyui Hamea gbe nu le Papa ƒe dziɖuɖu kple xɔse gbɔ, gake wogalé ɖe Roma ƒe numame kple kɔnu geɖewo wɔwɔ ŋuti le woƒe subɔsubɔ me. Wogblɔna be nenem nuwo menye nusiwo ku ɖe dzitsinya ŋuti o. Wogblɔ be, esi wònye be Ŋɔŋlɔawo mebia wo dzi wɔwɔ o, elabe womele vevie o, eye megbe wo hã o la, ekem womenye nu gbegblẽwo o. Wo dzi wɔwɔ na be Ɖɔɖɔɖo Hameawo mete ɖe aga fũu tso Roma gbɔ o, eye wogblɔna hã be esia ana be Xɔse, si woɖɔɖo la, xɔxɔ anɔ bɔbɔe na katolikotɔwo.UGL 263.1

    Amesiwo melɔna tɔtrɔ sɔgbɔ ƒe nya o kple ƒoƒose dilawo xɔ taflatse siawo bɔbɔe. Ke ame bubuwo ya melɔ̃ ɖe nya siawo dzi o. Esi wònye be numame mawo wɔwɔ le abe aná woda ɖe aʋli, si ma Reformatio kple Roma hamea dome dzi ene la, esu xoxo be woaɖe asi le wo ŋuti. Wokpɔ be wonye kluvinyenye, si me yewo do go tso la, ƒe dzesiwo, eye yewomesusu kura be yewoagatrɔ yi eme o. Woxɔe se hã be Mawu ɖe alesi woasubɔe la fia le eƒe Nya la me, eye be amegbetɔwo mekpɔ mɔ atsɔ naneke akpee alo aɖe le eme o. Megbedede gã la ƒe gɔmedzedzee nye be wotsɔ hamea ƒe amedziɖuɖu da ɖe tasɔsɔ me kple Mawu ƒe amedziɖuɖu. Gbã la, Roma dze nusi Mawu meɖo o la zizi ɖe amewo dzi, eye le nuwuwu la, enɔ nusi nye Mawu ƒe nuɖoanyi la gbem. Ame geɖewo di vevie tso dzi me be yewoatrɔ yi ɖe Kristo Hame gbãtɔ la ƒe dzadzɛnɔnɔ gbɔ. Wokpɔ Anglikan alo Aŋlisi hamea ƒe numamea ɖewo wɔwɔ abe trɔsubɔsubɔ ene, eye woƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woawɔ ɖeka kple subɔsubɔ ma o. Ke Anglikan Hamea, si dziɖuɖua le megbe na la, gbe be yemaɖe mɔ na susuɖeɖe bubua ɖeke ku ɖe subɔsubɔ ŋuti o. Wode se be amesiame nayi ɖe hamea ƒe sɔleme, eye be subɔsubɔ ƒuƒoƒoa ɖeke maganɔ anyi to vovo na esi ŋu woɖe mɔ le la o. Amesi mawɔ ɖe se sia dzi o la ayi ɖe gakpɔ me, alo woaɖee do go tso dua me, alo woawui.UGL 263.2

    Le ƒe alafa wuiadrẽlia ƒe gɔmedzedze me la, fia yeye si, xɔ fiaziakpuia le Aŋlisi dua me la, na be woanya bena yeƒe susu enye be yeaté ɖe Puritanwo, alo amesiwo lé nu dzadzɛwɔwɔ me ɖe asi vevie la, dzi ale be woawɔ ɖe Anglikan hamea ƒe ɖoɖowo ko dzi, ne menye nenem o la yeaɖe wo do go tso dua me, alo yeawɔ nusi aga wú esia na wo. Nya sia le —George Bancroft, History of the United States of America-, liv. 1, ch. 12.- me. Wonya wo ɖe du nu, ti wo yome, de wo gakpɔ me, eye wokpɔ be ŋutifafa ƒe ŋkekea ɖeke megali na yewo o, eye wo dome ame geɖe ka ɖe dzi be Aŋlisi-dua meganye teƒe na amesiwo di be yewoasubɔ Mawu le yewoƒe dzitsinya nu o.- J.G. Palfrey, History of New England-, ch. 3, par 43.- Ke amea ɖewo kpɔ be anyo be yewoadi sitsoƒe le Holand. Woge ɖe kuxi geɖe me; amewo bú woƒe nunɔamesiwo, eye wokpɔ wo ɖokui le gakpɔ me. Woƒe ɖoɖowo mekpɔ emevava enumake o. Wode wo asi, eye woge ɖe woƒe futɔwo si me. Gake to kutrikuku geɖe me la, wovakpɔ xɔname le Holand ƒe ƒuta-duwo me. Le woƒe sisi me la, enɔ na wo be woagblẽ aƒewo, nunɔamesiwo kple nuɖuɖuwo gɔ̃ hã ɖi. Wokpɔ wo ɖokui le dzronyigba dzi, le dukɔa ɖe, si ƒe gbe womenya o, si ƒe wɔnawo to vovo la dome. Ele be woawɔ dɔ, aɖu nu, eye dɔ, si womewɔ kpɔ o la zu, wɔwɔ na wo. Amea ɖewo, siwo nye agbledelawo le woƒe agbea katã la, ele na wo be woasrɔ̃ gbɛdɛ-dɔ. Gake woxɔ nusiawo katã kple dzidzɔ, eye womegblẽ ɣeyiɣia ɖeke ŋuti le dɔaɖekemawɔ kple liʋiliʋi lili me o. To gbɔ be wosea ahedada ƒe hiãwo edziedzi hã la, wonɔa Mawu kafum ɖaa le eƒe yayra, siwo wògale kɔkɔm ɖe wo dzi la ta, eye wokpɔa dzidzɔ le woƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ yometiti manɔeme la ta. Wonya be mɔzɔlawo yewonye, eye yewoƒe kuxiwo menye naneke o. Wowú mo dzi ɖe woƒe dziƒo de-du, si xɔ asi na wo wú nusianu la ŋu, eye wokpɔa woƒe luʋɔwo ƒe gbɔɖeme. —Bancroft, pt.1,ch. 12, par. 15.UGL 264.1

    Woƒe xɔse kple lɔlɔ̃ nɔa tsitsim ɖe dzi le woƒe dɔwɔwɔ le dzronyigba la dzi. Woƒe mɔkpɔkpɔwo katã nɔ anyi ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi, eye eƒe xɔname mebú ɖe wo le woƒe xaxawo me o. Dɔla kɔkɔewo nɔa woƒe axawo dzi, nɔa wo ta kpɔm henɔa ŋusẽ dom wo.UGL 264.2

    Ke esi wòdze abe Mawu le asi fiam teƒe aɖe, si le atsiaƒua godo, afisi woate ŋu atso woƒe du ɖo, agblẽ xɔse ƒe vovokpɔkpɔ ƒe kesinɔnu xɔasi la ɖi na woviwo la, woɖe zɔ ɖimake le mɔ, si amenuveve tá na wo la dzi.UGL 265.1

    Mawu ɖe mɔ be eƒe dukɔ la nato dodokpɔ me, ale be yeadzrae ɖo na yeƒe amenuve-ɖoɖó ku ɖe eŋuti la dzi wɔwɔ. Eɖe mɔ be woabɔbɔ Hame la ɖe anyi ale be yeadoe ɖe dzi. Mawu le eƒe ŋusẽ ɖe ge ɖe go na eƒe Hame la, ale bena xexea nakpɔ kpeɖonudzi yeye sia be megblẽna amesiwo kpɔ mɔ nɛ la ɖi o. Eƒe asi sesẽ ta mɔ na nudzɔdzɔawo, ale be Satana ƒe dziku kple ame vɔɖiwo ƒe nugbeɖoɖowo katã nayi na eƒe ŋutikɔkɔe, eye woatutu yeƒe dukɔ la yi ɖe dedienɔnɔ teƒe. Yometitiwo kple sisi yi dzronyigba ʋu mɔ na woƒe ablɔɖe.UGL 265.2

    Esi wòvahiã be woamã ɖa tso Anglikan hamea gbɔ la, Puritanwo, alo Dzadzɛnyenye-dilawo wɔ ɖeka le nublabla kɔkɔea ɖe me, abe Mawu ƒe Ablɔɖeviwo ene, be “yewoazɔ le eƒe mɔ, siwo yewo nya la, kple esiwo woagaɖe fia yewo la dzi.” — J. Brown, The Pilgrim Fathers, p. 74. Esia enye Ɖɔɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ vavã, si nye Protestante xɔsea ƒe gɔmeɖokpe ƒe ɖoɖo la. Susu sia dzi Mɔzɔlawo dzo le Holand le be yewoayi ɖa di nɔƒe le Xexe yeyea (alo Amerika) me. Woƒe Osɔfo, si Mawu meɖe mɔ na be wòayi kpli wo o la, gblɔ le eƒe hedenyuie dodo na wo me be: “Nɔvi lɔlɔtɔwo, míele mamã ge ɖa tso míanɔewo gbɔ kpuie; Aƒetɔ la nya ne manɔ agbe didie agavakpɔ miaƒe mo.UGL 265.3

    Gake ne Aƒetɔ la lɔ, alo megalɔ̃ o hã, mele miabiam, le Mawu kple eƒe dɔla kɔkɔeawo ƒe ŋku me be miakplɔm ɖo, zi alesi ko nye hã mekplɔ Kristo ɖo la. Nenye be Mawu agaɖe nane afia to eƒe ɖoɖowɔnu bubua ɖe dzi la, milɔ, miaxɔe, abe alesi ko mielɔ̃ xɔ Nyateƒea ɖewo to nye dɔwɔwɔ me la ene. Elabena meka ɖe edzi be Nyateƒewo kple kekeliwo gale Aƒetɔ la si, siwo aklẽ tso eƒe Nya kɔkɔe la me.” —Martyn, vol. 5 p. 70.- Le nyea gonye me la, nyemate ŋu agblɔ nye vevesese ɖe Ɖɔɖɔɖo hamewo ƒe nɔnɔme, si wole fifia la ŋu o; hame siawo va ɖo teƒea ɖe le woƒe xɔse mɔ la dzi, eye wogbe be yewomagaɖe zɔ wú afisi woƒe kplɔla, siwo da wo ɖe Reformatio mɔa dzi la, gblẽ wo ɖo la o. Luther yomedzelawo melɔ̃ be yewoayi ŋgɔ wú nusi Luther nya la o, eye Kalvin hametɔwo hã tsɔ tosesẽ gbe be afisi Mawu ƒe ame gã ma gblẽ yewo ɖo la ko yewoatsi, evɔ wònye be menye Nyateƒe la katã ŋuti wòke ɖo o. Nublanuinya gãa ɖe enye esia. Elabena, to gbɔ be ame siawo nye kekeli gãa ɖe na wo ŋɔlimetɔwo hã la, womexɔ Mawu ƒe ɖeɖefiawo katã o, eye nenye ɖe wole agbe egbea la, anye ne wolɔ̃ xɔ kekeli yeyewo, abe alesi ko woxɔ tsãtɔwo ene.- D. Neal, History of the Puritans, vol., p. 269.-UGL 265.4

    “Miɖo ŋku ataŋu, si mieka le Hame la me, esi mielɔ̃ be yewoazɔ le Aƒetɔ la ƒe mɔwo katã dzi la dzi, esiwo wòɖe fia va yi la kple esiwo wòagavaɖe fia mi le ŋgɔ la dzi. Miɖo ŋku miaƒe ŋugbedodo kple nublabla, si miewɔ kple Mawu la, kpakple esi mia ŋutɔwo miewɔ le mianɔewo dome, be miawɔ nyateƒe kple kekeli siwo katã wòaɖe fia mi le eƒe Ŋɔŋlɔawo me la dzi. Gake, ƒo nuwo katã ta la, mele kuku ɖem na mi be miakpɔ nyuie ŋutɔ le nusi miaxɔ abe Nyateƒe ene la ŋuti. Midzro eme kpɔ, atsɔe sɔ kple Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe kpukpui bubuwo hafi axɔe. Elabena mele eme be kristotɔwo ƒe dukɔ, si do go, medidi kura o, tso fuléle Kristo ƒe viviti tsiɖitsiɖi me la, nage ɖe nunya ƒe blibodede me enuma ke o. —Martyn, vol. 5, p. 70, 71.-UGL 266.1

    Mɔzɔlawo ƒe didi vevie be yewoakpɔ yewo ƒe dzitsinya ƒe ablɔɖe la, tutu wo be woato ƒu dzi mɔzɔzɔ didi ƒe xaxawo me, adze ŋgɔ dzogbedzi ƒe dɔ sesẽwo kple xaxa gãwo, eye, kple Mawu ƒe yayra la, aɖo gɔmeɖokpe anyi na dukɔ gãa ɖe le Amerika ƒe ƒutawo. Alekeake wonɔ dzɔdzɔe, vɔa Mawu hã la, Mɔzɔlawo mese nusianuxɔxɔ faa le xɔsenyawo me la gɔme o. Woawo ŋutɔ hã mele klalo ana ame bubuwo vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me ƒe ɖoɖo gã, siwo ta wowɔ vɔsa geɖe ɖo la o. Le ƒe alafa wuiadrẽliawo ƒe susuɖela kple aɖaŋuɖola gãtɔwo, xɔŋkɔwo dome la, ʋɛa ɖewo koe te ŋu se xɔse ƒe vovokpɔkpɔ ɖoɖo sia, si nye Nublabla Yeyea ƒe kutsetse, si ɖee fia be Mawu ɖeka koe nye amegbetɔ ƒe xɔse ʋɔnudrɔla vavã la, gɔme.-Ibid, vol. 5, p.297.-UGL 266.2

    Xɔse, si gblɔ be Mawu na ŋusẽ hamea be wòanye kplɔla na amewo ƒe dzitsinya, wòaɖe nusi nye alakpaxɔse la gɔme, eye wòana tohehe ku ɖe eŋu la, nye Papawo ƒe vodada deto gãtɔwo dometɔ ɖeka. To gbɔ be Ɖɔɖɔɖowɔlawo mexɔ Roma hamea ƒe dzixɔse sia o hã, woawo hã meɖe asi le eƒe nusianumaxɔ ƒe gbɔgbɔ la ŋuti keŋkeŋ o. Viviti deto, si Roma tsɔ tsyɔ̃ kristotɔwo dzi le eƒe ƒe alafa geɖewo ƒe dziɖuɖu me la, meklo ɖa keŋkeŋ haɖe o. Mɔzɔlawo ƒe hatsotsoe, si tsò woƒe dua ɖe Massachusets ƒe futa la, ƒe Osɔfo gãwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nusianuxɔxɔ faa lae na be xexea trɔ zu tsitretsila ɖe kristotɔwo ŋuti, eye bena hamea mekpɔ kuxia ɖeke kpɔ to tohehe na xɔsedadatɔwo me o.- ibid, vol 5,p 335. Ke se gbãtɔ, siwo dutsola siawo wɔ la, ƒe ɖeka enye be hameviwo koe kpɔ mɔ ada akɔ na dziɖuɖumenɔlawo. Ele ko abe ɖe woɖo dziɖuɖua ƒe xɔse-hame anyi ene. Dukɔa katã awɔ nudzɔdzɔ na Osɔfowo dzi kpɔkpɔ, eye sewɔlawo kpɔ ŋusẽ ahe to na xɔsedadatɔwo. Ekem dukɔa ƒe ŋusẽ le hamea ƒe asi me. Ɖoɖo siawo kplɔ wo yi emetsonu matrɔmatrɔ ɖeka gbɔ le madidi me; eyae nye yometiti.UGL 266.3

    Ƒe wuiɖeke le dua tsotso yome la, Roger Williams hã va ɖo Xexe Yeye (Amerika) la me. Abe mɔzɔla gbãtɔwo ene la, eva afisia na gomekpɔkpɔ le dzitsinya ƒe ablɔɖe me. Gake, to vovo na ame gbãtɔwo la, ekpɔ nusi eƒe ɣeyiɣimetɔ ʋɛa ɖewo koe kpɔ la, si nye be dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ nye amesiame ƒe dzena, si amea ɖeke mate ŋu axɔ le esi o, nusi anye eƒe xɔse hã la. Enɔ Nyateƒe la dim vevie, eye abe Robinson ke ene la, exɔe se be mate ŋu anye nyateƒe be woxɔ Mawunya ƒe kekeli la katã vɔ o. Williams enye ame gbãtɔ le ŋkumekɔkɔ ɣeyiɣia ƒe kristotɔwo dome, si ɖe dzitsinya ƒe ablɔɖe kple amesiame ƒe susu ƒe tasɔsɔ le se la ŋku me ƒe nufiafia ɖe go le blibodede me.- Bancroft, liv 1, chap. 15. Egblɔ be setɔwo ƒe dɔdasi enye be woaxe mɔ na sedzimawɔ, eye woahe to na sedzidalawo, ke menye gbeɖe be woaté ɖe ame ƒe dzitsinya dzi o. Ebe dukɔa, alo sewɔlawo ate ŋu agblɔ nusi wòle be ame nawɔ na ehavi la. Ke ne woayi ɖoɖo wɔ ge tso ame ƒe dɔdasi ku ɖe Mawu ŋuti la, ekem wogbɔ woƒe liƒowo ŋu, eye dedienɔnɔa ɖeke mate ŋu atso eme o. Elabena eme kɔ ƒã be, ne sewɔla kpɔ ŋusẽ la, ate ŋu aɖe nukpɔkpɔa ɖewo kple dzixɔsea ɖewo ɖe go egbea, eye tsɔ ko la, wòagaɖe bubu ɖe go, abe alesi wòva eme le Aŋlisiwo dé le ŋutsufia kple nyɔnufia vovovowo ƒe dziɖuɖu té ene, alo le Papa kple takpekpe vovovowo té le Roma hamea me la ene. Alea ye xɔse sia va zu tɔtɔtɔtɔ ƒe nya.- Martyn, vol.3, p. 341.UGL 267.1

    Wobia amesiame be wòanɔ dziɖuɖua ƒe hame-ɖoanyi la ƒe sɔlemewo yim; amesi mawɔ edzi o la axe homea ɖe alo ayi gakpɔ me. Williams meda asi ɖe se sia dzi o. Se si vɔɖi le Aŋlisiawo ƒe ɖoɖowo katã me la enye esi té hame-ɖoanyi la ƒe subɔsubɔ ɖe amesiame dzi. Williams be teté ɖe amea ɖe dzi be wòawɔ subɔsubɔ, si menye etɔ o la, nye eƒe dzɔdzɔme ƒe dzena xɔxɔ le esí. Atutu mawumasroɖalawo kple amesiwo medi o la yi ɖe subɔsubɔa ɖe, si womelɔ̃ o me la, nye gotanuwɔwɔ biabia tso wo si. Ebe mele be woazi amea ɖeke dzi be wòayi sɔlemea ɖe o, alo be wòana nane na eƒe lelé ɖe te, ne melɔ̃ o. Amea ɖe, si ɖoɖo sia wɔ nuku na ɖo eŋu be: “Aleke! Ɖe dɔwɔla medze na eƒe fetu la oa? Eɖo eŋu be: “Ɛ, axɔ eƒe fetu, gake tso amesi hayae la gbɔ ko.”- Bancroft, liv.1çh.15.UGL 268.1

    Roger Williams nye amea ɖe, si wobuna, eye wolɔna abe Osɔfo nuteƒewɔla ene, amesi si talento geɖe le, nudzɔdzɔewɔla, si meʋãna le eƒe ɖoɖowo dzi o, si hã nyoa dɔme vevie ene. Eƒe tsitretsitsi ɖe du-sewɔlawo ƒe ɖoɖowɔwɔ na Hamea ŋuti kple eƒe biabiawo ku ɖe vovokpɔkpɔ le xɔsenya me ŋuti la medzɔ dzi na ame mamlɛawo o. Wogblɔ be ne wowɔ ɖe nufiafia sia dzi la, ahe dziɖuɖua mumu vɛ. Ibid. liv. 1, ch. 15.- Ke woɖee do go le du tsotsoawo katã me, eye le nuwuwu, esi medi be woavalé ye o la, edzo yi ɖa ɣla ɖe avetsuwo me, le vuvɔŋɔlĩ sesẽ me; ele nɛ be wòaʋli le vuvɔ kple ahomyawo me.UGL 268.2

    Egblɔ be: “Le kwasiɖa wuiene sɔŋ me, ele nam be manɔ tsa ɖim le vuvɔ me nublanuitɔe; nuɖuɖu meli o, mlɔƒe hã meli le zã me o. Gake akpaviãwo na num meɖu le esime nye ɖeka metsi anyi. Atia ɖe ƒe tòtrò mee nye nye bebeƒe le zã me.- Martyn, liv. 5, p. 349, 350.- Alea ye wònɔ tsaɖiɖi dzi le snow alo tsi-wɔ me le avetsu ma, si me amegbetɔ ƒe afɔ mege ɖo kpɔ o la me, vaseɖe esime wòva ke ɖe Indiantɔwo ƒe kɔƒea ɖe ŋuti. Edze Nyanyui la mamã kpli wo, eye wova zu xɔlɔwo.UGL 268.3

    Le ɣleti geɖe ƒe tsaɖiɖi megbe la, eɖo ta Naraganset-ƒuta, afisi wodro ɖo. Afisiae nye gu nu na du gbãtɔ le míaƒe ŋkumekɔkɔ ɣeyiɣi sia, si xɔ amesiame ƒe vovokpɔkpɔ le xɔsenya me la. Roger Williams ƒe du si wòtso la ƒe ɖoɖo gãtɔ enye be ame ɖesiaɖe kpɔ vovo asubɔ eƒe Mawu la le eƒe dzitsinya ƒe kekeli nu.- ibid. vol. 5, p. 354. Du vi, si wòtso, si ƒe ŋkɔ enye Rhode-Island, alo Rhode-Ƒukpo la, zu bebeƒe na amesiwo katã yome woti la. Enɔ ta kekem ɖe dzi, nɔ ŋgɔdede kpɔm, ale be eƒe ɖoɖo gã, siwo nye dukɔmevi ƒe ablɔɖe le xɔsenyawo me kple le dunya gbɔgblɔ me la, va zu gɔmeɖokpe na Amerika Dukɔƒoƒuawo.UGL 269.1

    Le agbalẽ xoxo xɔŋkɔ, si me Amerika-dutsolawo ŋlɔ̃ woƒe ɖoɖowo ɖo ku ɖe dumevi ƒe dzenawo ŋuti, si woyɔ be Ablɔɖe ƒe Nyaɖeɖe ɖe go la, wogblɔ be: “Míele nyateƒe siawo ɖem ɖe go abe nya, siwo ŋu numedzodzroa ɖeke mele o la, be wowɔ amegbetɔwo katã le tasɔsɔ me, be woxɔ dzena matrɔmatrɔwo tso Wɔla la gbɔ, siwo dometɔa ɖewoe nye agbe, ablɔɖe kple dzidzeme didí.” Du se la gblɔ kple kakaɖedzi, eme kɔ nyuie, be naneke mekpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe dzitsinya dzi o: “Womawɔ xɔse ƒe biabia ɖeke tso amea ɖeke si na du dɔ kpɔkpɔ le Amerika o.” “Sewɔƒe la maɖe sea ɖeke ɖe go ku ɖe subɔsubɔ ɖoɖo anyi alo egbegbe ŋuti o.”UGL 269.2

    Du-sewɔlawo xɔ ɖoɖo mavɔ sia dzi se be ame ƒe kadede kple eƒe Mawu le ta na amegbetɔ ƒe sedede ɖesiaɖe, eye be womate ŋu axɔ dzitsinya ƒe dzenawo le amea ɖeke si o. Mehiã be woaɖo kpe nyateƒe sia dzi to numeɖeɖe me, esi wònye be woŋlɔe wòde to ɖe mía me o. Eya enye dzitsinya ƒe gbe, si to amegbetɔ ƒe sewo ŋuti, lé martiro geɖewo ɖe te le fuwɔamewo kple dzobibiwo me. Wose le wo ɖokui me be yewoƒe dɔdasi ku ɖe Mawu ŋuti la ƒo ta na amegbetɔ ƒe biabiawo katã, eye be amea ɖeke mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe dzitsinya dzi o. Enye ɖoɖoa ɖe, si dzɔ kple amegbetɔ, si naneke mate ŋu aɖe ɖa o la. Nya siawo le —Congressional Documents (USA), serial No 200, document 271.- me.UGL 269.3

    Esi amewo le sesem le Europa duwo me be afia ɖe li, si amesiame ate ŋu aɖu eyaŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ ƒe kutsetsewo le, asubɔ le eƒe dzitsinya ƒe xɔse nu la, ame akpeakpewo va ɖi go le Xexe Yaaeyea ƒe ƒutawo. Wodze duwo tsotso. “Massachussets-du la wɔ se tɔxɛa ɖe na dzaa dodo kple kpekpeɖeŋu femaxe nana du ɖesiaɖe me ƒe Kristotɔ, siwo tsò Atlantik tsiaƒu la, hele sisim le aʋawɔwɔ, dɔwuame kple yometilawo ƒe tetéɖeamedzi nu la. Le se la nu la, sisilawo kple ametéɖanyiawo zu dukɔa ƒe kesinɔnu- ƒoƒuwo ƒe ame kpekpewo. Martyn, vol. 5, p. 417. Ƒe blaeve yome, esi sisila gbãtɔwo ɖi go le Plymouth la, mɔzɔla yeye, siwo woxɔ ɖe New England la, gasɔ gbɔ abe gbãtɔwo ke ene.UGL 269.4

    Le woƒe ŋutete wɔwɔ me be yewoake ɖe nusi dim wole ŋu la, “wonɔa agbe ɖe nu suɛ, si ko wohiã la nu, le dɔ geɖe wɔwɔ me. Nusi ko wokpɔa mɔ na tso anyigba gbɔ la enye esi sɔ kple woƒe ŋutetewo. Womekuna drɔe ŋukeklẽ, si able wo de toflokomɔkpɔkpɔ alo bleziblezi me o. Ke wokpɔa ŋudzedze le ŋgɔdede suɛ suɛ, si le eme vam blewu vɔ kple kakaɖedzi la ŋuti. Woxɔna dzogbedzi ƒe hiatuamewo kple dzigbɔgbɔblewu, hewúna tsi woƒe ablɔɖe ƒe ati la kple woƒe aɖatsiwo kpakple woƒe ŋgonu ƒe adedzedzewo, vaseɖe esime wòli ke le dua me.”UGL 270.1

    Woxɔe se be Biblia enye xɔse ƒe gɔmeɖokpe, Nunya ƒe dzɔtsoƒe kple ablɔɖe ƒe ɖoɖo-gbalẽ. Wofiana eƒe ɖoɖowo vevie le ƒomewo me, le suku kple le hamea me, eye eƒe kutsetsewoe nye agbe nyui nɔnɔ, sidzedze, dzadzɛnyenye kple ɖokuidziɖuɖu. Ame ate ŋu anɔ Puritanwo dome ƒe geɖe, esi make ɖe ahamulaa ɖeke ŋuti, ase dziku-nutataa ɖe, alo ado go nubialaa ɖe le mɔ dzi o.- Bancroft, liv. 1, ch. 19.- Woɖee fia kple kakaɖedzi be Biblia ƒe ɖoɖowoe nye dedienɔnɔ, si ŋu kakaɖedzi le, na dukɔa ƒe gãnyenye la. Du, siwo wotso, siwo nye du suɛ, gblɔe, siwo te ɖa le wo nɔewo ŋuti la, le ta kekem blewu blewu keke va zu du gã ƒoƒu, siwo si ŋusẽ le la, eye xexea katã ƒe nu ku ɖe ŋutifafa kple ŋgɔdede, si nye Hame, si Papa mele ta na o la, kple du, si dzi fiaa ɖeke meɖu o la, tɔ.UGL 270.2

    Mɔzɔla geɖewo gale ɖiɖim ɖe Amerika ƒe futa, to gbɔ be azɔ la, woƒe susuwo mele ɖeka kple ŋgɔdolawo tɔ o. Tsã ƒe xɔse kple dzɔdzɔenyenye gale dɔ wɔm geɖe, le dzesi tɔxɛ dem du siawo, gake woƒe ŋusẽ le to yim zi alesi ame yeye, siwo ƒe Amerika yiyi ƒe susu koe nye xexemenuwo didi la, le agbɔ sɔm ɖe edzi.UGL 270.3

    Se, si Mɔzɔla gbãtɔwo wɔ be hameviwo koe kpɔ mɔ ada akɔ, alo awɔ du-dɔa ɖe la, ƒe metsonuwo menyo kura o. Wowɔ ɖoɖo sia ne woatsɔ lé Hamea ƒe dzadzɛnyenye ɖe te, gake nusi do go tso eme lae nye gbegblẽ. Esi wònye be hamevinyenye koe ana woate ŋu ada akɔ, alo akpɔ du-dɔa ɖe awɔ la, ame geɖewo le gegem ɖe Hame la me na ŋutilãmenuwo ƒe gomekpɔkpɔ, dzimetɔtrɔa ɖeke manɔemee. Alea ye wòva eme be ame matrɔdzimewo sɔŋ xɔ hamea ƒe akpa gã ɖe, eye le osɔfowo dome ŋutɔ hã, amewo li, siwo, menye nu dada ɖeɖe ko wolé ɖe asi o, ke womenya Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, si kɔa ame ŋuti la hã o. Ke gbegblẽ siwo nɔa gegem ɖe hamea me le eƒe ŋutinyawo me, tso keke fia Konstantino dzi vaɖo egbe la, gale eme vam. Gbegblẽ siawo tsona dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋu didi na hamea ƒe tutuɖo me kple alesi woziɔna ɖe eƒe ŋusẽ ŋu na amesi gblɔ be yeƒe fiaɖuƒe metso xexe sia me o la (Yoh. 18:36) ƒe Nyanyui la lelé ɖe te. Hamea ƒe ɖekawɔwɔ kple dziɖuɖua, alekeake wòanɔ suɛ hã, ate ŋu dze abe nusi le xexea me hem va hamea gbɔ ene, gake le nyateƒe me la, hamea ye le tetèm ɖe xexeame ŋu boŋ .UGL 271.1

    Ɖoɖo gã, siwo ta Robinson kple Roger Williams woʋli vevie ɖo, esiwo nye be nyateƒe la mevana hoo zi ɖeka o, ke boŋ vi, vi, vi, eye bena edze be kristotɔwo nanɔ klalo axɔ kekeli yeye, si agado tso Mawu ƒe Nya kɔkɔe la me la, bú ɖe woƒe dzidzimeviwo keŋkeŋ. Nyanyui-hameawo le Amerika kple Europa, siwo kpɔ gome le Reformatio ƒe yayra gãgãwo me la, megatsɔ ɖe le me na ŋgɔyiyi le Ɖɔɖɔɖo ƒe mɔ la dzi o. To gbɔ be ame wɔnuteƒe ɖeka ɖekaa ɖewo tsia tre ɣeaɖewoɣi, heɖea Nyateƒe yeyewo ɖe go, eye wogbena nudadafiafia, siwo wolé ɖe asi didie hã, ame akpa gãtɔwo ga li, abe Yudaviwo le Kristo ŋɔli me ene, alo abe papayomedzelawo le Luther ŋɔli me ene la, kpɔa dzidzɔ ɖe nusiwo wo fofowo xɔ se la ŋuti, eye woléna ɖe tsã ƒe agbenɔnɔ ŋu. Alea ye xɔse la vatrɔ zu gota nu ɖeɖe ko. Nudadafiafia kple numaɖinudzixɔse, siwo ŋuti wòle be woaɖe asi le, nenye ɖee hamea le mɔzɔzɔ dzi le Nya la ƒe kekelia nu la, nusiawo ko wogalé ɖe asi vevie. Nenemae nunya ƒe gbɔgbɔ, si tso Reformatio me la, nɔ tsitsím vi,vi,vi, vaseɖe esime wòva hiã vevie be woawɔ Ɖɔɖɔɖo le Nyanyuihawo me, abe alesi ko wòhiã le Roma hamea me le Luther ƒe ɣeyiɣi me ene. Wode dzesi nenema ke ƒe lelé ɖe xexemenuwo ŋu, gbɔgbɔmelɔdɔdɔ, kple amegbetɔ ƒe susuɖeɖewo tsɔtsɔ ɖo Mawunya ƒe nufiafiawo teƒe.UGL 271.2

    Biblia ƒe kaka ɖe xexeame geɖe le ƒe alafa wuiasieke lia ƒe gɔmedzedze me na kekeli gãa ɖe klẽ tso eme na xexea katã. Gake ŋgɔdede le Nyateƒe, si woɖe fia la nyanya me, alo le kristotɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ, si asɔ kplii me la, medze eyome o. Satana megate ŋu xɔ Biblia le dukɔa si abe alesi wòwɔ tsã la ene o. Mawunya le amesiame ƒe asitsɔƒe. Gake ne wòate ŋu ade eƒe tameɖoɖo gbɔ la, ena be ame geɖewo metsɔ asixɔxɔ gãa ɖeke nɛ o. Amewo metsɔ ɖeke le me na Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ o, ale be wogayi ɖe nu dadafiafiawo kple gɔmeɖeɖe totrowo xɔxɔse dzi, eye wolé ɖe nusiwo si gɔmeɖokpea ɖeke mele le Biblia me o la ŋuti.UGL 272.1

    Esi wòkpɔ be yemete ŋu tsrɔ̃ Nyateƒe la to yometiti me o la, Satana gatrɔ va ɖekawɔwɔ ƒe mɔ, si he megbedede gã kple Roma hamea ɖoɖo anyi vɛ la dzi. Ekplɔ kristotɔwo yi ɖe ɖekawɔwɔ, menye kple trɔsubɔlawo abe tsã ene o, ke boŋ kple amesiwo, to woƒe lelé ɖe xexemenuwo ŋuti me la, trɔ zu trɔsubɔla vavãwo abe amesiwo subɔna nɔnɔmetatawo ke ene la me. Emetsonuwo vɔɖi abe esiwo va eme le ƒe alafawo me ene. Dada kple wɔwuiwɔwɔ va do subɔsubɔ ƒe awu, ale be hameawo yɔ kple gbegblẽ sɔŋ. Satana yi ɖe Biblia ƒe nufiafiawo gbegblẽ dzi, eye kɔnuwo kple numame, siwo akplɔ ame miliɔnwo yi tsɔtsrɔ̃ me la, to kẽ deto le hameawo me. Esi wòle be amewo naʋli na xɔse, si wotsɔna ame kɔkɔeawo zi ɖeka na ɣeyiɣiawo katã la, wole kɔnuwo kple numame mawo ta ʋlim. Ale be ɖoɖo nyui, siwo ta Ɖɔɖɔɖowɔla geɖewo tsɔ woƒe agbe na alo kpe fu geɖe ɖo la, gayi ɖe gbegblẽ me.UGL 272.2

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents