Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    2—YOMETITI LE ƑE ALAFA GBÃTƆWO ME

    Esi Kristo ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe Yerusalem dzi kple eƒe vava zi evelia ƒe nudzɔdzɔwo fia eƒe nusrɔlawo la, egagblɔ nya ɖi ku ɖe nusiwo adzɔ ɖe eƒe dukɔ la dzi, tso ɣeyiɣi, si wòadzo le wogbɔ yi ɖe dziƒo, vaseɖe eƒe tɔtrɔva le ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe me be yeaɖe wo la, ŋuti na wo. Esi wòle tsitre ɖe Amitoa dzi la, ekpɔ ya gã, si le ƒoƒo ge ɖe Apostolowo ƒe Hame la dzi. Eƒe nyagblɔɖi ŋkuwo kpɔ ahomya dziŋɔ, siwo agblẽ nu geɖe le viviti kple yometiti ƒe ƒè alafalafa siwo me nusrɔlawo ato la me. Le nya suea ɖe siwo ƒe gɔmesese ɖo vɔvɔ̃ me la, egblɔ nya ɖi tso xexe sia me ƒe ŋusẽwo ƒe wɔnawo ɖe Mawu ƒe Hame la ŋuti: “Le ŋkeke ma me woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã ale fu mi le nye ŋkɔ ŋuti..” “Elabena le ɣemaɣi me, xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbeegbe o, eye megale vava ge akpɔ o, eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.” (Mateo 24:9, 21,22) . Kristo ƒe yomedzelawo hã lato gbɔɖiame, ŋukpẽ kple vevesese ƒe mɔ, si dzi woƒe Aƒetɔ la to do ŋgɔ na wo la dzi. Tsitretsiɖeameŋu, si va xexea Ɖela dzi la, kee ava amesiwo axɔ eƒe Ŋkɔ dzi se la dzi.UGL 21.1

    Hame gbãtɔ ƒe nudzɔdzɔwo ɖi ɖase tso Ɖela ƒe nyagbɔgblɔwo ƒe mevava ŋu. Anyigbadzi kple aʋlime ŋusẽwo ƒo takpli ɖe Kristo ŋu to fuwɔwɔ eƒe nusrɔlawo me. Trɔsubɔlawo kpɔ alesi Nyanyui la avaɖu dzi kple alesi woavatsrɔ̃ woƒe gbedoxɔwo kple vɔsamlɛkpuiwoe. Esia tae wowɔ woƒe ŋutetewo katã na mɔxexe na Kristo ƒe Nyanyui la. Wotɔ yometiti ƒe dzo sesẽwo. Woxɔ kristotɔwo ƒe nunɔamesiwo le wo si, eye woɖe wo do go tso woƒe aƒewo me. Ke nusrɔlawo wɔ ʋiʋli gãwo le fukpekpe sesẽwo me. “Ke miɖo ŋku tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me...” (Hebri. 10:32) Azɔ ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, eye gawu la, bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me, (Hebri. 11:36) Geɖewo nye amesiwo tré woƒe xɔse nu kple woƒe ʋu. (36) Ame ŋkutawo, hotsuitɔwo, hiãtɔwo, nunyalawo, agbalẽmanyalawo, wo katã kpɔ ku nublanuimakpɔtɔe. Yometiti sia, si dze egɔme le fia Nero ƒe ɖziɖuɖu me le Apostolo Paulɔ ƒe wuwu ɣeyiɣi me la, gayi edzi kple ŋusẽ le ƒe alafa geɖewo me. Woda alakpa geɖewo ɖe kristotɔwo sí, hebu fɔ wo ɖe vɔ, siwo womewɔ o la ta. Wotsɔ nya ɖe wo ŋu be woawoe na dzɔgbevɔe gãgãwo, dɔwuamewo, dɔ-vɔwo kple anyigbaʋuʋu le xexeame dzi vam. Esi wònye be dukɔa katã tsri woƒe nya gbɔ, eye wonɔa susu vɔɖiwo ɖem tso wo ŋu la, sakplisala geɖewo le klalo be, le fetu suea ɖe ko ta, yewoade ɖemanyala siawo asi. Wobua fɔ wo abe amesiwo de dua asi ene, alo abe busubɔlawo, aglãdzelawo ɖe fiaɖuƒea ŋu, subɔsubɔ ƒe futɔwo kple dukɔmeviwo ƒe dɔ-vɔwo ene. Wotsɔ wo dometɔ geɖewo na lã wɔadãwo be woavuvu, alo wotɔ dzo wo le fefewɔƒewo. Woklã amea ɖewo ɖe atitsoga ŋuti; ke, bubuwo ya la, wotɔ gbemelãwo ƒe agbadze ɖe wo ŋu hetutu wo de avuwo dome be woavuvu wo. Woƒe tohehewo zu fefe alo modzakaɖenu gãtɔwo le du-zãɖuɖuwo me. Ameha geɖewo ƒoa ƒu kpɔna dzidzɔ le nublanuitɔ siawo ƒe vevesesewo ŋu, eye wokoa nu, doa ɣli, ƒoa asikpe ne wole kudɔ ƒom le veve me.UGL 21.2

    Afisiafi, si kristotɔwo ɣlana ɖo la, wotia wo yome abe gbemelã, siwo wole ade dam ene. Eyata wodia beƒe le afisiwo amea ɖeke menɔna o la. Naneke meganye wotɔ o; wowɔ fu wo, do vevesese na wo, woama siwo xexeame medze na o la. “… Wonɔa tsatsam le alɛgbalẽwo kple gbɔgbalẽwo me, le ahedada, xaxa kple fukpekpe me; amesiwo xexeame medze na kura o la, wodze mɔ henɔa tsatsam le gbedziwo, towo kple agadowo kple anyigba ʋewo me.” (Hebri. 11:36-38) . Roma ƒe gumemeɖiƒe gãwo zu bebeƒe na wo dome akpeakpeawo. Nenema ke woku gumemɔ didiwo ɖe dua te, heɖena kpe le anyigba me, na fia- dua ƒe xɔ gãgãwo tutu. Gumemɔ siawo sɔ gbɔ, xatsa abe yeɖɔwo ene, eye wogbɔ dua ƒe glikpɔwo ƒe liƒowo ŋu kpedome geɖe, ale be ame ate ŋu bu le wo me bɔbɔe. Teƒe siawoe Kristo yomedzela, siwo yome woti la, kpɔ bebeƒe kple nɔƒe le. Afimawo ke woɖi wodometɔ geɖe ɖo. Ne ɣeyiɣi la ɖo be Agbenala nafɔ̃ amesiwo ʋli ʋiʋli nyui la tso ku me la, martiro geɖe, siwo ku le lɔlɔ̃ na Kristo ta la, ado go tso anyigbatume ƒe bebeƒe doviviti siawo me.UGL 22.1

    Kristo ƒe ɖaseɖila siawo lé woƒe xɔse tsimatɔe la ɖe asi le yometiti sesẽtɔ kekeake me. To gbɔ be woxɔ dzidzemekpɔkpɔ ɖesiaɖe le wo si, eye womegakpɔa ɣe ƒe keklẽ o, ke boŋ woɣla wo ɖokuiwo ɖe anyigbatume ƒe bebeƒe dovivitiwo me hã la, liʋiliʋililia ɖeke medo go tso woƒe nu me o. Ke wodea dzi ƒo na wonɔewo kple xɔse, dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ ƒe nyawo, bene woateŋu anɔ te sesiẽ le nanekemanɔamesi kple fukpekpe me. Woƒe anyigbadzinuwo búbu mewɔ be wogbe nu le Kristo ƒe xɔse gbɔ o. Ke boŋ dodokpɔwo kple yometitiwo nye nusiwo hena wo te ɖe woƒe gbɔɖeme kple fetuwo ŋu.UGL 23.1

    Abe alesi wònɔ na Mawu ƒe subɔla geɖewo le blema me ene la, wowɔ fu wo dome ame geɖewo vevie ŋutɔ, gake wogbe amegbetɔ ƒe xɔname, eye “wonɔa mɔ kpɔm na tsitretsitsi, si nyo wu la.” (Hebri. 11:35). Woɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya, si wògblɔ na wo be ne woti wo yome le Kristo ta la, dzi nedzɔ wo, eye woatso aseye elabena woƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze wo ŋgɔ la yomee.UGL 23.2

    Wotsona aseye be wokpɔ yewo hã be yewodze akpe fu ɖe Nyateƒe la ta, eye woƒe dziɖuhawo dea dzi boo le nake-dzo, si nɔa wo fiãm la me. Esi woli ŋku ɖe dziƒo le xɔse me la, wokpɔ Kristo kple dɔlawo hã nɔ wo kpɔm vevie tso dziƒo, hedaa asi ɖe woƒe kelili gã la dzi. Gbea ɖe ɖi tso dziƒo gblɔ na wo tso Mawu ƒe fiazia gbɔ be: “…Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò.” (Nyaɖ. 2:10)UGL 23.3

    Satana ƒe ŋutete, siwo katã wòwɔ be yeatsrɔ̃ Kristo ƒe Hamea to ŋɔdzi dodo kple ŋutasesẽ me la, nye tofloko. Ʋiʋli gã, si me Kristo yomedzelawo tsɔ woƒe agbe na le la, mewu nu le wo tsɔtsrɔ̃ ɖa megbe o. Woɖu dzi to woƒe ku me. Wowu Mawu ƒe subɔlawo, gake eƒe dɔ la ganɔ edzi yim ɖaa. Nyanyui la gale kakam, eye xɔsetɔwo ƒe xexlẽme gale agbɔsɔm ɖe edzi. Ege ɖe teƒe sesẽwo ŋutɔ gɔhã me, eye wòkpɔ mɔ le Roma gbadagbawo dome. Le ametaʋlinyaa ɖe, si wogblɔ na Roma ʋɔnudrɔla, siwo doa ŋusẽ yometiti wɔnawo me la, kristotɔa ɖe gblɔ be: “Mitso kufia na mí faa, miwɔ fu mí faa, miŋẽ mí ɖe fetsu nu faa; miaƒe nu madzɔmadzɔwɔwɔ nye kpeɖodzinu na míaƒe fɔmaɖimaɖi la. Esia tae Mawu ɖe mɔ be woati mía yome ɖo. Miaƒe ŋutasesẽ ƒe aɖaŋu gãwo mete ŋu wɔ naneke o, ke boŋ wonye nusiwo nana be míeléna ɖe míaƒe subɔsubɔ ŋu. Zi alesi mienɔ mía wum la, nenemae míenɔa dzidzim ɖe dzie. Míaƒe ʋue nye nukuƒaƒã, si me kristotɔ bubuwo doa go tso.” —Tertullien, Apologie, par. 50.-UGL 23.4

    Wolé kristotɔ akpeakpewo de gaxɔ me, eye wowu wo, gake bubuwo tsia tre xɔna wo teƒe. Amesiwo kpɔ Martiro ku la, Kristo da wo ɖe gbɔɖemeƒe, eye wòbu wo ɖe dziɖulawo dome. Woʋli ʋiʋli nyui la, eye woaxɔ ŋutikɔkɔe fiakuku la ne Kristo trɔva. Fukpekpe, si me kristotɔwo to la na be wolé ɖe wonɔewo ŋu, hewɔ ɖeka kple woƒe Ɖela la. Woƒe agbe ƒe kpɔɖeŋu kple woƒe ku ƒe daseɖiɖiwo ƒo nu geɖe tso nyateƒe la ŋu ale be afisi amea ɖeke menɔa ŋuɖoɖo me le o la, Satana yomedzelawo dzona le egbɔ hegena ɖe Kristo ƒe aƒlaga te.UGL 24.1

    Viviti fiavi la gaɖe susu ku ɖe nusi wòawɔ akpɔ ŋudzedze le eƒe aʋa hoho ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu me la. Ekpɔ be anyo be yeaɖi yeƒe aƒlaga ɖe Kristo Hamea me, ale be ne yeflu kristotɔwo de nusi medzɔa dzi na Mawu o wɔwɔ me la, ekem woƒe ŋusẽ, dɛ̃ nyuiwo kple kelíli aɖiɖi, eye woage ɖe yeƒe kpɔkplɔ te bɔbɔe.UGL 24.2

    Aɖikãtɔ gã la dze agbagba ale be nusiwo ŋu mete ŋu kpɔ mɔnu le to ŋutasesẽ kple ŋusẽ ŋutidɔ wɔwɔ me o la, su esi azɔ to ayewɔwɔ kple beble mɔnuwo dzi. Ke yometitiwo nu tso, eye lɔlɔ̃ na xexeme ƒe dzidzemekpɔkpɔ kple bubudeameŋuwo xɔ wo teƒe. Trɔsubɔla, siwo xɔ nyateƒe la ƒe akpaa ɖe ko, ke wogbe nu le Kristo dzixɔse ƒe ɖoɖo veviewo gbɔ la, kpɔ mɔ ge ɖe Hamea me. Wogblɔ be yewo xɔ Kristo dzi se abe Mawu-Vi ene, eye yewoxɔe se be eku, eye wògafɔ. Gake womexɔ woƒe vɔwɔlanyenye dzi se o, eye womekpɔ be yewo hiã vevesese ɖe nuvɔ̃ ta kple dzimetɔtrɔ o. Wobia tso Kristotɔwo si be, esi wònye be yewo xɔ nanewo le wo sí la, ele be woawo hã naxɔ nanewo tso yewo gbɔ, ale be yewo katã yewoawɔ ɖeka le Kristo dzixɔse me.UGL 24.3

    Nenemae Kristo Hamea ge ɖe dzɔgbevɔe gã manyagblɔa ɖe me. Gaxɔwo, fuwɔame, dzobibi, yi-nu tsitsí, si me woto tsã la zu yayra na wo le nusi me woge ɖo fifia la ŋgɔ. Gake kristotɔa ɖewo lí ke goŋgoŋ, eye wogbe be yewomaɖe asi le yewo ƒe xɔse ƒe akpa kakɛa ɖe gɔhã ŋuti o. Ke bubuwo ya lɔ̃ be yewoaɖe asi le nanewo ŋu, ale be yewoatrɔ asi le xɔse ƒe ɖoɖoa ɖewo ŋu ne yewoawɔ ɖeka kple amesiwo axɔ Kristo dzixɔsea ƒe akpaa ɖe ko la. Woƒe susue nye be yewoato mɔ sia dzi akplɔ wo va xɔsea ƒe blibodede gbɔe. Ɣeyiɣi siawo nye vevesese heliheli ƒe ɣeyiɣi na kristotɔ nuteƒewɔlawo. Satana ge ɖe Hame la me to aʋatso kristotɔnyenye ƒe nɔnɔme me, bene yeagblẽ Kristo dzixɔse la, eye yeaɖe amewo ƒe susu ɖa le Nyateƒe la dzi.UGL 25.1

    Le nuwuwu la, kristotɔ geɖewo lɔ̃ ɖe xɔse gbegblẽ sia dzi, ale be ƒoƒose ƒe ɖekawɔwɔ va ge ɖe Kristo dzixɔse kple trɔsubɔsubɔ dome. To gbɔ be trɔsubɔlawo ɖe gota dzimetɔtrɔ fia, eye woge ɖe Hamea me hã la, wogalé ɖe woƒe trɔwo ŋu; ke ɖeko woɖɔ li nusiwo wosubɔna la kple Yesu, Maria kple ame kɔkɔewo ƒe nɔnɔmetatawo. Trɔsubɔsubɔ ƒe amɔwɔ ʋaʋã ƒe aɖi, si ɖo hamea me to mɔ sia dzi la, yi eƒe dɔwɔna vɔɖiwo dzi. Nufiafia gbegblẽwo, trɔsubɔsubɔ kɔnuwo kple numaɖinuwo dzixɔse ge ɖe Mawu subɔsubɔ vavã la me. Zi alesi kristotɔwo wɔ ɖeka kple trɔsubɔlawo la, nenema ke gbegblẽ la le ta kekem ɖe dzi le Kristo ƒe Hame la me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ la hã le to yim. Gake amea ɖewo li, siwo mege ɖe beble sia me o. Wolé ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na Nyateƒetɔ la ŋuti, hesubɔa Mawu ɖeka ko.UGL 25.2

    Abe alesi wònɔna ɣesiaɣi ene la, amesiwo katã yɔa wo ɖokuiwo be Kristo yomedzelawo la mana ɖe hatsotsoe eve me. Le esime akpaa ɖe nɔ nu srɔm tso Ɖela ƒe agbe ŋuti, henɔa agbagba dzem vevie be yewoaɖɔ yewo ƒe dẽ gbegblẽwo ɖo, ale be yewoaɖi Dziƒo ƒe Kpɔɖeŋu gã la la, akpa evelia ya tena ɖa le Nyateƒe, siwo me kɔ nyuie, eye wokloa nu le woƒe dẽ gbegblẽwo dzi la ŋuti. Nyateƒe wònye be le esime Hamea nye Hame dzadzɛtɔ kekeake hã la, menye kristotɔ vavã, siwo dza, eye wonye nuteƒewɔla la, ɖeɖe koe nɔ eme o. Le mía Aƒetɔ ƒe nufiafia nu la, mele be woaxɔ amesiwo lé nuvɔ̃ ɖe así vevie le woa ŋutɔwo ƒe lɔlɔnu nu la ɖe Hamea me o. Gake eɖe mɔ na amea ɖewo, siwo me dɛ̃ gbegblẽwo le la, be woakplɔ ye ɖo, eye wòna mɔnu wo be woaxɔ yeƒe nusɔsrɔwo, eye woakpɔ yeƒe kpɔɖeŋuwo, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbegblẽwo, ahaɖɔ wo ɖokuiwo ɖo. Woxɔ yomemɔfiala Yuda, ɖe Apostolowo dome, to gbɔ be dẽ gbegblẽwo nɔ eyama me hã. Woxɔe ɖe wo dome, ale be to Kristo ƒe nufiafiawo kple kpɔɖeŋuwo me la, wòasrɔ nusiwo nye kristotɔ ƒe dẽ nyuiwo, wòadzesi eƒe gbegblẽwo, ase veve ɖe wo ta, eye, to Mawu ƒe amenuveve me la, wòakɔ eƒe luʋɔ ŋu to toɖoɖo Nyateƒe la me. Gake Yuda melɔ̃ zɔ le kekeli, si eƒe Aƒetɔ la klẽ ɖe eƒe mɔ dzi la me o. Esi wòɖe asi le eɖokui ŋu na nuvɔ̃ la, ehe Satana ƒe tetekpɔwo va eɖokui dzi. Eƒe dẽ gbegblẽwo ɖu eyama dzi, eye woɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu na viviti ŋusẽwo ƒe kpɔkplɔ. Ekpɔa dziku ne woka mo nɛ ku ɖe eƒe gbegblẽwo ŋuti, ale be nɔnɔme sia kplɔe de vɔ̃ dziŋɔ̃ ma, si nye eƒe Aƒetɔ la dede asi me. Esiae nye amesiwo lɔa nuvɔ,gake nɔa dzedzém le gota abe mawuvɔlawo ene la ƒe wɔna. Woléa fu amesiwo bua fɔ woƒe nu vɔɖi wɔwɔ, heʋuʋuna woƒe dzitsinya ƒe ŋutifafa le gbegblẽ me. Nenye be wokpɔ mɔnua ɖe, abe alesi wònɔ na Yuda ene la, wodea amesiwo dina be yewoagbe nya na wo, na woa ŋutɔwo ƒe nyona la asi.UGL 25.3

    Apostolowo do go amea ɖewo le Hamea me, siwo gblɔna mawusosroɖa ƒe nya, gake lɔa vɔwɔwɔ le adza me la. Anania kple Safira wonye ameblela, siwo ɖe wo ɖokui fia abe amesiwo le vɔsa blibo wɔm na Mawu ene; ke to ŋkutsitsi me la, woɣla woƒe nunɔamesiwo ƒe akpaa ɖe ɖi na wo ɖokuiwo. Nyateƒe-Gbɔgbɔ la ɖe nusi nye alakpatɔ mawo ƒe dẽ vavã la fia Apostolowo, eye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe ɖiƒoƒo, si di be yeagblẽ Hamea ƒe kɔkɔenyenye la, ɖa. Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si naneke meɣlana ɖo o la, ƒe ɖeɖefia nye ŋɔdzinu gãa ɖe na gotanuwɔlawo kple vɔwɔlawo siaa. Womete ŋu nɔ kadede me didie kple amesiwo nye Kristo teƒenɔla vavãwo to woƒe nɔnɔme kple agbe nyui nɔnɔ me o. Le ɣeyiɣi, si me dodokpɔ kple yometitiwo va Kristo yomedzelawo dzi la, wo dometɔ, siwo lɔ̃ faa be yewoagbe nu le nusianu gbɔ, ɖe lɔlɔ̃ na Nyateƒea ta la, koe lɔ̃ kplɔ woƒe Ɖela la ɖo. Zi alesi yometiti nɔ wo dzi didie la, nenema ke Hamea hã lé eƒe dzadzɛnɔnɔ ɖe asie. Ke esi yometitiawo nu tso la, aʋatso dzimetrɔlawo kple mawumavɔlawo ge ɖe Hamea me, eye mɔ ʋu na Satana hã be wòage ɖe eme. Evɔ wònye be kadedea ɖeke mate ŋu anɔ Kekeli-Fiavi kple viviti fiavi la dome o hafi. Nenema kee ɖekawɔwɔa ɖeke mate ŋu anɔ woƒe yomedzelawo hã dome o. Esi kristotɔwo lɔ̃ wɔ ɖeka kple amesiwo do go tso trɔsubɔsubɔ me afã kple afã la, woge ɖe mɔ, si anɔ wo tem ɖa vivivi tso Nyateƒea gbɔ la dzi. Satana kpɔ dzidzɔ alegbegbe be yeteŋu ble Kristo yomedzela geɖewo le esia wɔwɔ me. Ke egaɖe eƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe wo dzi fia, to susuɖeɖe na wo me be woatí amesiwo awɔ nuteƒe na Mawu la yome. Amea ɖeke menya alesi woatsi tre ɖe Kristo dzixɔse la ŋuti nyuie kple ŋusẽ, ne menye amesiwo nye etaʋlilawo tsã, vɔ vade megbe la o. Esiata kristotɔ demegbe siawo vawɔ ɖeka kple woƒe zɔhɛ trɔsubɔla, siwo nye alakpa dzimetrɔlawo la, hetsi tre ɖe Kristo ƒe nufiafia gãgãwo ŋuti.UGL 26.1

    Ke ele na nuteƒewɔla, siwo medi be yewoaxɔ beble kple ŋunyɔnu, siwo le gegem ɖe Hame la me to nunɔlawo dzi o la, be woalɔ̃ be yewoaʋli xɔse la ta kple yewo ƒe dziɖelameƒo-ŋusẽwo katã. Amewo megale Biblia xɔm abe xose ƒe gɔmeɖokpe ene o. Amesiwo xɔe se be amesiame kpɔ vovo atsɔ xɔsemɔ, si wòdzro la, zu nu dada dzi xɔselawo, eye woléa fu wo hetina wo yome vevie.UGL 27.1

    Le ʋiʋli didi, sesẽ, manyagblɔa ɖe yome la, nuteƒewɔla siawo, siwo mede ha kura o la, ɖo kpe edzi be yewoatso ɖekawɔwɔ kadedewo katã kple hamea, si de megbe la, nenye be egbe be yemaɖe asi le nu dadafiafiawo kple trɔsubɔsubɔ ŋuti o la. Wokpɔ be ne yewodi be yewoaɖo to Mawu ƒe Nya, ahawɔ ɖe edzi la, naneke meli yewoawɔ wú be yewo amã ɖa o. Womedi kura be yewoaxɔ nu dadafiafiaa ɖeke na yewo ƒe luʋɔ, eye be, le esia wɔwɔ me la, yewoana kpɔɖeŋu vɔɖi, si ado woviwo, kple woviwo ƒe viwo ƒe xɔse dzɔgbevɔe me o. Le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ta, wole klalo be yewoaxɔ nanewo, alo awɔ nanewo, nenye be wometsi tre ɖe yewo ƒe nuteƒewɔwɔ na Mau ŋuti o la. Gake wokpɔ be ŋutifafa sia axɔ asi akpa, nenye be abia be yewoatsɔ xɔse ƒe ɖoɖowo asa vɔ ɖe eta. Woƒe susue ganye be, nenye ɖe ko yewoaɖe asi le Nyateƒe la kple dzɔdzɔenyenye ŋuti hafi ɖekawɔwɔ nava la, ekem mamã kple aʋa ŋutɔ gɔhã neva faa. Dzɔgbenyui gãa ɖe wòanye na xexeame kple hame la katã be ɖoɖo nyui, siwo nɔ luʋɔ kalẽtɔ mawo me la, nagakpɔ nɔƒe le amesiwo le wo ɖokuiwo ɖem fia abe Mawu ƒe dukɔ ene la ƒe dzi me.UGL 27.2

    Ɖekematsɔleme vɔɖia ɖe ku ɖe nufiafia, siwo nye gɔmeɖokpe na Kristo dzixɔse la, le eme vam fifia, eye ame geɖewo le exɔm se be womele vevie vavã o. Gegé le xɔse me sia nye ŋusẽdodo na Satana ƒe dɔtsɔlawo, ale be aʋatsonya kple beble, siwo kplɔa ame yi tsɔtsrɔ̃ me, siwo ŋuti tsã ƒe nuteƒewɔlawo tsi tre ɖo kple woƒe agbe blibo la katã, le nɔƒe kpɔm egbea le ame akpeakpe, siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristo yomedzelawo dome.UGL 28.1

    Kristotɔ gbãtɔwo nye dukɔ tɔxɛa ɖe le nyateƒe me. Woƒe agbenɔnɔ mokaka manɔŋui kple woƒe xɔse, si meʋuʋuna o la, nye gbesiagbe ƒe fɔbubu na mawumavɔla, siwo na be amesiawo megakpɔa ŋutifafa le wo ɖokuiwo me o. To gbɔ be nuteƒewɔla siawo mede ha o, naneke hã mele wosi o, eye womele teƒe kɔkɔa ɖeke o, alo bubudeameŋu dzesia ɖeke mele wo ŋu o hã, wonye ŋɔdzi na vɔwɔlawo le afisiafi, si wodzesi woƒe dẽ kple nufiafiawo le la. Esia ta ame vɔɖiwo léa fu wo, abe alesi Kain vɔɖi la lé fu nɔvia Abel ene. Nusi na be Kain wù nɔvia Abel la, eya kee nana be amesiwo medina Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe fuɖeɖe na dzitsinya o la, ɖena Mawu subɔlawo ƒe agbe ɖa. Esia ta kee Yudaviwo gbe nu le Ɖela la gbɔ hewui ɖo, elabena eƒe dɛ̃ ƒe dzadzɛnɔnɔ kple kɔkɔenyenye nyena ɣesiaɣi ƒe mokaka na woƒe ɖokuitɔdidi kple gbegblẽwo. Tso keke Kristo ƒe ɣeyiɣiwo me, vaseɖe miaƒe egbe ŋkekeawo me la, eyomedzela anukwaɖetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ hea vɔwɔlawo ƒe fulelé kple tsitretsiɖeameŋu vana wo dzi. Aleke miate ŋu ayɔ Nyanyui la be Ŋutifafa Gbedasi ma? Le esime Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ nya ɖi ku ɖe Mesia ƒe dzidzi ŋu la, eyɔe be Ŋutifafa-Fiavi”. Le esime dɔlawo tsɔ du nyui la yi na alẽkplɔlawo be wodzi Kristo la, wonɔ ha dzim le Betlehem gbedzi be: “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi..” (Luka 2:14) Ɖe ko wòdzé abe nyagblɔɖinya sia kple nya, siwo Kristo gblɔ le Mateo 10:34 : “Migabu xa be meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o negbe yi boŋ” la, tsi tre ɖe wonɔewo ŋu ene. Gake ne míese wo gɔme nyuie la, míakpɔ be ɖekawɔwɔ le nya siawo dome vavã. Nyanyui la nye ŋutifafa gbedasia ɖe. Kristotɔnyenye nye agbenɔnɔ ƒe ɖoɖoa ɖe si, ne woxɔe hewɔ ɖe edzi la, ana be ŋutifafa kadede nyui kple dzidzeme agba go ɖe anyigba katã dzi. Kristo ƒe subɔsubɔ nana be amesiwo katã xɔ eƒe nufiamewo la, wɔna ɖeka le nɔviwɔwɔ ƒe kadede me. Kristo ƒe dɔ, si wòvawɔ la, enye be ɖekawɔwɔ nage ɖe Mawu kple amegbetɔwo dome, eye to esia me la amegbetɔwo hã nawɔ ɖeka kple wonɔewo. Ke, nublanuitɔe la, xexeame ƒe akpa gãtɔ le Satana, si nye Kristo ƒe futɔ gã la, ƒe ŋusẽ te. Agbenɔnɔ ƒe ɖoɖo, siwo Nyanyui la tsɔ na amegbetɔ la, nye nusiwo tsi tre ɖe eƒe numamewo kple didiwo ŋuti, eye esia na be wòdze aglã ɖe eƒe nufiafiawo ŋu. Wotsri dzadzɛnyenye, si ɖe woƒe nuvɔwo ɖe go, hebua fɔ wo la, eye le esia ta, wotia amesiwo dina tso wo gbɔ be woabɔbɔ ɖe dzadzenyenye ƒe biabia kɔkɔeawo te la yome. Alesi Nyanyui la ƒe nyateƒe doa ame ɖe ŋgɔ la nyena dzikunya na amea ɖewo, eye wòhea fulelé kple ʋiʋli vɛ ta ye, woyɔe be “yi” ɖo.UGL 28.2

    Mawu ƒe ametakpɔkpɔ, si ƒe gɔmesese bú ɖe mí, esi ɖe mɔ be vɔwɔlawo natí ame dzɔdzɔewo yome la, nye nane, si hea tɔtɔtɔtɔ geɖe vana kristotɔ, siwo gbɔdzɔ le xɔse me la, ƒe susu me. Amea ɖewo ŋutɔ gɔhã ɖena asi le woƒe xɔse ŋuti bɔbɔe, ɖe alesi Mawu ɖea mɔ be amesiwo me gbegblẽ deto le la, kpɔa dzidzeme geɖe, to gbɔ be wosẽna ŋuta le ame dzɔdzɔewo ŋu, hedoa vevesese na wo hã. Wobiana se be aleke wɔ dzɔdzɔenyenye Mawu, nublanuikpɔla, si si ŋusẽ mavɔ le la, naɖe mɔ na madzɔmadzɔ kple ametéte ɖe to siawo tɔgbi mahã. Nya sia menye míagbɔnyae o. Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ mavɔ la fia mí zi geɖe, alegbegbe be mímate ŋu ake ɖi le eƒe dɔmenyo ŋuti, nenye be mímese eƒe wɔnaa ɖewo gɔme o. Le esime Ɖela kpɔ ɖikeke, si gbɔna ƒoƒo ge ɖe eƒe nusrɔlawo ƒe luʋɔ dzi le tetekpɔ kple vevesese ɣeyiɣiwo me do ŋgɔ xoxo la, egblɔ na wo be: “..Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome tsã…” (Yoh.15:20) Fukpekpe, siwo nusrɔlawo xɔ to ame vɔɖiwo ƒe ŋutasesẽ me la, ƒe ɖeke mate ŋu asɔ kple fu, siwo Yesu kpe ɖe míata o. Amesiwo wokpe be woaxɔ fuwɔame kple ku ɖe Nyateƒe la ta la, nye amesiwo mawɔ naneke, wú be woato Dziƒo-Fofo ƒe Vi lɔlɔtɔ la ƒe afɔtoƒewo o.UGL 29.1

    “Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ ene la o;” (Petro II 3:9). Menye ɖe wòŋlɔ̃ be alo, ɖe metsɔ ɖeke le me na viawo o, ke boŋ eɖe asi le ame vɔɖiwo ŋu be woaɖe woƒe dɛ̃ vavãwo fia, ale be amesiwo di be yewoawɔ eƒe lɔlɔnu la nagaflu wo ɖokuiwo ku ɖe wo ŋu o. Le go bubu me la, ame dzɔdzɔewo le vevesese ƒe kpodzo me tom, ne woakpɔ ŋutikɔkɔ, ale bena woƒe kpɔɖeŋu nana kakaɖedzi ame bubuwo ku ɖe woƒe xɔse kple mawusosroɖa ƒe nu vavã nyenye ŋuti, eye bena woƒe wɔna dzadzɛwo nanye fɔbubu na ame vɔɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo.UGL 30.1

    Mawu ɖe mɔ be ame vɔɖiwo nakpɔ ŋgɔdede, eye be woaɖe fulelé, si le wo me ɖe eyama ŋu la, ɖe go ale be, ne woƒe vɔwɔwɔ ƒe dzidzenu la yɔ gba go la, amewo katã nakpɔe ade dzesii be woƒe tsɔtsrɔ̃ nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple amenuveve ɖeɖefia. Ʋɔnudrɔ̃ ŋkeke la gbɔna, si dzi Mawu ƒe seawo dzi dalawo katã kple amesiwo katã téa eƒe dukɔ la ɖe to la, nakpɔ woƒe wɔnawo ƒe fetu, eye ŋutasesẽ kple madzɔmadzɔ wɔna, siwo katã wowɔ ɖe Mawu ƒe viwo ŋuti la nakpɔ tohehe abe ɖe wowɔ wo ɖe Kristo ŋutɔ ŋuti ene.UGL 30.2

    Biabia vevie ɖeka li, si ŋuti wòle be hameawo nade ŋugble le, le egbe ŋkekeawo me. Apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II 3:12). Ke aleke wɔ yometiti sia le dzedzém abe ɖe wòle alɔ̃ dɔm le xexeame ene? Gɔmesese ɖeka, si li la koe nye be Hamea ƒe mawusosroɖa wɔ ɖeka kple xexea me tɔ, ale be megahena tsitretsitsi ɖe ame ŋua ɖeke vɛ o. Mawu subɔsubɔ, si li egbe ŋkekeawo me la, meganye bɔbɔenyenye ƒe xɔse, si dza, eye wòdea vovototo Kristo-Hamea ŋu abe alesi wònɔ le Kristo kple Apostolowo ƒe ɣeyiɣiwo me ene la o. Nusiwo le nɔnɔme sia hem vɛ la woenye taflatse dodo na nuvɔ, alesi míexɔa Mawunya ƒe nyateƒe gãgãwo ɖekematsɔlemetɔe, kple mawusosroɖa, si naa agbe la ƒe anyimanɔ le Hamea me; nusiawo wɔ be xexeame kpɔa ŋudzedze le kristotɔnyenye sia tɔgbi ŋu. Esu ko be Hame gbãtɔ la ƒe xɔse kple ŋusẽ nagbɔ agbe, ekem míakpɔ yometiti ƒe gbɔgbɔ agatsi tre, eye eƒe dzo sesẽ la agadze bibi.UGL 30.3

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents