Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    20—NYƆNYƆ̃ GÃA ƉE LE SUBƆSUBƆ ME

    Wogblɔ subɔsubɔ ƒe nyɔnyɔ̃ gãa ɖe, si atso gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe tɔtrɔva kpuie me la, ƒe nya ɖi le Nyaɖeɖefia 14 ƒe mawudɔla gbãtɔa ƒe gbedasi me. Wokpɔ dɔlaa ɖe wòle “dzodzom le dziƒo titina, eye wòle Nyanyuie mavɔ la ɖe asi be yeagblɔe fia anyigbadzinɔlawo katã, dukɔwo katã, to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, kple dukɔ sia dukɔ. Ele gbeƒã ɖem gbedasi sia kple gbe gãa ɖe bena:“Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo. Mide ta agu na Amesi wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo.” (Nyaɖeɖefia 14:6,7).UGL 325.1

    Be mawudɔlae le gbeƒã ɖem toklã sia la nye nusi ƒe gɔmesese le tɔxɛ. To dziƒo ƒe aŋẽdola ƒe dzadzɛnyenye, ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe me la, edzro Dziƒo-Nunya la be wòaɖe gbedasi sia ƒe dɔ, si wɔ ge wògbɔna la, ƒe kpekpeme, ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe, si akplɔe ɖo la fia. Dɔla la ƒe dzodzo le dziƒo titina, gbe gã si wòtsɔ le gbeƒã ɖem, toklã ƒe yiyi na anyigbadzitɔwo katã, to sía to, gbegbɔgblɔ sía gbegbɔgblɔ kple dukɔ sía dukɔ la, nye nusiwo le eɖem fia kple kakaɖedzi be subɔsubɔ ƒe nudzɔdzɔ sia axɔ xexea katã me kaba kple ŋusẽ le ɣeyiɣi kpuia ɖe me.UGL 325.2

    Gbedasi la ŋutɔ le nu ƒom tso ɣeyiɣi, si me nyɔnyɔ̃ ƒe wɔna la ava eme le la ŋuti. Wona míenya be Nyanyuie mavɔ la ƒe akpaa ɖe wònye, eye wòle gbeƒã ɖem ʋɔnudɔdrɔ̃ la ƒe gɔmedzedze. Woɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ nya la le ɣeyiɣiwo katã me. Gake gbedasi sia nye Nyanyuie la ƒe akpaa ɖe, si woate ŋu aɖe gbeƒã le ŋkeke mamlɛawo ko dzi, elabena nenema ko wòanye hafi woate ŋu agblɔ le nyateƒe me be ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo. Nyagblɔɖiawo ƒo nu tso nudzɔdzɔa ɖewo ŋu, siwo kplɔ mi yi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nuʋuʋu gbɔ. Daniel ƒe agbalẽ lae wɔ esia tɔxɛ. Gake agbalẽ sia ƒe akpa, si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la, enɔ na Daniel be wòaxee, eye wòatre enu, le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu, “yi ɖe keke nuwuwu ɣeyiɣi la.” Gbedasia ɖe, si ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti, eye wòanɔ anyi ɖe nyagblɔɖiawo ƒe mevava dzi la, womate ŋu aɖe gbeƒãe do ŋgɔ na ɣeyiɣi sia o. Ke Nyagblɔɖila la gblɔ be “le ŋkeke mamlɛawo dzi la, ame geɖewo laxlẽe, eye nunya ade ŋgɔ.” (Daniel 12:4)UGL 325.3

    Apostolo Paulo klã Hame la le eŋɔli me be womegakpɔ mɔ na Kristo ƒe tɔtrɔva le ɣemawoɣi o. “Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ-me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go.” (Tesa II. 2:3) Mele be woakpɔ mɔ na Aƒetɔ ƒe vava la do ŋgɔ na megbedede gã la kple nuvɔ-me la ƒe dziɖuɖu le ɣeyiɣi didia ɖe me o. Nuvɔ-me, si dzi wogada ŋkɔ ɖo be “sedzimawɔmawɔ ƒe nu ɣaɣla”, “gbegblẽ-vi” kple “vɔɖitɔ” la, ye nye Papa ƒe dziɖuɖu, si akpɔ ŋusẽ gã le ƒe 1260 sɔŋ me, le nyagblɔɖi la nu. Ke ɣeyiɣi sia kpɔ eƒe nuwuwu le ƒe 1798 me. Alee Kristo mate ŋu ava do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma o. Ekem Paulo ƒe toklã na Hame la lɔ kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia katã ɖe nu, vakɔ ɖe ƒe 1798 me ke. Ke le ƒe sia yome koe woate ŋu aɖe gbeƒã Kristo ƒe tɔtrɔva la le.UGL 326.1

    Amea ɖeke meɖe gbeƒã sia le ƒe alafalafawo me do ŋgɔ kpɔ o. Abe alesi míekpɔe vayi ene la, Paulo hã meɖe gbeƒãe o. Eɖee fia hameviwo le eŋɔli me be, Aƒetɔ la ƒe vava le ŋgɔ boo. Ɖɔɖɔɖowɔlawo hã meɖe gbeƒã sia o. Martin Luther tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la da ɖe ƒe alafa etɔ̃ le eƒe ɣeyiɣi megbe Ekem tso ƒe 1798 dzi la, woɖe nutetre ɖa le Daniel ƒe agbalẽ la nu, eye nyagblɔɖiawo ƒe gɔmesese le vavam ale be ame geɖewo dze ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe aƒe tutu la ƒe gbeƒã ɖeɖe.UGL 326.2

    Abe ƒe alafa wuiadẽlia ƒe Reformatio la ke enea, woɖe gbeƒã Kristo ƒe tɔtrɔva le kristotɔwo ƒe du geɖewo me le ɣeyiɣi ɖeka me. Le Europa kple Amerika ƒe duwo me la, xɔsetɔwo kple gbedodoɖa-mewo se yɔyɔ na nyagblɔɖiwo sɔsrɔ, eye esi wole ŋgɔdede kpɔm le Nya kɔkɔe la sɔsrɔ̃ me la, kakaɖedzi hã le vavam na wo be nusianu ƒe nuwuwu nɔ gogom. Le du vovowo me, hamea ɖewo, de dzesii kple kakaɖedzi, le woɖokuiwo sí, wotɔxɛ wotɔxɛ, to Biblia sɔsrɔ̃ tsitotsito, me be Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe.UGL 326.3

    Le ƒe 1821 me, ƒe etɔ̃ megbe, esi Miller ke ɖe nyagblɔɖi, si ɖo kpe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gɔmedze-ƒe la ŋuti la, Yosef Wolf, le eƒe dzolelé na Mawunya kaka me le xexea me godoo la, dze gbeƒã ɖeɖe Aƒetɔ la ƒe vava kpuie la gɔme. Wolf tso Hebri ƒomea ɖe me le Germania. Fofoa nye Rabin alo nunɔla. Tso eƒe sɔhɛ me ke Wolf xɔ Kristo dzixɔse ƒe Nyateƒe la le. Enye ɖevia ɖe, si sí nunya geɖe ƒe nunana le eye, wòlɔa nusɔsrɔ. Eɖoa to adzeɖoɖo, siwo nɔ eme vam gbesiagbe le woƒe aƒe la me, afisi Hebritɔ mawusroɖalawo ƒoa ƒu le, henɔa nu ƒom tso woƒe dukɔa ƒe mɔkpɔkpɔwo, Mesia, si ava la, ƒe ŋutikɔkɔe kple Israel ɖɔɖɔɖo ƒe nyawo ŋuti. Ke gbeɖeka esi wòse wonɔ nu ƒom tso Yesu Nazaret-tɔ ŋuti la, ebia se be ameka ƒomevi wònye ma hã? Ŋuɖoɖo la enye be: “Amea ɖe, si sí talento gãa ɖe le lae, gake esi wònɔ alakpa dam be yee nye Mesia la, Sanhedrin, alo nunɔlawo ƒe ʋɔnu la tso kufia nɛ.” Ɖevi la gabia se be nukata wotsrɔ̃ Yerusalem ɖo, eye nukata ye wole aboyo me ɖo ? Fofoa ɖo eŋu be: “Nublanuinya, nublanuinya wònye, elabe Yudaviwo wù nyagblɔɖilawo.” Kasia susu va na ɖevi la be ate ŋu anye nyateƒe be Yesu Nazaret-tɔ hã nye Nyagblɔɖila vavã, eye to egbɔ be anye fɔmaɖila hã, Yudaviwo wù eya hã. —Travels and Adventures of the Rev. Joseph Wolff, vol. 1, p. 6.- Seseɖelãme sia nɔ dɔ wɔm ɖe edzi ale gbegbe be, to egbɔ be wode sé nɛ be megage ɖe kristotɔwo ƒe gbedoxɔa ɖeke me o hã la, enɔa xexenu edziedzi henɔa Mawunya sem.UGL 326.4

    Esi woxɔ ƒe adrẽ pɛ la, enɔ adegbe ƒom le aƒelika kristotɔ tsitsia ɖe ƒe ŋku me ku ɖe Israel ƒe dziɖuɖu, si gbɔna kple Mesia ƒe vava ŋuti. Ke amegã ɖeɖi la gblɔ nɛ domenyotɔe be: “Ɖevi lɔlɔtɔ, medi magblɔ na wò be Mesia vavã la enye Yesu Nazaret-tɔ, si fofowòwo klã ɖe atitsoga ŋuti abe alesi ko wowu nyagblɔɖilawo hã tsã ene. Yi aƒeme ne naxlẽ Yesaya ƒe agbalẽ ta 53 lia, eye nakpɔe kple kakaɖedzi be Yesu-Kristo enye Mawuvi la vavã.” Kasia kakaɖedzi ge ɖe eƒe dzi me. Eyi aƒeme, yiɖaxlẽ agbalẽ, si wogblɔ nɛ la, eye wòwɔ nuku nɛ alesi nyagblɔɖiawo va eme le Yesu Nazaret-tɔ la me pɛpɛpɛ la. Ɖee kristotɔ sia ƒe nya, si wògblɔ la anye nyateƒea? Ɖevi la ɖe kuku na fofoa be wòaɖe nyagblɔɖi la gɔme na ye; ke alesi dzila sia zi ɖoɖui kple ŋku, si wòtsɔ kpɔ via la, na be ɖevi la megaka atse tsɔ nya sia va fofoa gbɔ kpɔ gbeɖe o. Gake nusia na be ɖevi sia ƒe didi be yeadze sí kristotɔwo ƒe xɔsea nyuie la gasesẽ ɖe edzi vavã.UGL 327.1

    Ke eƒe dzilawo ɣla nusi dim wòle la ɖee vevie ŋtɔ. Esi wòtsi xɔ ƒe wuiɖekɛ la, edzo le dzilawo gbɔ, hege ɖe xexeame be yeasrɔ̃ nu, atia yeƒe xɔse, eye yeawɔ dɔ. Yudatɔwo ƒe ƒomea ɖe xɔe ɖe aƒeme ɣeyiɣia ɖe. Gake medidi hafi wonyae do go abe xɔsedadatɔ ene o. Ale wònɔ nɛ be wòalé eƒe mɔ tsɔ le xexea me, akogo, le dzikpɔla manɔanyi kple ahedada me. Enɔ tsa ɖim tso afii, yi afi kemɛ, nɔ nu srɔm kple veviedodo, eye wòfiana hebri-gbe hekpɔna eɖokui dzi. Eƒe gododo kple Roma nunɔlaa ɖe na be wòxɔ Roma ƒe xɔse la, eye wòwɔ susu be yeaxɔ tutuɖo na Mawunya kaka na yeƒe dukɔmetɔwo. Le susu sia ta, eyi nusɔsrɔ̃ dzi le COLLEGE OF THE PROPAGANDA le Roma dua me le ƒe via ɖewo megbe. Ke le afi sia, eƒe numame, si nye be meɣlana eƒe susu o, eye wògblɔa nya alesi ko wòle nɛ la, na be wotsɔ nya ɖe eŋu be enye xɔsedadatɔ. Etsina tre ɖe hamea ƒe nu wɔgboemewo ŋu, eye wòténa gbe ɖe ɖɔɖɔɖowɔwɔ, si hiã vevie la dzi. To egbɔ be hamea ƒe akametiwo na eyama gomekpɔkpɔ tɔxɛa ɖewo le gɔmedzedzea me la, wova ɖee do go le Roma ɣeyiɣi via ɖe. Woɖoe ɖe teƒe vovovowo le hamea ƒe kpɔkplɔ te. Ke esi wokpɔ be tɔtrɔa ɖeke mele eme vam o la, woɖe asi le eŋu be wòayi afisiafi si dzroe la. Azɔ̃ la, eɖo ta Aŋlisi dua me, afisi wòxɔ Protestante xɔse la le, hege ɖe Aŋlisiawo ƒe hame la me. Le ƒe eve ƒe nusɔ-srɔ̃ megbe la, ewɔ eƒe Mawunya dɔgbedede ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ le ƒe 1821 me.UGL 328.1

    Le eƒe Nyateƒe gã gbãtɔ xɔxɔ me, si nye Kristo ƒe vava gbãtɔ abe Ŋtsu-kpehiã kple amesi vevesese ma ɖo la ene la, Wolf de dzesii be nyagblɔɖiawo gaɖe eƒe vava zi evelia kple ŋusẽ, le ŋutikɔkɔe gã me la hã ɖe go kple nyati, siwo me kɔ tseŋtseŋ la. Le eƒe ŋutetewɔwɔ me be yeakplɔ etɔwo vɛ na Yesu Nazaret-tɔ la, abe Amesi ƒe ŋugbe wodo ene, si va zi gbãtɔ le bɔbɔenyenye me abe vɔsa ɖe amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ ta ene la, (345) eyi edzi gaƒo nu na wo tso eƒe tɔtrɔva ŋuti, azɔ̃ abe Fia kple Ɖela ene. Egblɔ be Yesu Nazaret-tɔ, si nye Mesia vavã la, si ƒe asi kple afɔwo woŋɔ, si wokplɔ abe alẽvi yina wuwu ge ene, si nye Ŋtsu-kpehiã, si vevesese ma ɖo la, eyae va zi gbãtɔ, esime woxɔ fiatikplɔ kple sewɔwɔ ƒe ŋusẽ le Yuda sí la, Yesu ma kee aga va zi evelia, azɔ “le dziƒo-lilikpowo dzi kple Mawudɔla gã ƒe kpẽ la.” —Joseph Wolff, Recherches et travaux missionnaires, p. 62. Anɔ te ɖe Amito la ta me. Alee dziɖuɖu, si wotsɔ na Adam tsã ɖe nuwɔwɔwo katã dzi, eye wòbui la (Mose I, 1:26; 3:17) woatrɔe ana Yesu. Aɖu Fia ɖe anyigba la katã dzi. Azɔ la, nuwɔwɔwo katã ƒe hũuɖeɖe kple ŋeŋẽwo nu latsi, eye kafukafu kple akpedahawo laxɔ afisiafi. Ne Yesu ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple dɔla kɔkɔeawo la, “amesiwo ku le Kristo me la atsi tre gbã.” Tesa.I, 4:15; Korin.I, 15:23. Esiae mía kristotɔwo míeyɔna be tsitretsitsi gbãtɔ la. Amegbetɔ kple lãwo ƒe nɔnɔme atrɔ, (Yes. 11:6-9; Ps. 8) eye Yesu aɖu Fia ɖe wo dzi. (Ps. 8). Ŋutifafa laxɔ anyigba katã dzi. —Journal du Rév. Wolff, p. 378, 379.- “Aƒetɔ la agaɖe ŋku ɖe anyigba ake, eye wòagblɔ be: “Kpɔ ɖa, nusianu nyo ŋutɔ.”- Ibid. p.294 —UGL 328.2

    Wolf xɔe se be Aƒetɔ la ƒe vava te tu aƒe. Le eƒe nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe gɔmeɖeɖe nu la, Nudzɔdzɔ gã la ava eme le ƒe via ɖewo me do ŋgɔ na azãgbe, si Miller ɖo la. Ne amewo gblɔ nɛ be “amea ɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo la o, eye bena amegbetɔa ɖeke mate ŋu anya eƒe vava ƒe ŋkeke la o la, Wolf ɖoa eŋuti bena: “Ɖe mía Aƒetɔ la gblɔ be amea ɖeke manya eƒe vava ƒe ŋkeke la, alo gaƒoƒo la gbeɖe oa? Ɖe mena ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo mí ale bena ne míate ŋu anya kple kakaɖedzi ne eƒe vava gogo la oa, abe alesi míedzea sí dzomeŋɔli ƒe vava to gboti ƒe aŋgba yeyewo toto me ene oa? (Mateo 24:32). Ɖe wònye be mímanya ɣeyiɣi la gbeɖe oa, to egbɔ be eya ŋutɔ nɔ nu xlɔm mí, menye bena míanɔ Daniel ƒe nyagblɔɖiawo xlẽm ɖeɖe ko o, ke be míanɔ wogɔme sem hã? Eye le agbalẽ sia tutu me la, wogblɔ be woatre enu yi ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi (eye wònɔ nenema le eŋɔli me), eye bena le eyome la, amewo lato eme, (si gɔme le Hebri-gbe me enye be) amewo lakpɔ ɣeyiɣi la eye woade ŋugble tso eŋu, eye nunya (ku ɖe ɣeyiɣi ŋu) la adzi ɖe edzi? (Daniel 12:4) Gawu la, Aƒetɔ la megblɔ gbeɖe bena amea ɖeke manya ne ɣeyiɣi la te tu aƒe o, ke eƒe vava ƒe gaƒoƒo kple ŋkeke la koe amea ɖeke menya o. Egblɔ be míanya nusi hiã mí ku ɖe ɣeyiɣia ƒe dzesiawo ŋuti godoo, ale be míate ŋu adzra ɖo na nudzɔdzɔ gã ma, abe alesi Noa hã dzra ɖo le aɖaka-ʋu la kpakpa me na tɔɖɔɖɔ gã la ene. —Wolff, Recherches et travaux missionnaires, p. 404, 405.-UGL 329.1

    Ku ɖe ame geɖewo ƒe nya gɔmeɖeɖe ƒe ɖoɖowo nu, alo gɔmesese totro tsɔtsɔ na Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ŋu la, Wolf gblɔ be: “Kristotɔwo ƒe akpa gãtɔ te ɖa le Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmesese, si me kɔ la ŋuti, hetrɔ ɖe Buda-sẽlawo ƒe ŋɔli-susuɖeɖewo ŋuti, siwo xɔ se be amegbetɔ ƒe dzidzɔ mavɔ, si gbɔna lae nye be wòanɔ agba sam le ya me, tso teƒe yi teƒe. Wotsɔnae be ne woƒo nu tso Yudaviwo ŋu la, woaxɔe se be trɔsubɔlawo ƒe nya gblɔm wole; ne woxlẽ Yerusalem la, woase egɔme be hamea ye; ne wogblɔ anyigba la, woatsɔe be dziŋgɔli ye; ne woƒo nu tso Aƒetɔ ƒe vava ŋuti la, mawunya-dɔgbedede ƒe ŋgɔyiyi gblɔm wole; wogasusu be nyagbe “ayi Yehowa ƒe aƒe me” la, ƒe gɔmesesee nye “ayi Metodist-gbonuglãwo ƒe ƒuƒoƒo me.” —Journal de Joseph Wolff, p. 96.-UGL 330.1

    Le ƒe blaeve-vɔene, siwo tsò 1821 kple 1845 dome la, Wolf wɔ mɔzɔzɔ geɖe: le Afrika, eyi ɖe Egipte kple Abisinia; le Asia, eɖi tsa yi Palestina, Siria, Persia, Bukaria kple India. Ewɔ tsaɖiɖi yi Amerika-dukɔƒoƒuawo me hã, eye le eyiyi me la, enɔ te ɖe St Helena ƒukpo la dzi, afisi wògblɔ Mawunya le. Eva ɖo New York du la me le ƒe 1837 ƒe ɣleti enyilia me. Le eƒe nuƒoƒo le afisia megbe la, egagblɔ Mawunya le Filadelfia kple Baltimor, eye wòyi ɖe Washington le nuwuwu. Le eƒe nuŋɔŋlɔa ɖe me la, egblɔ be: le dukplɔla John Quincy Adams ƒe biabia nu le Congres ƒe takpekpea ɖe me la, ƒuƒoƒoa katã ɖe mɔ nam be mawɔ takpekpe le Congres ƒe xɔ gã la me. Meƒo nu le mɛmliɖaa ɖe gbe, eye takpekpeavalawoe nye Congres-metɔwo katã, Virginia ƒe episkɔpo, Washington ƒe nunɔlawo kple dumeviwo. Bubu ma ke dukplɔlawo de ŋu nye le New Jersey kple Pensilvania, eye meƒo nu na wo ku ɖe nye numekuku dɔwo le Asia ŋuti, heɖe gbeƒã na wo le Kristo ƒe fiaɖuɖu ŋu.” —Ibid., p. 398, 399.UGL 330.2

    Wolf gaɖi tsa le du makɔ-ŋkume geɖewo me, le esime mexɔ Europa dziɖuɖua ɖeke ƒe ametakpɔkpɔ kple megbenɔnɔ o, ale be wòto fukpekpe, hiãtuame sesẽwo kple afɔku gãgãwo me. Woƒoe vevie le teƒea ɖewo, xɔ eƒe nunɔamesiwo keŋ, wodzrae abe kluvi ene, eye wotso kufia nɛ zi etɔ̃ sɔŋ. Ege ɖe adzodalawo sí me. Esusɔ vie ko wòaku le tsikɔwuame ta. Ɣebuɣi, esi woda adzoe, eye woxɔ nuwo katã le esi la, enɔ nɛ be wòato afɔ ƒuƒui kpedome alafawo to towo dome le vuvɔŋɔli, eye eƒe afɔ ƒuƒlu, si atokota hã mele o la, ku sisiɖisii le anyigba ƒe fafa ta, le esime snow alo tsi-wɔ hã nɔ eƒom.UGL 330.3

    Esi woxlɔ̃ nui be mele be wòanɔ mɔ zɔm to bometsilawo dome, tú alo lãnua ɖeke matsɔ na edokuitakpɔkpɔ o la, Wolf ɖo eŋu be aʋawɔnuwo le ye si, siwo nye gbedodoɖa, dzolelé na Kristo kple kaka ɖe eƒe xɔname dzi. Eyi edzi be: “Mexɔ lɔlɔ̃ na Mawu kple hanyevi ɖe nye dzi me, eye Biblia hã le asinye.” —W.H. D. Adams, In Perils oft, p. 192.- Biblia le He bri-gbe me, kple Aŋlisi-gbe me nɔna esi le afisiafi si wòyina la. Egblɔ gbeɖeka le eƒe nuƒoƒo ku ɖe eƒe mɔzɔzɔa ɖe ŋu me la be: “Melena Biblia ʋuʋu le nye asi me. Mesena le ɖokuinye me be nye ŋusẽ le Agbalẽ sia me, eye be eƒe ŋusẽ alem ɖe tè. Ibid., p. 201. —UGL 331.1

    Nenema wònɔ dɔ dzi vaseɖe esime ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gbedasi la kaka ɖe xexeme-dukɔ geɖewo me. Ema Mawunya ƒe tata geɖewo le gbe vovovowo me, le Yudaviwo, Turki-tɔwo, Persia- tɔwo, Hinduwo, dukɔ kple gbegbɔgblɔ bubuwo dome, eye wòkaka Mesia ƒe fiaɖuɖu, si gbɔna la ƒe nya le afisiafi.UGL 331.2

    Le eƒe tsaɖiɖiwo le Bukara nutowo me le Uzbekistan la, eva ke ɖe Kristotɔa ɖe, siwo tsò tsí teƒea ɖe ŋuti, siwo xɔ Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe nya la xoxo. Ebe agbalẽa ɖe le Yemen ƒe Arabwo sí, si woyɔ be Seera, si nɔ nu ƒom tso Kristo ƒe tɔtrɔva kple eƒe ŋutikɔkɔe fiaɖuɖu la ŋuti, eye wonɔa mɔ kpɔm be nudzɔdzɔ gãgãwo ava eme le ƒe 1840 me.- Journal de Joseph Wolf, p. 377.- Menɔ Rekabit-tɔwo gbɔ ŋkeke adẽ le Yemen. (347) Womenona wein o, womedena wein-gble o, womeƒãna nukua ɖeke o; wonɔa agbadɔ me, eye woɖoa ŋku Yonadab, Rekab-vi la ƒe nya. Israel-via ɖewo, siwo tso Dan ƒe to me la, hã le kpli wo, eye wonɔa mɔ kpɔm, abe Rekab-viwo ke ene, na Mesia ƒe tɔtrɔva kpuie le alilikpowo dzi. —Ibid., p. 389.-UGL 331.3

    Mawunya dɔgbedela bubu hã do gò xɔse sia tɔgbi le Turkmenistan. Tartaria ƒe nunɔlaa ɖe bia dogbedela sia be ɣekaɣie Kristo ava zi evelia hã, eye wòɖo eŋu be yemenyae o. Ewɔ mo ya na nunɔla sia be dɔgbedela, si be yele Biblia fiam la, menya nya sia o, eye wògblɔ nɛ be yèxɔe se be le nyagblɔɖiwo ƒe xɔse nu la, Kristo atrɔva le ƒe 1844 go dzi.UGL 332.1

    Wose Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe nufiafia le Aŋlisi-blɔtsi le ƒe 1826 me ke, gake nufiafia sia mede ŋgɔ abe alesi wònɔ le Amerika nyigba dzi ene o. Womeƒo nu kple kakaɖedzi ku ɖe vavaɣi la ŋuti o, to egbɔ be wonɔ gbeƒã ɖem Ɖela ƒe vava le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe me hã la. Menye tsitretsilawo alo Ha gã makplɔɖolawo ɖeɖe koe nɔ gbeƒã sia ɖem o. Aŋlisi nuŋlɔlaa ɖe, Mourant Brock, gblɔ be Anglikan hamea ƒe osɔfo alafa adrẽ nɔ fiaɖuƒe Nyanyui la kakam. Le Aŋlisi-dua me hã, gbeƒãɖelawo na woanya be Kristo atrɔ va le ƒe 1844 me. Wokaka Mɔkpɔlawo ƒe agbalẽ tata, siwo woxɔ tso Amerika la le afisiafi. Nenema ke woma agbalẽwo kple nyadzɔdzɔ gbalẽwo ku ɖe gbedasi sia ŋu la le dua katã me. Le ƒe 1842 me la, Robert Winter, Aŋlisi kristotɔa ɖe, si xɔ Mɔkpɔlawo ƒe xɔse le Amerika la, gbɔ va wodé be yèakaka Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva-nya la. Ame geɖewo wɔ ɖeka kplii, eye woɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gogo le teƒeteƒewo.UGL 332.2

    Le Dziehe-Amerika hã, woɖe gbeƒã sia le katoliko nunɔlawo ƒe hlɔnu kple tsigɔmenuwɔwɔwo me. Eva eme be Spania ƒe Yezuit nunɔla Lakunza va ke ŋku ɖe Ŋɔŋlɔkɔ kɔeawo me, eye wòde dzesii be Kristo atrɔ va kpuie. Edi vevie be yèakaka toklãnya sia, gake egale vɔvɔm na Roma ƒe tohehe. (349) Ale wòtrɔ ŋkɔ be Rabbi Ben-Ezra, abe Yudavi-zu-kristotɔ ene, heŋlɔ agbalẽa ɖe, si me eƒe nufiafiawo le la. Lakunza nɔ agbe le ƒe alafa wuienyi lia me. Eƒe agbalẽ la ge ɖe London-dua me le ƒe 1825, eye esi woɖe egɔme ɖe Aŋlisi-gbe me la, ame geɖewo ƒe susu ganyɔ sɔ gbɔ le Yesu ƒe vava ŋuti.UGL 332.3

    Le Germania, Luther Nyanyui-Hame ƒe osɔfo Bengel, Bibliame dzrola xɔŋkɔ, ye nɔ ŋgɔ na nufiafia sia le ƒe alafa wuienyilia me. Esi wòwu suku nu la, eƒe dẽ, mawusubɔsubɔ lɔlɔ̃ kple hehe, si wòxɔ do ŋgɔ tso dzilawo gbɔ la, kplɔe yi ɖe Mawunya sɔsrɔ̃ gbɔ. Abe sɔhɛ fatu, tamebula, siwo do ŋgɔ na eyama kple esiwo kplɔe ɖo ene la, ewɔ ʋiʋli geɖe le ɖikeke kple xaxa, siwo tso subɔsubɔ ƒe nɔnɔmewo ŋuti me, eye woƒoa nu kple nyati wɔdɔɖeamedziwo, ku ɖe aŋutrɔ geɖe, siwo ƒo ɖe eƒe dzi dahe la me, hena be eƒe sɔhɛ-gbe la zu vevesese ƒe agbe. Esi wòva zu Wurttemberg ƒe sewɔƒe, si kpɔa subɔsubɔ nyawo gbɔ menɔla la, ewɔ ʋiʋli geɖe na vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me, eye wòbia be woana “ablɔɖe, si hiã la, amesiame, si ƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòaganɔ ha gã, si li xoxo la me o.”- Encyclopedia Britannica, art. Bengel.- Eƒe dumetɔwo gasusɔ le gome kpɔm le eƒe ɖoɖo nyuiwo me egbea.UGL 332.4

    Gbeɖeka, esi wòle Nyaɖeɖefia 21 me dzrom hele dɔ wɔm le gbeƒã, si ɖe ge wòle le “Advento kwasiɖaa” ɖe gbe la, Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe kekeli la klẽ ɖe eƒe gbɔgbɔ me. Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖiawo me kɔ nɛ ƒãa enumake abe alesi mekɔ nɛ kpɔ o ene. Alesi nudzɔdzɔ sia kpɔkpɔ le susu me ƒe kpekpeme kple ŋutikɔkɔe wɔ dɔ ɖe edzi la na be wòɖe asi le eŋu ɣeyiɣia ɖe. Gake esi wòva de nyagblɔtia dzi la, nyagblɔɖi sia ƒe nudzɔdzɔ la gaklẽ ɖe susu me nɛ kple ŋusẽ. Tso ɣeyiɣi sia dzi la, etsɔ eƒe ŋutetewo katã de nyagblɔɖiwo, tɔxɛ, Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖiawo me dzodzro me, eye wòva de dzesii kple kakaɖedzi be wole nu ƒom tso Kristo ƒe tɔtrɔva kpuie la ŋuti. Azã si wòɖo na Ɖela ƒe vava zi evelia la medidi kura tso esi Miller hã ɖe ɖe go emegbe la gbɔ o. UGL 333.1

    Bengel ƒe nuŋɔŋlɔwo kaka ɖe kristotɔ ƒe duwo me keŋ. Eƒe nukpɔkpɔ ku ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti la nye nusi ame geɖewo xɔ le ede-du me, le Wurtemberg kple Germania ƒe teƒe vovowo me. Le eƒe ku megbe la, eƒe nufiafiawo ganɔ dɔ wɔm, eye Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe gbedasi la nɔ ɖiɖim le Germania le ɣeyiɣi, si me ke wònɔ esem le du bubuwo me hã. Do ŋgɔ na ɣeyiɣi sia la, Germania xɔsetɔa ɖewo yi ɖe Rɔsia, afisi wotso dua ɖewo le. Keke va ɖo ŋkeke siawo me la, Germaniatɔwo ƒe kristo-hamewo le du sia me galé Yesu ƒe vava kpuie ƒe nya la ɖe asi vevie.UGL 333.2

    Kekeli la nɔ keklẽm le Frans kple Switzerland hã. Le Geneva, afisi Farel kple Kalvin woƒã Nyateƒea ƒe kuwo le, le Reformatio ƒe ɣeyiɣiwo me la, Gausen ɖe gbeƒã Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva kpuie ƒe nya la. Gɔmesese, si nɔ anyi le eƒe sukuɣiwo me, eye wòwɔ dɔ ɖe edzi geɖe lae nye amegbetɔ ƒe susuɖeɖe ƒe gɔmeɖokpe nyenye na xɔse, nuwɔwɔ kple nunya ɖesiaɖe. Gbɔgbɔ sia xɔ Europa katã tso ƒe alafa wuienyilia ƒe nuwuwu yi ɖe wuieasiekelia ƒe gɔmedzedze. Esiata le eƒe dɔ gɔmedzedze me la, menyaa nusi nye xɔse gbagbe la o, eye wòganye amesi me ɖikeke le fũu. Le eƒe sɔhɛ me la, nyagblɔɖiwo sɔsrɔ̃ nye nusi nɔa enu vivim tso ɣeyiɣia ɖe. Ke esi wònɔ Rollin ƒe Blema Ŋutinyawo ƒe agbalẽ xlẽm la, ewɔ moya nɛ geɖe alesi nyagblɔɖiwo va eme pɛpɛpɛ la. Esia nye kakaɖedzi ɖaseɖiɖi gãa ɖe nɛ ku ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe mawumetsotso ŋuti, si va zu seke na eƒe xɔse ƒe kelili le afɔku gãgã, siwo me wòto ƒe geɖewo megbe la. Azɔ la, ame ƒe susuɖeɖe ƒe nuwo katã ta ƒoƒo ƒe nusɔsrɔ,̃ siwo wòxɔ tsã la, mega ɖo asixɔxɔ nɛ o. Esi wònɔ Ŋɔŋlɔawo srɔm henɔ kekeli dimla, eƒe xɔse la nɔ tsitsim ɖe dzi.UGL 333.3

    Alee le nyagblɔɖiawo sɔsrɔ̃ me la, eva ke ɖe eŋu kple kakaɖeɖzi be Kristo ƒe tɔtrɔva gogo. Alesi Nyateƒe gã sia ƒe vevienyenye wɔ dɔ ɖe edzi la na be wòkpɔ be ele vevie be yeagblɔe fia xexeme la, gake afɔklinu gã, si xe mɔ nɛ lae nye nusi amewo xɔna se ɣemaɣi be nuɣaɣla geɖewo ƒo xlã Daniel ƒe agbalẽ la. Ke le nuwuwu la, evaɖo kpe afɔɖeɖea ɖe dzi. Abe alesi Froment wɔ do ŋgɔ nɛ le Geneva ene la, edze nufifia tso ɖeviwo dzi. Eƒe susu enye be to wo dzi la, yeahe wo dzilawo va nusɔsrɔ̃ sia gbɔ. UGL 334.1

    Le eƒe afɔɖeɖe sia gɔmeɖeɖe me la, egblɔ be: “Medi be woase egɔme be, menye nya sia ƒe gblɔenyenye tae o, ke boŋ le eƒe asi gã xɔxɔ tae medi be mawɔ eƒe nufiafia le nɔnɔme, si anɔ bɔbɔe na gɔmesese la me; eyata medze egɔme tso ɖeviwo dzi. Medi be amewo nase nye nya, eye mevɔ̃ be ne meyi ame tsitsiwo gbɔ gbã la, anye ne womeɖo tom o.UGL 334.2

    Ne meyi wo gbɔ be maxɔ woƒe gaƒoƒowo kple dɔwɔɣiwo le wo sí la, woatrɔ megbe adem. Eyata meɖoe be maƒo ƒu ɖeviwo, eye ne wole nyawo sem, wòle wo nu vivim la, ƒuƒoƒoa akeke ta eye tsitsiawo, siwo ate gogo wo la, ake ɖe nya sia ƒe asixɔxɔ ŋu. Ekem madidi o la, woawo hã aƒo ƒu ɖe woŋuti, eye woakpɔe be enyo be yewo anɔ anyi asrɔ̃ nu. Ne eva eme alea la, Nyanyui la akpɔ dziɖuɖu. —L. Gaussen, Daniel le Prophete, vol. 2, Preface- .UGL 334.3

    Susu sia kpɔ emevava. To egbɔ ɖeviwo wònɔa nusɔsrɔ̃ wɔm na hã, ame tsitsiwo hã va ɖona toe. Eƒe gbedoxɔa ƒe nɔƒewo katã yɔna kple nyasela, siwo ɖoa to kple movevie, siwo dometɔ geɖewo nye ŋkutamewo, nunyalawo, kple amedzro mɔzɔla, siwo to Geneva va nɔ yiyim, ale be to wo dzi la, nufiafia siawo nɔa kakam ɖe duta hã.UGL 335.1

    Dziɖuɖu sia de dzi ƒo na Gausen geɖe, eye wògawɔ afɔɖeɖe bubu, si nye be wòata eƒe nusɔsrɔgbalẽwo, ne wòanye ŋusẽdodo na nyagblɔɖi gbalẽwo sɔsrɔ̃ le Franse-gbe hamewo me. Gausen be: “To ɖeviwo ƒe nusɔsrɔ̃ ku ɖe nyagblɔɖila Daniel ŋuti ƒe agbalẽwo tata me la, medi be magblɔ na tsitsiawo, siwo melɔna nyagblɔɖiawo sɔsrɔ̃ o, kple taflatsɛ sia be wodo viviti la, be aleke woate ŋu agblɔ be wodo viviti, le esime ɖeviwo ya le wo gɔme sem nyuie ma hã?” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be: “Medi vevie le nye dzi me be, ne mate ŋui la, mana amesiame nanya nyagblɔɖiawo le míaƒe alẽhawo me. Mexɔe se be nusɔsrɔa ɖeke meli, si wɔ ɖeka kple míaƒe egbe ŋkekewo ƒe hiãwo abe eya ene o. To mɔ sia dzi koe míate ŋu adzra ɖo le na xaxayi, si le ŋgɔ gbɔna la, anɔ mɔ kpɔm na Yesu Kristo ƒe vava la.UGL 335.2

    To egbɔ be Gausen nye gbeƒãɖela gã, siwo ƒe nya gbɔ wolɔna ŋtɔ le Geneva dometɔ ɖeka hã la, woxɔ dɔ le esi abe du-Hamea ƒe Osɔfo gã ene. Vodada gã, si wotsɔ ɖe eŋu la koe nye be ewɔa Biblia ŋuti dɔ le nufiafia ɖeviwo me, le esime wòatsɔ hamea ƒe nufiagbalẽ, si nye katekismo la boŋ. Katekismo sia nye agbalẽa ɖe, si me agbe mele o, eyɔ kple amegbetɔ ƒe susuɖeɖewo, eye xɔse ɖeɖefia ƒe nyaa ɖeke kloe mele eme o. Le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, wobia tso esi be wòanye Mawunya nufiala le sukukɔkɔ me. Enɔa esia wɔm, eye le kwasiɖagbe la, egayia Mawunya fiafia ɖeviwo dzi, heƒoa nu na wo le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me. Eƒe agbalẽwo ku ɖe nyagblɔɖiwo ŋu wɔ dɔ ɖe amewo dzi ŋutɔ. Abe sukukɔkɔ nufiala, nuŋlɔla kple katekismo fiala enea, eƒe dɔwɔwɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ƒe geɖe, eye wòhe kristotɔ geɖewo ƒe susu va nyagblɔɖi, siwo le eɖem fia be Aƒetɔ ƒe vava gogo la, me kuku dzi.UGL 335.3

    Woɖe gbeƒã Kristo ƒe tɔtrɔva nya la le Skandinavia hã, eye amewo xɔe nyuie le dua katã me. Kristotɔ geɖewo do go le woƒe ɖokuifuflu ƒe dedienɔnɔ me, eye woʋu woƒe nuvɔwo me, heɖe así le wo ŋu, eye wobia tsɔtsɔke le Kristo ƒe ŋkɔ me. Nublanuitɔea, nunɔlawo tsi tre ɖe wɔna siawo ŋu, eye wona wolé gbeƒãɖelawo de ga. Gake le teƒea ɖewo, si wolé Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe gbeƒãɖelawo le la, Mawu ƒe nukudɔwɔwɔ na be gbeƒãɖeɖe la gayi edzi to deviwo dzi. Esi wònye be gbeƒãɖela siawo ɖevi ko wonye la, du se la mete ŋu xe mɔ na wo o. Ekem woɖe asi le wo ŋu, eye woyi ɖe dɔ la dzi, mɔxenua ɖeke manomee.UGL 336.1

    Nudzɔdzɔ siawo nɔ eme vam le dɔwɔla vovoawo dome, eye amewo ƒoa ƒu le ame gblɔewo ƒe aƒewo me na toklãnyawo sese. Ɖevi gbeƒãɖela suɛ siawo ƒe akpa gãtɔ tso agbledela-ƒomewo me. Wodometɔa ɖewo metsì wu ƒe adẽ yi ɖe enyi o. To egbɔ be woƒe wɔnawo ɖee fia be woɖo lɔlɔ̃ na Ɖela la, eye wonɔ agbagba dzem be yewo anɔ agbe le toɖoɖo Mawu ƒe ɖoɖo kɔkɔeawo me hã la, womenye ɖevi, siwo sí nunya kple nunana tɔxɛwo le wu wo nɔvi ƒeɖekamevi mamlɛawo o. Gake ne eva me be wole amehawo ŋgɔ hele nu ƒom la, edzéna gãa be wole Ŋusẽa ɖe, si menye amegbetɔ tɔ o la, ƒe kpɔkplɔ te. Woƒe gbe kple wɔnawo trɔna zi ɖeka, eye woɖea gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ, si tu aƒe la, kple ŋusẽ le nyati, siwo tso Biblia me la me: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo.” Wobua fɔ dukɔ la ƒe nuvɔwo, ɖea woƒe gbegblẽ kple nu vlowo ɖe go, kaa mo na wo ɖe woƒe lelé ɖe xexeame ŋu kple ɖekematsɔlemewo ta, eye wowɔa yɔyɔ na toɖolawo be woawɔ kaba ne woasí le dziku, si gbɔna la nu. (353) Wonɔa to ɖom kple dzodzonyanya. Mawu ƒe Gbɔgbɔ, si ƒoa nya ɖe ame nu la, nɔ nu ƒom na dziwo. Alee ame geɖewo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme tsitotsito kple veviedodo yeye. Ɖokuidzimaɖulawo kple agbevlonɔlawo trɔ agbenɔnɔ. Nuteƒemawɔlawo hã ɖe asi le woƒe wɔnawo wo ŋu, eye tɔtrɔ gãa ɖe va dua katã me, ale be du- hamea ƒe nunɔlawo gɔ̃ hã de dzesii be Mawu ƒe asi le nudzɔdzɔ siawo me.UGL 336.2

    Mawu ƒe didi enye be woaɖe gbeƒã Ɖela ƒe tɔtrɔvanya la le Skandivia ƒe duwo me hã. Esiae na be le esime wotsi gbe ɖe subɔla gbeƒãɖelawo nu la, eƒe Gbɔgbɔ kɔ ɖe ɖeviwo dzi, ale be dɔ la nazu wɔwɔ. Miaɖo ŋku be esi Yesu nɔ tetèm ɖe Yerusalem ŋuti kple amehã gãa ɖe, siwo nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ debayawo ʋuʋum henɔ aseye tsom ɖe Dawid-Vi la ŋu la, Farisitɔ, siwo yɔ kple ŋuʋaʋã la, bia tso Yesu sí be wòana amehawo nazi ɖo ɖoe. Eɖo eŋu na wo be wogblɔ nudzɔdzɔ sia ɖi xoxo, eye be ne amewo ɖo to la, kpewo ado ɣli ɖe wo teƒe. Ke esi amehawo vɔ̃ na nunɔlawo kple dumegãwo la, wodzudzɔ dzidzɔɣli la dodo, eye wo katã woge ɖe Yerusalem ƒe agbowo me, eye kasia ɖevi, siwo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo la, lɔ ɖe dzidzɔɣli la me, hele debayawo ʋuʋum gblɔ be: “Hosiana na Dawid-Vi la!” (Mateo 21:8-16 ). Nunɔlawo gakpɔ dziku ŋutɔ, eye wobia Yesu be ese nusi gblɔm ɖeviawo le mahã la, eɖo eŋu be: “Alo miexlẽe kpɔ bena : Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?” Abe alesi Mawu wɔ dɔ to ɖeviwo dzi le Kristo ƒe vava gbãtɔa ƒe ɣeyiɣi me ene la, egawɔ dɔ to wo dzi na gbeƒãɖeɖe eƒe vava zi evelia. Mawu ƒe Nya, si gblɔ be woaɖe gbeƒã Ɖela ƒe tɔtrɔva ƒe nya na amewo katã, na to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, dukɔ sía dukɔ la, ɖo lakpɔ emevava godo. UGL 337.1

    Wotsɔ gbeƒã sia ɖeɖe ƒe dɔ le Amerika de así na Miller kple eƒe hadɔwɔlawo. Du siae zu tometi na Mɔkpɔlawo ƒe azɔlĩ la. Afisiae nyagblɔɖi si le dɔla gbãtɔa ƒe gbedasia me la va eme tɛɛ le wú. Miller kple eƒe kpeɖeŋutɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo tso afisia yi ɖe didiƒe duwo me. Wotsɔ Kristo ƒe tɔtrɔva dzidzɔnya la yi xexe-du siwo katã me Nyanyuia de la me. Nanyanyui Mavɔa ƒe gbedasi :“Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo” la, kaka ɖe kpuiƒe kple didiƒe keŋ.UGL 337.2

    Nyagblɔɖiwo ƒe ɖaseɖiɖi, siwo wobui be wole Kristo ƒe tɔtrɔva kpuie ƒe azã la dam ɖe ƒe 1844 dzi la, wɔ dɔ detoa ɖe ɖe amewo ƒe gbɔgbɔ dzi. Enɔ ɖiɖim tso du yi me, yi kemɛ me, hele amewo katã ƒe susu hem va edzi. Ame geɖewo xɔe se be nyameɖeɖe, siwo tso nyagblɔɖiawo me nye nyateƒe, eye woɖe asi le woƒe ɖikekewo ŋu, hexɔ Nyateƒe la kple dzidzɔ. Nunɔlaa ɖewo ɖe así le woƒe nukpɔkpɔwo kple ɖeɖeɖaga ƒe seselelãmewo ŋuti, dzo le woƒe fetuwo kple hame, si kplɔm wole la gbɔ, hewɔ ɖeka kple gbeƒãɖelawo na Yesu ƒe vava-nya la kaka. Nunɔla, siwo xɔ nya la mede ha o, eyata wotsɔ gbedasia ƒe gbeƒãɖeɖea de así na hamevi bɔbɔenyenye-mewo. Agbledelawo dzo le woƒe agblewo, aɖaŋudɔwɔlawo ɖe así le woƒe dɔwɔnuwo ŋuti, asitsalawo dzo le woƒe asitsanuwo gbɔ, eye numekulawo dzo le woteƒewo. Gake dɔwɔlawo ƒe xexlẽme le suɛ le dɔ, si wòle be woawɔ la ƒe takeke gbɔ. Hame mavɔmawu ƒe nɔnɔme kple xexe, si nyrɔ̃ ɖe vɔɖivɔɖi me, nye nusiwo nɔ tetém ɖe gbetakpɔla vavãwo ƒe luʋɔ dzi, eye wolɔ̃ fãa be yewo ato fukpekpewo, hiãkamewo me awɔ yɔyɔ na amewo na dzimetɔtrɔ, si kplɔa ame yina ɖeɖekpɔkpɔ me. To gbɔ be Satana nɔ eƒe ŋutetewo katã wɔm be yeaxe mɔ na dɔa la, gbedasi la le ŋgɔdede kpɔm, eye ame akpeakpewo xɔ gbeƒãɖeɖe ku ɖe Aƒetɔ ƒe vava ŋuti la kple dzidzɔ. Le afi sia afi, toklãnyawo le ɖiɖim, le amesiame kpem, vɔwɔlawo, xexemelɔlawo kple kristotɔwo síaa, be woaɖe abla asi le dziku, si gbɔna la nu. Abe Yohanes Baptista, ŋgɔdola na Kristo ene la, Mɔkpɔla gbeƒãɖelawo tsɔ afia ɖo atiwo ƒe gu nu, hele biabiam be woatse ku, si dze dzimetɔtrɔ la. (355) Woƒe yɔyɔwo to vovo sãa tso ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe gbeƒã, siwo nɔ ɖiɖim le ha gã la ƒe nyagblɔtiwo dzi. Afi, si ko toklãwo ɖi le la, wowɔa dɔ ɖe dukɔmetɔwo dzi geɖe. Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ɖaseɖiɖi gblɔewo ƒona ɖe amewo ƒe dzi me kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, eye woténa ɖe wo dzi ale gbegbe be amea ɖeke mete ŋu tsia tre ɖe wo ŋuti o. Amesiwo nɔa woɖokui yɔm be xɔsetɔwo la ɖe así le woƒe ɖokuiŋudzedzewo ŋu. Wode dzesi woƒe lelé ɖe xexeame ŋu, yɔyrɔenɔnɔ, dzimaxɔse, dada kple ɖokuitɔdidiwo keŋ. Geɖe woenye amesiwo di Aƒetɔ la ƒe ŋku me le bɔbɔenyenye kple dzimetɔtrɔ me. Lɔlɔ, si wotsɔ na xexemenuwo ɣeyiɣi didia ɖe la, trɔ ɖe dziƒonuwo ŋu azɔ. Mawu ƒe Gbɔgbɔ le viawo dzi, eye le dzi gbɔdzɔ kple bɔbɔenyenye me la, wowɔ ɖeka kple gbetakpɔla nuteƒewɔlawo ƒe gbe, hele ɣli dom be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo!”UGL 337.3

    Vɔwɔlawo wó kple aɖatsi, le biabiam be:” Nuka wòle be míawɔ akpɔ ɖeɖe?” Amesiwo nɔ fififi ƒe agbe la di vevie be yewo atrɔ nu fifiawo yi na. Amesiame, si kpɔ ŋutifafa le Kristo me la ƒe didi vevie enye be ame bubuwo hã nakpɔ gome le yayra sia me. Dzilawo ƒe dzi trɔ ɖe ɖeviwo ŋu, eye ɖeviwo hã ƒe dzi trɔ ɖe dzilawo ŋu. Dada kple mamã ƒe gliwo mu keŋ. Nuvɔmeʋuʋu, si tso dzi me ke le eme vam, eye le ƒomewo me la, wole ʋiʋlim sesiẽ na woƒe ame veviewo ƒe ɖeɖekɔkpɔ. Kokoƒoƒo ɖe nɔviwo ta le ɖiɖim ɖo ta dziƒo. Luʋɔwo nɔ konyi fam, nɔ ʋiʋlim kple Mawu le afisiafi. Geɖewo nɔ zã me tom le klo dzi, be yewoaxɔ kakaɖedzi be Mawu tsɔ yewo ƒe vɔwo ke yewo, alo nɔ dzimetɔtrɔ biam na ƒometɔwo kple aƒelikawo. Dukɔme hatsotsoemetɔwo katã nɔ du dzi yi Mɔkpɔlawo ƒe ƒuƒoƒowo me. Hotsuitɔwo, hiãtɔwo, tsitsiawo kple ɖeviwo síaa nɔ didim, ɖe nane ta, alo amea ɖe ta, be yease Yesu ƒe tɔtrɔva ƒe nufiafia la. Mawu ɖo así tsitretsitsi ɖe Nya ŋu ƒe gbɔgbɔ dzi, le esime subɔlawo le woƒe xɔse la gɔme ɖem. (356) Ɣeaɖewoɣi la, Mawu ƒe dɔwɔnu nyena nu gblɔea ɖe, gake eƒe Gbɔgbɔ doa ŋusẽ eƒe Nyateƒe la. Le ƒuƒoƒoawo me la, wodea dzesi dɔla kɔkɔewo ƒe amegbɔnɔnɔ, eye ŋkeke sía ŋkeke la, luʋɔ yeyewo va kpena ɖe xɔsetɔwo ŋu. Zi alesi wonɔa Kristo ƒe vava zi evelia ƒe kakaɖedzi ɖem fia la, ameha geɖewo nɔa to ɖom kple movevie. Ɖe ko wònɔ abe ɖe dziƒo kple anyigba te gogo wonɔewo ene. Mawu ƒe ŋusẽ ɖi ɖe amegãɖeɖiwo, sɔhɛwo kple ametsitsiwo dzi. Amewo trɔna yia aƒe me kple kafukafuhawo, eye woƒe dzidzɔha siawo xɔa zã ƒe ɖoɖuizizi teƒe. Amesiwo kpɔ nusiawo teƒe la ƒe dometɔa ɖeke mate ŋu aŋlɔ̃ wo be o.UGL 339.1

    Gbeƒã ɖeɖe azã tɔxɛa ɖe na Kristo ƒe vava la nye nane, si ŋuti ame geɖewo tsi tre ɖo le dukɔme hatsotsoe vovovowo me, tso nunɔla le nyagblɔti dzi yi ɖe vɔwɔla ɖematsɔlemela gã dzi. Alee nyagblɔɖinya siawo kpɔ emevava: “..Le ŋkeke mamleawo dzi la, fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le. Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.” (Petro II, 3:3,4 ). Ame geɖe, siwo be yewo lɔ̃ Ɖela la, gblɔ be yewo meɖo naneke tsi tre ɖe Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe nufiafiawo ŋu o. Ke nusi womelɔ̃ o la enye ŋkeke ɖoɖo na tɔtrɔva sia. Gake Mawu ƒe ŋku, si naneke meɣlana ɖo o la, le woƒe dziwo me kpɔm. Womele didim be yewoasee be Kristo gbɔna kpuie be yeadrɔ ʋɔnu xexe la le dzɔdzɔenyenye me o. Subɔla mawɔnuteƒe, siwo wonye la, na be wonya be yewo ƒe dɔwɔnawo mate ŋu nɔ te ɖe Mawu ƒe ŋku, si dzroa dziwo me kpɔna tsitotsito la, ŋgɔ o,ale be wonɔ vɔvɔm na gododo kplii. Abe yudaviwo le Yesu ƒe vava zi gbãtɔa ƒe ɣeyiɣi me enea, womenɔ gbesɔsɔ akpe Yesu o. Menye ɖe ko womenɔ didim be yewoase numeɖeɖe nyui, siwo le Biblia me la o, ke woganɔ fewu hã ɖum ɖe amesiwo le Aƒetɔ la lalam ŋuti. Satana kple eƒe dɔlawo nɔ dziɖuɖu kpɔm. Wonɔ Kristo kple eƒe dɔla kɔkɔeawo kom, henɔ eɖom ŋku me na wo be amesiwo be yewo nye kristotɔwo la medi kura be Kristo natrɔ va o.UGL 339.2

    “Ku ɖe ŋkekea kple gaƒoƒoa ŋu la, amea ɖeke menyae o.” Nya siae amewo tsɔ ɖoa ŋgɔ hegbea nu le Mɔkpɔlawo ƒe xɔsea gbɔ. Ke nusi Aƒetɔ la gblɔ enye esi :“Amea ɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo, si dzi nuwuwua ava o, mawudɔlawo gɔ̃ hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka hɔ̃ ko” (Mateo 24:36 ) Amesiwo le mɔ kpɔm na Aƒetɔ la ɖe nya sia gɔme wòkɔ ƒã, hewɔ ɖeka kple Ɖeɖefia nyawo katã, eye woɖee fia be alesi futɔwo le numeɖeɖeawo ŋu dɔ wɔm la nye vodada. Nyati siawo nye nusiwo Kristo gblɔ na eƒe nusrɔlawo le Amito la dzi, esi wòdo go zi mamlɛa le gbedoxɔ la me. Biabia, si eƒe Nusrɔlawo wɔ nɛ lae nye esi: “Ka enye wò vava kple xexeame ƒe nuwuwu dzesi? ” (Mateo 24;3, ). Kristo ƒo¬¬¬ nu na wo tso dzesiawo ŋu hewu enu gblɔ be: “Ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii bena Amegbetɔ-Vi la gogo agbo la nu.” (33) Womate ŋu atsɔ Kristo ƒe nyagbɔgblɔa ɖe atu asi bubu ƒu anyi o. To egbɔ be amea ɖeke mate ŋu anya ŋukeke la, alo gaƒoƒo la o hã, wobia tso míasi abe dɔdasi ene be míanya ɣeyiɣi, si eƒe vava atu aƒe la. Wogana míanya hã be ɖekematsɔleme kple manyamanya me nɔnɔ ku ɖe nudzɔdzɔ sia ŋuti, eɖanye to ɖikeke me alo to nanekemayɔ be nu me o la, anye afɔku gãa ɖe na mí, abe alesi ko wònɔ na Noa ŋɔlimetɔwo ene. Tanya ma ke, si ƒo nu tso subɔla eve, nuteƒewɔla kple nuteƒemawɔla ŋuti, eye wòɖe nusi gbɔna dzɔdzɔge ɖe amesi le gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: “Nye aƒetɔ tsi megbe la”, gale eɖem fia alesi, ne Kristo trɔ va la, aɖo eteƒe na amesiwo wòakpɔ le ŋudzɔ̃ le eƒe tɔtrɔvanya kakam la, kple nusi wòawɔ na amesiwo maxɔ nya sia o la. Egblɔ be: “Eyata minɔ ŋudzɔ… woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be ewɔ nenema.”(42, 46) “Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye mànya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.” (Nyaɖ. 3:3 ) (358) Paulo ƒo nu tso amea ɖewo, si Kristo ƒe vava atu le avo me ŋu: “...Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene. Elabena ne wole gbɔgblɔm be ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo[...] Eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.” Ke egblɔ le amesiwo wɔ ɖe toklãwo dzi ŋuti bena: “Ke miawo, nɔviwo, miele viviti me bena ŋkeke la naɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o; elabena mi katã mienye ŋkeke viwo kple kekeli viwo; mienye zã alo viviti tɔ o.” (Tesa.I, 5: 2-5 ).UGL 340.1

    Ale woɖee fia be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo meɖe mɔ gbeɖe be amewo nanɔ manyamanya me ku Kristo ƒe tɔtrɔva ŋu o. Gake amesiwo le taflatsea ɖe dim ne yewoatsɔ gbe Nyateƒea xɔxɔ la, xe to ɖe nugɔmeɖeɖeawo katã, eye fewuɖulawo kple amesiwo yɔ woɖokui be Kristo ƒe nunɔlawo gɔ̃ hã tsɔ nya sia, si gblɔ be: “Ku ɖe ŋkekea alo gaƒoƒo la ŋuti la, amea ɖeke menyae o.” la, wɔ woƒe gbesiagbe hadzidzi kple amekonya. Esi vɔvɔ̃ dze alẽhawo dzi, eye wole ɖeɖekpɔkpɔ-mɔ la ta biam se la, woƒe kplɔlawo tsò wo kple Nyateƒe la dome, hele dzi dem ƒo na wo kple gɔmesese totro tsɔtsɔ na Mawu ƒe Nya la. Gbetakpɔla nuteƒemawɔlawo wɔ ɖeka kple aʋatsokala gã ƒe dɔwɔnawo hele ɣli dom be “Ŋutifafa!”, “Ŋutifafa”, le esime Mawu megblɔ ŋutiafafa-nyaa ɖeke o la. Abe Farisitɔwo le Kristo ƒe ɣeyiɣi me enea, geɖewo gbe dziƒofiaɖuƒea me yiyi, eye wogaxe mɔ na amesiwo di be yewo ayi la. Woabia wo amesiawo ƒe ʋu.UGL 341.1

    Bɔbɔenyenye-me, siwo sroa Mawu ɖa vevie le woƒe hawo me la, woenye ame gbãtɔ, siwo xɔ gbedasi la le afisiafi. Amesiwo srɔa Biblia na woɖokui la te ŋu de dzesi alesi hahoa ƒe nyagblɔɖiawo gɔmesese mesɔ kura kple Ŋɔŋlɔawo o la; afisiafi, si amewo mele nunɔlawo ƒe ŋusẽ te le o, eye wokpɔa mɔnu srɔa Biblia na woɖokuiwo la, esu ko be ameaɖe natsɔ tɔtrɔva ƒe nufiafia asɔ kple Ŋɔŋlɔawo ne woakpɔ be Mawu gbɔ wòtso vavã.UGL 341.2

    Geɖe woenye amesiwo yome wonɔvi ɖikelawo tí. Ne teƒe, si woda wo ɖo tsã magagé le wosi o la, ameaɖewo lɔ̃ be yewo adzudzɔ yewo ƒe mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu. Ke bubuwo ya kpɔe be nuteƒewɔwɔ na Mawu meɖe mɔ na yewo be yewoaɣla Nyateƒe, siwo Mawu tsɔ de yewosi la kura o. Alee woɖe ame geɖewo ɖa le hamea me, ɖe alesi ko woʋu Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe xɔse la me ta. Nyagblɔɖila ƒe nya, si gbɔna la, xɔ asi na amesiwo yome woti le woƒe xɔse ta la ŋutɔ: “Mianɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye Ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: “Yehowa nede bubu eɖokui ŋu ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ” la, ŋukpe alé wo” (Yes. 66:5 )UGL 342.1

    Mawu ƒe dɔlawo lé ŋku vevie ɖe toklãnyawo ƒe metsonuwo ŋuti. Ne hameawo ƒe akpa gãtɔ gbé gbedasiawo xɔxɔ la, dɔlawo trɔa megbe kple blanui. Gake wònye be ame geɖewo mekpɔ to dodokpɔa ɖeke me ku ɖe Kristo ƒe vava ƒe nufiafia ŋuti o hafi. Amewo gbe nu le gbedasi la gbɔ ɖe wo srɔ-ŋutsu, wo srɔ-nyɔnu, wo dzilawo kple wo viwo ta. Wona be woaxɔe se be nuvɔ̃ wònye be woaɖo to xɔsedada ƒe nufiafiawo abe Mɔkpɔlawo tɔ ene. Ke mawudɔlawo xɔ gbedasi be woakpɔ luʋɔ siawo ta vevie, elabena kekelia ɖe gale keklẽ ge ɖe wo dzi kpuie.UGL 342.2

    Amesiwo xɔ tɔtrɔvanya la le mɔkpɔkpɔ ƒe dzo manyagblɔa ɖe me na Kristo ƒe vava la. Ɣeyiɣi, si dzi wole mɔ kpɔm nɛ le la, le aƒe tum. Wole elalam le ɖokuilélé gãa ɖe me. Wonɔ ɖekawɔwɔ ƒe kadedea ɖe me kple Mawu, ŋutifafa ɖekawɔwɔ, si nye ŋgɔdonu na esi me woage ɖo le agbe sia megbe la. Amesiwo katã kpɔ gome le mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi sia me la mate ŋu aŋlɔ̃ gaƒoƒo xɔasi mawo be akpɔ o. Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ na ɣeyiɣi la, woɖe asi le anyigbadzi dɔwɔnawo keŋ ŋu. Xɔsetɔ vavãwo le woƒe susuwo kple woƒe dzi ƒe seselelãme ɖesiaɖe me dzrom kpɔ, abe ɖe wole woƒe ku-ba dzi, hele lalam be le ɣeyiɣi via ɖewo me la, yewo le ŋku mía ge ɖe xexeme ƒe wɔnawo katã ene. Menye ɖe wòle na wo be woatɔ “dziƒo yiyi ƒe awu ʋlayaa” ɖeke o, gake wokpɔ be ehiã be yewoawɔ dzadzraɖo toxɛ na gododo kple Ɖela la. Ke woƒe awu ʋlaya ɣi woenye woƒe luʋɔ ƒe dzadzɛnɔnɔ, dɛ, siwo ŋu woklɔ nuvɔ̃ ƒe ɖiƒoƒowo le kple Kristo ƒe ʋu la. Nenye ɖe woagate ŋu akpɔ ɖokuimedzodzro ƒe gbɔgbɔ ma ke, xɔse ƒe kelílí ma ke le amesiwo le Kristo me ʋum egbea ɖe, aleke wòanye ma? Ne ɖe wogale woɖokui bɔbɔm le Aƒetɔ la ƒe ŋku me, le woƒe biabiawo ɖom ɖe eƒe amenuve-fiazia ŋgɔ la, anye ne woƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ asesẽ wu alesi wòle fifia. Gbedodoɖa ʋe te do mí, nuvɔ̃ hã mele ŋu nyɔm na mí o, eye xɔse agbagbe manɔamesí na be ame geɖe mete ŋu le gome kpɔm le amenuve, si Xɔla la dzra ɖo ɖi na mí le agbɔsɔsɔ me la o.UGL 342.3

    Mawu di be yeado yeƒe dukɔ la kpɔ. Eƒe asi tsyɔ̃ vodada via ɖe le nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe akɔŋta wɔwɔ me dzi. Mɔkpɔlawo mete ŋu ke ɖe vodada sia ŋu o. Amesiwo tsi tre ɖe wo ŋu ƒe nunyala gãwo hã mete ŋu ke ɖe eŋu o. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Miaƒe akɔŋta, si miewɔ ku nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ŋu la le eteƒe. Nu gãa ɖe le dzɔdzɔ ge; gake menye nusi Miller gblɔ lae o; xexea katã ƒe dzimetɔtrɔ ye, ke menye Kristo ƒe tɔtrɔva lae o.”UGL 343.1

    Ŋkeke, si wonɔ mɔ kpɔm na la va yi, eye Kristo meva ɖè eƒe dukɔ la o. Na amesiwo lala wo Ɖela le xɔse kple lɔlɔ̃ vavã me la, dziɖelameƒo la lolo ŋutɔ. Gake Mawu ya ƒe ɖoɖowo nɔ emevava kpɔm godo. Enɔ amesiwo be yewo nɔ eƒe vava lalam la ƒe dziwo dom kpɔ. Nusi tùtu wodometɔ geɖewo la koe nye vɔvɔ. Gbeƒãɖeɖe woƒe xɔse sia menye nusi wɔ dɔ ɖe woƒe dziwo alo woƒe agbenɔnɔ dzi o. Ke esi amesiawo kpɔ be nusi wole lalam na meva eme o la, wogblɔ be mewɔ naneke na yewo o, elabena yewo mexɔe se kpɔ gbeɖe be Kristo ava o. Amesiawoe nye fewuɖula gbãtɔ, siwo Mɔkpɔla vavãwo ƒe vevesesewo ɖi kokui na la.UGL 343.2

    Gake Yesu kple dziƒotɔwo katã lí ŋku, le lɔlɔ̃ kple veveseseɖameŋu me, ɖe amesiwo gale nuteƒewɔwɔ dzi, to egbɔ be wonɔ dziɖelameƒo kple dodokpɔ siawo me tom hã la dzi. Nenye ɖe woate ŋu aɖe xɔmetsovɔ, si mã xexeme kpɔkpɔ kple makpɔmakpɔ dome ɖa la, anye ne woakpɔ be dɔlawo tè ɖe luʋɔ nuteƒewɔla siawo ŋu, hele wo ta kpɔm ɖe Satana ƒe aŋutrɔwo ŋuti.UGL 343.3

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents