Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    36—ƲIƲLI SI TE GOGO MI

    Tso ʋiʋli gã la ƒe gɔmedzedzea me le dziƒo la, Satana ƒe tameɖoɖo ye nye be yeamu Mawu ƒe Se la ƒu anyi. Bene eƒe didi sia nava eme la, Satana dze aglã ɖe eƒe Wɔla la ŋuti, eye to gbɔ be wonyãe ɖa le dziƒoa hã la, eyi ʋiʋli sia dzi le anyigba dzi. Taɖonudzi, si nyam Satana le kple veviedodo lae nye be yeable amegbetɔvi, siwo le anygbadzi la nu, ne woada Mawu ƒe Sewo dzi. Eɖa nye Sewo katã dzie woda o, alo ɖekaa ɖe ko woɖe le eme o, metsonu ɖeka ko wòanye tsã. Biblia be: «Amesi ke alé Se blibo la me ɖe asi, ke wòada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.” ( Yak. 2:10)UGL 552.1

    Satana tɔtɔ Biblia dzixɔse nufiafiawo me, be ne yeado vlo Mawu ƒe nufiame-mɔwo, esia ta vodada tra ɖe ame akpe akpe, siwo gblɔna be yewo xɔ Biblia dzi se la, ƒe dzixɔse la me. Ʋiʋli gã mamlɛa, si le Nyateƒe kple aʋatsokaka dome la, menye naneke wú esi le edzi yim tso gbaɖegbe ke ku ɖe Mawu ƒe Se la ŋuti la, ƒe nuwuwu o. Ʋiʋli, si le amegbetɔwo ƒe sedede kple Yehowa ƒe ɖoɖowo dome, le Biblia me ƒe subɔsubɔ kple nyakpakpa kpakple de-kɔnyinyiwo dome la, lɔ mí katã ɖe eme.UGL 552.2

    Ŋusẽ, siwo ava wɔ ɖeka, atsi tre ɖe Nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ŋuti le ʋiʋli sia me la, le dɔ dzi ŋusẽtɔe le egbe ŋkekeawo me. Mawu ƒe Nyakɔkɔe, si to ʋu kple fukpekpe ƒe asixɔxɔ me va na mí la, mexɔ asi nenemagbegbe le amehawo ŋku me o. Biblia le amewo katã ƒe asitsɔƒe, gake ame ʋea ɖewo koe xɔnɛ vavã abe woƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenu ene. Subɔsubɔ, si me fuléle le la, ƒe wɔnawo le ta kekem ŋɔdzitɔe, menye le xexeame ɖeɖe ko o, ke le hamea me hã. Ele eme be amegeɖewo gbe nu le nufiafia, siwo nye kristotɔnyenye ƒe sɔtiwo la, gbɔ. Xexemewɔwɔ ƒe nyati gãwo abe alesi nuŋlɔla kɔkɔeawo ŋlɔ̃ wo ene: (568) nuvɔmedzedze, nuvɔkɔklɔɖa, Yehowa ƒe Seawo ƒe kelili tegbetegbee; nusiawo katã la, amesiwo gblɔna be yewoe nye kristotɔwo ƒe ha gãtɔ la, gbe wo katã, alo afã kple afã. Ame akpeakpe, siwo doa woƒe nunya kple ɖokuisinɔnɔ ɖe dzi la, kpɔe be gbɔdzɔgbɔdzɔ wònye na ame be wòanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ɖeɖe ko dzi. Wokpɔ be nyahehe ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea menyawo ŋuti, eƒe Nyateƒe gãwo tɔtrɔ wɔ lododowo kple gbɔgbɔme gɔmesese didi na wo nye nunya kɔkɔ nɔ amesi ɖeɖefia ƒe dzesi. Mawunyagblɔla geɖewo gblɔna na woƒe hameviwo, abe alesi nufialawo hã gblɔna na sukuviwo ene bena, wotrɔ Mawu ƒe Se la, eye woɖe eƒe dziziziwo dzi kpɔtɔ, eyata amesiwo gale sedede siawo kpɔm egbea abe nusiwo ŋuti asixɔxɔ gã le ene, ne woawɔ wo dzi la, dze na vlododo kple fuléle.UGL 552.3

    Ne wogbe Nyateƒea la, ekema wogbe amesi gblɔ Nyateƒe la hã; ne wotu afɔ Se la dzi la, ekema wogbe nu le Sedela hã gbɔ. Ele bɔbɔe be aʋatso dzixɔse nazu trɔ̃ woasubɔ, abe alesi woatsɔ kpe kple ati awɔ trɔ̃ na ameɖokui anɔ subɔsubɔm ke ene. To Mawu ƒe nyenyewo tɔtrɔ ɖe bubu le amewo ŋku me me la, Satana kplɔ wo yi ɖe susu vɔwo ɖeɖe tso Mawu ƒe dẽ ŋuti me. Le ame geɖewo ƒe susu me la, nunya-kɔkɔ ƒe trɔ̃ ye ɖu fia ɖe Yehowa teƒe. Esiae na be, Mawu gbagbe, si ɖe eɖokui fia le eƒe Nya, Via Yesu-Kristo, kple xexemewɔwɔ-dɔ me la, ƒe subɔsubɔ ya zu ameha sue, nuteƒewɔlaa ɖewo ko ƒe nya. Geɖee woe nye amesiwo le dzɔdzɔmenuwo ko subɔm, vɔ hegbe nu le dzɔdzɔme ƒe Mawu la ŋutɔ gbɔ. Trɔsubɔsubɔ le kristotɔnyenye la me, le nɔnɔme vovovo me, abe alesi wònɔ nyateƒetɔe le Israel xoxoa ƒe ŋutinya me le Eliya ƒe ɣeyiɣia me ke ene. Xexe sia me nunyalagã geɖewo ƒe mawuwo, hakpala gãwo, dunyagblɔla gãwo, nyadzɔdzɔkakalawo, xexeame habɔbɔ vovovowo, ŋgɔdedenusrɔƒe gãwo kple mawunyasrɔƒea ɖewo ŋutɔ hã ƒe mawuwo la, womexɔ asi wú Fenisiatɔwo ƒe ɣe-mawu baal la o. Vodada, siwo kristotɔnyenye ƒe xexeame xɔ la, dometɔa ɖeke metu afɔ Mawu ƒe dziɖuɖu dzi kpɔ, tsi tre tẽe ɖe Mawunya ƒe nufiafia ŋuti kpɔ, ne woƒe wɔnawo nayi nu gblẽ ge le Mawu ƒe dziɖuɖu ŋuti kpɔ wú dzixɔse-nufiafia yeye, si le ta kekem ŋɔdzitɔe, hele nu fiam be: «Mawu ƒe Se la dziwɔwɔ meganye dɔdasi na amegbetɔwo o” la o. (569) Se, siwo ŋuti woade bubue, ahalé wo me ɖe asi la, le dukɔ ɖesiaɖe si. Dziɖuɖua ɖeke meli, si gɔmeɖo-se meli na o. Ekema, aleke wòate ŋu ava ame ƒe ta me be Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba ya la, eƒe nuwɔwɔwo dzi ɖuɖu ƒe Se manɔ anyi o mahã? Míatsɔe be gbeƒãɖela xɔŋkɔa ɖewo le gbɔgblɔm le woƒe gbeƒãɖeɖe me be: «Mía dé dziɖuɖu ƒe sedede, siwo le dukɔa kplɔm, hele dumevi ɖesiaɖe ƒe dzenawo ŋuti dzɔm la, dziwɔwɔ megale vevie o, elabena womena vovo dumeviwo o, eyata medze be woalé wo me ɖe asi o.» Ɣeyiɣi nenie woaɖe mɔ na amesiawo tɔgbi be wòagaƒo nu? Ŋutɔ la, kae nye vɔɖi gãtɔ wú? Nugbegbe le dziɖuɖu kple dukɔme sewo gbɔ, alo nugbegbe le Mawu ƒe sedede, siwo nye gɔmeɖoɖo na dziɖuɖu ɖesiaɖe la, gbɔe a? Anye nusi ŋuti gɔmesese anɔ, ne dukɔwo aɖe woƒe ɖoɖo kple sewo ɖa ne amesiame nawɔ nusi dzroe la, wú be xexeame ƒe Aƒetɔ nagbã eƒe Sewo, aɖe asi le xexeame ŋuti, se kple ɖoɖo, siwo abu fɔ fɔɖila, atso afia na fɔmaɖila la manɔmee. Ɖee míedi be míanya nusi ado go tso Mawu ƒe Se la ɖeɖe ɖa mea? Wowɔ nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbi va yi vɔ. Esu ko be woaɖo ŋku nu dziŋɔ,̃ siwo dzɔ le Frans-dukɔa me le ɣeyiɣi, siwo me “Mawu meli o” dzixɔse ɖu dzi ŋusẽtɔe le la, dzi. Ekema woakpɔe azɔ be ameɖokui ɖeɖeɖaga tso Mawu ƒe Sewo ƒe dzizizi me sɔ pɛpɛpɛ kple ŋutasẽla vɔɖitɔ ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ. Ne eva me be woɖe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu la ɖa la, ekema mɔ la ʋu na vɔ-fiavi la be wòaɖo eƒe dziɖuɖu anyi ɖe anyigba dzi.UGL 553.1

    Teƒe, siwo katã wogbe Mawu ƒe nufiame mɔwo le la, nuvɔ meganyea fɔɖinu, eye dzɔdzɔenyenye hã megadzroa ame le teƒemawo o. Amesiwo gbe be womabɔbɔ woɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te o la, ŋutetea ɖeke mele wosi kpɔ gbeɖe be woakplɔ woɖokui o. Woƒe nudadafiafiawo nana be kɔlialia ƒe gbɔgbɔ ɖona ɖeviwo kple sɔhɛ, siwo nye ɖokuisinɔnɔ dilawo tso dzɔdzɔme ke la, ƒe dziwo me, ale be nudzeameɖokuiŋu wɔwɔ kple setemanɔ ƒe agbe sɔŋ koe tsoa aƒe ɖe hadome-gbenɔnɔ me. To gbɔ be amehawo nɔa fewu ɖum le Mawu ƒe ɖoɖodziwɔlawo ƒe xɔse ŋuti hã la, woawo ŋutɔ xɔa Satana ƒe numevivi nyawo dzi sena kaba ŋutɔ tsɔ wú. Woɖea asi le woɖokui ŋuti na ŋutilã ƒe nudzodzrowo, eye wowɔna nuvɔ, si tɔgbiwo he Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va trɔsubɔlawo dzi la.UGL 554.1

    Amesiwo le nu fiam dukɔwo be womegatsɔ ɖe le eme fũu na Mawu ƒe Sewo o la, le tomaɖomaɖo ƒe nuku ƒãm, eye woavaŋe tomaɖomaɖo ƒe nuku godo. Esu ko be Mawu ƒe Se, si nye gbɔgbɔme nu la, dzi wɔwɔ natɔ te tetie ko ne amegbetɔwo hã ƒe sededewo dziwɔwɔ natɔ te enumake. Amegbetɔwo le gbesɔsɔ atu afɔ Mawu ƒe Se ewoawo dzi, elabena wotsi tre ɖe nuteƒemawɔmawɔ abe: ŋubiãbiã nusi nye amehavi tɔ, aʋatsokaka kple ame baba ŋuti. Gake nusi adzɔ ne woɖe Se siawo ɖa ya meva woƒe susu me kpɔ o. Ne Se la meli o ɖe, nukata edzidada ƒe vɔvɔ̃ li ɖo? Anye ne naneke manɔ dedie o. Woaha amehavi ƒe nuwo le esi sesẽtɔe, eye ŋusẽtɔ la azu kesinɔtɔ, eye amea ɖeke magade bubu agbea ŋutɔ gɔ̃ ŋuti o. Srɔɖeɖe ƒe adzɔgbeɖeɖe kɔkɔe la maganye akpoxɔnu na ƒome la o. Amesi wòdzro la axɔ nɔvia srɔ̃ sesẽtɔe le esi. Woaɖe Se atɔlia ɖe aga, abe Se enelia ke ene. Ne nenemae wòanɔ hafi woakpɔ nusi dim woƒe dzi vɔɖiawo le la, ekema ɖeviwo mahe ɖe megbe tso wo dzilawo ƒe agbe ɖeɖe ɖa ƒe tetekpɔ ŋuti o. Anye ne xexeme, si ʋu ŋku alea la, azu adzodalawo kple hlɔdolawo nɔƒe, eye ŋutifafa, gbɔɖeme kple dziɖeɖi adzo le anyigba la dzi. Dzixɔse nu, si fiam wole be Mawu ƒe Sewo dziwɔwɔ mega hiã na ame o la, tutu agbenyuinɔnɔ ƒe dzodzro ɖa le amewo me xoxo vɔ, eye wòdudu vɔwɔwɔ ƒe fiƒode kɔ ɖe xexeame dzi abe tɔɖɔɖɔ ene. Ɖoɖomemanɔmanɔ, yakagbenɔnɔ kple nuteƒemawɔ ƒe gbegblẽwo aƒo ɖe mía dzi abe tɔsisi, si le ɖɔɖɔ́ dzi ene. Satana le dɔ dzi le ƒome la me. Eƒe aflaga le ya ƒom yi ɖe ƒome, si be yenye kristotɔƒome kekeake dzi. Nukawoe wokpɔna?: ŋubiã, vɔediname, ameŋkumenuwɔwɔ, fuléle, teƒeʋiʋli, nyahehe, ameŋuzɔzɔ, ŋutilãmevivisese. Dzixɔse ƒe ɖoɖowo katã, kple subɔsubɔ nuɖoanyi, siwo dze anye gɔmeɖoɖo kple kpɔtɔtɔ ɖe hadome-gbea ŋuti la, le ʋaʋam le eƒe ke alo gɔmeɖoɖo la dzi, eye wòwɔ abe emuɣi kple gbagbãɣi la ɖo vɔ ene. Hlɔdola vɔɖitɔ, siwo le woƒe gaxɔwo me la, xɔa nunana kple beléle nyuitɔwo abe amesiwo wɔ bubudɔa ɖe ene. Wotsɔa woƒe agbenɔnɔ kple hlɔdodo ŋutinya wɔa nyakaka gã woe. Nyadzɔdzɔ-gbalẽ kakana vɔwɔwɔ, si dea aglãdzedze ame me la, ƒe nyawo kple nugɔmeɖeɖe le woƒe ɖesiaɖe me, ale be ne nuvɔɖi susu, amebaba, fi fifi, amewuwu kple vɔwo tso ƒomevi naxɔ agbalẽa xlẽlawo ƒe susu me; eye Satana kpɔa dzidzɔ be yeƒe tameɖoɖowo le eme vam. Dzoléle na vɔwɔwɔ, ɖekematsɔleme na amewuwu, ɖokuidzimadumaɖu kple setemanɔ ƒe ta keke le nɔnɔme ɖesiaɖe me, le ɖoƒe ɖesiaɖe me, wonye nusiwo ŋuti amesiwo katã vɔã Mawu la alé ŋku ɖo nyuie, abia se be nuka woawɔ axe mɔ ɖe vɔɖiwɔwɔ ƒe ta keke nu mahã?UGL 555.1

    Ʋɔnudrɔƒewo zu adzodalawo nɔƒe. Ga lɔlɔ̃ kple ŋutilã ƒe dzodzrowo yome nɔnɔ ye nye ʋɔnudrɔlawo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ. Ɖokuidzimaɖumaɖu na wodome ame geɖewo ƒe amewɔwɔ nu tsi ale gbegbe be Satana kpɔ ŋusẽ blibo ɖe wo dzi. Gbegblẽ xɔ senyalawo me keŋ; woƒle wo loo, alo wozu ŋkuagbãtɔwo. Ahamumũwo, ŋunyɔnuwo wɔwɔ, dɔmedzoedodo, ŋubiã kple nuteƒemawɔ, le gowo keŋ me, ɖeɖe ko woakpɔ le amesiwo xɔ sewodzikpɔkpɔ-dɔ la gbɔ. «Ɖoɖo la gbugbɔ ɖe megbe, eye dzɔdzɔenyenye tsi adzɔge. Elabena Nyateƒe le nu klim le kpɔdome, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.» (Yes. 59:14 )UGL 556.1

    Nuvɔɖi wɔwɔ kple gbɔgbɔme viviti, siwo tsyɔ̃ xexeame dzi le Papawo ƒe dziɖuɣi me la, woenye mɔxexe ɖe Biblia nu ƒe metsonu madamada. Ke afikae mawudzimaxɔse, sedzimawɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ, si nye esiawo katã metsonu la tso egbea, le fifi nyanyuikaka ƒe kekelia nu, esime amesiame kpɔ vovo asubɔ le eƒe didi nu? Azɔ esi Satana magate ŋu lé xexeame ɖe eƒe kpɔkplɔ te, to Biblia xɔxɔ le esi me o ŋuti la, ele mɔnu bubuwo ŋu dɔ wɔm ne wòade taɖodzinu ɖeka ma ke gbɔ. Bibliadzixɔse la tsɔtsrɔ̃ ɖa le amewo me hã sɔ kple tameɖoɖo, si nye Biblia ŋutɔ tsɔtsrɔ̃ ɖa. Edze edzi nɛ nyuie hã be ena amehawo le Mawu ƒe Se ewoawo dzi dam, abe alesi ko woate ŋu aŋlɔ wo be faa ene, elabena ena woxɔe se be sedede la ƒe ɖoɖoawo dziwɔwɔ meganye dzizizi na ame o. Ale, le egbe-ŋkekea me, abe le blema me ke ene la, eto hamea dzi le dɔ wɔm hena eƒe tameɖoɖowo ƒe ŋgɔ yiyi. Egbe xɔse-hamewo gbe toɖoɖo Nyateƒe, siwo me kɔ keŋ, siwo Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo fia la, elabena womedzea to na wo o, ale woƒã dzimaxɔse ƒe nukuwo le kpuiƒe kple didiƒe, le esi wowɔ aʋa kpli wo to gɔmeɖeɖe dadawo dzi la ta. Luʋɔ ƒe makumakunyenye tso dzɔdzɔme, kple sidzedze ƒe amesinɔnɔ le ku me, si nye Papawo ƒe nufiafia la, dzixɔse kple leléɖeŋu la na be wogbe aʋawɔnu ɖeka hɔ, si ko le wosi, si akpe ɖe wo ŋu be womage ɖe ŋɔliyɔyɔ, alo hadede kple gbɔgbɔvɔwo ƒe beblewo me o la, ŋutidɔ wɔwɔ. Fukpekpe mavɔmavɔ ƒe nufiafia dzixɔse la na be ɖikeke le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ŋuti. Eye azɔ, esi wodo Se enelia (Dzudzɔgbe) dziwɔwɔ ƒe nya la ɖa, eye wokpɔe be ŋkeke adrẽlia dziwɔwɔ nye dzizizi la, bene gbeƒãɖela xɔŋkɔ siawo nagawɔ dɔa ɖe, si womedi be woawɔ kpɔ o la, womekpɔ nya bubu wú esia o be: “Woɖe Se la ɖa.” Alea ye wogbe Se la kple Sabat la siaa enye si. Zi alesi Sabat dziwɔwɔ ƒe ɖɔɖɔɖodɔ la anɔ edzi yim la, afɔ tutu Mawu ƒe Se la dzi to Se enelia dzi mawɔmawɔ me ava zu xexeame katã kloe ƒe nya. Xɔsehame nuŋlɔlawo ƒe nufiafiawo ʋu mɔ na dzimaxɔse, gbɔgbɔƒoƒo kple fuléle Mawu ƒe Se la; eye nuvɔ̃ kple ŋunyɔ, siwo le fia ɖum le kristotɔwo dome egbea la, ƒe agba gãa ɖe le wo dzi.UGL 556.2

    Ke esi wòle be woade dzesi nusia la, kplɔla mawo nɔa, gbɔgblɔm be agbe gbegblẽ nɔnɔ, si le gã dom ɖe dzi le kristotɔwo ƒe xexeame la, ƒe akpa gãtɔ la tso kristotɔwo ƒe dzudzɔgbe (kwasiɖa) la dzi mawɔmawɔ gbɔ; eye be ne wozi amewo dzi be woakɔ kwasiɖagbe ŋuti la, akpe ɖe hahoa ƒe dzitsinya ŋuti geɖe. Amerika mee susu sia, si mele eteƒe o la, de ŋgɔgbe le wú, vɔ afisia kee wole Mawu ƒe Dzudzɔgbe vavã la dzixɔse ƒe nufiafia la kakam le wú. Wotsɔ megbenɔnɔ na kwasiɖagbe ƒe dzudzɔgbenyenye ƒe wɔna kpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ƒe dɔ, si dze ame ŋu, si nye veviẽtɔ wú le agbenyuinɔnɔ ƒe ɖɔɖɔɖodɔ, si wɔm wole le dukɔ ma me la ŋuti; eye dɔ sia taʋlilawo ŋutɔ ɖe woɖokui fia abe amesiwo le dɔ nyuia ɖe wɔm na dukɔa ene. Eyata wotsɔ nya ɖe amesiwo gbe be womawɔ ɖeka kpli wo o la ŋuti be wonye ɖokuidziɖuɖu kple ɖɔɖɔɖowɔwɔa ƒe futɔwo. Gake ne habɔbɔa ɖe, si di be yeaɖo nudadaa ɖe anyi, ayi ɖa wɔ ɖeka kple nuɖoanyi bubu, si nyo le eɖokui me la, mate ŋu atrɔ naneke le nu gbegblẽ la ŋu o. Ne woɣla aɖi ɖe nuɖuɖu dzadzɛa ɖe me hã la, aɖi ko wòganye; eƒe nɔnɔme matrɔ o. Afɔku ko wòaga nye ɖe dzi wú, elabe woaɖui le manyamanya me. Enye Satana ƒe ayemenuwɔwɔwo dometɔ ɖeka be wòatsɔ aʋatso suea ɖe atsaka kple Nyateƒe la ko ne wòatsɔe awɔ nyateƒenyae. Amesiwo de megbe na kwasiɖa ƒe dzudzɔgbenyenye la ƒe ŋgɔnɔlawo ate ŋu ado ɖɔɖɔɖo, si dukɔa hiã la wɔwɔ ɖe ŋgɔ, eye wòanye nuɖoanyi, si sɔ ɖe Biblia nu, gake ne wotsɔ nane, si mesɔ ɖe Mawu ƒe Se la nu o, tsaka kplii la, eƒe subɔla vavãwo mate ŋu aƒo ƒu kpli wo o. Naneke meli, si ɖe mɔ na wo be woagbe Mawu ƒe Sewo, axɔ ɖe amegbetɔwo tɔ dzi ɖe woteƒe o.UGL 557.1

    Vodada gã eve, siwo nye luʋɔ ƒe makumakunyenye kple kwasiɖagbe ƒe nukɔkɔenyenye la dzie Satana lato adé amewo eƒe mɔtetre me. Esime gbãtɔa anye gɔmeɖoɖo na hadede kple gbɔgbɔ vɔwo la, eveliae ana xɔlɔkadede ava wokple Roma dome. Amerika dukɔƒoƒua ƒe Protestantetɔ-woe lanye ame gbãtɔ, siwo lado xɔlɔwɔwɔ ƒe asi to mamã ƒe aʋli gã la ta ɖoɖe dzixɔse, si kplɔa ame de gbɔgbɔ vɔwo ƒe hadede me, kple ɖoɖe Roma ŋusẽ la gbɔ. Le hatsotsoe etɔ̃ siawo ƒe ɖekawɔwɔ me la, Amerika dukɔa le Roma ƒe afɔtoƒewo to ge, ahatu afɔ amewo ƒe dzitsinya ƒe didiwo dzi.UGL 558.1

    Esime hadede kple gbɔgbɔwo ƒe wɔnawo le gegem vivivi ɖe egbe ƒe kritosubɔsubɔ madeto me la, ele ŋusẽ kpɔm ɖe edzi hena luʋɔ geɖewo beble de gbegblẽ me. Satana, si le eɖokui trɔm ɖe alesi nuwo le egbea nu la, aɖe eɖokui fia abe kekeli dɔla ene. Nukunu kple dzesi gã, siwo ŋu ɖikekea ɖeke manɔ o la, ava me to gbɔgbɔ vɔ̃ wɔnawo dzi, eye amewo akpɔ dɔyɔyɔ. Gbɔgbɔ siawo ana amewo abui be woxɔ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo dzi se, eye woaɖe woɖokui fia abe amesiwo ɖo bubu na Hamea ƒe nuɖoanyiwo ene. Le esia ta, woaxɔ woƒe dɔwɔnawo abe Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia ene.UGL 558.2

    Ke azɔ la, asesẽ be woade dzesi vovototo, si le amesiwo le woɖokui yɔm be kristotɔwo la, kple amevɔɖiwo dome. Le esi hametɔwo lɔa vivisese abe xexemetɔwo ke ene la, wole gbesɔsɔ awɔ ɖeka kpli wo. Ale Satana hã ɖoe vevie be yeaƒo wo katã nu ƒu ɖe asaɖa ɖeka me. Esia ta wòle wo hem de gbɔgbɔyɔyɔ alo hadede kple gbɔgbɔ vɔ̃ wɔnawo me. Ekema, papayomedzela siwo kpɔa nukunuwo abe hame vavãtɔnyenye ƒe dzesi ene la, age ɖe nuku-ŋusẽ sia ƒe beble mɔkawo me bɔbɔe, eye Protestantetɔ, siwo hã gbe nu le Nyateƒea ƒe akpoxɔnu gbɔ la, akplɔ wo ɖo. Katoliko, Protestante kple xexemetɔwo siaa laxɔ mawusosroɖa, si ŋu ŋusẽ mele o la, kple dzitsitsi, eye woaxɔe se be ƒuƒoƒo gã sia nye xexeame katã ƒe dzimetɔtrɔ gbɔ vava ƒe habɔbɔ gã kple ƒe akpe ɖeka, si wole mɔ kpɔm na xoxo la, ƒe agudzedze.UGL 558.3

    To gbɔgbɔ vɔwo ƒe nukudɔ wɔwɔwo me Satana dzéna le xexeame abe dɔyɔlagã kple amegbetɔviwo ƒe dɔmenyotɔ gã ene. Enaa wokpɔa eyama abe amesi wɔ subɔsubɔ ƒe ɖoɖo nyuitɔ kekeake le xexeame la ene. Ke egale nu wɔm hã abe nugblẽla ene. Eƒe tetekpɔwo le ame geɖewo hem de tsɔtsrɔ me to ɖokuidzimaɖu, fieŋuifieŋui, dzrewɔwɔ kple hlɔdodo me. Aʋawɔwɔ ŋutidɔwɔwɔ nye nusi dona dzidzɔ na Satana, elabena eya ŋutɔ nyɔna adãwɔwɔ sesẽ le luʋɔwo me, eye wòtutuna amesiwo dzi wòɖu, amesiwo vɔwɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi ƒe aha le mumúm la de tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. Etɔna aʋawɔwɔ ƒe dzo le dukɔwo dome, ale be wòaɖe amewo ƒe susu le dzadzraɖo, si le vevie be woawɔ asu te le Mawu ƒe ŋkekea dzi la ɖa. Satana gale dɔ wɔm to dzɔdzɔme ŋusẽwo hã dzi be wòale luʋɔ, siwo mele ŋudzɔ o la, kpe ɖe esiwo tsrɔm wòle le mɔ bubuwo dzi la ŋu, ale be eƒe nukuŋeŋewo nasɔ gbɔ ɖe dzi. Esrɔ̃ nu tso dzɔdzɔmea ƒe nuɣaɣlawo katã ŋuti, eye wòwɔa dzɔdzɔmenuwo ŋu dɔ kple eƒe ŋusẽ katã vaseɖe afisi Mawu ɖe mɔ nɛ la dzi. Esi wòxɔ mɔɖeɖe be wòado vevesese na Hiob la, alɔtsɔtsɔe wòtsrɔ̃ lãwo, agblewo, aƒewo, dɔlawo kple viawo siaa le ɣeyiyi kpuia ɖe ko me. Mawu ŋutɔe kpɔa etɔawo ta, eye wòtea wo ɖa boo tso nugblẽla la ƒe ŋusẽ gbɔ. Evɔ, esi wònye be ɖekematsɔleme ƒe agbe ko kristotɔwo ƒe xexeame le ɖeɖem fia ku ɖe Yehowa ƒe Sea ŋu la, eya hã lawɔ ɖe nusi wògblɔ le eƒe Nya la me la nu: Aɖe eƒe yayrawo ɖa le anyigba dzi, kple eƒe ametakpɔkpɔ belélewo ɖa le amesiwo dze aglã ɖe eƒe Se la ŋu, eye wole tetém ɖe wo haviwo dzi be woawo hã woawɔ nenema la dzi. Amesiwo katã ŋuti Mawu medzɔna o la, Satana ɖua fia ɖe wodzi tɔxe. Ne wòate ŋu dè eƒe tameɖoɖo gbɔ la, enana nu nyona na amea ɖewo; ke etsɔa dzɔgbevɔe kpea bubuawo, eye wòwɔnɛ be amewo natsɔ fɔbubu la da ɖe Mawu dzi be eyae do vevesese na wo.UGL 559.1

    Le go bubu me, le esime Satana nɔa eɖokui wɔm le amegbetɔviwo ŋku me abe dɔyɔlagã, si te ŋu yɔa dɔléle ɖesiaɖe ene la, eya ŋutɔ gahea dɔléle kple dzɔgbevɔewo tsyo ƒomevi vaa dukɔ geɖewo dzi, ale gbegbe be du gãwo zua aƒedo. Ɣeyiɣi sia ŋutɔ gɔ̃ hã, ele dɔ dzi vevie, le nu gblẽm to dzɔgbevɔewo le anyigba kple atsiaƒu dzi me; dzodzeaƒe kple avewo dzi, ahomyawo, tsikpe kple tsiyaƒoƒo sesẽwo, tɔɖɔɖɔwo, tsidzidziwo ƒe agbodzedze kple anyigbaʋuʋuwo me. Ele eƒe ŋusẽ la ŋudɔ wɔm le afisiafi le nɔnɔme vovovowo me. Egblẽa nukuwo dome ne nuŋeɣi ɖo, emegbe la dɔwuame tona eye wòhea nuxaxa vaa aƒe. Ehlẽa ku ƒe aɖive ɖe ya me, eye dɔxɔlameŋu gblẽa ame akpeakpewo ƒe agbe dome. Afɔku kple dzogbevɔe siawo ƒe nugbegblẽ aga nɔ gã dom ɖe dzi ɖaa. Woava amegbetɔwo kple lãwo siaa dzi. «Anyigba le nu xam eye wòyrɔ; nu te xexeame ŋu. Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda Seawo dzi, wo to vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la.” (Yes. 24:4, 5 )UGL 560.1

    Mlɔeba la, aʋatsokalagã aƒo nya ɖe amewo nu, ne woaxɔe se be dzɔgbevɔe siawo katã tso mawusubɔlawo ƒe wɔna gbɔ. Amesiwo he dziƒo ƒe dziku va woɖokui dzi to woƒe wɔnawo me la, atsɔ woƒe fuwɔamewo katã da ɖe Mawu ƒe nuteƒewɔla, siwo ƒe toɖoɖo Mawu ƒe Seawo la, nye mokaka madzudzɔ na wo la dzi. Woaɖe gbeƒã be kwasiɖa ƒe se la dzidada nye vɔwɔwɔ ɖe Mawu ŋuti; eye nuvɔ̃ siae le fuwɔame, siwo nu matso kpɔ o la hem vɛ; negbe, ɖe ko woazi amesiame dzi sesẽtɔe be woale ŋkeke ma me ɖe asi hafi. Amesiwo le gbe tém ɖe Se enelia meléleɖasi dzi, eye wole tsitre tsim ɖe kwasiɖa ŋkekea ƒe kɔkɔenyenye ŋuti la, woabu wo abe amesiwo le zitɔtɔ dem dukɔa me ene, eye esia tae dziƒo xe mɔ ɖe dukɔa ƒe yayra kple nunɔsiwo ƒe dzidzedze nu. Abe alesi wotsɔ nya ɖe mawusubɔlawo dometɔ ɖeka ŋu tsã madzɔmadzɔe le nɔnɔme ma ke me ene la, nenema kee woaga wɔe egbea hã. «Esi Axab kpɔ Eliya la, fia la gblɔ nɛ bena: Wò amesi he gbegblẽ va Israel dzi la, enye sia? Eliya ɖo ŋu bena: «Menye nyee he gbegblẽ va Israel dzi o, ke boŋ mia kple fofowò ƒe aƒee, elabena mieɖe asi le Yehowa ƒe Seawo ŋu, eye miedze Baal yome.” (Fiawo I, 18:17, 18 ) Alea ye, ne wode dzo amehawo me kple aʋatso nyatsɔɖameŋuwo, eye woƒe dɔmedzoe labi la, ekem woawɔ lãnuwo ɖe Mawu ƒe amedɔdɔwo ŋuti, abe alesi Israel, si de megbe la, wɔ ɖe Eliya ŋuti ene.UGL 560.2

    Gbɔgbɔ vɔwo ƒe nuku ŋusẽ la awɔ dɔ tsi tre ɖe amesiwo ɖoa to Mawu wú amegbetɔwo la ŋuti. Gbedasiwo atso gbɔgbɔwo gbɔ bena wodɔ yewo ɖe amesiwo tsi tre ɖe kwasiɖa ŋkekea ŋu la gbɔ, ne woagblɔ na wo be wole vodada me, eye be edze be woabɔbɔ ɖe dukɔme sewo te abe Mawu tɔwo ke ene. Woafa konyi le xexeame ƒe vɔɖivɔɖi ŋuti, eye woadé megbe na nya, si xɔsehame nunɔlawo gblɔ, si nye be xexeame ƒe gbegblẽ tso kwasiɖa ŋkekea dzidalawo ƒe wɔna gbɔ la. Ekema xexeame katã ƒe dɔmedzoe nu labi ɖe amesiwo agbe nya sia dzi xɔxɔse la ŋuti.UGL 561.1

    Le aʋa susɔe sia, si Satana awɔ kple Mawu ƒe dukɔa me la, eƒe aʋa-ɖaŋudzedze la enye esi ŋudɔ wòwɔ le dziƒo, esime ʋiʋli la dze egɔme. Esime wònɔ wɔwɔm abe ɖe wòle agbagba dzem ŋutɔ be Mawu ƒe dziɖuɖu la nali ke ene la, eganɔ dɔ wɔm le viviti me be yeamui ƒu anyi, eye wòganɔ mawudɔla nuteƒewɔlawo nu tsom kple nugbe, si eya ŋutɔ ɖo be yeawɔ la. Abe alesi ameblela gã ɣlana eƒe nugbeɖoɖo vɔɖiwo ɖe alakpa susu nyuiwo me ene la, nenema kee nye Roma hamea ƒe wɔna le eƒe ŋutinya katã me. Egblɔ tso eɖokui ŋuti be yenye “dziƒo- teƒenɔla” esime wòle didim le aye me be yeakɔkɔ wú Mawu, atrɔ eƒe Se la. Le eƒe dziɖuɣi me, amesiwo Romahamea na wowu le woƒe nuteƒewɔwɔ le Mawunya ƒe nufiafiawo dziwɔwɔ ta la, etsɔ nya ɖe wo ŋu be wonye afɔkumewo na xexeame. Wogblɔ le wo ŋuti be wowɔ ɖeka kple Satana, eye wowɔ mɔnu ɖesiaɖe, si woate ŋui la, ŋu dɔ hedo vlo amesiawo, eye wowɔ ŋutete be dukɔa nakpɔ wo, kple nuteƒewɔlawo ŋutɔ hã nakpɔ woɖokui, abe hlɔdola vɔɖitɔwo ene. Nenema ke wòagava nɔ, ne evaɖo dzi be woatsrɔ̃ amesiwo dea bubu Mawu ƒe Sewo ŋuti la ɖa la, Satana ana woatso wo nu be woda sewo dzi, do vlo Mawu ƒe Ŋkɔ, esia tae Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va xexeame dzi ɖo.UGL 561.2

    Mawu meténa ɖe ame ƒe lɔlɔnu, alo dzitsinya dzi gbeɖegbeɖe o; vɔ Satana ya la, ne mete ŋu tsɔ numevivi ble amesiwo dzi wòdi be yeaɖu nu o la, ewɔa amedzizizi kple ŋutasesẽ ŋu dɔ ɖaa.UGL 562.1

    Be ne wòadze edzi nɛ la, etona du-dziɖulawo kple xɔseha- ŋgɔnɔlawo dzi, eye wòtutuna wo be woaté ɖe amewo dzi ne woawɔ amegbetɔ ƒe sedede, siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe Se la ŋuti la, dzi.UGL 562.2

    Amesiwo léa Biblia ƒe Sabat dziwɔwɔ me ɖe asi la, woatsɔ nya ɖe wo ŋu, agblɔ le wo ŋuti bena wonye dukɔa ƒe se kple ɖoɖowo ƒe futɔwo, be woda agbenyuinɔnɔ ƒe kadede, si bla hahoa la dzi, eyata wohe masɔmasɔ kple gbegblẽ, si na be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va anyigba dzi la, vɛ. Woagagblɔ tso wo ŋuti be woƒe dzitsinya ƒe heheɖemegbe le dukɔme-seawo ŋu nye lelé ɖe nu ŋu, tamesesẽ kple fuléle ŋusẽtenɔnɔ ƒe wɔnawo, eyata woabu wo abe amesiwo tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋuti ene. Mawunyagblɔla, siwo gblɔna be wotu Mawu ƒe Seawo la, aɖe gbeƒã, tso nyagblɔtiwo dzi ke, be woawɔ ɖe dukɔme-sewo dzi, elabena Mawu ŋutɔ kee ɖo wo anyi. Le sewɔƒewo, abe le ʋɔnudrɔƒewo ke ene la, woaɖe susu, siwo mele Mawu ƒe sedziwɔlawo ƒe dzime o la, ɖe go, eye be ne woate ŋu bu fɔ wo la, woatrɔ woƒe nyagbɔgblɔ agblɔ bubue.UGL 562.3

    Esi Nyanyuihameawo xe to ɖe numeɖeɖe, siwo me kɔ nyuie le Biblia me, tso Mawu ƒe Se la dziwɔwɔ ŋuti la, woatsi tre be woade ga nu na amesiwo ƒe xɔse womate ŋu atsɔ Biblia me nyaa ɖeke agbã o la. To gbɔ be womía ŋku ɖe Nyateƒea dzi hã la, wotsɔ mɔa ɖe, si akplɔ wo tẽe ɖo ta amesiwo, le dzitsinya ta, agbe Papawo ƒe dzudzɔgbea dziwɔwɔ abe kristohame susɔewo ke ene la yometiti me le manyamanya me. Hamea ƒe tatɔwo kple dumegãwo ava ƒo ƒu awɔ ɖeka, be woahe amesiame sesẽtɔe to nyaƒoɖamenu me, to yometiti kple amewo beble kple ga me, ne woalé kwasiɖa ŋkeke la me ɖe asi abe dzudzɔgbe ene. Woava ɖɔ li Mawu ƒe ŋusẽ te nɔnɔ kple amedzizizi ƒe ɖoɖowo. Gbegblẽ, si le dunyahehe me, si tsína gbɔgbɔ ɖe nudzɔdzɔewɔwɔ nu, abe nyateƒe ƒe nuɖoanyiwo ke ene la, awɔ eƒe dɔ. Le Amerika dukɔ-ƒoƒua ŋutɔ me la, woava kpɔ dzitsitsi le dukɔa teƒenɔlawo kple sewɔlawo me, ɖe alesi woawɔ adze amehawo ŋu la ŋuti, eye woava xɔ hahoa ƒe biabia, si anye be woawɔ se, si até ɖe amesiame dzi be wòaxɔ kwasiɖa ŋkekea abe dzudzɔgbe ene. Woatsɔ vovo kpɔkpɔ le subɔsubɔ me kple dzitsinya ƒe ablɔɖe, si ta wowɔ vɔsa gãgãwo ɖo tsã la, asa vɔe. Bubudede ame ƒe dzitsinya ŋu maganɔ anyi o. Ʋiʋli, si tu aƒe, si gbɔ míeɖo ta la, anye nyagblɔɖinya, si gbɔna la, ƒe mevava be: «Eye dzi ku ʋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo léa Mawu ƒe Seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” (Nyaɖ. 12:17 )UGL 562.4

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents