Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    12—ƉƆƉƆƉO LE FRANS

    Ƒe siwo dze Spira ƒe tsitretsitsi kple Augsbourg ƒe xɔsemeʋuʋu, siwo de dzesi Reformatio ƒe dziɖuɖu le Germania yome la, nye ʋiʋli kple viviti ƒe ɣeyiɣiwo. Mamã, si ge ɖe Protestant- tɔwo dome kple futɔ sesẽwo ƒe yometiti na be enɔ dzedzem be Reformatio la le eƒe tsɔtsrɔ̃ mɔ dzi. Ame akpeakpewo tre woƒe ɖaseɖiɖi nu kple woƒe ʋu. Nɔvi-ʋa dzɔ le dua me. Ɖɔɖɔɖowɔla gãwo dometɔ ɖeka de Protestant xɔse la asi. Fiavi bubu-me Ɖɔɖɔɖowɔla gãtɔwo ge ɖe Dufiagã la ƒe asi me, eye wolé wo wɔ aboyowo tso du me yi duwo me. Gake le ɣeyiɣi, si me tututu, wòle dziɖuɖu kpɔm le la, Fiagã la kpɔ gege. Ekpɔ eƒe ade-lã le gegem le esi, eye wòle nɛ be woalɔ̃ ɖe xɔse, si ƒe tsɔtsrɔ̃ enye eƒe agbeme nudidi gãtɔ la dzi. Etsɔ eƒe fiaɖuƒea, nunɔamesiwo kple eƒe agbe ŋutɔ gɔ̃ hã de eƒe ŋutetewo katã me ne yeatsrɔ̃ “aʋatsoxɔsetɔwo” ƒe nya la. Ke fifia la, ekpɔ eƒe aʋakɔwo tsrɔ̃ keŋ le aʋawɔwɔ me. Nunɔamesiwo vɔ, eye aglãdzedze le eƒe fiaɖuƒe-duwo nyamam, le esime xɔse, si wòdi vevie be yeatsrɔ̃ la, le ta kekem ɖe dzi le afisiafi. Karlos V lia wɔ aʋa kple Amesi si Ŋusẽwo katã le. Mawu gblɔ be: “Kekeli la ne kaka.” Evɔ Fiagã ya di be yealé viviti la ɖe te. Ke ekpɔ gege le eƒe ɖoɖowo katã me; esiawo keŋ na be wòku amegã do ŋgɔ na eƒe ƒe la; egbɔdzɔ keŋkeŋ le aʋa didi wɔwɔ ta, eye le nuwuwu la, ele nɛ be wòaɖe asi le eƒe fiazi la ŋuti, eye woade eɖokui ɖeɖeɖaga ƒe kpɔa ɖe me.UGL 185.1

    Reformatio la do go viviti ŋkekewo le Switzerland, abe le Germania ke ene. Le esime nutome geɖewo xɔ Ɖɔɖɔɖo xɔse la, bubuwo ya sẽ to, lé ɖe Roma ƒe xɔse ŋu ŋkuagbãtɔe. Amesiwo di Nyateƒe la xɔxɔ ƒe alesi woti wo yome la na be nɔvi-ʋa dzɔ le nuwuwu. Zwingle kple Ɖɔɖɔɖo dɔwɔla geɖe bubuwo bú woƒe agbe le Kappel ƒe aʋagbedzi. Oekolampade, si dzi nudzɔdzɔ siawo té ɖo sɔgbɔ la, ku le ɣeyiɣi via ɖewo megbe. Roma le dziɖuɖu kpɔm, eye le teƒe geɖewo la, ewɔ abe nusiwo papadziɖuɖua bú la, egale wokpɔm ene. Gake Amesi ƒe nuxlɔamenyawo nye Nya mavɔwo la meŋlɔ̃ eƒe Nya alo eƒe dukɔ la be o. Eƒe asi latsɔ ɖeɖe vɛ. Ena be dɔwɔlawo do go tso du bubuwo me, eye nenem dɔwɔlawo yi ɖe dɔ, si gɔme wodze la dzi.UGL 185.2

    Hafi ne woase Luther ŋkɔ abe Ɖɔɖɔɖowɔla ene la, Ɖɔɖɔɖo ƒe ŋkeke la dze keklẽ le Frans xoxo. Ame gbãtɔ, siwo xɔ kekeli la dometɔ ɖeka enye Lefèvre, ametsitsi nunyala gãa ɖe, si nye nufiala le Paris ƒe Sukukɔkɔ la, eye wòganye Papa yomedzela nuteƒewɔla, si me dzo le la. Le eƒe numekuku le blema gbalẽwo me la, eke ɖe Biblia ŋuti, eye wòna be eƒe sukuviwo dze esɔsrɔ̃ gɔme. Lefèvre nye ame kɔkɔewo subɔla gãa ɖe, eye wòɖo be yeaŋlɔ̃ agbalẽ tso ame kɔkɔewo kple xɔsetakulawo ƒe agbe ŋuti abe alesi wòsenae le hamea ƒe blemanyawo me ene. Dɔdasi sia hiã dɔ geɖe ŋutɔ, gake ewɔ sɔgbɔ le eŋuti. Le eƒe numekukuwo me la, ekpɔ be Biblia ate ŋu akpe ɖe ye ŋu, eye wódze esɔsrɔ gɔme le susu sia ta. Eke ɖe ame kɔkɔewo ŋuti, gake menye amekɔkɔewo abe alesi wole le Roma kalenda alo ɣleti gbalẽ la dzi ene o. Dziƒo kekeli klẽ ɖe eƒe gbɔgbɔ me. Eƒe nu ku, eye wòtrɔ megbe kple ŋunyɔ̃ de dɔ, si gɔme wòdze la, eye tso ɣemaɣi la, etsɔ eƒe ɣeyiɣiwo katã na Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ. Ke medidi hafi wòdze Nyateƒe xɔasi, si ŋu wòle kekem ɖo la fiafia o.UGL 186.1

    Le ƒe 1512 lia me, hafi Luther alo Zwingle nadze Ɖɔɖɔɖo-dɔ la gɔme la, Lefèvre ŋlɔ̃ nu be: “Mawu ye nana mí dzɔdzɔenyenye, si wɔa ame dzɔdzɔe, yi ɖe mavɔ me ke to xɔse me le eƒe amenuveve me.” Le eƒe ŋutete me be yeaɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe amlimanuwo afia la, edo ɣli be: “O, gãnyenye manyagblɔ ka enye ɖɔliɖɔli sia tɔ! Amesi meɖi fɔ o la xɔ fɔbubu, eye vodala la xɔ fɔmaɖi; Amesi woyra la xɔ fiƒode, eye fiƒode la trɔ zu yayra; Amesi nye agbe la xɔ ku, eye kukula xɔ agbe; Amesi nye ŋutikɔkɔe la bú ɖe viviti me, eye amesi menye naneke tsɔ wú ŋukpẽ o la do ŋutikɔkɔe. D’Aubigné , liv. 12, ch. 2.- UGL 186.2

    Le esime wòle nu fiam be ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋutikɔkɔe la Mawu tɔ wònye la, egale gbɔgblɔm be amegbetɔ ƒe dɔdasi koe nye be wòaɖo to. Eyi edzi be: “Ne amea ɖe nye Kristo ƒe hamevi la, ke enye Kristo ƒe ŋutinu; eye ne ènye Kristo ƒe ŋutinu la, ekem èyɔ kple Mawu ƒe nɔnɔme.” O, nenye ɖee amegbetɔwo ateŋu ase asinukpɔkpɔ sia gɔme la, ale gbegbe woadi be yewoalé yewoɖokui le dzadzɛnyenye, mawusosroɖa kple kɔkɔenyenye me, eye woakpɔ xexeame ƒe ŋutikɔkɔewo katã ŋunyɔ, ne wotsɔe sɔ kple eme-eme ƒe ŋutikɔkɔe, si ɣla ɖe ŋutilã ƒe ŋkuwo la.- Ibid., liv. 12, 2.-UGL 186.3

    Le Lefèvre ƒe nusrɔlawo dome la, sɔhɛa ɖewo li, siwo nɔa nyawo sem kple vivisese gãa ɖe; amesiawoe, le ƒe geɖewo megbe, esi wotsi gbe ɖe woƒe aƒetɔ nu la, woawoe yi ɖe Nyanyui la kaka dzi. Wo dometɔ ɖeka enye Guillaume Farel. Eƒe dzila, siwo nye mawuvɔlawo la, fiae be wòaxɔ hamea ƒe xɔse la nyagɔmemabia. Ate ŋu agblɔ, le nuƒoƒo tso eɖokui ŋuti me, abe Paulo ene be: “Menɔ agbe le míaƒe subɔsubɔ ƒe kɔmamã, si nu sẽ wú wo katã la, nu abe farisitɔ ene.” (Dɔwɔwɔ. 26:5) . Abe Papa yomedzela sesẽ ene la, eyɔ kple dzo tɔxɛ na amesiwo katã aka tse tsitre ɖe hamea ŋuti la ƒe tsɔtsrɔ. Le nu ƒoƒo me tso eƒe ɣemaɣi ƒe agbenɔnɔ ŋu la, egblɔ be: “Meɖuna aɖukli abe amegãxi, si le anyrã wɔm ene, ne mese be ameaɖe le nuƒo baɖa ƒom tso Papa ŋu.-Wylie, liv. 13, ch. 2. Ame kɔkɔewo subɔla, si ŋu ɖeɖi metena o la, wònye. Ekplɔa Lefèvre ɖo wonɔa tsa ɖim to Paris ƒe gbedoxɔwo me, henɔa gbe dom ɖa le kpetatawo ŋgɔ, eye wonɔa atsyɔ̃ ɖom na wo kple woƒe nunanawo. Gake numawo katã wɔwɔ mehe ŋutifafaa ɖeke va na eƒe luʋɔ o. Nuvɔ̃ ƒe seselelãme detoa ɖe le eme, esi akɔfadɔwɔwɔ mate ŋu aɖe ɖa o. Eɖo to Ɖɔɖɔɖowɔla la ƒe nya abe dziƒo gbeɖiɖi ene be: “Ɖeɖekpɔkpɔ la, amenuveve wònye. Wobu fɔ ɖemanyala, eye vodala zu fɔmaɖila. Kristo ƒe atitsoga ɖeka koe ʋua dziƒo ƒe agbowo eye wòxea dzomavɔ ʋɔtruwo ƒe mɔ. Ibid. liv. 13 ch. 2.UGL 187.1

    Farel xɔ Nyateƒe la kple dzidzɔ. Exɔe kple dzimetɔtrɔ, si ɖi Paulo tɔ la, hedo go le dekɔnuwo ƒe kluvinyenye me, ge ɖe Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe me. Egblɔ be yeƒe amegãxi, amewula vɔɖi ƒe dzi la trɔ zu alẽvi fatu, manyaɖe ƒe dzi, eye be yexɔ yeƒe dzi la le Papa si keŋkeŋ hetsɔ na Kristo blibo. D’Aubigné, liv. 12, ch. 3.UGL 187.2

    Le esime Lefèvre nɔ Mawu ƒe kekeli la kakam le eƒe sukuviawo dome la, Farel hã, si lé dzo na Kristo ƒe Nyateƒe vavã la, abe alesi wòlé dzo tsã na Papa ene la, le Nyanyui la kakam le dutoƒo. Hamea kplɔla gãa ɖe, si nye Meaux ƒe episkɔpo la, hã kpe ɖe wo ŋu le ɣeyiɣi kpuiea ɖe ko megbe. Ame geɖe bubuwo, siwo nye nunyalawo kple amesiwo si talento geɖe le la hã mehe ɖe megbe o, ke boŋ wodze Nyanyui la kaka, eye medidi o la, Nyateƒe la kpɔ eyomedzelawo le dukɔa ƒe hatsotsoe vovovoawo me, tso asinudɔwɔla dzi yi ɖe agbledela dzi, va kɔ ɖe fiasã me ke. Fransis gbãtɔ, si le fia ɖum ɣemaɣi la, ƒe nɔvi nyɔnu hã xɔ Xɔse-ɖɔɖo la. Fia la kple edada, nyɔnu-fia la hã le Ɖɔɖɔɖo la kpɔm kple ŋku nyuia ɖe, eye Ɖɔɖɔɖowɔlawo le mɔ kpɔm vevie na ŋkeke, si dzi Frans ƒe du la katã axɔ Nyanyui la.UGL 188.1

    Gake woƒe mɔkpɔkpɔ la meva me o. Dodokpɔ kple yometitiwo le Kristo yomedzelawo lalam. Ke, le Mawu ƒe amenuveve me la, woɣla ɖe woƒe ŋkuwo. Ŋutifafa ƒe ɣeyiɣia ɖe va, si na wo mɔnu be woakpɔ ŋusẽ anɔ te ɖe ahomya la nu, eye Nya la kpɔ ŋgɔdede kaba. Meaux ƒe Episkɔpo la wɔ dɔ vevie le eƒe nuto la katã me, hefia nu nunɔlawo kple dukɔmeviwo siaa. Enya nunɔla abunɛtɔwo kple agbe vlo nɔlawo eye wòɖɔ li wo kple agbalẽnyalawo kple mawuvɔlawo. Meaux ƒe Episkɔpo la di vevie be dukɔmeviwo ŋutɔ nanya Mawunya la xexlẽ. Ke eƒe didi la va eme. Lefèvre dze Nubabla Yeyea gɔme ɖeɖe le franse-gbe me, eye le ɣeyiɣi, si tututu Luther ƒe Biblia le dodom le agbalẽtaƒe le Wittemberg la, Nubabla Yeyea le franse-gbe me le gegem ɖe dukɔa si me le Meaux. Episkɔpo la meve nu le ga ŋu alo wɔ kuvia le eƒe agbagbadzedze me be Nubabla Yeyea nasu eƒe hameviwo si o, eye le ɣeyiɣi kpuia ɖewo me la, Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo su Meaux ƒe agbledelawo si. Abe alesi mɔzɔla, siwo tsikɔ le wuwum vevie la, wɔna ne woke ɖe tsi ŋu ene la, nenemae luʋɔ tsikɔwuiawo le dziƒo ƒe gbedasiwo xɔm kple dzidzɔ gãa ɖe. Agbledelawo le woƒe agblewo dzi, asinudɔwɔlawo le woƒe dɔwɔƒewo, woɖina ɖe me vie le woƒe dɔwɔwɔwo me, heƒoa nu gbesiagbe tso Biblia ƒe Nyateƒe veviawo ŋu. Le fiẽ me, esi wòle be woayi ɖe ahanoƒewo anɔ dze ɖom la, azɔ woƒoa ƒu ɖe wonɔewo ƒe aƒe me, nɔa Mawu Nya xlẽm, nɔa gbe dom ɖa alo nɔa ha dzim. Ke wokpɔ be tɔtrɔ gãa ɖe va nuto mawo me. To gbɔ be ame gblɔe, dahewo wonye, ame manya agbalẽwo, dɔ sesẽwɔlawo wonye hã la, Mawu ƒe amenuveŋusẽ, si ɖɔna ame ɖo, dea bubu eŋu la, ƒe dɔwɔwɔ le dzedzem le woƒe agbewo me. Bɔbɔenyenye kple kɔkɔenyenye-me siawo nye ɖaseɖiɖi na nusi Nyanyui la wɔna na amesiwo xɔe kple dzi blibo la.UGL 188.2

    Nyanyui la ƒe kekeli, si klẽ le Meaux la, ƒe alɔdzewo le keklẽm yi ɖe afisiafi, eye ŋkeke sia ŋkeke, ame bubuwo ganɔ dzi me trɔm. Dzi ga le Roma ƒe kplɔlawo kum vevie, gake Dufia, si melɔna nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo ƒe wɔnawo o la, nye mɔxenu na wo ɣeyiɣia ɖe. Gake, le nuwuwu la, Papa ƒe amewo kpɔ ɖziɖuɖu, eye le madidi me woɖo dzotɔame teƒe anyi. Ele na Meaux ƒe episkɔpo la be wòatia le fiafiã le dzo me kple nugbegbe le eƒe xɔse gbɔ la dome. Ke etia mɔ, si le bɔbɔe la, gake eƒe alẽhameviwo li ke sesiẽ, to gbɔ be woƒe ŋgɔnɔla de megbe hã. Wo dome ame geɖewo ɖi ɖase le woƒe xɔse ŋu le dzobibiwo me. To woƒe dzidodo kple nuteƒewɔwɔ me la, woƒo nu na ame akpeakpe, siwo mese woƒe ɖaseɖiɖi kpɔ le ŋutifafa ɣeyiɣiwo me o la.UGL 189.1

    Menye ame gblɔewo kple amedahewo koe do dzi ɖi ɖase tso Kristo ŋuti le fukpekpe kple fewuɖuɖu ŋgɔ o. Fiawo kple bubumewo hã, le woƒe fiasãwo kple aƒe gãgãwo me la, kpɔ Nyateƒe la ƒe asixɔxɔ wú hotsui, gãnyenye alo agbe ŋutɔ gɔ̃ hã. Gbɔgbɔa ɖe, si dze bubu, si me kelili le wú esi do episkɔpo ƒe awu, tsyɔ̃ eƒe kuku la, ɣla ɖe gbadagba ƒe aʋawu me. Louis de Berquin tso ƒome kɔkɔa ɖe me. Enye xɔse-gbadagba kalẽtɔ, si dea bubu ame ŋu, lɔ̃ nusɔsrɔ, si ƒe wɔnawo ŋu mokaka mele o.UGL 189.2

    Nuŋlɔlaa ɖe ŋlɔ̃ nu tso eŋu be: “Amea ɖeke meli wɔ ɖe hamea ƒe kɔnuwo, nubabla, azãwo, misawo dzi wú eyama o.” “Eɖena alesi wòlé fu Luther ƒe xɔse nufiafiawo vevie la fiana.” ” Gake abe alesi wònye na ame geɖe, siwo to Mawu ƒe amenuveve me, wovage ɖe Biblia sɔsrɔ̃ me la, ewɔ nuku nɛ sɔ gbɔ be nusiwo wòkpɔ le eme la, menye Papa ƒe nufiafiawo o, ke Luther tɔwo boŋ.- Wylie, liv. 13, ch. 9.- Tso ɣemaɣi la, etsɔ eɖokui katã na Nyanyui la kaka.UGL 189.3

    Frans ƒe bubumewo ƒe agbalẽnyala gãtɔ wònye. ” Eƒe nunya, nu nyaƒoƒo, kalẽwɔwɔ, dzolelé na nuwɔwɔ, kple eƒe ŋusẽ le fia ƒeme la — elabena fia la ƒe lɔlɔtɔwo dometɔ ɖeka wònye — na be ame geɖewo kpɔnɛ abe amesi avanye ededu la ƒe Ɖɔɖɔɖowɔla ene. Esia ta Theodore de Bèze gblɔ le eŋu be: “Frans akpɔ eƒe Luther le Berquin me, nenye ɖee fia Fransis I nɔ na eyama abe alesi Saxoni ƒe ametiala, fiavi Frederik, nɔ na Luther ene.” Ke Papa ƒe amewo doa ɣli be : “Evɔɖi wú Luther.” —Ibid. Liv. 13, ch. 9.- Alekeake wònye hã la, Roma ƒe amewo le Frans vɔna na eyama wú alesi wovɔna na Luther. Wolée de gaxɔ be enye aʋatsoxɔsetɔ, gake woɖee do go le fia ƒe gbeɖeɖe nu. Ʋiʋli la yi edzi ƒe geɖewo. Fia Fransis, si nɔa Roma ƒe akpa dzi vie ko wògadéa Ɖɔɖɔɖowɔlawo dzi la, xɔna nunɔlawo ƒe dzo vɔɖi lelé ɖe wo ŋu sẽ ko, kasia, wògatsia tre ɖe wo ŋu. Roma nunɔlawolé Berquin de gaxɔ me enuenu zi etɔ, eye fia la ɖee do goe, ɖe alesi wòlɔ̃ eƒe nunya gã kple eƒe dẽ ƒe nyonyo ta, eye wògbe be yematsɔe asa vɔe na nunɔlawo ƒe vɔɖivɔɖi o.UGL 190.1

    Wona toklã Berquin zi geɖe ku ɖe afɔku, si le ŋgɔ na eƒe agbe le Frans la ŋuti, eye woxlɔ̃ nui vevie be wòawɔ abe amesiwo sí le woɖokui si yi dzronyigba bubuwo dzi ene. Erasmus, nye vɔvɔ-mea ɖe, si metsina dzi ɖe naneke ŋu o, eye to gbɔ be nunya geɖe le esi hã la, susu me kple dɛ̃ ƒe ŋusẽ, si nana wotsɔna ame ƒe agbe kple xexeme ƒe bubu sana vɔ na Nyateƒea la, mele esi o. Eŋlɔ̃ ɖoɖe Berquin be: “Bia be woaɖo wò ɖe dua ɖe me abe amedɔdɔ ene; yi ɖe Germania. Èdzesi Beda kple etɔwo nyuie, ʋɔ driba ta akpe ɖeka, si tuna eƒe aɖi yi afisiafi la ye wònye. Wò futɔwo ŋkɔ enye legio. Ne wò nya ganyo wú Yesu Krito tɔ gɔ̃ hã la, womaɖe asi le ŋuwò vaseɖe esime woatsrɔ̃ wò ŋutasẽtɔe o. Megaka ɖe fia la ƒe ametakpɔkpɔ dzi fũ o. Aleke wòanye hã, megadem nya me kple subɔsubɔ-nufiafia ƒe sukugã la o.- Ibid., liv. 13, ch. —UGL 190.2

    Gake Berquin ƒe dzoxɔxɔ la le edzi yim koe. Le esi wòle be wòaxɔ Erasmus ƒe ayedzedze kple dzidodo ƒe nuxlɔamenyawo la, eɖo boŋ be yeagawɔ dɔ kple kalẽ wú tsã. Medi be yeaʋli Nyateƒe la ta ɖeɖe ko o, ke azɔ la, yeatsɔ nya ɖe nudadawɔwɔ ŋu. Nya, si wotsɔ ɖe yeŋu be yenye aʋatsoxɔsetɔ la, yeatrɔe ɖe Papa ƒe amewo ŋutɔ dzi. Eƒe futɔ vɔɖitɔwo kple ŋutasẽla gãtɔwoe nye Sorbonne sukugã ƒe nunyala gãwo kple nunɔlawo. Le ɣemaɣi la, wokpɔa Sorbonne abe hamea nunɔlawo ƒe ŋusẽ gã teƒe le Paris kple Frans dua katã me ene. Berquin ɖe nyati wuieve le nunɔla nunyalagã siawo ƒe nuŋɔŋlɔwo me ɖe go, heɖe wo fia amesiame be wonye nusiwo tsi tre ɖe Biblia ŋuti, eye wòbia be Dufiagã la natso nyame na yewo.UGL 190.3

    Dzidzɔ wònye na fia la be akpa eveawo nado go eye woaɖe woƒe nunya kple aɖaŋu fia. Avivi enu be nunɔla dadala mawo nakpɔ ŋukpẽ le woɖokui dodo ɖe dzi wɔnawo me. Ebia tso wo si be woaʋli woɖokui ta kple Biblia le Nya, si wotsɔ ɖe wo ŋuti la me, evɔ womenya eŋuti dɔ wɔwɔ o. Woƒe aʋawɔnu, si wonya la koe nye ameléle de ga, fuwɔame kple dzotɔtɔ ame. Ke azɔ la, wokpɔ be aʋli, si me yewo di be Berquin nadze la, le ŋgɔ na yewo ŋutɔ. Vɔvɔ, si dze wo dzi la na be wodi mɔnu, si woato ne gododo la nagava eme o la, vevie.UGL 191.1

    Le gaƒoƒo mawo me la, amea ɖewo gblẽ nu sɔgbɔ le ɖetugbui dzadzɛ ƒe nɔnɔme tataa ɖe, si woda ɖe mɔa ɖe ƒe dzogɔẽ dzi la, ŋuti. Nu sia he dziku va na ame geɖewo le du la me. Ameha geɖewo yi ɖe teƒe la be yewoakpɔ nusi dzɔ la, eye wodo dɔmedzui ŋutɔ. Nudzɔdzɔ la wɔ dɔ ɖe fia hã dzi, eye nunɔlawo kpɔ be mɔnu nyuia ɖe dzé na yewo, si ade yewo ƒe susu dzi. Ke womehe ɖe megbe o. Wogblɔ be : “Nusiawo katã nye Berquin ƒe nufiafiawo ƒe metsonuwo. Luther yomedzelawo ƒe nugbeɖoɖo le nusianu mu ge aƒu anyi; subɔsubɔ, sewo, fiazikpui la gɔ̃ hã.” Ibid, liv. 13, ch. 9.-UGL 191.2

    Wogalé Berquin ake. Fia la dzo le Paris dua me, eye nunɔlawo kpɔ mɔ wɔ nusi dzro wo. Wodrɔ̃ ʋɔnu Ɖɔɖɔɖowɔla la, hetso kufia nɛ enumake, eye le vɔvɔ̃ be fia Fransis avaxɔe le yewo si ne egbɔ va ta la, woɖoe be woawui gbemagbe ke. Ekem wokplɔ Berquin ɖo ta teƒe la le ŋudɔ ga wuieve me. Ameha gãa ɖe zɔ ʋliʋliʋli ɖo ta teƒe la yina nu kpɔ ge. Ewɔ nuku na ame geɖewo, eye wodo dɔmedzui ŋutɔ be amesi tso dukɔa ƒe ƒome, siwo nye kalẽtɔwo kple bubume gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka la, ye wolé yi wuwu ge. Nuku, dɔmedzui, fuléle, dze le amehawo ƒe mo; gake ame ɖekaa ɖe ya li, si ƒe mo vivitia ɖeke mele o. Xɔsetakula sia ƒe susuwo le adzɔge ʋĩ tso ʋunyaʋunyawo gbɔ. Eƒe seselelãme lae nye Aƒetɔ la ƒe amegbɔnɔnɔ.UGL 191.3

    Ʋu glodzo, si me wokɔe ɖo la, eyometilawo ƒe ametsitsri ɖeɖefia, hlɔ-ku dziŋɔ, si gbɔ wòɖo ta la, nusiawo katã ƒe ɖeke mewɔ dɔ ɖe edzi o. Amesi le agbe, esi ku, eye wòle agbe fifia yi ɖe mavɔ, esi sí ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le la, le eƒe axa dzi. Berquin ƒe mo le keklẽm kple dziƒo ƒe kekeli kple ŋutifafa. Edo awu abe azãɖuƒe yim wòle ene. D’Aubigné, Histoire de la Reformation au Temps de Calvin, liv. 2, ch. 16.- Eyina ɖe akɔŋta na ge tso eƒe xɔse ŋuti le Fiawo-dzi-Fia la kple xexeame katã ƒe ŋku me, eye medze be blanui ƒe dzesia ɖeke nagblẽ eƒe dzidzɔ me o.UGL 192.1

    Esi gbɔlɔlɔ la to mɔ, siwo yɔ kple nukpɔlawo yina amewuƒea la, amewo ƒe nu ku, esi wokpɔ ŋutifafa gã kple dziɖuɖu dzidzɔ, si xɔ eƒe mo kple wɔnawo me. Amewo gblɔ be: “Ele abe amesi nɔ anyi ɖe gbedoxɔ me, le ŋugble dem tso nu kɔkɔewo ŋuti ene. - Wylie , liv. 13, ch. 9.-UGL 192.2

    Esi wòlia dzotɔame ƒe nakewo dzi la, Berquin di be yeagblɔ nyaa ɖe na dukɔ la, gake nunɔla, siwo le vɔvɔm na eƒe nuƒo ƒe dɔwɔwɔ ɖe amehawo dzi la, dze ɣlidodo, eye gbadagbawo hã le woƒe aʋawɔnuwo ƒom, ale be ʋunyaʋunyawo tsyɔ̃ eƒe nuƒo la dzi. Alea ye, to gbe tsitsi ɖe amesi le kukum ƒe nya vevie mamlɛawo nu le ƒe 1526 lia me la, sukukɔkɔwo ƒe tatɔ gãtɔwo kekeake, kple hame kplɔla gãtɔwo le Frans la, gblẽ kpɔɖeŋu vɔɖia ɖe ɖi na dukɔa to ƒe 1793 lia ƒe nudzɔdzɔawo me. Ibid, liv. 13, ch.9.UGL 192.3

    Ke wowu Berquin, hetɔ dzoe le nakewo dzi. Eƒe ku nye vevesese gãa ɖe na Reformatio lɔlawo le Frans-dua katã me. Gake eƒe kpɔɖeŋu mebú ɖe wo o. Nyateƒe la ƒe ɖaseɖilawo gblɔ be: “Míawo hã míele gbesɔsɔ akpa ŋgɔ ku kple dzidzɔ, esi míaƒe ŋkuwo anɔ agbe, si gbɔna la dzi.” D’Aubigné, Histoire de la Réformation , au temps de Calvin. liv., ch. 16.-UGL 192.4

    Le yometiti ƒe ɣeyiɣiwo me le Meaux la, wode se ɖe Ɖɔɖɔɖo nunɔlawo ƒe gbeƒãɖeɖe nu. Esia ta wodzo yi ɖe agble bubuwo dzi. Le madidi me la, Lefèvre ɖo ta Germania.(204) Farel yi ɖe eƒe de-du me le Frans ɣedzeƒe, na Mawunya gbɔgblɔ na eƒe ƒometɔwo. Wose nusiwo katã le dzɔdzɔm le Meaux la, eye amewo di vevie be yewohã yewoase Nyateƒe, si wonɔ gbɔgblɔm kple dzo la. Ke medidi hafi kplɔlawo di be yewoatsi nya ɖe enu, eye woɖee do go le dua me o. To gbɔ be magate ŋu aɖe gbeƒã le dutoƒo o hã la, enɔa tsa ɖim to gbadzaƒewo, kple kɔƒewo me, nɔa Mawunya gblɔm le aƒe tɔxɛwo me, le nɔƒe dama, siwo te ɖa le du gãwo ŋu la me, eye wòkpɔa bebeƒe le avewo kple agakpedowo me, afisiwo nye eƒe ɖevime ƒe fefeƒewo. Ale Mawu nɔ etum ɖo na xaxa gã, siwo lolo wú la. Egblɔ le eƒe nyaa ɖewo me be: “Atitsogawo, yometitiwo kple Satana ƒe nugbeɖoɖo, siwo ŋu amewo ƒoa nu tso nam la, mede o. Wosesẽ ale gbegbe be le ɖokuinye si la, nyemate ŋu atsɔ woƒe ɖeke o; gake Mawu enye Fofonye. Enam ŋusẽ, eye wògale nanye ge ɣesiaɣi, ne mehiãe la. D’Aubigné. Histoire de la Réformation au 16eme siècle, liv. 12, ch.9.UGL 192.5

    Abe alesi wònɔ le Apostolowo ŋɔli me ene la, yometitiwo nye nusiwo gado Nyanyui la ɖe ŋgɔ. (Filipitɔwo, 1: 12). Esi wonya wo le Paris kple Meaux la, wokaka ɖe du ta, henɔ gbeƒã ɖem le afisiafi. (Dɔw. 8 : 4) To mɔ sia dzi Kekeli la yi ɖe adzɔge- nutowo katã me le Frans.UGL 193.1

    Mawu gayi ɖe dɔwɔla bubuwo tutuɖo dzi hena Nya la kaka. Le Paris ƒe Sukukɔkɔa ɖe me la, wode dzesi sɔhɛ susuɖela kple ame fatu, si si aɖaŋu kple nunya geɖe le la. Nusi wogakpɔ le egbɔ la enye agbe nyui mokakamanɔŋui, veviedodo nusɔsrɔ kple eƒe mawusosroɖa. Kpuie la, eƒe nunya kple beléle na dɔ na be wòva zu Sukua katã ƒe dada, eye wonɔa mɔ kpɔm be Yohanes Kalvin avanye hamea taʋlila gãtɔwo dometɔ ɖeka. Gake dziƒo kekeli ƒe alɔdzea ɖe ŋɔ̃ nunyadodoɖedzi kple numaɖinudzixɔse ƒe gli, siwo ɖe to ɖe Kalvin la. Esena woƒoa nu tso nufiafia yeye, siwo le dodom la, ŋuti kple vɔvɔ, eye meke ɖi kura be aʋatsoxɔsetɔ siawo dze na dzobibi, si me wole wo tsrɔm le la o. Gake, le eƒe manyamanya me la eva ke ɖe nudadafiafia ƒe nyawo ŋu, eye wònɔ nɛ be wòadi ŋusẽ le Roma ƒe xɔse nufiafiawo me atsɔ tsi tre ɖe Protestant ƒe nufiafiawo ŋuti.UGL 193.2

    Eva me be Kalvin nɔvia ɖe, si nye Ɖɔɖɔɖowɔla la, va Paris. Wo kple eveawo doa go edziedzi henɔa dze ɖom ku ɖe xaxa, siwo le kristotɔ ƒomea me vam la ŋuti. Le woƒe dzeɖoɖo me la, Olivetan, Ɖɔɖɔɖowɔla la, le gbɔgblɔm na eƒe aƒetsɛa be: “Subɔsubɔ hatsotsoe eve koe li le xexea katã me; gbãtɔ enye esiwo amegbetɔwo ŋutɔ ɖo anyi, esiwo me amegbetɔ ɖena eɖokui to kɔnuwo kple dɔ nyuiwo wɔwɔ me. Hatsotsoe evelia enye subɔsubɔ, si woɖe fia le Biblia la me, esi fia amegbetɔ be Mawu ƒe amenuveve nunana me ko woadi ɖeɖekpɔkpɔ la le.” Ke Kalvin ɖo nya siawo ŋu be: “Nyemele miaƒe nufiafia yeyeawo ƒe ɖeke dim kura o. Ɖee nèbu be keke vaɖo ɣeyiɣi sia la, vodada ko mee mele agbe lea?”- Wylie, liv. 13, ch. 7.-UGL 194.1

    Aleke wònye hã, susua ɖewo ge ɖe eƒe gbɔgbɔ me, siwo mate ŋu aɖe ɖa o. Kalvin ɖeka nɔ nya, siwo eƒe aƒetsɛa gblɔ nɛ la ŋuti bum le xɔ me. Ke nuvɔ̃ ƒe seselelãme dze teté ɖe edzi, eye wòkpɔ be nyaxɔɖakɔlaa ɖeke mele yesi le Ʋɔnudrɔla kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ la ƒe ŋku me o. Ame kɔkɔewo ƒe nyaxɔɖakɔ, dɔ nyui wɔwɔwo kple hamea ƒe kɔnuwo, nusiawo katã ƒe ɖeke mekpɔ ŋusẽ aklɔ yeƒe nuvɔwo ɖa o. Dziɖelameƒo mavɔ ƒe vivitia ɖe koe le ŋgɔ nɛ. Hamea ƒe nunyala gãwo wɔ ɖesiaɖe be woafa akɔ nɛ, gake mete ŋu le ŋutifafa kpɔm o. Nuvɔmeʋuʋu kple akɔfadɔwo katã mete ŋu dzra eƒe luʋɔ kple eƒe Mawu dome ɖo o.UGL 194.2

    Le esime wògale ʋiʋli sia wɔm le eƒe dzi me la, eva ɖo gbadzaƒea ɖe, afisi ameha gã ɖe ƒo ƒu le, le alakpaxɔsetɔa ɖe, si wole dzo tɔm la kpɔm. Ŋutifafa, si le dzedzem le mo na martyro sia la, nye nusi wɔ nuku nɛ geɖe. Le ku dziŋɔ̃ ma ƒe vevesesewo kple hamea ƒe fiƒodenya sesẽwo me la, xɔsetakula sia galé ɖe eƒe xɔse kple dzideƒo ŋuti maʋãmaʋã. Etsɔ xɔse kple dzideƒo sia sɔ kple eyaŋutɔ ƒe dziɖelameƒo kple viviti, si yɔ eƒe luʋɔ me la, to gbɔ be ewɔna ɖe hamea ƒe ɖoɖowo dzi vevie hã la. Enya bena alakpaxɔsetɔwo la, Biblia dzi wotua woƒe xɔse la ɖo. Eɖo le eɖokui me be yeasrɔe, ale be, ne yeate ŋui la, yeake ɖe nusi nyena woƒe dzidzɔ ƒe nuɣaɣla la ŋuti.UGL 194.3

    Ke Yesu ŋuti wòke ɖo le Biblia me. Edo ɣli be: “O, Fofo! Eƒe vɔsa la fa wò dziku nu; eƒe ʋu klɔ nye makɔmakɔwo ɖa; eƒe atitsoga ye tsɔ nye fiƒode; eƒe ku ye xɔ ɖe nye ku teƒe. Mía ŋutɔwo míeɖe tofloko ƒe aɖaʋa susuwo; Ke nètsɔ wò Nya la ɖo nye ŋku me abe kakati ene, eye nètɔ asi nye dzi be, to vovo na Kristo ƒe dzenawo la, makpɔ dzena bubuwo kple ŋunyɔ.” Martyn, vol. 3çh. 13.-UGL 195.1

    Kalvin srɔ̃ nu na nunɔlanyenye. Esi wòxɔ ƒe wuieve la, wotsɔe be wòanɔ ha suea ɖe nu, eye episkɔpo la lũ dzodome ƒe ɖa nɛ le hamea ƒe sewo nu. To gbɔ be womeɖoe nunɔla o, eye mewɔa nunɔla ƒe dɔdasiwo o hã la, woxɔe ɖe nunɔlawo dome, eye wòxɔna bubu kple gomekpɔkpɔ, si wonana wo la.UGL 195.2

    Azɔ esi wònya be yemate ŋu aɖu nunɔla gbeɖe o la, edze senyalawo ƒe nusɔsrɔ̃ gɔme hafi gaɖe asi le eŋu, eye wòɖoe be yeatsɔ yeƒe agbe la katã na Nyanyui la. Gake meka ɖe edzi be yeaɖe gbeƒã le dutoƒo o. Amea ɖe, si mehayana o la, wònye le dzɔdzɔme. Dɔdasi ƒe seselelãme, si le tetém ɖe edzi la, na be wògaɖo be yeayi ɖe nusɔsrɔ̃dzi. Gake exɔlɔwo ƒe nuxɔxlɔamenya sesẽwo va ɖu edzi. Egblɔ be: ” Mewɔ nuku ŋutɔ be amea ɖe, si tso ƒome gblɔea ɖe me la, nakpɔ bubudeameŋu sia tɔgbi oa?” Wylie, liv. 13, ch. 9.-UGL 195.3

    Kalvin dze dɔ gɔme le ɖoɖuizizi me. Eƒe nuƒoƒo le abe zãmu, si dzana henaa fafa anyigba ene. Edzo le Paris yi ɖe nutome-dua ɖe me, le nyɔnufia Margareta, si lɔa Nyanyui la, eye wòkpɔa eyomedzelawo ta la, ƒe ametakpɔkpɔ te. Kalvin, si gale eƒe sɔhɛ me la, nye ame fatua ɖe, si medzea eɖokui ŋu o. Edze dɔ gɔme tso aƒeme yia aƒeme. Eƒoa ƒu ƒomewo heɖea nu me na wo le Biblia me ku ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe Nyateƒewo ŋuti. Amesiwo se Nyanyui la yina manae kple ame bubuwo, eye le ɣeyiɣi kpuia ɖe me la, Nya la tsoa du gã me yi ɖe kɔƒe-duwo me kple agbletawo. Egena ɖe fiasã ƒe agbowo me, yina ɖe agble- xɔwo me, henɔa hame, siwo me Nyateƒe la ƒe ɖaseɖila kalẽtɔwo avado go le gbaɖegbe la, gɔme ɖom anyi.UGL 195.4

    Le ɣletia ɖewo yome la egatrɔ yi Paris. Le afima la ʋunyaʋunya viaɖe ge ɖe agbalẽnyalawo kple nunyalawo ƒe hatsotsoewo dome. Blema-gbewo sɔsrɔ̃ kplɔ amewo yi ɖe Biblia ʋuʋu me, eye nunyala gã, siwo ƒe dzi ŋuti Nyateƒe la mekpɔka asi o la, dze eƒe nyawo hehe me kple dzo, eye wotsia tre ɖe Roma ƒe taʋlilawo ŋuti gɔ̃ hã. To gbɔ be Kalvin nya xɔse-nunyalawo ƒe nyahehe-ɖaŋu geɖe hã la, ekpɔ be dɔdasi xɔasi bubu le ye si tsɔ wú woƒe tofloko howɔwɔwo. Ekem anyo be yeatsɔ nya yi na amesiwo asee la. Le esime sukugãwo ƒe xɔwo me nye nyahehe ƒe ʋunyaʋunya ɖeɖe sɔŋ la, Kalvin ya le tsa ɖim tso aƒeme yi aƒeme, le nu gɔme ɖem na amewo, le nu ƒom na wo tso Kristo, si woklã ɖe ati ŋuti la ŋuti.UGL 195.5

    To Mawu ƒe amenuveve me la, asinukpɔkpɔ gasu Paris-tɔwo si be woase yɔyɔ na Nyanyui la xɔxɔ. Wogbe Lefèvre kple Farel ƒe yɔyɔ la xɔxɔ va yi tsã; gake ele be woagasee ake le hatsotsoe, siwo katã le dukɔa me la me. Le dunyagbɔgblɔ ƒe susua ɖewo ta la, fia la mewɔ ɖeka keŋkeŋ kple Roma, tsi tre ɖe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ŋuti o. Fia-nyɔnu Margareta ya le mɔkpɔkpɔ me gbesiagbe be Protestant xɔse la ava zu dziɖula le Frans godo. Edi be yeana woaɖe gbeƒã xɔse yeye la le Paris fia-du la me. Gbeɖeka, le fia ƒe anyimanɔ me la, ebia tso Protestant osɔfoa ɖe si be wòagblɔ Mawunya le dua ƒe gbedoxɔwo me. Katoliko hamea ƒe amegãwo tsi tre ɖe nya sia ŋuti. Ke fia-nyɔnu la ʋu fia-ƒea ɖi. Ena wotsɔ xɔ ɖeka wɔ gbedoxɔe, eye woɖe gbeƒã be gbesiagbe le gaƒoƒo tɔxɛa ɖe dzi la, Mawunya gbɔgblɔ anɔ anyi na amesiame, si ko lɔ̃ la, be wòavasee. Ameha geɖewo le du dzi na Nya la sese. Menye gbedoxɔ la ɖeɖe koe yɔ gba go o, ke xɔ siwo ƒo xlãe kple mɔwo dzi yɔ taŋ kple nyaselawo. Ame akpeakpewo ƒona ƒu gbesiagbe: bubumewo, du-dɔnunɔlawo, sewɔlawo, asitsalawo, asinudɔwɔlawo siaa. Ke esi fia la trɔ gbɔ la, mexe mɔ na Mawunya la o, ke boŋ egaɖe gbe be woaʋu gbedoxɔ bubu evewo le fiadu la me. Mawu ƒe Nya la mewɔ dɔ ɖe Paris-du la dzi alea gbegbe kpɔ o. Ewɔ abe agbe ƒe Gbɔgbɔ ƒo ɖe dukɔ la dzi tso dziƒo ene. Ɖokuidziɖuɖu, dzadzɛnyenye, ɖoɖotenɔnɔ kple dɔwɔwɔ xɔ ahamumu, agbe vlo, dzrewɔwɔ kple kuviawɔwɔ teƒe.UGL 196.1

    Gake Papa ƒe nunɔlawo ya tsɔ mavo. Esi wònye be fia la gbe be yematsi gbeƒãɖeɖewo nu o la, wotrɔ ɖe amehawo gbɔ. Womedo kpo naneke mawɔ be woade vɔvɔ, tsitretsitsi kple wɔwui wɔnawo ameha ɖemanyala, siwo lé ɖe numaɖinuwodzixɔse ŋuti la me o. Abe alesi wònɔ na Yerusalem le blema me ene la, Paris, si ku ɖe aʋatso-lẽkplɔlawo ŋuti ŋkuagbatɔe la, medze si ɣeyiɣi, si Mawu srãe kpɔ la, kple nusi ku ɖe eƒe ŋutifafa ŋuti o. Woyi Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ dzi ƒe eve sɔŋ. To gbɔ be ame geɖewo xɔ Nyanyuia hã la, akpa gãtɔ ya sẽ to. Fia Fransis, si metsi tre ɖe gbeƒãɖelawo ŋuti o, le eƒe susua ɖewo ta la, le asi ɖem le eɖokui ŋuti azɔ na nunɔlawo. Wogatu gbedoxɔwo katã, eye wogaƒo ƒu dzotɔame ƒe nakewo.UGL 196.2

    Kalvin gasusɔ le Paris-du la me, le dzadzram ɖo na dɔ, si le ŋgɔ nɛ la, to nusɔsrɔ, ŋugbledede kple gbedodoɖa me, le esime wògale Nyateƒe la kaka dzi. Medidi o, wodze susu ɖeɖe tso eŋuti. Hamea kplɔlawo ɖo be yewoatɔ dzoe. Ke eya menya be afɔkua ɖe le ŋgɔ na ye o, vaseɖe gbesigbe exɔlɔa ɖewo si du sesiẽ va ge ɖe edzi kple vɔvɔ̃ be gbadagbawo gbɔna elé ge. Gaƒoƒo ma dzi tututu wòse wole xexenu ƒe agbo la ƒom kple adã. Afɔ netsɔ. Exɔlɔa ɖewo yi ɖe agbo la nu be yewoable wo ɖe ŋuti ne womega ge ɖe aƒea me kaba o, le esime xɔlɔ̃ bubuwo ya le kpekpem ɖe Kalvin ŋuti be wòasi do go to flesre nu. Le nuwuwu la, ete ŋu do go tso Paris-du la me, hekpɔ bebeƒe le exɔlɔ̃ agbledelaa ɖe gbɔ. Exɔ eƒe awu do hetsɔ kodzui ɖe abɔ ta, eye wòdze mɔ ɖo ta dziehe, afisi wògakpɔ bebeƒe le, le Margareta ƒe anyigba dzi. - D’Aubigné, Histoire de la Réformation en Erope au temps de Calvin, liv. 2, ch. 30)UGL 197.1

    Afima wònɔ ɣletia ɖewo le exɔlɔ̃ amegã ŋusẽ-mewo ƒe ametakpɔkpɔ te, eye wògayi ɖe eƒe nusɔsrɔ̃ dzi. Nyanyui la kaka le Frans ƒe didi gale eme vevie, eye mele bɔbɔe nɛ be wòanɔ anyi kpoo dɔ sia mawɔ o. Esi ahomyawo nu tsi vie la, edze mɔ yi ɖe Poitiers na dɔ la wɔwɔ. Sukugãa ɖe le du sia me, afisi woxɔ susu yeyeawo nyuie le tsã. Ame geɖewo tso hatsotsoe vovowo me le du dzi kple dzidzɔ be yewoase Nyanyui la. Ke meƒo nu le dutoƒo o. Emã agbe mavɔ ƒe nya la na amesiwo lɔ̃ be yewoasee le du-megã la ƒe aƒe me, alo yeŋutɔ ƒe afisi wòle la kple abɔwo me ɣeaɖewoɣi. Ke esi amewo le agbɔ sɔm ɖe dzi la, wokpɔ be anyo be yewoanɔ ƒu ƒom le dua godo. Teƒe, si wokpɔ la, nye agakpeto me, le agado gogloa ɖe ƒe axa dzi le atiwo dome, si na be wònye ɣaɣla teƒea ɖe, si ŋu kakaɖedzi le la. Woyina afima le hatsotsoe viviviwo me, eye womedona go le dua me to mɔ ɖeka nu o. Bebeƒe sia woxlẽna Biblia, ɖena egɔme le. Afima Frans ƒe Nyanyui hametɔwo wɔ Nuɖuɖu kɔkɔea le zi gbãtɔ. Mawunyagblɔla geɖewo do go tso hame vi sia me kaka ɖe teƒe bubuwo na gbeƒã ɖeɖe.UGL 197.2

    Kalvin gatrɔ va Paris ake. Mɔkpɔkpɔ vevie gale eme be Frans-dua katã naxɔ Ɖɔɖɔɖo la. Gake ekpɔ be ʋɔtruwo katã kloe le tutu, elabena gbeƒã ɖeɖe Nya la zu dzotɔame ƒe mɔ tsɔtsɔ tɛe. Ke eɖo be yeayi ɖe Germania. Kasia wòadzo le Frans la, yometiti ƒe ahomya sesẽa ɖe ƒo ɖe Protestant tɔwo dzi, ale be ne menye ɖe wòdzo o la, eya hã anɔ tsɔtsrɔ̃ gã ma me.UGL 198.1

    Le woƒe didi vevie be Frans hã naxɔ Ɖɔɖɔɖonya la abe Germania kple Switzerland ene la, Frans ƒe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ɖo be yewoaho kalẽ-ʋa gãa ɖe ɖe numaɖinuwo dzixɔse ŋuti, ale be woahe dua katã ƒe ŋku va gbegblẽawo dzi. Le zã ɖeka me la, woka agbalẽwo ɖe teƒe teƒewo le Frans-du la katã me. Dzoxɔxɔ wɔna sia, si ŋuti womebu kpɔ nyui o la, esi wòle be wòakpe ɖe Ɖɔɖɔɖoa ŋuti la, gblẽ nu geɖe, menye le nyakakalawo ɖeɖe ŋuti o, ke boŋ le Ɖɔɖɔɖo xɔlɔwo hã ŋuti le dua katã me. Ena Papa ƒe amewo asinukpɔkpɔ, si dim wole xoxo be woabia aʋatsoxɔsetɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ blibo abe nugblẽla, siwo nye afɔku na fia-zikpui la ƒe kelili kple na dua ƒe ŋutifafa ene.UGL 198.2

    Agbalẽ, siwo woka ɖe mɔwo dzi la, ƒe ɖeka kpɔ mɔ yi ɖe keke fia gã la ƒe xɔdɔme ƒe ʋɔtru nu. Asi ɣaɣla kae ka agbalẽ sia? Ɖee wònye xɔlɔ̃ mabutame, madzeayea ɖea? Alo futɔ vɔɖi ƒe susu vɔɖi ɖeɖe yea? Amea ɖeke menya keke vaɖo egbea o. Fia la yɔ kple dziku manyagblɔ. Agbalẽ la tsi tre kple ŋusẽ ɖe nudadafiafiadzixɔse, si amewo lé ɖe asi kple bubu le ƒe alafalafawo me la ŋuti. Dzidodo, si tɔgbi meli o, si kplɔ ame be woayi aka agbalẽ la le keke fia ƒe ŋku me la, nye nusi gaho dzi nɛ geɖe. Eƒe nu ku, eye wònɔ ʋuʋum sɛe, hafi va wó kple gbeɖeɖe sesẽ sia be: “Milé wo katã, eye mitsrɔ̃ Luther ƒe nufialawo keŋkeŋ. Ibid, liv. 4, ch.10. Woɖo kpe edzi azɔ. Fia la tia be yeanɔ Roma ƒe akpa dzi blibo.UGL 198.3

    Wowɔ ɖoɖo na Luther yomedzelawo katã lelé le Paris dua me. Asinudɔwɔla Xɔseɖɔɖotɔ dahea ɖe, si kpena amewo na nusɔsrɔ̃ le bebeme la, ge ɖe woƒe asi me. Wobia tso esi, ne melɔ̃ be woatɔ dzo ye o la, be wòafia Papa ƒe amedɔdɔ la Protestant tɔwo katã ƒe aƒe me le Paris-dua me. Ete yi megbe kple ŋunyɔ̃ ɖe nusi wobiae la ta. Gake vɔvɔ̃ na dzobibi la na be wòlɔ̃ le nuwuwu be yeade yenɔviwo asi. Gbɔlɔlɔ dze egɔme. Fia ŋutinɔla, Morin, si yomemɔfiala kplɔ ɖo la, dze ameha gãa ɖe, si le ŋgɔ la yome. Nunɔlawo, lifidalawo, nunɔla-ɖokuiɖeɖagalawo kple asrafowo le eƒe axawo dzi, eye wolɔ gbɔ le ɖoɖuizizi me. Le gota la, wole gbɔlɔlɔ la wɔm na bubudede sacramento kɔkɔe la ŋuti, ale be woaklɔ vlo, si Protestant-tɔwo do misa wɔwɔ la ɖa. Gake nu bubu sãa, si dzi ŋɔ̃ la, ye le gɔme na atsyɔ̃ ɖeɖefia ƒe gbɔlɔlɔ sia. Ne woɖo Luther yomedzelaa ɖe ƒe aƒe mɔnu la, le numaƒo me, yomemɔfiala la wɔa dzesia ɖe, tsaɖiɖi kɔkɔe la nɔa te, eye wogena ɖe aƒea me, léna amesiwo le eme déa kɔsɔkɔsɔ, eye gbɔlɔlɔ la gayina edzi na amebuwo lelé. Wometo aƒea ɖeke ŋu o, eɖanye gã alo vi o, Paris ƒe sukugãwo gɔ̃ hã. Morin de vɔvɔ̃ dua katã me. Ŋɔdzi ƒe fiaɖuɖu la dze egɔme. Ibid, liv, 4, ch. 10.- Ameléleawo to vevesese manyagblɔ ƒe kua ɖe me, elabe wode se be dzo, si afiã wo la megasesẽ o, ale be woase veve didie hafi aku. Gake wokuna abe dziɖulawo ene. Womeʋuʋuna le woɖokui me o, vivitia ɖeke metɔtɔna woƒe ŋutifafa la o. Wo yometila, siwo mete ŋu wɔna naneke akpe woƒe xɔse kple dzideƒo dzi o la, nyena amesiwo dzi woɖu boŋ. Wotù kadeve kple dzotɔame teƒewo le Paris-dua katã me, eye dzo le bibim gbesiagbe. Susu la enye be woade vɔvɔ̃ amewo me ku ɖe aʋatsoxɔse ŋuti, to amewuwu atraɖi me. Gake to gbɔ be wòle alea hã la, Nyanyui la tɔ koe nye dziɖuɖu. Paris dua katã kpɔ amesi ƒomevi nufiafia yeye siawo tuna ɖo. Nyagblɔtia ɖeke mesɔ kple Martirowo ƒe kadeve-tiwo o. Ŋutifafa ƒe dzidzɔ, si nɔna woƒe mo, ne wokplɔ wo yina wuwu ge, woƒe kalẽwɔwɔ, nɔnɔme, si woɖena fia le dzo bibiwo me, amedzudzuwo xɔxɔ kple lɔlɔ, esiawo katã nana be ame geɖewo ƒe dɔmedzui trɔ zu nublanuikpɔkpɔ, fulelé zu lɔlɔ, eye wònye ɖaseɖiɖi sesẽa ɖe tso Nyanyui la ŋuti. Wylie, liv. 13, ch. 20.-UGL 199.1

    Le woƒe didi be yewoana be dukɔa ƒe dɔmedzui nabi sesiẽ ɖe dzi la, nunɔlawo gaɖena nyatsɔɖameŋu vɔɖiwo ɖe go ɖe Protestant-tɔwo ŋuti. Wogblɔ be woɖo be yewoawu katolikotɔwo, amu dziɖuɖua ƒu anyi, eye be yewoawu fia la. Ke naneke meli, si woaɖe fia be nya siawo nye nyateƒe o. Gake ɖe ko wòle abe nya siawo nye nyagblɔɖi nya ene; elabe wova me le nɔnɔme bubu me, le nu bubu, si to vo kura la ta. Ŋutasesẽ manyagblɔ, si katolikotɔwo wɔ ɖe Protestant-tɔ maɖifɔwo ŋuti la, nye nusiwo he tsɔtsrɔ, si wogblɔ be egogo la, va Dufia, dziɖuɖua kple emenɔlawo dzi le ƒe alafa etɔ̃ yome. Dzɔgbevɔẽ la tso dzimaxɔsetɔwo kple Papa ƒe dɔwɔlawo ŋutɔ gbɔ. Metso Protestant xɔse la ɖoɖo anyi me o, ke eɖeɖe ɖa me boŋ.UGL 200.1

    Susu vɔ̃ ɖeɖe tso ame ŋuti, amenɔvi dzi makaɖo kple vɔvɔ̃ ge ɖe dukɔa ƒe hatsotsoewo katã me. Le vɔvɔ̃ yaƒoƒo, si xɔ afisiafi me la, wokpɔ alesi Luther ƒe nufiafiawo wɔ dɔ deto le ameŋkutawo me, to hehenana, kpɔɖeŋu kple dɛ̃ nyui ɖeɖefia me. Kpuie la, womegakpɔ ame na dɔwɔƒe kɔkɔwo kple bubu-teƒewo o. Amewo le sisim do go le Frans-dua me: asinudɔwɔlawo, agbalẽtalawo, nunyalawo, Sukugã nufialawo, agbalẽŋlɔlawo kple fia ŋutinɔlawo gɔ̃ hã, si do go tso Paris keŋ, eye wotia be yewoayi ɖe dzronyigbawo dzi boŋ. Nusiawo ɖe alesi amesiawo katã xɔ xɔseɖɔɖo la fia. Papa ƒe amewo tsa ŋku, eye wokpɔ kple nuku alesi ame geɖewo xɔ xɔse dada la le yewo ƒe manyamanya mee. Woɖe woƒe dziku kɔ ɖe ame gblɔewo, bɔbɔnyenyeme, siwo ge ɖe woƒe asi me le agbɔsɔsɔ gãa ɖe me la dzi. Gakpɔwo yɔ gba go. Dzotɔame ƒe dzudzɔwo xɔ ya me keŋ, esi wogale Nyanyui xɔsemeʋulawo tsrɔm le dzo me.UGL 200.2

    Fia Fransis kpɔa dzidzɔ be yenye amesiwo gbɔ agbe agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe ŋgɔyiyi le ƒe alafa wuiadẽ lia ƒe gɔmedzedze me la dometɔ ɖeka. Evivia enu be wòakpe agbalẽnyala gãwo tso du vovowo me va eƒe fisã me. Eƒe lɔlɔ̃ na nusɔsrɔ̃ kple alesi wòtsri nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo ƒe bometsitsi kple wɔwuiwɔwɔ la, kpe ɖe Reformatio ƒe gomekpɔkpɔ le dukɔa me la ŋuti, le go aɖewo me. Gake le eƒe didi vevie be yeatsrɔ xɔse dada ɖa keŋkeŋ la, eya amesi nye agbalẽnyanya taʋlila la, de se be wɔatsrɔ̃ agbalẽtaƒewo katã le Frans-nyigba la dzi. Fia Fransis nye kpɔɖeŋu geɖewo dometɔ ɖeka, siwo ɖe fia le ŋutinyawo me be, susume nunya ateŋu nɔ ame si gake wòatsri ame bubu ƒe subɔsubɔ alo ati eyome sesiẽ faa.UGL 200.3

    To dutoƒo kɔnu gãa ɖe wɔwɔ me la, Frans ɖo kpe edzi be woatsrɔ̃ Protestant ƒe xɔse la gbidigbidi. Roma nunɔlawo bia be vo, si woda le dziƒo ŋuti to tsitre tsitsi ɖe misa ŋu me la, woaklɔɛ ɖa kple ʋu, eye bena fia la nada asi ɖe ʋukɔkɔɖi dziŋɔ̃ sia dzi le dukɔa ƒe ŋkɔ me.UGL 201.1

    Ale wotia ƒe 1535 ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋukeke 21lia na kɔnu nyɔŋu sia wɔwɔ. Wode numaɖinu- dzixɔse ƒe vɔvɔ̃ gãa kple fuléle dukɔa katã me ɖe Ɖɔɖɔɖo-xɔse la ŋuti. Ameha, siwo ŋu xexlẽme mele o la, ɖe abla tso du siwo ƒo xlã Paris me la vakɔ ɖe fia-du la me. Ŋkeke la dze egɔme kple gbɔlɔlɔ gã manyagblɔa ɖe. Aƒe siwo katã le gbɔlɔlɔ ƒe toƒewo la le funyinyi ƒe nu yibɔ me. Woli altarowo ɖe mɔwo dzi ɖeka ɖeka, eye kakati le bibim le agbo sia agbo nu na bubudede “sacramento kɔkɔe” la ŋuti. Hafi ŋu na ke la, gbɔlɔlɔ la dze egɔme tso fiasã mɔnu. Hame vovovoawo ƒe atitsoga kple aflagawo dze ŋgɔ; bubumewo kplɔ wo ɖo eve eve, wolé kakatiwo ɖe asi; nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo ƒe hatsotso eneawo dze wo yome le woƒe awu tɔxɛwo me, hafi “ame kɔkɔewo” ƒe ŋutinuwo va le agbɔsɔsɔ gãa ɖe me. Amesiwo va azɔ la woenye episkɔpo bubutɔwo ; wole sɔ dzi le woƒe aɖabɛwu, siwo ŋu kpe xɔasiwo le la me.UGL 201.2

    Wotsɔ hostia le agbadɔ nyakpɔ, si fiavi enewo kɔkɔ la gɔme. Fia lae va azɔ. Meɖɔ eƒe fiakuku la o, eye medo fia ƒe awu ʋlaya hã o, ke akaɖi ko wòlé ɖe asi, hede mo to. Esia nye Frans Du-fia la ƒe dutoƒo-kɔfadɔ wɔwɔ. Ibid, liv. 13, ch. 21.- Edzena kloe le altaro ɖesiaɖe ŋgɔ abe ɖokuibɔbɔ dzesi ene, menye ɖe vɔ, siwo ƒo ɖi eƒe luʋɔ la ta, alo ʋu maɖifɔ, siwo ƒo eƒe asiwo la ta o, ke boŋ ɖe eƒe dumevi, siwo do dzi tsitre ɖe misa ŋuti la ƒe nuvɔ̃ gã sia tae. Fia-nyɔnu la kple dziɖuɖua ƒe bubumewo kplɔe ɖo eve eve, eye kakati le wo si.UGL 201.3

    Le ŋkekea ƒe ɖoɖowo nu la, fia la ƒo nu le episkɔpowo ƒe fiasã-xɔ gã la me na fiaɖuƒea katã ƒe bubumewo. Eyi ɖe wo ŋgɔ kple blanui-mo, eye le nuƒo wɔdɔɖamedzia ɖe me la, eɖe eƒe vevesese ɖe nu vɔɖi, busuwɔna, siwo he funyinyi kple nuxaxa ŋkeke sia va dukɔ la dzi ŋuti. Ewɔ yɔyɔ na eƒe dumevi nuteƒewɔlawo katã be woatsrɔ̃ xɔse madzɔmadzɔ ƒe dɔvɔ, si le Frans dem tsɔtsrɔ̃ me la ɖa. Eyi edzi be: “Zi alesi menye miaƒe fia la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne menya be ɣebia sia ka nye ŋutinua ɖe ŋu la, matsɔe na mi mialãe ɖa…Gawu la, ne medze si vinyea ɖe, si ŋuti ɖi sia le la, nyemaʋli eta o, madee asi na mi, atsɔe sa vɔ na Mawu.” Fia ƒe gbe le ʋuʋum kple blanui, eye ƒuƒoƒoa katã do ɣli kple aɖatsi kple gbe ɖeka be: “míedi be míanɔ agbe, eye míaku le katoliko ha la me.”- D’Aubigné, Histoire de la Réformation en Europe au temps de Calvin, liv. 4, ch. 12.-UGL 202.1

    Dukɔ sia gbe Nyateƒe ƒe kekeli la, eye wòge ɖe viviti tsiɖitsiɖi me. “Amenuveve, si tsɔ xɔxɔ vɛ ” la va; gake Frans, si kpɔ eƒe ŋusẽ kple kɔkɔenyenye, esime eƒe mawume ƒe nyonyo wɔ dɔ ɖe ame akpewo akpewo dzi, esi eƒe keklẽ kɔ ɖe du gãwo, kɔƒe- duwo kple agbletawo dzi yome vɔ la, wogatrɔ megbe dee, hetia viviti ɖe kekeli teƒe. Egbe nu le dziƒo nunana, si wonae la gbɔ. Eyɔ vɔ̃ be nyui, nyui be vɔ, eye wòva ge dze eyaŋutɔ ƒe nugɔmemase ƒe gbegblẽ me. Esia tae, to gbɔ be exɔe se be Mawu ƒe lɔlɔnu wɔm yele to eƒe dukɔa yometiti me hã la, eƒe dzimevevie ɖoɖo, menye taflatse na eƒe vodada kura o. Egbe nu le kekeli, si aɖee ɖa le nudadafiafia ƒe mɔ dzi, eye wòana be eƒe asi megaƒo ʋu o la, gbɔ.UGL 202.2

    Ewɔ atamkaka na “xɔse madzɔmadzɔ” ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu la le gbedoxɔ gã la me, afisi, le ƒe alafa etɔ̃ yome la, dukɔ, si ŋlɔ̃ eƒe Mawu gbagbe la be la, subɔ “nunya ƒe mawu” la le. Le atamkaka megbe la, gbɔlɔlɔ la gatrɔ dze mɔ la dzi tso afima na dɔ, si ƒe atam woka la, gɔme dzedze. Woma dzotɔame teƒewo ɖe mɔ la dzi na amesiwo wolé la fiafiã. Wowɔ ɖoɖo be ne fia le teƒea ɖe gogom la, woatɔ dzo la, ale be ne eva ɖo afima la, wòakpɔ nu manyakpɔkpɔ la. Womate ŋu aƒo nu keŋkeŋ tso fukpekpe, si me Nyateƒea ƒe ɖaseɖilawo to le ɣeyiɣi mawo me o. Gake woƒe xɔse la meʋuʋu vie hã o.UGL 202.3

    Wo dometɔ ɖeka, si wobia be wòagbe nu le eƒe xɔsea ŋu la, ɖo eŋu be: “Nya siwo Nyagblɔɖilawo kple Apostolowo ɖe gbeƒãe, eye kɔkɔetɔwo katã xɔ la, ɖeɖe ko dzi mexɔse. Nye xɔse le Mawu, si ɖu dzomavɔ ƒe ŋusẽwo katã dzi la, me.” Ibid, liv. 4, ch. 12.UGL 203.1

    Gbɔlɔlɔ la nɔa te le teƒe sia teƒe, si woƒo ƒu dzotɔame nakewo ɖo. Ale, le nuwuwu la, wogatrɔ va afisi wodze egɔme tso, le fia ƒe agbo mɔnu. Afisia amehawo kaka le, eye fia kple nunɔlawo ma ɖa tso wonɔewo gbɔ, le dzidzɔkpɔkpɔ le ŋkeke la ŋuti me, kple ŋugbedodo be nusi gɔme yewodze la yewoayi edzi hena xɔsemadzɔmadzɔ la tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ.UGL 203.2

    Ke ŋutifafa Nyanyui, si Frans gbe la, wotsrɔe nyateƒe, eye emetsonuwo dzi ŋɔ̃ ale gbegbe. Le ƒe 1793 lia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke 21 lia dzi, si nye ƒe alafa eve blaatɔ̃ vɔ enyi tututu, esi Frans dze Xɔseɖɔɖo ƒe yometiti gɔme la, gbɔlɔlɔ bubu, si ƒe susu to vo kura la, hã to Paris ƒe mɔwo dzi. Dufia ke dzi ŋku gale; abe tsã ene la, ʋunyaʋunya kple ɣli gale ɖiɖim; abe tsã ene wogale ʋukɔkɔɖi sɔgbɔ biam; abe tsã ene wogaɖi kadeveti yibɔwo ɖe gu me; abe tsã ene, ŋkeke la wu nu kple ʋukɔkɔɖi manyagblɔ. Fia Louis XVI le elélawo kple amewulawo si me, eye wokplɔe yina ta tso ge le enu. Wolée te ɖe anyi vaseɖe esime ta ge le enu. Wylie, liv.13, ch. 21. Ke menye eya ɖeka koe le ku kpɔge o. Le teƒe, si medidi le afima gbɔ o la, ame akpe eve alafa enyi nu wotso ta le, le ŋɔdzi ŋkeke gã mawo me.UGL 203.3

    Ɖɔɖɔɖo la ʋu Biblia na xexeame, hetsɔ Mawu ƒe Se la ƒe ɖoɖowo na dukɔa ƒe dzitsinya ne woawɔ wo dzi. Mawu ƒe lɔlɔ̃ mavɔ la ɖe dziƒo ƒe Sewo kple Ɖoɖowo fia amegbetɔwo. Mawu gblɔ be: “Milé ŋku ɖe wo ŋu, eye miawɔ wo dzi, elabena woawo nye miaƒe nunya kple gɔmesese le dukɔwo ŋku me, amesiwo, ne wose Ɖoɖo siawo katã la, woagblɔ be: Ahã, dukɔ sia enye ame nyanuwo kple nugɔmeselawo vavã!” (Mose V, 4:6.) Esi Frans gbe dziƒo ƒe nunanaa la, eƒã setemanɔ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe nukuwo ɖi na eɖokui. Ale be dzɔdzɔme se, si gblɔ be nusi nèƒã ye nàŋẽ la, exa eƒe nukuwo le aglãdzedze kple ŋɔdzi ƒe fiaɖuɖu ŋkekeawo me abe alesi wogblɔe ɖi ene.UGL 203.4

    Le ɣeyiɣi didia ɖe me, hafi nu ŋlɔ-káwo navahe yometiti sesẽawo vɛ la, enɔ na Farel, kalẽtɔ kple dzo ƒe ame la, be wòasi do go tso ede-du la me ayi didiƒe ʋĩ. Eyi ɖe Switzerland, afisi, to eƒe dɔwɔwɔ kpe ɖe Zwingle ƒe dɔwo ŋu me la, ena be Ɖɔɖɔɖo la kpɔ ŋgɔyiyi geɖe le afima. Du sia me wòwɔ eƒe ƒe mamlɛawo le; gake egakpɔ ŋusẽ geɖe ɖe Ɖɔɖɔɖo la dzi le Frans.UGL 204.1

    Le eƒe duta nɔnɔ ƒe ƒe gbãtɔwo me la, ewɔ ŋutete be yeƒe dɔwɔwɔ ƒe alɔdzewo nage ɖe yeƒe du me. Ewɔ ɣeyiɣi geɖe ŋu dɔ ɖe gbeƒã le eƒe dumetɔwo dome le teƒe, siwo te ɖe liƒowo dzi ŋu la me. Eɖoa to alesi ʋiʋli la le edzi yim, eye wòɖoa nuxlɔamenyawo ɖe wo. Farel kple eƒe dumetɔa ɖewo, siwo hã si le Frans la, kpe asi heɖe Germania ƒe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe agbalẽwo gɔme ɖe franse-gbe me, eye wota wo le agbɔsɔsɔ me kple franse-gbe Biblia la. Agbalẽdzralawo ƒlena wo le wo si kple home suɛa ɖe heyina dzrana wo le Frans-du la katã me, ale be wote ŋu kpɔa mɔnu gayina ɖe dɔ la dzi.UGL 204.2

    Farel dze eƒe dɔ gɔme le Switzerland abe sukudzikpɔla ene. Eyi kɔƒe-dua ɖe, si ɖe ɖa le du-gã ŋuti la me. Etsɔ eɖokui de nufiafia ɖeviwo me. Kpe ɖe suku nufiafia vavãwo ŋu la, etsɔ Biblia ƒe Nyateƒea hã kpe ɖe wo ŋuti kple ayedzedze, kple mɔkpɔkpɔ sia be to ɖeviawo dzi la, yeate ŋu ake ɖe dzilawo ŋuti. Ale, wo dometɔa ɖewo xɔ se. Gake nunɔlawo kpɔ be nane le dzɔdzɔm, eye woxe mɔ nɛ, ale be wotùtu kɔƒemetɔ, siwo léna ɖe numaɖinudzixɔse ŋuti sesiẽ la, be woatsi tre ɖe Nya la ŋuti. Nunɔlawo gblɔ be: “Nya mawo mate ŋu anye Kristo ƒe Nyanyui la o, elabe ekaka mele ŋutifafa hem vɛ o, ke aʋa boŋ. Wylie, liv. 14, ch. 3.-UGL 204.3

    Abe Kristo ƒe nusrɔla gbãtɔwo ene la, ne woti eyome le afia ɖe la, esina yina afi bubu. Etsona le kɔƒe me yi kɔƒe me, du gã me yi du gã me, tona afɔ le dɔwuame, vuvɔ, kple ɖeɖiteameŋu ƒe xaxawo me, eye wòwɔa esia le agbe ƒe afɔku geɖe me. Eɖea gbeƒã le asiwo me, gbedoxɔwo kple Katedralwo ƒe nyagblɔtiwo dzi. Ɣeaɖewoɣi la, ɣlidodo kple fewuɖuɖu wotsɔ xea mɔ nɛ. Evana me be wonyanae le nyagblɔti la dzi kple ŋusẽ, alo be makpɔ amea ɖeke le gbedoxɔ la me o. Zi geɖe, amehawo ƒoe kutɔkutɔe. To gbɔ be wonyae enuenu hã la, egatrɔna yina kple ɖeɖimateameŋu ƒe kutrikuku, eye, blewu blewu la, du gãa ɖewo, siwo nye katoliko ƒe ŋusẽ-duwo la, dze woƒe ʋɔtruwo ʋuʋu na Nyanyui la. Gbedoxɔ sue, si me wòdze dɔa gɔme le la, xɔ Ɖɔɖɔɖo-xɔse la. Morat kple Neuchatel hã ɖe asi le Roma ƒe kɔnuwo ŋuti, eye woɖe trɔsubɔsubɔ ƒe nɔnɔmetatawo ɖa le woƒe gbedoxɔwo me.UGL 204.4

    Farel dina xoxo be yeatu Ɖɔɖɔɖo ƒe aflaga la ɖe Geneva du la me. Ne wote ŋu xɔ du sia la, anye tometia ɖe na Ɖɔɖɔɖo dɔ la le Frans, Switzerland kple Italia. Kple susu sia le ta me la, ewɔ dɔ kple ŋusẽ vaseɖe esime du gã kple kɔƒe, siwo ƒoxlã Geneva la, xɔ Nyanyuia ƒe nusɔsrɔwo. Ke azɔ la, ege ɖe Geneva kple exɔlɔ̃ ɖeka pɛ ko. Gake zi eve ko woɖe mɔ nɛ be wòagblɔ Mawunya. Nunɔlawo dze agbagba be du-kplɔlawo nabu fɔe do kpo. Ke wokpee le katoliko hamea kplɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe me, eye wotsɔ tu ɣla ɖe woƒe awuwo me be ne eva ko la, yewoaɖe eƒe gbe ɖa. Ke le xexenu ɣemaɣi la, amehaa ɖe le anyrã dzi ŋutɔ; kpo kple yi le wosi, eye woɖoe be ne ado go dedie tso ƒuƒoƒoa me la, ekem mage le yewo si o. Gake senyalawo kple asrafowo ƒe teƒe ma nɔnɔ ye nye akpe na eyama. Le ŋdikanyã futu la, wokplɔ eyama kple eƒe hadɔwɔla la yi tɔ la godo le dedienɔnɔ me. Esia enye eƒe ŋutete gbãtɔ na Mawunya gbɔgblɔ le Geneva la ƒe nuwuwu.UGL 205.1

    Mawu tia amesi le gblɔe wu la be wòayi ɖe dɔ la dzi. Wodɔ sɔhɛa ɖe, si ƒe kuɖiɖi na be amesiwo ŋutɔ nye Ɖɔɖɔɖo xɔlɔwo la mexɔe nyuie o. Nuka sɔhɛ sia ate ŋu awɔ, esi wonya Farel mahã? Aleke amesi menye kalẽtɔ o, si mekpɔ nane teƒe kpɔ o la, ate ŋu akpe akɔ kple ahom, si nu ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ gã abe Farel ene la, sí le ? “… Mava me to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye Gbɔgbɔ dzi. Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Zax. 4:6); “..hafi Mawu tia xexeame bometsinuwo, bene wòado ŋukpẽ nunyalawo, eye Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpẽ nu sesẽwo. Elabena Mawu ƒe bometsitsi nyaa nu wúa amegbetɔwo, eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sẽa ŋu wúa amegbetɔwo.” (Korinto I, 1: 27, 25)UGL 205.2

    Sɔhɛ sia, si ƒe ŋkɔ enye Froment la, dze dɔ la gɔme abe suku- nufiala ene, eye Nyateƒe siwo, wòfiaa ɖeviwo la, woyina xlẽna wo le aƒe me. Ke le madidi me, woƒe dzilawo dzena nya siawo yome, eye wova sena Biblia me nyawo ƒe gɔmeɖeɖe. Ale sukuxɔ la yɔna kple nyaselawo. Womã Nublabla Yeye la kple agbalẽ bubuwo na wo, eye agbalẽ siawo ka amesiwo mate ŋu ava nufiafia yeye siawo srɔƒe o la hã ƒe asi me. Le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, ele na dɔwɔla sia hã be wòasi dzo; gake Nyateƒe, siwo wòfia la wɔ dɔ ɖe dukɔa ƒe dzi me. Woƒã Ɖɔɖɔɖo la le Geneva dua me, eye wòle tsitsim, le kakam ɖe dzi. Ke gbeƒãɖelawo gatrɔ va du la me, eye to woƒe dɔ la dzi yiyi me la, wotu Nyanyui Hame la ɖe Geneva azɔ.UGL 206.1

    Du sia xɔ Xɔseɖɔɖo la ƒe nya tsã, esime Kalvin, le mɔzɔzɔ didi kple xaxa geɖewo megbe, va ge ɖe du sia ƒe gliwo me. Le eƒe tɔtrɔ tso eƒe de-du me yina ɖe Bale la, evake ɖe fia Karlos V lia ƒe aʋakɔ, siwo xɔ mɔa la ŋuti. Ke ele nɛ be wòato mɔ gɔglɔa ɖe, si kplɔe to Geneva la.UGL 206.2

    Farel kpɔ be Mawu ƒe asi le yeƒe Geneva vava me. To gbɔ be du sia xɔ Ɖɔɖɔɖo xɔsea hã la, dɔ geɖe gali na wɔwɔ. Wometrɔna dzime abe hame ene o, ke boŋ abe ame ɖeka ɖeka ene. Ele be gbugbɔgadzi la natso dzi me kple dzitsinya gbɔ, to Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ me, ke menye to kplɔlawo ƒe sedede me o. To gbɔ be Geneva dumetɔwo melɔ̃ be Roma naɖu yewo dzi o hã la, womele gbesɔsɔ aɖe asi le woƒe gbegblẽ, siwo tsi ɖe dzi le woƒe dziɖuɖua te la ŋuti o. Mele bɔbɔe hã be woaɖo Biblia ƒe ɖoɖo dzadzɛwo anyi le du la me, eye woatu emenɔlawo ɖo be woate ŋu awɔ dɔ, si Mawu le wo yɔm na la o.UGL 206.3

    Farel ka ɖe dzi be Kalvin nye amesi yeate ŋu awɔ ɖeka kple na dɔ la ƒe ŋgɔ yiyi le Geneva, eyata wòbia le Mawu ƒe ŋkɔ me be wòatsi du la me ne yewoawɔ dɔ. Kalvin te yi megbe kple vɔvɔ. Esi wònye amea ɖe, si mete ŋu hayana o, eye wòlɔ ŋutifafa la, evɔ̃ be yeakpa ŋgɔ Genevatɔwo ƒe ɖokuisinɔnɔ kple hlɔnu wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ, si le wo me la. Eƒe lãmesẽ malike kple nusɔsrɔ̃ geɖe na be wòdina bebeƒe nɔnɔ. Esi wòxɔ se be yeateŋu akpe ɖe Ɖɔɖɔɖo la ŋuti nyuie wú to yeƒe nuŋɔŋlɔwo me la, Edina afisi wòanɔ ŋutifafa me le, asrɔ̃ nu, aŋlɔ̃ nu, atu hamewo ɖo, axlɔ̃ nu wo to eƒe nuŋɔŋlɔwo me la le. Gake Farel ƒe yɔyɔ vevie sia nye dziƒo ƒe yɔyɔ, eye meka tse be yeagbe o. Farel gblɔ be: “Ewɔ abe Mawu ke eƒe asi tso dziƒo da ɖe edzi, heli kee le teƒe, si mele sɔsɔm nɛ kaba be yeadzo le o la ene.- D’Aubigné, Histoire de la Réformation au temps de Calvin, liv. 9, ch. 17.UGL 206.4

    Le ɣemaɣi me la, afɔku gãwo le Protestant-tɔwo ƒe mɔ dzi. Papa ƒe fiƒode nyawo le dzi dem bobobo ɖe Geneva ŋuti, eye dukɔ gã, siwo ƒo xlãe la ɖo be yewoagbãe. Aleke du suɛ sia ate ŋu nɔ te ɖe Papa, amesi bɔbɔna fiawo kple dufia gãwo ɖe anyi la ƒe ŋku me? Aleke wòate ŋu anɔ te ɖe xexeme dukɔ gãwo ƒe aʋakɔwo ŋku me?UGL 207.1

    Le kristotɔ ƒomea katã me la, Nyanyui Hame lae le afɔku gãa ɖe me tso futɔ sesẽwo ƒe asi me. Kasia Ɖɔɖɔɖo ƒe dziɖuɖu gbãtɔwo nu navayi la, papadziɖuɖua gaƒoƒu ŋusẽ yeyewo na etsɔtsrɔ. Susu sia ta woɖo nunɔlawo ƒe hatsotsoe, si woyɔ be Yezuit alo Yesutɔwo la, anyi ɖo . Wonye ŋutasẽtɔ kekeake, amesiwo vɔa ɖeke mesẽ ŋu na wɔwɔ o la, siwo nye Papa ƒe taʋlila gãtɔwo. Woɖe wo ɖokui ɖa tso anyigbadzi kadede kple amegbetɔ ƒe gomekpɔkpɔ ɖesiaɖe gbɔ; woku na dzɔdzɔme ƒe nɔvikadedewo, wotsi gɔmesese kple dzitsinya nu, eye ɖoɖoa ɖeke, kadedea ɖeke mele wo si wú woƒe hatsotsoe la tɔwo o, eye dɔdasia ɖeke mele wo si wú woƒe ha la ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe edzi o. Kristo ƒe Nyanyui la na eyomedzelawo ŋusẽ be woate ŋu anɔ te ɖe afɔku ŋgɔ, ato fukpekpe, vuvɔ, dɔwuame, dɔwɔwɔ kple ahedada me; ado Nyateƒe la ƒe kekeli ɖe dzi le gakpɔwo, fuwɔame kple dzotɔame ƒe dzobibiwo ŋgɔ. Ne woate ŋu atsɔ tsi tre ɖe ŋusẽ siawo ŋuti la, Yesutɔwo ƒe hatsotsoe la fia emenɔlawo wɔwuiwɔna, siwo ana be woawo hã nate ŋu ato afɔku mawo katã me, kple alesi woawɔ amebeble ƒe aʋawɔnuwo katã ŋuti dɔ atsi tre ɖe Nyanyui la ƒe ŋusẽ ŋuti. Mɔɖeɖe li na wo na mɔnu ɖesiaɖe ŋuti dɔ wɔwɔ. Na woawo ya la, nu vloa ɖeke melolo akpa na wɔwɔ o, aʋatsoa ɖeke menyɔ̃ ŋu akpa ne woaka o, eye alakpawua ɖeke melolo akpa na dodo o. Wodo ŋugbe na ahedada kple bɔbɔenyenye ƒe agbe nɔnɔ; woƒe taɖodzinu enye be woaƒo kesinɔnuwo kple ŋusẽwo nu ƒu na woƒe ha la hena Protestant Hame la ƒe gbagbã kple papa- dziɖuɖua ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ.UGL 207.2

    Woɖea wo ɖokui fiana abe ame kɔkɔewo ene, eye woɖina tsa yia gakpɔwo me kple dɔyɔƒewo, kpena ɖe dɔnɔwo kple amedahewo ŋuti. Wogblɔna be yewogbe nu le xexeame gbɔ, eye wotsɔa Yesu, amesi ɖina tsa yia teƒe teƒewo henɔa nu nyui wɔm la, ƒe ŋkɔ da ɖe wo ɖokui dzi. Gake le woƒe gota ƒe dzedzeme sia godo la woɣla tameɖoɖo vɔɖi yibɔtɔ kekeake. Ha sia ƒe ɖoɖowo ƒe gɔmeɖokpe gãtɔ enye be: “mɔ si ko dzi nàto ake ɖe nane ŋu la nyo.” Le ɖoɖo siawo nu la, alakpadada, nutàta, amewuwu, menye nusiwo woatsɔ ke ɖeɖe ko o, ke ehiã be woato mɔ siawo dzi faa, ne Hamea ate ŋu akpɔ gome le wo me ko.UGL 208.1

    Yesutɔwo tona aʋatso mɔ geɖewo dzi xɔna du-dɔwɔwɔ teƒewo eye wozuna du-fia ƒe aɖaŋuɖolawo gɔ̃ hã, ale be woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dukɔwo ƒe dunyagbɔgblɔwo dzi. Wowɔa wo ɖokuiwo subɔlawo ale be woanya nu tso woƒe aƒetɔwo ŋuti. Wotua suku gãwo na fiaviwo kple amegãwo ƒe viwo, eye woɖoa gɔmedze-sukuwo na dumeviwo; ale be Protestant- tɔwo ƒe viwo vawɔna ɖe Roma ƒe kɔnuwo dzi. Wowɔna gota ŋukeklẽwo, hotsuinuwo ŋuti dɔ le woƒe subɔsubɔwo me ale be woaflu amewo, alé woƒe gbɔgbɔ to dɔwɔwɔ ɖe woƒe susuwo dzi me; alea ye Protestant-tɔwo ƒe viwo dé subɔsubɔ ƒe ablɔɖe, si ta wo fofowo ʋli kple woƒe ʋu la, asi. Yesutɔwo xɔ Europa duwo katã me le ɣeyiɣi suɛa ɖe ko me, eye afisiafi, si wotona la, wogbɔna agbe Papa ƒe dziɖuɖu la.UGL 208.2

    Ne wòatsɔ do ŋusẽ wo la, Papa ɖe se ɖe go be woagaɖo hamea ƒe ʋɔnudrɔƒewo anyi. To gbɔ be nusia nye ŋɔdzinu le afisiafi, le katoliko duwo me ŋutɔ hã la, katoliko fiaviwo gaɖo ʋɔnudrɔƒe sia anyi, eye ŋutasesẽ wɔna, siwo ŋu gbɔgblɔ mele o, siwo dzi medze be ŋudɔ naklẽ ɖo o la, gava eme le woƒe gume-gaxɔ ɣaɣlawo me. Le du geɖewo me la, ame akpeakpe, siwo wolé le dukɔme ƒe ame xɔasiwo dome, siwo nye dɛ̃ nyui ƒe kpɔɖeŋuwo, bubumewo, ame, siwo xɔ tutuɖo nyuitɔwo kekeake, dumevi nuteƒewɔlawo kple dɔwɔlawo, nunyala gãwo, osɔfo mawuvɔla vavãwo, aɖaŋume, siwo si talento geɖe le, asinudɔwɔla nyuitɔwo, amesiawo katã wotsrɔ̃ wo, alo wosi yi du ta.UGL 208.3

    Mɔ siawo dzi Roma to be yeatsi Ɖɔɖɔɖo kekeli la nu, axɔ Biblia le amewo si, agatrɔ viviti ɣeyiɣi la ƒe bometsitsi kple numaɖinu dzixɔse la vɛ. Gake to Mawu ƒe amenuve yayra kple mawuvɔla, siwo Mawu yɔ be woava, le Luther yome ƒe dɔwɔwɔwo me la, Nyanyui Hame la gale te. Menye to fiaviwo ƒe kpekpeɖeŋu mee o. Eƒe bebeƒe woenye du maɖinuwo, du gblɔe, siwo si ŋusẽa ɖeke mele o la, du suɛ abe Geneva ene, si futɔ sesẽ, siwo le nugbe ɖom ɖe eŋu la ƒo xlã la; du abe Holand ene, si ɣla ɖe anyiehe-Tsiaƒu la ƒe ƒutakewo godo, hele ŋeŋẽm le Spania, si nye ɣeyiɣi ma ƒe du sesẽ kple kesinɔtɔ gãtɔ la ƒe teteɖeto te ene; du abe Skandinavia, vuvɔ ƒe du mawɔnuku la ene; du suɛ siawo katã woekpɔ dziɖuɖu na Refɔrmatio la.UGL 209.1

    Kalvin wɔ dɔ le Geneva abe ƒe blaetɔ̃ sɔŋ ene, gbã hena hame, si xɔ Biblia ƒe nufiafiawo ɖoɖo anyi, evelia, na Reformatio la ƒe ŋgɔdede le Europa-du mamlɛawo me. Mewɔ dɔ abe ha-kplɔla, si mokaka mele eŋu ene o la o, eye eƒe nufiafiawo mede blibo keŋkeŋ o. Ke ewɔ dɔ na Nyateƒe gã, siwo ŋu asixɔxɔ tɔxɛ le le ɣemaɣi la, ƒe kaka, kple na agbe ƒe bɔbɔenyenye kple kɔkɔenyenye tutu ɖo le Ɖɔɖɔɖo Hameawo me, ɖe dada kple gbegblẽ, siwo Roma fiana la, teƒe.UGL 209.2

    Geneva agbalẽ tatawo kple nufialawo tsona hekakana ɖe teƒe vovowo. Amesiwo katã yome woti le duwo me la kpɔa mɔ na nufiafia, toƒoɖo, kple dzideƒo tso du sia me. Kalvin ƒe du sia va zu bebeƒe na ɣetoɖoƒe Europa ƒe Ɖɔɖɔɖowɔla, siwo wonya ɖe du nu la. Le ƒe alafalafawo me la, blanuitɔ, siwo nɔ sisim le yometiti ƒe ahomyawo nu la, va ƒoa Geneva ƒe agbowo. Woxɔa nɔvi siawo, siwo xɔ abi, dɔ le wo wum, siwo si aƒe megale o, ƒome megale o la, kple lɔlɔ, heblana woƒe abiwo, kpɔna wo ta. Afisia va zuna woƒe de-du yeye la, eye to woƒe mawusosroɖa, nunya kple talentowo ŋuti dɔ wɔwɔ me la, wohena yayra geɖe vana woƒe sitsoƒe-du la dzi. Amesiwo kpɔ beƒe le Geneva la dometɔ geɖewo gatrɔ yi wo de be yeawoatsi tre ɖe Roma ƒe ameteteɖeto ŋusẽ la ŋuti. John Knox, Skotland ƒe Ɖɔɖɔɖowɔla kalẽtɔ gã, Puritantɔ geɖewo, alo Aŋlisi Nyanyui Hametɔ, siwo ʋlina na woƒe Ɖɔɖɔɖo la ƒe blibodede ta la, wo katã tsɔ Nyateƒe la ƒe kakati, si anya vivitiwo ɖa le wo de-du vovoawo me la tso Geneva.UGL 209.3

    -------UGL 210.1

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents