Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    26—ƉƆƉƆƉO-DƆ VEVIEA ƉE

    Yesaya gblɔ nya ɖi tso Sabat ƒe ɖɔɖɔɖo-dɔ, si ava eme le ŋkeke mamleawo me ŋuti, le nya siwo gbɔna la me. “Ale Yehowa gblɔ esi: «Midzra ɖoɖo la ɖo, eye miwɔ nu dzɔdzɔe. Elabena nye xɔname tu aƒe, ne wòava, kple nye dzɔdzɔenyenye, ne wòaɖe eɖokui afia. Woayra amegbetɔ, si wɔa alea, kple amegbetɔvi, si kuna ɖe nusia ŋu, amesi dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be wòagagblẽkɔ ɖo nɛ o, eye wòkpɔa eƒe asi dzi, be magawɔ vɔa ɖeke o.» “Eye amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe Ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo nɛ, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la, mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me.” ( Yesaya 56: 1, 2, 6, 7 ). Nyati siawo yi na Kristo subɔsubɔ ɣeyiɣimetɔwo, abe alesi nya, siwo gbɔna le eɖem fia ene: “Aƒetɔ Yehowa, amesi ƒo Israel ƒe ame kahlẽwo nu ƒu la be: Magaƒo amewo nu ƒu akpe ɖe ame ƒoƒuawo ŋu.” (Yesaya 56: 8) Míakpɔe be nya siawo nye trɔsubɔlawo ƒe ƒu ƒoƒo to Nyanyuia me la ƒe nyagblɔɖi. Eye wogblɔ yayranya le eme ɖe amesiwo ade bubu Sabat ŋu la dzi. Ale wonye be Se enelia ƒe biabia wɔ dɔ, lɔ Kristo ƒe kaklã ɖe ati ŋu, eƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi ɣeyiɣiwo ɖe me , yi ɖe keke ɣeyiɣi, si me eƒe subɔlawo aɖe gbeƒã Nyanyui la na dukɔwo katã.UGL 419.1

    Yehowa gade Se to eƒe nyagblɔɖila sia dzi be: “Bla ɖaseɖiɖi la, eye natre nufiame la nu ɖe nye nusrɔviwo me.” ( Yesaya 8: 16 ). Mawu ƒe Sea ƒe nutrenu la le Se enelia me. Le Se ewoawo katã me la, Se sia ɖekae ɖe Sewɔla ƒe ŋkɔ kple eƒe wɔlanyenye fia. Eɖe eɖokui fia abe dziƒo kple anyigba Wɔla ene, hele nanam míanya be, le esia ta, eyamae dze na amegbetɔ ƒe bubu kple subɔsubɔ wú amesiame. (438) To vovo na ɖoɖo sia la, se bubua ɖeke megali le ewoawo dome, si ɖe Ŋusẽ, si wɔ seawo la fia o. Ke to Sabat ƒe ɖoɖoawo tɔtrɔ me la, papa ɖe Mawu ƒe nutrenu la ɖa le Seawo dome. Ale be wobia tso Kristo yomedzelawo si be woagbugbɔ nutrenu la va da ɖe eteƒe to Sabat Se la dodo ɖe dzi abe Wɔla ƒe ŋkuɖodzinu kple gãnyenye dzesi ene me.UGL 419.2

    “Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu.” Le esime nufiafia kple susuɖeɖewo sɔ gbɔ fũ le egbe ŋkeke siawo me la, Mawu ƒe Se lae nye ɖoɖo matrɔmatrɔ, si wòle be woatsɔ do nufiafiawo kple susuɖeɖewo katã kpɔ. Nyagblɔɖila be : “Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.” ( Yesaya 8:20 )UGL 420.1

    Ke sedede la gaɖi be: “He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔwo nɛ.” Menye xexe vɔɖi lae o, ke boŋ amesiwo yɔm Yehowa le be “Nye dukɔ” la, wòle be woaka mo na ɖe woƒe vodadawo ta. Eyi edzi gblɔ be: “Wole diyem gbeawotsogbe, eye wole didim be yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene.” ( Yesaya 58: 1, 2 ). Ke wole hatsotsoea ɖe ɖem fia le afisia, amesiwo le wo ɖokui kpɔm abe ame dzɔdzɔewo ene, siwo le dzedzem abe amesiwo tsɔ ɖe le me na Mawu ƒe subɔsubɔ vevie la ene. Gake amesi dzroa dziwo me kpɔ la ƒe mokaka sesẽ la le eɖem fia be wole afɔ tum Mawu ƒe ɖoɖoawo dzi.UGL 420.2

    Nyagblɔɖila le asi tɔm Se, si gbɔ wogbe nu le la dzi ale: “Viwòwo atso blemaƒedowo, eye àfɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be, gli gbagbawo ɖɔɖola, mɔwo dzraɖola, ne woatso aƒe ɖi. Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be “dzidzɔ” kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be “bubu”, eye nède bubu eyama ŋu ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la, ekema àkpɔ dzidzɔ le Yehowa ŋu; mana nàde anyigba ƒe kɔkɔƒewo, eye mana naɖu fofowò Yakɔb ƒe domenyinu; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.” ( Yesaya 58: 12-14 ). Nyagblɔɖi sia yi na míaƒe ɣeyiɣia hã. Wogbã Mawu ƒe se la, le esime Roma dziɖuɖua trɔ Sabat ŋkeke la. Ke azã la su be Mawu ƒe nuɖoanyi sia nagatrɔ va eteƒe. Ele be míaɖɔ afisi wogbã la ɖo, eye míagaɖo gɔmeɖokpe, siwo wogblẽ ɖi tso dzidzime yi dzidzime me la, anyi.UGL 420.3

    Esi Wɔla ŋutɔ dzudzɔ le Sabat ŋkekea dzi, eye wòkɔ eŋu heyrae la, Adam hã, le eƒe fɔmaɖi kple ɖemanya me, wɔ ɖe edzi, eye esi wòdze nuvɔ me, hese veve ɖe eƒe nuvɔ̃ ta la, egalee ɖe asi, to gbɔ be woɖee do go tso dzidzɔ teƒe la me hã. Mía fofowo katã, tso Abel dzi yi ɖe Noah dzɔdzɔetɔ la dzi, Abraham dzi, Yakob dzi la, wo katã wɔ ɖe edzi. Le Mawu ƒe dukɔ tiatia ƒe aboyo me nɔnɔ le Egypte la, trɔsubɔsubɔ ƒo xlã wo le afisiafi, ale be wo dometɔ geɖe ŋlɔ̃ eƒe Se la be. Ke esi Yehowa ɖe ga Israel la, exlẽ Se la fia ameha gã, si wòƒo ƒu la, le gãnyenye kple ŋusẽ dziŋɔ̃ ɖeɖefia me, ale be woadze si yeƒe lɔlɔnu, woavɔ̃ ye, eye woaɖo to ye ɖaa.UGL 421.1

    Tso ɣemaɣi vaseɖe egbea la, sidzedze Mawu ƒe Se la le anyigba katã dzi, eye wowɔna ɖe Se enelia ƒe Sabat la dzi. To gbɔ be “nuvɔ-me” la te ŋu tu afɔ Mawu ƒe ŋkeke kɔkɔe la dzi hã, luʋɔ nuteƒewɔlawo nɔ anyi, le eƒe dziɖuɖu ɣeyiɣiwo me gɔhã, siwo ɣla ɖe teƒe ɣaɣlawo henɔa edzi wɔm le adza me. Tso keke Reformatio ƒe ɣeyiɣiwo me, luʋɔwo nɔ anyi le dzidzimewo katã me, siwo wɔna ɖe edzi. To gbɔ be wowɔa esia le fuléame kple yometitiwo sesẽwo me hã la, woɖi ɖase madzudzɔ madzudzɔ le Mawu ƒe Se la ƒe mavɔmavɔ nyenye kple dɔdeasi kɔkɔe, si wònye na mi be míawɔ ɖe Sabat, si woɖo anyi le xexeame wɔwɔ me la ŋuti.UGL 421.2

    Nyateƒe siawo, abe alesi woɖe wo ɖe go le Nyaɖeɖefia 14lia me, le kadede kple Nyanyui mavɔ la me ene la, woenye nusiwo ade dzesi tɔxɛ Kristo ƒe Hamea le Ɖela ƒe tɔtrɔvaɣi. Gbedeasi etɔ, siwo nɔ wonɔewo yome ƒe metsonue nye taƒonya, si gblɔ be: “Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu dzixɔse me ɖe asi vevie la, ƒe dzidodo le.” Gbedeasi siae nye mamlɛa, si ayi na xexe la kpuie do ŋgɔ na Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔva. Nusi nyagblɔɖila kpɔ enumake le gbeƒãɖeɖe sia megbe la enye Amegbetɔvi la ƒe vava le ŋutikɔkɔe me na anyigba ƒe nukuwo xaxa.UGL 421.3

    Amesiwo xɔ kekeli ku ɖe gbedoxɔ la kple Mawu ƒe Sea ƒe matrɔmatrɔ ŋuti la, yɔ kple dzidzɔ kple bubu esi wokpɔ nyateƒeawo ƒe nyonyo kple ɖekawɔwɔ, si woɖe fia wo la. Wodi vevie be kristotɔwo katã nakpɔ gome le kekeli, si xɔ asi le woƒe ŋkume alegbegbe la me, eye womebui kpɔ be womaxɔe kple dzidzɔ o. Ke nublanuitɔe, Nyateƒe, siwo ade vovototo wo kple xexeame dome la mekpɔ nɔƒe le ame geɖe, siwo le wo ɖokui yɔm be Kristo yomedzelawo la me o. Bubu dede Se enelia ŋuti nye nane, si hiã vɔsa, si amegeɖewo trɔ megbe de.UGL 421.4

    Ne wole Sabat ƒe dzenawo ɖem ɖe go la, geɖe woenye amesiwo tsɔa xexemetɔwo ƒe taflatse sia ɖoa ŋgo nu be: “Tso keke gbaɖegbe ke míele wɔwɔm ɖe kwasiɖagbe dzi, mía fofowo wɔ ɖe edzi, eye ame nyuiwo kple mawuvɔla geɖewo ku kple dzidzɔ le ewɔwɔ me. Ne wonɔ nyateƒea me la, ke míawo hã míele eme. Sabat yeye sia dzi wɔwɔ ama mí ɖa tso xexeame la gbɔ, eye míagate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Nuka ŋkeke adrẽlia dziwɔlawo ƒe hatsotso suɛ sia ate ŋu awɔ le xexea katã, si le kwasiɖagbe dzi wɔm la ŋgɔ?”UGL 422.1

    Nyameɖeɖe sia tɔgbi kee Yudaviwo wɔ, abe taflatsɛdodo na woƒe nugbegbe le Kristo gbɔ ene. Wo fofowo dze Mawu ŋu to adzɔwo nana kple vɔsawo wɔwɔ na Mawu me; aleke wɔ woviwo hã makpɔ ɖeɖe to mɔ sia ke dzi oa? Nenema kee, le Luther ƒe ɣeyiɣi me, papayomedzelawo nɔa gbɔgblɔm be kristotɔ vavã geɖewo ku le Katoliko xɔse me, eye bena subɔsubɔ sia su xoxo na ɖeɖekpɔkpɔ. Míakpɔ be nyameɖeɖe sia xɔxɔ zu mɔxenu na xɔse kple subɔsubɔ dɔ ƒe ŋgɔyiyi.UGL 422.2

    Ame geɖewo gblɔna be kwasiɖagbe dzi wɔwɔ nye hamea ƒe nufiafia kple numame wɔwɔ le ƒe alafa geɖewo me. Ke numekɔkɔ, si nuteƒewɔlawo tsɔ tsia tre ɖe taflatsɛ sia ŋue nye be Sabat kple edziwɔwɔ li xoxo do ŋgɔ, tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke, eye dɔlawo kple Mawu da asi ɖe edzi. Esime wonɔ xexeame gɔme ɖom anyi, eye ŋkeɣletiviwo katã nɔ aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo gli kple dzidzɔhawo la, ɣemaɣie woɖo Sabat gɔme anyi. ( Hiob 38: 6, 7; Mose I, 2: 1-3 ). Nuɖoanyi sia dze na míaƒe bubu, elabena menye amegbetɔ ƒe ŋusẽ me wòtso o, eye menɔ anyi ɖe amegbetɔwo ƒe de-kɔnua ɖeke dzi o. Ŋkekewo ƒe Amegã Ɖeɖi la ŋutɔe ɖoe anyi, eye wòtsɔe wɔ Se kple eƒe Nya mavɔ la. UGL 422.3

    Esi wohe dukɔ la ƒe susu va Sabat ƒe ɖɔɖɔɖo dzi la, osɔfo xɔŋkɔwo trɔ Mawu ƒe Nya la, eye wotsɔ gɔmesese gbegblẽ, si able nyateƒedilawo nu la, na wo. Eye amesiwo meku Ŋɔŋlɔkɔ kɔeawo me na wo ɖokui o la, xɔ gɔmeɖeɖe totro, si sɔ kple woƒe didiwo la, kple dzidzɔ. Ame geɖewo wɔ ŋutete be yewoagblẽ nyateƒe la to nyahehe, aʋatsokaka, alo to fofowo ƒe nuɖoanyiwo kple hamea ƒe ŋusẽ dodo ɖe ŋgɔ me. Ele be nyateƒea taʋlilawo natsɔ Biblia aʋli Se enelia ƒe vevienyenye ta. Ame gblɔe maxɔŋkɔ, siwo tsɔ Nyateƒe-Nya la ɖeɖe ko wɔ woƒe aʋawɔnue la, nɔ te ɖe ŋgɔ na agbalẽnyala gã, siwo ƒe mo wɔ yaa, eye wokpɔ dziku le esime woƒe nunyaƒoƒo ƒe aɖaŋu kple amefuflu ŋusẽwo nu tsi le amesiawo, siwo yi ŋgɔ le Ŋɔŋlɔawo nyanya me wú suku gã yiyi me la, ƒe numeɖeɖewo ŋku me.UGL 422.4

    Ame geɖe, siwo si Biblia ƒe ɖaseɖiɖia ɖeke mele o, eye woŋlɔ be bena yewo ƒe nyameɖeɖe ma kee wotsɔ ɖe Kristo kple eƒe Apostolowo ŋu la, gasusɔ gblɔna be: “Aleke wɔ míaƒe amegãwo mese Sabat ƒe nya sia gɔme o? Ame ʋɛa ɖewo koe xɔ nya sia dzi se abe miawo ene. Mate ŋu ava me gbeɖe be miaƒe nyae nye nyateƒe, eye bena xexeame ƒe nunyala gãwo katã da ƒu o.”UGL 423.1

    Ke ne woatsɔ mu nyameɖeɖe siawo ƒu anyi la, ele ko be woatsɔ Ŋɔŋlɔ̃ Kɔkɔeawo ƒe nufiamewo kple Aƒetɔ ƒe mɔzɔzɔ kple eƒe dukɔ le dzidzimewo katã me ƒe ŋutinya ɖo ŋkume na wo. Mawu wɔa dɔ to amesiwo sea eƒe gbe hewɔna ɖe edzi la, amesiwo, ne ehiã la, woɖea nyateƒe, si sesẽ na sese la, ɖe go, eye womevɔna asi tɔtɔ dukɔa ƒe nuvɔwo dzi o. Nusi ta edziedzi Mawu melɔ̃ tiana nunyala gãwo kple amesiwo le teƒe kɔkɔwo be woawɔ ɖɔɖɔɖo o la enye be amesiawo léna ɖe woƒe nudzixɔsewo, woƒe susuɖeɖewo kple hamea ƒe nuɖoanyiwo ŋuti, eye womekpɔna nusɔsrɔ̃ xɔxɔ tso Mawu gbɔ ƒe asixɔxɔ o. Amesiwo nɔa kadede me tɔxɛ kple nunya ƒe Dzɔtsoƒe la koe ate ŋu ase Ŋɔŋlɔawo me alo aɖe wo gɔme. Ɣeaɖewoɣi wobiana tso Sukukɔkɔ madelawo si be woafia nyateƒe la, menye le woƒe agbalẽ manya ta o, ke boŋ le esia ta be, zi alesi womeyɔ kple ɖokuiŋudzedze o la, woxɔa Mawu ƒe nufiafia bɔbɔe. Ame madeŋgɔ le agbalẽnyanya me siawo lɔna srɔa nu le Kristo ƒe suku, eye woƒe bɔbɔenyenye kple toɖoɖo nana wozua ame xɔŋkɔwo. To eƒe nyateƒea ƒe sidzedze tsɔtsɔna wo me la, Mawu dea bubu gã, si ŋgɔ anyigbadzi ƒe bubu kple gãnyenyewo meɖi naneke le o la.UGL 423.2

    Mɔkpɔlawo, le woƒe agbɔsɔsɔ me, gbe nu le nyateƒe, siwo ku ɖe dziƒo gbedoxɔ kple Mawu ƒe Seawo ŋu la, gbɔ; geɖewo ɖe asi le mɔkpɔkpɔ ƒe azɔli la ŋuti, hexɔ nyagblɔɖi ku ɖe mɔzɔzɔ sia ŋu ƒe gɔmesese gbegblẽ, siwo tsi tre ɖe wonɔewo ŋuti la. Ame bubuwo ya ge ɖe vodada, si na be wonɔ azã ɖom enuenu na Kristo ƒe tɔtrɔva me. Ɖe wòle be kekeli, si klẽ ɖe dziƒo-gbedoxɔ ƒe ɖeɖefia dzi la, nana woanya bena nyagblɔɖi ɣeyiɣia ɖeke meyi ɖe keke Yesu ƒe tɔtrɔva ŋkeke la dzi o, eye bena womegblɔ ŋkeke tɔxɛ, si dzi wòava le la, ƒe nya ɖi o hafi. Gake wogbe nu le kekeli sia gbɔ heyi ɖe ŋkeke ɖoɖo enuenu na Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva dzi, eye ɣesiaɣi womekpɔa ŋudzedze o.UGL 424.1

    Esi Tesalonikatɔwo ƒe hamea xɔ nufiafia dadawo tso Yesu ƒe tɔtrɔva ŋuti la, Apostolo Paulo xlɔ̃nu wo be woado woƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔwo kpɔ nyuie kple Mawu ƒe Nya la. Etɔ asi nyagblɔɖi, siwo ɖe nudzɔdzɔ, siwo ava me do ŋgɔ na Kristo ƒe vava la, fia wo, eye wòna woanya be naneke meɖe mɔ be woakpɔ mɔ nɛ le wo ŋɔli me o. “Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o”, ( Tesa. II, 2:3 ) esiae nye nyanyananya, si wògblɔ. Ne woɖe asi le wo ɖokui ŋu na mɔkpɔkpɔ, si dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o la, ekema woage ɖe mɔtatra me. Dziɖelameƒo ana woazu nukokui na ame makɔmakɔwo. Gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzɔgbevɔe anɔ woƒe mɔ dzi, eye woadi gɔhã be yewoake ɖi le nyateƒe, siwo le vevie na woƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋuti. Nusɔsrɔ̃ vevia ɖe le Apostolo la ƒe nuxɔxlɔ̃ na Tesalonika hamea me na amesiwo le agbe le ŋkeke mamlɛawo me la. Mɔkpɔla geɖewo bui be mele vevie be yeawoaku kutri, adzra ɖo kple dzo na gododo Aƒetɔ la, ne nudzɔdzɔ sia mava eme le ŋkeke, si yewo nya la dzi o. Ke esi woƒe mɔkpɔkpɔ nɔ keklẽm, eye kasia ko wògatsi, enuenu, le alesi nusi dzi woka ɖo mele eme vam o ta, woƒe xɔse la ʋuʋu ale gbegbe be nyagblɔɖiwo ƒe nyateƒe gã gãwo megale naneke kloe wɔm le woƒe dzi me o. Mawu ŋutɔe ɖe gbe be woaɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkeke, si le mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedasi la me. Amea ɖeke mate ŋu agblɔ be akɔŋta, si wobu ku ɖe nyagblɔɖi ɣeyiɣi, siwo dzi gbedasia nɔ anyi ɖo, si da ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu ɖe ƒe 1844 lia ƒe nuŋeyi dzi la, be mesɔ gbe o. Agbagba, siwo katã wodze be yewoakpɔ gɔmedzedze kple nuwuwu bubuwo na nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo kple tɔtɔtɔtɔ ƒe numeɖeɖe, siwo dzi wotu woƒe nukpɔkpɔwo ɖo la, na be ame geɖewo te ɖa tso nyateƒe la gbɔ, eye amewo megalɔna xɔna nyagblɔɖi gɔmeɖeɖea ɖeke o. Zi alesi wonɔa ŋkeke ɖom na Aƒetɔ ƒe vava, eye wonɔ ekakam yi didiƒee la, eyae doa dzidzɔ na Satana. Nenye be naneke medzɔ le ŋkeke, si woɖo dzi o la, amesiwo ɖe gbeƒã ŋkeke sia zua nukokui na dzimaxɔsetɔwo, ale be wogblɔa nya vlo ɖe ƒe 1843-44 ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe azɔli la ŋuti. Avava me be amesiwo le vodada sia dzi yim la ava ɖo ŋkekea ɖe, si ayi ŋgɔ ʋĩi na Kristo ƒe vava. Esia ana be woadɔ̃ alɔ̃ le alakpa ƒe dedienɔnɔa ɖe, si me woa fɔ tso ne wɔnaa ɖeke megali o la.UGL 424.2

    Blema Israel ƒe ŋutinya nye kpɔɖeŋu vavãa ɖe na Mɔkpɔlawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ. Mawu ŋutɔ kplɔ eƒe dukɔ le Mɔkpɔlawo ƒe mɔzɔzɔ la me abe alesi wòkplɔ Israel dukɔ le eƒe gododo tso Egipte me la ene. Dziɖelameƒo sesẽ, si me wòto la, nye eƒe xɔse ƒe dodokpɔ, abe alesi wònɔ na Israelviwo esi wova ɖo Ƒu-dzĩ la nu ene. Nenye ɖee woka ɖe woƒe Mawu, si nɔ wo kplɔm la dzi gbesiagbe yi ɖe keke gbemagbe dzi la, anye ne wokpɔ Mawuƒe ɖeɖe. Nenye ɖee amesiwo wɔ ɖeka na ƒe 1844 ƒe dɔ la wɔwɔ xɔ mawudɔla etɔlia ƒe gbedeasi la, eye woɖe gbeƒãe le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ me la, anye ne Mawu wɔ dɔ gãa ɖe to woƒe ŋutete wɔwɔ me. Kekeli geɖe anye kɔ ɖe xexeame la dzi. Xexeamenɔlawo katã anye se toklãnya la ƒea ɖewo va yi; dɔ mamlɛa anye wu nu, eye Kristo anye va kplɔ eƒe dukɔ la.UGL 425.1

    Menye Mawu ƒe didi kura be Israelviwo natsa tsaglala le dzogbe dzi ƒe blaene sɔŋ o. Ɖe wòdi be yeakplɔ wo tẽe yi ɖe Kana, aɖo wo anyi, atsɔ wo wɔ dzidzɔ dukɔ yayraa ɖe hafi. Ke “womete ŋu yi ɖe eme o, le dzimaxɔse ŋuti”. ( Hebri. 3:19 ) Wotsrɔ̃ le gbedadaƒo keŋ le liʋĩliʋĩlili kple megbedede ta, ale be dzidzime yeyea ɖe ye yi ɖe ŋugbedonyigba la dzi. Nenema ke menye Mawu ƒe didi wònye be Kristo ƒe tɔtrɔva nahe ɖe megbe didie alea o, eye be eƒe viwo nanɔ nuvɔ̃ kple vevesese xexe sia me ƒe geɖe siawo katã o. Ke dzimaxɔsee ma wo kple Mawu dome. Esi wogbe dɔ si woɖo na wo ta, woyɔ ame bubuwo be woaɖe gbeƒã la. Le eƒe amenuveve na xexeame ta, Yesu he eƒe tɔtrɔva ɖe megbe, ale be nuvɔwɔlawo nase nyanyananya la, eye woaɣla ɖe Aƒetɔ la me hafi Mawu ƒe dziku naƒo ɖe anyigba la dzi.UGL 425.2

    Le míaƒe ŋkeke siawo me, abe blema ke ene la, gbeƒãɖeɖe siwo kaa mo na nuvɔ, hetɔa asi vodadawo dzi la, hea tsitretsitsi vɛ godo. “Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o.” ( Yoh. 3:20 ). Ne amewo kpɔ be Mawu ƒe Nya la meda asi ɖe yewoƒe xɔse dzi o hã, geɖewo dina godo be yewoaku ɖe eŋuti kokoko, to amegblẽnya vɔɖiwo me woamawo tsɔa nya ɖe amesiwo le Nyateƒe, si mevivia ame geɖewo nu o la ta ʋlim la ƒe dẽ kple tameɖoɖowo ŋuti. Esia enye nyateƒea ƒe futɔwo le dzidzimewo katã me la ƒe wɔna. Wotsɔ nya ɖe Eliya ŋuti be ehe gbegblẽ va Israel dzi, be Yeremia de dukɔ la asi, eye bena Paulo do vlo mawuxɔ la. Tso keke ɣemawoɣi wotsɔa nya ɖe nyateƒea taʋlilawo ŋuti be wonye amesiwo dea aglãdzedze dukɔ me, xɔsedadatɔwo kple amedomemalawo alo ɖokuiɖeɖagalawo. Ame geɖe, siwo si xɔse sɔgbɔ mele ne woate ŋu axɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo o la, xɔna nyatsɔɖameŋu, siwo wotsɔ gblẽa ŋkɔ na amesiwo tsia tre ɖe dukɔa ƒe gbegblẽwo ŋuti la kple kakaɖedzi manyagblɔa ɖe. Wɔna sia anɔ tsitsim ɖe dzi le dukɔa me. Biblia le nanam mianya bena gaƒoƒo la tu aƒe, esime dziɖuɖua ƒe sewo atsi tre ɖe Mawu ƒe Sewo ŋuti alegbegbe be amesiwo aɖo be yewoawɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe ɖoɖowo dzi la akpɔ fɔbubu kple tohehe abe vodalawo ene.UGL 426.1

    Ekem, le nɔnɔme sia ŋgɔ ɖee, nukae anye nyateƒe gbeƒãɖela ƒe dɔdeasi? Ɖe wòagblɔ be mehiã be woagaɖe gbeƒã nyateƒea oa, esi amewo ƒe wɔna ɖe eŋuti koe nye be woagbe exɔxɔ alo woatsi tre ɖe eŋua? Kpao! Taflatsɛa ɖeke meli na egbe ƒe nyanyuia ƒe gbedeasi gblɔla abe na ɖɔɖɔɖowɔla gbãtɔwo ke ene, be woatsyɔ̃ nu Mawu ƒe Nya ƒe ɖaseɖiɖi dzi, ɖe tsitretsitsi, si hem wòle va amewo me la ta o. Woŋlɔ̃ ame kɔkɔewo kple martirowo ƒe xɔsemeʋuʋu ɖi le ŋutinyawo me na dzidzime, siwo ava la ƒe gomekpɔkpɔ. Kɔkɔenyenye kple kutrikuku le nuteƒewɔwɔ me ƒe kpɔɖeŋu vavã siawo va na míawo hã egbea bena woanye dzideƒo na amesiwo di be yewoanye ɖaseɖilawo na Mawu la. Woxɔ amenuveve kple Nyateƒe la, menye na woawo ŋutɔ ɖeɖe ko o, ke boŋ bena to wo dzi la, sidzedze Mawu naklẽ ɖe anyigba katã dzi. Ɖe Mawu na kekeli esubɔlawo le dzidzime sia mea? Nenye ɛɛ̃ ̃ la, ekem ele be woana wòaklẽ ɖe xexea me.UGL 426.2

    Mawu gblɔ gbaɖegbe na eƒe subɔlawo dometɔ ɖeka, si nɔ nu ƒom le eƒe ŋkɔ me be: “Ke Israel ƒe aƒe la mele to ɖo ge wò o, le esi wogbe toɖoɖom ta; gake egagblɔ be :“...gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o..” Xezekiel 3:7 ; 2:7 . Gbeɖeɖe, si gbɔna la, le yiyim na Mawu subɔlawo le egbe ŋkekewo me: “He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe ne de dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Ya’kob ƒe aƒe ƒe nuvɔwo nɛ!” ( Yesa. 58:1 ).UGL 427.1

    Le amesiame ƒe ŋutetewo nu, amesiwo xɔ Nyateƒea ƒe kekeli la ƒe dɔdeasi kɔkɔe, si dzi ŋɔ̃ la, sɔ kple Israel ƒe nyagblɔɖila, si Aƒetɔ la gblɔ nya, si gbɔna la na tɔ: “Amevi, wòe metsɔ ɖo gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam. Ne megblɔ na ame vɔɖi be: “Ame vɔɖi, èle kuku ge,” ke mèƒo nu hexlɔ̃ nu ame vɔɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti o la, ekema ame vɔɖi la aku le eƒe vodada ta, ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me. Ke ne exlɔ̃ nu ame vɔɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti, be wòaɖe asi le eŋu, eye wògbe asiɖeɖe le eƒe zɔzɔme ŋu la, ekema aku le eƒe vodada ta, ke wò la eɖe wò agbe.” ( Xeze. 33:7-9)UGL 427.2

    Mɔxenu gã, si tsoa mɔ na nyateƒea xɔxɔ kple eƒe kaka enye be xaxa kple nyatsɔɖameŋuwo kplɔnɛ ɖo. Esia nye nu ɖeka, si nyateƒea taʋlilawo mete ŋu gbe kpɔ o. Gake nusia metrɔa Kristo yomedzela vavãwo le woƒe mɔ dzi o. Womelalana be ne nyateƒea ɖe va la, ame geɖewo naxɔe hafi yewo hã yewoaxɔe o. Esi woka ɖe woƒe dɔdeasiwo dzi ta la, woxɔna nyateƒea kalẽtɔe, abe Paulo ene, kple atitsoga, si akplɔe ɖo la, le kakaɖedzi sia me be “míaƒe aɖabaƒoƒo me xaxa, si nu mesẽna o la, wɔa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la na mí.” (Korint. II, 4:17), eye abe blema nyagblɔɖila xoxoa ɖe ene la, wobu “ŋukpẽ, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo.” ( Hebri. 11:26 )UGL 427.3

    Alekeake anye woƒe xɔsemeʋuʋu la, amesiwo nye kluviwo na xexeame le woƒe dziwo me la wɔa nu le amegbetɔ ƒe ɖoɖowo nu wu le mawusubɔsubɔ ƒe ɖoɖowo nu. Evɔ la ele be míawɔ nusi le dzɔdzɔe, elabena enye nu dzɔdzɔe, eye míagblẽ mía ɖokui ɖe Mawu ƒe asi me, na nusi ado go tso me na mí la. Xexe la kpɔ gome manyagblɔa ɖe le ɖɔɖɔɖodɔ gã, siwo amesiwo me ɖoɖo nyuiwo, xɔse deto kple kalẽnuwɔwɔ nɔ la, si me. Amesiwo ɖi nenem mewo kee ayi ɖe ɣeyiɣi siawo ƒe ɖɔɖɔdodɔ la dzi.UGL 428.1

    Ale Aƒetɔ la gblɔ esi: “Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye Se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o! Elabena agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye tsiƒomee aɖu wo abe kuntru ene; ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ dzidzimewo katã me.” ( Yesaya 51: 7, 8 )UGL 428.2

    ------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents