Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    15—BIBLIA KPLE AGLÃDZEDZE LE FRANS

    Le ƒe alafa wuiadẽlia me la, Reformatio ʋu Biblia na amegbetɔwo, hebia Europa dukɔwo katã be woaxɔe. Dukɔa ɖewo xɔe kple dzidzɔ abe dziƒo ƒe amedɔdɔ ene. Ke le afi bubuwo ya, Papa ƒe dziɖuɖua te ŋu xe mɔ ɖe enu, ale be kekeli, si tsoa Biblia nyanya me kple emetsonu nyuiwo katã kloe bú ɖe wo. Gake dua ɖe ya li, si me kekeli la ge ɖo, ke vivitiwo xe mɔ nɛ. Le ƒe alafawo me, Nyateƒe kple aʋatso nɔ dziɖuɖu ʋlim. Ke viviti va kpɔ dziɖuɖu eye wogbe nu le kekeli la gbɔ. “Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔa viviti la wú kekeli la; elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔɖi.” (Yohanes 3:19). Ele na dukɔ sia be wòaŋẽ nusi wòƒã la ƒe kutsetsewo. Mawu ƒe Gbɔgbɔa ƒe ametakpɔkpɔ te ɖa le dukɔ, si lé fu eƒe amenuveve nunana la ŋu. Nuvɔ̃ la tsi, heɖi, eye xexe blibo la katã kpɔ nusi nyena kɔlialia ƒe nugbegbe le kekeli gbɔ la ƒe kutsetsewo.UGL 239.1

    Aʋa, si Frans ho ɖe Biblia ŋu le ƒe alafa geɖewo me la de eƒe kɔkɔƒe le Aglãdzedze gã la ƒe nudzɔdzɔwo me. Alesi vɔwɔwɔ sɔ gbɔ ŋɔdzitɔe la nye Roma ƒe Biblia tsɔtsrɔ̃ ƒe metsonu. Enye kpɔɖeŋu gãtɔ, si womekpɔ kpɔ o la, na xexea, ku ɖe papa ƒe dɔwɔnawo ƒe metsonuwo ŋu, kple taɖodzinu, si gbɔ Roma hamea ƒe nufiafiawo ɖoa tae la, ƒe ɖeɖefia le ƒe akpe ɖeka kple edzivɔwo me la. Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi tso alesi woatsɔ nu tsyɔ̃ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo dzi le papa ƒe dziɖuɖu ɣeyiɣiwo me la ŋuti. Nyaɖeɖefiawo Ŋlɔla hã gblɔ nya ɖi ku ɖe “nuvɔme” la ƒe dziɖuɖu ƒe metsonu dziŋɔwo, tɔxɛ le Frans la ŋuti.UGL 239.2

    Aƒetɔ la ƒe Dɔla la gblɔ be: “….woanyã avuzi le du kɔkɔe (Hame vavã) la dzi ɣleti blane vɔ eve sɔŋ. Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaadẽ, eye woanɔ akpanya me… Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si do tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo. Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ du sia le lododo me be: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe atitsoga ŋu le. Eye anyigbadzi-nɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi. Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi. (Nyaɖeɖefia 11: 2 - 11 )UGL 239.3

    Ɣeyiɣi, siwo ŋu woƒo nu le le afisia, ‘ɣleti blane vɔ eve’ kple ‘ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaadẽ’, le nya ɖeka gblɔm; wole nu ƒom tso ɣeyiɣi, si me Kristo ƒe Hame vavã la akpe fu le Roma si me. Papa ƒe dziɖuɖu ɣeyiɣi, si nye ƒe 1260 la, dze egɔme tso ƒe, si me woɖoe anyi le 538 le Yesu dzidzi megbe, eye wòwu nu le 1798 me. Le ɣemaɣi la, Frans ƒe aʋakɔa ɖe ge ɖe Roma, eye wòlé Papa hekplɔ yi ɖe Frans, afisi wòku le. To gbɔ be wogatia Papa bubu ɖe eyome enumake hã la, eƒe dziɖuɖua megakpɔ ŋusẽ, si nye etɔ tsã la o.UGL 240.1

    Kristo yomedzelawo ƒe yometiti meyi edzi le Papa ƒe 1260 dziɖuɖu ɣeyiɣia katã me o. Le eƒe nublanuikpɔkpɔ gã me la, Mawu ɖiɖi eƒe dukɔ la ƒe dodokpɔ seseãwo dzi kpɔtɔ. Le eƒe nyagblɔɖi ku ɖe xaxaɣi gã, si me Hamea le toto ge ŋu me la, Ɖela gblɔ be: “Ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta, woaɖe le ŋkeke mawo dzi.” (Mateo 24: 22 ). Ekem to Reformatio ƒe dɔwɔwɔ me, yometitiawo nu tsò do ŋgɔ na ƒe 1798.UGL 240.2

    Nyagblɔɖila gagblɔ le nuƒoƒo tso ɖaseɖila eveawo ŋu me be: “Amesiawo nye amiti eve kple akaɖiti eve, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋku me la.” “Wò Nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Nyaɖ.11:4); (Psalm.119:105 ). Amiti eveawo le nu ƒom tso Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea ƒe Ŋɔŋlɔawo ŋu. Agbalẽ eveawo nye ɖaseɖiɖi xɔasiwo na Mawu ƒe Sea ƒe dzɔtsoƒe kple eƒe mavɔmavɔnyenye. Woganye ɖaseɖiɖi na ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo la. Nusiwo nye vɔvɔli nuɖoanyiwo, vɔsawo kple nyagblɔɖiwo le Nubabla Xoxoa me la, nɔ nu ƒom tso Ɖelaa ɖe, si gbɔna la ŋuti. Ke Nubabla Yeyea ƒe Nyanyuiawo kple agbalẽwo le nu ƒom tso Ɖela, si va pɛpɛpɛ abe alesi vɔvɔli nuɖoanyiwo kple Nyagblɔɖiwo gblɔe ɖi la ene.UGL 240.3

    Woagblɔ nya ɖi “ƒe akpe ɖeka alafa eve kple blaadẽ.” Le ɣeyiɣi sia ƒe akpa gãtɔa me la, Mawu ƒe Ɖaseɖila eve siawo anɔ viviti me. Papa ƒe dziɖuɖua wɔ ŋutete geɖe be yeaɣla Nyateƒenya la ɖe amewo, eye wòdi aʋatso ɖaseɖilawo ne woagblɔ nusiwo tsi tre ɖe Nyateƒe la ƒe ɖaseɖiɖiwo ŋuti. Esi hameakplɔlawo kple dukplɔlawo de se ɖe Biblia nu, gblẽ eƒe ɖaseɖiɖiwo me, eye amegbetɔwo kple gbɔgbɔ vɔwo siaa wɔ nusianu, si ko woate ŋui, be woatè amewo ɖa le eŋuti, le esime woti amesiwo le agbagba dzem be yewoaɖe eƒe Nyateƒewo ɖe go la yome, dé wo asi, wɔ fu wo, dé wo gaxɔ me le gumexɔwo me, tsrɔ̃ wo le woƒe xɔse ta, eye bubuwo ya si bè ɖe agadowo me, anyigba ƒe tu me kple towo ƒe totro me la, esiawo katã nye ɖaseɖila nuteƒewɔlawo ƒe nyagblɔɖiawo dzi yiyi le akpanya me. Le viviti deto ƒe ƒewo me la, ame nuteƒewɔlawo gali, siwo lɔ̃ Mawu ƒe Nya la, eye woʋãa ŋu na eƒe bubu. Subɔla nuteƒewɔla siawo xɔ nunya, ŋusẽ kple dziɖuɖu bene woate ŋu atsɔ gblɔ Nyateƒea le ɣeyiɣi vɔɖi mawo katã me.UGL 241.1

    “Eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tso woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke.” (Nyaɖ. 11:5). Amegbetɔwo mate ŋu tu afɔ Mawu ƒe Nya la dzi tohehea ɖeke makpɔ o. Nyati dziŋɔ̃ sia ƒe gɔmesese le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe ta mamlɛa me: “Mele ɖase ɖim na amesiame, si le Agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo sem la bena, ne amea ɖe tsɔ nane kpe ɖe Nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ̃ ɖe Agbalẽ sia me la, akpe ɖe eŋuti nɛ; eye ne amea ɖe aɖe nane le Agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ̃ ɖe Agbalẽ sia me la me.” (Nyaɖ. 22: 18, 19UGL 241.2

    Esiawoe nye toklãnya, siwo Mawu na amewo ale be woakpɔ nyuie ɖe nusiwo eya ŋutɔ ɖe fia alo gblɔ la tɔtrɔ ŋuti. Nyati vevie siawo le yiyim na amesiwo hã, to woƒe ŋusẽ me, wole amewo tutum be woakpɔ Mawu ƒe Sea abe nusi mele vevie o la ene. Ele be nya siawo nana amesiwo, le gbɔgblɔm le woƒe ɖekematsɔleme me be toɖoɖo alo tomaɖo Seawo menye naneke o la, navɔ̃ alo aʋuʋu le wo ɖokui me. Amesiwo katã tsɔ woa ŋutɔwo ƒe susuwo da ɖe Mawu ƒe ɖeɖefiawo tame, amesiwo katã le didim be yewoatrɔ gɔmesese na Ŋɔŋlɔawo be ne woasɔ kple woƒe didiwo, alo be ne woate ŋu awɔ ɖeka kple xexeame la, le ƒu ƒom agba kpekpea ɖe ɖe wo ɖokui ƒe ta dzi. Nuŋlɔɖi la, alo Mawu ƒe Sea, ada amegbetɔvi ɖesiaɖe ƒe dẽ akpɔ, eye wòabu fɔ amesiame, si ŋuti dzidzenu dzɔdzɔe sia agblɔ le be ele wodzoe la.UGL 241.3

    “Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si do tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo.” (Nyaɖ., 11:7 ). Ɣeyiɣi, si me Ɖaseɖila eveawo gblɔ nya ɖi le akpanya me la, wu nu le ƒe 1798. Le esi wole tetem ɖe woƒe dɔ la ƒe nuwuwu le viviti me ŋuti la, ŋusẽ, si woyɔ be “lã, si le go dom tso aʋli me” la, wɔ aʋa kpli wo. Le Europa ƒe du geɖewo me la, ŋusẽ, siwo kplɔ hamea kple dukɔa le ƒe alafawo me la nɔ Satana ƒe kpɔkplɔ te to Papa ƒe dziɖuɖua ŋu dɔ wɔwɔ me. Ke le afisia la, míakpɔ Satana ƒe dɔwɔwɔ ɖeɖefia le nɔnɔme yeye me. Roma ƒe ɖoɖo, si wòwɔ la enye be, le susu sia ta be yele bubu dem Biblia ŋuti la, etré enu boŋ le gbe, si womenya o la me, eye wòɣlae ɖe dukɔ la. Le eƒe dziɖuɖua te, Daseɖilawo gblɔ nya ɖi “le akpanya me.” Ke azɔ ŋusẽ bubua ɖe atsi tre, aho aʋa le gaglãgbe ɖe Mawu ƒe Nya la ŋuti.UGL 242.1

    Du gã, si ƒe mɔwo dzi wowu Ɖaseɖila eveawo da ɖo, eye woƒe ŋutilã kukuwo le anyigba lae wode dzesii le gbɔgbɔ me be, “Egipte “. Le dukɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu le, le eƒe ŋutinyawo me la, ɖeke mele wo dome, si wɔ kalẽ, gbe be Mawua ɖeke meli o, eye wòsẽ to ɖe eƒe Sededewo ŋu abe Egipte ene o. Dufiaa ɖeke menɔ anyi, si te ŋu tsi tre, dze aglã kple kɔlialia ɖe dziƒo ƒe Dziɖuɖu la ŋuti abe Egipte ƒe fia la ene o. Esi Mose tsɔ gbedasi yi nɛ le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me la, Farao ɖo eŋu kple dada be: “Ameka nye Yehowa ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israelviwo ŋuti ne woayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o.” (Mose II, 5: 2) Esia enye ‘Mawua ɖeke meli o’ ƒe nɔnɔme la; eye dukɔ, si wotsɔ sɔ ɖe Egypte nu la, hã agbe Mawu gbagbe la ƒe dzenawo tsɔtsɔ na eyama, eye wòaɖe dzimaxɔse ƒe gbɔgbɔ kple tofloko kalẽwɔwɔ ma ke afia. Wogatsɔ ‘du gã’ la sɔ kple Sodom, le gbɔgbɔmenyawo gome. Gbegblẽ, siwo nɔ Sodom, eƒe Mawu ƒe Sea dzi mawɔ, ɖe wo ɖokui fia tɔxɛ le makɔmakɔ ƒe wɔnawo me. Nuvɔ̃ sia hã anɔ nusiwo katã ade dzesi dukɔ, si ƒe nya wogblɔ le kpukpui sia ƒe nyagblɔdiwo me la dome.UGL 242.2

    Alea ye, le Nyagblɔɖila ƒe nya nu la, dukɔa ɖe, si ƒe ŋusẽ kple dẽ tso Satana me la, atsi tre, kpuie do ŋgɔ na ƒe 1798 lia, eye wòaho aʋa ɖe Biblia ŋuti. Ke le du, si me woatsi gbe ɖe Ɖaseɖila eveawo nu le la, woakpɔ Farao ƒe mawumavɔ̃ kple ‘Mawu meli o’ ƒe ɖeɖefiawo kpakple Sodom ƒe gbegblẽwo keŋ le eme.UGL 243.1

    Nyagblɔɖi sia va eme wòdzé gãa le Frans ƒe ŋutinyawo me. Le aglãdzedze gã, si dzɔ le du sia me le 1793 lia me la, eva me be xexea katã kpɔ nusi medzɔ kpɔ o la; be amegbetɔ ŋkumekɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe, si tsɔ ŋusẽ ɖo eɖokui dzi be yeakplɔ dukɔ, si nye Europa ƒe dukɔ, siwo me kpovitɔwo wɔa dɔ le ŋutɔ dometɔ ɖeka la, gblɔ be ƒuƒoƒo sia nawɔ ɖeka akɔ gbe dzi agbe nu le Nyateƒe gã, si luʋɔwo katã dze si la gbɔ; agbe nu le Mawu ƒe anyinɔnɔ kple subɔsubɔ gbɔ.- Sir Walter Scott, Vie de Napoléon, vol. 1 ch. 17. Le xexea katã me la, Frans enye du ɖeka, si ƒe ŋutinya vavã ɖee fia be edo eƒe asi ɖe dzi kple aglãdzedze, mavɔmavɔ,̃ ɖe xexea ƒe Wɔla la ŋuti. Busunyagblɔlawo kple dzimaxɔsetɔ geɖewo nɔ anyi kpɔ, eye woaganɔ anyi ɖaa le Aŋlisiwo dé, Germania, Spania kple afi bubuwo, gake Frans xɔ ŋkɔ tɔxɛ le xexea ƒe ŋutinyawo me abe du, si ƒe sewɔƒe ɖe se sia ɖe go be ‘Mawu meli o’ la, eye dukɔmeviwo le eƒe fiadu la kple du mamlɛawo ƒe akpa gãtɔ me, nyɔnuwo kple ŋutsuwo, kpɔ dzidzɔ, dzi aseyetsohawo tsi tre ɖe Se la ŋuti.”- Blackwood’s Magazine, November 1870.- UGL 243.2

    Frans ga ɖe eɖokui fia le gbegblẽ, siwo de dzesi Sodom ƒe dua la ɖeɖe fia me. Le aglãdzedze gã la me la, wokpɔ susume ƒe gbegblẽ kple dɛ̃ nyui ƒe toyiyi siwo he tsɔtsrɔ̃ va “gbadzaƒe duwo” dzi le Biblia ƒe ŋutinyawo me la, gba go le Frans nyigba la dzi. Ŋutinya ŋlɔla la ƒo nu tso Mawu ƒe anyimanɔ dzixɔse kple dzɔdzɔme sewo dzi mawɔmawɔ le Frans ŋuti pɛpɛpɛ abe alesi Nyagblɔɖiwo gblɔe ene. Woɖe srɔɖeɖe ƒe sea ɖe ɖe go, kpe ɖe se, siwo wɔ dɔ ɖe subɔsubɔ dzi la ŋuti, si na be srɔɖeɖe ƒe ɖekawɔwɔ, si nye nu kɔkɔetɔ kekeake, si amegbetɔwo, ŋutsu kple nyɔnu, ate ŋu awɔ le wo nɔewo dome, si ƒe anyinɔnɔ didie nye gɔmeɖokpe sesẽ na dukɔme ƒe dedienɔnɔ la, va trɔ zu kadede gblɔe maxɔasia ɖe, si ko woate ŋu atso le ɣeyiɣi, si ko dzro ameawo la megbe. Nenye ɖee gbɔgbɔ vɔwo ɖoe be yewoadi mɔnua ɖe, si ana be yewoatsrɔ̃ nusi ko nye nu nyui, si ŋuti bubu le, si anɔ anyi ɖaa le ƒomegbenɔnɔ me, eye yewoaɖɔlii kple yewo ƒe nu gbegblẽ, siwo anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime la, womate ŋu ake ɖe nu bubu, si aɖo woƒe didiwo ŋuti wú srɔɖeɖe ƒe ɖoɖo nyuiwo ɖeɖe ɖa o. Sophie Arnoult, fefewɔla gãa ɖe, si ƒoa nu nyui la, yɔ dziɖuɖua ƒe srɔɖeɖe-se yeye la be “Ahasi ƒe sacramento”- Scott, vol.1,ch.17UGL 243.3

    Nyati, si nyagblɔɖi la gblɔ be: “Afisi woklã mía Aƒetɔ hã le” la, hã kpɔ emevava le Frans. Womekpɔ fulelé Kristo ƒe gbɔgbɔ sesẽ, si nɔ du sia me ɣemaɣi la, ƒomevi le dua ɖeke me kpɔ o. Ŋutasesẽ kple ʋukɔkɔɖi ƒe tsitre tsitsi ɖe Nyateƒe la ŋuti megasesẽ le afia ɖeke wú o. To Nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo yometiti sesẽwo me la, Frans gaklã Kristo ɖe atitsoga ŋu le eƒe nusrɔlawo ƒe ŋutilã me. Ame kɔkɔewo ƒe ʋu kɔ ɖi le ƒe alafalafawo me. Le esime Vaud-dumetɔ, siwo le Piemont ƒe towo dome, le woƒe agbe tsɔm na ɖe Mawu ƒe Nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta la, wo nɔvi, siwo le Albi le Frans hã, le ɖase ma ke ɖim le Nyateƒe la ŋuti. Le Reformatio ƒe ɣeyiɣiawo me la, wotsrɔ̃ eƒe gbeƒãɖelawo to fuwɔame dziŋɔwo me. Fia kple dumegãwo, nyɔnu xɔŋkɔwo, ɖetugbi nyakpɔwo, amesiwo katã nye dada kple seƒoƒowo na dukɔa la, wokpɔ Yesu ƒe martirowo ƒe kudɔƒoƒo-wɔnawo wòɖi ƒo na wo. Huguenots, alo Protestantetɔ kalẽtɔ, siwo ʋli na amegbetɔ ƒe dzi ƒe dzena kɔkɔeawo la, kɔ woƒe ʋu ɖi le aʋa geɖewo me. Wobu fɔ wo abe setemanɔlawo ene, eye wode se be woalé wo, awu wo.UGL 244.1

    “Hamea le gbedadaƒo”, blemame kristotɔwo ƒe dzidzime, siwo gasusɔ le Frans le ƒe alafa wuienyiliawo me la, ɣla wo ɖokuiwo ɖe dziehe towo dome, eye wogalé wo fofowo ƒe xɔse la me ɖe asi vevie. Ne wodze agbagba be yewoaƒo ƒu le zãtitina le towo ƒe akɔgo dzi, alo bebeƒe bubuwo na subɔsubɔ la, gbadagbawo le sɔ dzi tia wo yome heléa wo, hewɔa wo kluvi, siwo nɔa aʋa-tɔdziʋu alo asitsatsa tɔdziʋuwo kum na wo le woƒe agbe ŋkekeawo katã me. Dukɔmevi, siwo nye nuteƒewɔla dzadzɛwo, nya agbalẽ nyuie, esiwo si nunya geɖe le la, wode kɔsɔkɔsɔ wo le fuwɔame manyagblɔwo me, le nu gbegblẽ wɔlawo kple amewulawo dome. (Wylie, liv. 22, ch. 6.)- Amesiwo wokpɔ nublanui na la, woda tu wo ŋutegã, le esime tu alo taʋlinua ɖeke mele wo si o, ke boŋ wole klo dzi le gbe dom ɖa la. Amegãɖeɖi alafalafawo, nyɔnuwo, ɖevi maɖifɔwo, wotsrɔ̃ wo, hegblẽ wo ɖe anyigba le woƒe ablɔwo dzi. Numame wònye be nànɔ tsa ɖim le towo ƒe akɔgo dzi, alo le avewo me, afisiwo woƒoa ƒu le la, be le afɔɖeɖe ene sia afɔɖeɖe ene me la nàke ɖe ame kuku, siwo ƒe ʋu kɔ ɖe gbewo dzi, alo siwo wode ka ve na ɖe atiwo ŋuti la. Woƒe du, siwo yí, afía kple dzobibi ɖu keŋkeŋ la, zu nublanui dzogbe gãa ɖe. Hlɔnu dziŋɔ̃ siawo menye nusiwo va eme le viviti ɣeyiɣiwo me o, ke boŋ le kekeli ɣeyiɣi, siwo me nunya le ŋgɔ dem, agbalẽnyanya le dzi yim, subɔsubɔnya fialawo le fia ƒe me kple fiadua me, nunyala gãwo, amesiwo nya nu ƒoƒo nyuie, wo katã le nusiwo dzɔ vayi gblɔm tso amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe nunana kɔkɔ, si le wo si la ŋuti me lae. -Ibid, liv. 22, ch. 7-UGL 244.2

    Gake nusi ga vloe ŋutɔ ŋutɔ le hlɔnuwɔwɔ vɔɖi ƒe ŋutinyawo me, nusi ga vɔɖi wú, le abosam ƒe vɔɖivɔɖi ʋukɔkɔɖi nuwɔwɔwo katã le ƒe alafalafawo ƒe vɔvɔɣiwo me la, yenye Bartolomeo kɔkɔe ŋkekea dzi ƒe amewuwu la. Dufia gã, si Roma ƒe episkɔpowo kple nunɔlawo de dzo lã me na la, da asi ɖe ʋukɔkɔɖi-dɔ sia dzi. Fiasã me ƒe ga gã ƒe ɖiɖi le zãdome la yenye gbeɖeɖe na hlɔnu manyagblɔ sia. Protestantetɔ akpeakpewo le alɔ̃ dɔm le ŋutifafa me le woƒe aƒewo me, kple kakaɖedzi blibo ku ɖe atam, si fia la ka na woƒe ŋutifafa la ta. Ke nublanuitɔe, wodze wo dzi le avo me hetsrɔ̃ wo keŋkeŋ ŋutasẽtɔe.UGL 245.1

    Satana le ŋgɔ na nugbeɖoɖo sia to katoliko hametɔwo ƒe dzoxɔxɔŋutidɔ wɔwɔ me. Abealesi Kristo nye Kplɔla makpɔmakpɔ na eƒe dukɔ la le woƒe vovo tso Egipte ƒe kluvinyenye me ene la, Satana hã nye kplɔla makpɔmakpɔ na etɔwo le martirowo ƒe tsɔtsrɔ-dɔ dziŋɔ̃ sia me. Le Paris dua me la, ʋukɔkɔɖi la yi edzi ŋkeke adrẽ sɔŋ. Gbɔgblɔ mele ŋkeke etɔ̃ gbãtɔwo ƒe amewuwu ƒe dzoxɔxɔ ŋu o. Ke menye fiadua me ɖeɖe ko nusiawo le eme vam le o. Le fia ƒe gbeɖeɖe tɔxɛ nu la, ʋukɔkɔɖi wɔna siawo ge ɖe Frans ƒe nutowo kple duwo katã me, afisi ko woate ŋu akpɔ Protestantetɔwo le la. Amea ɖeke meto le eme o; ŋutsu, nyɔnu, vidzĩ manyaɖe, si le no nu, amegãɖeɖi ta ɣi, wo katã kpɔ ŋutasesẽ ƒe ku. Amegã ŋkɔ xɔlawo, agbledelawo, fofowo, dadawo, tsitsiawo kple sɔhɛwo siaa tsi yí nu. Hlɔnu sia yi edzi ɣleti eve sɔŋ le Frans nyigba katã dzi. Du sia ƒe ame veviewo, luʋɔ akpe blaadrẽ sɔŋ ye kpɔ ku le nya sia me.UGL 246.1

    Papa Gregorio XIII kpɔ dzidzɔ geɖe esi wòse nusi dzɔ ɖe Protestantetɔwo dzi la. Eƒe dzi me ƒe didiwo kpɔ emevava, eye Frans Dufia Karlos IX zu via lɔlɔtɔ tso ɣemaɣi. Roma ƒe dua katã gli kple dzidzɔ. Le Chateau St-Ange ƒe fiasã me la apremtuwo nɔ ɖiɖim le dzidzɔ me; woƒo gawo abe dzidzɔ ŋutiɖoɖo na nudzɔdzɔ gã sia ene, gbedoxɔ sia gbedoxɔ ƒe gawo nɔ ɖiɖim; wotɔ nakedzowo le afisiafi le zã me, eye Papa Gregorio kple eƒe kardinalwo kpakple nunɔlawo lɔ gbɔ kple atsyɔ̃ ɖoɖo yi ɖe Louis-kɔkɔe ƒe gbedoxɔ me, afisi Lorraine ƒe kardinal la wɔ kafukafu sɔleme na Mawu le. Ɖe ko wòle abe kukulawo ƒe veveseseɣli kple ŋeŋẽwo nye hadzidzi viviwo le Roma ƒe towo me ene. Wona wowɔ nudzɔdzɔ sia ƒe nɔnɔme tataa ɖe ɖe medalia dzi, wònye ŋkuɖodzinu na amewuwu ŋkeke gã la. Bartolomeo kɔkɔe ŋkekea ƒe nudzɔdzɔ vovovowo ƒe tata kple aŋɔ̃ ɖe taflo dzi gale Vatikan egbe egbe. Abe akpedada na fia Karlos ɖe eƒe dɔ, si wòwɔ le Protestantetɔwo tsɔtsrɔ̃ me enea, Papa tsɔ sika-roza seƒoƒo ɖo ɖe eyama, eye gbeƒãɖela, siwo nya nuƒoƒo nyuie la, xlẽ kafukafunyawo da akpe na fia Karlos, srɔa Katrina kple Guise ƒomea, eye woda ŋkɔ ɖe wo dzi be wonye Papa ƒe hamea tula yeyeawo.- Míakpɔ nya sia le agbalẽ, si gbɔna la me. -Henry White, Les Massacres de la Saint-Barthelemy, ch. 14, par. 34.UGL 246.2

    Satana ƒe gbɔgbɔ, si na wotsrɔ̃ Mawu ƒe subɔlawo le Bartolomeo kɔkɔe ƒe ŋkekea dzi la, kee ganɔ ŋgɔ na aglãdzedze gã ƒe wɔnawo le Frans dua me. Woyɔ Kristo be alakpatɔ, eye aʋaɣli, si nɔ nu na dzimaxɔsetɔwo le Frans ɣemaɣi la enye: “Mina míatugu gbevu la!” (gbevu lae nye Kristo). Busunyawo le ɖiɖim ɖe dziƒo ŋuti, nu vlo wɔwɔ le tsatsram abe tɔsisi ene, eye ŋutasẽla gãtɔwo kekeake, kple amesiwo yɔ kple lãwɔadãwo ƒe nyanyrã kpakple gbegblẽ deto la, woezu bubume, siwo kafukafuwo le yiyim na. Le nusiawo katã me la, wotsɔ bubu gãtɔ le Satana nam, hegale Kristo klãm ɖe ati ŋu ake le nɔnɔme, si dé vovototo eŋuti la, si nye nyateƒetoto, dzadzɛnyenye, kple lɔlɔ, si me ɖokuitɔdidia ɖeke mele o la, me.UGL 247.1

    “Lã, si do tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi, eye wòawu wo.” ‘Mawu meli o” ƒe ŋusẽ, si akplɔ Frans le aglãdzedze gã kple ŋɔdzi ɣeyiɣia me la, ho aʋa, si tɔgbi womekpɔ kpɔ o la, ɖe Biblia ŋuti. Du sewɔƒe gã la de se ɖe Mawu ƒe Nya la nu. Woƒo ƒu Bibliawo katã, eye wotɔ dzo wo kple fulelé deto ɖeɖe fia. Wotu afɔ Mawu ƒe Se la dzi. Wogbã Biblia ƒe nuɖoanyiwo katã. Nenema ke woɖe asi le ŋkeke adrẽ sia ŋkeke adrẽ ƒe dzudzɔgbe la ŋuti, eye wotsɔ ŋkeke ewo sia ŋkeke ewo da ɖi na dzidzɔkpɔkpɔ kple busunyawo. Wode se ɖe mawutsilele kple Nuɖuɖu kɔkɔe wɔwɔ ŋuti, eye woŋlɔ̃ nu ka ɖe ameɖibɔwo me le gbɔgblɔm be ku nye alɔdɔdɔ mavɔ.UGL 247.2

    Wona wonya hã be Mawu vɔvɔ̃ menye nunya ƒe gɔmedzedze o, ke boŋ aɖaʋa ƒe gɔmetoto. Subɔsubɔ alo sɔleme megali o, negbe esi wowɔna na vovokpɔkpɔ kple de-du la ko. Wobia tso Paris dua ƒe episkɔpo gã, si woɖo la si be wòanɔ ŋgɔ na dziɖuɖu yeyea, si woyɔ be Konventio la, ƒe ɖoɖowo ɖeɖe fia. Wɔnawo katã nye ŋukpẽnanu manyagblɔ, si womekpɔ kpɔ le dukɔa ɖeke ƒe kplɔlawo ƒe ƒuƒoƒo me o la. Episkɔpo sia na ƒuƒoƒoa nya be subɔsubɔ, si yefia tsã le ƒe geɖewo me la, menye naneke wú nunɔlawo ƒe ameblenya, siwo si gɔmeɖokpea ɖeke le ŋutinyawo me, alo le Nyateƒe kɔkɔeawo me, mele la o. Egblɔ kple movevieɖoɖo, eme kɔ ƒã, be Mawu, si ƒe subɔsubɔ ŋuti woɖo ye ɖo tsã la, meli o, eye bena azɔ la, yeƒe subɔsubɔ ayi na vovokpɔkpɔ, amesiame ƒe tasɔsɔ, dɛ̃ nyui kple susu si dza la. Le eƒe nuƒoƒo megbe la, eɖe eƒe episkɔponyenye ƒe dzesiwo da ɖe kplɔ, si le eŋgɔ la dzi, eye wo kple konventio ƒe zimenɔla kpla asi kɔ na wo nɔewo. Nunɔla megbedela bubuwo hã dze eyome wɔ nenema ke.- Scott, vol. 1, ch. 17.UGL 247.3

    “Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wonɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.” (Nyaɖ. 11:10) Frans, dzimaxɔse ƒe du sia, mía nu na Mawu ƒe Ɖaseɖila eveawo ƒe mokanamenyawo. Wotu afɔ Mawu ƒe Nya la dzi, hetsi gbɔgbɔ ɖe eƒo, eye amesiwo lé fu Mawu ƒe Sea ƒe nyagbegbewo kple eƒe nuxlɔamenyawo la, kpɔ dzidzɔ geɖe. Amegbetɔwo do aɖikã kple Dzifo-Fia la le dutoƒo. Abe vɔwɔlawo le blema ene la, wodo ɣli be: “Ɖee Mawu nyae, eye ɖee nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?” (Ps.73:11) Nunɔla yeyeawo dometɔ ɖeka gblɔ gbe ɖeka kple busu kalẽwɔwɔ, si sesẽ be woaxɔe se la, be: “Mawu, nenye be nèli vavã la, bia hlɔ̃ wo Ŋkɔ, si wole vlo dom la. Ne nàte ŋui la, wɔe makpɔ! Nèzi ɖoɖui! Mèna be dzi naɖe gbe oa! Amekae agaxɔe se le esia megbe be nèli vavã?- Lacretelle, Histoire, vol. 2, p. 309; Nya siawo gale Sir Archibald Alison ƒe agbalẽ: Histoire de l’Europe, vol. 1, ch. 10.- hã me. Ɖee esia menye Farao ƒe biabia, si wòwɔ la ƒe gbeɖiɖi oa? “Amekae nye Yehowa be maɖo to eƒe gbe?” “Nyemenya Yehowa o!” “Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o...” (Ps. 14: 1) Aƒetɔ la le gbɔgblɔm na amesiwo le Nyateƒea gblẽm la be: “…woƒe aɖaʋadzedze la dze ƒã na amewo katã…” (Tim.II, 3: 9)UGL 248.1

    Esi Frans-dua gbe eƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu gbagbe la, Dziƒoʋĩtɔ, si li tso mavɔ yi mavɔ la, medidi hafi wòge ɖe tsukuku kple gbɔɖiame ƒe trɔsubɔsubɔ me o, eye wòɖo subɔsubɔ anyi na ‘susuɖeɖe ƒe mawu tutɔ’ le nyɔnu agbevlonɔlaa ɖe ƒe nɔnɔme me, le du-sewɔƒe gã la me, le dukplɔla gãwo kple du- sewɔla gãwo ƒe ŋku me. Ŋutinyaŋlɔlaa ɖe gblɔ be: ‘Tsukuku ɣeyiɣi sia ƒe kɔnuwo dometɔ ɖeka ƒe movinunyenye kple makɔmakɔnyenye tɔgbi megali o. Woʋu Konventio ƒe ʋɔtruwo ɖi gbadza, eye hadzilawo ƒe hatsotsoea ɖe ge ɖe eme, fia-dua teƒenɔlawo kplɔ wo ɖo le gbɔlɔlɔ gãa ɖe me kple bubudede- hadzidzi na vovokpɔkpɔ ŋu, hele nusi woƒe subɔsubɔ le yiyi ge na azɔ la kplɔm, si nye nyɔnua ɖe, si ɣla eƒe mo ɖe moxevɔ me, eye wole yɔyɔm be ‘susuɖeɖe ƒe nyɔnu-mawu’ la. Wokplɔe yi ɖe keke altaro la ƒe afɔnu, eye woɖe moxevɔ la le eŋku me le kɔnu gã ɖe me, hekplɔe nɔ anyi ɖe zimenɔla ƒe ɖusi me. Wode dzesii be nyɔnu sia nye opera ƒe ɣeɖulaa ɖe. Amesiae Frans le eƒe bubu tsɔm na le dutoƒo, abe susuɖeɖe-mawu, si subɔm wole la, ƒe nɔnɔme, si dze la ene. Susuɖeɖe-mawu ƒe ɖeɖefia makɔmakɔ, ɖikokui sia zu nuwɔna yeyea ɖe, si kaka ɖe Frans nyigba katã dzi, eye eƒe ɖoɖo anyi ƒe kɔnuwo le afisi ko amewo di le be yewoawɔ ɖeka kple aglãdzedze ƒe azɔli yeye la.- Scott, vol. 1, ch. 17.-UGL 248.2

    Nuƒola, si le susuɖeɖe ƒe subɔsubɔ kɔnuawo nu ʋum la gblɔ be: “Sewɔlawo! Wɔwuiwɔwɔ ƒe ŋusẽ nu tsi, eye susuɖeɖe xɔ eteƒe. Míeɖe asi le eƒe gbedoxɔwo ŋu tsã. Ke fifia míegbɔ wo agbe. Egbe, ameha gãa ɖe ƒoƒu ɖe blema xɔ sia me, afisi nyateƒe ƒe gbe aɖi le zi gbãtɔ la. Afisiae Frans awɔ eƒe subɔsubɔ vavãtɔ la le, si nye vovokpɔkpɔ kple susuɖeɖe ƒe subɔsubɔ. Míaɖe míaƒe didi yeyewo ɖe go na dukɔa ƒe aʋakɔwo ƒe dzidzeme kpɔkpɔ.UGL 249.1

    Míaɖe asi le trɔ, siwo me agbe mele o la, ƒe subɔsubɔ ŋuti, eye míasubɔ susuɖeɖe ƒe nɔnɔme sia, si me agbe le, si nye dzɔdzɔme ƒe nuwɔwɔ kɔkɔtɔ la.” —M. A. Thiers, Histoire de la Revolution francaise, vol. 2, p. 370, 371.- UGL 249.2

    Esi wokplɔ nyɔnu-mawu la ge ɖe Konventio ƒe xɔa me la, nuƒola lé eƒe asi, trɔ dze ŋgɔ ƒuƒoƒoa, hegblɔ be: “Amegbetɔ nukukuwo, midzudzɔ ƒoƒo tititi le Mawu ƒe dziɖegbe makpɔŋusẽ, si miaƒe vɔvɔwo ɖo anyi la ŋku me. Tso fifia la, miagadzesi mawua ɖeke wú susuɖeɖe-mawu la o. Eƒe ɖeɖefia, si ŋuti bubu le, si dza kekeake la, enye si…Ne trɔwo anɔ mia si la, esia tɔgbi ko miasa vɔ na. Mide ta agu le vovokpɔkpɔ kple susuɖeɖe ŋgɔ.” UGL 249.3

    Esi nyɔnu-mawu la xɔ zimenɔla ƒe asikplakɔ vɔ la, elia tasiaɖam dzania ɖe dzi, si kplɔe yi ɖe Notre-dame ƒe gbedoxɔ gã la me, le ameha nyadria ɖe dome, be wòayi nɔ anyi abe mawu ene. Wodae ɖe altaro kɔkɔa ɖe dzi, eye wòxɔ amesiwo katã le afima la ƒe subɔsubɔ. Alison, vol. 1 ch.10UGL 249.4

    Kpuie, le kɔnu sia megbe la, wotɔ dzo Bibliawo le dutoƒo. Emegbe la, dukɔa ƒe ŋutinyanuwo dzraɖoƒe ƒe hatsotsoa ɖe hã ge ɖe Paris dua dzikpɔƒe ƒe xɔ gã la me kple ɣlidodo sia be: “susuɖeɖe nenɔ agbe tegbee!” eye wotrɔ̃ agbalẽ, siwo mefiã keŋkeŋ o, abe Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyeawo ene la, ɖe ati nu do ɖe ya me, eye zimenɔla le gbɔgblɔm be agbalẽawo ƒe bibi ye klɔ yewoƒe movinu, siwo yewona be ameƒomea katã wɔ tsã xoxo la ɖa.” —Journal de Paris, 1793, No 318.-UGL 250.1

    Dɔ, si gɔme papadziɖuɖua dze la, ƒe nu wúm “Mawu meli o” ƒe kɔnuwo le. Roma ƒe wɔna, siwo ƒe metsonuwo nye gbegblẽ, siwo ge ɖe hadomegbenɔnɔ, dunyagbɔgblɔ kple subɔsubɔnyawo me la, woetùtu Frans ɖo ta tsɔtsrɔ̃ gbɔ. Nuŋlɔlaa ɖe gblɔ le eƒe nuƒoƒo tso Frans ƒe aglãdzedzea ŋuti me be: “Ele be, ɖikeke manɔemee la, woatsɔ nu wɔgboeme siawo katã da ɖe Roma- hamea ƒe fia-zikpuia dzi.” Ne woagblɔe tututu le dzɔdzɔenyenye me la, nya sia yi na hame la. Papa-dziɖuɖua de aɖi fiawo ƒe gbɔgbɔ me ɖe Reformatio la ŋuti, le esime wòna woaxɔe se be Ɖɔɖɔɖowɔlawoe nye fiazikpuia ƒe futɔwo kple dzɔgbevɔe na dukɔa ƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ la. Enye numame na Roma be wòato mɔ sia dzi ade tamesesẽ vevie kple yometiti deto dufia la ƒe dzi me ɖe wo ŋuti.UGL 250.2

    Ablɔɖe ƒe gbɔgbɔ zɔna kple Biblia. Afisiafi, si woxɔ Nyanyuia le la, dukɔa ƒe gbɔgbɔ nyɔna. Wodzea kɔsɔkɔsɔ, siwo bla wo te ɖe numanya, gbegblẽ kple numaɖinudzixɔse ŋuti la, tsotso gɔme. Wodzea tamebubu kple dɔwɔwɔ dzi azɔ abe amegbetɔ vavãwo ene. Fiawo dea dzesi nu sia, eye wovɔna na ameteteɖeto vɔɖi ƒe ŋusẽ ŋuti dɔ wɔwɔ.UGL 250.3

    Esia ta Roma mehena ɖe megbe be woade dzo fiawo me na ŋuʋaʋã ɖe woƒe ŋusẽ ta o. Míase nusi Papa gblɔ na Frans ƒe fiateƒenɔla le ƒe 1523 me la ɖa: “…woƒe nuwɔna sia (Protestantetɔwo) menye, subɔsubɔ ɖeɖe ko wòatsrɔ̃ o, ke atsrɔ̃ fianyenyewo, gãnyenyewo, sewo, ɖoɖowo kple bubunyenyewo siaa.” Nya sia le G. de Félice ƒe agbalẽ sia me, Histoire des Protestants de France, liv. 1, ch. 2.- Le ƒe suea ɖewo yome, Papa ƒe amedɔdɔ gã ɖeka ɖo aɖaŋu na fia la be: “Ne nèdi be yeƒe fianyenye ƒe dzenawo nanɔ dedie, ne nèdi be dukɔ la nanɔ yeƒe kpɔkplɔ té le anyinɔkpoo me la, ekem ʋli katoliko xɔse la ta kalẽtɔe, eye nàbɔbɔ eƒe futɔwo ɖe anyi kple aʋawɔnuwo.” Roma subɔsubɔ nufialawo doa dzo dukɔmeviwo ƒe susu dadawo me gblɔna be:” Protestantetɔwo ƒe nufiafiawo kplɔa amewo yia nu yeyewo kple aɖaʋadzedze gbɔ, eye woɖea dukɔa ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ɖa le fia ŋuti, hedea hamea kple fiaɖuƒea katã tsɔtsrɔ̃ me. Fia bubutɔ! Womegable wò o. Fiazikpui la kple altaro la katã le gbegblẽ me. Subɔsubɔ yeye hehe vɛ akplɔ ame yi ɖe dziɖuɖu yeye hã gbɔe.- D’Aubigne, History of the Reformation in Europe in the Time of Calvin.- b. 2, Ch. 36.-” Alea ye Roma te ŋu he Frans dukɔa katã tsi tre ɖe Reformatio la ŋutie. Nusi ta woɖe yometiti ƒe yía le akú me zi gbãtɔ le Frans la enye be woakpe ɖe fiazikpui la ŋu, akpɔ bubumewo ta, alé seawo ɖe te- Wylie, liv. 13, ch. 4.-UGL 250.4

    Nusi ava do go tso afɔɖeɖe vɔɖi sia me la meva susu me na dukplɔlawo kura o. Ɖee wònye be woaƒã Biblia ƒe nufiafia, siwo nye dzɔdzɔenyenye, nyateƒe, ɖokuidziɖuɖu, ameŋkumemakpɔ kple dɔmenyo ƒe kutsetse ɖe amewo me la, woanye gɔmeɖokpe na dukɔa ƒe ŋgɔyiyi, le dumeviwo ƒe gbɔgbɔ kple dziwo me hafi. “Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi”. “Elabena dzɔdzɔenyenye nana fiazikpui lia ke.” (Lod. 14:34; 16:12). “Dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye dzudzɔ kple dziɖeɖi tegbee.” (Yes. 32:17). Amesi wɔa ɖe Mawu ƒe Sea dzi la, awɔ ɖe eƒe dume sewo hã dzi ɖikeke manɔmee, eye ade bubu wo ŋuti. Amesi vɔa Mawu la, ade bubu fia la ŋuti le dziɖuɖu dzɔdzɔe, si nye etɔ la me. Gake Frans, nublanui du sia, de se ɖe Biblia nu, de se ɖe eyomedzelawo nu. Ƒe alafa dze alafa dzi, dumevi nuteƒewɔla, siwo si ɖoɖo nyuiwo, anyasã deto kple dẽ nyuiwo le, wo amesiwo do dzi, ɖe woƒe dzixɔse fia, lɔ̃ be yewoakpe fu ɖe Nyateƒe la ta la, kpe fu nyateƒe abe kluviwo ene le tɔdziʋuwo me, tsɔ woƒe agbe na le dzotɔame ƒe nakewo dzi, alo nɔa ŋeŋẽm le gume-gaxɔ dovivitiwo me. Akpe akpewo di agbe to sisi do go le wode-dua me la me. Eye nusiawo yi edzi ƒe alafa eve blaatɔ̃ sɔŋ, le Reformatio la ƒe gɔmedzedzea yome ke. Bebli hafi woakpɔ dzidzime ɖeka, si mekpɔ Nyanyui yomedzelawo ƒe duƒuƒu le yometilawo ƒe lãwɔadã dziku ŋgɔ o. Wosí kple woƒe nunyawo, aɖaŋu gãwo, dɔwɔwɔ ƒe susuwo, ɖoɖo nyuiwo, kple nusiwo me wonye gãtɔ le la, eye wozu gakpɔkpɔ kple ŋgɔdede kpɔkpɔ mɔnuwo na du siwo me wokpɔ bebeƒe le la. Le esime sitsoƒe duwo le kesinɔnuwo kpɔm la, wo de-du, si me wosi tso la, le to yim. Nenye ɖee amesiwo wonya do go tso Frans susɔ le wodea la, anye ne le ƒe alafa etɔ̃ mawo me la, sisilawo ƒe dɔwɔwɔwo ayi edzi le wo denyigba la dzi; eye woƒe aɖaŋu detowo ado dua ƒe dɔwɔƒewo ɖe ŋgɔ; le ƒe alafa etɔawo me, woƒe nunya kple susuɖeɖewo ado agbalẽnyanya kple nu yeye ɖeɖe ɖe go la ɖe ŋgɔ; nenemake woƒe sidzedze akplɔ dua ƒe susuɖeɖewo; woƒe kalẽwɔwɔ anɔ eƒe aʋawɔwɔwo me, woƒe dzɔdzɔenyenye awɔ du-sewo, eye Biblia ƒe nufiafia ado ŋusẽ woƒe nunya, akplɔ dukɔa ƒe dzitsinya la; nenye alea ɖe, ŋutikɔkɔe kae maƒo xlã Frans ƒe dua egbe ŋkekeawo me oa! Dukɔ gã, deŋgɔ, dzidzeme-du kple kpɔɖeŋu kae manye na dukɔ bubuwo o!UGL 251.1

    Ke wotsɔ ŋkuagbã kple nublanuimakpɔ ƒe fulelé nya dẽnyuifialawo, ɖoɖonyuitaʋlilawo, fiazikpuia ƒe megbenɔla vavãwo, do go tso wode-du la me; wogblɔ na amesiwo ate ŋu axɔ ŋkɔ gã kple ŋutikɔkɔe na du sia be: “Mitia nusi ko dim miele la; dzotɔtɔ le nake dzi loo, alo sisi yi amedzronugbe. Ke le nuwuwu la, dua ƒe gbegblẽ de blibo. Dzitsinya, si nu woagade se ɖo la megali o, subɔsubɔ bubu wɔlawo megali woatɔ dzo o, denyigba lɔla megali woanya de gbe o.- Wylie, liv. 13, ch. 20. Esiawo katã ƒe metsonu enye aglãdzedze gã la kple eƒe ŋɔdzinuwo katã.UGL 252.1

    “Nusi dze Protestantetɔwo ƒe sisi yome la enye dua ƒe toyiyi gãa ɖe. Du yiŋgɔ, siwo me dɔwɔƒe gãgãwo le la ku keŋkeŋ. Agbleta wɔnukuwo trɔ zu avewo. Alea ye numanya kple susume ƒe gbegblẽ dze ŋgɔdede ɣeyiɣiwo yome. Paris fia-du la trɔ zu nubialawo ƒe aƒe gàa ɖe, eye wogblɔ be le aglãdzedzea ƒe gɔmedzedzea me la, amedahe akpe alafa eve sɔŋ nɔ nuɖuɖu biam tso fia si me. Gake le dukɔ ma, si me nuwo gblẽ le keŋkeŋ la, katoliko ƒe hatsotsoe, si woyɔna be Yezuit alo Yesu ƒe hametɔwo la, le ga kpɔm, eye wotsɔ ŋutasesẽ dziŋɔ̃ le hamea, sukuwo, gaxɔwo, dɔyɔƒewo kple tɔdziʋukulawo kplɔm.UGL 252.2

    Ɖe Nyanyui la akpɔ ŋuɖoɖo nyuiwo na kuxi, siwo katã le eme vam le dua me la hafi: kuxi abe dunyagbɔgblɔ kple hadomegbenɔnɔ ƒe kuxi, siwo hamea nunɔlawo, du-fia kple sewɔlawo mete ŋu kpɔ ŋutiɖoɖo na o, eye le nuwuwu la, dukɔa ge ɖe setémanɔ kple gbegblẽ deto me. Gake, le Roma ƒe dziɖuɖua te la dukɔa ŋlɔ̃ be ɖokuitsɔtsɔna, vɔsa kple lɔlɔ̃ ƒe nufiafia, siwo Ɖela la gblẽ da ɖi na mí la. Woɖee ɖa tso nugbegbe le ameɖokui gbɔ na amehavi ƒe gomekpɔkpɔ la ƒe mɔ dzi. Womega kana mo na kesinɔtɔ, si le amedahe tem ɖe to la o, eye amedahe megakpɔna xɔnamea ɖeke le eƒe kluvinyenye kple ahedada dzi yiyi me o. Kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo ƒe ɖokuitɔdidi gale dzedzem gãa, eye woƒe ameteteɖeto ga le sesẽm ɖe dzi. Le ƒe alafawo me la, amegãwo ƒe ŋukeklẽ kple ŋutasesẽ kplɔ wo yi ɖe agbledelawo teté ɖe to kple wo fifi alesi wodzro la me. Kesinɔtɔwo le madzɔmadzɔ wɔm ɖe amedahewo ŋuti, eye amedahewo hã le fu lém wo vevie.UGL 253.1

    Le nuto geɖewo me la, anyigbawo kple xɔwo nye amegãwo tɔ, eye dɔwɔlawoe nye agblenyigba kple xɔ hayalawo. Ke anyigbatɔwo téna ɖe agbledelawo kple agbatedɔwɔlawo dzi xɔa ga home, si lolo wú fũu la le wo si. Ame gblɔewo ke si wogaxɔna ga le na hamea; woawo kee xena du-ga gãwo na dziɖuɖua. Amegãwo ƒe dzidzemekpɔkpɔ le abe se gãtɔ, si le vevie na ame gblɔewo ene. Agbledelawo kple agbatedɔwɔlawo te ŋu ku dɔwuame ƒe ku fãa, menye aƒetɔ gãwo ƒe nya o. Ele na dukɔmevi gblɔeawo be, le nusianu me la, woalé ŋku ɖe woƒe aƒetɔwo ƒe gomekpɔkpɔ ŋuti gbãgbiagbã. Wonɔa dɔwɔwɔ dzi ɖaa, eye gbɔgblɔ mele woƒe fukpekpewo ŋu o. Wokpɔa woƒe hloloetsotso kple dzɔdzɔenyenye ƒe biabiawo kple fulelé alo gbɔɖiame. Le ʋɔnudrɔƒewo la, amedahewo ƒe nya medzɔna gbeɖe le amegãwo ƒe ŋku me o. Ʋɔnudrɔlawo xɔa zãnu le bubumewo si bɔbɔe, eye le gbegblẽ deto sia, si xɔ afisiafi ƒe ɖoɖowo nu la, dziɖulawo ƒe madzɔmadzɔ ɖesiaɖe le abe se, si wòle be ame gblɔewo naxɔ kpoo ene. Dugadzɔlawo kple hamea ƒe gadzɔlawo ƒe nusiwo katã woxɔna le agbledelawo kple dɔwɔla bubuwo si la, ƒe afã gɔ̃ hã megena ɖe du-fia ƒe nudzraɖoƒe alo episkɔpowo tɔ me o. Mamlɛawo yina na yakagbenɔnɔ kple makɔmakɔnyenye gbenɔnɔ me. Gawú la, amesiwo le ahedada sia hem va wonɔvi dumeviwo dzi alea la mexena du-ga o, ke boŋ le se la nu la, wogakpɔa gome tso dua gbɔ. Amegã gomekpɔlawo ƒe xexlẽme anɔ abe ame akpe alafa ɖeka kple bla atɔ̃ ene. Ke ele na ame miliɔn miliɔnwo ya be woanɔ ahedada kple dziɖelameƒo ƒe agbe hena ame mawo ƒe vivisesewo.UGL 253.2

    Fia-ƒea me hã nye dzidzɔkpɔkpɔ vivivo kple agbe vlo teƒe. Kaka ɖe amehavi dzi ƒe kadedea ɖeke mele dukɔa kple kplɔlawo dome o. Wokpɔna dziɖuɖua ƒe ɖoɖowo abe gotanu kple ɖokuitɔdidi ƒe ɖoɖowo ene. Ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ na aglãdzedze gã la, fia Louis XV ye nɔ ziakpuia dzi. Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me hã, wogade dzesi eƒe nanekemawɔ, yakagbenɔnɔ kple nu makɔmakɔ wɔnawo. Eŋutimewo hã ƒe gbegblẽ, ame gblɔewo ƒe ahedada kple bometsitsi, dziɖuɖua ƒe ganya-kuxiwo, dukɔa, si gbɔgblɔ bú ɖe, esiawo katã mehiã be woanye nyagblɔɖila hafi woanya be nane le wowó ge kpuie o. Numame wònye na fia be wòaɖo eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe nya ŋuti ale: “Miwɔ nusianu ne nuawo nayi nyuie, zi alesi mele agbe la; ke ne meku la, woayi abe alesi ko woayi la ene.” Aɖaŋuɖoɖowo katã, ku ɖe alesi ɖɔɖɔɖowɔwɔ hiã na dua la, nye tofloko. Ekpɔ kuxiawo keŋ, gake ŋusẽ menɔ esi wòakpa ŋgɔ wo o. Nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe Frans dzi la ƒe dzesi enye fia, naneke mawɔtɔ la ƒe nyati sia: “Tɔɖɔɖɔ la, nye megbenyae!”UGL 254.1

    To adã dede fia kple eŋutimewo ƒe ŋuʋaʋã me la, Roma na be woté dukɔa ɖe kluvinyenye me, esi wònya be wɔna sia akplɔ dziɖuɖua de gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ale be fiaviwo kple dukɔa katã nage ɖe yeƒe ŋusẽ te. Ekpɔna ŋgɔ ɖaa le eƒe ɖoɖowɔwɔwo me; ekpɔ be ne woawɔ amegbetɔwo kluviwo la, ele be woade ga woƒe luʋɔwo, eye bena ne kakaɖedzi wòasu yesi be womate ŋu asi le yeƒe kluvinyenye te o la, ele be woaxe ablɔɖemɔnu ɖesiaɖe na wo. Susume ƒe gbegblẽ, si do go tso ɖoɖo sia me la, dzi ŋɔ̃ zi gbɔ zi akpe ɖeka wú vevesese, siwo kplɔe ɖo la. Woxɔ Biblia le dukɔ la si, ɖɔlii kple fulelé, vovototo kple ɖokuitɔdidi ƒe nufiafiawo, henyrɔe ɖe numanya, numaɖinudzixɔse kple nu vlo wɔwɔ me, ale be ŋutete megale wo si be woakplɔ wo ɖokuiwo o.UGL 254.2

    Gake nusi do go tso ɖoɖo siawo katã me la to vovo sãa tso nusi Roma nɔ mɔ kpɔm na la ŋuti. Esi wòle be amewo nabɔbɔ wo ɖokuiwo ŋkuagbãtɔ ɖe woƒe nufiafiawo kple nuɖoanyiwo te la, wotrɔ zu dzimaxɔsetɔwo kple aglãdzelawo. Wotsri Roma, hekpɔe abe nunɔlawo ƒe amebeble ƒuƒoƒo ene, eye hamea kplɔlawo katã abe ametéɖetolawo ene. Womegadzesi mawua ɖeke wú Roma tɔ o, eye eƒe nufiafia enye woƒe subɔsubɔ ɖeka, si wonya la. Wobui be Roma ƒe ŋukeklẽ kple ŋutasesẽ nye nusiwo tso Biblia me tɛe, eye womegale wo katã ƒe nyaa ɖeke dim o.UGL 255.1

    Papadziɖuɖua ƒe Mawu ƒe dɛ̃ ɖeɖefia nye nu totro, si mele eteƒe o; nenema ke wògblẽ eƒe Seawo, ale be wotsri Biblia kple Wɔla katã. Roma bia toɖoɖo hamea ƒe nufiafiawo ŋkuagbãtɔe, eye wòdo ŋɔdzi na wo be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe tohehe ayi na tomaɖolawo. Nuŋlɔla Voltaire kple etɔwo gbe nu le Mawu ƒe Nya la gbɔ, eye woƒã dzimaxɔse ƒe aɖí ɖe afisiafi. Roma fanya dukɔa ɖe gayibɔ ƒe afɔ té, ale be azɔ, le alesi woɖi gbɔ wo, wɔ fu wo ta la, woawo hã wotso ka le woƒe ameteɖetolawo tsitsri me. Wokpɔ dziku vevie ɖe alesi woble wo de bubudede numaɖinuwo ŋuti me didie, eye wotrɔ megbe de Nyateƒe kple alakpa siaa. Ale, wokpɔ woƒe katsotso le nu vlo wɔwɔ me abe ablɔɖekpɔkpɔ ene. Gbegblẽ ƒe kluviwo le aseye tsom ɖe nusi wole yɔyɔm be vovokpɔkpɔ la ŋuti.UGL 255.2

    Le aglãdzedzea ƒe gɔmedzedze me la, fia la de se be dukɔa ƒe teƒenɔlawo le sewɔƒea ƒe xexlẽme nasɔ gbɔ wú amegãwo kple hamea teƒenɔlawo katã ƒoƒu tɔ. Alea ye dziɖuɖu ŋusẽ la ge ɖe woƒe asi me, gake womele klalo ate ŋu awɔ asinukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ nyuie le nunya kple ɖokuidziɖuɖu me o. Le woƒe dzitsitsi me be yewoaɖɔ madzɔmadzɔ, siwo wowɔ ɖe yewo ŋuti me la, wodze gɔmeɖokpe yeyewo ɖoɖo na dukɔme-gbenɔnɔ. Wodze esia wɔwɔ gɔme kple dziku le dzi me, le ŋkuɖoɖo fu, siwo me woto la dzi, eye woɖo kplikpã be yewo ƒe ahedada ƒe nɔnɔme, siwo meganya le tsɔtsɔm o la, natrɔ, eye be yewoabia hlɔ amesiwo de yewo fukpekpe hẽlihẽliwo me. Nenemae amesiwo woté ɖe to la ɖoe be ametetéɖeto ƒe nusɔsrɔ, siwo yewoxɔ tso utasẽlawo gbɔ la, nayi na woawo hã, eye yewo hã yewoazu woƒe fuwɔlawo.UGL 255.3

    Ke Frans, nublanui-du la, le nusi woƒã la ŋẽ ge le ʋukɔɖi me. Eƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Roma tɔɖɔɖɔ-ŋusẽ te la ƒe metsonuwo dzi ŋɔ. Afisi tututu, le Roma ƒe susu ɖeɖe nu, Frans na wotu dzotɔameteƒe gbãtɔ ɖo le Reformatio ƒe gɔmedzedzea me la, afima kee aglãdzelawo tu woƒe kadeve-tí gbãtɔ ɖo. Teƒe, si wotɔ dzo Protestestante xɔsea ƒe martiro gbãtɔwo le, le ƒe alafa wui adẽlia me la, teƒema tutue wode ka ve na aglãdzedze ƒe amelelé gbãtɔwo le, le ƒe alafa wui enyilia me. Le eƒe nugbegbe le Nyanyui, si anye dɔyɔyɔ na eƒe dɔleléawo gbɔ me la, Frans ʋu agbo na dzimaxɔse kple tsɔtsrɔ. Esi woɖe Mawu ƒe Sea ƒe dzenawo ɖe aga la, amegbetɔ ƒe sewo mekpɔ ŋusẽ be wòahe ka na nutilãme dzoxɔxɔwo o, ale be dukɔa katã ge ɖe aglãdzedze kple setemanɔ wɔnawo me. Aʋahoho ɖe Biblia ŋuti ʋu mɔ na ɣeyiɣia ɖe, si wona ŋkɔ le ŋutinyawo me be ‘ŋɔdzi ƒe dziɖuɖu ɣeyiɣi’ la. Ŋutifafa kple dzidzeme megakpɔ teƒe le amegbetɔwo ƒe aƒewo kple dziwo me o. Kakaɖedzi mele amea ɖeke ƒe dedienɔnɔ ŋu o. Amesi le dzi ɖum egbea la ate ŋu atrɔ zu amesi ŋuti kakaɖedzi megale le ɣeyiɣi, si gbɔna me o, eye wòdze na ku ene. Hlɔnu wɔwɔ kple makɔmakɔnyenye ƒe agbe le fia ɖum ɖikekemanɔmee. Ele na fia la, bubumewo kple hamea kplɔlawo siaa be woabɔbɔ ta na dukɔa ƒe aɖaʋadzedze wɔnawo. Tsikɔ, si le wo wum na hlɔbiabia la gakpɔ ŋusẽ ɖe dzi to kadede ve na Du-fia la me, eye medidi o, amesiwo katã da asi ɖe eƒe wuwu dzi hã kplɔe ɖo le kadeve-tiwo dzi. Ke wogawɔ ɖoɖo be woatsrɔ̃ amesiwo katã wosusu be womeda asi ɖe aglãdzedze la dzi o la. Wole amewo lém de gaxɔ me, eye le ɣeyiɣia ɖe megbe la, woƒe xexlẽme anɔ akpe alafa eve kple edzivɔwo. Fiaɖuƒea ƒe du bubuwo hã nye ʋukɔkɔɖi manyagblɔ teƒe. Aglãdzedze ƒe hatsotsoe le afii tsi tre ɖe kemɛ ŋuti, eye Frans nyigbadzi katã zu ʋiʋli ƒe aʋagbedzi, afisi amehawo le lulũm ɖe wonɔewo dzi kple hlɔdodo ƒe dzo le. Howɔwɔ kplɔ howɔwɔ ɖo le Paris dua me, eye dukɔmeviwo mã ɖe hatsotsoe vovovo, siwo ƒe susu kple ŋuteté koe nye wo nɔviwo tsɔtsrɔ. Nusi gaƒo nublanui nya siawo katã ta la enye be dukɔ la ge ɖe aʋa didia ɖe me kple Europa dukɔ gã bubuwo. Fiaɖuƒea le agbaɖuɖu mɔ dzi le ganyawo gome. Gbadagbawo le woƒe fetu, si womekpɔ xɔ o la biam kple ɣli. Dɔwuame hã va kɔ ɖe fia-dua me. Le nutowo me la, nuvlowɔlawo le nuwo ham, eye ŋkumekɔkɔ le nyɔnyrɔm ɖe setemanɔ kple yakagbenɔnɔ me.UGL 256.1

    Dukɔ la xɔ ŋutasesẽ kple fuwɔame ƒe nusɔsrɔ, siwo Roma fia wo la nyuie vavã. Ke fetu ŋkeke la va ɖo azɔ. Meganye Yesu ƒe nusrɔlawoe wole lelém de gaxɔ me hele kpɔkplɔm yi kadeve- tiwo dzi o. Wotsrɔ̃ wo, alo wosi dzo yi du ta eteƒe didi. Azɔ Roma, ŋutasẽla la, le amesiwo wòna ʋukɔɖi vivia wo nu la, ƒe ku-ŋusẽ ʋẽm se. Yometiti ƒe kpɔɖeŋu, siwo Roma hamea nunɔla, siwo le Frans, na le ƒe alafawo me la, le wodzi vam kple ŋusẽ. Kadeve- tiwo léa dzo kple nunɔlawo ƒe ʋu. Gakpɔwo kple tɔdziʋukulawo ƒe amagoe, siwo yɔ tsã kple Nyanyui-hametɔwo la, gayɔ taŋ ɣeyiɣi sia, ke azɔ la, wo yometilawoe xɔ wo teƒe. Roma hamea nunɔla, siwo wɔ fu ‘alakpaxɔsetɔ’ maɖifɔwo alesi wolɔ̃ la, hã le fukpekpe mawo ke me tom. Wode kɔsɔkɔsɔ wo ɖe tɔdziʋuwo ƒe amagoewo ŋuti, eye wonɔ tɔdziʋu ŋu ƒe atablu alo ʋukutiwo hem le ɖeɖitéameŋu me. Míakpɔ nya siawo le agbalẽ siawo me: -Thos. H. Gill, The Papal Drama, liv. 10; Edmond de Pressensé, l’Eglise et la Révolution Française, liv. 3, ch. 1- UGL 257.1

    Ke ŋkekea ɖewo hã va ɖo, siwo dzi tsukuku ƒe ɖoɖoa ɖewo dze dɔ wɔwɔ gɔme le bometsitsi, si tɔgbi menɔ anyi kpɔ o ƒe ʋɔnudrɔƒewo ƒe gbeɖeɖe nu; le ŋkeke mawo me la, amea ɖekeɖeke mekpɔ mɔ ado gbe na aƒelikawo, alo awɔ gbedodoɖa, si manye ku na eyama o. Amenutsolawo le afisiafi le amewo minyam. Ametatsoƒewo le dɔ dzi blibaa gbesiagbe. Gakpɔwo kple tɔdziʋuwo ƒe gogloƒewo yɔ kple ame siwo wolé, abe amesitsalawo ŋɔlime ene. Ʋu le tsyɔtsyɔm le gɔtawo me kɔ ɖe Seine-tɔsisi me. Kpovitɔwo ƒe ʋuwo le amewo kɔm yi ametatsoƒewo madzudzɔmadzudzɔe. Amedɔdɔ, siwo Ɖeɖekpɔkpɔ Hatsotso la dɔ ɖo ɖe nutowo me la ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ tɔgbi mele fia-dua ŋutɔ gɔ̃ hã me o. Wole amewo wum ko. Ɖe ko wòwɔ abe tatsomɔ̃ ƒe yiwo mele dzi yim le gegem kabakaba o ene. Wotɔ amesiwo wolé la ɖe ka nu gblɛlɛlɛ, eye woda tu wo ƒu anyi. Wote bubuwo ɖe tɔdziʋua ɖe, si woŋɔ̃ gɔme na la me, eye wonyrɔ̃ ɖe Loire tɔsisi la me. Lyon ƒe dua zu gbegbe. Le Arras-dua me, womegadi ŋutɔ hã be amewo nakpɔ kuku kaba ƒe amenuve o. Woakpe fu hafi aku. Le Loire ƒe tɔ to, tso Saumur yi ɖe keke atsiaƒu to la, xeviwo ƒe aʋakɔwo le ame kuku, siwo wolɔ kɔ ɖe wo nɔewo dzi amama la ɖum. Nublanuikpɔkpɔa ɖeke meli na ŋutsu, nyɔnu, ametsitsi alo ɖevi o. Ƒe wuiadrẽ ƒe ɖekakpui kple ɖetugbui, siwo dziɖuɖu nyɔŋu sia tsrɔ̃ la, ƒe xexlẽme nye alafalafawo. Woɖe vidzĩwo le no nu, eye gbadagba, siwo ɖo ɖe fli me la le wo dam ɖo ɖe wonɔewo. -M.A. Thiers, Histoire de la Revolution française, vol. 3, p. 42-4d4, 62-74, 106. Ame miliɔñ miliɔn wotsrɔ̃ le ƒe ewo me.UGL 257.2

    Nudzɔdzɔ siawo va me le Satana ƒe ɖoɖowo nu. Nusi wòɖo be yeawɔ le ƒe alafawo me la enye esia. Eƒe wɔnawo katã nyena beble tso gomedzedzea yi nuwuwu ke, eye eƒe susu koe nye be yeahe vɔ̃ kple fukpekpe va amegbetɔ dzi, agblẽ Mawu ƒe nɔnɔme le amegbetɔ me, agblẽ eƒe dɔmenyo kple lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖowo me ale be yeado vevesese na dziƒo. Ega gbãna gbɔgbɔme ŋkuwo na amegbetɔwo, eye wònana be woatsɔ yeƒe wɔnawo ƒe fɔɖiɖi la da ɖe Mawu dzi abe ɖee amegbetɔ ƒe fukpekpewo katã nye Wɔla ƒe ɖoɖowo metsonu ene. Nenema kee, ne ena woɖi gbɔ amewo, wɔ fu wo, to eƒe vɔɖivɔɖi ŋusẽ me, eye nenem mewo va kpɔ ablɔɖe la, etutua woawo hã dea ɖokuidzimaɖu ƒe nuwɔwɔ atraɖi kple hlɔnu sesẽwo me. Esiawoe zua taflatse nya na ameteɖetolawo, eye wogblɔna be wɔna mawo katã nye ablɔɖe ƒe metsonuwo.UGL 258.1

    Ne woklo nu ɖa le nudadafiafiaa ɖe, si ɣla ɖe nɔnɔmea ɖe me dzi la, egadoa awu yeye bubu na nu gbegblẽ ma ke, eye amewo gaxɔnɛ kple dzo abe tsã ene. Esi dukɔa ke ɖe eŋu be Roma ƒe nufiafiawo nye alakpa, eye woɖoe be Satana magable yewo to mɔ ma dzi ne yewoaga da Mawu ƒe Sea dzi o la, ega tutu amewo ne woaxɔe se be subɔsubɔwo katã nye alakpa nya, eye be Biblia nye glitoto ƒe nya. Esia ta amewo gbe nu le Mawu ƒe ɖoɖowo gbɔ, heɖe asi le wo ɖokui ŋu na vɔ̃ ɖesiaɖe ƒomevi.UGL 258.2

    Vodada gã, si he dzɔgbevɔe manyagblɔ sia va Franseawo dzi lae nye be wogbe Nyateƒe vevie sia, si nye be ablɔɖe vavã la tsona Mawu ƒe Sea ƒe ɖoɖowo me la. “Ɖe wònye ɖe nèɖo to nye Seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” “Yehowa be: Ŋutifafaa ɖeke meli na ame vɔɖiwo o” “Ke amesi ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔe ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.” (Yes, 48: 18, 22; Lod. 1: 33)UGL 259.1

    Mawu manɔanyitɔwo, dzimaxɔsetɔwo kple megbedelawo tsia tre ɖe Mawu ƒe Sea ŋu, wɔa aʋa kplii, gake woƒe wɔnawo ƒe metsonuwo ɖoa kpe edzi be amegbetɔ ƒe dzidzemekpɔkpɔ ku ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ ŋu. Amesiwo medi be yewoaxlẽ nufiame sia le Biblia me o la, ate ŋu axlẽe le dukɔwo ƒe ŋutinyawo me.UGL 259.2

    Esi Satana to Roma hamea dzi tè amewo ɖa tso toɖoɖo Mawu gbɔ la, eƒe wɔna sia ɣla ɖe nɔnɔmea ɖe me, ale be gbegblẽ kple fukpekpe, siwo do go tso eme la medze abe sedzimawɔ ƒe metsonuwo ene o. Le go bubu me, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖo asi eƒe wɔnawo dzi, ale be eƒe ɖoɖowo ƒe mevava mete ŋu de ɖoƒe, si wòsusu la o. Dukɔa mete ŋu de ŋugble yi megbe, heke ɖe nusi woƒã, si na be wole fukpekpe ƒe kutsetsewo xam fifia la ŋuti o.UGL 259.3

    (270) Gake le aglãdzedzea me la, dusewɔƒea nya vɔ gbe nu le Mawu ƒe Se la gbɔ, eye amesiame te ŋu kpɔ le ŋɔdzi ƒe fiaɖuɖu ɣeyiɣi, si dze eyome la, be kutsetsewo kplɔ nuƒaƒã ɖo.UGL 259.4

    Esi Frans de se ɖe Biblia nu la, ame vɔɖiwo kple viviti me gbɔgbɔwo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be nusi yewole didim xoxo la va eme azɔ - fiaɖuƒe, si me Mawu ƒe Sea ƒe dzenaa ɖeke megakpɔ mɔ le o la.- “Esi fɔ menya buna le nu vɔɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.” (Nyagb.8:11) Gake Sea ɖe, si le dzɔdzɔe, si nyo la, dzi dada ƒe metsonu vaa eme godoo esi enye fukpekpe kple tsɔtsrɔ.̃ Ne Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ meva amegbetɔwo dzi enumake o hã, woƒe vɔɖivɔɖi le dɔ wɔm na woƒe tsɔtsrɔ̃ godoo. Ƒe alafawo ƒe megbedede kple hlɔdodowo ƒo Mawu ƒe dziku nu ƒu ɖi na fetu ŋkeke la; ke esi woƒe nuvɔ̃ de blibo vɔ la, amesiwo lé fu Mawu ƒe Se la de dzesii mlɔeaba, esi wɔnaa ɖeke megali o la, be ŋɔdzinu wònye be woagbɔ Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la ŋu. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, si le asi ɖom Satana ƒe ŋutasesẽ vɔɖi wɔnawo dzi la, te ɖa keŋkeŋ kloe, ale be amesi kpɔa dzidzɔ le amegbetɔwo ƒe dzɔgbevɔe ŋuti la, kpɔ mɔ wɔ nusi wòdi la.Amesiwo lɔ̃ aglãdzedze ƒe dɔ la ŋé eƒe kutsetsewo ale gbegbe be dua katã yɔ kple hlɔnu manyagblɔ, siwo wú ŋɔŋlɔ̃ na nuŋlɔtiwo ŋutɔ gɔ̃ hã. Fiaɖuƒea ƒe nutome, siwo kaka keŋ, kple duawo katã, siwo me tsɔtsrɔ̃ le la, le vevesese deto ƒe ɣli dom. Ewɔ abe ɖe anyigba ʋuʋu le Frans ene. Subɔsubɔ, Se, dukɔme ƒe ɖoɖowo, ƒome, dziɖuɖu kple hame la, nusianu trɔ ta de agu to dzimaxɔse ƒe asi, si wokɔ dzi ɖe Mawu ƒe Sea ŋuti la, me. Nyateƒee nye nya, siwo Nunyala la gblɔ, bena: “…ame vɔɖi ƒe vɔwɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi.” (Lod.11:5).” “Ne nuvɔwɔla wɔa vɔ̃ zi alafa, gake nɔa agbe didie hã la, nye ya menyae be eme anyo na mawuvɔla, siwo sía eƒe ŋku me. Ke eme manyo na ame vɔɖiwo o…” (Nyagb. 8:12, 13); “Le esi wolé fu sidzedze, eye wometia Yehowa vɔvɔ̃ o.., eyata woaɖu woƒe zɔzɔme ƒe kutsetsewo, eye woƒe aɖaŋudedewo neɖi ƒo na wo.” ; (Lod. 1:29, 31. ) (271) Aƒetɔ ƒe ɖaseɖila nuteƒewɔla, siwo busunyagblɔŋusẽ, si do go tso aʋli me, wù la, manɔ ɖoɖuizizi me ayi ɖaa o. “Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.” (Nyaɖ. 11:11) Le ƒe 1793 lia mee Convention Nationale, alo dziɖuɖua ƒe sewɔƒe la, da asi ɖe se, si tsi tre ɖe Biblia ŋuti la dzi. Le ƒe etɔ̃ kple afã yome la, sewɔƒe sia ɖe eƒe se la ɖa bena woanya be wogaɖe mɔ na Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe anyinɔnɔ. Xexeakatã ƒe nu ku le hlɔnu dziŋɔ, siwo do go tso nugbegbe le Mawu ƒe Sea gbɔ me la ŋu, eye amegbetɔwo de dzesii azɔ be Mawu kple eƒe Nya la dzixɔsee nye gɔmeɖokpe na dɛ̃ nyui kple susu ƒe nyonyo. Le nuƒoƒo to eƒe Nyagblɔɖila dzi me la, Mawu gblɔ be: “Ameka nèdo vloe, eye ameka ŋu nèɖe alɔme le? Ameka ta nèdo ɣli ɖo, eye ameka ŋu nèwu wò ŋkuwo dzi ɖo ? Ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo!” (Yes. 37:23); “Eyata mana woadze si nye asi kple nye ŋusẽ. Mana woadze sii, eye woanyae be, ŋkɔ nyee nye Yehowa.” (Yer. 16:21)UGL 259.5

    Nusi Nyagblɔɖila la gblɔ tso Ɖaseɖila eveawo ŋu enye esi: “Eye wose gbe gãa ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm na wo bena: Miva dziƒo afii! Eye woyi dziƒo le alilikpo me, eye woƒe futɔwo kpɔ wo ɖa.” (Nyaɖ. 11:12). Tso esime Frans ho aʋa ɖe Ɖaseɖila eveawo ŋuti la, woxɔ bubudeameŋu, si womexɔ kpɔ o la. Le ƒe 1804 woɖo Aŋlisi kple Amedzrowo ƒe Biblia Hatsotsoe la anyi. Kpuie, le ema yome la wogaɖo hatsotsoe siawo tɔgbi kple eƒe alɔdze geɖewo anyi le Europa duwo me. Amerika hã ƒe Biblia Habɔbɔ la kpɔ emevava le ƒe 1816 lia me. Le esime wole Aŋlisiwo ƒe Biblia-ha la ɖom anyi la, wota Biblia hemãe le gbegbɔgblɔ bla atɔ̃ me. Tso ɣemayi la ekpɔ gɔmeɖeɖe le gbegbɔgblɔ alafa eve kple edzivɔwo me. Biblia, siwo wokaka ɖe xexea me to Biblia Habɔbɔ vovovoawo dzi, tso ƒe 1806 lia me la ƒe xexlẽme enye 187.000.000.UGL 261.1

    Ƒe blaatɔ̃ do ŋgɔ na ƒe 1792 la, wometsɔa ɖeke le me tututu na Nyanyui dɔgbedelawo ƒe dɔwɔƒewo, alo “mission”wo le du ta o. Womeɖo hatsotsoe yeyea ɖeke gɔme anyi o, eye hame suea ɖewo koe wɔ nane na Mawunya la kaka le trɔsubɔsubɔ ƒe duwo me. Ke tɔtrɔ gãa ɖe va eme le ƒe alafa wuienyiliawo ƒe nuwuwu me. Wode dzesi tsɔtsrɔdzɔgbevɔe gã, si le susuɖeɖe ƒe subɔsubɔme, eye wokpɔ Mawu ƒe ɖeɖefiawo kple agbenɔnɔ ɖe Nya la nu ƒe vevienyenye. Mawuvɔla Karey, si zu Aŋlisiwo ƒe Dɔgbedela gbãtɔ le India le ƒe 1793 me la, tɔ dɔgbedede ƒe kakati la le wode- du la me. Le ƒe blaeve yome la, sukukɔkɔdelawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe le Amerika, siwo dometɔ ɖeka enye Adoniram Judson la, ɖo duta Mawunya dɔgbedelawo ƒe hatsotsoe anyi. Hatsotso siae ɖo Judson ɖe Birmania. Tso ɣemaɣi la, dɔgbedelawo ƒe dɔwɔwɔ le du ta kpɔ ŋgɔdede gãa ɖe, si tɔgbi menɔ anyi kpɔ o.UGL 261.2

    Agbalẽtata-dɔ ƒe ŋgɔgbedede hã kpe ɖe Biblia ƒe kakaka ɖe xexea me ŋuti. Kadede le dukɔwo dome ƒe ŋgɔgbedede kpɔkpɔ, liƒowo kple mɔxenu vovovowo ɖeɖeɖa, xexeme ŋusẽ ƒe gege le Papa si, nusiawo katã ʋu mɔ na Mawu ƒe Nya la. Tso ƒea ɖe dzi la, wodze Biblia dzadzra le Roma ƒe mɔwo dzi mɔxexea ɖeke manɔŋui, eye wòge ɖe xexeame ƒe afisiafi, si ko amegbetɔ le la. UGL 262.1

    Voltaire, dzimaxɔsetɔ la, gblɔ gbe ɖeka kple fewuɖugbe be: “Nya sia sese tea ɖeɖi ŋunye: wobe ame wuievee ɖo Kristosubɔsubɔ anyi; maɖee fia be ame ɖeka su amui ƒu anyi.” Eku ƒe alafa ɖekae nye esia. Miliɔn miliɔn woenye amesiwo wɔ aʋa kple Biblia. Le Voltaire ƒe ɣeyiɣi me la, woxlẽ Biblia le alafalafawo me, gake womete ŋu tsrɔe o. Ke egbea la, akpe ewo ewo, alo akpe alafalafawo me ye wole exlẽm le. Ekem míagblɔ kpe ɖe Ɖɔɖɔɖowɔla gbãtɔwo dometɔ ɖeka ŋuti be: “Biblia nye zukpe, si ɖu gatunu alo hama geɖewo.” Aƒetɔ la be: “Lãnu sia lãnu, si woatu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu.” (Yes.54:17); “Mawu ƒe Nya la anɔ anyi ɖaa” “Eƒe asinudɔdɔwɔwɔwo nye nyateƒe kple ʋɔnudɔdrɔ,̃ eye eƒe Sewo katã le eteƒe. Elia ke wo ɖaa tegbee, eye wòwɔ wo le nyateƒe kple nuteƒewɔwɔ me.” (Ps. 111: 7, 8.) Woagbã nusiwo katã wotu ɖe amegbetɔ ƒe ŋusẽ dzi la ƒu anyi, ke nusi woɖo anyi ɖe Mawu ƒe Nya matrɔmatrɔ ƒe agakpe dzi la, anɔ anyi tegbee.UGL 262.2

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents