Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    18—ƉƆƉƆƉOWƆLAA ƉE, LE AMERIKA

    Agbledelaa ɖe, si nye ame dzɔdzɔe kple anukwareɖila, si wona be wògbe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo xɔxɔ abe Mawu ƒe Nya, si kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ dzi ene, gake wòdi vevie be yèanya Nyateƒe la, eyae Mawu tia tɔxɛ be wòadze gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe tɔtrɔva gɔme. Abe Ɖɔɖɔɖowɔla geɖe bubuwo ene la, William Miller nɔ eƒe sɔhɛme le xaxa geɖe me. Enya nusi nye ahedada, eye wòto eme xɔ ŋusẽ kple nugbegbe le ameɖokui gbɔ ƒe gbɔgbɔ. Eƒe ƒometɔwo nye amesiwo wodze si be ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ le wo si, wolɔ̃ ablɔɖe, wonye kalẽtɔwo le dodokpɔwo me, eye lɔlɔ na wode-du le wo me. Nusiawo katã nye eƒe dẽ ƒe gɔmeɖokpe. Fofoa nye aʋafia le aglãdzedze ƒe aʋakɔ la me, eye vɔsa ƒe agbe, si wònɔ le xaxa ŋkeke mawo me lae na be William Miller nɔ ahedada me le eƒe sɔhɛnyenye me.UGL 289.1

    Ame dzɔatsu wònye, eye le eƒe ɖevime ke wodé dzesi susume ƒe ŋusẽ, si mebɔ o, si nɔa tsitsim ɖe edzi kple eƒe ƒewo la, le eme. Nunya ƒe tsikɔ nɔ ewum. To gbɔ be mekpɔ gome le Sukugã yiyi me o hã, eƒe lɔlɔ̃ na nusɔsrɔ, ŋugbledede deto, si nye numame nɛ, kple numedzodzrokpɔ, wo katã nye nusiwo na be wòzu amesi kpɔa nu dzɔdzɔe, eye wòkpɔa nu yia ŋgɔ hã. Mokaka mele eƒe dẽ ŋu o, eye eƒe ŋkɔnyuiexɔxɔ nye nusi adzro ame geɖe, ɖe alesi wolɔa eƒe dzɔdzɔenyenye, belelé le ganyawo me kple agbe nyui nɔnɔ ta. Eƒe dɔwɔwɔ kple ŋusẽ, ɖokuidziɖuɖu le ganyawo me na be wòva zu kesinɔtɔ, to gbɔ be egalé nusɔsrɔ̃ me ɖe asi la. Enɔ dɔwɔƒe vovovowo nu le du- dɔwɔƒewo kple aʋakɔ la me, ale be kesinɔnu kple gãnyenye ƒe mɔwo ʋu na eyama.UGL 289.2

    Edada nye mawusubɔla vavã, si na be evia hã kpɔ gome le nɔnɔme sia me le eƒe sɔhɛnyenye me. Gake le eƒe gege ɖe ŋutsu me la, edo go xɔsetɔa ɖewo, siwo woyɔna be “Deist” wo la. Amesiawo ƒe xɔsee nye be Mawu wɔ xexea, gake megadena asi eƒe nyaa ɖeke me o, eye be ame ŋutɔ ƒe susuɖeɖe koe ana wòanye nusi wòanye la. Womexɔ Biblia abe Mawu ƒe Nya ene o. Ke amesiawo ƒe kadede me William Miller nɔna edziedzi, eye woƒe wɔnawo de asi ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe eyama dzi, elabe woamawo nye dumevi wɔnuteƒe, siwo me amewɔwɔ kple dɔmenyo geɖe le. Esi wònye be wonɔ kristotɔ, siwo ƒe dɔwɔƒewo ƒoxlã wo dome ta la, woxɔ woƒe agbenɔnɔa ɖewo ɖe wo ɖokui me, eye woƒe nu nyuia ɖewo wɔwɔ, si na wodea bubu wo ŋu, kana ɖe wo dzi la, nye nunana tso Biblia, si wogbe la me. Gake woƒe eme eme ƒe dẽ gblẽ ale gbegbe be wozu tsitretsilawo ɖe Mawunya la ŋu. Ekem Miller, si le kadede me kpli wo la, hã de asi woƒe seselelãmewo xɔxɔ me. Mekpɔa ŋudzedze le ɣemaɣi ƒe Biblia gɔmeɖeɖe me o, elabena naneke me mekɔ nɛ o. Eƒe dzixɔse yeye, si wòxɔ le amesiwo ƒe ha dem wòle, siwo na be wògbe nu le Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo gbɔ hã, menae dzidzeme, si dim wòle la o. Womete ŋu kpɔ nu bubu, si nyo wú Biblia la nɛ o. Alea ye wònɔ gbɔgbɔme ƒe dzidzememakpɔ ƒe wuieve sɔŋ. Ke esi wòxɔ ƒe blaetɔ-vɔ-etɔ̃ la, ese Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nuvɔ̃ ƒoƒo ɖe ame nu blibo. Eƒe xɔse la menae kakaɖedzia ɖeke ku ɖe dzidzemekpɔkpɔ le yɔdo godo ŋuti o. Ekpɔ be yeƒe tsɔ me nye viviti kple blanui sɔŋ. Le nuƒoƒo me tso eƒe seselelãmewo ŋuti la, egblɔ be: “Tsɔtsrɔ̃ ƒe susu nye nusi ɖoa vɔvɔ̃ nam geɖe, eye meʋuʋuna le ɖokuinye me. Fɔɖiɖi anye nusi ahe ku va na amesiame. Dziŋgɔli le abe akɔbli le nye ta dzi ene, eye anyigba abe gayibɔ le nye afɔ te ene. Mavɔmavɔ, nuka wònye? Ku ya ɖe, nukata wòli ɖo? Zi alesi menɔ ŋugble dem le nya siawo ŋu la, nenema kee ɖoŋutia hã didina tso gbɔnye. Zi alesi menɔ wo ŋuti bum kpɔ la, nenemake ŋutiɖoɖo, siwo mekpɔna la, tsia tre ɖe wonɔewo ŋue. Medze agbagba be maɖe wo dzo le nye susu me, gake nyemete ŋu le nye susuwo nu tsim o. Melé blanui le ɖokuinye me, evɔ nyemenya nusi tae o. Menɔ dali dom, nɔ liʋiliʋi lim, evɔ ɖe ameka ŋuti? Menya be vɔa ɖe li, ke nyemenya afisi make ɖe eŋu le, akpɔ ŋutiɖoɖo nɛ o. Menɔ ŋeŋẽm, eye mɔkpɔkpɔ hã bú ɖem.” UGL 289.3

    Enɔ nɔnɔme sia me ɣletia ɖewo. “Kasia Ɖelaa ɖe ƒe dẽ klẽ ɖe menye kple ŋusẽ. Amea ɖe anɔ anyi kokoko, si anyo dɔme, ayɔ kple nublanuikpɔkpɔ, axɔ míaƒe vodadawo ɖe akɔ. Mese le ɖokuinye me alesi nenem-me la anye lɔlɔ̃ vavã ƒe amea ɖe, eye megblɔ le susu me be mage ɖe eƒe abɔwo me, agblẽ ɖokuinye ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ si me. Ke biabia la va nam be aleke mate ŋu akpɔ kakaɖedzi be nenem ƒe Ame la li vavã? Mekpɔ be le Biblia godo la, nyemate ŋu akpɔ kakaɖedzi ku ɖe Ɖela sia ƒe anyinɔnɔ ŋu, alo ku ɖe tsɔgodo ƒe agbenɔnɔ ŋu o.”UGL 290.1

    Mekpɔe le nyateƒe me be Biblia le Ɖela, si tututu dim mele la ɖem fia. Azɔ nyemete ŋu le egɔme sem be Agbalẽ, si matso Mawu me o la, ate ŋu awɔ ɖoɖo, siwo asɔ kple xexeme, si kpɔ gege la ƒe hiãwo ale gbegbe o? Afii wòle nam be maʋu eme na ɖokuinye be Ŋɔŋlɔawo anye Mawu ƒe ɖeɖefiawo godoo. Wotrɔ zu nye vivisese, eye Yesu zu Xɔlɔnye. Ɖela xɔ asi nam azɔ wú nusianu le xexe sia me. Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo, siwo nye viviti kple gɔmemase nam tsã la, zu akaɖi na nye afɔwo kple keli na nye toƒewo. Nye gbɔgbɔ ke ɖe dzidzeme kple ŋutifafa ŋu. Mede dzesii hã be Aƒetɔ Mawu nye Agakpe le agbe sia ƒe atsiaƒu titina. Biblia zu nye Nusrɔgbalẽ gbãtɔ, eye mate ŋu agblɔ be mesrɔnɛ kple dzidzɔ gãa ɖe. Mede dzesii hã be womegblɔ nusiwo le eme la ƒe afã gɔ̃ hã nam o. Ewɔ nuku nam be nyemete ŋu kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe nyonyo la tsã o, eye nyemenya nusi ta megbe nu le egbɔ ɖo o. Woɖe nusi ko ate ŋu nye nye dzi ƒe didi la fia le eme, eye wònye dɔyɔyɔ na nye luʋɔ ƒe dɔlelé ɖesiaɖe. Nu bubu xexlẽ megavivia nunye o, eye metsɔ nye dzi katã de dziƒonunya didi me.” — S. Bliss, Memoirs of William Miller, p. 65-67.-UGL 291.1

    Tso ɣemaɣi la, Miller ʋu eme le dutoƒo be yexɔ Biblia, si yelé fu tsã la dzi se. Kasia exɔlɔ̃ dzimaxɔsetɔwo gatsɔ nyahehe, siwo ŋuti dɔ eya ŋutɔ wɔna tsã, tsi tre ɖe Biblia ƒe Mawunyanyenye ŋuti la, ɖo ŋkume na eyama. Ke melɔ̃ be yeaɖo eŋu na wo haɖe o. Egblɔ le susu me be nenye be Biblia nye Mawu ƒe ɖeɖefia la, ele be wòade blibo le eɖokui me, eye be esi wònye be amegbetɔ ƒe tutuɖo ta wowɔe ɖo la, ele be wòawɔ ɖeka kple eƒe nunya. Alea ye wòɖo vevie be yeasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo le yeɖokui si ne yeakpɔ be eƒe nya, siwo dzé abe ɖe wotsi tre ɖe wonɔewo ŋuti ene la, makpɔ ɖekawɔwɔ o mahã?UGL 291.2

    Edze agbagba ɖe asi le nusiwo wòxɔ se tsã kple nyameɖeɖewo ŋuti, eye wòtsɔa kpukpui le afii, asɔ ɖe bubu ŋu le afi bubu, hewɔa sɔsɔɖeŋu—gbalẽ ŋuti dɔ. Eyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi kple kutrikuku le ɖoɖo me, tso Mose ƒe Agbalẽ gbãtɔ dzi, tso kpukpui yi kpukpui dzi, eye meyina ŋgɔ ne mese afia ɖe gɔme o, ale be tɔtɔtɔtɔa ɖeke naganɔ anyi o. Enye numame nɛ be, ne viviti anɔ afia ɖe la, etsɔa afisiwo woƒo nu tso nu ɖeka ma ŋuti le la sɔna ɖe teƒe sia tɔ ŋu. Ɣesiayi, ne edo go afia ɖe, si sesẽ na gɔmesese la, ekpɔa ŋutiɖodo le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubu. Esi wònye be gbedodoɖa mee wònɔa nu srɔm le hebiana Mawu be wòakɔ nu me na ye ta la, afisi ke do viviti la me kɔna na eƒe susu. Ewɔ nuteƒekpɔkpɔ ku ɖe nya sia, si Psalmowo ŋlɔla gblɔ la ƒe nyateƒenyenye ŋuti: “Ne woʋu go wò Nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.” (Ps. 119:130) UGL 291.3

    Esrɔ̃ Daniel ƒe agbalẽa kple Nyaɖeɖefia tsitotsito kple movevieɖoɖo. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòke ɖe eŋu be woate ŋu ase nyagblɔɖi dzesiwo gɔme. Ekpɔ hã be nyagblɔɖi, siwo va eme la, va eme tututu abe alesi wogblɔe ɖi ene, eye be nɔnɔme vovovowo, dzesidede, lododo kple nu-ɖi-wonɔewo katã kpɔ woƒe gɔmeɖeɖe le nɔnɔme, si me nuawo dzɔ le la me, alo be nyafɔkpe, siwo ŋu dɔ wowɔ la ƒe gɔmesese vana le Biblia ƒe teƒe bubuwo. Eyi edzi gblɔ be: “Azɔ la, kakaɖedzi su asinye be Biblia nye Nyateƒe ɖeɖefia ƒe ɖoɖoa ɖe, si woɖe ɖe go, eme kɔ ƒãa la, eye wòle bɔbɔe be amesiwo azɔ eƒe mɔ dzi la, ne woganye abunɛtɔwo hã la, mele be woabú o.” -Bliss, p. 70- Nyagblɔɖi kɔsɔkɔsɔ ƒe tsa-ɖe-nuwo le vavam le wonɔewo yome hele dzi dem ƒo nɛ le eƒe kutrikuku me, esi wòle Nyateƒea ƒe ɖeɖefiamɔ la zɔm afɔɖeɖe yi afɔɖeɖe dzi. Dziƒodɔlawo le eƒe susu kplɔm hele Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖem na eƒe nunya.UGL 292.1

    Esi wòtsɔ alesi nyagblɔɖi, siwo va eme vayi la, abe dzidzenu ene la, ekpɔ alesi esiwo le ŋgɔ gbɔna la ava emee, eye wòke ɖe eŋu kple kakaɖedzi be nusi dzi ame geɖewo xɔ se be Kristo ƒe gbɔgbɔme fiaɖuɖu le anyigba dzi ƒe akpe ɖeka ava eme do ŋgɔ na xexeame ƒe tsɔtsrɔ̃ la menɔ anyi ɖe Mawu ƒe Nya ƒe nufiafia dzi o. Nufiafia sia, si le gbɔgblɔm be dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa anɔ anyigba dzi ƒe akpe ɖeka hafi Kristo nava la, le Mawu ƒe ŋɔdzi ŋkeke gã la ƒe vava tutum yi ŋgɔ ʋĩi. Gake to gbɔ be nya sia vivi sese hã la, etsi tre ɖe Kristo kple eƒe Apostolowo ƒe nufiafia, siwo gblɔ be “nuku nyuiwo kple gbe wuwliwo atsi ɖe du vaseɖe nuxaɣi, si nye xexeame ƒe nuwuwu la.” (Mateo 13:30, 38-41) eye “… ame vɔɖiwo kple ameblelawo la, woayi woƒe vɔɖiwɔwɔ dzi; ɣeyiɣi vɔwo lava, viviti ƒe fiaɖuɖu akpɔ ŋgɔdede vaseɖe Aƒetɔ la ƒe vava, esime wòatsrɔ̃ nuwo katã kple eƒe nu me ƒe gbɔgbɔ, kple eƒe vava ƒe keklẽ la. (Timo. II, 3: 13,1; Tesa. II, 2:8, ). Apostolowo ƒe Hamea mexɔ xexea katã ƒe dzimetɔtrɔ kple Kristo ƒe ƒe akpe ɖeka ƒe gbɔgbɔme fiaɖuɖu le anyigba dzi la ƒe nufiafia dzi se o. Ke ƒe alafa wuienyi lia ƒe gɔmedzedze me hafi nufiafia sia vakpɔ nɔƒe le kristotɔwo dome. Abe nudada- fiafiawo katã ene la, gbegblẽ koe nye emetsonuwo. Ena be amegbetɔwo naxɔe se be Aƒetɔ ƒe vava le adzɔge ɖaa, eye wòna be amewo mele ɖeke tsɔm le me na eƒe vava, si le kpuieƒe la, ƒe dzesiawo o. Egana hã be amewo le kakaɖameɖokuidzi kple toflokodedienɔnɔ, si menɔa anyi ɖe naneke dzi o la, ƒe seselelãme me, ale be ame geɖewo metsɔ ɖeke le me na dzadzraɖo wɔwɔ, si hiã na gododo Aƒetɔ la o.UGL 292.2

    Miller de dzesii hã be Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe vava le ŋutegã mee nye nusi Ŋɔŋlɔawo fia eme kɔ nyuie. Apostlo Paulo ŋlɔ̃ ɖi be: “Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ Aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo..” (Tesa. I, 4:16) Ɖela gblɔ be: “..Eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe..” “Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:30,27). Dziƒotɔwo katã akplɔe ɖo. “Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la…” “…adɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu..” (Mateo 25:31; 24:31).UGL 293.1

    Le eƒe vava me la, amesiwo ku le Kristo me la atsi tre, eye woatrɔ ame dzɔdzɔe, siwo le agbe la, ƒe nɔnɔme. Apostolo Paulo be “..Mí katã míele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme, kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ míaƒe nɔnɔme. Elabena ele be, nu gbegblẽ sia nado magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia nado makumaku.” (Korint. I, 15:51-53). Le eƒe agbalẽ, si wòŋlɔ̃ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo me, esi wòƒo nu tso Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva ŋuti vɔ la, egblɔ be: “..eye amesiwo ku le Kristo me la woatsi tre gbã; emegbe la, mí amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.” (Tesa.I, 4:16, 17).UGL 293.2

    Kristo ƒe vava le ŋutilã me koe eƒe subɔlawo laxɔ fiaɖuƒe la le. Aƒetɔ la be: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi, eye wòaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wonɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔwo me ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsɔ gbɔwo aɖo eƒe mia me. Tete Fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: « Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoanyi me la, ƒe dome. » (Mateo 25:31-34). Míekpɔ le nusiwo míexlẽ vayi la me be, le Aƒetɔ ƒe vava me la, amesiwo ku le Kristo me la afɔ magblẽmagblẽ, eye woatrɔ dzɔdzɔetɔ, siwo le agbe la, ƒe nɔnɔme. Le nɔnɔme sia mee woaxɔ fiaɖuƒe la ƒe domenyinyi le, elabena Paulo gblɔ be: “Ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o.” (Korint.I, 15:50). Le eƒe nɔnɔme, si wòle fifia me la, amegbetɔ nye nu kuku, gbegblẽ-me, ke Mawu ƒe fiaɖuƒe la nye numagblẽmagblẽ, si anɔ anyi yi mavɔ. Eyata le eƒe fifi ƒe nɔnɔme me la, amegbetɔ mate ŋu anyi Mawu ƒe Fiaɖuƒe la dome o. Gake ne Kristo va la, atsɔ makumakunyenye ana eƒe ame tiatiawo, eye wòayɔ wo woaxɔ Fiaɖuƒe la azɔ abe domenyinu ene, nusi ƒe domenyila wonye tsã le mɔkpɔkpɔ ko me la.UGL 294.1

    Kpukpui siawo kple bubu, siwo ɖi wo la, ɖo kpe edzi na Miller be nusiwo ame geɖewo le mɔ kpɔm na be woava eme do ŋgɔ na Kristo ƒe tɔtrɔva la, abe ŋutifafa ƒe fiaɖuɖu le xexea me, kple Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ɖoɖo anyi ene la ava le eƒe tɔtrɔva megbe. Gawu la, ɣeyiɣia ƒe dzesiwo katã kple xexeame ƒe nɔnɔme, si wòle la, sɔ kple nusiwo nyagblɔɖiawo gblɔ tso ŋkeke mamlɛawo ŋuti. To Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ɖeɖe ko me, Miller kpɔ be, le eƒe nɔnɔme, si wòvaɖo fifia me la, ɣeyiɣi, si woɖo anyi na míaƒe anyigba ƒe nuwuwu la tu aƒe.UGL 294.2

    Ebe nusi gawɔ dɔ ɖe yeƒe gbɔgbɔ dzi geɖe la enye Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me nyawo ƒe mevava le ɣeyiɣiawo ƒe ɖoɖo nu. “Mede dzesii be nusiwo wogblɔ ɖi tsã, eye wova eme la, vaa eme edziedzi le ɣeyiɣia ɖe, si wogblɔ ɖi la me. Alea ye ƒe alafa ɖeka kple blaeve yi ɖe tsiɖɔɖɔ la gbɔ, (Mose I, 6:3) ŋkeke adrẽ, siwo ado ŋgɔ nɛ la, kple tsia ƒe dzadza ŋkeke blaene, (Mose I, 7:4) ƒe alafa ene, si Abraham ƒe dzidzimeviwo awɔ le Egipte (Mose I, 15:13) fia ƒe ahakula kple aboloƒola ƒe ŋkeke etɔawo, (Mose I, 40:12- 20), fia Farao ƒe ƒe adrẽawo (Mose I, 41:28-54), ƒe blaene le dzogbea dzi (Mose 4, 14:34), ƒe etɔ̃ kple afã ƒe dɔwuame (Fiawo I, 17:1; Luka 4:25) ƒe blaadrẽ ƒe aboyomenɔnɔ, (Yer. 25:11) fia Nebukadneza ƒe ƒe adrẽawo, (Daniel 4, 13-16) kple kwasiɖa adrẽawo kpe ɖe kwasiɖa blaadẽ vɔ eve kple kwasiɖa ɖeka, siwo katã wɔ kwasiɖa blaadrẽ, si woɖo anyi na Yudaviwo (Daniel 9:24-27), nudzɔdzɔ siawo katã kple woƒe ɣeyiɣi, siwo wogblɔ ɖi la, va eme pɛpɛpɛ le nyagblɔɖiawo nu.- Bliss, p. 74,75.- UGL 295.1

    Ke esi wòkpɔe le eƒe nusɔsrɔ̃ me be nyagblɔɖi ɣeyiɣi vovovo, siwo dze wonɔewo yome, le eƒe gɔmesese nu, yi ɖe keke Kristo ƒe vava zi evelia dzi la, exɔe se be azã siawo nye nusiwo Aƒetɔ la ɖe fia eƒe subɔlawo la. Mose gblɔ be : “Nusi ɣla enye Yehowa mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mía viwo tɔ tegbee” (Mose V, 29:28). Eye Aƒetɔ la gblɔ to Amos dzi be: “Yehowa mewɔa naneke ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o” (Amos 3:7). Amesiwo le Mawunya srɔm̃ la ate ŋu akpɔ mɔ kple kakaɖedzi na nuku nudzɔdzɔ gãwo le amegbetɔ ƒe ŋutinyawo me abe alesi woɖe wo fia le Nyateƒe- Nya la me ene.UGL 295.2

    Miller gagblɔ be: “Esi meka ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me, eye wònyo..” (2 Tim. 3:16), be “metso ame ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ nu me o... ” (2 Petro 1:21), eye be woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ” la, (Roma 15:4) nyemate ŋu awɔ nu bubu wú be makpɔ Biblia ƒe afisiwo woƒo nu le tso nudzɔdzɔ, siwo ava le wonɔewo yome la ŋu, be woawo hã asixɔxɔ le wo si abe Ŋɔŋlɔawo ƒe afi mamlɛawo ke ene o. Mese le ɖokuinye me be ne medi be mase nusiwo gɔme Mawu kpɔ, le eƒe amenuveve me, be enyo be yeaɖe wo fia mí la, mele nam be mato ɣeyiɣiawo ƒe nyagblɔɖi ŋu ayi o.- Bliss, p.75.UGL 295.3

    Nyagblɔɖi, si dzé abe eyae le Ɖela ƒe tɔtrɔva ƒe azã la ɖom kple eme kɔkɔ nyuie la, enye Daniel 8:14: “fiẽ kple ŋdi 2300.” Le ɖoɖo, si wòwɔ na eɖokui be yeaɖe asi le Ŋɔŋlɔ̃awo ŋu ne woawo ŋutɔ naɖe wo ɖokui gɔme nu la, Miller srɔ̃e be ŋkeke ɖeka le Nyagblɔɖi ƒe dzesidede nu la nye ƒe ɖeka (Mose IV, 14:34 ; Xeze. 4:6). Ke ede dzesii be le Nyaglɔɖi nu la, ŋkeke 2300 ƒe dzesidede, si nye ƒe 2300 le nyateƒe me la, nye ɣeyiɣi, si gbɔ Yudaviwo ƒe ɣeyiɣi la ŋuti, eyata gbedoxɔ, si ŋu nyagblɔɖia le nu ƒom le la, manye Israelviwo tɔ o. Ke abe alesi ame geɖewo xɔe se le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣi me ene la, Miller hã bui be míaƒe anyigba lae nye gbedoxɔ la, eye be gbedoxɔ ŋutikɔkɔ, si ƒe nya wogblɔ le Daniel 8:14 me la, anye anyigba ƒe ŋutikɔkɔ kple dzo le Kristo ƒe tɔtrɔva ŋkeke la dzi. Ke susu, si wògaɖe lae nye be ne woate ŋu ke ɖe ƒe 2300 ƒe gɔmedzedzea ŋuti la, ekem anɔ bɔbɔe be woanya gbedoxɔ ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke la, si anye Kristo ƒe tɔtrɔva ŋkeke la. Ale wòanye be woaɖe nuwo katã ƒe nuwuwu ŋkeke la afiae, “ŋkeke, si dzi xexe sia kple eƒe dada kple eƒe ŋusẽ, eƒe aglotutu kple eƒe tofloko, eƒe ŋutasesẽ kple ametetéɖeto, wo katã nu avayi […] eye woaklo fiƒode ɖa le anyigba dzi, atsrɔ̃ ku, eye Mawu ƒe subɔlawo, nyagblɔɖilawo, ame kɔkɔewo kple amesiwo katã vɔ̃na eƒe Ŋkɔ la axɔ woƒe fetu, eye woatsrɔ̃ amesiwo le anyigba tsrɔ̃m la.” —Bliss, p. 76.UGL 296.1

    Ekem Miller yi ɖe eƒe nyagblɔɖiawo sɔsrɔ̃ dzi kple dzo kple veviedodo wú tsã, eye wònɔa nusi le nɛ azɔ abe nu xɔasitɔ kekeake ene la me dzrom zã kple keli. Gake mete ŋu ke ɖe ƒe 2300 ƒe gɔmedzedzea ŋuti le Daniel 8 me o. To gbɔ be wogblɔ na mawudɔla Gabriel be wòaɖe ŋutega fia Daniel la, dɔla meɖe egɔme nɛ keŋkeŋ o. Esi Nyagblɔɖila la kpɔ yometiti, si le kɔkɔ ge ɖe Hamea dzi la, ebú ɖe eɖokui. Mete ŋu nɔ te ɖe ŋutega la nu o, eye wònɔ na dɔla la be wòaɖe asi le eŋu vie. Daniel “gbɔdzɔ ŋutɔ, eye wòdze dɔ ŋkekea ɖewo.” Egblɔ be: “Ŋutega la wɔ nuku nam geɖe, gake amea ɖeke menyae o.”UGL 296.2

    Gake Mawu gblɔ na eƒe dɔla la be: “Ɖe ŋutega la gɔme na amevi la.” Ke ele be sedede sia nakpɔ emevava. Dɔla la gatrɔ yi Daniel gbɔ le ŋkekea ɖewo megbe, le gbeɖeɖe la nu, eye wògblɔ nɛ be: “Meva be mafia nu wò; eyata lé to ɖe nya la ŋu, eye nalé to ɖe ŋutega la hã ŋu...” (Daniel 9:22,23, 25-27). Nu ɖeka koe nɔ Ta 8lia ƒe ŋutega me, si gɔme womeɖe o, eyae nye nusi ku ɖe ŋkeke 2300 ŋu. Eyata esi dɔla la yi ɖe nugɔmeɖeɖea dzi nɛ la, enɔ te ɖe ɣeyiɣi ƒe nya la dzi tɔxɛ.UGL 297.1

    “Kwasiɖa blaadrẽ woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu … Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si wode se be woagatso Yerusalem vaseɖe Amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa adre; eye woatsɔ kwasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔdomeewo le xaxaɣi. Le kwasiɖa blaade vɔ eve megbe la, woatsrɔ̃ Amesiamina la fɔmaɖimaɖii…Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpedavɔsa kple nuduvɔsa nu…”UGL 297.2

    Wodɔ dɔla ɖe Daniel tɔxɛ be wòaɖe nusi gɔme mese le Ta enyilia ƒe ŋutega me o la nɛ, si ku ɖe nyagbɔgblɔ sia ŋu be: “Ade fiẽ kple ŋdi akpe eve kple alafa etɔ̃ (2300), emegbe woagaɖo kɔkɔeƒe la te….” Dɔla la ɖe eme nɛ be ele be woaɖe kwasiɖa blaadrẽ, si nye ƒe 490 la, ɖe aga. Ke nuka me woaɖee ɖe aga tso? Esi wònye be womegaƒo nu tso ɣeyiɣi bubu ŋuti le ta enyilia me wú ƒe 2300 o la, eme kɔ ƒãa be eya ko me woaɖe kwasiɖa blaadrẽ la le. Ekema kwasiɖa blaadrẽawo nye ƒe 2300 ƒe akpaa ɖe, eye ne enye nenema la, ele be gɔmedzedze ɖeka nanɔ ɣeyiɣi eveawo si. Dɔla la gana wònya be kwasiɖa blaadrẽawo dze egɔme tso gbesigbe wode se be woagbugbɔ Yerusalem atso la. Ne woate ŋu ake ɖe sedede sia ƒe azã ŋuti la, ekem woadze si gbesigbe ƒe 2300 ƒe ɣeyiɣi gã la dze egɔme.UGL 297.3

    Le numekuku me la, wokpɔ sedede la le Esdras ƒe agbalẽa, ta adrẽlia me.” Esdras 7:12-26. Persia-fia, Axasuerus, ye ɖe se sia ɖe go le eƒe blibodede me le ƒe 457 me do ŋgɔ na Yesu ƒe dzidzi. Gake wogblɔ le Esdras 6:14 me be wotu Yehowa ƒe gbedoxɔ le Yerusalem le Persia fiawo Cyrus, Darius kple Axasuerus ƒe gbeɖeɖewo nu. Fia etɔ, siwo de se la, ɖo kpe edzi, yi edzi hewu enu le wonɔewo yome la, na be se la de blibo na nyagblɔɖi la ƒe ƒe 2300 ƒe gɔmedzedze. Ne wotsɔ ƒe 457 do ŋgɔ na Yesu, si nye ƒe, si me se la de blibo le la, abe ƒe 2300 ƒe gɔmedzedze ene la, woakpɔ be nyagblɔɖi la ƒe nusianu, si wògblɔ ku ɖe kwasiɖa blaadrẽwo ŋu la katã va eme.UGL 298.1

    “Tso ɣeyiɣi, si wode se be woagatso Yerusalem vasede Amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa adre; eye woatsɔ kwasiɖa blade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔdomeewo..;” Le gbɔgblɔ bu me la, kwasiɖa adre kple blade vɔ eve wɔ kwasiɖa blaadẽ vɔ asieke alo ƒe . Fia Axasuerus ƒe se la dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 457 ƒe Siamlɔm, ɣleti ewolia me do ŋgɔ na Yesu Kristo. Ke ne ƒe 483 ƒe ɣeyiɣi la dze gɔme tso ƒe 457 lia dzi la, awu nu le ƒe 27 le Yesu dzidzi yome. Ƒe sia mee nyagblɔɖi la va eme le. Nyati ‘Mesia’ gɔme enye ‘Amesiamina’. Le ƒe 27lia me la Yohanes le mawutsi na Yesu eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖi va edzi, wòxɔ eƒe amisisi. Apostolo Petro gblɔ be: “Mawu si ami na Yesu” (Dɔw. 10:38). Eye Ɖela ŋutɔ gblɔ be: “Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye…” (Luka 4:18). Le eƒe mawutsilele yome la, eyi ɖe Galilea henɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe la gblɔ be: “Azãgbe la ɖo..” (Marko 1:14, 15).UGL 298.2

    “Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka…” Kwasiɖa ɖeka, si ŋu wole nu ƒom le, le afisia enye kwasiɖa blaadrẽawo ƒe mamlɛa. Eyae nye ƒe adre, siwo ɣeyiɣi, si woɖo ɖi na Yudaviwo la le nu wum. Le ƒe adrẽ mawo me, si tso ƒe 27lia yi ɖe 34lia dzi le Yesu dzidzi megbe la, Aƒetɔ la wɔ yɔyɔ tɔxɛ na Yudaviwo, gbã, eyama ŋutɔ, eye le eyome, eƒe nusrɔlawo hã. Esi wòle eƒe Apostolowo dɔm ɖa be woaɖagblɔ Fiaɖuƒea ƒe Nyanyuiawo la, ede se na wo be: “...Migayi ɖato trɔsubɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye migayi ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖeke me hã o; ke miyi ɖe Israel ƒe me alẽ, siwo bú la gbɔ boŋ.” (Mateo 10:5, 6. )UGL 298.3

    “Eye le kwasiɖa ƒe mamame la…” Le ƒe 31lia me, esi wole mawutsi nɛ, ƒe etɔ̃ kple afã yome la, woklãe ɖe atitsoga ŋu. Kalvaria-to dzi ƒe vɔsa gã siae wú lãwuwu ƒe kɔnu, siwo wowɔna le ƒe akpe ɖeka sɔŋ me abe dzesi na Mawu ƒe Alẽvi la ƒe vava ene la nu. Ekem dzesidede la do go nu vavã la azɔ. Ke ele be azɔ la, numeme kple vɔsa kɔnu, siwo wowɔna le ɖoɖowo nu la, nawu nu.UGL 299.1

    Kwasiɖa blaadrẽ alo ƒe 490, siwo wotso ɖi na Yudaviwo la, hã awu nu le ƒe 34 lia me le Yesu dzidzi yome. Ƒe ma me ke, to Yuda kplɔlawo ƒe ƒuƒoƒo, Sanhedrin ƒe wɔna me la, dukɔ la ɖo kpe woƒe nugbegbe le Nyanyui la gbɔ to martiro Stefano wuwu kple Kristo ƒe nusrɔlawo yometiti me. Alea ye ɖeɖekpɔkpɔ gbedasi la fla dukɔ tiatia la ƒe liƒowo, hege ɖe xexea mee. Ke Mawu ƒe Nya la le kakam. Filipo yi ɖe Samaria le gbeƒã ɖem Kristo na wo. (Dɔw. 8:4,5; 22:21). Petro xɔ gbedasi tso Mawu gbɔ be wòayi ɖaɖe gbeƒã na Roma gbadagba Kornelio, si nye mawumemea ɖe le Kaisarea la, eye Paulo, si hã xɔ Kristo dzi se la, ƒe dɔdasi enye be wòatsɔ ɖeɖekpɔkpɔ Nyanyui la yi ɖe didiƒe ke na trɔsubɔlawo. (Dɔw. 8:4,5; 22:21).UGL 299.2

    Keke va ɖo ɣeyiɣi sia la, míekpɔ be nyagblɔɖiawo le eme vam le woƒe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ. Ɖikeke mele eŋu o be kwasiɖa 70 ƒe gɔmedzedzea enye ƒe 457 do ŋgɔ na Yesu, eye eƒe nuwuwu enye ƒe 34 le Yesu dzidzi megbe. Kple gɔmeɖokpe sia la, ele bɔbɔe be míake ɖe ŋkeke 2300 hã ƒe nuwuwu ŋuti. Ne míeɖe kwasiɖa 70 alo ŋkeke 490 do go tso ŋkeke 2300 me la, asusɔ 1810. Le ŋkeke 490 ƒe nuwuwu la, egasusɔ 1810 ƒe mevava. Ke ne míabu ƒe 1810 tso ƒe 34lia dzi la, akplɔ mí yi ɖe ƒe 1844 me. Le mawudɔla ƒe ɖaseɖiɖi nu la, “woakɔ gbedoxɔ la ŋu” le nyagblɔɖi ƒe ɣeyiɣi gã la ƒe nuwuwu. Ekem míakpɔ be woɖo azã pɛpɛpɛ na gbedoxɔ la ŋuti kɔkɔ, si ame geɖewo gblɔna be anye Ɖela ƒe vava zi evelia la.UGL 299.3

    Miller kple eƒe hadɔwɔlawo susu gbã be ƒe 2300 awu nu le ƒe 1844 ƒe ɣleti enelia me le esime nyagblɔɖi la le nu ƒom tso Siamlɔm alo ƒe ma ke ƒe ɣleti ewolia ŋuti. Vodada sia na be amesiwo xɔ azã gbãtɔ dzi se la tɔtɔ le woɖokui me, eye dzi ɖe le wo ƒo. Gake esia megblẽ nu le kakaɖedzi nya sia, si nye be ƒe 2300 le nu wum le ƒe 1844 me la ŋuti o, eye be nudzɔdzɔ gã, si wole mɔ kpɔm na, si nye gbedoxɔa ŋuti kɔkɔ la, ava eme le ƒe ma me godo o. …UGL 299.4

    Esi wòdze Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ gɔme bene yeaɖee fia be Mawu ƒe ɖeɖefia wònye la, Miller mebui kura be yeava ke ɖe taƒonya, si gbɔ yeɖo la ŋuti o. Eƒe numekuku ƒe metsonuwo wɔ nuku nɛ ale gbegbe be bebli hafi wòle wo dzi xɔm se. Gake Biblia me ƒe kpeɖonudziawo katã le eŋkume, ɖikeke manɔmee. Enɔ ƒe eve, siwo wòtsɔ ɖo anyi na Biblia sɔsrɔ̃ la nu wum, eye le 1818 me la, kakaɖedzi nɔ esi be le ƒe 25, siwo le ŋgɔ gbɔna ƒe nuwuwu la, Kristo ava zi evelia na eƒe dukɔ la ɖeɖe. Miller gblɔ be: “Nyemehiã aƒo nu tso dzidzɔ, si yɔ menye, esi mele lalam na Aƒetɔ la, alo nye luʋɔ ƒe didi vevie be nye hã makpɔ gome le ame tiatiawo ƒe dzidzɔ mavɔ la me la ŋu o. Biblia la zu agbalẽ yeyea ɖe nam. Kekeli ƒe kesinɔnu wònye. Nusiwo do viviti alo nye nu ɣaɣlawo le eƒe nufiafiawo me nam tsã la, wo katã bu le keklẽ, si le kɔkɔm ɖi tso eƒe axa kɔkɔeawo me nam la nu. Azɔ la mekpɔ alesi gbegbe Nyateƒe la gogloe, eye wònye ŋutikɔkɔe gã ƒe nyae! Nusiwo dze nam tsã abe ɖe wotsi tre ɖe wonɔewo ŋuti, alo be womele eteƒe o la, me kɔ keŋkeŋ. To gbɔ be teƒe geɖewo gali, siwo ƒe gɔmesese mede blibo o hã la, eƒe axawo le keklẽm nyuie na nye susu, siwo do viviti tsã la, ale be Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ nyea vivisese, si nyemexɔ se kpɔ o la, nam.” — Bliss, p. 76, 77.-UGL 300.1

    “Esi meka ɖe dzi be ŋutikɔkɔe nudzɔdzɔ, siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo le nu ƒom le la, ava eme le ɣeyiɣi kpui ma me la, nye gbɔgbɔ yɔ kple dɔdasi ƒe seselelãme, si wònye nam na xexeame, ku ɖe kakaɖedzi, si xɔ nye susu me keŋ la ŋuti.” —Ibid, p. 81.- Ke mete ŋu le asi ɖem le susu sia ŋuti be ele be yeamã kekeli, si ŋuti yeke ɖo la kple ame bubuwo hã o. Enɔ mɔ kpɔm na ame makɔmakɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe nya sia ŋuti. Gake eka ɖe edzi be kristotɔwo katã alɔ̃ xɔ gododo kple Ɖela, si ƒe lɔlɔ̃ woɖena gbeƒãe la, kple dzidzɔ. Nusi ko wòvɔ̃ na la enye be, le woƒe dzidzɔkpɔkpɔ gã me, ku ɖe ŋutikɔkɔe ɖeɖekpɔkpɔ, si le eme vage kpuie ŋuti la, ame geɖewo nagaxɔ Nyateƒe sia eme madzro nyuie le Ŋɔŋlɔawo me hafi o. Esia ta wòke ɖi le eɖokui me vie na nya la kaka, kple vɔvɔ̃ be yemegawɔ vodada, si ahe amewo tra mɔ o. Alea ye wògayi ɖe nusiwo ŋu wòke ɖo la me toto dzi, eye wòga gbugbɔ dzro afisiwo kuxi ate ŋu anɔ la me nyuie. Ke ekpɔ be ɖikekewo katã bú le Mawu ƒe Nya la ŋku me, abe alesi afu, búna le ɣe ƒe keklẽ ŋgɔ ene. Esi wòwɔ ƒe atɔ̃ sɔŋ ŋuti dɔ le numekuku me la, ekpɔ kakaɖedzi blibo be vodada mele yeƒe nukpɔkpɔ la ŋu o.UGL 300.2

    Ekem dɔdasi, si wònye nɛ be wòamã nusi Ŋɔŋlɔawo fiae eme kɔ nyuie la kple ame bubuwo la, gale tetém ɖe eƒe susu dzi sesiẽ. Nya, si wògblɔ la enye esi: “Esi menɔ dɔa dzi vevie la, menɔ gbeɖiɖi sia sem le nye to me be: ‘Yi, nàgblɔ xaxa, si le ŋgɔ na xexea la nɛ.’ Nya sia nɔa nye susu me vam ɣesiaɣi: ‘Ne megblɔ na ame vɔɖi be: Ame vɔɖi, ele kuku ge, ke mèƒo nu hexlɔ̃ nu ame vɔɖi la le eƒe zɔzɔ me ŋuti o la, ekema ame vɔɖi la aku le eƒe vodada ta, ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me. Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔɖi la le eƒe zɔzɔ me ŋuti, be wòaɖe asi le eŋu, eye wògbe asiɖeɖe le eƒe zɔzɔ me ŋu la, ekema aku le eƒe vodada ta, ke wò la èɖe wò agbe.” (Ezex. 33:8,9). Mese le ɖokuinye me be nenye be woate ŋu ana toklã ame vɔɖiwo la, wo dome ameha gãa ɖe atrɔ dzi me, ke ne womena nyanya wo o la, woabia woƒe ʋu tso asinye me.” -Bliss, p. 92. —UGL 301.1

    Ke edze eƒe nukpɔkpɔawo mamã kple amewo tɔxɛ tɔxɛ, ne ekpɔ asinua ɖe ko la, eye wònɔa gbe dom ɖa be ne Osɔfoa ɖe akpɔ eƒe asixɔxɔ kple ŋusẽ la, wòaxɔe ayi ekaka dzi. Gake mete ŋu ɖe kakaɖedzi sia le eƒe susu me be dɔdasi tɔxɛ wònye na ye be yeaɖe gbeƒã toklã gbedasi sia o. Nya sia nɔ susu me vam nɛ madzudzɔ madzudzɔ be: “Yi, naɖe gbeƒã nya sia na xexeame; mabia wò eƒe ʋu.” Ehe ɖe megbe ƒe asieke sɔŋ, eye agba kpekpẽ sia nɔ tetém ɖe eƒe dzitsinya dzi, vaseɖe gbesigbe wòwɔ eƒe gbeƒãɖeɖe gbãtɔa le dutoƒo le ƒe 1831 lia me.UGL 301.2

    Abe Elisha, si woyɔ le agbleme le eƒe agbledemɔ̃ nu, be wòavaxɔ nyagblɔɖila ƒe awu ʋlaya ene la, nenema ke woyɔ Miller hã be wòaɖe asi le eƒe agbledemɔ̃ ŋu be wòayi aɖa kaka Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuɣlaɣlawo na xexeame. Edze dɔ la gɔme kple dzodzonyanyanya, eye wònɔ nyaselawo kplɔm ɖɔɖɔɖɔ to nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo me yi ɖe keke Kristo ƒe tɔtrɔva ŋkeke la dzi. Eƒe ŋutete ɖesiaɖe nana be eƒe ŋusẽ kple dzideƒo gatsina ɖe edzi, eye wòkpɔa alesi eƒe nuƒo le dɔ wɔm ɖe amehawo dzie. To yɔyɔ, si nɔviwo wɔ nɛ, si wòkpɔ abe Mawu ƒe yɔyɔ ene la, me koe Miller lɔ̃ be yeaƒo nu tso eƒe nukpɔkpɔwo ŋuti le dutoƒo. Ƒe blaatɔ̃ koe nɔ esi ɣemaɣi, eye nuƒoƒo le dutoƒo menye numame na eyama o. Mevo le eɖokui me le eƒe madzemadze na dɔ sia tɔgbi wɔwɔ ta o. Gake tso gɔmedzedzea ke Mawu dze eƒe dɔ la yayra dzi nukutɔe na luʋɔ geɖe ƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Eƒe gbeƒãɖeɖe gbãtɔ nye nusi he fɔfɔ̃ tso gbɔgbɔme-lɔ̃ me vɛ, ale be ƒome blibo wuietɔ̃ sɔŋ trɔ dzi me, negbe ame eve pɛ ko metrɔ o. Woɖe kuku nɛ be wòagayi ɖe teƒe bubuwo na dɔ sia ke wɔwɔ, eye le afisiafi la, fɔfɔ̃ tso gbɔgbɔme-lɔ̃ me kplɔ eƒe nuƒoƒowo ɖo. Vɔwɔlawo le dzi me trɔm, eye kristotɔwo gale wo ɖokui tsɔm na Mawu yeyee, le esime amesiwo mexɔa Mawu ƒe belelé kple eƒe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo dzi se o kple dzimaxɔsetɔ bubuwo hã xɔ Biblia kple Kristo subɔsubɔ ƒe nyateƒenyenye. Amesiwo dome wònɔ dɔ wɔm le la gblɔ be: “Ele nunyalaa ɖewo ƒe hatsotsoe, siwo melɔna be ame bubu ƒe nya nawɔ dɔ ɖe yewo dzi o la, hã ƒe susuwo hem va eƒe nya dzi.” Ibid, p.138.- “Eƒe gbeƒãɖeɖewo nyo na amehawo ƒe susu hehe va subɔsubɔ ƒe nugã nugãwo dzi, eye woɖea ame ɖa tso ɣemawoɣi ƒe xexeme nudidi kple vivisese, siwo le ŋgɔ dem la gbɔ.”UGL 301.3

    Le du ɖesiaɖe me la ame geɖe, siwo ƒe xexlẽme yia alafawo gɔ̃ hã nɔ dzimetɔtrɔ kpɔm le eƒe nya la nu. Le teƒe geɖewo la, Protestante hame vovovowo ʋu woƒe ʋɔtruwo nɛ, eye yɔyɔ, siwo wòxɔna la tsoa hameawo ƒe Osɔfowo ŋutɔ gbɔ. Se si, wòwɔ na eɖokui lae nye be yemawɔ dɔ le afisi womeyɔ ye le la o. Ke le ɣeyiɣi kpuia ɖe me la, megate ŋu le yɔyɔawo ƒe mamãme ŋutɔ hã ŋuti ɖom o. Ame geɖea ɖewo, siwo meka ɖe Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe azã tututu dzi o la, xɔe se ya be eƒe vava la gogo nyateƒe, eye bena ele vevie be yewoadzra ɖo na nudzɔdzɔ gã ma. Le dua ɖewo me la, eƒe nyawo he tɔtrɔ wɔnukuwo vɛ: “Ahanoƒe ƒe aƒetɔwo ɖe asi le woƒe gadimɔnu mawo ŋuti, hetsɔ ahanoƒeawo wɔ subɔsubɔƒewo; wotú akɔdaƒe kple fefewɔƒewo ƒe ʋɔtruwo; dzimaxɔsetɔwo, Biblia maxɔlawo, amesiwo gblɔna be subɔsubɔwo katã nyo la, kple agbevlonɔla gãtɔwo kekeake le dzime trɔm. Wo dome ameaɖewo megage ɖe subɔsubɔƒea ɖeke kpɔ le ƒe geɖe me o. Kristo hamewo katã ɖo gbedoɖaƒewo le dua ƒe kɔ vovovowo me, eye le gaƒoƒo sia gaƒoƒo kloe la, adzɔdolawo nɔa ƒu ƒom na gbedodoɖa henɔa Mawu kafum le ŋkekea me. Ʋunyaʋunya alo nuwɔgbɔemea ɖeke menɔna wɔnawo me o, ke bubu kple kɔkɔewɔwɔ ƒe wɔnawo koe nɔa amewo me. Miller ƒe dɔ, abe Ɖɔɖɔɖowɔla gbãtɔwo tɔ ke ene la, enye be wòana kakaɖedzi ame ƒe nunya, aʋuʋu dzitsinya, tsɔ wú be wòahe seselelãme ɖeɖe ko vɛ.UGL 302.1

    Le ƒe 1833 me la, Miller xɔ agbalẽ tso Baptist hame, si me wòle la, be wòanɔ gbeƒã ɖem le eƒe ŋkɔ me. Hamea ƒe osɔfo geɖewo da asi ɖe eƒe dɔwɔwɔ dzi, eye wòxɔ woƒe mɔɖeɖe na dɔ la dzi yiyi. Enɔa mɔ dzi yim nɔa Mawunya gblɔm madzudzɔmadzudzɔe, to gbɔ be eƒe dɔwɔƒe tɔxɛwo nye New England dukɔ kple titina- dukɔwo me. Le ƒe geɖewo me, eyama ŋutɔe kpɔa eƒe mɔzɔzɔ ƒe ganyawo gbɔ, eye le eyome hã, ne woyɔe na Mawunya gbɔgblɔ le afia ɖe la, mexɔna ga na yiyi kple gbɔgbɔ keŋkeŋ o. Alebe eƒe dutoƒo dɔwɔwɔwo menye gakpɔmɔnu nɛ kura o, ke boŋ wonye nusi ɖe do ɖe eƒe kesinɔnuwo me sɔgbɔ le eƒe agbenɔɣi mawo me. Eƒe ƒome la keke ta. Gake esi wònye be ɖokuidziɖulawo kple dɔwɔlawo wo katã wonye la, eƒe agble la su na woƒe hiãwo kple eyama ŋutɔ tɔwo.UGL 303.1

    Ƒe eve yome, esi Miller dze dutoƒo Mawunya kaka gɔme, henɔa nu ƒom tso nusiwo ɖo kpe Ɖela ƒe tɔtrɔva kpuie dzi la, dzesi, siwo ŋu Yesu gblɔ nya ɖi le la ƒe mamlɛa kpɔ emevava le 1833 me. Kristo gblɔ be: “.Ɣletiviwo lage tso dziƒo…” (Mateo 24:29). Yohanes hã gblɔ le Nyaɖeɖefia me, esi wòkpɔ le ŋutega me, nudzɔdzɔ, siwo aɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋkeke gã la, be: “.dziƒo ɣletiviwo ge ɖe anyigba...” (Nyaɖ. 6:13) . Nyagblɔɖi sia va eme kple ŋusẽ le ɣletiviwo ƒe kpe kakɛwo ƒe hehlẽ tso dziƒo le ƒe ɣleti wuiɖekelia ƒe ŋkeke 13lia dzi le 1833 me. Nu gã, wɔnuku, nyakpɔa ɖe, si womekpɔ kpɔ o la wònye. Amerika dukɔ-ƒoƒua katã ƒe dziŋgɔli me nɔ abe dzobibi ƒe atsiaƒu ene gaƒoƒo geɖewo. Tso keke du sia ƒe dutsola gbãtɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me ke la, naneke medzɔ le dziŋgɔli me, si wɔ nuku na amewo, ɖo vɔvɔ̃ na ame geɖewo, ɖi toklã nudzɔdzɔ dziŋɔ̃ na geɖe bubuwo, wú nudzɔdzɔ sia o. Eƒe nyanyakpɔkpɔ kple vɔvɔnunyenye nye nusiwo tsi susu me na ame geɖe. Tsidzadzaa ɖeke mebla nenema kpɔ abe ɣleti kakɛ siawo ƒe dzadza tso dziƒo ene o. Nenema wònɔ le afisiafi, ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, dziehe kple anyiehe siaa. Dziƒoa katã nɔ ʋaʋãm. Abe alesi nufiala gã Silliman ŋlɔ̃ le eƒe agbalẽ me ene la, nudzɔdzɔ sia xɔ Dziehe Amerika la katã…” Tso zã ga eve ke, yi ɖe ŋkekea ƒe keklẽ blibo me la, dziŋgɔli la kɔ keŋkeŋ, alilikpoa ɖeke meli o, eye keklẽ sesẽ, wliwliwo le dzadzam, xɔ ya me keŋ.” —R.M. Devens, American Progress; or The Great Events of the Great Century, ch. 28, par. 1-5.UGL 303.2

    “Nudzɔdzɔ sia ƒe nyanyakpɔkpɔ wú gbɔgblɔ. Amesi mekpɔ eteƒe o la mate ŋu asusu eƒe ŋutikɔkɔenunyenye o. Ewɔ abe ɣletivi, siwo katã le dziƒoa va ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hafi dze hehlẽ yi ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke kple dzikedzo ƒe dusisi ene. Wosɔ gbɔ ale gbegbe be wo nu mele tsotsom o. The Christian Advocate and Journal, Dec. 13, 1833.- Ame bubu be: “Ɖe ko wòle abe gboviwoe le hehlem tso gbotia ɖe, si ʋuʋum ahomya sesẽa ɖe le ene.”- ‘The Old Countryman” Portland Evening Advertiser, Nov. 26, 1833.UGL 304.1

    Le ŋkeke, si kplɔ nuku nudzɔdzɔ sia ɖo la, Henri Danna Ward ŋlɔ̃ nya, siwo gbɔna la, tso eŋuti: “Mexɔe se be susuɖelaa ɖeke, alo nunyala gãa ɖeke meƒo nu tso nudzɔdzɔa ɖe, si sɔ kple tsɔ ŋdi ƒe nusi va eme la, ŋuti kpɔ o. …Nyagblɔɖilaa ɖe gblɔe ɖi, ƒe alafa wuienyi enye sia. Ne miede ŋugble tso eŋu la, gɔmesese ɖeka, si míatsɔ na ɣletiviwo ƒe gege, si ƒe nya wògblɔ lae nye meteorit, alo ɣleti kakɛwo ƒe hehlẽ, si va eme la.”UGL 304.2

    Dzesi mamlɛa ku ɖe Kristo ƒe tɔtrɔva ŋuti, si ŋu wòƒo nu le na eƒe nusrɔlawo bena: “..ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii be Amegbetɔvi la gogo agbo la nu..” la, dzesi sia ƒe mevavae nye ɣleti kakɛwo ƒe hehlẽ sia. Ke nudzɔdzɔ gã, si Yohanes kpɔ le esia yome lae nye be woŋlɔ dziŋgɔli la abe alesi woŋlɔna agbalẽ ene, le esime anyigba le ʋuʋum kpekpekpe, towo kple ƒukpowo le ɖeɖem ɖa le woteƒe, eye ame vɔɖi, siwo dzi vɔvɔ̃ dze la, le sisim le Amegbetɔvi la ƒe ŋkume la.UGL 304.3

    Ame geɖe, siwo kpɔ ɣletiviwo ƒe hehlẽ la, kpɔe abe ʋɔnudɔdrɔ,̃ si gbɔna la ƒe nyanyanana ene, abe ŋɔdzi kple amenuveve dzesi do ŋgɔ na vɔvɔ̃ ŋkeke gã la ene.” - Ibid. Ale wohe dukɔa katã ƒe ŋku yi ɖe nyagblɔɖi la ƒe mevava dzi, ale be ame geɖewo nɔ ŋudzɔ be yewoase toklã-gbedasiwo ku ɖe Kristo ƒe vava ŋuti.UGL 305.1

    Le ƒe 1840 me la, nyagblɔɖia ɖe hã ƒe mevava gaʋuʋu ame geɖe. Ƒe eve do ŋgɔ, Osɔfɔ gã, siwo nɔ gbeƒã ɖem Kristo ƒe tɔtrɔva la, dometɔ ɖeka, Josiah Litch, ŋlɔ̃ nane tso Nyeɖeɖefia ƒe agbalẽ, ta 9lia, si ƒo nu tso Otoman fiaɖuƒea ƒe gbagbã, menye le ƒe, si me wòle dzɔdzɔ ge le la ɖeɖe ko ŋuti o, ke le ŋkeke la hã ŋuti. Le nuŋɔŋlɔ̃ sia, si nye akɔŋta bubu tso nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ŋuti nu la, woamu Turkia ƒe dziɖuɖua le ƒe 1840 ƒe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiɖekɛlia dzi. Ame akpe akpewo nɔ mɔkpɔkpɔ me na nyagblɔɖi sia, si ƒe nya wokaka geɖe la ƒe mevava.UGL 305.2

    Le ŋkeke ma dzi la, Turkia dziɖuɖua lɔ, to eƒe duteƒenɔlawo dzi, be yeaɖe asi le yeƒe ablɔɖe ŋuti, ahage ɖe Europa ƒe ŋusẽ ƒoƒuawo ƒe ametakpɔkpɔ te. Alea ye, to nubabla sia me la, kristotɔ ƒe duwo va zu Malɛ-du sia dzikpɔlawo. Nyagblɔɖi la va eme pɛpɛpɛ. Esi wose nya sia la, ameha gãa ɖe kpɔ kakaɖedzi be Miller kple eƒe hadɔwɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo gɔmeɖeɖe ƒe ɖoɖowo nye nu vavã, ale be advento ƒe azɔli la gakpɔ ŋusẽ ɖe dzi. Nunyala gãwo le teƒe kɔkɔwo wɔ ɖeka kple Miller le gbeƒãɖeɖe me, alo to eƒe dzixɔse la kaka me, ale be dɔ la nɔ ta kekem tso 1840 yi ɖe ƒe 1844lia me.UGL 305.3

    William Miller nye amea ɖe, si si susume nunana sesẽwo le, siwo gakpɔ ŋusẽ to ŋugbledede kple nusɔsrɔ̃ me. Egatsɔ dziƒo ƒe nunya kpe ɖe nusiawo ŋuti to ɖekawɔwɔ kple Nunya ƒe Dzɔtsoƒe la me. Dẽ nyuia ɖe le esi, si na be amewo buna eyama, helɔa eƒe nya gbɔ le afisiafi, si nudzɔdzɔewɔwɔ kple dẽ ƒe nyonyo doa dzidzɔ na ame le la. Eƒe dzi fatu, kristotɔ ƒe bɔbɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu, na be wòlɔna ame, dea bubu amesiame ŋu, eye wònɔa klalo aɖo to amesiame ƒe nya, adzro woƒe numeɖeɖewo me kpɔ. Edea ŋugble tso susuɖeɖe kple nufiafiawo ŋuti le Mawunya ƒe kekeli nu, eye numekuku de blibo, eƒe Biblia nyanya deto, kpena ɖe eŋu be wòdena dzesi alakpa kple aʋatso, hegbea nu le wo gbɔ.UGL 305.4

    Gake esiawo katã mewɔ be medo go tsitretsitsi sesẽtɔwo kekeake le eƒe dɔwɔwɔ me o. Abe le Ɖɔɖɔɖowɔla gbãtɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me ke ene la, nunɔlawo mexɔ Nyateƒe, siwo Miller nɔ gbeƒã ɖem la o. Esi wònye be womete ŋu ɖona kpe woƒe nukpɔkpɔwo dzi kple Biblia o la, nusi ko wowɔna la enye be wokuna ɖe amegbetɔwo ƒe lodonyawo kple nufiafiawo kpakple wo fofowo ƒe dekɔnuwo ŋuti. Ke amesiwo le gbeƒã ɖem mɔkpɔlawo ƒe nufiafiawo la melɔna ɖe nu bubua ɖeke dzi wú Mawunya ƒe ɖaseɖiɖiwo o. “Biblia, eye Biblia ɖeka ko” ye nye woƒe ɖoɖonya la. Esi wònye be nyameɖeɖe vavãa ɖeke menɔ woƒe futɔwo si o la, woƒe dɔwɔnu koe nye gbɔɖiame kple fewuɖuɖu. Ke wowɔna gaƒoƒowo, ga kple nunanawo ŋuti-dɔ heɖina gbɔ amesiwo ƒe vodada koe nye be wonɔa mɔ kpɔm na Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔva le dzidzɔ me, eye wonɔa agbagba dzem na agbe nyui nɔnɔ, henɔ nu xlɔm amewo be woadzra ɖo na eƒe dodo le ya me.UGL 306.1

    Alea ye wowɔ ŋutete geɖe ne woaɖe amewo ƒe susu ɖa le Ɖela ƒe tɔtrɔva dzi. Woƒoa nu tso nusɔsrɔ̃ ku ɖe Kristo ƒe tɔtrɔva kple xexeame ƒe nuwuwu ŋuti abe nusiwo nye nuvɔ̃ kple ŋukpẽnanu ene. woƒe wɔna sia na be amewo zu dzimaxɔsetɔwo, eye wotsɔ nu sia wɔ taflatsɛ na agbenɔnɔ le nutilã me ƒe nudzodzrowo nu. Ke ne eva eme alea la, amesiwo le gɔme na vɔ̃ sia la tsɔa vodada la dana ɖe Mɔkpɔlawo dzi.UGL 306.2

    Le esime ameha geɖewo yina ɖoa to Miller ƒe gbeƒãɖeɖe kple movevieɖoɖo la, xɔse ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo ya wɔna abe ɖe womele naneke sem tso eƒe dɔwɔwɔ ŋuti o ene; eye ne woagblɔ nyaa ɖe tso eŋu la, fewuɖuɖu kple nyatsɔɖeameŋu ko wònyena. Ɖekematsɔlemelawo kple dzimaxɔsetɔ, siwo osɔfowo ƒe wɔna le dzi dem ƒo na la, tsɔ fewuɖuɖu, vlododo kple busunya ƒe alɔmeɖeɖe ɖe wo ŋu, ale be amewo natsri eyama kple dɔ, si wɔm wòle la. Amegãɖeɖi ta ɣi sia, si gblẽ eƒe aƒe nyui la ɖi, le tsa ɖim tso du me yi du me kple eƒe ga, hele nyanya nam amewo be ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkeke la tu aƒe la, woda ŋkɔ ɖe edzi be wɔwuiwɔla, alakpatɔ kple xɔse gbegblẽtɔ.UGL 306.3

    Gake vlodoame, alakpatɔnyenye, kple dzu, siwo katã wokɔ ɖe edzi la, na be nyadzɔdzɔgbalẽwo ŋutɔ gɔ̃ hã tsia tre ɖe eƒe futɔ siawo ŋuti. Woƒe wɔna siawo ho dzi na amesiwo nye xexemetɔwo hã, eye wogblɔ be nusi nye gãnyenye manyagblɔ ƒe Nya, si ƒe metsonuwo nye ŋɔdzinu vavã la, ƒe tsɔtsɔ wɔ fefe kple fewuɖunya la, menye etaʋlilawo ɖeɖe ƒe koko wònye o, ke eganye “ɖekematsɔleme na ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkeke la kple fewuɖuɖu le Mawu ŋutɔ kple eƒe ʋɔnu ƒe ŋɔdzinu, si wònye la ŋuti.” — Bliss, p. 183.UGL 307.1

    Menye amesi le megbe na vɔ̃ la ƒe didi ɖeɖe koe nye be yeaɖiɖi gbeƒã ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amewo dzi o, ke yèatsi gbe ɖe gbeƒãɖela ŋutɔ nu gɔ̃ hã. Miller dina be Biblia ƒe Nyateƒe la nawɔ dɔ ɖe nyaselawo ƒe dziwo dzi, eye wògbea nya na wo, ʋuʋua woƒe ɖokuiŋudzedzewo. Eƒe asimali nya ŋu kple nyateƒetoto na be amewo le fui. Hameviwo ƒe tsitretsitsi ɖe eƒe nyawo ŋuti nye nusi de dzi ƒo na agbevlonɔlawo be woagawɔ afɔɖeɖe bubu wú esia. Futɔwo wɔ ɖoɖo be yewoaɖe eƒe agbe ɖa ne edzo le ƒuƒoƒe la. Gake mawudɔla kɔkɔewo le amehawo dome, eye wo dometɔ ɖeka le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me lé Aƒetɔ ƒe subɔla sia ƒe asi hekplɔe do go le dzikukpɔlawo dome yi ɖe dedienɔnɔ teƒe. Satana mete ŋu kpɔ eƒe tameɖoɖo la ƒe mevava o, eye eya kple eƒe dɔtsɔlawo mekpɔ dzidzɔ o.UGL 307.2

    To gbɔ be amewo tsi tre ɖe eŋu hã la, dzidzɔkpɔkpɔ le Mɔkpɔlawo ƒe nya ŋuti gale edzi yim. Ƒuƒoƒowo meganye blaeve blaeve alo alafalafawo ƒe nya o, ke akpeakpewo boŋ. Dzimetrɔlawo ge ɖe hameawo me le agbɔsɔsɔ me; ke le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, tsitretsitsi gbɔgbɔa ɖe ho ɖe kristotɔ yeyeawo ŋuti, eye hameawo dze ɖoɖo wɔwɔ tsi tre ɖe amesiwo xɔ ɖe Miller ƒe nufiafiawo dzi la ŋuti. Wɔna sia bia ŋutiɖoɖo tso Miller gbɔ, eye wòŋlɔ̃ agbalẽ ɖo ɖe kristotɔ, siwo le hame vovovoawo me be nenye be yeƒe nufiafiawo mele eme o la, woaɖee fia ye to Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me.UGL 307.3

    Egblɔ be: “Nuka dzi míexɔ se, si dzi Mawu ƒe Nya, si mia ŋutɔwo mixɔ abe xɔse kple dɔwɔwɔ ƒe ɖoɖo ɖeka, si li la, meda asi ɖo o? Nukae míewɔ, si he nyatsɔɖeameŋu sesẽwo tso nyagblɔtiwo dzi kple le nyadzɔdzɔgbalẽwo me, si ɖe mɔ be miaɖe mí (mía Mɔkpɔlawo) ɖa le hameawo me, kple le ɖekawɔwɔ kple mi me? ” Ne vodadaa ɖe nye míatɔ la, migblɔ nusi me míeda vo le la na mí. Miɖee fia mí le Mawu ƒe Nya la me. Woɖi gbɔ mí geɖe, gake esia mate ŋu nye kakaɖedzi na mí be míeda vo o. Mawunya la koe ate ŋu ana míatrɔ míaƒe nukpɔkpɔ. Míeva xɔse, si me ʋum míele la gbɔ le gbedodoɖa kple ŋugbledede geɖe megbe, le kekeli, si Mawu ƒe Nya la ɖe fía mí la nu.”- Ibid, p. 250, 252.UGL 308.1

    Le ɣeyiɣiawo katã me la, woxɔ toklãnya, siwo Mawu ɖo ɖe xexea la kple ɖikeke. Le esime tɔɖɔɖɔ ɣeyiɣimetɔwo ƒe vɔwo na Mawu dɔ tɔɖɔɖɔ ɖe anyigba dzi la, ena, gbã, be woanya yeƒe ɖoɖo la, ale be woakpɔ mɔnu atrɔ le woƒe mɔ gbegblẽwo yome. Le ƒe alafa ɖeka kple blaeve sɔŋ me wose Noa ƒe toklã-gbedasi, si nɔ woyɔm be woatrɔ dzi me, ale be Mawu magatsrɔ̃ wo o la. Gake gbedasi la nɔ na wo ko abe glinya ɖikokui ene, eye womexɔ edzi se o. Wogalia le woƒe vɔɖivɔɖiwo me, heɖu fewu le gbeƒãɖela la ŋuti, tsɔ toklãnya la wɔ nukonya, eye wotsɔ nya ɖe eŋu be enye hoɖola. Aleke ame ɖeka ate ŋu atsi tre ɖe anyigba sia ƒe amegãwo ŋuti? Ne Noa ƒe gbedasi la nye nyateƒe ɖe, aleke wɔ ame mamlɛawo hã mete ŋu ke ɖe eŋu, eye woxɔe se oa? Ame ɖeka ƒe nyagbɔgblɔ tsi tre ɖe ame akpe ƒe nunya ŋgɔ! Ale be womedi be yewoaxɔse o, eye womedi bebeƒe hã le aɖakaʋu la me o.UGL 308.2

    Fewuɖulawo nɔ nu ƒom tso dzɔdzɔme nuwo ŋuti, tso ɣeyiɣiwo ƒe wonɔewo yomedzedze matrɔmatrɔ, dziŋgɔli nyakpɔ, si mena tsi dza kpɔ ɖe agble dama, siwo zã me ƒe zãmuwo nana fafa dzi o la ŋuti, eye wonɔ biabiam se kple ɣli be: “Menye lo dom wòle oa?” Le woƒe amekoko me la, wogblɔ tso dzɔdzɔenyenye gbeƒãɖela la ŋuti be vividonuŋutila gbɔeme wònye. Ale wogayi ɖe woƒe vivisesewo didi dzi kple ŋusẽ wú tsã. Gake woƒe dzimaxɔse mexe mɔ na nusi ŋuti wogblɔ nya ɖi le la ƒe mevava o. Mawu xɔ woƒe vɔɖivɔɖiwo kple dzigbɔgbɔ blewu, eye wòna wo ɣeyiɣi geɖe be woatrɔ dzi me. Ke le ŋkeke, si wòɖo dzi la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la kɔ ɖe amesiwo gbe nu le eƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ la dzi.UGL 308.3

    Kristo na míenya be dzimaxɔse sia tɔgbi aganɔ anyi le eƒe tɔtrɔva ŋuti. Abe alesi, le Noa ƒe ŋkekewo me, amewo mebu tɔɖɔɖɔ la ŋuti kpɔ vaseɖe gbesigbe wòva o la, nenema ke wòaganye le Amegbetɔvi la ƒe vavagbe la. (Mateo 24:39 ). Le ɣeyiɣi, si me amesiwo le woɖokui ɖem fia abe Mawu ƒe viwo ene, le ɖeka wɔm kple xexeame, le agbe ɖeka nɔm kpli wo, hele vivisese, si nu wode se ɖo la sem, le esime xexeame ƒe atsyɔɖoɖo zu hamea tɔ, srɔɖeɖe ƒe gawo le ɖiɖim, eye amesiame le mɔ kpɔm na xexeame ƒe dzidzeme kpɔkpɔ le ƒe, siwo le ŋgɔ gbɔna me la, kasia woƒe alɔ̃ me drɔekukuwo kple ɖokuibeble ƒe mɔkpɔkpɔwo katã ava nuwuwu abe dzikedzo ene.UGL 309.1

    Abe alesi Mawu dɔ eƒe subɔla be wòana nyanya xexea ku ɖe tɔɖɔɖɔ, si gbɔna ŋuti la, edɔ gbeƒãɖela tiatiawo ɖa be woana nyanya ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛa, si tu aƒe la ŋuti. Alesi wònɔ na Noa ŋɔlimetɔwo be woko nu, eye woɖu fewu le dzɔdzɔenyenye nyagblɔɖila ƒe nyagblɔɖiwo ŋuti la, nenema ke le Miller ŋɔli me la, amesiwo yɔ wo ɖokui be Mawu ƒe viwo la tsɔ nyanyananya, siwo wona wo la wɔ nukonyae.UGL 309.2

    Nukae na be hameawo mexɔ Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe nufiafia kple nyagblɔɖi ku ɖe eŋu la nyuie oa? Elabena Aƒetɔ ƒe vava la nye dzɔgbevɔe kple ŋɔdzi na ame vɔɖiwo, le esime wònye dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ gã na ame dzɔdzɔewo. Nyateƒe gã sia nye akɔfanya na Mawu ƒe vi nuteƒewɔlawo le dzidzimewo katã me. Aleke wɔ wòvazu afɔklinu kple dzikunu abe Nyateƒetɔ la ŋutɔ ke ene, na amesiwo be yewonye eƒe dukɔmeviwo ma? Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ na eƒe nusrɔlawo be: “...Ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye..” (Yoh.14: 3 ). Ɖela Amenuvela, si kpɔ eƒe nusrɔlawo ƒe tsɔevinyenye ƒe blanuilelé kple tetekpɔwo do ŋgɔ la, dɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe wo be woafa akɔ na wo kple kakaɖedzi sia be yegatrɔ gbɔna kpuie, le nɔnɔme, si me yedzo le wogbɔ le la, ke me. Esime nusrɔlawo li ŋku ɖe dziƒo be yewoakpɔ amesi yewolɔna vevie ƒe dzedzé mamlɛa la, wose gbeɖiɖi sia be : “Galilea ŋutsuwo! nuka wɔ miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbɔ yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.” (Dow. 1:11). Dɔlawo ƒe gbedasi la ga de dzo woƒe mɔkpɔkpɔwo me. Nusrɔlawo trɔ yi ɖe Yerusalem kple dzidzɔ gãa ɖe, eye “wonɔa mawuxɔ la me ɖaa, henɔa Mawu kafum.” (Luka 24:52, 53). Womenɔ dzidzɔ kpɔm be Yesu klã ɖa tso yewo gbɔ, eye be woawo ɖeɖe tsi anyi akpa ŋgɔ xexeame ƒe dodokpɔ kple tetekpɔwo siaa o, ke boŋ ɖe kakaɖedzi, si dɔlawo na wo be woƒe Aƒetɔ la agatrɔ va la ŋuti.UGL 309.3

    Ele be gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe tɔtrɔva nanye dzidzɔ Nyanyui gãa ɖe na mí egbea, abe alesi wònɔ le ɣeyiɣi, si me dɔlawo gblɔ eƒe vava na Betlehem ƒe alẽkplɔlawo la ene. Amesiwo lɔ Ɖela nyateƒetɔe la, axɔ gbedasi, si tso Mawu ƒe Nya la me, le nyanya nam wo be amesi dzi woƒe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔwo katã nɔ anyi ɖo la agatrɔva kpuie, menye be ne wòagavaxɔ dzu, fulelé kple nugbegbe le ame gbɔ abe zi gbãtɔ ene o, ke bɔŋ ava le ŋutikɔkɔe me be yeaɖe yeƒe dukɔ la, ɛ, woaxɔ nya sia kple dzidzɔ. Amesiwo melɔ̃ Ɖela o la woele didim be wòanɔ adzɔge na yewo ɖaa, eye dziku kple fulelé, si gbeƒã ɖeɖe Mawu ƒe gbedasi sia he va hameawo me la, nye dzesi, si me kɔ ƒãa be wote ɖa le Mawu ŋuti boo la.UGL 310.1

    Amesiwo xɔ Mɔkpɔlawo ƒe gbedasi la se dzimetɔtrɔ kple ɖokuibɔbɔ le Mawu ŋku me ƒe vevienyenye gɔme. Ame geɖewo ke ɖi le tiatia wɔwɔ le Kristo kple xexeame dome, eye wokpɔ be game su ne yewoaɖo kpe nane dzi. Agbe mavɔ ƒe nyawo xɔ asi na wo yeyee. Ewɔ abe dziƒo te ɖe wo ŋuti azɔ ene, eye wokpɔ be yewoɖi fɔ le Mawu ŋku me. — Bliss, p.146 - Kristotɔwo se le wo ɖokui me be ele be yewoanɔ agbe le gbɔgbɔ me. Gbedasi la na wode dzesii be ɣeyiɣi la le kpuie, eye bena nusi dze be yewoawɔ na yewonɔviwo la, ele be yewoawɔe kaba. Ele abe ɖe anyigba le tetèm ɖa le wo ŋu ene. Agbe mavɔ ƒe agbo le ʋuʋum le wo ŋgɔ, eye luʋɔ kple nusi yi na eƒe dzidzɔ mavɔ, alo dzogbevɔẽ mavɔ la ƒo xexemenuwo katã ta le wo ŋku me. Mawu ƒe Gbɔgbɔ le wo dzi, eye wòdo ŋusẽ woƒe yɔyɔ vevie, si wɔm wole na wo nɔviwo kple na vɔwɔlawo be woadzra ɖo na Aƒetɔ ƒe ŋkeke la. Woƒe gbesiagbe-gbenɔnɔ ƒe numaƒo-ɖaseɖiɖiwo nye mokaka madzudzɔ na hame vovovoawo menɔla siwo lé ɖokuimatsɔna ƒe gotanuwɔwɔ ɖe asi la. Ke amesiawo medi kura be woaɖe fu na yewo le woƒe vivisese didi, ga subɔsubɔ kple xexeme ƒe bubudeameŋu yomedzedze ƒe mɔ dzi o. Esia tae wotsi tre ɖe Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe xɔse la ŋuti, helé fu eƒe gbeƒãɖelawo vevie.UGL 310.2

    Esi futɔwo mekpɔ nyaa ɖeke atsɔ mu nyagblɔɖiawo ƒe gɔmeɖeɖe ƒu anyi o la, woƒe agbagbadzedze koe nye be woaxe mɔ na emedzodzro to nya sia me be, nyagblɔɖiawo nye agbalẽ, siwo nu wotre la. Ale be, Protestante hameawo hã nɔ Romatɔwo ƒe afɔtoƒewo tom. Le esime Papa ƒe hamea nɔ Biblia ɣlam ɖe amewo la, Protestante hameawo ya le gbɔgblɔm be Nya Kɔkɔe la ƒe akpa gãa ɖe, akpa, si tututue le Nyateƒe, siwo wòle be míalé ɖe asi vevie le míaƒe ɣeyiɣi tɔxɛ siawo me ɖem fia la, nye nusiwo gɔme womate ŋu ase o. Osɔfowo kple hameviwo gblɔ be Daniel kple Yohanes ƒe nyagblɔɖiwo nye nuɣaɣla, siwo gɔme amea ɖeke mate ŋu ase, alo aɖe o. Evɔ wònye be Kristo ŋutɔ he eƒe nusrɔlawo ƒe ŋku yi ɖe Nyagblɔɖila Daniel ƒe nya, siwo ku ɖe nudzɔdzɔ, siwo ava eme le woƒe ɣeyiɣi me la dzi hegblɔ be: “Amesi le exlẽm la nese egome.” (Mateo 24:15 ). Le go bubu me la, nyagbɔgblɔ, si woɖena ɖe go be Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ la nye nu ɣaɣla, si gɔme womate ŋu ase o la, mele eteƒe o, elabe agbalẽ la ŋutɔ ƒe ŋkɔ tsi tre ɖe nya sia ŋuti: “Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la,…Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm, kple amesiwo le wo sem, eye wolé nusiwo woŋlɔ̃ ɖe eme la dzram ɖo.” (Nyaɖ. 1:1-3 )UGL 311.1

    Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Woayra amesi le exlẽm.” Amewo li, siwo madi be yewoaxlẽe o; ke yayra la menye wotɔ o. “Kple amesiwo le esem la.” Amewo hã li, siwo gbe be yewomase naneke ku ɖe Nyaglɔɖiawo ŋu o. Yayra meli na hatsotsoe sia me tɔwo hã o. “Eye wolé nya, siwo woŋlɔ̃ ɖe eme la ɖe así.” Ame geɖewo gbe be yewomatsɔ ɖe le me na nufiame kple nyanyananya, siwo le Nyaɖeɖefia me o. Ke wo dome amea ɖeke mate ŋu akpɔ mɔ na yayra, si ƒe ŋugbe wodo la o. Amesiwo katã ɖua fewu le nyagblɔɖinyawo ŋuti, eye woƒe dzesiawo ɖia kokui na la, amesiwo gbe be yewomaɖɔ yewo ƒe agbe ɖo, ahadzra ɖo na Amegbetɔvi la ƒe vava o la, makpɔ gome le yayra la me o.UGL 311.2

    Aleke wònye be, le Ɖeɖefia ƒe ɖaseɖiɖi ŋgɔ, amewo agadze agbagba afia nu be Nyaɖeɖefia la nye nuɣaɣlaa ɖe, si gbɔ amegbetɔ ƒe nunya ŋuti? Nu ɣaɣla, si woɖe fia, agbalẽ, si le ʋuʋu ɖi la, wònye. Nyaɖeɖefia me dzodzro hea amewo ƒe susu yina Daniel ƒe nyagblɔɖi gbalẽ la gbɔ, eye agbalẽ eve siawo ɖena nufiafia xɔasitɔwo kekeake, Mawu ƒe nufiafia, siwo wòtsɔ na amegbetɔ ku ɖe nudzɔdzɔ, siwo ava eme le xexe sia ƒe ŋutinya ƒe nuwuɣiwo me la, fia.UGL 312.1

    Woɖe nudzɔdzɔ gãgãwo ƒe mevava le Hamea ƒe ŋutinya me la fia Yohanes. Ekpɔ Mawu ƒe Hame la ƒe nɔnɔme, eƒe dzɔgbevɔewo, eƒe ʋiʋli kple ɖeɖekpɔkpɔ le nuwuwu la. Eƒo nu tso gbedasi mamlɛ, siwo ana xexeame ƒe nukuwo abiã na ŋeŋeƒoƒu ɖe dziƒo ƒe avawo dzi, alo aƒú na tsɔtsrɔ̃ ƒe dzotɔtɔ ŋu. Woɖe tanya, siwo ƒe vevienyenye keke ta la fiae, tɔxɛ, na Hame mamlɛa, ale be amesiwo ate ɖa le nudadawo ŋu ahatrɔ ɖe Nyateƒe la ŋuti la, naxɔ nyanyananya ku ɖe ʋiʋli kple dzɔgbevɔe, siwo le wo lalam la ŋuti. Nusiwo le anyigba dzi va ge la manɔ manyamanya me na amea ɖeke o.UGL 312.2

    Esi wòle alea ɖe, aleke wɔ ame geɖewo menya naneke tso Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe akpa, si xɔ asi ale gbegbe la ŋuti o? Nya sia nye viviti fiavi la ƒe aɖaŋuɖeɖe ƒe ŋutete wɔwɔ be yeaɣla nusi klona nu le yeƒe amebeblewo dzi la, ɖe amegbetɔwo la ƒe emetsonu. Esiatae, esi Kristo, Ɖeɖefiala, kpɔ aʋa, si woava wɔ ɖe Nyaɖeɖefia sɔsrɔ̃ ŋuti la, wɔ yayra ŋugbedodo siawo na amesiwo katã axlẽe, asee, ahawɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe nyawo dzi la.UGL 312.3

    ----------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents