Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    14—ƉƆƉƆƉOWƆLA, SIWO KPLƆ GBÃTƆWO ƉO LE AŊLISI BLƆTSI

    Le esime Luther nɔ Biblia, si le tutu la, ʋum na Germania- dukɔa la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ Tyndale hã tutum be wòaʋui na Aŋlisiawo hã. Wiklef ɖe Biblia gɔme tso latin-gbe ƒe Biblia, si me masɔmasɔ geɖe le la me. Wometae le agbalẽtaƒe o, eye nusianu le asi-nuŋɔŋlɔ̃ me, ale be kɔpi, si woɖe kple asi la, xɔ asi ŋutɔ. Hotsuitɔwo kple amegãwo koe te ŋu ƒlenɛ. Gawu la, wode se ɖe kɔpiawo nu le Aŋlisi-du la me, ale be womete ŋu kakae sɔ gbɔ le dukɔa me o.UGL 219.1

    Le ƒe 1516 lia me, ƒe ɖeka do ŋgɔ na Luther ƒe nuŋɔŋlɔ, si tsitre ɖe Roma ŋuti la, Erasmus ɖe eƒe Nubabla Yeye gɔmeɖeɖe, si wòwɔ le Hela kple latin gbe me la ɖe go. Esia enye tata gbãtɔ,si wowɔ na Biblia le gbe, si me woŋlɔe ɖo la me. Masɔmasɔ,siwo nɔ gɔmeɖeɖe gbãtɔwo me la kpɔ ɖɔɖɔɖo, eye nuwo me gakɔ nyuie wú. Agbalẽnyala geɖewo srɔ̃ alesi woate ŋu adze si Biblia nyuie, esi na be Ɖɔɖɔɖo la gakpɔ ŋgɔdede. Gake esi wòle alea hã la, menye amesiamee te ŋu le eƒlem o. Ekem ele na Tyndale be wòawu Wiklef ƒe dɔ la nu, eye wòatsɔ Biblia da ɖe eƒe dumetɔwo katã ƒe asitsɔƒe.UGL 219.2

    Tyndale nye amea ɖe, si lɔ̃ nusɔsrɔ̃ kple numekuku. Exɔ Nyanyui la to Erasmus ƒe Nubabla Yeyea le Hela-gbe me la me. Eɖe gbeƒã eƒe dzixɔse kalẽtɔe, eye wògblɔ be ele be woado nufiafia ɖesiaɖe kpɔ kple Mawu ƒe Nya la. Ɣemaɣi Papa hamea nɔa gbɔgblɔm be hame lae tsɔ Biblia na, eye hame la kee agate ŋu aɖe egɔme. Ke Tyndale ɖo nya sia ŋu gblɔ be: “Ɖe mienya amesifia alesi hɔ̃ lake ɖe eƒe ade-lã ŋutia? Ɛ, Mawu ma kee fiana alesivia, siwo dɔ le wuwum le gbɔgbɔ me la, lake ɖe wo Fofo la ŋuti le eƒe Nya la mee. (231) Mele eme kura be miawoe tsɔ Ŋɔŋlɔawo na mí o; nyateƒe vavã lae nye be miawo boŋ ye le wo ɣlam ɖe mí. Miawoe le dzo tɔm amesiwo le wo fiam la, eye miawoe, ne miate ŋui la, atɔ dzo Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ gɔ̃ hã.” D’Aubigné, Histoire de la Réformation au 16ème siècle, liv. 18, ch. 4.-UGL 219.3

    Ame geɖewo kpɔ ŋudzedze le Tyndale ƒe gbeƒãɖeɖewo ŋuti, eye woxɔ Nyateƒe la le agbɔsɔsɔ me. Gake nunɔlawo le ŋudzɔ, ale be kasia wòadzo le teƒea ɖe la, wotona emegbe, yina doa vɔvɔ̃ na ameawo, dana alakpa na wo, hegblẽna eƒe dɔ la. Wokpɔa dziɖuɖu edziedzi le nusia wɔwɔ me. Dɔɖɔɖowɔla la biaa eɖokui se be nukae dze be yeawɔ mahã; “Ne meƒã nu le afia ɖe la, futɔ la va gblẽa nuawo keŋ le agble, si dzi medzo le la me. Nyemate ŋu anɔ afisiafi o ɖe! O! Nenye ɖee Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ate ŋu nɔ kristotɔwo katã si le wode-gbe me la, anye ne woate ŋu nɔ te ɖe alakpadala siawo ƒe aʋatsowo nu! Biblia manɔmee la, hameviwo mate ŋu akpɔ kelili le Nyateƒe la me o. Ibid, liv.18, ch.4.UGL 220.1

    Azɔ susu yeyea ɖe xɔ eƒe ta me. Egblɔ le eɖokui me be: “Le Israel ŋutɔ ƒe gbe mee wodzia Psalmowo ƒe hawo le, le Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye aleke Nyanyui la maƒo nu le mía dome le Aŋlisi-gbe me oa?... Ɖe hamea makpɔ kekeli sɔgbɔ le ŋudɔ me wú le ɣetoɖoɖo me oa?...Edze be kristotɔwo naxlẽ Nubabla yeyea le wode-gbe me.” Hamea ƒe nunyalawo kple alẽkplɔlawo mele wonɔewo gɔme sem o. Ekem to Biblia me ko amegbetɔwo ate ŋu ke ɖe Nyateƒe la ŋuti. Tyndale gblɔ na wo be: Miawo la, mia dometɔa ɖewo kplɔ Duns Scot ɖo, ameaɖewo ya Tomas Aquino- tɔ ɖo …kple ame geɖe bubuwo ɖo. Evɔ wònye be amemawo katã le tsitre tsim ɖe wonɔewo ƒe nyagbɔgblɔwo ŋuti. Aleke gɔ̃ míate ŋu anya amesi le aʋatso kam, kple amesi le nyateƒe tom? Alekee? To Mawu ƒe Nya la me koe.” Ibid, liv. 18, ch. 4.UGL 220.2

    Le ɣeyiɣi via ɖewo megbe la, katoliko nunyala gãa ɖe, si le nya hem kplii la gblɔ be: “Enyo na nyea be maɖe asi le Mawu ƒe Sea ŋuti wú be maɖe asi le Papa tɔ ŋuti.” Ke Tyndale ɖo eŋu gblɔ be: “Nye ya matsi tre ɖe Papa kple eƒe seawo katã ŋuti!” Egagblɔ be: “Ne Mawu lé nye agbe ɖe te la, madi be le ƒe via ɖewo ko megbe la, agbledela ƒe subɔla, si le eƒe agbledemɔ̃ nu la, nanya Nyanyui la wú mi.” Anderson, Annals of the English Bible , p. 19.UGL 220.3

    Alea ye wòɖo kpe ɖoɖo, si wòwɔ xoxo be yeatsɔ Nubabla Yeyea le Aŋlisi gbe me na yeƒe dukɔ la dzi, eye wòdze dɔ gɔme enumake. Yometiti na be wòdzo le aƒisi wòle la, yi ɖe London heyi dɔ la dzi ɣeyiɣia ɖe. Ke esi Papa yomedzelawo ƒe adãwɔwɔ gale ŋusẽm ɖe dzi la, egasi dzo le afima. Ewɔ abe ɖe Aŋlisi-dua ƒe agbowo katã le tutum ɖe eyama nu ene, eye wòkpɔ be anyo be yeaɣla ɖe Germania. Afima wòdze Nubabla Yeyea le Aŋlisi-gbe me tata dzi le. Ke wotɔ eƒe dɔ la te zi eve sɔŋ. Ne wogbe nɛ be mata agbalẽ la le dua ɖe me o la, eyina ɖe du bubu me. Le nuwuwu la, eyi ɖe Worms, afisi Luther ʋli Nyanyui la ta le, le hamea ƒe takpekpe gã la ƒe ŋku me le ƒe via ɖe siwo vayi la me. Ɖɔɖɔɖoa ƒe xɔlɔ̃ geɖewo le du sia me, si na be Tyndale teŋu yi eƒe dɔ la dzi bɔbɔe, mɔxexea ɖeke manɔmee. Wota agbalẽ akpe etɔ̃ sɔŋ wu nu, eye le ƒe ma ke me la, wogawɔ tata evelia.UGL 220.4

    Eyi ɖe dɔ la dzi kple awuyaya le kutrikuku gãa ɖe me. Le esime Aŋlisi dziɖuɖua le ŋudzɔ vevie, le woƒe tɔdziʋu-dzeƒewo katã ɖiam la, Mawunya la le gegem ɖe dua me to mɔ bubuwo dzi, hele kakam ɖe afisiafi le dua me. Papa ƒe amewo dze agbagba be yewoaxe mɔ na Nyateƒe la, gake womete ŋui o. Gbeɖeka la, Durham ƒe episkɔpo la yi ɖe Tyndale ƒe xɔlɔa ɖe ƒe agbalẽdzraƒe, eye wòxɔ Biblia, siwo katã le afima la, ƒle kple susu be yeatsrɔ̃ wo, ale be yeana be womaga kaka wo le dua me o. Gake nusi gbem wòle la koe va dzɔ. Ga, si Tyndale kpɔ le episkɔpoa ƒe Bibliawo ƒeƒle me lae kpe ɖe eŋu be wòagawɔ agbalẽtata yeye bu, siwo nyo wu tsã tɔ la. Eya manɔme la, asesẽ nɛ be wòayi dɔ la dzi. Esi, le nuwuwu, wovalé Tyndale de ga la, wobiae be, ne elɔ̃ be woaɖe asi le ye ŋu la, ele be wòayɔ amesiwo kpe ɖe eŋu kple ga na Bibliawo tata la, ƒe ŋkɔwo. Eɖo eŋuti be Durham ƒe episkɔpo lae kpe ɖe ye ŋuti wú esi amea ɖeke mewɔ kpɔ o. Elabena esi wòƒle agbalẽ, siwo susɔ la kple ga sɔgbɔ la, edo ŋusẽ ye ŋutɔ be yeagayi dɔ la dzi dzideƒotɔe.UGL 221.1

    Wode Tyndale asi, eye eƒe futɔwo lée de ga ɣleti geɖe, eye le nuwuwu la, eɖi ɖase le eƒe xɔse la ŋuti kple martiro-ku. Gake aʋawɔnu, siwo wòdzra ɖo da ɖi la, woenye nusiwo vakpe ɖe eyomedzelawo ŋuti na ʋiʋli la dzi yiyi keke va ɖo míaƒe ɣeyiɣi siawo me. …UGL 221.2

    Latimer ɖe gbeƒã le nyagblɔti dzi be edze be woaxlẽ Biblia le ame ŋutɔ ƒe de-gbe me. Ebe: “Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea Ŋlɔla ye nye Mawu ŋutɔ! Eye Ŋɔŋlɔ̃ sia kpɔa gome le eƒe ŋusẽ kple mavɔmavɔnyenye me. Fiavi alo fia gãa ɖeke meli, si manye edziwɔla o. Míakpɔ nyuie le amegbetɔwo ƒe de-kɔnuwo ƒe mɔ gɔglɔ, siwo yɔ kple kpewo, aŋudza kple ati-takpowo la ŋuti. Míazɔ Mawunya ƒe mɔ dzɔdzɔe la dzi. Menye nusi mía nunɔlawo wɔ la ye le vevie o, ke nusi wòdze be woawɔ, eye womewɔ o lae. Esia enye Hugh Latimer ƒe gbeƒã gbãtɔ, si wòɖe le fia Eduardo VI lia ƒe ŋku me. Hugh Latimer, First Sermon Preached Before King Edward VI .UGL 222.1

    Tyndale ƒe xɔlɔ̃ vevie eve, siwo nye Barnes kple Frith la, tso be yewoaʋli Nyateƒe la ta. Ridleywo kple Cranmer kplɔ wo ɖo. Aŋlisiwo ƒe Ɖɔɖɔɖo kplɔla siawo nye ame agbalẽnyala, siwo dometɔ geɖewo nye amesiwo ƒe nya gbɔ wolɔ̃ ŋutɔ ɖe alesi woxɔ dzo tsã na Roma hame la kple woƒe mawusosroɖa la ta. Woƒe tsitretsitsi ɖe Roma hamea ŋuti tso alesi wovadze si Papa dziɖuɖua ƒe gbegblẽwo la me. Woƒe sidzedze Babilon ƒe nuɣaɣlawo la enye nusi na be woƒe ɖaseɖiɖi tsi tre ɖe eŋuti la gakpɔ ŋusẽ geɖe.UGL 222.2

    Latimer yi eƒe nya dzi gblɔ be: “Ɖee mienya nunɔla, si me dzo le wú wo katã le Aŋlisi-dua katã mea ? Mekpɔ be mieke to be miasee. Ke magblɔe na mi. Eya enye abosam. Maka ɖe dzi na mi be “episkɔpo” sia metena ɖa le eƒe hame la ŋuti gbeɖe o. Ɣesiaɣi, si miate gogo eyama la, miakpɔe wòanɔ dɔ dzi vevie. Le afisiafi, si wòanɔ la, Biblia neyi to, eye rozario neyi dzi; Nyanyui la ƒe kekeli neyi to, eye vɛlɛ ƒe keklẽ neyi dzi, neganye ŋudɔ mee hã; Yesu Kristo ƒe atitsoga, si tsɔ xexeame ƒe nuvɔwo yii la, neyi to, eye ŋutiklɔ-dzo, si vɔna ga le mawusubɔla ŋkuagbãtɔwo ƒe kotoku me la, neyi dzi; awudodo, siwo woana amamanɔlawo, amedahewo kple tekunɔwo la, neyi to, eye sikanuwo, atsɔnu ŋlẽŋlẽ, siwo wotsɔ ɖoa atsyɔ̃ na atikpakpɛwo kple kpewo la, neyi dzi; Mawu ƒe nuɖoanyiwo kple eƒe Nya kɔkɔe la neyi to, eye amegbetɔ ƒe takpekpewo kple Papa ŋkuagbãtɔ la ƒe nuɖoanyi kple de-kɔnuwo neyi dzi…Oo! Ne ɖee míaƒe osɔfowo ate ŋu alé dzo na Nyateƒea ƒe ku nyuiwo ƒaƒã, abe alesi Satana ƒãna gbe wuiwliwo kple ŋudza ene la, anyo ŋutɔ.” Ibid, Gbeƒã ku ɖe agbledemɔ̃ ŋuti.UGL 222.3

    Ɖoɖo gã, si ta Ɖɔɖɔɖowɔlawo ʋli, si ŋu Vaud-dumetɔwo, Wiklef, Yohanes Hus, Luther, Zwingle kple woƒe hadɔwɔlawo ƒo nu tso la, enye Biblia ƒe ŋusẽkpɔkpɔ dzɔdzɔe ɖe ame dzi abe xɔse kple agbe nyui nɔnɔ ƒe ɖoɖo ene. Wogbe be Papawo, hamea- kplɔlawo ƒe takpekpewo, nunɔlawo kple fiawo mekpɔ ŋusẽ aɖu fia ɖe ame ƒe dzitsinya dzi le subɔsubɔ nyawo me o. Biblia ɖekae kpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi, eye wotsɔa eƒe nufiafiawo wɔa dzidzenu na nufiafiawo kple ame ƒe dzenawo katã. Xɔse ɖe Mawu kple eƒe Nya la dzi yenye ame kɔkɔe siawo ƒe dzideƒo ɣesiaɣi, ne wole kukum le dzotɔame ƒe nakewo dzi gɔ̃ hã. Nya, siwo Latimer tsɔ de dzi ƒo na etɔwo, esi dzo bibi le gbe xɔm le wo si la woenye: “Mile dzi ɖe ƒo sesiẽ. Egbea, míele akaɖia ɖe drage ɖi le Aŋlisi du la me, si mexɔe se be, le Mawu ƒe amenuveve me la, matsi gbeɖe o.”- Works of Hugh Latimer , vol. 1, p. 13.UGL 223.1

    Le Skotland-dua me la, womete ŋu ho Nyateƒea ƒe nuku, siwo Kolomba kple eƒe hadɔwɔlawo ƒã la keŋkeŋ o. Le ƒe alafalafawo yome, esi Aŋlisi-dua ƒe hameawo gage ɖe Roma ƒe ŋusẽ te la, Skɔtland ƒe hameawo ya lé woƒe ablɔɖe ɖe asi vevie. To gbɔ be Papa ƒe dziɖuɖua kpɔ kelili le afima le ƒe alafa wuieveliawo me hã la, mekpɔ ŋusẽ blibo le afia ɖeke le du sia me o. Du la nyrɔ̃ ɖe viviti tsiɖitsiɖi me, gake kekeli-lɔdzewo ŋɔna viviti la le teƒeteƒewo ɣeaɖewoɣi, hedea dzesi agu, si le dzedze ge la. Lolardwo, alo Wiklef yomedzela, siwo tso Aŋlisi-dua me va kple Biblia kpakple eƒe agbalẽa ɖewo la, na be Nyanyuia ƒe kekeli la metsi o, eye eƒe ɖaseɖilawo kple xɔsetakulawo gaɖena wo ɖokuiwo fia le ƒe alafa sia alafawo me.UGL 223.2

    Le Ɖɔɖɔɖo gã ƒe gɔmedzedzea me la, woke ɖe Luther ƒe nuŋɔŋlɔwo, kple Tyndale ƒe Nubabla Yeyea gɔmeɖeɖe ŋuti le teƒeteƒewo. Le Roma hamea kplɔlawo ƒe manyamanya me la, mawunyagblɔlawo ɖi tsa to Skɔtland towo dome kple baliwo me henɔa Nyateƒea ƒe akaɖi, si tsi keŋkeŋ kloe le dua me la dram, eye wonɔ viviti dɔ, si Roma wɔ le ƒe alafa ene sɔŋ ƒe teteɖamedzi me la klom ɖa.UGL 223.3

    Ke martirowo ƒe ʋu gade dzo yeye dɔ la me. Papa ƒe dɔtsɔlawo nyɔ, eye wokpɔ be yewo ƒe dziɖuɖu la le afɔku me, ale wolé Skɔtland ƒe ame veviewo kple bubumewo eye wotɔ dzo wo.(235) Ke dzotɔame nake siawo trɔ zu nyagblɔti, siwo dzi nuteƒewɔla siawo ƒe gbeƒãɖeɖewo ɖi sesiẽ le, kaka ɖe dua katã me, hede didi sesẽ dumeviwo me be, ele be Roma ƒe kɔsɔkɔsɔ siawo natso le yewo ŋuti.UGL 224.1

    Hamilton kple Wishart, siwo tso ƒome gãwo me, kple wo yomedzela geɖewo tsɔ woƒe agbe na. Gake le afisi wotɔ dzo wo le la, ŋutsua ɖe, si dzo bibiwo meɖo vɔvɔ̃ na o, ŋutsua ɖe, si aƒo ku-ga na Papa ƒe dziɖuɖua le Skɔtland la, tsi tre. Eŋkɔ enye Yohanes Knox.UGL 224.2

    Yohanes Knox trɔ le Roma hamea ƒe nuɖoanyiwo kple nuɣaɣlawo yome, be yeatsɔ Mawunya ƒe Nyateƒea wɔ nuɖuɖu na yeɖokui. Wishart ƒe nufiafiawo do ŋusẽe le ɖoɖo, si wòwɔ be yeaɖe asi le ɖekawɔwɔ kple Roma ŋuti, awɔ ɖeka kple Ɖɔɖɔɖowɔla, siwo yome wole titim la me.UGL 224.3

    Exɔlɔa ɖewo bia tso esi be wòanye yewo ƒe Mawunyagblɔla. Ete ɖe megbe kple vɔvɔ, ɖe dɔdasi gã, si wònye la ta, eye le ŋkekea ɖewo ƒe ʋiʋli sesiẽ le eɖokui me megbe hafi wòteŋu va lɔ. Ke esi wòlɔ̃ la, etso kple kakaɖedzi maʋãmaʋã, megbemakpɔ, eye wòwɔ dɔ kple kalẽwɔwɔ gãa ɖe le eƒe agbeŋkekewo katã me. Ɖɔɖɔɖowɔla kalẽtɔ sia mevɔna akɔkpekpe kple amea ɖeke o. Xɔsetakula ƒe dzo, siwo le bibim ƒoxlãe la, mewɔ naneke nɛ wú be wòagade dzo eme wú na dɔ la wɔwɔ o. Ameteɖetola ƒe fia, si nɔ te ɖe eƒe ta dzi la, mena be wòagbɔdzɔ le eƒe tameɖoɖowo ŋuti o, ke boŋ enɔa ɖusi me kple mia me yim na ametsrɔnu la, henɔa Roma ƒe trɔsubɔsubɔ la gbãm kple ŋusẽ.UGL 224.4

    Esi wòva ve me be wòado go kple Skɔtland ƒe nyɔnu-fia, si ƒe ŋku me Protestant kplɔla geɖewo kpɔ gege le la, Yohanes Knox ɖi ɖase kple nuteƒewɔwɔ le Nyateƒe la ŋuti. Womete ŋu léna eyama to beble ƒe asiliameŋu me, alo to vɔvɔdodo nɛ me o. Fia-nyɔnu la tsɔ nya ɖe eŋu be enye aʋatsoxɔsetɔ, be efia dukɔ la xɔse, si ŋuti Dziɖuɖu la tsi tre ɖo, eye bena le esia wɔwɔ me la eda Mawu ƒe se, si bia be dumeviwo naɖo to woƒe fiawo la dzi. Ke Knox ɖo nya sia ŋuti kple kelili. Egblɔ be: “Esi wònye be subɔsubɔ vavã la mekpɔ eƒe dzɔtsoƒe kple eƒe dziɖuɖu tso fiawo gbɔ o, ke tso Mawu ɖeka ko gbɔ ta la, menye dzizizi na dumeviwo be woatu woƒe subɔsubɔ la ɖe fiawo ƒe didi nu o. Elabena evana me edziedzi be fiawoe nyena numanyala gãtɔwoUGL 224.5

    kekeake le nusiwo ku ɖe subɔsubɔ vavã ŋuti la me. Nenye ɖee Abraham ƒe dzidzimeviwo xɔ Farao, si ƒe kluvi wonye tsã la, ƒe subɔsubɔ ɖe, xɔse kae anɔ xexeame egbea, Aƒenɔ? Alo, le Apostolowo ƒe ɣeyiɣi me, nenye ɖee amesiame xɔ Roma fiawo ƒe subɔsubɔ ɖe, meɖe kuku, Aƒenɔ, subɔsubɔ kae anɔ anyigba dzi? Ekem, Aƒenɔ, wò ŋutɔ akpɔe be menye dzizizi na dumeviwo be woƒe fiawo ƒe susbɔsubɔ koe woaxɔ o, to gbɔ be woabia toɖoɖo tso wosi hã.UGL 225.1

    Fia-nyɔnu Maria ɖo eŋu be: “Mieɖea Ŋɔŋlɔawo me ɖe bubu, woawo hã (Roma ƒe nunɔlawo) ɖea egɔme ɖe bu. Ameka dzi xɔ ge míala ase, eye amekae anye nyametsola?UGL 225.2

    Ɖɔɖɔɖowɔla la gaɖo eŋu be: Mawu dzi nàxɔ se, eya amesi ƒo nu eme kɔ nyuie le eƒe Nya la me. To vovo na nusi Mawu ƒe Nya la afia la, migaxɔ nunɔlawo dzi se o, eye migaxɔ nye hã dzinye se o. Mawu ƒe Nya la me kɔ nyuie le eɖokui si. Ne awɔ abe ɖee viviti le afia ɖe ene la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si metsia tre ɖe eɖokui ŋu o la, aɖe egɔme wòakɔ nyuie le afi bubu, ale be ɖikekea ɖeke maganɔ anyi o, negbe na amesiwo ko sẽ to na nugɔmesese la.”- David Laing, The collected Works of John Knox , vol. 2, p. 281, 284. Esiawoe nye nyateƒenya, siwo kalẽtɔ sia ɖe gbeƒãe ɖe fia la ƒe to me, le eƒe agbe ƒe afɔku ɣeyiɣi la me. Eyi ɖe eƒe dɔ la dzi kple dzideƒo maʋãmaʋã sia, le gbedodoɖa kple Aƒetɔ la ƒe aʋa la wɔwɔ me, vaseɖe esime Skɔtland kpɔ ablɔɖe.UGL 225.3

    Le Aŋlisi-dua me, Protestant ƒe xɔsea ɖoɖo anyi, abe dukɔa ƒe subɔsubɔ ene la, te fli ɖe yometiti dzi, gake mexe mɔ nɛ keŋkeŋ o. To gbɔ be woɖe asi le Roma ƒe nufiafia geɖewo ŋuti hã la, kɔnua ɖewo li, si wogalé ɖe asi. Wogbe nu le Papa ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi gbɔ, ke wotsɔ du-fia la ɖɔlii abe hamea ƒe tatɔ ene. Le hamea ƒe kɔnuwo wɔwɔ me la, wogale tetem ɖa le Nyanyui la ƒe bɔbɔenyenye kple dzadzɛnyenye ŋuti.UGL 225.4

    Womekpɔse nusianu xɔxɔ faa ƒe ɖoɖo vevie la gɔme o. To gbɔ be Protestant fiaviwo megale Roma ƒe ŋutasesẽ dziŋɔwo ŋuti dɔ wɔm ɖe aʋatsoxɔse ŋuti o hã la, womeɖe mɔ na amesiame ƒe vovokpɔkpɔ be wòasubɔ Mawu le eƒe dzitsinya ƒe didi nu o. (237) Ele be amesiame naxɔ hame, si woɖo anyi la ƒe nufiafiawo, eye wòawɔ ɖe subɔsubɔ, si wòɖo la dzi. Ke amesiwo melɔ̃ ɖe nya siawo dzi o la kpɔ yometiti, siwo nu sesẽna ŋutɔ ɣeaɖewoɣi, le ƒe alafalafawo me.UGL 226.1

    Le ƒe alafa wuiadrẽliawo me la, wonya osɔfo akpeakpewo do go tso woƒe hawo me. Wode se be dumevi, si ayi ɖe subɔsubɔ ƒuƒoƒoa ɖe me to vovo na esiwo ŋu woɖe mɔ le la, woaka ga gãa ɖe nɛ wòaxe, woadee game, alo woaɖee do go le dua me. Ele na luʋɔ nuteƒewɔla siawo, siwo mate ŋu ado kpo ƒu ƒoƒo asubɔ woƒe Mawu o la, be woawɔ woƒe subɔsubɔ le mɔ suɛ dovivitia ɖewo dzi, alo be woaɣla ɖe aƒea ɖewo ƒe nudzraɖoƒe-xɔ viwo me, alo ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã, woyina ɖe avewo me le zã-titina. Le avetsuwo ƒe bebeƒe doviviti siawo me, siwo nye gbedoxɔ, siwo Mawu ŋutɔ tu kple eƒe asiwo la, ye Aƒetɔ la ƒe vi, siwo yome tim wole la, ɣlana ɖo, heʋua woƒe dziwo me na Mawu le gbedodoɖa kple kafukafu me. To gbɔ be wowɔ ŋutete siawo katã hã, woléa ame geɖewo ɣeaɖewoɣi, eye wokpena fu ɖe woƒe xɔse ta. Gakpɔwo yɔ taŋ. Womã amea ɖewo ɖa tso woƒe ƒomewo ŋu; geɖewo tsi gbe dzi le amedzronugbe. Gake Mawu megblẽ wo ɖi o, eye yometitiwo metsi gbe ɖe woƒe ɖaseɖiɖiwo nu o. Geɖe woenye amesiwo tso atsiaƒu la heyi ɖe Amerika, afisi woɖo gɔmeɖokpe na dumevinyenye ƒe dzenawo, kple ablɔɖe le subɔsubɔ me le. Nusiawoe nye du sia ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ kple ŋkɔ xɔxɔ le xexeame.UGL 226.2

    Abe alesi wònɔ le Apostolowo ŋɔli me ene la, yometiti na be Nyateƒea gakpɔ mɔ kaka ɖe dzi. Yohanes Bunian, amesi wole de ga le agbevlonɔlawo kple adzodalawo dome le gakpɔ ƒoɖi doviviti me la, nɔ dziƒo ƒe ya gbɔm le afima, eye woŋlɔ̃ alobalogbalẽ vivi, si ƒo nu tso mɔzɔlaa ɖe ŋuti, esi zɔ mɔ tso tsɔtsrɔ̃ ƒe du me heyi ɖe dziƒo-du la me. Le ƒe alafalafawo me la, gbe sia, si ɖi tso Bedford ƒe viviti gaxɔ ma me la, ƒo nu kple nuku ŋusẽa ɖe na amegbetɔwo ƒe dzi. Eƒe agbalẽ eve siawo: Pilgrim’s Progress- kple -Grace Abounding to the Chief of Sinners- kplɔ luʋɔ geɖewo va agbemɔ la dzi.UGL 226.3

    Baxter, Flavel, kple Aleine, kpakple ame geɖe, siwo si talento kple kristotɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ geɖe le la, woawo hã tsi tre heʋli xɔse, si wona ame kɔkɔeawo, zi ɖeka ɖe ɣeawokatãɣi ta la ta kalẽtɔe. (238) Amesiawo, siwo xexemefiawo na ŋkɔ be setemanɔlawo, eye wonya wo de gbe la, ƒe dɔ gã siwo wowɔ la, mabu akpɔ o. Flavel ƒe agbalẽwo, “Fountain of Life” kple -Method of Grace- fia ame akpeakpewo alesi woatsɔ woƒe luʋɔ na Kristo ƒe ametakpɔkpɔ la. Baxter hã ƒe nusi wòŋlɔ̃ : The Reformed Pastor- nye yayra na ame geɖe, siwo di be yewoakpɔ Mawu ƒe dɔwo woagazu yeye la. Eƒe agbalẽ evelia -The Saints’ Everlasting Rest- la na be ame geɖewo di vevie be yewoake ɖe dzudzɔ, si susɔ li na Mawu ƒe dukɔ la ŋuti.UGL 227.1

    Le ƒe alafa ɖeka yome, si nye viviti gãa ɖe ƒe ɣeyiɣi me la, Whitefield kple Wesley nɔviŋutsu eveawo hã ti amesiawo yome abe Mawu ƒe akaɖitsɔlawo ene. Le hameɖoɖi la ƒe kpɔkplɔ te la, Aŋlisi-dukɔa ge ɖe gbɔgbɔme ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gãa ɖe me, si wɔ be esesẽ be woade vovototo Kristo subɔsubɔ kple trɔsubɔsubɔ dome. Dzɔdzɔme ƒe subɔsubɔ enye osɔfowo ƒe nusɔsrɔ̃ gãtɔ; eya kee nye woƒe nufiafia hã. Amegãwo ƒe hatsotsoewo ɖua fewu le mawusosroɖa ŋuti, eye wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi be yewo le eƒe wɔwuiwɔwɔwo ta me. Ke dukɔmevi gblɔewo ya le numanya gãa ɖe kple agbe vlo nɔnɔ me, le esime dzideƒo alo xɔsea ɖeke megale hamea ŋutɔ si ne wòate ŋu aʋli Nyateƒe, si megale tsitre nu kura o la, ta o.UGL 227.2

    Dzɔdzɔenyenye le xɔse me ƒe Nyateƒe gã, si Luther fia kple numekɔkɔ nyuie la, zu nusi woŋlɔ̃ be keŋkeŋ, eye Roma ƒe ɖoɖo, si nye ɖeɖekpɔkpɔ to dɔwɔwɔ me la, xɔ eteƒe blibo. Whitefield kple Wesley nɔvi evea, siwo nye hame-ɖoɖi metɔwo la, nɔa Mawu ƒe amenuveve dim vevie. Wofia wo be woakpɔe le agbenyui nɔnɔ me kple hamea ƒe kɔnuwo dziwɔwɔ me.UGL 227.3

    Gbeɖeka esi Karlos Wesley dze dɔ, eye wòkpɔ be yele ku mɔ dzi la, wobiae be nuka dzi wòtu eƒe agbemavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la ɖo mahã? Egblɔ be: “Mewɔ nye ŋutetewo katã hewɔ dɔ na Mawu. Ke esi exɔlɔ, si le nya sia biamee la wɔ abe ɖe mekpɔ ŋudzedze le eƒe ŋuɖoɖoa ŋu o ene la, Wesley gblɔ le eɖokui me be: “Nukae! Ɖee nye ŋutetewo menye gɔmeɖokpe, si su na nye mɔkpɔkpɔ la oa? Ɖee wòdi be yeaɖe nye ŋutetewo ɖa? Naneke meli, si dzi magaka ɖo o ɖe!” -John Whitehead, L ife of Rev. Charles Wesley , p.102.- Esiawo ƒe ɖee nye viviti, siwo me ha la nyrɔ̃ ɖo, viviti siwo ɣla Kristo ƒe vɔsa-ku, si wòxɔ ɖe míateƒe la, eye wofi eƒe ŋutikɔkɔe la, heɖe amegbetɔwo ƒe ŋku ɖa le míaƒe ɖeɖe ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka si li, esi nye Ɖela, si woklã ɖe atitsoga ŋuti ƒe ʋu la dzi.UGL 227.4

    Ke esi Wesley kple eƒe hadɔwɔlawo ke ɖe eŋu be subɔsubɔ vavã ƒe nɔƒee nye dzi me, eye bena Mawu ƒe Se la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ ƒe susu, nya kple wɔnawo dzi la, wodze agbenɔnɔ yeyea ɖe gɔme kple veviedodo. Wowɔ ŋutete kple kutrikuku, le gbedodoɖa me, na woƒe dzɔdzɔme ƒe gbegblẽwo dzi ɖuɖu. Wonɔ agbe le nugbegbe le ameɖokui gbɔ me, eye wowɔa dɔmenyui, bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi, eye wowɔna ɖe nusiwo woxɔ se be ana yewoakpɔ nusi dim yewo le, si nye dzi ƒe kɔkɔenyenye, ale be Mawu nakpɔ ŋudzedze le yewo ŋu la dzi pɛpɛpɛ kple veviedodo. Gake womeke ɖe nusi dim wole la ŋuti o. Woƒe agbagbadzedzewo katã be nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi kple ŋusẽ la naɖe ɖa le yewo dzi la nye dzodzro. Ʋiʋli sia tɔgbi ke Luther wɔ le eƒe xɔ vi la me le Erfurth. Nya ɖeka ma kee tɔtɔ eƒe luʋɔ: “Aleke amegbetɔ ate ŋu nɔ dzɔdzɔe le Mawu ƒe ŋkume?” (Hiɔb 9: 2).UGL 228.1

    Nyateƒea ƒe akaɖiwo tsi keŋkeŋ kloe le Nyanyui-Hamea ƒe vɔsamlɛkpuiwo dzi; ke woagatɔe yeyee kple tsã ƒe kakati, si Bohemia kristotɔwo tsɔ na wo, le ƒe alafalafawo me la. Le Reformatioa yome la, Roma ƒe aʋakɔwo vatsrɔ̃ Protestant-xɔse la le Bohemia. Ele na amesiwo katã gbe be yewomatrɔ le yewo ƒe xɔse yome o la be woasi. Wo dometɔa ɖewo yi ɖa ɣla ɖe Saxoni, afisi wolé woƒe xɔse xoxo la me ɖe asi le. To kristotɔ siawo ƒe dzidzimeviwo dzi Wesley kple eƒe hadɔwɔlawo ke ɖe kekeli la ŋu.UGL 228.2

    Esi woɖo Yohanes kple Karlos Wesley Nyanyuia ƒe nunɔlawo megbe la, wodɔ wo ɖo ɖe Amerika abe dɔgbedelawo ene. Moraviatɔwo ƒe hatsotsoea ɖe hã le tɔdziʋu, si woɖo la me. Eva me be ahom sesẽa ɖe vatu le ƒua dzi, eye Yohanes Wesley kpɔ be yeƒe kuɣi tu aƒe, le esime kakaɖedzi mele ye si be yele ŋutifafa me kple Mawu o. Gake Germaniatɔ siawo ya le dzigbɔɖi kple dzideƒoa ɖe, si eyama menya o la me.UGL 229.1

    Egblɔ be: “Do ŋgo na nudzɔdzɔ sia la, mede dzesi woƒe wɔna nyuiwo. Woɖena woƒe bɔbɔenyenye fiana ɣesiaɣi, alesi wotsɔna dɔ na mɔzɔla bubu siwo le tɔdziʋua me la, nusi Aŋlisi-via ɖeke malɔ̃ awɔ gbeɖe o la, eye wowɔna nusiawo fetua ɖeke maxɔ, hegblɔna be wole vevie na yewoƒe dzi ƒe dada ɖeɖeɖa, elabena Ɖela nyui la wɔ nu geɖe, siwo wú esiawo na yewo. Ŋkeke sia ŋkeke nyena mɔnukpɔkpɔ na wo be woaɖe woƒe bɔbɔenyenye, si dzua ɖeke hã metɔtɔna o la fia. Ne wotutu wo, ƒo wo, alo na wodze anyi la, wotsia tre eye wodzona kpoo, nyaa ɖeke magblɔ. Ɣeyiɣia ɖe va be woaɖee fia be, abe alesi dada, dɔmedzui, vɔ ɖe vɔ̃ teƒe mele woƒe agbe me o ene la, ɖee womedze si vɔvɔ̃ hã o mahã. Eva me be wodze woƒe subɔsubɔ gɔme kple Psalmoa ɖe. Kasia ƒutsotsɔe gã sesẽa ɖe ho, dze abala-vɔ gã la le eƒe atia ŋu ƒu anyi ɖe ʋu la me, eye tsi gbagba ɖe afisiafi, abe ɖee aʋlimetsiawo katã nyrɔ̃ mí vɔ ene. Aŋlisiawo dze vɔvɔɣli manyagblɔwo dodo, le esime Germaniatɔwo ya yi ɖe woƒe subɔsubɔ la dzi kple hadzidzi abe ɖe naneke mele dzɔdzɔm o ene. Le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, mebia wo dometɔ ɖeka se be dzika metso wo ƒo o mahã? Eɖo eŋu be akpe na Mawu be yewomevɔ̃ o. Meyi edzi gabiae be wo srɔwo kple wo viwo ya ɖe? Egaɖo eŋu kple gbe fafɛa ɖe be: “Ao, mía srɔwo kple mía viwo mevɔna ku o ɖe.”- Ibid., p. 10.UGL 229.2

    Le woƒe Savana ɖoɖo me la, Wesley nɔ kple Moraviatɔwo ɣeyiɣia ɖe, eye woƒe kristotɔgbenɔnɔ wɔ dɔ ɖe edzi geɖe. Eƒo nu le eƒe nuŋɔŋlɔa ɖe me tso woƒe subɔsubɔ, si to vovo sãa tsoaŋlisiawo ƒe gota subɔsubɔ kɔnu, siwo me gbɔgbɔme ƒe dzoa ɖeke mele o la, ŋuti gblɔ be: “gblɔenɔnɔ gã kple bubu, si nɔna woƒe subɔsubɔwo me la, na be meyi megbe ƒe alafa wuiadrẽ le susu me, hekpɔ ƒuƒoƒo, siwo Paulo agbadɔ-dɔwɔla, alo Petro tɔƒodela la, nɔa kpɔkplɔm, siwo me atsyɔɖeɖefia ɖeke mele o, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ dzena le fũ la. Ibid., p. 11, 12.UGL 229.3

    Esi wòtrɔ gbɔ va aƒe, eye to nusɔsrɔ, siwo wòxɔ le Moravia gbeƒãɖelaa ɖe gbɔ me la, Wesley te ŋu se Biblia me xɔse la gɔme nyuie wú. Eka ɖe edzi azɔ be yemaku ɖe yeƒe dɔ nyui wɔwɔwo ŋuti na ɖeɖekpɔkpɔ o, ke boŋ be ele be yeatsɔ yeɖokui na “Mawu ƒe Alɛvi, si tsɔ xexeame ƒe nuvɔwo yii” la blibo. Le Moraviatɔwo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe me le London la, woxlẽ Luther ƒe nuŋɔŋlɔa ɖe, si ƒo nu tso tɔtrɔ ƒe dɔ, si Mawu ƒe Gbɔgbɔ wɔna le xɔsetɔ ƒe dzi me la ŋuti . Zi alesi wònɔa nya sem la, xɔse nɔ keklẽm le eƒe dzi me. Ebe: “Mese nye dzi le dzo xɔm nukutɔe le menye. Mese le menye be ele be matsɔ ɖokuinye na Kristo, Kristo ɖeka hɔ, na ɖeɖe kpɔkpɔ, eye mexɔ kakaɖedzi be eɖe nye nuvɔwo ɖa, nyehã nye nuvɔwo, eye wòɖem tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la te. Ibid., p. 52.UGL 230.1

    Le ƒe geɖewo ƒe ɖeɖiteameŋu kple ʋiʋli madzudzɔ me, le nugbegbe sesẽ le ameɖokui gbɔ, vevesese ɖe nuvɔ̃ ta kple bɔbɔɖeanyi me la, Wesley lé eƒe ɖoɖo, si wòwɔ be yeadi Mawu vevie la ɖe asi. Ke fifia la eke ɖe eŋu, eye wòde dzesii be amenuveve, si yedi kple ŋutete wɔwɔ geɖe le gbedodoɖa, nutsitsidɔ, dɔmenyuiwɔwɔ kple nugbegbe le ameɖokui gbɔ me la, nye nunana faa, “femaxe, gaa ɖeke mana”.UGL 230.2

    Ke esi wònɔ anyi ɖe Kristo ƒe xɔse dzi la, eƒe luʋɔ lé dzo kple didi sia be yeakaka Mawu ƒe amenuveve nunana ƒe ŋutikɔkɔe Nyanyui sia afia le afisiafi. Ebe: “Mele xexeame katã kpɔm abe nye hame, si me mele dɔ wɔm le ene. Afisiafi, si mele la, mekpɔna be enye dɔdasi be magblɔ ɖeɖekpɔkpɔ Nyanyui la na amesi ko alɔ̃ be yeasee la.” Ibid., p. 74.UGL 230.3

    Esusɔ gale nugbegbe le ameɖokui gbɔ ƒe agbe, gake meganye abe eƒe xɔse ƒe gɔmeɖokpe ene o, ke eƒe xɔse ƒe metsonu ene, menye abe eƒe kɔkɔenyenye ƒe ke ene o, ke boŋ abe eƒe kutsetse ene. Mawu ƒe amenuveve le Kristo me enye kristotɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gɔmeɖokpe, eye amenuveve sia ɖena eɖokui fia to toɖoɖo me. Wesley tsɔ eƒe agbe la ɖo anyi na gbeƒãɖeɖe Nyateƒe siwo katã wòxɔ la, dzɔdzɔenyenye le Kristo ƒe ʋu ƒe nuvɔ̃ kɔklɔ ɖa dzixɔse me; Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, si wɔa ame ƒe dzi kɔkɔe be wòatse ku to agbenɔnɔ ɖe Kristo ƒe kpɔɖeŋu la nu me.UGL 230.4

    Whitefield kple Wesley nɔviŋutsuwo xɔ tutuɖo na woƒe dɔ la to veve, si wose ɣeyiɣi didia ɖe, ku ɖe woƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe kakaɖedzi, si wonɔa sesem le wo ɖokuiwo me la me; eye le woƒe didi me be yewoakpa ŋgɔ kuxiwo katã abe Kristo ƒe asrafo nyuiwo ene la, ele na wo be woato amewo ƒe fuléle, fewuɖuɖu kple yometiti ƒe dzobibiwo me, le sukukɔkɔ ɣeyiɣiwo kple le woƒe dɔ la ƒe gɔmedzedze me. Ke woƒe nusrɔhɛ, siwo metrɔ dzime o la, ɖo fewuɖuŋkɔ sia na wo kple amesiwo wɔ ɖeka kpli wo la be “Methodist”, ɖoɖowɔlawo, alo amesiwo wɔa nu kple ɖoɖo, kplɔa ɖoɖo geɖe ɖo. Ŋkɔ siae va zu Protestant hame gãtɔwo dometɔ ɖeka le Aŋlisi-blɔtsi kple Amerika siaa.UGL 231.1

    Abe Aŋlisi hamea meviwo ene la, wolé ɖe hamea ƒe subɔsubɔ ɖoɖowo ŋuti vevie, gake Aƒetɔ la ɖe esi nyo wú la fia wo le eƒe Nya la me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒoe ɖe wo nu be woaɖe gbeƒã Kristo, Kristo, si woklã ɖe atitsoga ŋu la. Dziƒoʋĩtɔ la kplɔ woƒe dɔwɔwɔwo ɖo. Luʋɔ akpeakpewoe xɔ Nyateƒe la kple kakaɖedzi, eye wotrɔ le woƒe dziwo me vavã. Ele be woakpɔ alẽ siawo ta vevie ɖe amegãxi nugblẽlawo ŋuti. Menɔ Wesley ƒe susu me be yeaɖo hame yeyea ɖeke anyi o, ke ena xɔsetɔwo ƒo ƒu le hatsotsoea ɖe, si woyɔ be Methodist Ƒuƒoƒo la me.UGL 231.2

    Gbeƒãɖela siawo do go nuku yometiti sesẽa ɖe tso hameɖoanyi la gbɔ. Gake, le eƒe nunya me la, Mawu ŋutɔ nɔ ŋgɔ na nudzɔdzɔawo, ale be hamea katã ge ɖe Ɖɔɖɔɖo me. Nenye ɖee wòtso egodo keŋkeŋ la, anye ne made afisi ke wohiãe le vevie la o. Esi wònye be Ɖɔɖɔɖo gbeƒãɖelawo nye osɔfo, siwo le dɔ wɔm le hamea ƒe kpɔkplɔ te la, afisiafi, si wokpɔ mɔnua ɖe le ko la, woƒãa Nyateƒe la ɖi, si womate ŋu awɔ, ne woto mɔ bubu, si atu ʋɔ ɖe wo la dzi o. Osɔfoawo dometɔa ɖewo nyɔ̃ le woƒe dẽ ƒe gbegblẽ ƒe alɔdɔdɔ me hetrɔ zu gbeƒãɖela, siwo yɔ kple dzo, kple nuteƒewɔwɔ le woƒe hawo me. Hame, siwo hã le alɔ̃ dɔm le woƒe gota kɔnu ƒuƒluwo me la, gbɔ agbe. Abe alesi wònɔ le hamea ƒe ŋutinyawo me le ƒe akpeakpewo me ene la, le Wesley ŋɔli me hã, amesiwo si talento vovowo le la wɔ dɔdasi, si wotsɔ na wo la. To gbɔ be womewɔ ɖeka le nufiafia ɖesiaɖe me o hã la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔ wo, eye wowɔ ɖeka le ɖoɖo gãtɔ kekeake, si nye luʋɔwo kpɔkplɔ va na Kristo la me. Vovototo, si le Whitefield kple Wesleywo ƒe nukpɔkpɔ me la na be gbeɖeka la, esusɔ vie ko ne mamã naɖo wo dome. Gake, esi wònye be wo katã wosrɔ̃ dzigbɔgbɔ blewu le Kristo ƒe suku la, tsɔtsɔke kple havilɔlɔ̃ na be wogawɔ ɖeka. Ɣeyiɣi mele wosi na nyahehe, esime nudadafiafia kple gbegblẽwo le fia ɖum le afisiafi, eye vɔwɔlawo le du dzi ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me la o.UGL 231.3

    Mawu ƒe subɔlawo le kpe-mɔ glidzaglidzaa ɖe dzi zɔm. Amegãmegãwo kple nunyala gãwo tsi tre ɖe wo ŋuti. Le ɣeyiɣia ɖe megbe la, osɔfowo dometɔ geɖewo tsi tre le gaglãgbe ɖe wo ŋu, eye wotu hamea ƒe ʋɔtruwo ɖe Nyateƒe vavã la kple eƒe gbeƒãɖelawo nu. Ke osɔfo tsitretsilawo ƒe gbeƒãɖeɖewo le nyagblɔtiwo dzi ɖe Nyateƒea taʋlilawo ŋuti la na be amesiwo le alɔ̃ dɔm le numanya kple agbe vlo nɔnɔme la, nyɔ̃ tso woƒe alɔdɔdɔwo me. Zi geɖe, ne Yohanes Wesley tsi agbe le afɔku dziŋɔwo me la, Mawu ƒe amenuveve nukunu wònyena. Gbeɖeka, esi wode dzo ameha gã ɖe me tsi tre ɖe eŋuti, eye wɔnaa ɖeke megali nɛ be wòado go tso woƒe asi me o la, mawudɔlaa ɖe, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, tsi tre ɖe eƒe axa dzi, eye, nukutɔe, ameha la le tetem yi megbe vaseɖe esime Mawu ƒe subɔla la kpɔ mɔnu do go tso afɔku la me, hedzo le ŋutifafa me.UGL 232.1

    Le eƒe ɖaseɖiɖia ɖe me, ku ɖe eƒe gege ɖe ameha dzeaɖaʋaa ɖe ƒe asi me ŋu la, egblɔ be: “Esi míele to ɖim yina ɖe dua me, le gbeme-mɔa ɖe, si le ɖiɖím ŋutɔ dzi la, ame geɖewo dze agbagba be yewoatutum ƒu anyi, ale be ne memli keke vakɔ ɖe toa gɔme la, nyemagate ŋu atsi tre o. Gake nyemedze anyi o, nyemeɖiɖi hã o, vaseɖe esime medo go tso woƒe asi me keŋkeŋ. To gbɔ be ame geɖewo do asi ɖa be yewoalé nye awu ƒe kɔme alo eƒe afia ɖe ahem ƒu anyi hã la, wo dome amea ɖeke mete ŋu lém o, negbe ame ɖeka koe te ŋu ku ɖe nye awu-dzi-wuvi la ƒe akpa ɖeka ŋu sesiẽ eye wòdze, tsi esi me. Akpa evelia, si ƒe kotoku me agbalẽ-gaa ɖe le la, hã dze ɖe eve. Ŋutsu triakɔa ɖe, si gogom la, le kpo trikpoa ɖe dom nam tso megbe. Nenye ɖee wòƒo nye ʋuɖome zi ɖeka pɛ ko la, anye ne magaɖu aya geɖe ma anɔ ƒonyem o. Gake ɖeko wòwɔ nam abe akpoxɔnua ɖe le kpo la ƒe mɔ glɔm yi afi bubu ene, elabe nye ŋutɔ nyemate ŋu aɖe ɖusi alo mia awɔ naneke o. Ame bubu, si hã wɔ avu te gogom la, kɔ asi yi ya me be yeaƒom, kasia, eɖiɖi asi la da ɖe nye ta dzi hele asi lim ta nam le gbɔgblɔm be : “O, aleke eƒe ɖa le belibeli ale!” Ame gbãtɔ, siwo ƒe dzi ŋu woka asi la, woenye dua me ƒe aglãdzelawo ƒe kplɔla, siwo le klalo na howɔwɔ ɖesiaɖe. Wo dometɔ ɖeka ŋutɔ hã nye kametela le Sisiblisi-bɔ me.UGL 232.2

    Mɔ kawo dzi Mawu tona hea mí blewu yia eƒe lɔlɔnu dzi wɔwɔ gbɔ? Ƒe eve enye si va yi, esi kpea ɖe gli to nye abɔta yii. Nu sia le eme vam ƒe ɖeka yome, esi mexɔ kpe ɖe nye ŋugbladome. Ɣleti ɖekae nye esia kpea ɖe lɔm, eye ɣetrɔ sia mexɔ kpe eve: gbãtɔ, hafi mage ɖe dua me, ke evelia esi míele go dom la; gake ɖeke mewɔ nu veviem o. Elabe, to gbɔ be gbãtɔa lɔ nye akɔta kple ŋusẽ, eye evelia dze nye nu dzi kple ŋusẽ ale gbegbe be ʋu gba blem enumake hã la, nyemese vevea ɖeke kura o; ɖe ko wòle abe aƒlati wotsɔ ƒom ene.- John Wesley, Works , vol 3, p. 297, 298.UGL 233.1

    Ɣemaɣi ƒe Methodistɔwo nye xɔsetɔ gblɔewo, siwo ganye gbeƒãɖelawo hã. Woxɔa fewuɖuɖu kple yometitiwo tso hameviwo kple dzimaxɔsetɔwo sia gbɔ, eye dzimaxɔsetɔwo ƒe dziku ɖe wo ŋuti la tsona nusi hameviwo gblɔna na wo tso Methodistɔwo ŋuti la gbɔ. Wokplɔa wo edziedzi yia ʋɔnudrɔƒe, siwo menye ʋɔnu dzɔdzɔea ɖeke teƒe ɣemaɣi o. Wokpea fu geɖe tso wo yometilawo si me. Wodɔna amehawo, woɖia tsa tso aƒe me yi aƒe me, eye wogbãna zikpuiwo kple nu xɔasiwo, hetsɔa nusi dzro wo la dzonae; woƒoa ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Zi geɖe la, woŋlɔna nu kana ɖe ablɔwo dzi, wɔa yɔyɔ na amesiwo di be yewoakpe ɖe wo ŋuti ne woayi agbã nu, alɔ nu le Methodistɔwo ƒe aƒewo me le ŋkekea ɖe kple gaƒoƒoa ɖe dzi, eye woƒoa ƒu le teƒea ɖe na dɔ sia wɔwɔ. Wote ŋu dana amegbetɔ kple Mawu ƒe sewo dzi tohehe makpɔ. Alea ye woti dukɔmevia ɖewo yome sesiẽ, le esi ko wodi be yewoakpe ɖe vɔwɔlawo ŋuti be woadzo le tsɔtsrɔ̃ ƒe mɔ dzi, ayi ɖe kɔkɔenyenye mɔ dzi la ta.UGL 233.2

    Le eƒe nuƒoƒo tso nya, siwo wotsɔna ɖe eyama kple eƒe hadɔwɔlawo ŋuti ŋu me la, Yohanes Wesley gblɔ be: “Amewo gblɔna be amemawo ƒe nufiafiawo nye alakpa, nudadafiafia, wɔwuidzoxɔxɔ, nu yeye, siwo amea ɖeke mese do ŋgɔ kpɔ o, Kuekawo (Quaker) ƒe dzixɔse kple Papa ƒe nuwɔnawo. Nyatsɔɖameŋu siawo katã kpɔ woƒe ŋuɖoɖo blibo tso gɔmedzedzea ke, esi míeɖee fia be míaƒe nufiafiawo ƒe alɔdzeawo katã nye Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia vavã siwo me míaƒe hame la ŋutɔ ʋu nyuie. Eyata ne Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo nye Nyateƒe la, nufiafiawo mate ŋu anye aʋatso alo nudadafiafia o.” “Ame bubuwo ya be woƒe nufiafiawo sesẽ akpa, eye wona be dziƒo ƒe mɔ la xaxa; esia ŋutɔe nye woƒe nyati gãtɔ, si dzi wonɔ te ɖo, si wolé ɖe asi didie, eye wòɣlana ɖe nyatsɔɖeameŋu akpeakpe bubu, siwo vana le nɔnɔme vovowo me la, gɔme. Evɔ ɖe, ɖee wona dziƒo ƒe mɔ la xaxa wú alesi mía Aƒetɔ Yesu kple eƒe Apostolowo wɔe enea? Ɖe wosesẽ wú Bibliame ƒe nufiafiawoa? Míakpɔ nya suɛa ɖewo, siwo me kɔ ƒãa la ɖa: “Nàlɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔa wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Luka 10: 27.) “Eye mele egblɔm na mi bena : Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, woabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔgbe-ŋkeke la dzi.” Mateo 12: 36.). “Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.” (Kor. I 10: 31 ).UGL 234.1

    Ne Methodist nufiafia la sesẽ wú nya siawo la, ekem wonye vodalawo, gake mienya le miaƒe dzitsinyawo me be mele nenema o. Amekae ate ŋu aɖiɖi Ŋɔŋlɔa ƒe ŋusẽ iota ɖeka ye mahe gbegblẽ de Mawu ƒe Nya la me oa? Mawu ƒe nuɣaɣlawo fiala la, ɖee woakpɔe nuteƒewɔla, nenye be etrɔ nane le kesinɔnu kɔkɔe sia ŋua? Kpao! Mate ŋu agbɔdzɔ naneke alo awɔ naneke bɔbɔe o; ele nɛ be wòana amesiame nanya be womate ŋu aɖiɖi Ŋɔŋlɔawo va gɔme le wo gbɔ o. Ele na wo be woayi ɖe egbɔ le eƒe kɔkɔƒe la, ne menye nenem o la, woakpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ. Nya sia tututue le gɔme na dukɔa ƒe ɣlidodo ɖe ‘amemawo’ ta, ‘amemawo’ siwo ŋuti wogblɔna le be lɔlɔ̃ mele wo me o la. Nyateƒe wònye be lɔlɔ̃ mele wome oa? Aleke wɔ? Ɖee womenaa nuɖuɖu amesiwo dɔ le wuwum la oa, doa awu na amamanɔlawo oa? Ao! Menye nya la enye ema o, womeda vo le go mawo me o; lɔlɔa ɖeke menɔa woƒe ʋɔŋudɔdrɔwo me o! wosusuna be amea ɖeke makpɔ ɖeɖe o, negbe amesiwo to yewo ƒe mɔ la ko. Ibid, vol.3, p. 152, 153.UGL 234.2

    Gbɔgbɔme ƒe gbegblẽ, si nɔ Aŋlisiwo de, do ŋgɔ na Wesley ƒe vava la ƒe akpa gãtɔ enye antinomia, alo ‘se megali o’ ƒe nufiafia ƒe metsonu. Gbeƒãɖelaa ɖewo fia nu be Kristo va ɖe se ewoawo ɖa, eyata meganye dzizizi na kristotɔwo be woalé wo me ɖe asi o, eye bena woɖe dɔnyuiwɔwɔ ƒe kɔkuti la ɖa le xɔsetɔwo dzi. (246) Bubuawo xɔe se be Se la le mavɔ, gake wogblɔna be mehiã be osɔfowo naxlɔ̃ nu amewo be woawɔ wo dzi o, elabena amesiwo Mawu tia na ɖeɖe la, eya ŋutɔ ƒe amenuve-ŋusẽ atutu wo yi mawusosroɖa kple dɛ̃ nyui ɖeɖefia me, eye amesiwo li na tsɔtsrɔ̃ mavɔ la mate ŋu akpɔ ŋusẽ awɔ ɖe Seawo dzi gbeɖe o.UGL 235.1

    Ame bubuwo hã be “ametiatia mate ŋu akpɔ gege le amenuveve me o, eye mate ŋu abú Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ o”; alea ye wova taƒonya nyɔŋu sia gbɔ bena “wɔna vɔɖi, siwo yewoawɔ la, menye vodada o, womakpɔe hã abe Mawu ƒe Se dzi dada ene o, eyata menye nu, si me wòle be yewoaʋu, alo ase veve ɖe eta hena eɖeɖe ɖa o.” -McClintock & Strong, Cyclopedia , art. “Antinomians”. Esia ta wogblɔna be ‘nu vɔɖi gãtɔwo dometɔ ɖeka, si amewo katã akpɔ be enye Mawu ƒe Se dzi dada la, manye nenema le eya ŋutɔ ƒe ŋku me,’ nenye be eƒe ame tiatiaa ɖe ye wɔe o’, elabena nusiwo nana ametiatiawo toa vovo la dometɔ ɖeka enye be womate ŋu awɔ naneke, si ado dziku na Mawu, alo, si Se la agbe o.UGL 235.2

    Nufiafia dziŋɔ̃ sia sɔ kple Roma-hamea ƒe ‘hoɖoɖo’ si gblɔ be “Papa kpɔ ŋusẽ atrɔ Se la, ana be vɔ̃ nazu nyui, eye bena to Seawo tɔtrɔ me la, ateŋu tso nya me alo adrɔ̃ ʋɔnu, siwo atsi tre ɖe Mawu kple amegbetɔwo ƒe sewo ŋuti faa”. Nufiafia ƒomevi eve siawo nye susu, siwo tso gbɔgbɔ ɖeka ko me- gbɔgbɔ ma, si dze eƒe dɔ gɔme le dziƒonɔla, siwo me nuvɔ̃ menɔ o la dome, kple susu be yeagbã Mawu ƒe Sea ƒe ɖoɖo dzɔdzɔeawo aƒu anyi la.UGL 235.3

    Nufiafia, si na woxɔe se be Mawu ƒe ɖoɖowo wɔ amegbetɔ ɖesiaɖe kple dẽ matrɔmatrɔ la, hã tutu ame geɖewo yi nu gbegbe le Mawu ƒe Seawo gbɔ. Wesley tsi tre kple ŋusẽ ɖe antinomia alo semanɔanyi ƒe nu dadafialawo ŋuti, eye wòɖee fia be nufiafia sia metso Biblia me o. “Elabena Mawu ƒe amenuveve la ɖe eɖokui fia hetsɔ xɔxɔ vɛ na amewo katã.” (Tito 2: 11) ) “Elabena esia nyo, eye wòdze Mawu, mía Xɔla ŋu, amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava Nyateƒe ƒe sidzedze la me. Elabena Mawu ɖeka kple Avuléla ɖeka, si nye ame Kristo Yesu la koe li, amesi tsɔ eɖokui na abe fexexe ɖe amewo katã ta la ene...” (Timo.I, 2: 3-6 ) Wotsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ la na faa, ale be woana amesiame asinukpɔkpɔ hena agbe mavɔ la. Ale be Kristo, si nye “Kekeli vavã la”, “klẽna ɖe amesiame, si va xexeame la me” (Yohanes 1:9) Amesiwo makpɔ ɖeɖe o la, kpɔ gege le esime woawoŋutɔ sẽ to gbe agbe mavɔ nunana la.UGL 236.1

    Le eƒe nyaŋuɖoɖo, ku ɖe nufiafia, si gblɔ be Kristo ƒe ku tutu Se ewoawo kple kɔnuwo ƒe ɖoɖowo ŋuti me la, Wesley gblɔ be: “Dɛ̃ nyui ƒe Se, siwo nye Se ewoawo, siwo dzi Nyagblɔɖilawo ɖo kpe la, Kristo meɖe wo ɖa o. Meva be yeaɖe Seawo ƒe akpaa ɖeke ɖa o. Se wònye, si womate ŋu aɖe ɖa gbeɖe o, si li, maʋãmaʋã, abe ɖaseɖila nyateƒetɔ le dziƒo ene. Eli tso gɔmedzedzea ke, eye woŋlɔe, menye ɖe kpe dzi o, ke ɖe amegbetɔvi, siwo katã do tso Mawu ƒe asi me la, ƒe dzi me. To gbɔ be Mawu gaŋlɔ̃ wo kple eƒe asibidɛ ɖe kpe dzi, eye egbea, nuvɔ̃ vaɖe eƒe akpa geɖewo ɖa hã la, womate ŋu abú keŋkeŋ, zi alesi míeganya nusi nye nyui kple vɔ̃ la o. Ele be Se sia, le eƒe blibodede me, nakpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ ƒomea katã dzi le ɣeyiɣiawo katã me, tɔtrɔa ɖeke manɔŋui; abe nusi meku ɖe ɣeyiɣi alo teƒea ɖeke ŋu o, ke ɖe Mawu ƒe nɔnɔme, amegbetɔ ƒe nɔnɔme kple kadede matrɔmatrɔ, si bla wo la ŋu ene.UGL 236.2

    “Nyemeva bena ma tu Se la o, ke boŋ be mawɔ edzi.” Ɖikeke mele me o be nyati sia ƒe gɔmesese wɔ ɖeka kple nusi do ŋgɔ nɛ, kple nusi gadze eyome la: Meva be maɖoe anyi le eƒe blibodede me, to gbɔ be amegbetɔwo tsɔ gɔmesese bubuwo nɛ hã la, meva be maklẽ ɖe afisi do viviti kple afisi me mekɔ nyui o la dzi; meva be magblɔ nusi nye eƒe akpa ɖesiaɖe ƒe gɔmesese vavã kple asixɔxɔ blibo la; be mafia mi Se ɖesiaɖe ƒe didime, kekeme, lolome, eƒe kɔkɔme, goglome, eƒe dzadzɛnyenye manyagblɔ kple gbɔgbɔmenu, si wònye la.”UGL 236.3

    Wesley gblɔna be ɖekawɔwɔ blibo le Se la kple Nyanyui la dome. “Kadede deto, si ko woate ŋu susu la, le Sea kple Nyanyuia dome. Le go ɖeka me, Se la kplɔa mí enuenu yia Nyanyui la gbɔ, heɖoa ŋui na mí. Le go bubu me, Nyanyui la hea mí madzudzɔmadzudzɔe va Sea dziwɔwɔ pɛpɛpɛ gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, Se la gblɔna na mí be míalɔ̃ Mawu, alɔ̃ mía havi, agbɔ dzi ɖi, abɔbɔ míaɖokui, anye ame kɔkɔewo. Míese le míaɖokui me be nusiawo manya wɔ na mí o, alo ŋutɔ gɔ̃ hã be amegbetɔ mateŋui o; gake míekpɔ be Mawu do ŋugbe be yeana mí lɔlɔ̃ ma, awɔ mí bɔbɔenyenyemewo, ana mí bɔbɔenyenye, awɔ mí kɔkɔe. Míeziɔ ɖe eƒe Nyanyui la ŋu. Evana me na mí le míaƒe xɔse nu, eye Se la ƒe dzɔdzɔenyenye zua wɔwɔ le mía me to Yesu Kristo dzi xɔxɔse me.”UGL 237.1

    Wesley be: “Kristo ƒe Nyanyuia ƒe futɔ gãtɔwo ƒe gbãtɔwoe nye amesiwo bua fɔ Sea le gaglãgbe, gblɔa nya baɖawo tsoa eŋu, fiaa amewo be woada, menye Sea ɖeka, suɛtɔ alo gãtɔa ƒe biabiawo ko dzi o, ke boŋ Seawo katã tɔ dzi, ɖeke maɖeleme.”Nusi gawɔ nuku ŋutɔŋutɔ le nusiwo kplɔna nudadafiafia siawo ɖo la enye be amesiwo ge ɖe eme la xɔnɛ se, le nyateƒe me, be yewo le bubu dem Kristo ŋuti to eƒe Sea gbagbã me, hele eƒe dɔ la dom ɖe dzi to eƒe nufiafiawo tsɔtsrɔ̃ me. Ɛ, nyateƒe. Wole eƒe ŋkɔ dom ɖe dzi abe Yuda ene, esi wògblɔ be: “Medo gbe na wo Aƒetɔ”, eye wòɖuɖɔ nu nɛ la. Ke Kristo hã ate ŋu gblɔ na wo dometɔ ɖesiaɖe be: “Ɖee nèle Amegbetɔvi la dem asi to nu gbugbɔ mea?” Adee asi to nugbugbɔ me menye naneke wú be naƒo nu tso eƒe ʋu la ŋuti, vɔ aɖe eƒe fiakuku la le eta o; aɖe eƒe Sea ƒe akpaa ɖe ɖi, ahanɔ gbɔgblɔm be yele kpekpem ɖe Nyanyui la ŋuti o. Ke amea ɖeke mate ŋu asi le fɔbubu sia nu, ne eƒe gbeƒãɖeɖe xɔse la kplɔ ame yi ɖe asiɖeɖe le dɔdasia ɖe ŋuti me o; ne eƒe gbeƒãɖeɖe Kristo aɖiɖi Se suɛtɔ kekeake ƒe ŋusẽ le mɔa ɖe dzi la o. Ibid -UGL 237.2

    Wesley ƒe nyaŋuɖoɖo le yiyim na amesiwo gblɔna be gbeƒãɖeɖe Nyanyui la nye ŋuɖoɖo na Sea ƒe taɖodzinuwo katã. Míegbe nya sia vevie ŋutɔ. Menye ŋuɖoɖo na Se la ƒe taɖodzinu gbãtɔa, si nye be wòaƒo nuvɔ̃ ɖe amegbetɔwo nu, anyɔ̃ amesiwo le alɔ̃ dɔm le dzomavɔ mɔnu la o. Apostolo Paulo gblɔ be Se lae na wodze si nuvɔ, eye ne amegbetɔ ka ɖe eƒe nuvɔmenyenye dzi la hafi wòate ŋu ade dzesii le eɖokui me be yehiã Kristo ƒe ʋu, si klɔa nuvɔ̃ ɖa. Abe alesi mía Aƒetɔ ŋutɔ gblɔe ene la, menye amesiwo le lãmesẽ me lae hiã dɔyɔla o, ke dɔlélawoe. Enye nu gɔmemase be woabia dɔyɔla ƒe kpekpeɖeŋu na amesiwo le lãmesẽ me, alo esiwo susu be yewo le lãmesẽ me. Ele be woaƒoe ɖe wo nu, ne woade dzesii be yewo nye dɔnɔwo hafi, ne menye nenem o la, womada akpe ɖe nusi woawɔ na wo ta alo fu, si woakpe ɖe wo ta o. Nusi hã si gɔmesese mele o la enye be woatsɔ Kristo ana amesiwo ƒe dzi le blibo, eye megbã kpɔ o la.” Ibid, sermon 35.-UGL 238.1

    Alea ye, le esime wònɔa gbeƒã ɖem Mawu ƒe amenuveve ƒe Nyanyuia la, Wesley wɔna ŋutete, abe Aƒetɔa ke ene, be yeade kɔkɔ kple bubu Se la ŋuti. Ewɔ dɔdasi, si Mawu tsɔ nɛ la nyuie, eye wòkpɔ eƒe ŋutikɔkɔe kutsetsewo. Le eƒe agbea ƒe nuwuwu, si to ƒe blaenyi ŋuti, esime wòwɔ ƒe blaatɔ̃ abe gbeƒãɖeɖe- tsaɖila ene vɔ la, eƒe yomedzela, siwo dze sii la, ƒe xexlẽme to luʋɔ alafa atɔ̃ ŋuti. Ke ameha siwo, to eƒe dɔwɔwɔwo me, woxɔ le tsɔtsrɔ̃ kple nuvɔ̃ ƒe gbegblẽ si me, eye wole agbe nyui nɔm, kple amesiwo, to eƒe nufiafiawo me, wowɔ kristotɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ xɔasi, detowo la, amea ɖeke mate ŋu anya woƒe xexlẽme vaseɖe esime woaƒo amesiwo woxɔ ƒle la ƒe ƒome la katã nu ƒu le Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o. Eƒe agbe nye nusɔsrɔ̃ xɔasia ɖe na Kristotɔ ɖesiaɖe. Kristo ƒe subɔla sia ƒe xɔse kple bɔbɔenyenye, dɔwɔwɔ ƒe dzo, si nu metsina o, vɔsa ƒe gbɔgbɔ kple ɖokuitsɔtsɔna naklẽ le míaƒe egbe ŋkeke ƒe hameawo me.UGL 238.2

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents