Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    31—MAWUDƆLA NYUIWO KPLE GBƆGBƆ VƆ̃WO

    Kadede, si nɔ xexeme, si míekpɔna kple makpɔmakpɔwo dome, mawudɔlawo ƒe dɔwɔwɔwo kple gbɔgbɔ vɔwo ƒe wɔnawo, wo katã nye nusiwo ŋu woƒo nu tso nyuie le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me, eye wowɔ ɖeka kple ameƒomea ƒe ŋutinya. Gake ɖe ko wòle dzedzem egbea abe amewo megale gbɔgbɔ vɔwo ƒe anyinɔnɔ dzi xɔm se o ene. Ame geɖewo xɔe se be mawudɔla kɔkɔe siwo “woɖo ɖa be woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome ta la, (Hebr. I : 14) menye nu bubua ɖeke wú ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo o. Gake menye mawudɔla nyuiwo kple mawudɔla vɔɖiwo ƒe anyinɔnɔ ɖeɖe ko ŋuti Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒo nu le o, ke wogaɖee fia, ɖikekea ɖeke manɔmee be womenye amegbetɔ, siwo nɔ anyigba dzi kpɔ hafi ku la, ƒe gbɔgbɔwo kura o.UGL 480.1

    Mawudɔlawo nɔ anyi hafi amegbetɔ va dzɔ, elabena wogblɔ nya sia be hafi woaɖo anyigba gɔme anyi la, “ŋukeɣletiviwo katã nɔ aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔ. (Hiob 38:7). Le amegbetɔ ƒe anyidzedze megbe la, wodɔ mawudɔlawo ɖa be woadzɔ agbeti la ŋu, le esime amea ɖeke mekpɔ ku kpɔ o la. Le woƒe nɔnɔme nu la, mawudɔlawo kpɔ ŋusẽ wú amegbetɔwo. Psalmowo ŋlɔla gblɔ tso amegbetɔ ŋu be : ” Esusɔ vie nena wòsɔ kple mawudɔlawo kloe.” (Ps. 8:6)UGL 480.2

    Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒo nu na mí ku ɖe dziƒodɔlawo ƒe xexlẽme, ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe ŋu, woƒe dɔdasiwo le Mawu ƒe dziɖuɖua te, kple kadede, si le wo kple ɖeɖekpɔkpɔdɔ la dome ŋu. “Yehowa lí eƒe fiazikpui ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi. “Nyagblɔɖila hã gblɔ be :“… eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la … ƒe gbeɖiɖi”. (498) Le fiawo dzi Fia ƒe fiazikpuia ƒe nɔƒe la, mawudɔla geɖewo li, siwo nye “kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe gbeɖiɖi…” (Ps.103:19-20; Nyaɖ. 5:11). Nyagblɔɖila Daniel hã kpɔ dziƒodɔla siawo, siwo ƒe xexleme le “ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo le tsitre ɖe eŋgɔ.” Apostolo Paulo ya yɔ wo be “mawudɔla akpe akpewo ƒe takpekpe.” (Daniel 7:10 ; Hebri 12:22). Abe Mawu ƒe gbedasixɔlawo ene la, woƒe nɔnɔme le abe dzikedzo ene. (Ez. I:14). Woƒe ŋutikɔkɔe klẽna ale gbegbe, eye woƒe duʋuʋu le abe dzikedzo tɔ ene. Mawudɔla, si wokpɔ le Ɖela ƒe yɔdoa gbɔ le eƒe tsitretsitsi megbe la, esi ƒe kpɔkpɔme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene la, na be dzɔlawo vɔ̃ ŋutɔ eye wodzo nyanyanya eye wozu abe ame kuku ene le ŋɔ, si wòdzi na wo la, ŋuti.” (Mateo 28:3,4) Esime Asur-fia amenuɖiala Sanxerib do vlo Mawu hedzui, eye wòɖo be yeatsrɔ Israel la, eva me “le zã ma me be Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me.” Mawudɔla la “…tsrɔ̃ ŋutsu kalẽtɔwo katã, aʋakplɔlawo kple amegãwo le Asur-fia ƒe asaɖa la me, eye wògbugbɔ yi eƒe anyigba dzi kple ŋukpẽ.” (Fiawo II, 19:35; Kronika II,32:21).UGL 480.3

    Wodɔ mawudɔlawo ɖo ɖe amenuvevedɔ gbe be woakpe ɖe mawuviwo ŋu, ɖo ɖe Abraham kple yayra ŋugbedodo, ɖo ɖe Sodom ƒe agbowo nu bena woaɖe Lot dzɔdzɔetɔ la tso tsɔtsrɔ̃ ƒe dzobibiwo me, ɖo ɖe Eliya, esi ɖeɖiteameŋu kple dɔwuame na wòde kuku ge le dzogbe dzi, ɖo ɖe Elisa be woaɖee do go kple dzo-tasiaɖamwo kple sɔwo tso du suea ɖe, si me eƒe futɔwo xaxɛ ɖo le la, ɖo ɖe Daniel, si wode dzatawo ƒe do me be woavuvui le esime wòle gbe dom ɖa na eƒe Mawu le fia trɔsubɔlaa ɖe ƒe aƒe me la ta, ɖo ɖe Petro, si wotso ku fia na le fia Herodes ƒe gaxɔ me, ɖo ɖe apostolo eve, siwo wode gaxɔ me le Filipi, ɖo ɖe Paulo kple amesiwo le ƒu dzi zɔm kplii le zã titina ƒe ahomya sesẽa ɖe me; wodɔ mawudɔlawo ɖo ɖe Kornelio be woaʋu susu nɛ ku ɖe Nyanyui la ŋuti, eye ɖo ɖe Petro hã be wòaɖe abla ayi ɖe aʋafia sia gbɔ kple ɖeɖekpɔkpɔ ƒe Nya la. Alea ye le ɣeawokatãɣi mawudɔla kɔkɔeawo wɔ dɔ na Mawu ƒe dukɔa ƒe gomekɔkpɔ.UGL 481.1

    Wotsɔ amedzikpɔkpɔ ƒe mawudɔla ɖeka ɖo Yesu Kristo yomedzela ɖesiaɖe ƒe axa dzi bena wòanɔ eta kpɔm le vɔɖitɔ la ƒe aʋahoɖameŋuwo me. Satana ŋutɔ hã ʋu eme to nyagbɔgblɔ sia na Mawu me be : “Dzodzroe Hiob vɔa Mawua? Ɖe menye wòetɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa ?” (Hiob I, 9-10), Psalmowo ŋlɔla hã ƒo nu tso alesi Mawu kpɔa etɔwo ta la ŋu: “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔnɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.” (Ps.3:8). Mawudɔla, siwo Mawu tia be woakpɔ yeviwo ta la, kpɔa mɔ gena ɖe eƒe ŋku me ɣesiaɣi. Aƒetɔ ŋutɔe gblɔ nya sia : “Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofo nye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.” (Mateo 18:10).UGL 481.2

    Mawu ƒe dukɔ, si dze ŋgɔ viviti-fiavi la ƒe beble ŋusẽ kple vɔɖivɔɖi madzudzɔ, hele aʋa wɔm kple gbegblẽ ŋusẽwo katã la, akpɔ gome, ɖikeke manɔmee, le dziƒodɔlawo ƒe ametakpɔkpɔ me ɣesiaɣi. Ametakpɔkpɔ sia menye nane, si mehiã o. Nenye be Mawu wɔ eƒe amenuveve kple kpekpeɖeŋu ƒe ŋugbedodo na viawo la, enya bena wole ʋiʋli sesẽ wɔ ge kple gbegblẽŋusẽ dziŋɔ vovovo, siwo nye kalẽwɔwɔ ŋusẽ, siwo ŋu ɖeɖi metena o la. Enya hã be amesiwo anɔ manyamanya me, alo ɖekematsɔleme me na vɔɖi-ŋusẽ siawo ƒe ayewɔwɔ kple vɔɖivɔɖi la, anɔ dzɔgbevɔe gãa ɖe me.UGL 482.1

    Le gɔmedzedzea me, nuvɔ̃ menɔ mawudɔlaa ɖeke me esi Mawu wɔ wo o. Ke wo dome amesiwo va zu gbɔgbɔ vɔwo egbea la, nɔ tasɔsɔ me kple mawudɔla kɔkɔe siwo nye nuteƒewɔlawo na Mawu la, le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe me. Le woƒe nuvɔmedzedze me la, wowɔ ɖeka kple aglãdzela gã la, heɖo be yewoagblẽ Mawu ƒe ŋkɔ eye be yewoatsrɔ̃ amegbetɔwo. Esi Satana flu wo de eƒe aglãdzedze me, eye womegakpɔ nɔƒe le dziƒo o la, wowɔ ɖeka kplii ɣeawokatãɣi le aʋa hoho ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu me. Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒo nu tso woƒe ŋusẽwo ƒe ɖekawɔwɔ ŋuti, woƒe dziɖuɖu kple ƒuƒoƒo vovovoawo, woƒe sebla kple tsitretsitsi ɖe amegbetɔƒomea ƒe ŋutifafa kple dzidzeme ŋu.UGL 482.2

    Nubabla Xoxo me nyawo ƒo nu tso woƒe anyinɔnɔ kple wɔnawo ŋuti; gake le Ɖela ƒe anyigbadzi nɔnɔ ŋkekewo mee woɖe woƒe ŋusẽ fia le wòdze gãa ɖe wú. Kristo ɖi va be yeadze ɖoɖo, si wowɔ na amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔdɔ la gɔme; ke Satana ya ɖoe vevie be yeana woanya be xexeame ƒe dziɖuɖu la yetɔ wònye godo. Edze agbagba heɖo trɔsubɔsubɔ anyi ɖe xexea katã me, negbe le Palestina ko. Kristo va kaka dziƒo ƒe kekeli la ɖe du ɖeka ma, si metsɔ eɖokui de tela ƒe ŋusẽ te o la me. Ŋusẽ evee wɔ ʋiʋli sesẽa ɖe na dziɖuɖu kpɔkpɔ le du sia me. Yesu ke eƒe lɔlɔ̃ ƒe abɔwo ɖi hele amesiwo katã le tsɔtsɔke kple ŋutifafa dim la kpem be woava ye gbɔ. Viviti ŋusẽwo kpɔe de dzesii be sẽɖoƒe li na yewo ƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔwo, eye wokpɔe hã be ne Kristo kpɔ dziɖuɖu la, ekem yewo ƒe fiaɖuƒe awu nu kpuie. Satana ʋli sesiẽ abe dzata, si wode ga ene, hewɔ eƒe ŋusẽa katã ŋu dɔ dzikutɔe ɖe amegbetɔwo ƒe ŋutilã kple luʋɔ dzi.UGL 482.3

    Woɖee fia wòdze ƒãa le Nubabla Yeye la me be gbɔgbɔ vɔwo nɔ amegbetɔwo me. Amesiawo ƒe xaxa menye dɔléame ƒuƒlu, si vaa ame dzi ɖeɖe koe o. Kristo dze si amesi wòle aʋa wɔm kple la nyuie ŋutɔ, eye wòdea dzesi gbɔgbɔ vɔwo ƒe ame me nɔnɔ kple wɔnawo kaba.UGL 483.1

    Míakpɔ kpɔɖeŋu gã ɖeka ku ɖe woƒe xexlẽme, ŋusẽ kple ayewɔwɔ vɔɖi ŋuti, kpakple Kristo hã ƒe nublanuikpɔkpɔ ƒe ŋusẽ, le ŋutinya, si ƒo nu tso dɔyɔyɔ na gbɔgbɔmakɔmakɔtɔa ɖewo le Gadara ŋuti la me. Gbɔgbɔ blibawo ƒe aboyome nublanuitɔ siawo mete ŋu léa wo ɖokui o, ke wonɔa ɣli dom, nɔa wo ɖokui nyamam, nɔa nuwo katã gbãm, eye woƒoa amesiwo tea ɖe wo ŋu la. Alesi woƒe ŋutilã nye ʋu ɖeɖe, woƒe nɔnɔme zu gbegblẽ, eye susu hã bú ɖe wo la, nye nukpɔkpɔ, si doa dzidzɔ na viviti- fiavi la ŋutɔ. Gbɔgbɔ bliba, siwo nɔa fu wɔm nublanuime siawo, dometɔ ɖeka gblɔ be : “Nye ŋkɔe nye Legio, elabena mí ame geɖewoe.’’ (Marko 5:9). Le Romatɔwo ƒe aʋakɔ me la, legio ɖeka ƒe asrafowo ƒe xexlẽme le abe ame akpe etɔ̃ yi ɖe akpe atɔ̃ ene. Satana hã ma eƒe aʋakɔwo ɖe hatsotsoe vovovowo me, eye gbɔgbɔ bliba siawo ƒe hatsotso, si me wonɔ la ƒe xexlẽme anɔ abe legio ɖeka ene.UGL 483.2

    Le Yesu ƒe gbeɖeɖe nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ siawo do go tso ameawo me eye nenem me siawo bɔbɔ nɔ anyi kpoo le Ɖela ƒe afɔ nu, le ɖokuibɔbɔ, ŋutifafa kple nunya me. Ke gbɔgbɔ blibawo ya, woxɔ mɔɖeɖe be woage ɖe hawo ƒe haa ɖe me, eye wokplɔ wo de atsiaƒu me. Gake Gadaratɔwo ya tsɔ asixɔxɔ na woƒe hawo tsɔ wú yayra, si Yesu he va na wo la, eye wobia tso dziƒo Dɔyɔla la si be wòate ɖa le yewo ƒe du la ŋu. Esia dim Satana ya le. Ena be esi wotsɔ fɔbubu na Yesu ɖe lã siwo tsrɔ̃ na wo ta la, enyɔ ɖokuitɔdidi ƒe vɔvɔ̃ le wo me, eye wòna be womagase eƒe nyawo o. Satana bua fɔ kristotɔwo madzudzɔmadzudzɔe ɖe xaxawo, dzɔgbevɔe kple vevesesewo ta, to gbɔ be eya ŋutɔ kple eƒe dɔla vɔɖiwoe le gɔme na nusiawo katã hã.UGL 483.3

    Gake, esi wòle alea hã la, naneke mete ŋu xea mɔ na Kristo ƒe taɖodzinu wɔwɔ o. Eɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔawo be woatsrɔ̃ hawo ƒe hatsotso, si le afima ne wòanye mokaka na Yudavi, siwo le lã makɔmakɔwo nyim le woƒe galɔlɔ̃ ta. Nenye ɖee Kristo meɖo asi wo dzi o la, anye ne gbɔgbɔ bliba siawo he hawo, wo nyilawo kple wo dzikpɔlawo siaa nyrɔ̃ ɖe atsiaƒu me. Ke ne hanyilawo kple wo dzikpɔlawo tsi agbe la, Kristo ƒe amenuveve ƒe ametakpɔkpɔe na. Kpe ɖe nusiawo ŋu la, Kristo ɖe mɔ be nudzɔdzɔ siawo nava me, ale be eƒe nusrɔlawo ŋutɔ nakpɔ Satana ƒe ŋutasesẽ ŋusẽ ƒe dɔwɔna ɖe amegbetɔ kple lãwo dzi. Ɖela di hã be yeƒe nusrɔlawo nadze si futɔ, si wole akɔ kpe ge kple la, ale be womegadze eƒe mɔtetrewo me ahakpɔ anyidzedze to eƒe beblewɔnawo me o. Edi hã be nuto siawo menɔlawo nakpɔe be ŋusẽ le yesi, si agbã Satana ƒe ŋusẽwo katã, eye wòaɖe ga amesiwo futɔ la wɔ kluviwoe. To gbɔ be Yesu dzo le teƒe ma hã la, amesiwo wòɖe nukutɔe la, tsi anyi henɔ gbeƒã ɖem amesi ɖe wo la ƒe amenuveve.UGL 484.1

    Wogaƒo nu tso kpɔɖeŋu bubuwo ŋu le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me. Yesu ɖe gbe ɖe gbɔgbɔ bliba, si nɔ Sirofoenike nyɔnua ɖe ƒe vinyɔnu me, esi wònɔ fu ɖem na vevie la dzi, eye wònyae do goe. (Marko 7:26-30) Amea ɖe, “si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la.” (Mateo 12:22); “...ŋutsuvia ɖe, si me gbɔgbɔ maƒonu nɔ, eye, enuenu wòtsɔnɛ ƒua dzo me kple tɔ me be yeawui la,” (Marko 9:17-27), kple ŋutsu, si me Abosam ƒe gbɔgbɔ bliba nɔ, eye wònɔ fu ɖem na amewo le Sabat-ŋkeke dzi, le ƒuƒoƒe le Kapernaum la, wo katã wokpɔ dɔyɔyɔ tso Ɖela amenuvela la gbɔ. Le nudzɔdzɔ siawo katã kloe me, Kristo ƒo nu na gbɔgbɔ vɔ̃ ɖesiaɖe abe amesi si nunya le la ene, eye wòde se nɛ be wòado go tso amesi me wòle la me, eye bena wòagaɖe fu nɛ azɔ o. Amesiwo nɔ subɔsubɔ wɔm le Kapernaum gbemagbe katã ƒe mo wɔ ya, esi wokpɔ Ɖela ƒe ŋusẽ gã, si wòɖe fia la, eye wogblɔ le wonɔewo dome be : “nuka nyae nye esi ma ? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo eye wodoa go.” (Luka 4: 33-36)UGL 484.2

    Edziedzi la, wokpɔa amesiwo me gbɔgbɔ blibawo le la abe amesiwo le vevesese gãa ɖe ƒe nɔnɔme me ene, gake ɣeaɖewoɣi la menyena nenema o. Le woƒe ŋusẽ tɔxɛ, si metso amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme o didi me la, ameaɖewo lɔna faa tsɔa wo ɖokui dea Satana ƒe ŋusẽ te. Nenem mesiawo mewɔa ʋiʋlia ɖeke tsi tre ɖe gbɔgbɔ vɔwo ŋu o. Wo dome amea ɖewoe nye Simon afakala, Elimas adzetɔ, kple ɖetugbuivi, si me afakagbɔgbɔ nɔ, eye wòkplɔ Paulo kple Silas ɖo le Filipi ƒe dua me. To gbɔ be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ɖi ɖase geɖe tso nusiawo ŋu hã la, amesi agaxɔe se be Abosam kple eƒe dɔtsɔlawo meli o la, le afɔku gãa ɖe, si lolo ŋutɔ la me, elabe woage ɖe gbɔgbɔ siawo ƒe ŋusẽ te. Zi alesi mímadzesi woƒe ayedzedze vɔɖiwo o la, woakpɔ mɔnu geɖe, si míate ŋu asusu o la, le mía ŋu. Geɖewoe nye amesiwo xɔa gbɔgbɔwo ƒe susuɖeɖewo heblea wo ɖokui be yewo ŋutɔ ƒe nunya ƒe susuɖeɖewoe wonye. Esia tae, esi míele tetem ɖe ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu ŋu, eye Satana agawɔ dɔ kple ŋusẽ gã, si ŋu dɔ mewɔ kpɔ o, bena woaflu ame geɖe alesinu wòate ŋui ade tsɔtsrɔ̃ me la, ele ŋutete wɔm vevie ale be amewo naxɔe se be yemeli o. Eƒe ɖoɖoe nye be yeŋutɔ kple yeƒe dɔwɔwɔ mɔnuwo naɣla ɖe amewo.UGL 485.1

    Aʋatsokala gã sia mevɔa naneke wú be míadzesi eƒe ayetetre vɔɖiwo o. Nusi wòwɔna heɣlana eƒe dẽ ale gbegbe lae nye be wòana amewo naƒo nu tso eyama ŋu wòaɖi kokui ŋutɔ, ale be amea ɖeke nagatsɔ ɖeke le me na ye o. Ekpɔa dzidzɔ ne wowɔ eƒe nɔnɔmetata wòle nyama eye menya kpɔ kura o, abe amegbetɔ afã, lãa ɖe afã ene la. Ne amesiwo kpɔa wo ɖokui abe nunyalawo ene le nu ƒom tso eŋu kple alɔmeɖeɖe alo abe modzakaɖenya ene la, nusia hã doa dzidzɔ nɛ fũ.UGL 485.2

    Le esi wòteŋu ɣla eɖokui ɖe amewo nyuie le aɖaŋu manyagblɔa ɖe me ta, ame geɖewo wɔa biabia sia be: ɖee Satana li vavã mahã ? Eƒe dziɖuɖudzesi ɖekae nye be susu, siwo tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ɖaseɖiɖi vavãwo ŋu la le gegem ɖe subɔsubɔ ƒuƒoƒowo me le xexeame godoo. Esi wònye be ameblela la kpɔa ŋusẽ kaba ɖe amesiwo medzesi eƒe nuwɔnawo o ƒe susu dzi la, esia tae Mawu ƒe Nya le kpɔɖeŋu geɖewo nam mí ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ vɔdiwo ŋu, henɔa nu klom ɖa le eƒe ŋusẽ ɣaɣlawo dzi, ale be míakpɔ nyuie le eƒe aʋahoho ɖe ame ŋu ŋuti.UGL 485.3

    Ele be Satana kple eƒe aʋakɔa ƒe ŋusẽ kple ŋutasesẽ naɖo vɔvɔ̃ na mí vavã, nenye be mímate ŋu akpɔ sitsoƒe kple xɔname le mía Ɖela ƒe ŋusẽ, si lolo wú la me o. Míedoa klaɖuba kple gametiwo míaƒe aƒewo nu bena míakpɔ mía ŋutɔwo kple míaƒe nunɔamesiwo ta ɖe ame vɔɖiwo ŋuti, gake bebli ye míebua ta me tso mawudɔla vɔɖi, siwo le agbagba dzem atraɖi be yewoa ge ɖe mía me la ŋu, evɔ wònye be ŋusẽa ɖeke hã mele mía ŋutɔ míasi be míatsi tsitre ɖe woƒe aʋahoho ŋu, aʋli mía ɖokui ta o. Nenye ɖee mɔɖeɖe li na wo la, woagblẽ míaƒe nunya alo susu, awɔ funyafunya míaƒe ŋutilã, atsrɔ̃ míaƒe nunɔamesiwo kple míaƒe agbe siaa alesi wolɔ. Nu dziŋɔa ɖe wònye be ame natsi tsitre ɖe Mawu ŋu, ahaɖe asi le eɖokui ŋu na Satana ƒe tetekpɔwo, vaseɖe esime Mawu nagblẽ wo ɖe gbɔgbɔ vɔwo ƒe asi me. Ke amesiwo kplɔa Kristo ɖo la kpɔa dedienɔnɔ le eƒe kpɔkplɔ te ɣesiaɣi. Woɖoa mawudɔla ŋusẽtɔwo ɖo ɖe wo tso dziƒo bena woakpɔ wo ta. Vɔɖitɔ mate ŋu age ɖe ametakpɔkpɔ ƒe asaɖa, si Mawu ƒu ɖe eƒe dukɔa ŋu la me akpɔ o.UGL 486.1

    ------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents