Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    19—TSO VIVITI ME YI ƉE KEKELI ME

    Mawu ƒe dɔwɔnawo le anyigba dzi, tso dzidzime yi dzidzime, le Ɖɔɖɔɖo gã alo subɔsubɔ ƒe azɔli ɖesiaɖe me la, ɖina wonɔewo ale gbegbe. Ɖoɖo, siwo katã Mawu wɔna ku ɖe amegbetɔwo ŋuti la, nyena nu ɖeka ƒomevi le ɣeawokatãɣi. Míaƒe egbe ŋkeke ƒe azɔli gãgãwo nye nusiwo tɔgbi va eme le blema me va yi, eye nufiame xɔasi geɖewo le blema Hamea ƒe nuteƒekpɔkpɔ, siwo wòwɔ le ɣemawoɣi me la, na mí egbea.UGL 313.1

    Biblia ƒe nufiafiaa ɖeke megakɔ ƒãa wu esia be Mawu, to eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi la, kplɔna eƒe subɔlawo tɔxɛ, le afɔɖeɖe gãwo wɔwɔ me na eƒe ɖeɖekpɔkpɔdɔ la ƒe ŋgɔyiyi le anyigba la dzi o. Amegbetɔwo nye dɔwɔnuwo le Mawu ƒe asi me, siwo ŋu dɔ wòwɔna le eƒe amenuve kple blanuikpɔkpɔ dɔwɔwɔ me. Dɔdasi tɔxɛawo le amesiame si. Amesiame xɔ kekeli ƒe dzidzenua ɖe, si sɔ kple eƒe ɣeyiɣi me ƒe hiãwo, eye wòsu akpe ɖe eŋuti be wòate ŋu awɔ eƒe dɔdasi la. Gake amea ɖeke meli, alesi gbegbe Dziƒo gade bubu eŋu hã, esi se ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo la gɔme le blibodede me, alo dze si nusi tututue nye Mawu ƒe taɖodzinu le ɖoɖo gã la me na ɣemaɣi o. Gɔmesese blibo mesu amewo si na nusi gbɔ Mawu ɖo ta, le dɔ, si wòtsɔ na wo be woawɔ la me o. Womese gbedasi, si ƒe gbeƒã ɖem wole le eƒe Ŋkɔ me hã ƒe kpekpeme le go sia go me o. “Ɖe àte ŋu ake ɖe Mawu ƒe agunu ŋua? Alo àte ŋu ade Mawu Ŋusẽkatãtɔ ƒe mlɔeanu kekeakea?”Elabena “Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o; ke boŋ alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.” “..nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge fia le blema ke…” . Hiob 11:7; Yes. 55:8,9; 46:9,10.UGL 313.2

    Nyagblɔɖila siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔea klẽ ɖo tɔxɛ le amenuveve me, ŋutɔ gɔ̃ hã mese ɖeɖefia, si woxɔ la ƒe asixɔxɔ gɔme blibo o. Woƒe gɔmesese anɔ vavam tso dzidzime yi dzidzime, alesi nu Mawu ƒe dukɔ la anɔ woƒe nufiamewo hiãm lae.UGL 313.3

    Le eƒe nu ƒoƒo me tso ɖeɖekpɔkpɔ, si Nyanyui la ɖe fia ŋuti la, Apostolo Petro gblɔ be: “Ɖeɖe sia yome mɔ nyagblɔɖila, siwo gblɔ nya ɖi le amenuveve, si le mía dzi va ge ŋuti la, di vevie, eye wodzro eme kpɔ tsitotsito; wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti. Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mi azɔ to amesiwo gblɔ Nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã. ” (Petro I, 1:10-12 )UGL 314.1

    To gbɔ be ɖeɖefia, siwo woxɔ la ƒe gɔmesese blibo mesu wosi o hã la, wodze agbagba be yewoake ɖe kekeli, si Mawu le tsɔtsɔm na la katã ŋuti. Wokua nu me vevie, dina gɔmesese tsitotsito, hebiana se be, ɣekaɣi ŋuti kple nɔnɔme ka ŋutie Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la le nu ƒom le mahã? Nusɔsrɔ̃ kae le wo me na Mawu subɔla, siwo le agbe le kristotɔwo ƒe ɣeyiɣi me, siwo ɖeɖefia, si woxɔ la, le yiyim na? Eye woɖee fia wo be menye woƒe nyae o, ke boŋ míawo tɔ enye ɖeɖefia, siwo wotsɔ na wo la. Míade ŋugble nyuie tso Mawu ƒe ame siawo ŋuti, tso alesi wonɔ nu me kum vevie tso ɖeɖefia, siwo woxɔ na ŋgɔgbe ƒe dzidzimewo ŋue la ŋuti. Míakpɔ vovototo, si le woƒe veviedodo kɔkɔe sia kple fifi dzidzimevi, siwo si gomekpɔkpɔ geɖe le la, ƒe ɖekematsɔleme na Mawu ƒe nunana nyui sia dome. Mokaka kae wònye na amesiwo, le woƒe lɔlɔ̃ na dɔɖemawɔ kple xexemelɔlɔ̃ ƒe ɖekematsɔleme me la, nɔa gbɔgblɔm be nyagblɔɖiawo menye nusi gɔme woate ŋu ase o la. UGL 314.2

    To gbɔ be amegbetɔ ƒe nunya suɛ la mate ŋu age ɖe Mavɔtɔ la ƒe aɖaŋutakpekpewo me o, alo ase eƒe tameɖoɖowo ƒe dɔwɔwɔ me blibo o hã la, zi geɖe, eƒe nugɔmemase ku ɖe dziƒo ƒe gbedasiwo ŋuti tsona eyaŋutɔ ƒe vodada kple ɖematsɔleme gbɔ. Evana eme be amewo ƒe susu, Mawu ƒe subɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã tɔ, nyrɔna ɖe amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ, dekɔnuwo kple nufiafiawo ƒe viviti me ale gbegbe be nu gã nu gã, siwo Mawu ɖe fia le eƒe Nya la me la, bebli hafi wote ŋu sea vi kakɛa ɖe ko gɔme. Nenema wònɔ na Kristo ƒe nusrɔlawo hã, le ɣeyiɣi, si me Ɖela ŋutɔ nɔ wo dome la. Esi wònɔ susu me na wo, le hahoa ƒe xɔse nu, be Mesia anye xexeme-Fiavia ɖe, si avawɔ Israel eƒe fiaɖuƒee ɖe xexea katã dzi la, womete ŋu se eƒe nyagblɔɖi-nya ku ɖe eƒe fukpekpe kple ku ŋuti la gɔme kura o.UGL 314.3

    Kristo ŋutɔ dɔ wo kple gbedeasi sia be: “Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vɔ. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixɔ Nyanyuie la dzi se.” (Marko 1:15 ). Gbedasi sia nɔ anyi ɖe Daniel 9 ƒe agbalẽ la dzi. Dɔla la gblɔ be kwasiɖa blaadẽ vɔ asieke lawu nu ɖe Mesia, Fiavi la dzi, eye esi woƒe dziwo yɔ kple ŋutikɔkɔe mɔkpɔkpɔ la, nusrɔlawo nɔ mɔ kpɔm le dzidzɔ me na Mesia ƒe fiaɖuƒe la ɖoɖo kpuie le Yerusalem hena dziɖuɖu ɖe xexea katã dzi.UGL 315.1

    Woɖe gbeƒã nya, si Aƒetɔ la de asi na wo la, to gbɔ be woa ŋutɔwo mese egɔme nyuie o hã. To gbɔ be gbeƒã, si ɖem wonɔ la nɔ anyi ɖe Daniel 9:25 dzi hã la, womede dzesii le kpukpui, si dze eyome le tanya ma ke me be, wole Mesia ƒe agbe ɖe ge ɖa o. Tso keke ɖevime ke wofia wo be woakpɔ mɔ na anyigbadzi fiaɖuƒea ɖe ƒe ŋutikɔkɔe, eye mɔkpɔkpɔ sia gbã ŋku na wo ale be womete ŋu se nyagblɔɖiawo kple nusi Kristo gblɔ na wo la gɔme o. UGL 315.2

    Wowɔ woƒe dɔdasi la, hewɔ amenuveve yɔyɔ la na Yuda dukɔ la, eye le ɣeyiɣi, si me tututu Aƒetɔ la ayi ɖe David ƒe fiazia dzi la, wokpɔ be wolée, ƒoe, wɔ fui, tso kufia nɛ, heklãe ɖe atitsoga ŋu le Kalvaria. Dziɖelameƒo kple vevesese kae nye esi vuvu nusrɔlawo ƒe dzi le ŋkeke mawo me, esi woƒe Ɖela la le alɔ̃ dɔm le yɔdo me ma!UGL 315.3

    Kristo va le nɔnɔme kple ɣeyiɣi, si nyagblɔɖi la gblɔ ɖi me pɛpɛpɛ. Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖaseɖiɖi la va me le eƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi la ƒe nudzɔdzɔ ɖesiaɖe me. Eɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ nya la, eye “wòƒo nu kple gãnyenye.” Eƒe toɖolawo de dzesii be eƒe gbedasi la, dziƒo ye wòtso. Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe Nya la ɖee fia be dɔ, si Vi la wɔ la, tso Mawu me. Nusrɔlawo lé ɖe woƒe Aƒetɔ lɔlɔ̃ la ŋuti kple lɔlɔkadede, si womate ŋu atso o, to gbɔ be woyɔ fũu kple dikeke hã la. Le woƒe vevesesewo me, womegaɖo ŋku Kristo ƒe nya ku ɖe eƒe vevesese kple ku ŋuti la dzi o. Ne Yesu, Nazaret-tɔ la, ɖe wònye Ɖela vavã ɖe, ɖee woamawo anɔ vevesese kple dziɖelameƒo gã sia mea? Biabia siae nɔ ƒu ɖem na woƒe luʋɔ vevie, le esime Ɖela la mlɔ anyi le yɔdo me le Sabat ƒe dziɖelameƒo gaƒoƒo, siwo va nɔ yiyim tso eƒe ku me yi ɖe eƒe tsitretsitsi me la. Konyifafa ƒe zãdodoa ɖe tsyɔ Kristo ƒe nusrɔlawo dzi, gake wometsi tsɔevinyenye me o. Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Ne memlɔ anyi le blukɔ me hã, Yehowa aklẽ nam… “akplɔm yi kekeli la me, eye màkpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.” “blukɔ ŋutɔ hã maɣlam ɖe Wò o, eye zã aklẽ abe ŋkeke ene. Viviti le na Wò abe kekeli ene.” Mawu gblɔ be: “Kekeli la klẽ le viviti me na ame dzɔdzɔewo.” “Makplɔ ŋkuagbãtɔwo to mɔ, si womenya o la dzi, eye mana woato toƒe, siwo womedze si o la. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye nu gɔglɔwo adzɔ, mawɔe na wo, eye nyemagblẽ wo ɖi kpɔ o.” (Mixa 7:8,9; Psalmowo 139:12; 112:4; Yes. 42:16 ).UGL 315.4

    Nusiwo nusrɔlawo ɖe gbeƒãe le wo ƒe Aƒetɔ ƒe ŋkɔ me la katã nye nyateƒe, eye nusiwo ŋuti wogblɔ nya ɖi le la katã va eme. Ɣeyiɣi la de, eye Mawu ƒe fiaɖuɖu la gogo. Nya siawoe nye woƒe gbeƒãɖeɖe la. Le “ɣeyiɣia” ƒe nuwuwu la, Daniel 9 ƒe kwasiɖa blaadẽ vɔ asieke, si ŋuti wòƒo nu le be akplɔ mi yi Mesia ƒe dodo dzi la, Kristo, Amesiamina la, xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amisisi, esi Yohanes le mawutsi nɛ le Yordan me la me. Fiaɖuƒe, si wobe etu aƒe la, kpɔ eƒe ɖoɖoanyi le Kristo ƒe ku me. Fiaɖuƒe sia menye xexe sia me ƒe fiaɖuƒe wònye abe alesi wofia wo ene la o. Menye fiaɖuƒe mavɔ, si woavaɖo anyi, le esime woatsɔ fiaɖuƒe, siwo katã le dziƒoa te la ƒe dziɖuɖu kple gãnyenye ade asi na Aƒetɔ la ƒe kɔkɔetɔwo ƒe dukɔ la, si anye fiaɖuƒe mavɔ, si dziɖuɖuwo katã adzo ta na, eye woaɖo to la hã o. (Daniel 7:27) Abe alesi woyɔe le Biblia me ene la, nyati «Mawu ƒe Fiaɖuƒe” la le nu ƒom tso «amenuveve ƒe fiaɖuɖu” kple «ŋutikɔkɔe ƒe fiaɖuɖu” ŋuti. Le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me la, Paulo nɔ nu ƒom tso «amenuveve fiaɖuƒe” ŋuti. Esi wòɖe Kristo fia abe Nyaxɔɖakɔla, Amenuvela, si “nya míaƒe mateŋuwo” la, eyi edzi gblɔ be: “Mina míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.” (Hebri. 4:16) Amenuveve fiazikpui la le nu ƒom tso amenuveve fiaɖuƒe ŋu, elabe ne amenuveve fiazikpui li la, ekem amenuveve fiaɖuƒe hã anɔ anyi godo. Le lododo geɖe me la, Kristo ƒo nu tso Dziƒo Fiaɖuƒe ŋu heɖe Mawu ƒe amenuveve dɔwɔwɔ le dziwo dzi la fia.UGL 316.1

    Nenema ke míakpɔ ŋutikɔkɔe fiazikpui la abe nuƒoƒo tso ŋutikɔkɔe fiaɖuƒe ŋuti ene, eye fiaɖuƒe sia ŋu Yesu nɔ nu ƒom le esi wògblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi, eye wòaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me..” (Mateo 25:31,32 ). Fiaɖuƒe sia le ŋgɔgbe gbɔna. Eƒe ɖoɖo anyi ava me le Kristo ƒe tɔtrɔva ŋkeke la dzi.UGL 317.1

    Woɖo amenuveve fiaɖuƒe la anyi le amegbetɔ ƒe gege ɖe nuvɔ̃ me la me, le esime wowɔ ɖoɖo na gege-dzidzime ɖifɔ la ƒe xɔxɔƒle la. Alea ye, le Mawu ƒe ɖoɖo kple ŋugbedodo nu la, amegbetɔwo te ŋu zu emenɔlawo. Gake le nyateƒe me la, eƒe ɖoɖoanyi va eme vavã le Kristo ƒe ku me. Ate ŋu ava eme na Ɖela be le eƒe dɔ gɔmedzedze le anyigba dzi megbe la, amegbetɔ ƒe tosesẽ kple akpemada ate ɖeɖi eŋu, eye wòagbe Kalvaria ƒe vɔsa la wɔwɔ. Le Getsemane-bɔa me la, eƒe asi ʋuʋu, esi wòtsɔ vɔvɔ̃ kple vevesese ƒe kplu, si wotsɔ ɖo eŋkume la kpɔ. Le ɣemaɣi ŋutɔ hã, ate ŋu atutu ʋu ƒe fifia, si nɔ gegem tso eƒe ŋgo nu, eye wòagblẽ dzidzime ɖifɔ la ɖi, wòatsrɔ̃ le eƒe nuvɔ̃ me. Ne ɖee wòwɔ esia la, amegbetɔ gegemewo ƒe xɔxɔƒle la mate ŋu ava eme o. Ke esi Yesu tsɔ eƒe agbe na, eye wòdo ɣli le eƒe kuɣi be “Nusianu wú nu” la, xɔxɔkpɔkpɔ ƒe ɖoɖo la va eme. Woda asi ɖe ŋugbedodo, si wowɔ na mía dzila gbãtɔwo la dzi. Amenuveve fiaɖuƒe, si nɔ anyi tsã to Mawu ƒe ŋugbedodo ɖeɖe ko me la, woɖo egɔme anyi vavã azɔ.UGL 317.2

    Nenemae Kristo ƒe ku, si nusrɔlawo kpɔ abe woƒe mɔkpɔkpɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ ene la, eya boŋ enye kakaɖedzi mavɔ na emevava. To gbɔ be ehe dziɖelameƒo gãa ɖe va wo dzi hã la, enye kakaɖedzi gãa ɖe na wo be nusi dzi woxɔ se la nye nyateƒe vavã. Nudzɔdzɔ, si na be vevesese kple dziɖelameƒo yɔ wo me la, eyae ʋu mɔkpɔkpɔ ƒe ʋɔtru na Adam ƒe vi ɖesiaɖe, ʋɔtru, si me Mawu ƒe nuteƒewɔlawo le dzidzimewo katã me, ƒe agbe kple dzidzɔ mavɔ la ge ɖo.UGL 317.3

    Nublanuikpɔkpɔ mavɔ la ƒe ɖoɖowo kpɔ emevava, to nusrɔlawo ƒe dziɖelameƒo me ŋutɔ gɔ̃ hã. To gbɔ be wotsɔ woƒe dzi na Mawu, le eƒe amenuveve me kple to Amesi “ƒo nu abe alesi amea ɖeke meƒo kpɔ o” ene ƒe nufiafiawo ƒe ŋusẽ me hã, xexeme ƒe dada kple nugãdidi na ameɖokui ƒe ŋubiã he gbegblẽ tɔtɔ lɔlɔ̃ vavã ƒe sika nyui, si woɖo na Yesu la. Le xɔ, si me woƒe Aƒetɔ mã ŋutitoto nuɖuɖu mamlɛa kpli wo le, le gaƒoƒo ma me, esi Getsemane ƒe blukɔ nɔ kɔkɔm ɖe edzi la, nyahehea ɖe nɔ nusrɔlawo dome vam, si me wonɔ didim le be yewoanya amesi nye gãtɔ le wo dome kpe ɖe Aƒetɔ la ŋuti. (Luka 22:24). Womeli ŋku ɖe naneke dzi ɣemaɣi wú fiazikpui, fiakuku kple ŋutikɔkɔe dzi o, evɔ wònye be ɣemaɣi tututu Getsemane ƒe vɔvɔ, ʋɔnudrɔƒe kple Kalvaria-titsoga ƒe ŋukpẽ le ŋgɔ na wo lae. Woƒe dzi ƒe dada, kple xexeme ƒe ŋutikɔkɔe ƒe tsikɔwuame woena woku ɖe ɣemaɣi ƒe nu dada fiafiawo ŋu sesiẽ ale gbegbe be wometsɔ ɖeke le me na Ɖela ƒe nya, siwo wògblɔ na wo ku ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe nɔnɔme vavã la ŋu, eƒe fukpekpe kple ku ƒe nyagblɔɖiwo ŋuti o. Woƒe vodada mawoe he dodokpɔ sesẽ, siwo Mawu ɖe mɔ na, be woava wo dzi na woƒe ɖɔɖɔɖo la.UGL 318.1

    To gbɔ be nusrɔlawo mese woƒe gbedasi la gɔme blibo o hã la, woɖe gbeƒã Mawu ƒe toklãnya, si wòtsɔ na wo la, eye wòɖo be yeaxe fe na wo ɖe woƒe xɔse la ta, ade bubu wo ŋu le woƒe toɖoɖo ta. Eyata wòna be woawo kee atsɔ wo ƒe Aƒetɔ ƒe tsitretsitsi ŋutikɔkɔe Nyanyui la ana dukɔwo katã. Ne yeatù wo ɖo na dɔ sia wɔwɔ tae Mawu ɖe mɔ be dodokpɔ sesẽ si, na wose veve ŋutɔ la, be wòava wo dzi.UGL 318.2

    Le eƒe tsitretsitsi megbe, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔla evewo le Emaus ƒe mɔ dzi eye,“. esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, eɖe nusiwo le Ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la ƒe gɔme fia wo.” (Luka 24:27) Nusrɔla siawo ƒe dzi lé dzo le wo me. Woƒe xɔse la gakp ɔ ŋusẽ yeye. Mɔkpɔkpɔ gbagbea ɖe ganyɔ̃ le wo me hafi Yesu ɖe eɖokui fia wo gɔ̃ hã. Eƒe didi enye be yeaklẽ ɖe woƒe nunya me, ale be woalí woƒe xɔse la ɖe nyagblɔɖilawo ƒe Nya, si ŋu kakaɖedzi le la dzi. Edi be Nyateƒe la nalí ke le woƒe gbɔgbɔ me sesiẽ, menye be wòanɔ anyi ɖe eyaŋutɔ ƒe ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko dzi o, ke le kakaɖedzi vavã, si tso Nubabla Xoxoa ƒe kɔnuwɔwɔ-ɖoɖowo ƒe dzesidonuwo kple nusi gbɔna la ƒe vɔvɔlĩ kpakple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo me la dzi. Ele be xɔse nanɔ Aƒetɔ la ƒe nusrɔlawo si le nunya me, menye na woawo ŋutɔ ɖokui ɖeɖe o, ke ale be woate ŋu aɖe gbeƒã Kristo ƒe sidzedze le xexea me godoo. Nunya, si wobia be wòanɔ wo si la, ƒe afɔɖeɖe gbãtɔ enye be Kristo naɖo ŋku nuwo dzi na wo “tso Mose dzi yi nyagblɔɖilawo dzi”. Ale be Ɖela, si fɔ la ɖi ɖase le Nubabla Xoxo la ƒe nuŋɔŋlɔwo ƒe asixɔxɔ ŋuti.UGL 318.3

    Tɔtrɔ kae meva nusrɔlawo ƒe dzi me esi wogakpɔ woƒe Ɖela lɔlɔ̃ ƒe mo la o! (Luka 24:27 ). Azɔ la, wokpɔ Amesi ŋuti “Mose ŋlɔ̃ nu tso le segbalẽ la me, eye nyagblɔɖilawo hã ƒo nu le” la, le gɔmesese, si nyo wu, de blibo la me. Ke fifia la, kakaɖedzi blibo kple xɔse, si me vivitia ɖeke mele o la, xɔ ɖikeke, vɔvɔ̃ kple dziɖelameƒo teƒe keŋkeŋ. Mewɔ nuku kura be, esi Ɖela la dzo yi dziƒo megbe la, wonɔa ƒu ƒom gbesiagbe le gbedoxɔ me, henɔa Mawu kafum ɖaa o. Ke dukɔa ya, si meganya naneke wu Ɖela ƒe ŋukpẽ-ku, si wòku o la, le susum be yewoakpɔ vevesese, tɔtɔtɔtɔ kple dziɖelameƒo le woƒe ŋku me, gake, nukutɔe la, dzidzɔ sɔŋ kple dziɖuɖu ye dze le wo ŋuti. Tutuɖo ƒomevi ka enye esi woxɔ na dɔ, si le wo lalam la wɔwɔ! Woto dodokpɔ gãtɔ kekeake, si ko me woate ŋu ato la me, eye wokpɔ alesi, le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, be wɔnaa ɖeke megali o la, Mawu ƒe Nya la kpɔ emevava kple dziɖuɖu gãa ɖe. Ke azɔ ɖe, nukae agate ŋu ado viviti ɖe woƒe xɔse me, alo atsi woƒe lɔlɔ̃ ƒe dzo la nu? Le nuxaxa deto kekeake me wokpɔ akɔfafa manyagblɔ, kple “dzideƒo sesẽ”, si le abe woƒe “luʋɔ ƒe seke, si lí dedie, eye wòsesẽ”, si ŋu kakaɖedzi le la ene. (Hebri. 6:18,19 ) Woawo ŋutɔ nye ɖasefo na Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ, eye woka ɖe edzi be naneke, “eɖanye ku o, eɖanye agbe o, eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o”; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ,̃ si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.” (Roma. 8:38, 39,37). “Aƒetɔ ƒe Nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Petro I, 1:25 ). “Amekae abu fɔ? Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xɔ mí ɖe akɔ hã.” (Roma. 8:34).UGL 319.1

    Aƒetɔ la gblɔ be: “...ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o. ” (Yoel 2:26 ), “..fiẽ la avi dzɔna, ke ŋdi la aseyetsotso vaa aƒe.” (Ps. 30:6 ) Le tsitretsitsi ŋkeke la dzi, esi nusrɔlawo kpɔ woƒe Aƒetɔ la, eye woƒe dziwo lé dzo, esi wose eƒe nuƒoƒo la; esi wokpɔ eƒe ta, eƒe asiwo kple afɔ, siwo xɔ abi ɖe wo ta la, esi, eƒe dzodzoɣi, wòkplɔ wo yi ɖe Betania, eye wòdo eƒe asiwo ɖe dzi be yeayra wo, hegblɔ be: “Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbeƒã Nyanyuie la na amewo katã”, eye wòwu nu be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Marko 16:15 ); (Mateo 28:20); Esi, le Pentekoste ŋkeke la dzi, Akɔfala, si ƒe ŋugbe wodo la, ɖi ɖe wo dzi, eye woxɔ Ŋusẽ tso dziƒo, eye xɔsetɔwo ƒe dziwo ʋuʋu le wo me, kple kakaɖedzi be wo ƒe Aƒetɔ, si yi dziƒo la le kpli wo, eye to gbɔ be woƒe mɔwo, abe woƒe Aƒetɔ la tɔ ke ene, nye vɔsa ƒe mɔ, si kplɔa ame yi ɖe xɔse ƒe ku me hã la, womadi gbeɖe be yewoaɖɔ li amenuveve Nyanyuie ƒe dɔ la kple “dzɔdzɔenyenye-fiakuku”, si woaxɔ le eƒe tɔtrɔva me la, kple anyigbadzi ŋutikɔkɔe fiazikpui, si wokpɔ mɔ na le woƒe nusrɔlanyenye ƒe ɣeyiɣi gbãtɔwo me la o. “Amesi awɔe geɖe wu nusi ke míebia kple nusi míesusu la”, tsɔ ɖekawɔwɔ kple eƒe dzidzɔ la kpe ɖe woƒe ɖekawɔwɔ kple eƒe fukpekpewo ŋuti na wo: dzidzɔ le vi geɖewo kpɔkplɔ va ŋutikɔkɔe me la me; “dzidzɔ manyagblɔ”, ŋutikɔkɔe mavɔ ƒe kpekpẽme, si, le Paulo ƒe nya nu la, womate ŋu atsɔ sɔ kple míaƒe ɣeyiɣi siawo ƒe vevesese gblɔeawo o”.UGL 320.1

    Nusrɔla, siwo ɖe gbeƒã fiaɖuƒe Nyanyuie la, le Kristo ƒe vava gbãtɔ me ƒe nuteƒekpɔkpɔ, si wowɔ la, ƒe ɖee nye esi eƒe tɔtrɔva ƒe gbeƒãɖelawo hã wɔ. Abe alesi nusrɔla gbãtɔwo yi ɖaɖe gbeƒã gblɔ be: “Ɣeyiɣi la de, eye Mawu ƒe fiaɖuƒe la tu aƒe” ene la, Miller kple eƒe hadɔwɔlawo hã na wonya be nyagblɔɖi ɣeyiɣi diditɔ kekeake le Biblia me, si nye nyagblɔɖi mamlɛa la, le nu wu ge kpuie, be ʋɔnudɔdrɔ̃ la gogo, eye bena wole Fiaɖuƒe mavɔ la ɖo ge anyi. Nusrɔlawo ƒe nyagblɔɖi ku ɖe ɣeyiɣia ŋuti la nɔ anyi ɖe kwasiɖa blaadrẽ, si ŋuti Daniel 9 ƒo nu le la dzi. Ke Miller kple etɔwo ya nɔ nanam woanya be Daniel 8:14 ƒe ŋkeke 2300, si ƒe akpaa ɖe enye kwasiɖa blaadrẽawo la, le nu wum. Hatsotsoe eveawo ƒe gbeƒãɖeɖe ƒo nu, wo tɔxɛ wo tɔxɛ, le nudzɔdzɔ vovovowo ŋuti le nyagblɔɖi ɣeyiɣi gã ɖeka ma ko me.UGL 320.2

    Abe nusrɔla gbãtɔwo ke ene la, Miller kple eƒe hadɔwɔlawo mese woƒe gbedasi la gɔme vavã o. Nu dadaa ɖewo, siwo le hame didie la na be womete ŋu se nyagblɔɖi la ƒe akpaa ɖe me nyuie o. Esiatae, to gbɔ be wonɔ gbeƒã ɖem gbedasia ɖe, si Mawu tsɔ na wo na xexea la, woda vo le egɔmeɖeɖe me, si he dziɖelameƒo gãa ɖe va wo dzi. UGL 321.1

    Esi wònɔ Daniel 8:14, si gblɔ be : “Le ɣetrɔ kple ŋdi 2300..” gɔme ɖem la, míegblɔe do ŋgɔ be Miller xɔe se, abe eŋɔlimetɔwo ke ene, be anyigba enye gbedoxɔ, si ŋuti wonɔ nu ƒom tso, eye wòbu be gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ enye anyigba ŋu kɔkɔ kple dzo le Aƒetɔ ƒe vavaɣi la. Eyata, le eƒe akɔŋta wɔwɔ me, esi wòke ɖe ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu ŋuti pɛpɛpɛ la, eka ɖe edzi be ŋkeke sia enye Ɖela ƒe tɔtrɔva ŋkeke la. Ke eƒe vodada lae nye be exɔe se, abe amesiame le ɣemaɣi ene, be anyigba enye gbedoxɔ la.UGL 321.2

    Le Yudaviwo ƒe dzesidede kɔnuwɔwɔ me, si nye vɔvɔli na Kristo ƒe vɔsa-Lã kple Nunɔlagã nyenye la, gbedoxɔ ŋuti kɔkɔ enye kɔnu mamlɛa, si nunɔlagã la wɔna le eƒe dɔwɔ-ƒe la katã me. Enye Israel ƒe nuvɔfe xexe kple nuvɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu. Enɔ dzesi dem míaƒe Nunɔlagã ƒe dɔ mamlɛa wɔwɔ le dziƒo, si nye eƒe dukɔ la ƒe nuvɔ, siwo woŋlɔ̃ ɖe dziƒo gbalẽwo me la kɔklɔ, alo ɖeɖe ɖa. Dɔ sia ƒe akpaa ɖe enye numekuku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe dɔa ɖe si, kasia wòawu nu la, Kristo aɖi va le alilikpowo dzi le ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe gãa ɖe me. Elabe ne ava la, amesiame ƒe nya akpɔ eƒe kpeɖodzi na agbe loo, alo na ku. Yesu gblɔ be: “Kpɔ ɖa megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋunye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.” (Nyaɖ. 22:12). Woƒo nu tso ʋɔnudɔdrɔ-dɔ sia, si do ŋgɔ kpuie na Yesu ƒe vava zi evelia la, ŋuti le Nyaɖeɖefia 14:7 ƒe dɔla gbãtɔ ƒe, gbedasi la me ale: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo.”UGL 321.3

    Amesiwo ɖe gbeƒã gbedasi sia la wɔe le ɣeyiɣi, si dze la me. Gake, abe alesi nusrɔlawo gblɔ be ɣeyiɣi la de, eye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la tu aƒe, eye wotu woƒe gbeƒãɖeɖe la ɖe Daniel 9lia dzi, le esime womekpɔ be wogblɔ Mesia ƒe ku ƒe nya ɖi le nyagblɔɖi ma ke me o ene la, nenema kee Miller kple eƒe hadɔwɔlawo hã ɖe gbeƒã ku ɖe Daniel 8:14 kple Nyaɖeɖefia 14:7 ŋu esi womekpɔ kura be gbedasi bubu ƒe nya wònye le tanya ma ke me, si ŋuti wòle be woaƒo nu tso hafi Aƒetɔ la natrɔva o. (339) Abe alesi nusrɔlawo mese fiaɖuƒe, si woaɖo anyi le kwasiɖa blaadrẽawo ƒe nuwuwu me gɔme o ene la, Mɔkpɔlawo hã menya nusi tututue le dzɔdzɔ ge le ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu o. Le go eveawo katã me la, nusi mele éteƒe o dzixɔse, si nɔ dukɔa me le ɣemawoɣi lae gbã ŋku na wo ku ɖe Nyateƒe la ŋuti. Gake wowɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔnu dzi, eye woɖe gbeƒã gbedasi, si wodi la. Ekem egɔme masee he dziɖelameƒo kple vevesese va wo dzi. Aleke wònye hã, Mawu ƒe amenuve-tameɖoɖo la kpɔ emevava, le esime woɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gbedasi la. Ŋkeke gã la ɖo, eye Mawu ɖe mɔ be amegbetɔwo nato dodokpɔa ɖe me, to ŋkeke tɔxɛa ɖe ɖoɖo me, ale be wòaɖe nusi le woƒe dzi me la fia wo. Gbedasi la ƒe taɖodzinue nye be wòado hame la kpɔ, eye wòakɔ eŋu. Ena be amewo nakpɔ nenye be woƒe lɔlɔ̃ ku ɖe xexea ŋu loo, alo ɖe Kristo kple dziƒo ŋuti. Wogblɔ be yewo lɔ̃ Ɖela la, ekem wobia tso wo si be woaɖe woƒe lɔlɔ̃ la fia. Ɖe wolɔ̃ aɖe asi le woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple xexemenu gãwo didi ŋuti, axɔ Kristo ƒe tɔtrɔva kple dzidzɔ a? Gbedasi la ƒe taɖodzinu enye be wòaɖe woƒe gbɔgbɔme ƒe nɔnɔme vavã la fia wo. Mawu ƒe amenuveve tsɔe ɖoɖe wo, be wòana woadi Aƒetɔ la le dzimetɔtrɔ kple bɔbɔenyenye me.UGL 322.1

    Alea ye, to gbɔ be dziɖelameƒo la tso gɔmesese madeblibo la tsɔtsɔ na gbedasi, si wonɔ gbeƒã ɖem me la, Mawu ƒe amenuve wɔe be nyona gado go tso eme na wo. Enye dodokpɔ na amesiwo ɖe wo ɖokui fia abe amesiwo xɔ gbeƒãɖeɖeawo ene la ƒe dzi. Ɖe dziɖelameƒo la ana be woagbe nu le woƒe xɔse kple kaka ɖe Mawu ƒe Nya dzi la gbɔa? Alo ɖee woatsɔ gbedodoɖa kple bɔbɔenyenye adi afisi woda vo le, le nyagblɔɖia gɔmeɖeɖe mea? Wo dometɔ kawoe wɔ nu le vɔvɔ̃ me, alo dze amehawo yome ko, alo mebu ta me hafi o? Wo ame nenie nye dzimevesusulawo alo dzimaxɔsetɔwo ma? Ame geɖewo gblɔ be yewokpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe vava ŋuti. Ne wòhiã be woaxɔ xexeame ƒe fewuɖuɖu kple mokakawo, alo alala eƒe vava didie, alo ne dziɖeleameƒo ava wo dzi ɖe, ɖee woagalé woƒe xɔse la me ɖe asi vevie a? Ne wòanye be womanya Mawu ƒe tameɖoɖowo ku ɖe wo ŋu kaba o ɖe, ɖee woaɖe asi le Nyateƒe, siwo nɔ anyi ɖe Nya la ƒe ɖaseɖiɖi vavã dzi la ŋuti a?UGL 323.1

    Dodokpɔ sia aɖe amesiwo ɖo to, nusi woxɔ se be enye Mawu ƒe Nya kple eƒe Gbɔgbɔ ƒe nufiafia kple xɔse la ƒe ŋusẽ afia. Afia wo nusi ko nuteƒekpɔkpɔ sia ateŋu fia wo la, si nye afɔku gã, si wònyena be woaxɔ amegbetɔwo ƒe susuwɔwɔ kple nugɔmeɖeɖewo, le esime wòle be woana Biblia ŋutɔ naɖe eɖokui gɔme. Na xɔseviwo la, tɔtɔtɔtɔ kple vevesese, si atso vodada sia me na wo la, atutu wo be woawɔ ɖɔɖɔɖo, si hiã na woƒe xɔse la. Akplɔ wo yi ɖe nyagblɔɖiwo sɔsrɔ̃ me kple veviedodo. Agana be woadzro woƒe xɔse ƒe gɔmeɖokpe la me tsitotsito, ale be woaɖe asi le susuɖeɖe ɖesiaɖe, si menɔ anyi ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o la ŋuti, ale gbegbe be wòakaka ɖe kristotɔwo dome ŋutɔ gɔ̃ hã la.UGL 323.2

    Nusi va nusrɔla gbãtɔwo dzi la ƒe ɖe kee va xɔsetɔ siawo hã dzi. Nusi do viviti na wo le xaxa ƒe ɣeyiɣi me la, me va kɔ na wo nyuie emegbe. Esi woke ɖe Aƒetɔ ƒe mɔwo ŋuti la, wode dzesii be to gbɔ be woƒe vodada he dodokpɔ ƒu wo dzi hã la, eƒe lɔlɔ̃ ƒe tameɖoɖowo ku ɖe wo ŋu la kpɔ emevava kple kakaɖedzi. Ke ele na wo be to woƒe nuteƒekpɔkpɔ sia wɔwɔ me la, woake ɖe eŋu be “eyɔ kple nublanuikpɔkpɔ kple veveseseɖamenu, eye be “eƒe mɔwo katã nye dɔmenyo kple nyateƒe na amesiwo katã lé eƒe nubabla kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi” la.UGL 324.1

    ------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents